Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Domenyinu Kae Wòle Be Nàgblẽ Ði na Viwòwo?

Domenyinu Kae Wòle Be Nàgblẽ Ði na Viwòwo?

Domenyinu Kae Wòle Be Nàgblẽ Ði na Viwòwo?

ƑÃ HAFI Pavlos, si nye ƒome ƒe ta aɖe si tso anyiehe Europa la, nɔa srɔ̃a kple viawo—nyɔnuvi eve, siwo xɔ ƒe 13 kple ƒe 11, kpakple viaŋutsuvi si xɔ ƒe 7 la—gbɔ le aƒeme. Pavlos wɔa dɔ ŋdi kple zã kwasiɖa bliboa, be wòate ŋu akpɔ ga gbogbo aɖe atsɔ awɔ nusiwo wòdi vevie be yeawɔ lae. Edi be yeaƒle aƒe na ye vinyɔnuawo dometɔ ɖesiaɖe, eye wòdi be yeaɖo dɔwɔƒe sue aɖe na ye viŋutsuvia hã. Srɔ̃a, Sofia, wɔa dɔ vevie bene yeate ŋu aƒle nudodowo kple nutsyɔnuwo, dzodoƒenuwo, nuɖugbawo kple nuɖugatiwo ade aƒe yeye siawo me. Esi wobia susu si tae wodoa vevie dɔ wɔna alea ɖo la, woɖo eŋu nusɔsɔe be: “Mía viawo tae!”

Abe alesi wòle le Pavlos kple Sofia gomee ene la, dzila geɖe siwo le xexeame godoo wɔa wotɔ sinua ale be wo viwo nate ŋu adze agbe gɔme nyuie. Ðewo dzraa ga ɖo be ɖeviawo nava zã gbaɖegbe. Bubuwo kpɔa egbɔ be wo viwo de suku nyuie hesrɔ̃ dɔ si ava ɖe vi na wo emegbe. Togbɔ be dzila geɖe bua nunana siawo be wonye domenyinu siwo nam yewole lɔlɔ̃tɔe hã la, esia wɔwɔ daa agba gã aɖe ɖe dzilawo dzi zi geɖe be woawɔ nu wòasɔ ɖe alesi ƒometɔwo, xɔlɔ̃wo, kple nuto si me wole la me tɔwo kpɔa mɔe nu. Eyata, dzila siwo tsia dzi ɖe nusia ŋu biana nya sia si sɔ la be: ‘Domenyinu kae wòle be míagblẽ ɖi na mía viwo?’

Dzadzraɖo Ðe Etsɔme Ŋu

Menye ɖeko wòle dzɔdzɔme nu be dzila Kristotɔwo nawɔ dzadzraɖo ɖi na wo viwo o, ke boŋ esɔ le Ŋɔŋlɔawo nu hã. Apostolo Paulo gblɔ na eŋɔlime Kristotɔwo be: “Medze bena, viwo natu nuwo ɖo na wo dzilawo o, hafi dzilawo natu nuwo ɖo na viwo boŋ.” (Korintotɔwo II, 12:14) Paulo gblɔ hã be dzilawo ƒe belélename nye ŋkubiãnya gã aɖe. Eŋlɔ bena: “Ke ne ame aɖe melé be na ye ŋutɔ tɔwo o, eye vevietɔ na ye ŋutɔ ƒe aƒemetɔwo o la, egbe xɔse la, eye wòvɔ̃ɖi wu dzimaxɔsetɔ.” (Timoteo I, 5:8) Biblia me nuŋlɔɖi gbogbo aɖewo ɖee fia be domenyinu ƒe nyawo nɔ vevie le Mawu subɔlawo dome le Biblia ŋlɔɣi.—Rut 2:19, 20; 3:9-13; 4:1-22; Hiob 42:15.

Ke hã, ɣeaɖewoɣi la, dzilawo ƒoa wo ɖokui ɖe nu gã siwo dome wo viwo ava nyi la didi me vĩ. Nukatae? Manolis, si nye vifofo aɖe si ʋu tso anyiehe Europa yi ɖe United States, ɖe susu ɖeka aɖe gblɔ be: “Dzila siwo Xexemeʋa II kple dɔwuame kpakple hiãkame wɔ fui la ɖoe kplikpaa be yewoawɔ nusiwo ana agbe nava de yewo viwo dzi.” Egblɔ kpee be: “Le alesi dzilawo bua agba sia nu gãe hedina vevie be wo viwo nadze agbe gɔme nyuie ta la, wowɔa nuvevi wo ɖokui ɣeaɖewoɣi.” Le nyateƒe me la, dzila aɖewo tea agbemenuhiahiãwo wo ɖokui alo nɔa agbe tsɛ ale be woate ŋu ali kɔ ŋutilãmenunɔamesiwo ɖi na wo viwo. Gake ɖe nunya le eme be dzilawo nawɔ nu alea?

“Tofloko Kple Vɔ̃ Gã Wònye”

Blema Israel Fia Salomo na nuxlɔ̃ame aɖe le domenyinuwo ŋu. Eŋlɔ bena: “Melé fu agbagba, siwo katã medze le ɣea te la, le esi mele wo gblẽ ge ɖi na yonyemedzelawo ta. Eye amekae nyae be, nunyala loo, alo bometsila nye ge wògbɔna? Hafi eyae le ŋusẽ kpɔ ge ɖe nye agbagba, siwo katã metsɔ kutrikuku kple nunya dze le ɣea te la dzi. Esia hã toflokoe! . . . Elabena ne ame aɖe tsɔ nunya, gɔmesese kple aɖaŋu wɔ eƒe dɔe la, ele nɛ be, wòagblẽe ɖi na ame bubu, si medze agbagba le eŋu o la, wòazu etɔ. Esia hã tofloko kple vɔ̃ gã wònye.”—Nyagblɔla 2:18-21.

Abe alesi Salomo ɖe emee ene la, ɖewohĩ amesiwo ava nyi nuwo dome la malé be boo aɖeke na wo o elabena menye woa ŋutɔwoe dagba hafi kpɔ wo o. Le esia ta, ɖewohĩ domenyilawo azã nusiwo dzilawo ku kutri hafi gblẽ ɖi na wo la yakayaka. Ðewohĩ woagblẽ nunɔamesi siwo wokpe fu kpɔ la dome. (Luka 15:11-16) “Tofloko kple vɔ̃ gã” kae nye si wòanye!

Domenyinuwo Kple Ŋukeklẽ

Nu bubu aɖe hã li si ŋu wòahiã be dzilawo nabu. Le dekɔnu siwo me wòtsia dzi ɖe domenyinuwo kple ŋutsutabianu gãwo xɔxɔ ŋu la, ɖeviwo ate ŋu ava zu ŋuklẽlawo, adi be woaƒle aƒe na ye loo, alo anɔ srɔ̃ɖetabianu, si gbɔ dzilawo ƒe ŋutete ŋu la biam. Loukas, si nye vifofo le Greece, gblɔ fewuɖutɔe be: “Baba na fofo si si vinyɔnuvi eve alo etɔ̃ le.” Egblɔ be: “Vinyɔnuviwo atsɔ nusi wo fofo ate ŋu ana wo la anɔ sɔsɔm kple nusi dzila bubuwo lia kɔ ‘lɔlɔ̃tɔe’ ɖi na wo viwo. Woagblɔ be ne nu adodoe aɖeke mesu yewo si o la, yewomakpɔ srɔ̃ aɖe o.” *

Manolis, si míeyɔ do ŋgɔ la, gblɔ be: “Ðekakpui ate ŋu ahe srɔ̃ɖeɖea ɖe megbe vaseɖe esime nyɔnu si wòbe yeaɖe la fofo do nu gã aɖe, si nyea aƒe tsotso na nyɔnuvia loo alo ga gbogbo aɖe nanae, ƒe ŋugbe na ɖekakpuia hafi. Esia te ŋu zua ame tafatafa ƒomevi aɖe.”

Biblia ƒo nu tso ŋukeklẽ ƒomeviwo katã ŋu. Salomo ŋlɔ bena: “Domenyinu, si ŋu wotsi hohoho ɖo la, yayra manɔ me o.” (Lododowo 20:21) Apostolo Paulo te gbe ɖe edzi be: “Nuvɔ̃wo katã ƒe ke enye galɔlɔ̃.”—Timoteo I, 6:10; Efesotɔwo 5:5.

‘Nunya Kpe Ðe Domenyinu Ŋu’

Ele eme be asixɔxɔ aɖe le domenyinu ŋu ya, gake nunya xɔ asi sasasã wu ŋutilãmenunɔamesiwo. Fia Salomo gblɔ be: “Nunya nyo kpe ɖe domenyinu ŋu, eye wònye viɖe . . . Elabena nunya doa vɔvɔli, eye ga hã doa vɔvɔli; eye sidzedze ƒe viɖe enye: Nunya léa amesi si wòle la ƒe agbe ɖe te.” (Nyagblɔla 7:11, 12; Lododowo 2:7; 3:21) Togbɔ be ga doa vɔvɔli va ɖo afi aɖe, ale be amesi si wòle kpɔa nusi hiã nɛ hã la, ate ŋu abu. Ke hã, nunya—si nye alesi woate ŋu azã sidzedze atsɔ akpɔ kuxiwo gbɔe alo aɖo taɖodzinu aɖewo gbɔe—ate ŋu akpɔ ame ta be mawɔ nu bometsitsitɔe o. Ne etui ɖe mawuvɔvɔ̃ dzi la, ɖewohĩ akpe ɖe eŋu be wòakpɔ agbe mavɔ le Mawu ƒe xexeme yeye si ava kpuie la me—si nye domenyinu xɔasi aɖe nyateƒe!—Petro II, 3:13.

Dzila Kristotɔwo wɔa nunya sia ŋudɔ to taɖodzinu siwo sɔ la ɖoɖo na woa kple wo viwo me. (Filipitɔwo 1:10) Mele be ŋutilãmenu siwo woli kɔ ɖi na ɖeviwo be woava zã naxɔ ŋgɔ na gbɔgbɔmenuwo o. Yesu de dzi ƒo na eyomedzelawo be: “Midi mawufiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã, eye woatsɔ nusiawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.” (Mateo 6:33) Dzila siwo ɖoa gbɔgbɔmetaɖodzinuwo na woƒe ƒome si me tɔwo nye Kristotɔwo la ate ŋu akpɔ mɔ be yewoava kpɔ viɖe gbogbowo. Nunyala Fia Salomo ŋlɔ bena: “Ame dzɔdzɔe fofo tsoa aseye, eye ne ame aɖe dzi vi nyanu la, ekpɔa dzidzɔ le eŋu. Fofowò kple dawò akpɔ dzidzɔ, eye dawò atso aseye.”—Lododowo 23:24, 25.

Domenyinu Mavɔ

Le blema Israel-viwo dome la, ŋkubiãnyae domenyinu ƒe nyawo nye. (Fiawo I, 21:2-6) Gake Yehowa xlɔ̃ nu wo be: “Nya, siwo megblɔ na wò egbe la, natsi dzi me na wò. Ku wo ɖe to me na viwòwo, eye naƒo nu le wo ŋu, ne èbɔbɔ nɔ aƒewò me, alo nèle mɔ dzi, ne èmlɔ anyi, alo nèfɔ.” (Mose V, 6:6, 7) Nenema kee wogblɔ na dzila Kristotɔwo be: “Minyi [mia viwo] le Aƒetɔ la ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ la me.”—Efesotɔwo 6:4.

Dzila siwo si gbɔgbɔmenukpɔsusu le la dea dzesii be woƒe aƒemetɔwo dzi kpɔkpɔ lɔ Biblia me nufiamewo nana wo ɖe eme. Andreas, si nye vi etɔ̃ fofo, gblɔ be: “Ne ɖeviwo srɔ̃ alesi woatsɔ mawumegɔmeɖosewo ade dɔwɔna me le agbe me la, adzra wo ɖo nyuie ɖe etsɔme ŋu.” Domenyinu sia hã kpena ɖe wo ŋu wodoa ƒome kple wo Wɔla la hetua ƒomedodo ma ɖo.—Timoteo I, 6:19.

Ðe nèbu ɖoɖowɔwɔ ɖe viwò ƒe etsɔme gbɔgbɔmenɔnɔmewo ŋua? Le kpɔɖeŋu me, nukae dzilawo ate ŋu awɔ ne wo viwo le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm? Togbɔ be mele be ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla nabia gakpekpeɖeŋu alo akpɔ mɔ nɛ o hã la, dzila lɔ̃amewo ate ŋu aɖoe be ‘yewoakpe ɖe eŋu le eƒe nuhiahiãwo me’ ale be wòate ŋu ayi ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa dzi. (Romatɔwo 12:13; Samuel I, 2:18, 19; Filipitɔwo 4:14-18) Ðikeke mele eme o be kpekpeɖeŋunana ƒe nɔnɔme sia adze Yehowa ŋu godoo.

Ekema nuka ƒe agbae le dzilawo dzi ɖe wo viwo ŋu? Tsɔ kpe ɖe woƒe ŋutilãmenuwo gbɔ kpɔkpɔ ŋu la, dzila Kristotɔwo kpɔa egbɔ be yewona gbɔgbɔmedomenyinu xɔasi aɖe si aɖe vi tegbee na yewo viwo la wo. Le mɔ sia nu la, Psalmo 37:18 me nyawo ava eme be: “Elabena Yehowa nya ame maɖifɔwo ƒe ŋkeke, eye woƒe domenyinu anɔ anyi tegbee.”

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 11 Amewo ƒe nyagbɔgblɔ siwo le memama sia kple esi kplɔe ɖo me la ɖee fia be enye kɔnu le dukɔ aɖewo me be ŋugbetɔ ƒe ƒometɔwo nayi aɖabia ŋugbetɔsrɔ̃a ta alo ana nuwo eƒe ƒometɔwo. Le Afrikatɔwo ƒe dekɔnu geɖe me la, ŋutsua alo eƒe ƒometɔwoe biaa ŋugbetɔa ta henaa nu ŋugbetɔa ƒe ƒometɔwo. Ke hã, gɔmeɖose si fiam wole la sɔ le go eveawo siaa me.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 26, 27]

Etsɔme kae nàdi be yeatu ɖo na viwòwo?