Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa, Míaƒe ‘Sitsoƒe Le Hiãɣi’

Yehowa, Míaƒe ‘Sitsoƒe Le Hiãɣi’

Yehowa, Míaƒe ‘Sitsoƒe Le Hiãɣi’

“[Dzɔdzɔetɔwo] ƒe xɔname tso Yehowa gbɔ, eya nye sitsoƒe na wo le hiãɣi.”—PSALMO 37:39.

1, 2. (a) Gbe kae Yesu do ɖa ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ta? (b) Nukae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu na eƒe amewo?

ŊUSẼKATÃTƆE Yehowa nye. Ŋusẽ le esi be wòakpɔ esubɔla wɔnuteƒewo ta le mɔ ɖesiaɖe si wòdi nu. Ate ŋu aɖe eƒe amewo adzoe le ame bubuwo dome le xexeame ahana woanɔ teƒe aɖe si le dedie si ŋutifafa le gɔ̃ hã. Gake Yesu do gbe ɖa na Fofoa si le dziƒo tso eƒe nusrɔ̃lawo ŋu be: “Nyemele biabiam be, naɖe wo tso xexeame o, ke boŋ bena, nadzra wo ɖo tso vɔ̃ɖitɔ la si me.”—Yohanes 17:15.

2 Yehowa tiae be yemaɖe mí ɖa “tso xexeame o.” Ðe ema teƒe la, edi be míanɔ amewo dome le xexeame ale be míaɖe gbeƒã yeƒe mɔkpɔkpɔ kple akɔfafa gbedasia na amewo. (Romatɔwo 10:13-15) Gake abe alesi Yesu ƒe gbedodoɖaa ɖee fia ene la, esi míele xexeame ta la, míele “vɔ̃ɖitɔ la” ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi te. Amegbetɔ tomaɖolawo kple gbɔgbɔmeŋusẽ vɔ̃ɖiwo doa vevesese kple nuxaxa geɖe na ame, eye Kristotɔwo meto le fukpekpewo me o.—Petro I, 5:9.

3. Nyateƒenya kawoe Yehowa subɔla wɔnuteƒewo gɔ̃ hã dzea ŋgɔe, gake akɔfafa kae míekpɔ le Mawu ƒe Nya la me?

3 Ne tetekpɔ siawo le mía dzi vam la, esɔ le dzɔdzɔme nu be dzi naɖe le mía ƒo ɣeaɖewoɣi. (Lododowo 24:10) Nuteƒewɔla siwo to fukpekpewo me ƒe nuŋlɔɖi geɖe le Biblia me. Hakpala la dzi ha be: “Ame dzɔdzɔe ƒe fukpekpewo sɔ gbɔ, ke Yehowa ɖenɛ tsoa wo katã me.” (Psalmo 34:20) Ẽ, nu manyomanyowo ɖea fu na “ame dzɔdzɔe.” Abe hakpala Dawid ene la, ‘míagbɔdzɔ eye míaƒe lãme agbã gudugudu’ kura gɔ̃ hã ɣeaɖewoɣi. (Psalmo 38:9) Ke hã, efaa akɔ na ame be woanyae be “Yehowa tsɔ ɖe amesiwo ƒe dzi gbã gudugudu la gbɔ, eye wòxɔna na amesiwo ƒe gbɔgbɔ woƒo ƒu anyi.”—Psalmo 34:19; 94:19.

4, 5. (a) Abe alesi wòdze le Lododowo 18:10 ene la, nukae wòle be míawɔ be Mawu nakpɔ mía ta? (b) Afɔ kawo koŋue míate ŋu aɖe be Mawu nakpe ɖe mía ŋu?

4 Abe alesi Yesu biae le gbedodoɖa la me ene la, Yehowa kpɔa mía ta. Eyae nye ‘míaƒe sitsoƒe le hiãɣi.’ (Psalmo 37:39) Lododowo ƒe agbalẽa hã gblɔ nya ma tɔgbe ke, be: “Yehowa ƒe ŋkɔ enye mɔ̃ sesẽ; afima ame dzɔdzɔe la sina yina, eye wònɔa dedie.” (Lododowo 18:10) Mawunyakpukpui sia ɖe nyateƒenya vevi aɖe fia le alesi Yehowa tsɔa ɖe le eme na eƒe nuwɔwɔwoe ŋu. Mawu kpɔa ame dzɔdzɔe siwo dinɛ vevie la ta etɔxɛ, abe ɖe míele sisim ava be ɖe xɔ sesẽ aɖe me ene.

5 Ne míedo go kuxi ɖefunamewo la, aleke míadi takpɔkpɔ le Yehowa gbɔe? Mina míadzro afɔ vevi etɔ̃ siwo míate ŋu aɖe be Yehowa nakpe ɖe mía ŋu la me. Gbã, ele be míado gbe ɖa na mía Fofo si le dziƒo la. Evelia, ele be míawɔ ɖe eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe mɔfiafia dzi. Eye etɔ̃lia, ele be míawɔ ɖe ɖoɖo si Yehowa wɔ dzi ɖokuibɔbɔtɔe to hadede kple hati Kristotɔ siwo ate ŋu ana míaƒe fukpekpea dzi naɖe akpɔtɔ la dzi.

Ŋusẽ si le Gbedodoɖa Ŋu

6. Aleke Kristotɔ vavãwo bua gbedodoɖae?

6 Lãmesẽnyawo gbɔ kpɔla aɖewo biana tsoa amesiwo lé blanui alo nu te ɖe wo dzi la si be woado gbe ɖa atsɔ akpɔ egbɔe. Togbɔ be anɔ eme be ŋugbledede ɣeyiɣi kpui aɖe abe gbe domee wole ɖa ene ate ŋu aɖe nuteɖeamedzi dzi akpɔtɔ hã la, dzɔdzɔme gbeɖiɖi aɖewo, alo kura gɔ̃ hã dzime hehe na ame hã ate ŋu aɖe nuxaxa dzi akpɔtɔ. Kristotɔ vavãwo metsɔa gbedodoɖa nu tsɛ to ebubu abe susumetike ko wònye ene o. Míebua gbedodoɖa be enye nuƒoƒo bubutɔe kple Wɔla la. Gbedodoɖa bia kuku ɖe Mawu ŋu bliboe kple kaka ɖe eyama dzi. Ẽ, gbedodoɖa nye míaƒe tadedeagu ƒe akpa aɖe.

7. Nukae wòfia be míado gbe ɖa kakaɖedzitɔe, eye aleke gbedodoɖa siawo tɔgbe kpena ɖe mía ŋu míenɔa te ɖe fukpekpewo nui?

7 Ele be míaƒe gbedodoɖawo naɖee afia be míeka ɖe Yehowa dzi, alo míeɖoa ŋu ɖe eyama ŋu. Apostolo Yohanes ŋlɔ be: “Dzideƒo, si le mía si le egbɔ la, enye esi bena, ne míebia nane le eƒe lɔlɔ̃nu la, aɖo to mí.” (Yohanes I, 5:14) Yehowa, Nuwokatãtaƒola, kple Mawu vavã ŋusẽkatãtɔ ɖeka kolia la ɖoa to gbe siwo esubɔlawo dona ɖa nɛ kutrikukutɔe la etɔxɛ. Enyanya be mía Mawu lɔlɔ̃tɔ la ɖoa to mí ne míegblɔ míaƒe dzimaɖitsitsiwo kple kuxiwo nɛ ɖeɖe dzaa faa akɔ na mí.—Filipitɔwo 4:6.

8. Nukatae mele be ŋu nakpe Kristotɔ wɔnuteƒewo alo woase le wo ɖokui me be yewomedze o ne wole gbe dom ɖa na Yehowa?

8 Mele be ŋu nakpe Kristotɔ wɔnuteƒewo, woase le wo ɖokui me be yewomedze o, alo ado kpo kaka ɖe Yehowa dzi gbeɖe ne wole gbe dom ɖa nɛ o. Ele eme be ne míedo dziku ɖe mía ɖokuiwo ŋu alo kuxiwo sɔ gbɔ le mía dzi la, madzro mí be míado gbe ɖa na Yehowa o. Le ɣeyiɣi siawo me la, anyo be míaɖo ŋku edzi be Yehowa “[kpɔa] nublanui na eƒe hiãtɔwo” eye be “[efaa] akɔ na ame bɔbɔɖeanyiwo.” (Yesaya 49:13; Korintotɔwo II, 7:6) Ɣeyiɣi si me míele xaxawo kple nɔnɔme sesẽwo me tom koŋ ye wòle be míatrɔ ɖe mía Fofo si le dziƒo la ŋu kple kakaɖedzi be atso mí axɔ.

9. Akpa kae xɔse wɔna le gbedodoɖa na Mawu me?

9 Be gbedodoɖa ƒe mɔnukpɔkpɔ la naɖe vi na mí bliboe la, ele be xɔse vavã nanɔ mía si. Biblia gblɔ be “ele be, amesi ke tena va Mawu gbɔ la, naxɔ ase be, Mawu li, eye wònye teƒeɖola na amesiwo dinɛ vevie.” (Hebritɔwo 11:6) Xɔse bia nu geɖe wu lɔlɔ̃ ɖe edzi be ‘Mawu li ko.’ Xɔse vavã bia be woaka ɖe edzi vevie be ŋutete le Mawu si eye be edi be yeaɖo eteƒe na mí ne míeɖo to ye. “Yehowa ƒe ŋkuwo le ame dzɔdzɔewo ŋu, eye eƒe towo le woƒe kukuɖeɖe ŋu.” (Petro I, 3:12) Enyanya ɣesiaɣi be Yehowa tsɔ ɖe le eme na mí na gɔmesese tɔxɛ nɔa míaƒe gbedodoɖawo ŋu.

10. Ne míedi be Yehowa nalé be na mí le gbɔgbɔ me la, ekema aleke wòle be míaƒe gbedodoɖawo nanɔ?

10 Yehowa ɖoa to míaƒe gbedodoɖawo ne míedo wo ɖa tso dzi blibo me. Hakpala la ŋlɔ be: “Meyɔ wò tso dzi blibo me, Yehowa, ɖo tom.” (Psalmo 119:145) Míaƒe gbedodoɖawo menye kɔnu dzro aɖe ko alo esi míawɔ kple dzimevesusu abe alesi wòle le subɔsubɔha geɖe me ene o. Ne míele gbe dom ɖa na Yehowa tso “dzi blibo,” me la, gɔmesese kple taɖodzinu nɔa míaƒe nyawo ŋu. Ne míedo gbe ɖa vevie alea vɔ la, míekpɔa gbɔdzɔe si dona tsoa míaƒe “nyawo [dodro] ɖe Yehowa dzi” me. Abe alesi Biblia do ŋugbe ene la, ‘eya ŋutɔ akpɔ mía ta.’—Psalmo 55:23; Petro I, 5:6, 7.

Mawu ƒe Gbɔgbɔa Kpena Ðe Mía Ŋu

11. Ne ‘míeyi edzi le’ Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu ‘biam’ la, mɔ siwo dzi wòɖoa eŋu na mí toe dometɔ ɖeka enye ka?

11 Menye Gbedodoɖasela koe Yehowa nye o, ke enye wo ŋu Ðola hã. (Psalmo 65:3) Dawid ŋlɔ be: “Mayɔ wò le nye xaxagbe, elabena àɖo tom.” (Psalmo 86:7) Esia tae Yesu de dzi ƒo na eƒe nusrɔ̃lawo be ‘woanɔ’ Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu ‘biabia dzi’ elabena “Fofo, si le dziƒo la [ana] Gbɔgbɔ kɔkɔe amesiwo bianɛ la.” (Luka 11:9-13) Ẽ, Mawu ƒe dɔwɔŋusẽa kpena ɖe eƒe amewo ŋu alo faa akɔ na wo.—Yohanes 14:16.

12. Aleke Mawu ƒe gbɔgbɔa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu ne edze abe kuxiwo wu tsɔtsɔ na mí ene?

12 Ne míedze ŋgɔ tetekpɔwo kura gɔ̃ hã la, Mawu ƒe gbɔgbɔa ate ŋu ana ‘ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu’ la mí. (Korintotɔwo II, 4:7) Apostolo Paulo si do dzi le nuteɖeamedzi geɖe me la gblɔ kple kakaɖedzi be: “Metea ŋu wɔa nuwo katã le . . . amesi doa ŋusẽm la me.” (Filipitɔwo 4:13) Nenema kee Kristotɔ siwo li egbea dometɔ geɖe se le wo ɖokui me be ŋusẽ ɖo yewo ŋu le gbɔgbɔ kple seselelãme me wònye nusiwo yewobia le gbedodoɖa me la ŋuɖoɖo. Zi geɖe la, kuxi ɖefunamewo megawua tsɔtsɔ na mí ne míexɔ Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kpekpeɖeŋu o. Le ŋusẽ sia si Mawu nana ta la, míate ŋu agblɔ abe apostolo la ene, be: “Womimi mí ɖo le go sia go me, gake gbɔgbɔtsixe metsi mía ƒo o; míetsi dzodzodzoe, gake míebu ŋuɖoɖo keŋ o; woti mía yome, gake womegblẽ mí ɖi o; woxlã mí ɖe anyi, gake wometsrɔ̃ mí o.”—Korintotɔwo II, 4:8, 9.

13, 14. (a) Aleke Yehowa ɖee fia be yenye míaƒe sitsoƒe to eƒe Nya si woŋlɔ la dzi? (b) Aleke Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi wɔwɔ kpe ɖe wò ŋutɔ ŋuwòe?

13 Gbɔgbɔ kɔkɔea hãe ʋã amewo woŋlɔ Mawu ƒe Nya hekpɔ eta hena míaƒe viɖe. Aleke Yehowa ɖee fia be yenye míaƒe sitsoƒe le hiãɣi le eƒe Nya la me? Mɔ ɖekae nye to nunya vavã kple tamebubu ŋutete nana mí dzi. (Lododowo 3:21-24) Biblia naa hehe míaƒe tamesusu ŋutetewo henaa míete ŋu dzia míaƒe tamebubu ŋutete ɖe edzi. (Romatɔwo 12:1) Ne míexlẽa Mawu ƒe Nya hesrɔ̃nɛ edziedzi, eye míetsɔa eƒe nyawo wɔa dɔe la, ‘sidzenu siwo wona hehee be woade vovototo nyui kple vɔ̃ me’ ate ŋu asu mía si. (Hebritɔwo 5:14) Ðewohĩ wò ŋutɔ nèkpɔ alesi Biblia ƒe gɔmeɖosewo kpe ɖe ŋuwò nèwɔ nyametsotso nyuiwo esi kuxi aɖewo va dziwò. Biblia naa mí nunya si kpena ɖe mía ŋu míekena ɖe kuxi ɖefunamewo gbɔ kpɔnu nyuiwo ŋu.—Lododowo 1:4.

14 Mawu ƒe Nya la ganaa ŋusẽtsoƒe bubu aɖe mí—esiae nye xɔxɔmɔkpɔkpɔ la. (Romatɔwo 15:4) Biblia gblɔ na mí be nu vɔ̃ɖiwo mayi edzi anɔ dzɔdzɔm ɖaa o. Ɣeyiɣi aɖe ƒe fu koe xaxa ɖesiaɖe si me tom míele la nye. (Korintotɔwo II, 4:16-18) “Agbe mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔ . . . si Mawu, amesi meka aʋatso o la, do ŋugbe, hafi ɣeyiɣi mavɔmavɔwo dze gɔme” la le mía si. (Tito 1:2) Ne mɔkpɔkpɔ ma doa dzidzɔ na mí, eye míenya etsɔme wɔnuku si ŋugbe Yehowa do la, míate ŋu ado dzi le xaxa me.—Romatɔwo 12:12; Tesalonikatɔwo I, 1:3.

Hamea​—Enye Mawu ƒe Lɔlɔ̃ Ðeɖefia

15. Aleke Kristotɔwo ate ŋu akpe ɖe wo nɔewo ŋui?

15 Ðoɖo bubu si Yehowa wɔ si ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le hiãɣie nye ha siwo míedena le Kristo-hamea me. Biblia gblɔ be: “Xɔlɔ̃ lɔ̃a ame ɣesiaɣi, eye wòtrɔna dzɔa ame nɔvi le hiã me.” (Lododowo 17:17) Mawu ƒe Nya la de dzi ƒo na hamea me tɔwo katã be woade bubu wo nɔewo ŋu ahalɔ̃ wo nɔewo. (Romatɔwo 12:10) Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Ame aɖeke nagadi ye ŋutɔ tɔ o, ke nusi nye ame bubu tɔ la boŋ.” (Korintotɔwo I, 10:24) Ne nɔnɔme sia le mía si la, akpe ɖe mía ŋu míaƒe susu nanɔ ame bubuwo ƒe nuhiahiãwo ŋu tsɔ wu be wòanɔ mía ŋutɔwo míaƒe dodokpɔwo ŋu. Ne míetsɔ mía ɖokui na ɖe ame bubuwo ta la, menye ɖekoe míakpe ɖe wo ŋu o, ke dzi adzɔ mía ŋutɔwo hã eye míaƒe dzi adze eme si awɔe be mía ŋutɔwo míaƒe agba anya tsɔ na mí wu.—Dɔwɔwɔwo 20:35.

16. Aleke Kristotɔ ɖesiaɖe ate ŋu anye dzideƒotsoƒee?

16 Gbɔgbɔ me nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu tsitsiwo ate ŋu awɔ akpa vevi aɖe le ŋusẽdodo ame bubuwo me. Be woate ŋu awɔ esia la, ele be woanye amesiwo ŋu amewo te ŋu tena ɖo bɔbɔe eye wodina be yewoakpe ɖe amewo ŋu. (Korintotɔwo II, 6:11-13) Hamea kpɔa viɖe geɖe ne amesiame dia ɣeyiɣi kafua sɔhɛwo, doa ŋusẽ ame yeyewo, hedea dzi ƒo na amesiwo lé blanui. (Romatɔwo 15:7) Nɔvilɔlɔ̃ akpe ɖe mía ŋu hã be míatsri nazãbubu ɖe mía nɔewo ŋu. Mele be míanɔ nya ta ƒom kabakaba be kuxi siwo mía nɔviwo ado goe la fia be wogbɔdzɔ le gbɔgbɔ me o. Esɔ be Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔwo be “mifa akɔ na dzikatsoƒoetɔwo.” (Tesalonikatɔwo I, 5:14) Biblia ɖee fia be Kristotɔ wɔnuteƒewo gɔ̃ hã doa go xaxawo.—Dɔwɔwɔwo 14:15.

17. Mɔnukpɔkpɔ kawoe le mía si be míado ŋusẽ kadodo si le Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa me?

17 Kristotɔwo ƒe kpekpewo naa mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe mí be míafa akɔ na mía nɔewo ahade dzi ƒo na mía nɔewo. (Hebritɔwo 10:24, 25) Menye hame ƒe kpekpewo me koe nuwɔwɔ kple ame nɔewo lɔlɔ̃tɔe alea yia edzi le o. Ke boŋ Mawu ƒe amewo dia mɔnukpɔkpɔwo dea ha nyuiwo ɣeaɖewoɣi. Ne nɔnɔme sesẽwo do mo ɖa la, míanɔ klalo be míakpe ɖe mía nɔewo ŋu elabena xɔlɔ̃wɔwɔ ƒe kadodo sẽŋuwo le mía dome xoxo. Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Mamã aɖeke naganɔ ŋutilã me o, ke ŋutinuwo nalé be na wo nɔewo sɔsɔe boŋ. Eye ne ŋutinu ɖeka le fu kpem la, ŋutinuwo katã kpea fu nɛ ti, eye ne wode bubu ŋutinu ɖeka ŋu la, ŋutinuwo katã kpɔa dzidzɔ nɛ ti.”—Korintotɔwo I, 12:25, 26.

18. Nɔnɔme kae wòle be míatsri ne dzi ɖe le mía ƒo?

18 Ɣeaɖewoɣi la, dzi aɖe le mía ƒo ale gbegbe be míadi be míade ha kple hati Kristotɔwo o. Ele be míawɔ avu atsi tre ɖe seselelãme ma ŋu ale be míagana akɔfafa kple kpekpeɖeŋu si haxɔsetɔwo ate ŋu ana mí la nato mía ŋu o. Biblia xlɔ̃ nu mí be: “Amesi ɖe eɖokui ɖe aga le eya ŋutɔ ƒe dzodzro yome dim la, etsia tre ɖe nunyanyawo katã ŋu.” (Lododowo 18:1) Mía nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo nye Mawu ƒe beléle na mí ɖeɖefia. Ne míekpɔ ɖoɖo ma si me lɔlɔ̃ le dze sii la, míakpɔ gbɔdzɔe le hiãɣiwo.

Susu Nyui Nenɔ Asiwò

19, 20. Aleke Ŋɔŋlɔawo kpena ɖe mía ŋu míetsria susu gbegblẽwo bubu?

19 Ne dzi ɖe le ƒowò alo nèlé blanui la, anɔ bɔbɔe be nànɔ susu gbegblẽwo ŋu bum. Le kpɔɖeŋu me, ne ame aɖewo le nɔnɔme sesẽwo me tom la, wova tea ɖikeke le woa ŋutɔwo ƒe gbɔgbɔmenyenye ŋu, heƒoa nya ta be esi Mawu mekpɔ ŋudzedze ɖe yewo ŋu o tae yewole fu kpem ɖo. Gake ɖo ŋku edzi be Yehowa metea ame aɖeke kpɔna kple “nuvɔ̃ o.” (Yakobo 1:13) Biblia gblɔ be: “[Mawu] mewɔa fu ame, eye medoa nuxaxa na amegbetɔviwo le dzidzɔ teƒe o.” (Konyifahawo 3:33) Ðe ema teƒe la, etena ɖe Yehowa dzi ŋutɔ ne esubɔlawo le fu kpem.—Yesaya 63:8, 9; Zaxarya 2:12.

20 Yehowa nye “dɔmetɔtrɔ Fofo kple akɔfafawo katã ƒe Mawu.” (Korintotɔwo II, 1:3) Eléa be na mí, eye ado mí ɖe dzi le ɣeyiɣi si sɔ dzi. (Petro I, 5:6, 7) Ŋkuɖoɖo edzi na mía ɖokui ɣesiaɣi be Mawu lɔ̃ mí akpe ɖe mía ŋu míalé dzi ɖe ƒo, ahakpɔ dzidzɔ gɔ̃ hã. Yakobo ŋlɔ be: “Nɔvinyewo, ne miege ɖe tetekpɔ bubu ƒomeviwo me la, mibui dzidzɔ sɔŋ.” (Yakobo 1:2) Nukatae? Eɖo eŋu be: “Elabena ne eva li ke la, akpɔ agbefiakuku, si ŋugbe Aƒetɔ la do na amesiwo lɔ̃nɛ la.”—Yakobo 1:12.

21. Eɖanye kuxi kawoe míedze ŋgɔe o, kakaɖedzi kae Mawu na amesiwo awɔ nuteƒe nɛ?

21 Abe alesi Yesu xlɔ̃ nu míi ene la, míakpɔ xaxa le xexeame. (Yohanes 16:33) Gake Biblia do ŋugbe be “xaxa alo yometiti alo dɔwuame alo amamanɔnɔ alo ŋɔdzidodo” mama mí ɖa tso lɔlɔ̃ si le mía si na Yehowa kple lɔlɔ̃ si le mía si na Via gbɔ o. (Romatɔwo 8:35, 39) Aleke gbegbe wòfa akɔ na míi enye esi be míanyae be ɣeyiɣi kpui aɖe koe fukpekpe ɖesiaɖe si ava mía dzi la anɔ anyi! Ke esi míele amegbetɔwo ƒe fukpekpewo ƒe nuwuwu lalam la, mía Fofo lɔlɔ̃tɔ Yehowa kpɔa mía ta. Ne míesii tso la, aɖee fia mí be yenye “mɔ̃ sesẽ na hiãtɔwo, [yenye] mɔ̃ sesẽ le xaxaɣiwo me.”—Psalmo 9:10.

Nukae Míesrɔ̃?

• Nukae wòle be Kristotɔwo nakpɔ mɔ na esi wole xexe vɔ̃ɖi sia me?

• Aleke gbedodoɖa vevie doa ŋusẽ mí ne míedze ŋgɔ tetekpɔwo?

• Aleke Mawu ƒe gbɔgbɔa kpena ɖe mía ŋui?

• Nukae míate ŋu awɔ akpe ɖe mía nɔewo ŋu?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Ele be míasi Yehowa atso abe ɖe míele sisim yina mɔ̃ sesẽ aɖe me ene

[Nɔnɔmetata siwo le axa 20]

Gbɔgbɔmemetsitsiwo wɔa mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe ŋudɔ kafua ame bubuwo hedea dzi ƒo na wo