Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kpɔ Nyuie Le “Ame Tutɔwo Ƒe Gbe” Ŋu

Kpɔ Nyuie Le “Ame Tutɔwo Ƒe Gbe” Ŋu

Kpɔ Nyuie Le “Ame Tutɔwo Ƒe Gbe” Ŋu

“Ke womele ame tutɔ yome dze ge o, ke boŋ woasi le egbɔ, elabena womedzea si ame tutɔwo ƒe gbe o.”—YOHANES 10:5.

1, 2. (a) Aleke Maria wɔ nui esi Yesu yɔ eŋkɔ, eye Yesu ƒe nya kae wògblɔ do ŋgɔ si ɖe nudzɔdzɔ sia me nyuie? (b) Nukae kpena ɖe mía ŋu be mía kple Yesu dome nɔa kplikplikpli?

YESU si wofɔ ɖe tsitre la kpɔ nyɔnu aɖe wòle tsitre ɖe eya Yesu ƒe yɔdo si tsi ƒuƒlu la to. Enya nyɔnua nyuie. Maria Magdalatɔ ye. Ƒe eve kloe nye ema la, Yesu na be wòvo tso gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi me. Tso ema dzi la, ekplɔa Yesu kple eƒe apostoloawo ɖo henɔa woƒe gbesiagbenuhiahiãwo gbɔ kpɔm na wo. (Luka 8:1-3) Gake Maria le avi fam egbea, eƒe dzi gbã ŋutɔ elabena ekpɔ Yesu wòku, eye fifia gɔ̃ hã la eƒe ŋutilã hã bu! Eyata Yesu biae be: “Nyɔnu, nukaŋuti nèle avi fam? Ameka dim nèle?” Esi wòbu be abɔdzikpɔla lae la, eɖo eŋu be: “Aƒetɔ, nenye wòe tsɔe yii la, gblɔ afisi nètsɔe yi ɖamlɔ la nam, eye nye la mayi aɖatsɔe vɛ.” Emegbe Yesu yɔe bena: Maria! Enumake ede dzesi be nuƒoa ɖi Yesu ƒe gbe. Edo ɣli dzidzɔtɔe be: “Nufiala!” Eye wòkplae.—Yohanes 20:11-18.

2 Nuŋlɔɖi sia na be nya aɖe si Yesu gblɔ do ŋgɔ me kɔ eye wòwɔ dɔ ɖe ame dzi. Esi wòtsɔ eɖokui nɔ sɔsɔm kple alẽkplɔla hetsɔ eyomedzelawo sɔ kple alẽwo la, egblɔ be alẽkplɔla yɔa eya ŋutɔ ƒe alẽwo ŋkɔ eye alẽawo dzea si eƒe gbe. (Yohanes 10:3, 4, 14, 27, 28) Nyateƒee, abe alesi alẽwo dzea si wo kplɔla ƒe gbee ene la, nenema kee Maria de dzesi Ekplɔla, Kristo, ƒe gbee. Ele alea le Yesu yomedzela vavãtɔwo hã gome egbea. (Yohanes 10:16) Abe alesi alẽ si sea nu te ŋu nɔa ekplɔla ŋui ene la, nenema kee míaƒe gbɔgbɔmenugɔmesese kpena ɖe mía ŋu be míanɔ míaƒe Alẽkplɔla Nyui, Yesu Kristo, yomee.—Yohanes 13:15; Yohanes I, 2:6; 5:20.

3. Nyabiabia kawoe Yesu ƒe kpɔɖeŋu si ku ɖe alẽhaa ŋu he va susu me na mí?

3 Gake le kpɔɖeŋu sia ke me la, alesi alẽ te ŋu dea dzesi amegbetɔ ƒe gbe ɖee fia be menye exɔlɔ̃ koe wòte ŋu dea dzesi o ke eƒe futɔ hãe. Nya sia le vevie ŋutɔ elabena tsitretsiɖeŋula gblẽkuwo le mía ŋu. Amekawoe wonye? Aleke wowɔa nui? Aleke míate ŋu akpɔ mía ɖokuiwo ta tso wo si me? Be míate ŋu aɖo nya mawo ŋu la, mina míade dzesi nu bubu si Yesu gblɔ le eƒe kpɔɖeŋu si ku ɖe alẽha la ŋu me.

‘Amesi Metoa Agboa Nu Yina Ðe Eme O’

4. Le kpɔɖeŋu si ku ɖe alẽkplɔlaa ŋu me la, amekae alẽwo kplɔna ɖo, eye amekae wo me kplɔna ɖo o?

4 Yesu gblɔ be: “Ke amesi toa agboa nu heyina ɖe eme la, alẽwo ƒe kplɔla wònye. Eya la agbonudzɔla ʋuna nɛ, eye alẽawo sea eyama ƒe gbe, eye wòyɔa ye ŋutɔ ƒe alẽwo kple ŋkɔ, eye wòkplɔa wo doa goe. Ne eɖe ye ŋutɔ tɔwo katã do go la, edzea ŋgɔ na wo; eye alẽawo dzea eyome, elabena wodzea si eƒe gbe. Ke womele ame tutɔ yome dze ge o, ke boŋ woasi le egbɔ, elabena womedzea si ame tutɔwo ƒe gbe o.” (Yohanes 10:2-5) De dzesii be Yesu zã nya, “gbe” zi etɔ̃. Zi evee wòƒo nu tso alẽkplɔla aɖe ƒe gbe ŋu, gake zi etɔ̃lia la, eyɔ “ame tutɔwo ƒe gbe.” Ame tutɔ ka ƒomevie Yesu wɔnɛ?

5. Nukatae míewɔa amedzro na ame tutɔ si ƒomevi woyɔ le Yohanes ta 10 la o?

5 Menye ame aɖe si míedi be míaɖe amedzrowɔwɔ—si nye nya aɖe si gɔme woɖe be “amedzrowo lɔlɔ̃” le gbe si me woŋlɔ Biblia la ɖo gbã—afia me dzromee Yesu nɔ o. (Hebritɔwo 13:2) Le Yesu ƒe kpɔɖeŋua me la, womekpe ame tutɔ la hafi wòge ɖe eme o. Metoa ‘agboa nu hafi gena ɖe alẽxɔa me o, ke eyi ɖaliaa afi bubu gena ɖe eme.’ “Fiafitɔ kple adzodala” wònye. (Yohanes 10:1) Amekae woyɔ le Mawu ƒe Nya la me si va zu fiafitɔ kple adzodala gbãtɔ? Satana Abosam ye. Míekpɔ kpeɖodzia le Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ me.

Ɣeyiɣi si Wose Ame Tutɔ ƒe Gbe Zi Gbãtɔ

6, 7. Nukatae woate ŋu ayɔ Satana be ame tutɔ kple fiafitɔ wòasɔ?

6 Mose I, 3:1-5 ƒo nu tso alesi wose ame tutɔ aɖe ŋkɔ zi gbãtɔ le anyigba dzi la ŋu. Nuŋlɔɖia gblɔ be Satana to da aɖe dzi te ɖe nyɔnu gbãtɔ, Xawa, ŋu eye wòƒo nu kplii, le aɖaŋu me, amebletɔe. Nyateƒee be womeyɔ Satana be “ame tutɔ” tẽ le nuŋlɔɖi sia me o. Ke hã, eƒe nuwɔnawo ɖee fia be ewɔ nu zi geɖe abe ame tutɔ si ŋu woƒo nu tsoe le Yesu ƒe kpɔɖeŋu si woŋlɔ ɖe Yohanes ta 10 me ene. De ŋugble le alesi woɖi wo nɔewo le go aɖewo mee ŋu kpɔ.

7 Yesu gblɔ be ame tutɔ la te ɖe alẽ siwo dzi dze ge wòyina ŋu le alẽkpɔa me le mɔ si flua ame nu. Nenema kee Satana hã yi Xawa gbɔ le mɔ si flua ame nu, to da aɖe dzi. Ayemɔ sia si Satana zãna ɖe amesi ƒomevi tututue wònye—si nye ameflunuwɔla gblẽku aɖe—la fia. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ame tutɔ si ge ɖe alẽkpɔa me ƒe taɖodzinue nye be yeafi alẽawo le alẽtɔa te dzaa le aɖaŋu me. Le nyateƒe me la, evɔ̃ɖi wu fiafitɔ gɔ̃ hã, elabena eƒe taɖodzinu hãe nye be ‘yeawu ame ahagblẽ nu.’ (Yohanes 10:10) Nenema ke Satana hã nye fiafitɔe. Esi wòble Xawa la, efi alesi wòle be Xawa natsɔ eɖokui ana Mawu la le esi. Gawu la, Satana he ku hã vɛ na amegbetɔwo. Eyatae wònye amewula ɖo.

8. Aleke Satana trɔ Yehowa ƒe nyawo kple tamesusuwo gboe?

8 Satana ƒe anukwaremaɖimaɖia dze le alesi wòtrɔ Yehowa ƒe nya kple eƒe tamesusuwo gboe me. Ebia Xawa be: ‘Vavãe Mawu gblɔ bena, migaɖu atiawo ƒe tsetse aɖeke o mahã?’ Satana bua wɔ abe ɖe nya la wɔ mo yaa nɛ ene, abe ke ɖe wònɔ gbɔgblɔm be: ‘Aleke Mawu ate ŋu abia be miawɔ ɖe se ma gbegbe dzii,’ ene. Egblɔ kpee be: “Mawu nyae bena, gbesigbe ke miaɖu eƒe ɖe la, miaƒe ŋkuwo laʋu.” De dzesi eƒe nyawo: “Mawu nyae bena.” Satana gblɔ le kpɔɖeŋumɔ nu be: ‘Menya nusi Mawu nya. Menyae be, eƒe tamesusuwo vɔ̃ɖi.’ (Mose I, 2:16, 17; 3:1, 5) Nublanuitɔe la, Xawa kple Adam mete ŋu ƒo asa na ame tutɔ sia ƒe gbe o. Ke boŋ woɖo toe eye wohe afɔku va woa ŋutɔwo kple woƒe dzidzimeviwo dzi.—Romatɔwo 5:12, 14.

9. Nukatae míakpɔ mɔ be woase ame tutɔwo ƒe gbe egbea?

9 Satana zã mɔnu siwo sɔ kple esia tsɔ ble Mawu ƒe amewoe egbea. (Nyaɖeɖefia 12:9) Eyae nye “aʋatsokafofo,” eye viawo, amesiwo le abe eya ene, dzea agbagba be yewoakplɔ Mawu subɔlawo atrae. (Yohanes 8:44) Mina míade dzesi mɔ aɖewo siwo nu wosea ame tutɔwo ƒe gbe le egbea.

Alesi Wosea Ame Tutɔwo ƒe Gbee Egbea

10. Mɔ ɖeka aɖe si nu wosea ame tutɔwo ƒe gbe le ɖe?

10 Tamebubu fluamewo. Apostolo Paulo gblɔ be: “Migana nufiafia bubu ƒomeviwo kple dzrotɔwo nahe mi ayii o.” (Hebritɔwo 13:9) Nufiafia kawo tɔgbee? Esi wònye woate ŋu akplɔ ‘mí atrae’ ta la, eme kɔ ƒaa be Paulo de dzesi nufiafia siwo ana be míaƒe gbɔgbɔ me ŋutenɔnɔ me nagbɔdzɔ. Amekawoe le nufiafia tutɔ mawo fiam? Paulo gblɔ na hamemegã Kristotɔwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe be: “Le mia ŋutɔwo dome la ŋutsu, siwo gblɔa nya dadawo la, latsi tre, be woahe nusrɔ̃lawo ɖe wo ɖokui yome.” (Dɔwɔwɔwo 20:30) Nyateƒee, abe alesi wònɔ le Paulo ƒe ŋkekea me ene la, egbea la, ame aɖewo siwo nye Kristo-hamea me tɔwo tsã la tena kpɔ fifia be yewoable alẽawo to woƒe “nya dadawo”—nyateƒe afã, aʋatso afã kple aʋatso ŋutɔŋutɔwo kaka—dzi. Abe alesi apostolo Petro gblɔe ene la, wozãa “nyakpakpawo”—nya siwo adze nyateƒenyawoe evɔ wonye nya gbɔlo siwo le ko abe ga manyomanyo si womate ŋu aɖu o ene.—Petro II, 2:3.

11. Aleke nya siwo le Petro II, 2:1, 3 ɖe xɔsegbelawo ƒe mɔnu kple taɖodzinuwo fiae?

11 Petro yi edzi klo nu le xɔsegbelawo ƒe ameblemɔnuwo dzi esi wògblɔ be woatsɔ “gbegblẽ ƒe kɔmamãwo ava tra ɖe eme dzaa.” (Petro II, 2:1, 3) Abe alesi fiafi si ŋu Yesu ƒo nu tsoe, le eƒe kpɔɖeŋu si ku ɖe alẽxɔa ŋu me, “metoa agboa nu heyina ɖe alẽxɔa me o, ke wòyi ɖaliaa afi bubu gena ɖe eme” ene la, nenema kee xɔsegbelawo hã tena ɖe mía ŋu dzaa ayetɔe. (Galatiatɔwo 2:4; Yuda 4) Nukae nye woƒe taɖodzinu? Petro gblɔ kpee be: ‘Be woagblẽ nu le mía ŋu.’ Nyateƒee eɖanye nuka kee xɔsegbelawo agblɔ atsɔ aɖee afia be nyateƒe tomee yewole o, amefila siawo ƒe taɖodzinu koŋue nye be ‘yewoafi fi, awu ame, ahagblẽ nu le ame ŋu.’ (Yohanes 10:10) Kpɔ nyuie le ame tutɔ siawo ŋu!

12. (a) Aleke míaƒe hadedewo ate ŋu awɔe be míase ame tutɔwo ƒe gbee? (b) Nukae ɖi wo nɔewo le Satana ƒe ayemɔwo kple esiwo ame tutɔwo zãna egbea me?

12 Hadede vɔ̃wo. Míate ŋu ase ame tutɔwo ƒe gbe le amesiwo míedea ha kplii gbɔ. Hadede vɔ̃wo gblẽa nu, vevietɔ le sɔhɛwo ŋu. (Korintotɔwo I, 15:33) Nenɔ susu me na wò be Satana tɔ ŋku Xawa—si nye ame eve gbãtɔwo ƒe ɖevitɔ, si ƒe nuteƒekpɔkpɔ le ʋɛ wu la. Eble enu be Yehowa ɖo asi eƒe ablɔɖe dzi madzemadzee, evɔ le nyateƒe me la, meɖo asi edzi kura hafi o. Yehowa lɔ̃ amegbetɔƒome si wòwɔ la, eye wotsɔ ɖe le woƒe nyonyo me. (Yesaya 48:17) Egbea hã, ame tutɔwo dzea agbagba be yewoable mi sɔhɛwo nu miasusui be mia dzila Kristotɔwo le ablɔɖe si me wole be mianɔ la tem mi madzemadzee. Aleke ame tutɔ siawo ate ŋu agblẽ nu le mia ŋui? Nyɔnuvi Kristotɔ aɖe lɔ̃ ɖe edzi be: “Nye sukuxɔmehatiwo na be megbɔdzɔ le xɔse me vie ɣeaɖeɣi. Wonɔ gbɔgblɔm nam edziedzi be subɔsubɔha si me mele la xe mɔ ɖe nu geɖe nu akpa susumanɔmetɔe.” Gake nyateƒeae nye be, dziwòlawo lɔ̃ wò. Eyata ne wò sukuhatiwo ƒoa nya ɖe nu wò be màgaka ɖe dziwòlawo dzi o la, kpɔ nyuie be woagable wò abe Xawa ene o.

13. Agbe ɖɔʋu kae Dawid tia be yeanɔ, eye mɔ ka dzie míato asrɔ̃e?

13 Hakpala Dawid gblɔ tso hadede vɔ̃wo ŋu be: “Nyemebɔbɔ nɔ ame tovowo gbɔ o, eye nyemede afɔ gbedegblemimewo ƒe ha me o.” (Psalmo 26:4) Ède dzesi nɔnɔme vevi si nye ayemenuwɔwɔ le ame tutɔwo ŋua? Woɣlaa amesi ƒomevi wonye—abe alesi Satana ɣla eɖokui to da aɖe zazã me ene. Egbea la, ame gblẽku aɖewo ɣlaa amesi ƒomevi wonye kple taɖodzinu ŋutɔŋutɔ si le wo si, to Internet zazã dzi. Le Internet dzi nyatakakawo ɖoɖo ɖe ame nɔewo me la, ame tsitsi gblẽku aɖewo gɔ̃ hã wɔa nu abe sɔhɛwo ene be yewoatsɔ able mi ade mɔ̃ me. Mi sɔhɛwo, taflatse minɔ ŋudzɔ vevie ne menye nenema o la, woagblẽ nu le miaƒe gbɔgbɔmemenyenye ŋu.—Psalmo 119:101; Lododowo 22:3.

14. Mɔ ka nue nyadzɔdzɔgblɔmɔnuwo gblɔa ame tutɔwo ƒe gbe le ɣeaɖewoɣii?

14 Aʋatsonutsotsowo. Togbɔ be wogblɔa nya nyuiewo tsoa Yehowa Ðasefowo ŋu le nyadzɔdzɔgblɔmɔnuwo me ɣeaɖewoɣi hã la, ame tutɔ siawo zã nyadzɔdzɔgblɔmɔnu siawo ke ɣebubuɣiwo tsɔ kakaa nya trɔgbowo tso Ðasefowo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, le dukɔ aɖe me la, woka nya ta le nyadzɔdzɔwo me alakpatɔe tso Ðasefowo ŋu be wode megbe na Hitler ƒe dziɖuɖua le Xexemeʋa II me. Le dukɔ bubu me la, woka nya ta tsɔ tso Ðasefowo nui be wole sɔlemexɔwo gbãm. Le dukɔ geɖe me la, nyadzɔdzɔgblɔmɔnuwo tso Ðasefowo nu be wogbe be yewo mawɔ atike na yewo viwo ne woƒe lãme gblẽ o eye be woŋea aɖaba ƒua nuvɔ̃ gã si woƒe haxɔsetɔwo wɔna la dzi. Togbɔ be wogblɔ nya siawo hã la, dzianukwaretɔ siwo ŋutɔ nya mí nyuie la dea dzesii be aʋatsoe nutsotso mawo nye.

15. Nukatae susu manɔ eme be míaxɔ nya sia nya si woagblɔ le nyadzɔdzɔgblɔmɔnuwo me dzi ase o?

15 Nukae míawɔ ne wobia nya mí ku ɖe nutsotso siwo ame tutɔ mawo ƒe gbe kaka la ŋu? Anyo be míawɔ ɖe aɖaŋu si woɖo ɖe Lododowo 14:15 dzi be: “Ame bebewu xɔa nya sia nya dzi sena; ke nunyala léa ŋku ɖe eƒe afɔɖeɖe ŋu.” Nunya mele eme be míaxɔ nusianu si woagblɔ ɖe nyadzɔdzɔgblɔmɔnuwo me be enye nyateƒe o. Togbɔ be míexɔa nyadzɔdzɔ aɖewo dzi sena hã la, míenyae be ‘xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la me.’—Yohanes I, 5:19.

“Mido Gbɔgbɔawo Kpɔ”

16. (a) Aleke alesi alẽ ŋutɔŋutɔwo wɔa nui ɖo kpe nya siwo Yesu gblɔ le Yohanes 10:4 ƒe nyateƒenyenye dzii? (b) Nukae Biblia de dzi ƒo na mí be míawɔ?

16 Gake aleke míawɔ anya ne xɔlɔ̃e míele ha dem kpli loo alo futɔe? Yesu gblɔ be alẽawo kplɔa alẽkplɔlaa ɖo “elabena wodzea si eƒe gbe.” (Yohanes 10:4) Menye alẽkplɔla la ƒe dzedzemee ʋãa alẽawo be woakplɔe ɖo o; ke boŋ eƒe gbee. Agbalẽ aɖe si ƒo nu tso Biblia me nyigbawo ŋu gblɔ amedzro aɖe si ʋli nya be alẽkplɔla ƒe awue alẽawo tsɔ dea dzesii ke menye eƒe gbee o la ŋu. Alẽkplɔla aɖe gblɔ nɛ be gbe lae alẽawo de dzesi. Be woakpɔ nyateƒea la, alẽkplɔla kple amedzroa ɖɔli woƒe awuwo. Esi amedzroa do alẽkplɔlaa ƒe awua la, edo ɣli yɔ alẽawo, gake womeva egbɔ o. Womenya eƒe gbe o. Ke esi alẽkplɔla la yɔ wo la, togbɔ be edo awu bubu kura hã la, alẽawo ƒu du va egbɔ. Eyata ame aɖe ado nu abe alẽkplɔla ene, gake alẽawo ya nyae be menye yewo kplɔla ŋutɔŋutɔe nye ema o. Esia fia be alẽawo doa amesi le wo yɔm la ƒe gbe kpɔna, eye wotsɔnɛ sɔna kple wo kplɔlaa ƒe gbe. Mawu ƒe Nya le gbɔgblɔm na mí be míawɔ nenema ke—“[míado] gbɔgbɔawo kpɔ, nenye ɖe wotso Mawu gbɔ.” (Yohanes I, 4:1; Timoteo II, 1:13) Nukae akpe ɖe mía ŋu be míawɔe nenema?

17. (a) Aleke míewɔna va nyaa Yehowa ƒe gbe nyuie? (b) Yehowa ŋuti sidzedze kpena ɖe mía ŋu be míewɔa nuka?

17 Edze ƒã be, zi alesi míenya Yehowa ƒe gbe alo eƒe gbedasia nyuie la, zi nenemae míedea dzesi ame tutɔ ƒe gbe hãe kaba. Biblia gblɔ alesi míetua sidzedze ma ɖoe. Egblɔ be: “Miaƒe to ase nya sia le mia megbe bena: Mɔ la enye si, mito edzi!” (Yesaya 30:21) “Nya” ma si le mía megbe la tso Mawu ƒe Nya la me. Ɣesiaɣi si míexlẽ Mawu ƒe Nya la, míesena Alẽkplɔla Gãtɔ, Yehowa, ƒe gbe le kpɔɖeŋumɔ nu. (Psalmo 23:1) Le esia ta la, zi alesi míesrɔ̃a Biblia la, zi nenemae míeva nyaa Mawu ƒe gbe ɖe edzie. Sidzedze vevi xɔasi sia kpena ɖe mía ŋu be míade dzesi ame tutɔ ƒe gbe enumake.—Galatiatɔwo 1:8.

18. (a) Nukae Yehowa ƒe gbe nyanya lɔ ɖe eme? (b) Le Mateo 17:5 ƒe nya nu la, nukatae wòle be míaɖo to Yesu ƒe gbe?

18 Nukae Yehowa ƒe gbe nyanya galɔ ɖe eme? Tsɔ kpe ɖe gbea sese ŋu la, ebia hã be woanye toɖola. De dzesi Yesaya 30:21 ake. Mawu ƒe Nya ƒe gblɔ be: “Mɔ la enye si.” Ẽ, míesea Yehowa ƒe mɔfiamewo to Biblia sɔsrɔ̃ me. Emegbe ede se be: “Mito edzi!” Yehowa di be míawɔ ɖe nusi míese dzi. Eyata to nusi míesrɔ̃ tsɔtsɔ de dɔwɔna me me la, míeɖenɛ fiana be menye Yehowa ƒe gbe koe míesena o, ke míeɖo toe hã. (Mose V, 28:1) Ne míeɖo to Yehowa ƒe gbe la, efia be Yesu ƒe gbe hãe ma míele to ɖomee, elabena Yehowa ŋutɔe gblɔe na mí be míawɔe nenema. (Mateo 17:5) Nukae Yesu, Alẽkplɔla Nyui la, gblɔ na mí be míawɔ? Efia mí be míawɔ nusrɔ̃lawo eye míaka ɖe “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la dzi. (Mateo 24:45; 28:18-20) Toɖoɖo eƒe gbe ana míakpɔ agbe mavɔ.—Dɔwɔwɔwo 3:23.

“Woasi le Egbɔ”

19. Aleke wòle be míawɔ nu ɖe ame tutɔ ƒe gbe ŋui?

19 Ke aleke wòle be míawɔ nu ɖe ame tutɔ ƒe gbe ŋui? Abe alesi alẽwo wɔa nui ene. Yesu gblɔ be: “Ke womele ame tutɔ yome dze ge o, ke boŋ woasi le egbɔ.” (Yohanes 10:5) Míawɔ nu le mɔ eve nu. Gbã, ‘míadze ame tutɔ la yome o.’ Ẽ, míegbea ame tutɔ la kura. Le nyateƒe me la, le Helagbe si wozã tsɔ ŋlɔ Biblia me la, wozãa nya “womele . . . o” le gbegbɔgblɔ ma me tsɔ fiaa alesi woatsri nane kplikpaae. (Mateo 24:35; Hebritɔwo 13:5) Evelia, ‘míasi le egbɔ,’ alo atrɔ le eyome. Esiawo koe nye mɔ nyuitɔ siwo nu míawɔ nu ɖe amesiwo ƒe nufiafiawo mewɔ ɖeka kple Alẽkplɔla Nyui la ƒe gbe o ŋu le.

20. Aleke míawɔ nu ɖe (a) xɔsegbela ameblelawo, (b) hadede vɔ̃wo, (d) nyadzɔdzɔgblɔmɔnuwo ƒe nyatakaka siwo menye nyateƒe o, ŋui?

20 Eyata ne míedo go amesiwo gblɔa xɔsegbenyawo la, míawɔ nusi Mawu ƒe Nya la gblɔ be: ‘Mialé ŋku ɖe amesiwo wɔa mamãwo kple nuɖiaɖiawo ɖe nufiafia, si miesrɔ̃ ŋu la ŋuti, eye mite mia ɖokui ɖa tso wo gbɔ.’ (Romatɔwo 16:17; Tito 3:10) Nenema kee wòle be Kristotɔ sɔhɛ siwo le akɔ kpem kple hadede vɔ̃wo hã nawɔ ɖe Paulo ƒe aɖaŋu si wòɖo na sɔhɛ Timoteo dzi be: ‘Woasi le ɖekakpuinyenye ƒe nudzodzrowo nu.’ Eye ne wotso mía nu alakpatɔe le nyadzɔdzɔgblɔmɔnuwo me hã la, míaɖo ŋku nuxlɔ̃ame bubu si Paulo na Timoteo dzi be: ‘Woatrɔ [amesiwo ɖoa to ame tutɔwo ƒe gbe] ayi gliwo gbɔ. Ke wò la nɔ mo xexi le nuwo katã me.’ (Timoteo II, 2:22; 4:3-5) Aleke gbegbee ame tutɔwo ƒe gbe nya see o, míasi le nusianu si agblẽ nu le míaƒe xɔse ŋu la nu.—Psalmo 26:5; Lododowo 7:5, 21; Nyaɖeɖefia 18:2, 4.

21. Teƒeɖoɖo kae li na amesiwo gbe nu le ame tutɔwo ƒe gbe gbɔ?

21 To nugbegbe le ame tutɔwo ƒe gbe gbɔ me la, Kristotɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na wɔ ɖe Alẽkplɔla Nyui la ƒe nya siwo le Luka 12:32 dzi. Yesu gblɔ le afima be: “Ha sue, megavɔ̃ o! Elabena edze mia Fofo la ŋu be, yeatsɔ fiaɖuƒe la na mi.” Nenema kee ‘alẽ bubuawo’ tsɔ didi vevie le mɔ kpɔm be yewoava se Yesu ƒe nya siawo be: “Miva, mi Fofonye ƒe ame yayrawo, minyi fiaɖuƒe, si wodzra ɖo ɖi na mi tso xexeme ƒe gɔmeɖoɖoanyi me la, ƒe dome!” (Yohanes 10:16; Mateo 25:34) Teƒeɖoɖo dodzidzɔname kae nye si le mía lalam ne míegbe nu le “ame tutɔwo ƒe gbe” gbɔe!

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Aleke wòsɔe be woagblɔ be Satanae nye ame tutɔ si Yesu yɔ le eƒe kpɔɖeŋu si ku ɖe alẽxɔa ŋu me?

• Aleke wosea ame tutɔwo ƒe gbee egbea?

• Aleke míate ŋu ade dzesi ame tutɔwo ƒe gbee?

• Aleke wòle be míawɔ nu ɖe ame tutɔwo ƒe gbe ŋui?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Maria de dzesi Kristo ƒe gbe

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Ame tutɔ medzea alẽawo dzi tẽ o

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Aleke míewɔa nu ɖe ame tutɔwo ƒe gbe ŋui?