Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Woléa Fu Wo Dzodzro

Woléa Fu Wo Dzodzro

Woléa Fu Wo Dzodzro

“Woléa fum dzodzro!”—YOHANES 15:25.

1, 2. (a) Nukatae wòwɔa nuku na ame aɖewo ne woƒo nu tsi tre ɖe Kristotɔwo ŋu, gake nukatae mele be nuƒo siawo nawɔ nuku na míawo ya o? (b) Nya “fuléle” ƒe gɔmesese ka mee míadzro le nyati sia me? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔ.)

YEHOWA ÐASEFOWO dzea agbagba be yewoanɔ agbe wòasɔ ɖe gɔmeɖose siwo le Mawu ƒe Nya la me nu. Esia wɔe be woƒoa nu nyui tso wo ŋu le dukɔ geɖe me. Ke hã ɣeaɖewoɣi la, wogblẽa wo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, dziɖuɖumegã aɖe si le Russia-du si nye St. Petersburg me gblɔ be: “Wogblɔ na mí be Yehowa Ðasefowo nye vivimekɔmama aɖe si wɔa woƒe nuwo le adzame hewua wo viwo kple woa ŋutɔwo ɖokui.” Gake esi amegã ma ke wɔ dɔ kple Yehowa Ðasefowo le dzadzraɖo na dukɔwo dome takpekpe aɖe vɔ megbe la, egblɔ be: “Fifia mekpɔ be wonye amesiwo le abe ame bubuwo ke ko ene, eye wokoa nu na ame . . . Wonye ame fafa siwo melɔ̃a ʋunyaʋunyawɔwɔ o, eye wolɔ̃a wo nɔewo ŋutɔ.” Egblɔ kpee be: “Le nyateƒe me la, nyemese nusitae amewo gblɔa alakpanya siawo ɖe wo ŋu gɔme o.”—Petro I, 3:16.

2 Menye dzidzɔe wònyena na Mawu subɔlawo be woagblɔ tso wo ŋu alakpatɔe be wonye ame vɔ̃ɖiwo o, ke hã amewo ƒe nuƒoƒo atsi tre ɖe wo ŋu mewɔa nuku na wo o. Yesu xlɔ̃ nu eyomedzelawo do ŋgɔ be: “Ne xexeame lé fu mi la, minyae bena, nyee wòtre fulélee. . . . [Ele alea be] woawu nya, si woŋlɔ ɖe woƒe sea me la nu bena: ‘Woléa fum dzodzro!’” * (Yohanes 15:18-20, 25; Psalmo 35:19; 69:4) Egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo do ŋgɔ be: “Ne woyɔ aƒetɔ la be Beelzebul la, aleke woahayɔ eƒe aƒemetɔwo awui?” (Mateo 10:25) Kristotɔwo se egɔme be dzidodo le vlodoame siawo te nye “fuwɔameti” si yewolɔ̃ xɔ esime yewozu Kristo yomedzelawo la ƒe akpa aɖe.—Mateo 16:24.

3. Aleke gbegbee woti tadeagula vavãwo yomee?

3 Fuléle tadeagula vavãwo dze egɔme tso gbaɖegbe ke, tso “Abel, ame dzɔdzɔe la” dzi. (Mateo 23:34, 35) Menye nusiwo dzɔ le teƒe aɖewo koe wònye o. Yesu gblɔ be ‘amewo katã alé’ ye yomedzelawo “ɖe ke me” le yeƒe ŋkɔ ŋuti. (Mateo 10:22) Gakpe ɖe eŋu la, apostolo Paulo ŋlɔ be ele be Mawu subɔlawo katã—mía dometɔ ɖesiaɖe hã le eme—nanɔ mɔ kpɔm be woati yewo yome. (Timoteo II, 3:12) Nuka gbɔe esia tso?

Nusita Woléa Fu Mí Dzodzro Ðo

4. Aleke Biblia ɖe amesi le megbe na fulélewo katã fiae?

4 Mawu ƒe Nya la ɖee fia be tso gɔmedzedzea me ke la, ame aɖe si womekpɔna o ye le megbe na fulélea. Bu alesi wowu xɔsetɔ gbãtɔ Abel ŋutasesẽtɔe ŋu kpɔ. Biblia gblɔ be nɔvia Kain si wui la “tso vɔ̃ɖitɔ la [Satana Abosam] me.” (Yohanes I, 3:12) Kain ɖe Satana ƒe nɔnɔme fia eye Abosam zãe wɔ eƒe tameɖoɖo vɔ̃ɖi la dzi. Biblia gakɔ nu me hã le akpa si Satana wɔ le Hiob kple Yesu Kristo dzi dzedze adãtɔe ŋu. (Hiob 1:12; 2:6, 7; Yohanes 8:37, 44; 13:27) Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa gblɔ amesi gbɔ Yesu yomedzelawo ƒe yometitia tso eme kɔ tẽ ale: “Abosam latsɔ mia dome ame aɖewo ade gaxɔ me, bene woate mi akpɔ.” (Nyaɖeɖefia 2:10) Ẽ, Satanae le megbe na fuléle siwo katã wohena vaa Mawu ƒe amewo dzi dzodzroe la.

5. Nukatae Satana léa fu tadeagula vavãwo ɖo?

5 Nukatae Satana léa fu tadeagula vavãwo ɖo? Satana tɔ gbe “fia mavɔmavɔtɔ” Yehowa Mawu le nugbe aɖe si wòɖo le esi wòbu eɖokui gãe akpa la ta. (Timoteo I, 1:17; 3:6) Egblɔ be Mawu mena ablɔɖe aɖeke eƒe nuwɔwɔ siwo dzi ɖum wòle la o eye be ame aɖeke mesubɔa Mawu kple susu nyui o, be amewo ŋutɔwo ƒe viɖekpɔkpɔ ta koe wosubɔnɛ ɖo. Satana ƒu asi akɔ be ne woɖe mɔ yedo amegbetɔwo kpɔ la, yeatrɔ wo dometɔ ɖesiaɖe ɖa tso Mawu subɔsubɔ gbɔ. (Mose I, 3:1-6; Hiob 1:6-12; 2:1-7) Satana to Yehowa ŋu gbegblẽ be enye ameteɖeanyila, aʋatsokala, kple ame dokponu dzi dze agbagba be yeawɔ ye ɖokui dziɖula si anɔ tasɔsɔ me kple Yehowa. Alea wòɖea eƒe dziku ɖe Mawu subɔlawo ŋu to agbagbadzedze be yeana woasubɔ ye dzi.—Mateo 4:8, 9.

6. (a) Aleke nya si fɔ ɖe te ku ɖe Yehowa ƒe dziɖulanyenye ŋu ka mía dometɔ ɖesiaɖe? (b) Aleke nya sia gɔme sese akpe ɖe mía ŋu míalé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi? (Kpɔ aɖaka si le axa 16.)

6 Èkpɔ alesi nya sia ka wòea? Esi nènye Yehowa subɔla ta la, anɔ eme be èkpɔe be togbɔ be Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ bia agbagbadzedze geɖe hã la, viɖe siwo dona tsoa esia wɔwɔ me la wu gbɔgblɔ. Ke ne nɔnɔme siwo me tom nèle le agbe me na mele bɔbɔe o, alo kura gɔ̃ hã wòzu fukpekpe na wò, be nàyi edzi awɔ Yehowa ƒe sewo kple gɔmeɖosewo dzi ɖe? Ke ne ewɔ na wò be yemele viɖe aɖeke kpɔm tso eme o ya ɖe? Ðe nàƒo nya ta be megahiã be yeayi edzi asubɔ Yehowa oa? Alo ɖe alesi nèlɔ̃ Yehowa kple ŋudzedze si nèkpɔ ɖe eƒe nɔnɔme nyoameŋuawo ŋu vevie aʋã wò be nàyi edzi azɔ eƒe mɔwo katã dzia? (Mose V, 10:12, 13) Yehowa ɖe mɔ na Satana be wòahe fukpekpewo va mía dzi heto esia dzi na mɔnukpɔkpɔ mía dometɔ ɖesiaɖe be wòaɖo Satana ƒe gbetɔamea ŋu.—Lododowo 27:11.

‘Ne Amewo Do Vlo Mi’

7. Ayemɔ ɖeka si dzi Abosam dzea agbagba tona be yeatrɔ mí ɖa tso Yehowa ŋu ɖe?

7 Mina míadzro ayemenuwɔna siwo dzi Satana tona be yeaɖo kpe yeƒe gbetɔameawo dzi la dometɔ ɖeka me nyuie azɔ—esiae nye aʋatsokaka ŋudɔ wɔwɔ. Yesu yɔ Satana be “aʋatsokafofo.” (Yohanes 8:44) Nyaŋkɔ Abosam, si gɔmee nye “Ameŋugblẽla” la ɖe ame ma fia be eyae gblẽa Mawu, eƒe nya siwo me viɖe le, kple eƒe ŋkɔ kɔkɔe la ŋu wu. Abosam zãa ameŋugbegblẽ, amenutsotso alakpatɔe, kple aʋatsokaka le gbetɔtɔ Yehowa ƒe dziɖulanyenye me, eye ezãa mɔnu mawo ke tsɔ gblẽa Mawu subɔla wɔnuteƒewo ŋu. Etoa vlododo Ðasefo siawo dzi tea wo kpɔna vevie si wɔnɛ be esesẽna na wo wu be woado dzi le eme.

8. Aleke Satana do vlo Hiob, eye nukae do tso eme?

8 Bu nusi dzɔ ɖe Hiob, amesi ƒe ŋkɔ gɔmee nye “Amesi Wolé Fui” dzi ŋu kpɔ. Menye ɖeko Satana gblẽ Hiob ƒe nunɔamesiwo dome, wu viawo, hena eƒe lãme gblẽ ko o, ke ena Hiob dze abe nuvɔ̃wɔla si Mawu le to hem na ene hã. Togbɔ be Hiob nye amesi ŋu wodea bubui tsã hã la, eva zu amesi ƒometɔwo kple xɔlɔ̃ kplikplikpliwo kura gɔ̃ hã ɖi gbɔe. (Hiob 19:13-19; 29:1, 2, 7-11) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Satana dze agbagba to akɔfala alakpatɔ aɖewo dzi be ‘yeatsɔ nyawo agbã dzi nɛ.’ Gbã la, wogblẽ eŋu be anye nuvɔ̃ gã aɖe kokokoe wòwɔ eye emegbe wobu fɔe tẽ be enye nugbegblẽwɔla. (Hiob 4:6-9; 19:2; 22:5-10) Aleke gbegbee ema anya ɖe dzi le Hiob ƒo enye esi!

9. Aleke wona Yesu dze abe nuvɔ̃wɔlae wònye ene?

9 Mawu ƒe Vi la koŋue Satana lé fui vevie le esi eyae nye amesi de Yehowa ƒe dziɖulanyenye dzi wu ta. Esi Yesu va anyigba dzi la, Satana dze agbagba be yeana wòadzudzɔ Mawu subɔsubɔ, abe alesi wòwɔ kple Hiob ene, hena Yesu hã dze nuvɔ̃wɔlae. (Yesaya 53:2-4; Yohanes 9:24) Amewo yɔe be ahatsunola kple nutsuɖula eye wogblɔ be “gbɔgbɔ vɔ̃ le eme.” (Mateo 11:18, 19; Yohanes 7:20; 8:48; 10:20) Wotso enu alakpatɔe be egblɔ busunya. (Mateo 9:2, 3; 26:63-66; Yohanes 10:33-36) Esia te ɖe Yesu dzi, elabena enyae be nusia he vlodoame va ye Fofo dzi. (Luka 22:41-44) Mlɔeba la, woklã Yesu ɖe ati ŋu abe nuvlowɔla si woƒo fi de ene. (Mateo 27:38-44) Yesu to nuteƒewɔwɔ me léle ɖe asi bliboe me do dzi geɖe le “nuvɔ̃wɔlawo ƒe ɖeklemiɖeɖe” te.—Hebritɔwo 12:2, 3.

10. Aleke Satana tɔ ŋku amesiamina susɔeawo le egbeŋkekeawo me?

10 Le egbeŋkekeawo me la, Satana lé fu Kristo yomedzela amesiaminawo ƒe ame susɔeawo hã nenema ke. Wogblɔ tso Satana ŋu be enye Kristo “nɔviwo nutsola, si nɔa wo nu tsom le Mawu ŋku me zã kple keli.” (Nyaɖeɖefia 12:9, 10) Tso esime wonya Satana le dziƒo ɖo ɖe anyigbanutowo me la, ele agbagba dzem ɖe edzi wu be yeagblẽ Kristo nɔviwo ŋu be wonye ame vɔ̃ɖi siwo mele be woanɔ ame dome o. (Korintotɔwo I, 4:13) Le dukɔ aɖewo me la, woyɔ wo ameŋugbegblẽtɔe be vivimeha vɔ̃ɖi, abe alesi ko woyɔ ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo ene. (Dɔwɔwɔwo 24:5, 14; 28:22) Abe alesi míegblɔe do ŋgɔ ene la, wotoa nyakpakpawo dzi gblẽa wo ŋu. Ke hã, “to bubu kple ŋukpe me, to ɖaseɖiɖi vɔ̃ kple ɖaseɖiɖi nyui me” la, Kristo nɔvi amesiaminawo dzea agbagba ɖokuibɔbɔtɔe be ‘yewoalé Mawu ƒe seawo me ɖe asi, ahaɖi ɖase tso Yesu ŋu,’ eye wo hati ‘alẽ bubuawo’ kpena ɖe wo ŋu le esia wɔwɔ me.—Korintotɔwo II, 6:8; Yohanes 10:16; Nyaɖeɖefia 12:17.

11, 12. (a) Susu ka tae woate ŋu ado vlo Kristotɔwo ɣeaɖewoɣi ɖo? (b) Mɔ kawo nue Kristotɔ ate ŋu akpe fu madzemadzee le eƒe xɔse ta?

11 Ele eme be menye “le dzɔdzɔenyenye ŋuti” ye vlodoame ɖesiaɖe si vaa Mawu subɔla ɖesiaɖe dzi la vana ɖo o. (Mateo 5:10) Kuxi aɖewo ate ŋu atso mía ŋutɔwo ƒe blibomademade gbɔ. Viɖe tɔxɛ aɖeke manɔ eŋu ne “woƒo [mí] le nuvɔ̃wɔwɔ ŋuti, eye [míedo] dzi kpee” o. Gake “[enye] amenuveve” le Yehowa ŋkume ne Kristotɔ aɖe “do dzi le xaxawo me, eye wòkpea fu madzɔmadzɔ le dzitsinya, si vɔ̃a Mawu la ta.” (Petro I, 2:19, 20) Nɔnɔme kawo mee esia ate ŋu adzɔ le?

12 Wosẽ ŋuta le ame aɖewo ŋu le esi wogbe be yewomakpɔ gome le kunuwɔwɔ kɔnu siwo mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu me o ta. (Mose V, 14:1) Wodzua sɔhɛ Ðasefowo enuenu le esi wowɔna ɖe Yehowa ƒe agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenuwo dzi ta. (Petro I, 4:4) Wotso Kristotɔ dzila aɖewo nu alakpatɔe be wonye “ɖekematsɔlemetɔwo” alo “ŋutasẽlawo” le esi womedi be woawɔ atike si me ʋu le na yewo viwo o ta. (Dɔwɔwɔwo 15:29) Kristotɔ aɖewo ƒe ƒometɔwo kple aƒelikawo lé fu wo le esi wova zu Yehowa subɔla ɖeɖe dzaa ko ta. (Mateo 10:34-37) Amesiawo katã le kpɔɖeŋu si nyagblɔɖilawo kple Yesu ŋutɔ ɖo le fukpekpe madzemadzee ŋu la srɔ̃m.—Mateo 5:11, 12; Yakobo 5:10; Petro I, 2:21.

Dzidodo le Vlodoame Te

13. Nukae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míanɔ tsitre le gbɔgbɔ me ne wole vlo dom mí vevie?

13 Ne wole vlo dom mí vevie le míaƒe xɔse ta la, dzi ate ŋu aɖe le mía ƒo abe nyagblɔɖila Yeremya ene, eye míase le mía ɖokui me be míagate ŋu ayi edzi asubɔ Mawu o. (Yeremya 20:7-9) Nukae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanɔ tsitre le gbɔgbɔ me? Dze agbagba nàkpɔ nuwo abe alesi Yehowa kpɔnɛ ene. Mebua amesiwo doa dzi nuteƒewɔwɔtɔe le tetekpɔ me la abe amesiwo ŋu nu gblẽ le ene o, ke boŋ abe aʋadziɖulawo ene. (Romatɔwo 8:37) Dze agbagba nàkpɔ amesiwo de Yehowa ƒe dziɖulanyenye dzi togbɔ be Abosam do ŋukpe wo le mɔ ɖesiaɖe nu hafi la le susu me ɖaamewo abe Abel, Hiob, Yesu dada Maria, kple nuteƒewɔla bubu siwo nɔ anyi le blema, kpakple hati subɔla siwo li egbea ene. (Hebritɔwo 11:35-37; 12:1) De ŋugble le woƒe nuteƒewɔwɔ ŋu. Nuteƒewɔlawo ƒe ha gã ma le mía kpem be míawɔ ɖeka kpli yewo be míaxɔ teƒeɖoɖo si woɖo ɖi na amesiwo ɖu xexeame dzi to woƒe xɔse dzi la.—Yohanes I, 5:4.

14. Aleke gbedodoɖa vevie ate ŋu ado ŋusẽ mí be míayi edzi awɔ nuteƒe?

14 Ne ‘tamesusu ɖefunamewo va sɔ gbɔ ɖe mía dzi’ la, míate ŋu ado gbe ɖa vevie na Yehowa, eye afa kɔ na mí ahado ŋusẽ mí. (Psalmo 50:15; 94:19) Ana nunya si míehiã la mí be míado dzi le tetekpɔa me eye akpe ɖe mía ŋu míaƒe susu nanɔ nya vevi si fɔ ɖe te, si ku ɖe Yehowa ƒe dziɖulanyenye ŋu, si na woléa fu esubɔlawo dzodzro la ŋu. (Yakobo 1:5) Yehowa ate ŋu ana “Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta” la mí. (Filipitɔwo 4:6, 7) Susumekɔdzeanyi sia si Mawu nana la kpena ɖe mía ŋu míenɔa anyi kpoo heɖonɛ kplikpaa be míado dzi le amemiamia sesẽtɔ kekeake me, eye be míake ɖi alo avɔ̃ o. Yehowa ate ŋu ato eƒe gbɔgbɔa dzi ado ŋusẽ mí le nusianu si ŋu wòaɖe mɔ ɖo wòava mía dzi me.—Korintotɔwo I, 10:13.

15. Nukae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míagado dziku ne míele fu kpem o?

15 Nukae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míagado dziku ɖe amesiwo léa fu mí dzodzro la ŋu o? Ðo ŋku edzi be Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃woe nye míaƒe futɔ gãtɔwo. (Efesotɔwo 6:12) Togbɔ be ame aɖewo ɖonɛ koŋ tia mía yome hã la, amesiwo tsia tre ɖe Mawu ƒe amewo ŋu la dometɔ geɖe wɔnɛ le manyamanya me alo ame bubuwoe ƒonɛ ɖe wo nu be woawɔe. (Daniel 6:5-17; Timoteo I, 1:12, 13) Yehowa di be mɔnukpɔkpɔ nasu “amewo katã” si be “woaxɔ” wo eye be “woava nyateƒe ƒe sidzedze la me.” (Timoteo I, 2:4) Le nyateƒe me la, ame aɖewo siwo tsi tre ɖe mía ŋu tsã la va zu mía nɔvi Kristotɔwo fifia le esi wolé ŋku ɖe míaƒe agbenɔnɔ si ŋu mokaka mele o ŋu ta. (Petro I, 2:12) Hekpe ɖe eŋu la, míate ŋu asrɔ̃ nane atso Yakob vi Yosef ƒe kpɔɖeŋua me. Togbɔ be Yosef tɔviwo na wòkpe fu vevie hã la, melé fu wo o. Nukatae? Elabena ede dzesii be Yehowa ƒe asi nɔ nyaa me, be etrɔ asi le nudzɔdzɔawo ŋu be wòawɔ Eƒe tameɖoɖo dzi. (Mose I, 45:4-8) Nenema kee Yehowa ate ŋu ana fu ɖesiaɖe si kpem míele madzemadze la nahe ŋutikɔkɔe vɛ na eƒe ŋkɔ.—Petro I, 4:16.

16, 17. Nukatae mele be míatsi dzi akpa ɖe tsitretsiɖeŋulawo ƒe agbagbadzedze be yewoaxe mɔ ɖe gbeƒãɖeɖedɔa nu ŋu o?

16 Mele be míatsi dzi akpa ne ɣeaɖewoɣi la, ewɔ abe tsitretsiɖeŋulawo le dzidzedze kpɔm le mɔxexe ɖe nyanyuia ƒe ŋgɔyiyi nu me ene o. Yehowa le dukɔwo ʋuʋum to xexeame katã ƒe ɖaseɖiɖidɔ si wɔm míele dzi fifia, eye nu nyoameŋuwo le vavam. (Xagai 2:7) Kristo Yesu, Alẽkplɔla Nyui la gblɔ be: “Nye alẽwo sea nye gbe, eye nye la menya wo, eye wodzea yonyeme; eye nye la mena agbe mavɔ wo, . . . eye ame aɖeke mele woamawo xɔ ge sesẽ le asinye o.” (Yohanes 10:27-29) Mawudɔla kɔkɔewo hã le gome kpɔm le gbɔgbɔmenuŋeŋe gã la me. (Mateo 13:39, 41; Nyaɖeɖefia 14:6, 7) Eyata eɖanye nukae tsitretsiɖeŋulawo gblɔ alo wɔ o, mate ŋu agblẽ Mawu ƒe tameɖoɖo me o.—Yesaya 54:17; Dɔwɔwɔwo 5:38, 39.

17 Zi geɖe la, tsitretsiɖeŋulawo ƒe agbagbadzedzewo me tsonuwo ate ŋu adze woa ŋutɔwo dzi. Le Afrika ƒe nuto aɖe me la, wogblɔ alakpanya vɔ̃ɖi geɖe ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu, eye nya siwo wogblɔ dometɔ aɖee nye be wonye Abosam subɔlawo. Le esia ta la, ɣesiaɣi si Ðasefoawo va Grace ƒeme la, eƒua du va bena ɖe eƒe xɔ godo vaseɖe esime wodzo hafi wòtrɔna vaa aƒea me. Gbeɖeka sɔleme si wòdena ƒe osɔfo lé míaƒe agbalẽwo dometɔ ɖeka ɖe asi hegblɔ na amesiwo katã va sɔlemea be woagaxlẽe o elabena ana woaɖe asi le woƒe xɔse ŋu. Esia na Grace di be yeanya nusi le agbalẽa me. Ɣebubuɣi si Ðasefoawo gava aƒea me la, le esi wòabe teƒe la, eɖo dze kpli wo eye wòxɔ agbalẽa ɖeka. Wodze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kplii eye wòxɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1996 me. Fifia Grace zãa eƒe ɣeyiɣi tsɔ dia ame bubu siwo wogblẽ Yehowa Ðasefowo ŋu na la be yeakpe ɖe wo ŋu.

Do Ŋusẽ Wò Xɔse Fifia

18. Nukatae wòhiã be míado ŋusẽ míaƒe xɔse hafi tetekpɔ sesẽwo nado mo ɖa, eye aleke míawɔ esiae?

18 Esi wònye Satana ate ŋu ana woalé fu mí dzodzro ɣesiaɣi ta la, ele vevie be míado ŋusẽ míaƒe xɔse fifia. Aleke míawɔ esiae? Le dukɔ aɖe si me wole Yehowa ƒe amewo yome tim le me la, nɔviawo ka nya ta be: “Nu ɖeka aɖe va ɖe dzesi vevie: Tenɔnɔ sesĩe menye kuxi na amesiwo si gbɔgbɔ me nɔnɔme nyuiwo le eye wokpɔa ŋudzedze deto ɖe Biblia me nyateƒea ŋu be woalé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi le dodokpɔ ƒe ɣeyiɣiwo me o. Gake amesiwo daa kpekpewo ƒuna, medea gbeadzi edziedzi o eye womewɔa nuteƒe le nu suewo me esime wole ‘ɣeyiɣi nyuiwo’ me o la do kpo nu esi wodo wo kpɔ le ‘dzo’ me.” (Timoteo II, 4:2)Ne èkpɔe be ehiã be yeawɔ ŋgɔyiyi le go aɖewo me la, ke dze agbagba nàwɔe kaba.—Psalmo 119:60.

19. Nukae dona tsoa Mawu subɔlawo ƒe nuteƒewɔwɔ ne wolé fu wo dzodzroe me?

19 Alesi tadeagula vavãwo wɔa nuteƒe togbɔ be Satana lé fu wo vevie la nye kpeɖodzi ŋutɔŋutɔ be Yehowa ƒe dziɖulanyenye le se nu, edze, hele dzɔdzɔe. Woƒe nuteƒewɔwɔ doa dzidzɔ na Mawu ƒe dzi. Togbɔ be amewo ado vlo wo hã la, ‘ŋu mekpea’ amesi ƒe bubu ƒo dziƒo kple anyigba tɔ ta “le wo ŋuti be, woyɔe be woƒe Mawu o.” Le nyateƒe me la, woate ŋu agblɔe wòasɔ le nuteƒewɔla siawo ŋu be: “Xexeame [medze na wo] kura o.”—Hebritɔwo 11:16, 38.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 2 Le Ŋɔŋlɔawo me la, nya “fuléle” fia nu geɖe. Le go aɖewo me la, efia alesi womalɔ̃ ame aɖe fũ o ko. (Mose V, 21:15, 16) “Fuléle” agate ŋu afia nane malɔ̃malɔ̃ vevie gake menye kple susu be woagblẽ edome o, ke boŋ woadi be woaƒo asa nɛ le esi wònyɔa ŋu na ame ta. Gake nya “fuléle” ate ŋu afia ame ƒe nya gbɔ tsitsri vevie edziedzi si nana wowɔa nu vevi amea. Nyaa ƒe gɔmesese sia mee míadzro le nyati sia me.

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

• Nukae le megbe na fuléle dzodzro si wohena vaa tadeagula vavãwo dzii?

• Aleke Satana zãa vlodoame tsɔ dzea agbagba be yeagblẽ Yesu kple Hiob ƒe nuteƒewɔwɔ me?

• Aleke Yehowa doa ŋusẽ mí be míanɔ tsitre sesĩe ne Satana lé fu mí?

[Biabiawo]

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 16]

Wokpɔ Nya la Ŋutɔŋutɔ Dze Sii

Yehowa Ðasefo siwo le Ukraine, afisi woɖo asi Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa dzi le wòwu ƒe 50, dometɔ ɖeka gblɔ be: “Mele be míatsɔ alesi amewo wɔa nui ɖe mía ŋu ko atsɔ akpɔ nɔnɔme si me Yehowa Ðasefowo nɔ o. . . . Dɔ si wode asi na dziɖuɖumegãwo ko wɔmee wonɔ. Ne dziɖuɖu bubu va la, ekema dziɖuɖumegãwo megawɔa nuteƒe na amesi te wonɔ tsã o, gake nenema ko míawo ya míegakpɔtɔ nɔna. Míekpɔe dze sii be woɖe nusi gbɔ koŋ míaƒe xaxawo tsoe fia le Biblia me.

“Míebu mía ɖokuiwo be míenye fɔmaɖila siwo amewo tena ɖe anyi ko o. Nusi kpe ɖe mía ŋu míedo dzie nye nya si fɔ ɖe te le Eden—nya si fɔ ɖe te ku ɖe Mawu ƒe dziɖuɖu ƒe dzedze ŋu—gɔmesese nyuie. . . . Míede nya aɖe si menye amegbetɔwo ƒe viɖe ŋu koe wòku ɖo o, ke ɖe xexeame katã ƒe Dziɖulagã hã ŋu la dzi. Míese nya siwo fɔ ɖe te la gɔme nyuie wu. Esia na ŋusẽ nɔ mía ŋu eye ekpe ɖe mía ŋu míelé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi le nɔnɔme sesẽtɔwo kekeake gɔ̃ hã me.”

Picture]

Victor Popovych, amesi wolé le ƒe 1970 me

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Amekae nɔ megbe na vlo si wodo Yesu?

[Nɔnɔmetata siwo le axa 15]

Hiob, Maria, kple Mawu subɔla siwo li egbea, abe Stanley Jones ene, de Yehowa ƒe dziɖulanyenye dzi