Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Alesi Wole Dzidzɔkpɔkpɔ Dimee

Alesi Wole Dzidzɔkpɔkpɔ Dimee

Alesi Wole Dzidzɔkpɔkpɔ Dimee

ƑE ƲƐ aɖewoe nye si va yi la, wobia amesiwo le France, Germany, Great Britain, kple United States be: “Nukae naa ame kpɔa dzidzɔ?” Amesiwo wobia gbee dometɔ 89 le alafa me gblɔ be lãmesẽmenɔnɔe; 79 le alafa me yɔ srɔ̃ɖegbenɔnɔ alo xɔlɔ̃wɔwɔ si me dzidzeme le; 62 le alafa me yɔ dzilanyenye me viɖewo; eye 51 le alafa me bui be dɔwɔɖui nyui ye nana dzi dzɔa ame. Eye togbɔ be wofiaa ame akpa gãtɔwo be kakaɖedzi meli be ga nana ame kpɔa dzidzɔ o hã la, amesiwo wobia gbee la dometɔ 47 le alafa me ya xɔe se be enanae. Nukawoe kpeɖodziawo fia?

Gbã la, bu yeaɖi kadodo si le ga kple dzidzɔkpɔkpɔ dome ŋu kpɔ. Numekuku aɖe si wowɔ le kesinɔtɔ gãtɔ kekeake alafa ɖeka siwo le United States ŋu ɖee fia be dzi medzɔa wo boo wu ame hahooawo o. Gakpe ɖe eŋu la, susuŋutinunyala bibiwo gblɔ be, togbɔ be amesiwo le United States la dometɔ geɖe dzi woƒe ŋutilãmenunɔamesiwo ɖe edzi zi eve kloe le ƒe 30 siwo va yi me hã la, woƒe dzidzɔkpɔkpɔ medzi ɖe edzi wu alesi wònɔ tsã o. Le nyateƒe me la, nyatakaka aɖe gblɔ be: “Le ɣemaɣi ke la, blanuilélawo dzi ɖe edzi ŋutɔ. Ƒewuiviwo ƒe wo ɖokuiwo wuwu dzi ɖe edzi zi etɔ̃. Srɔ̃gbegbe dzi ɖe edzi zi eve.” Le dukɔ 50 aɖewo me la, numekula siwo srɔ̃ nu tso kadodo si le ga kple dzidzɔkpɔkpɔ dome ŋu ƒo nya ta be ga mate ŋu aƒle dzidzɔkpɔkpɔ o.

Azɔ hã, ɖe lãmesẽ nyui, srɔ̃gbenɔnɔ si me dzidzeme le, kple dɔwɔɖui nyui nye nu vevi siwo na wokpɔa dzidzɔa? Le nyateƒe me la, ne nusiawo hiã hafi woakpɔ dzidzɔ la, ekema ame miliɔn geɖe siwo ƒe lãme gblẽ kple amesiwo ƒe srɔ̃gbenɔnɔ mele edzi dzem na o ya ɖe? Ke srɔ̃tɔ siwo medzi vi o kple ŋutsu kple nyɔnu siwo mekpɔ dɔ nyui aɖeke le wɔwɔm o ya ɖe? Ðe amesiawo katã mate ŋu akpɔ dzidzɔ aɖeke le agbe me oa? Eye ɖe yeaɖi dzidzɔ si kpɔm amesiwo le lãmesẽ nyui me le kple amesiwo ƒe dzi dze eme le srɔ̃ƒe egbea la abu ne woƒe nɔnɔmea trɔa?

Ðe Míele Edim to Mɔ Nyuitɔ Nua?

Amesiame dina be yeakpɔ dzidzɔ. Esia mewɔ nuku o elabena woɖɔ amegbetɔ Wɔla la be “dzidzɔ Mawu, NW,” eye wowɔ ame ɖe Mawu ƒe nɔnɔme nu. (Timoteo I, 1:11; Mose I, 1:26, 27) Le esia ta, ele dzɔdzɔme nu be amegbetɔwo nadi be yewoakpɔ dzidzɔ. Gake, ame geɖe va kpɔnɛ be ɖeko dzidzɔkpɔkpɔ le abe alesi wokua ke ɖe asimee ene—ete ŋu duduna le ame si bɔbɔe.

Gake ɖe wòanye be ame aɖewo le togodoe dom akpa be yewoakpɔ dzidzɔa? Hadomegbenɔnɔŋutinunyala Eric Hoffer bui nenema. Egblɔ be: “Nusiwo koŋ hea dzidzɔmakpɔmakpɔ vɛ la dometɔ ɖekae nye dzidzɔkpɔkpɔ didi.” Esia nyea nyateƒe vavã ne míedi dzidzɔ to mɔ gbegblẽ nu. Ne edzɔ alea la, míado kpo nu eye dzi aɖe le míaƒo godoo. Agbagbadzedze be míazu kesinɔtɔwo, kutrikuku be míaxɔ ŋkɔ alo míaƒe ŋkɔ naɖi; dunyahehe, hadome, kple gakpɔkpɔ ƒe taɖodzinuwo minyaminya; alo ame ɖokuisinuwɔwɔ ko kple kɔɖiɖi na ame ƒe nudzodzrowo enumake siaa mete ŋu hea dzidzɔkpɔkpɔ vɛ o. Eyata mewɔ nuku o be ame aɖewo va lɔ̃ ɖe agbalẽŋlɔla aɖe ƒe nukpɔsusu wɔ mo yaa aɖe dzi be: “Ðeko míadzudzɔ togodoe dodo be míakpɔ dzidzɔ hafi ate ŋu akpɔ dzidzɔ”!

Nukutɔe la, numekuku si ŋutinya míegblɔ le nyati sia ƒe gɔmedzedze hã ɖee fia be ame 4 le 10 ɖesiaɖe me se le wo ɖokui me be nyuiwɔwɔ kple kpekpe ɖe amewo ŋue naa wokpɔa dzidzɔ. Ame 1 le 4 ɖesiaɖe me te gbe ɖe edzi be xɔse kple mawusubɔsubɔdzixɔse wɔa akpa vevi aɖe le dzidzɔkpɔkpɔ me. Edze ƒã be ehiã be míalé ŋku ɖe nusi nana wokpɔa dzidzɔ ŋu nyuie. Nyati si kplɔe ɖo akpe ɖe mía ŋu míawɔ esia.

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

Ame geɖe bui be ga, ƒomegbenɔnɔ si me dzidzeme le, alo dɔwɔɖui nyui ye naa ame kpɔa dzidzɔ. Èlɔ̃ ɖe edzia?