Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðokuitsɔtsɔna Faa Ƒe Agbenɔnɔ Si Me Dzidzeme Kple Dzidzɔ Nɔ

Ðokuitsɔtsɔna Faa Ƒe Agbenɔnɔ Si Me Dzidzeme Kple Dzidzɔ Nɔ

Agbemeŋutinya

Ðokuitsɔtsɔna Faa Ƒe Agbenɔnɔ Si Me Dzidzeme Kple Dzidzɔ Nɔ

ABE ALESI MARIAN KPLE ROSA SZUMIGA GBLƆE ENE

Psalmo 54:8 gblɔ be: “Lɔlɔ̃nu faa matsɔ asa vɔ na wòe, Yehowa, makafu wò ŋkɔ, elabena enyo.” Nya siawo nye nya vevitɔ le Marian Szumiga kple srɔ̃a, Rosa, siwo le France la ƒe agbe me. Nyitsɔ laa wobɔbɔ nɔ anyi de ŋugble le woƒe dzidzeme gbenɔnɔ le Yehowa subɔsubɔ me, hena ɣeyiɣi didi aɖee nye sia la, me nudzɔdzɔ vevi aɖewo ŋu.

MARIAN: Dzinyelawo nye Roma Katolikotɔ siwo ʋu tso Poland. Fofonye nye ɖokuibɔbɔla. Mɔnukpɔkpɔ mesu esi wòde suku o. Ke hã, le xexemeʋa gbãtɔ wɔɣi la, esrɔ̃ nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ esime wònye asrafo nɔ aʋagbedzi. Fofonye nye mawuvɔ̃la, gake zi geɖe sɔlemehaa ƒe wɔnawo ɖea dzi le eƒo.

Nudzɔdzɔ aɖe koŋ tsi susu me nɛ. Gbeɖeka le aʋawɔɣia, asrafosɔfo aɖe va srã aʋalɔgo si me Fofonye nɔ la kpɔ. Esi bɔmb aɖe wó le nutoa me la, dzidzi ƒo asrafosɔfoa wòsi hetsɔ eƒe atitsoga nɔ sɔ si dom wònɔ la ƒomee. Ewɔ nuku na fofonye be Mawu “teƒenɔla” tsɔ nu “kɔkɔe” ma nɔ eƒe sɔ ƒom tsɔ do dui. Togbɔ be Fofonye kpɔ nudzɔdzɔ mawo tɔgbe kple aʋawɔwɔa me nu dziŋɔ bubuwo teƒe hã la, mewɔe be eƒe Mawu dzixɔse me gbɔdzɔ o. Enuenu la, edaa akpe na Mawu ɖe eƒe tɔtrɔgbɔ tso aʋagbedzi dedie ta.

“Poland Sue”

Le ƒe 1911 me la, fofonye ɖe ɖetugbi aɖe si tso kɔƒedu si gogo mí la me. Eŋkɔe nye Anna Cisowski. Le aʋaa megbe teti le ƒe 1919 me la, Fofonye kple Danye ʋu tso Poland yi France afisi Fofonye kpɔ tomekakuku ƒe dɔ le. Wodzim le March 1926 me le Cagnac-les-Mines, si le France ƒe anyieheɣetoɖoƒe. Emegbe dzinyelawo ʋu yi Polandtɔwo ƒe nuto aɖe si le Loos-en-Gohelle, si te ɖe Lens ŋu le France ƒe dziehe me. Abolomela si nɔ afima nye Polandtɔ, lãtsolaa nye Polandtɔ, eye nutoa me nunɔlaa hã nye Polandtɔ. Eyata mewɔ nuku o be woyɔ nuto sia be Poland Sue. Dzinyelawo kpɔa gome le dudɔwo wɔwɔ me. Enuenu la, fofonye wɔa ɖoɖo ɖe dzidzɔdonamewɔna, si me ŋutinyamefefe, haƒoƒo, kple hadzidzi nɔna la, ŋu. Eɖoa dze edziedzi kple nunɔlaa hã, gake zi geɖe ne nunɔlaa tsɔ nya siwo nye, “Nya ɣaɣla geɖewo li” ɖo nya ŋui nɛ la, medea edeƒe nɛ o.

Gbeɖeka le ƒe 1930 me la, nyɔnu eve va ƒo ʋɔ na mí. Wonye Biblia Nusrɔ̃viwo, si nye alesi woyɔa Yehowa Ðasefowoe ɣemaɣi. Fofonye xɔ Biblia, si nye agbalẽ si wòdi be yeaxlẽ ɣeyiɣi didi aɖee nye ma, tso wo gbɔ. Woa kple Dada wotsɔ didi vevie xlẽ Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo nyɔnuawo tsɔ na wo la hã. Nusiwo dzinyelawo xlẽ le agbalẽ siawo me wɔ dɔ ɖe wo dzi ale gbegbe. Togbɔ be vovo menɔa dzinyelawo ŋu kura o hã la, wote kpekpe siwo Biblia Nusrɔ̃viawo wɔna la dede. Woa kple nunɔlaa ƒe numedzodzrowo me va nɔ sesẽm ɖe edzi eye gbeɖeka nunɔlaa do ŋɔdzi na dzinyelawo be ne woyi edzi le ha dem kple Biblia Nusrɔ̃viawo la, yewoana nɔvinyenyɔnu Stéphanie nadzudzɔ katekismo dede. Fofonye ɖo eŋu be: “Megaxa fu ɖe na ɖokuiwò o. Tso egbea dzi yina la, vinyenyɔnuvia kple vinye bubuawo ade Biblia Nusrɔ̃viawo ƒe kpekpewo kpli mí.” Fofonye do le haa me, eye le ƒe 1932 ƒe gɔmedzedze la, dzinyelawo xɔ nyɔnyrɔ. Ɣemaɣi la, Fiaɖuƒegbeƒãɖela 800 lɔƒo koe nɔ France.

Rosa: Dzinyelawo nye Hungarytɔwo, eye abe Marian ƒe ƒomea ene la, wonɔ France ƒe dziehe gome hewɔ dɔ le tomekakuƒewo. Wodzim le ƒe 1925 me. Le ƒe 1937 me la, Yehowa Ðasefo aɖe, Auguste Beugin, si míegayɔna hã be Papa Auguste, te Hungarygbe me Gbetakpɔxɔ tsɔtsɔ vɛ na dzinyelawo. Magazineawo do dzidzɔ na wo ale gbegbe, gake wome zu Yehowa Ðasefowo o.

Togbɔ be ɖevi koe menye hã la, nusiwo mexlẽ le Gbetakpɔxɔ me de dzi gbɔ nam ŋutɔ, ale wɔ Papa Auguste ƒe lɔ̃xoyɔvi, Suzanne Beugin, hem ɖe eɖokui ŋu. Dzinyelawo ɖe mɔ nɛ be wòakplɔm ayi kpekpewoe. Emegbe esi mete dɔwɔwɔ la, nye kpekpe dede le Kwasiɖagbewo do dziku na fofonye. Togbɔ be enye nugɔmesela hã la, eto nyatoƒoe be: “Mènɔna anyi le kwasiɖaŋkekeawo me o, eye le Kwasiɖagbewo hã nàganɔ wò kpekpewo yim!” Ke hã, medena kpekpeawo. Eyata gbeɖeka fofonye gblɔ be: “Ƒo te wo agbawo nàʋu le aƒea me!” Zã do. Ƒe 17 koe mexɔ, eye nyemenya afisi mayi o. Suzanne ƒe aƒemee meyi ɖado ɖo, henɔ avi fam hehehe. Menɔ Suzanne gbɔ abe kwasiɖa ɖeka ene hafi Fofonye dɔ nɔvinyenyɔnu ɖa be woava kplɔm va aƒemee. Menye amesi ŋu kpena vevie, gake nya si wogblɔ le Yohanes I, 4:18 kpe ɖe ŋunye menɔ te sesĩe. Ŋɔŋlɔ ma gblɔ be, “lɔlɔ̃ blibo nyãa vɔvɔ̃ doa goe.” Le ƒe 1942 me la, mexɔ nyɔnyrɔ.

Gbɔgbɔmedomenyinu Xɔasi Aɖe

Marian: Mía kple nɔvinyenyɔnu Stéphanie kple Mélanie kpakple nɔvinyeŋutsu Stéphane ye xɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1942 me. Le aƒeme la, míaƒe ƒomegbenɔnɔ katã nɔ te ɖe Mawu ƒe Nya la dzi. Ne mí katã míenɔ anyi ɖe kplɔ̃a ŋu godoo la, Fofonye xlẽa Biblia na mí ɖe Polandgbe me. Enuenu le fiẽwo me la, míenɔa anyi ɖoa to mía dzilawo wonɔa woƒe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa me nuteƒekpɔkpɔwo gblɔm na mí. Gbɔgbɔmeɣeyiɣi tuameɖo siawo fia mí be míalɔ̃ Yehowa eye míaɖo ŋu ɖe eŋu geɖe wu. Lãmegbegblẽ ƒoe ɖe fofonye nu be woadzudzɔ dɔ wɔwɔ, gake eyi edzi nyia mí le gbɔgbɔ kple ŋutilã me.

Esi vovo vi aɖe va le Fofonye ŋu fifia ta la, ewɔa Biblia-nusɔsrɔ̃ zi ɖeka le kwasiɖa me kple sɔhɛ siwo le míaƒe hamea me ɖe Polandgbe me. Afimae mesrɔ̃ Polandgbe xexlẽ le. Fofonye dea dzi ƒo na sɔhɛawo le mɔ bubuwo hã nu. Ɣeaɖeɣi esi Nɔviŋutsu Gustave Zopfer, si nɔ Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa dzi kpɔm le France ɣemaɣi, va srã míaƒe hamea kpɔ la, Fofonye wɔ ɖoɖo hadziha aɖe dzi ha eye wowɔ Biblia me drama aɖe, si me ewɔlawo dzra ɖo abe blematɔwo ene le eye wòku ɖe Belsazar ƒe azãɖuɖu kple asi aɖe si ŋlɔ nu ɖe gli ŋu la ŋu. (Daniel 5:1-31) Louis Piéchota, amesi va tɔ afɔ to sesĩe emegbe hegbe ta nana Nazitɔwo, ye wɔ Daniel ƒe wɔƒe. * Mɔ sia nue wohe mí ɖeviawo le. Míede dzesii be mía dzilawo dea wo ɖokui gbɔgbɔmewɔnawo me ɣesiaɣi. Egbea la, mekpɔ domenyinu xɔasi si gbegbe dzinyelawo gblẽ ɖi na mí la dzesii.

Esime Xexemeʋa II lia dze egɔme le ƒe 1939 me la, woxe mɔ ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe gbeƒãɖeɖedɔa nu le France. Ɣeaɖeɣi la, wova ka míaƒe kɔƒea katã me. Germany asrafowo ɖe to ɖe míaƒe aƒewo katã ŋu. Fofonye wɔ teƒe ɣaɣlɛ aɖe ɖe tsitrenuɖaka aɖe te, eye míeɣla Biblia-srɔ̃gbalẽ vovovowo ɖe afima. Gake agbalẽvi si nye Fascism or Freedom gbogbo aɖe nɔ míaƒe nuɖukplɔ̃ gã aɖe ƒe drɔwawo me. Fofonye wɔ kaba ɣla wo ɖe dziwui aɖe si wotsɔ ku nu le xɔdomemɔ me ƒe kotokuwo me. Asrafo eve kple Franse-kpovitɔ aɖe va ka míaƒe aƒeme. Míetɔ ɖi kpoo. Asrafoawo dometɔ ɖeka te awu siwo míetsɔ ku nu le xɔdomemɔa me kaka, eye emegbe wòlɔ agbalẽviawo ɖe asi ge ɖe dzodoƒea, afisi míenɔ. Ekpɔ mí gã, hekɔ agbalẽviawo ɖe kplɔ̃a dzi, eye wògayi edzi nɔ nuwo me kam le teƒe bubuwo. Mewɔ kaba fɔ agbalẽviawo hede wo kplɔ̃a ƒe drɔwa aɖe si me asrafoawo ka xoxo me. Asrafoa mebia agbalẽviawo ta se kura o—ewɔ abe eŋlɔ wo be kuraa ene!

Gege Ðe Ɣeyiɣiawo Katã ƒe Subɔsubɔdɔ Me

Le ƒe 1948 me la, metso nya me be matsɔ ɖokuinye ana asubɔ Yehowa ɣeyiɣiawo katã awɔ mɔɖeɖedɔa. Le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, mexɔ lɛta aɖe tso Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le France la gbɔ. Dɔdasi aɖe nɔ lɛtaa me nam be masubɔ abe mɔɖela ene le Sedan-hame, si gogo Belgium, la me. Dzinyelawo kpɔ dzidzɔ be metsɔ ɖokuinye na Yehowa ƒe subɔsubɔ le mɔ ma nu. Gake Fofonye gblɔ be, mɔɖeɖedɔa wɔwɔ menye fefe o. Anye dɔ sesẽ. Ke hã, egblɔ be mate ŋu aɖi tsa va aƒea me ɣesiaɣi faa eye be yeado alɔm ne nɔnɔmeawo sesẽ nam. Togbɔ be ga menɔ dzinyelawo si ale o hã la, woƒle gasɔ yeye aɖe nam. Ho si gasɔa ma xɔ ƒe ɖaseɖigbalẽ gakpɔtɔ le asinye vaseɖe egbea, eye ne mekpɔe la, aɖatsi lolona ɖe ŋku dzi nam. Fofonye kple Danye ku le ƒe 1961 me, ke hã, Fofonye ƒe nya siwo me nunya le gakpɔtɔ le vi ɖem nam; nyaawo dea dzi ƒo nam hefa akɔ nam le ƒe siwo katã metsɔ le subɔsubɔm la me.

Dzideƒo tsoƒe bubu hãe nye Kristotɔ nɔvinyɔnu aɖe si xɔ ƒe 75 le Sedan-hamea me, si ŋkɔe nye Elise Motte. Le dzomeŋɔli la, medoa nye gasɔa yia kɔƒedu siwo didi tso mía gbɔ la me va ɖea gbeƒã, eye Elise ɖoa keteke va tsoam. Gake gbeɖeka, ketekedɔwɔlawo gbe dɔ wɔwɔ, si wɔe be Elise mate ŋu ayi aƒeme o. Nusi mate ŋu awɔ koe nye be matsɔe ɖe nye gasɔa ƒe agbatsɔnu dzi ayi eƒe aƒemee—si te ɖeɖi ame ŋu. Le ŋufɔke la, metsɔ suɖui aɖe ɖo agbatsɔnua dzi yi ɖatsɔ Elise le eƒe aƒeme. Edzudzɔ ketekea ɖoɖo, eye esi eƒe ʋuɖofe tsia kotoku me nɛ ta la, ete ŋu dzea nunono ɖe mía kplii nu le ŋdɔnuɖuɣiwo. Amekae abui be nye gasɔa ava zu ametsɔkeke?

Agbanɔamedziwo Dzi Ðe Edzi

Le ƒe 1950 me la, wobia tso asinye be masubɔ abe nutome sue dzikpɔla ene le France ƒe dziehenutowo katã me. Esi wònye ƒe 23 koe mexɔ ɣemaɣi ta la, vɔvɔ̃e ɖom gbã. Mebui be anye vodadae alɔdzedɔwɔƒea wɔ! Biabiawo nɔ ʋɔ lũm to tame nam be: ‘Ðe medze le gbɔgbɔ kple ŋutilã me siaa na dɔ sia? Aleke mawɔ ate ŋu anɔ te ɖe dzeƒe vovovowo nɔnɔ kwasiɖa sia kwasiɖa nui?’ Gawu la, tso keke esime mexɔ ƒe ade ke la, ŋkudɔléle aɖe ɖe fu nam. Esia wɔe be nye ŋku ɖeka tro ɖe akpa ɖeka. Esia na metsia dzi le ɖokuinye me ɣesiaɣi hebuna alesi amewo abu mee ŋu. Dzidzɔtɔe la, ɣemaɣi Stefan Behunick, si nye Gilead dutanyanyuigbɔgblɔ ƒe hehenasuku nuwula aɖe, na kpekpeɖeŋu geɖem. Wonya Nɔviŋutsu Behunick dzoe le Poland le eƒe gbeƒãɖeɖedɔa ta eye woɖee yi France. Eƒe dzinɔameƒo wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Edea bubu deto Yehowa kple nyateƒea ŋu. Ame aɖewo bui be megbɔa dzi ɖi nam o, ke hã, mesrɔ̃ nu geɖe ŋutɔ tso egbɔ. Eƒe dzonɔameme kpe ɖe ŋunye kakaɖedzi geɖe wu va su asinye.

Nutome sue dɔa wɔwɔ na be gbeadzisubɔsubɔdɔa me nuteƒekpɔkpɔ lédzinamewo su asinye. Le ƒe 1953 me la, wobia tso asinye be mava srã Aƒetɔ Paoli, amesi le Paris ƒe anyiehe eye wòdɔ Gbetakpɔxɔ la, akpɔ. Meke ɖe eŋu, eye wòna menya be yexɔ dzudzɔ le asrãfodɔ me eye yekpɔa ŋudzedze ɖe Gbetakpɔxɔ ŋu vevie. Egblɔ nam be esi yexlẽ nyati aɖe ku ɖe Kristo ƒe Ku ƒe Ŋkuɖodzia ŋu le Gbetakpɔxɔ aɖe si do nyitsɔ laa me vɔ la, yeɖu Ŋkuɖodzizãa le ye ɖokui si eye yezã fiẽ ma ƒe ɣeyiɣi mamlɛawo tsɔ xlẽ Psalmowo ƒe agbalẽae. Míaƒe numedzodzroa xɔ ɣetrɔ ma ƒe akpa gãtɔ. Hafi madzo la, míeƒo nu tso nyɔnyrɔxɔxɔ hã ŋu kpuie. Emegbe meɖo amekpegbalẽvi ɖee be wòava míaƒe nutome sue takpekpe, si woawɔ le ƒe 1954 ƒe gɔmedzedze. Nɔviŋutsu Paoli va takpekpea, eye enɔ ame 26 siwo xɔ nyɔnyrɔ le takpekpe ma me la dome. Nuteƒekpɔkpɔ siawo tɔgbe gakpɔtɔ nyea nusiwo naa mekpɔa dzidzɔ.

Rosa: Le October 1948 me la, medze mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme. Le subɔsubɔ le Anor, si gogo Belgium, vɔ megbe la, woɖem yi Paris, tsɔ kpe ɖe mɔɖela bubu si nye Irène Kolanski (si tɔ Leroy, fifia) ŋu. Míenɔ xɔ sue aɖe me le du si nye Saint-Germain-des-Près, si le dugãa titina, la me. Esi menye nyɔnuvi si wonyi le kɔƒedu me ta la, mebua ɖokuinye ame tsɛe le Paristɔwo dome. Mebuna be wode ŋgɔ eye wonye agbalẽnyalawo. Gake eteƒe medidi o meva dze sii to gbeƒãɖeɖe na wo me be wometo vovo tso ame bubuwo gbɔ o. Enuenu la, aƒedzikpɔlawo nyaa mí doa goe, eye Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔmedzedze menɔa bɔbɔe o. Togbɔ be nɔnɔmeawo nɔ alea hã la, ame aɖewo xɔa mí.

Le ƒe 1951 ƒe nutome sue takpekpe aɖe me la, wobia gbe mía kple Irène tso míaƒe mɔɖeɖedɔa ŋu. Amekae nèbu be anye amesi bia gbea mí? Ðekakpui nutome sue dzikpɔla si ŋkɔe nye Marian Szumiga ye. Míedo go zi ɖeka kpɔ, gake le takpekpe ma megbe la, míeva te dzeɖoɖo kple mía nɔewo edziedzi. Mía kple Marian míesɔ kple mía nɔewo le nu geɖewo me, tsɔ kpe ɖe nyateƒe si wònye be míexɔ nyɔnyrɔ le ƒe ɖeka ma ke me hedze mɔɖeɖedɔa gɔme le ƒe ɖeka me ŋu. Gake vevietɔ wu la, mí ame evea míedi be míakpɔtɔ anɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me. Eyata le eŋububu gbedodoɖatɔe vɔ megbe la, míeɖe mía nɔewo le July 31, 1956, dzi. Afɔ sia ɖeɖe wɔe be nye agbenɔnɔ va trɔ bubui kura. Menye ɖeko wòva hiã be masrɔ̃ alesi woanye srɔ̃nyɔnui ko o, ke boŋ, ele nam be masrɔ̃ alesi matrɔ ɖe nɔnɔmewo ŋu anɔ Marian kplɔm ɖo le nutome sue dɔa wɔwɔ me, si bia be míanɔ nɔƒe ɖɔlim kwasiɖa sia kwasiɖa hã. Le gɔmedzedzea me la, menɔ bɔbɔe nam kura o, gake dzidzɔ gbagowo nɔ ŋgɔ.

Agbenɔnɔ si me Dzidzeme Nɔ

Marian: Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, mɔnukpɔkpɔ su mía si míekpe asi ɖe dzadzraɖo wɔwɔ ɖe takpekpe geɖewo ŋu do ŋgɔ ŋu. Esi dzi meɖoa ŋkui wòdoa dzidzɔ nam ŋutɔe nye esi míewɔ le ƒe 1966 me, le Bordeaux. Le ɣemaɣi la, woxe mɔ ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwo nu le Portugal. Eyata woƒo takpekpea ƒe nuƒowo le Portugalgbe hã me be wòaɖe vi na Portugaltɔ siwo te ŋu zɔ mɔ va France. Kristotɔ nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu alafa geɖewo tso Portugal va, gake kuxiae nye afisi woadze. Esi Ðasefo siwo le Bordeaux ƒe aƒewo mesu wo katã nu o ta la, míehaya sinimaxɔ aɖe si me naneke menɔ o be woazã abe dzeƒe ene. Míefɔ zikpuiawo katã ɖa, heɖe avɔ gã si nɔ fefeƒea tsɔ ma xɔa me ɖe eve, akpa ɖeka na nɔviŋutsuwo eye akpa evelia na nɔvinyɔnuwo. Míewɔ tsileƒewo kple nuklɔƒewo, míeɖo gbewo ɖe sementia dzi keŋ heɖo avɔ titriwo ɖe edzi. Amesiame kpɔ ŋudzedze ɖe ɖoɖo sia ŋu.

Le kpakpãɣiwo la, míeyina va srãa mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuawo kpɔna le woƒe dzeƒea. Enyea dzidzɔɣi ale gbegbe. Aleke gbegbe woƒe nuteƒekpɔkpɔ nyuiwo, togbɔ be wodo dzi le ƒe geɖe ƒe tsitretsiɖeŋu me hã, do ŋusẽ míi enye si! Esi takpekpea wu enu wonɔ dzodzom la, aɖatsi lólo ɖe ŋku dzi na mí katã.

Míexɔ mɔnukpɔkpɔ bubu aɖe hã ƒe eve do ŋgɔ, le ƒe 1964 me, esime wobia tso asinye be masubɔ abe nutome gã dzikpɔla ene. Megabia ɖokuinye se ake nenye be medze ate ŋu awɔ dɔ ma. Gake megblɔ na ɖokuinye be ne amesiwo le agbanɔamedzinɔƒewo de dɔ sia asi nam la, ke anɔ eme kokoko be wobui be medze awɔe. Dɔwɔwɔ kplikplikpli kple dzikpɔla mɔzɔlawo nye nuteƒekpɔkpɔ dodzidzɔname aɖe ŋutɔ. Mesrɔ̃ nu geɖe tso dzikpɔla siawo gbɔ. Wo dometɔ geɖe nye dzigbɔɖi kple dzidodo, siwo nye nɔnɔme veviwo le Yehowa ƒe ŋku me la, ƒe kpɔɖeŋu nyui ɖola vavãwo. Meva kpɔe dze sii be ne míesrɔ̃ alesi woalalae la, Yehowa nya afisi wòazã mí le.

Le ƒe 1982 me la, alɔdzedɔwɔƒea bia tso mía si be míakpɔ ƒuƒoƒo sue aɖe si me Polandtɔ gbeƒãɖela 12 nɔ, le Boulogne-Billancourt, si le Paris ƒe golɔgoe aɖe la dzi. Enye nusi míenɔ mɔ kpɔm na o. Menya teokrasinyagbe aɖewo le Polandgbe me gake wo tsɔtsɔ aɖo dzee sesẽna nam. Ke hã, nɔvi siwo nɔ afima ƒe dɔmenyonyo kple nuwɔwɔ kpli mí aduadu kpe ɖe ŋunye ale gbegbe. Egbea, gbeƒãɖela siwo ade 170 sɔŋ ye le hame ma me, eye mɔɖela siwo gogo ame 60 le wo si. Emegbe mía kple Rosa míeyi va srã Polandgbedolawo ƒe ƒuƒoƒo kple hame siwo le Austria, Denmark, kple Germany hã kpɔ.

Nɔnɔmeawo Va Nɔ Tɔtrɔm

Hamewo sasrãkpɔ koŋue nye dɔ si míenɔ wɔwɔm, gake esi lãmesẽ megava le asinye ale o ta la, eva hiã be míadzudzɔ mɔzɔzɔdɔa le ƒe 2001 me. Míekpɔ xɔ aɖe le du si nye Pithiviers me, afisi nɔvinyenyɔnu Ruth le. Dɔmenyotɔe la, alɔdzedɔwɔƒea ɖo mí mɔɖela veviwo eye wobia gaƒoƒonudidi si sɔ ɖe míaƒe nɔnɔmewo nu la tso mía si.

Rosa: Esime míedzudzɔ nutome sue dɔa megbe ƒe ƒe gbãtɔa me la, meɖe nam kura o. Nɔnɔmeawo trɔ kuraa si na mese le ɖokuinye me be viɖe aɖeke megale ŋunye o. Emegbe meva ɖo ŋku edzi na ɖokuinye be, ‘Àgate ŋu azã wò ɣeyiɣi kple ŋusẽ ʋɛ si le ŋuwò la nyuie atsɔ awɔ mɔɖeɖedɔae.’ Egbea, mele dzidzɔ kpɔm le dɔa wɔwɔ me kple mɔɖela bubu siwo le míaƒe hamea me.

Yehowa Léa Be Na Mí Ɣesiaɣi

Marian: Meda akpe na Yehowa be Rosa nye nye kpeɖeŋutɔ le ƒe 48 siwo va yi la me. Le mɔzɔzɔdɔa wɔwɔ ƒe ƒe mawo katã me la, edo alɔm ale gbegbe. Nyemese wògblɔ zi ɖeka teti be, ‘Madi be míadzudzɔ mɔzɔzɔdɔa anɔ mía ŋutɔ ƒe aƒeme’ kpɔ o.

Rosa: Ɣeaɖewoɣi ame aɖewo gblɔna nam be, “Menye agbe si sɔ wòle be ame nanɔ ye ma nɔm nèle o he. Amewo gbɔ koe nèdzena ɣesiaɣi.” Gake nuka tututue nye “agbe si sɔ wòle be ame nanɔ”? Zi geɖe la, míetsɔa nu gbogbo aɖewo doa agba na mía ɖokuiwo si ate ŋu ado kplamatse míaƒe gbɔgbɔmedɔwo wɔwɔ. Nusi ko míehiãe nye abati nyui aɖe, kplɔ̃, kple nuhiahiã vevi ʋɛ aɖewo ko. Abe mɔɖelawo ene la, ŋutilãmenu boo aɖeke mele mía si o, ke hã, nusianu si míehiã atsɔ awɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nui la le mía si. Ɣeaɖeɣi wobiam se be: “Nukae nàwɔ ne eva tsi eye aƒe mele asiwò o eye dzudzɔxɔledɔmega hã mele asiwò o.” Ekema megblɔa Psalmo 34:11 me nyawo na wo be: “Amesiwo dia Yehowa la, kesinɔnu aɖeke mehiãa wo o.” Yehowa léa be na mí ɣesiaɣi.

Marian: Nya la tututue ma! Le nyateƒe me la, Yehowa na nu gbogbowo mí wògbɔ eme. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 1958 me la, wotiam be manɔ míaƒe nutome suea teƒe ade dukɔwo dome takpekpe le New York. Gake ga menɔ mía si míatsɔ atso yameʋuɖotikɛt na Rosa o. Le fiẽ aɖe la, nɔviŋutsu aɖe tsɔ agbalẽkotoku aɖe va na mí si dzi woŋlɔ ɖo be “New York.” Nunana si nɔ agbalẽkotokua me na be Rosa te ŋu zɔ mɔa kplim!

Meve mía kple Rosa kpɔ gbeɖe be míezã míaƒe ƒe geɖe le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me o. Míebu naneke o, ke hã, nusianu su mía si—agbenɔnɔ si me dzidzeme kple dzidzɔ le le Yehowa subɔsubɔ me. Yehowa nye Mawu wɔnuku ale gbegbe. Míesrɔ̃ alesi míaɖo ŋu ɖe eŋu bliboe, eye míaƒe lɔlɔ̃ nɛ deto ɖe edzi. Wowu mía nɔvi Kristotɔ aɖewo le woƒe nuteƒewɔwɔ me léle ɖe asi ta. Gake mexɔe se be ne ƒeawo va le yiyim la, ame ƒe nuteƒewɔwɔ ate ŋu ana wòatsɔ eƒe agbe anɔ vɔ samee vivivi. Nu mae mía kple Rosa míedze agbagba le wɔwɔm vaseɖe fifia, eye eya kee míeɖo kplikpaa be míayi edzi awɔ le etsɔme.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 14 Wota Louis Piéchota ƒe agbemeŋutinya, “I Survived the ‘Death March,’” (Metsi Agbe le ‘Kuzɔlizɔzɔa Me’) ɖe Eŋlisigbe me August 15, 1980 ƒe Gbetakpɔxɔ me.

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

François kple Anna Szumiga kple wo vi siwo nye, Stéphanie, Stéphane, Mélanie, kple Marian le ƒe 1930 lɔƒo. Marian ye ma tsi tre ɖe nunɔdzia dzi

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

Le dzi: Biblia-srɔ̃gbalẽwo mama le asi aɖe me le Armentières, France ƒe dziehe, le ƒe 1950 me

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

Miame: Stefan Behunick kple Marian le ƒe 1950 me

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Rosa (le miame ɖaa) kple Irène eƒe zɔhɛ le mɔɖeɖedɔa me (enelia tso miame), wonɔ gbeƒã ɖem takpekpe aɖe le ƒe 1951 me

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Marian kple Rosa le ŋkeke si do ŋgɔ na woƒe srɔ̃kpekpe

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Gasɔ koŋue míetsɔ zɔ mɔe le nutome sue ƒe sasrãkpɔwo me