Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Ame aɖewo gblɔ be menye Melite-ƒukpo, si le Sicily ƒe anyiehe dzie meli si me Paulo nɔ la gbã le o, ke boŋ ƒukpo bubu aɖe dzie. Afikae melia gbã le?

Nyabiabia sia ku ɖe susu si wodo ɖa nyitsɔ laa be meli si me apostolo Paulo nɔ la megbã le Melite-ƒukpo dzi o, ke boŋ melia gbã le Cephalonia (alo Kefallinía) si gogo Corfu-ƒukpo si le Ionia-ƒua me le ɣetoɖoƒe Hela la ŋu. Nuŋlɔɖi si tso gbɔgbɔ me la gblɔ na mí be Roma-ʋafia Yulio kple asrafo bubuwoe kplɔ Paulo kple eŋumewo dzoe le Kaisarea. Abe alesi wòdze le anyigbatataa dzi ene la, woɖo meli yi Zidon kple Mira. Esi woɖɔli meli va ɖo nuɖuɖugba meli gã aɖe si tso Egipte du si nye Alexandria la, woɖo ta ɣetoɖoƒe yi Knido. Womete ŋu zɔ mɔa tso Aegea-ƒu to Hela xa yi Roma abe alesi woɖoe ene o. Ahom aɖe zi wo dzi wova to Kreta ƒutawo ƒe anyiehe afisi ya meƒona le o. Afimae wodze ɖe melidzeƒe si woyɔna be Ʋudzeƒenyui la le. Esi ‘woho tso Kreta’ la, “ahom, si woyɔna be anyieheɣetoɖoƒeya la, ƒo kpe” woƒe melia. Ahom la ‘nyama’ nuɖuɖugba meli gã la vaseɖe ŋkeke 14 lia ƒe zã me. Mlɔeba la, meli si me ame 276 nɔ la gbã le afisi Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe siwo le Helagbe yɔ be Me·liʹte.—Dɔwɔwɔwo 27:1–28:1.

Le ɣeyiɣi siwo va yi me la, wodo susu vovovowo ɖa ku ɖe afisi Me·liʹte ƒukpo sia nye ŋu. Ame aɖewo susu be Melite Illyrica ƒukpo, si woyɔna fifia be Mljet, si nye Adria-ƒua ƒe ƒukpo aɖe le Croatia ƒuta lae wònye. Gake mate ŋu anye Mljet ye o, elabena du siwo le eƒe dziehe la mewɔ ɖeka kple afisiwo Paulo yi eƒe mɔzɔzɔa dzi va to siwo nye Sirakusa, Sicily, kple emegbe Italy ƒe ɣetoɖoƒe ƒuta o.—Dɔwɔwɔwo 28:11-13.

Biblia gɔmeɖela akpa gãtɔ ƒo nya ta be Me·liʹte siae nye Melite Africanus ƒukpo si woyɔna fifia be Malta. Melidzeƒe mamlɛtɔ si meli si Paulo ɖo dze ɖoe nye Ʋudzeƒenyui, si le Kreta. Emegbe ahom aɖe zi melia dzi wòɖo ta ɣetoɖoƒe yi Klauda. Ahom la yi edzi lɔ melia ɖe enu ŋkeke geɖe. Eme kɔ ƒã be meli si ahom lɔ ɖe enu la aɖo ta ɣetoɖoƒe ʋĩ ava aɖo Melite.

Ŋugbledede le ahom ƒe tutu edziedzi le nuto ma me ŋu kple “afisi wòlɔ wo ɖe nu ɖo tae kpakple alesi ahom la nu sẽe” ŋu na Conybeare kple Howson gblɔ le agbalẽ si nye The Life and Epistles of St. Paul me be: “Klauda kple Melite dome medidi de kilometa 770 tututu o. Eyata edze ƒã be mate ŋu anye teƒe bubu aɖekee ƒudzidelawo [ɖo tae] le ŋkeke wuienelia ƒe zã me tsɔ wu Melite o. Ðikeke boo aɖeke mele nya ma ŋu o.”

Togbɔ be woate ŋu agblɔ be teƒe bubuwoe hã la, ewɔ abe meli si gbã le Melite si dze le anyigbatataa dzi afisiae wɔ ɖeka kple Biblia me nuŋlɔɖia wu ene.

[Map/Picture on page 31]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Yerusalem

Kaisarea

Zidon

Mira

Knido

KRETA

KLAUDA

MELITE

SICILY

Sirakusa

Roma

MLJET

HELA

CEPHALONIA