Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mitsɔ ‘Nu Sɔsɔe’ Kafu Mawu

Mitsɔ ‘Nu Sɔsɔe’ Kafu Mawu

Mitsɔ ‘Nu Sɔsɔe’ Kafu Mawu

‘Miatsɔ nu sɔsɔe akafu Mawu, mía Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo la.’—Romatɔwo 15:6.

1. Nuxlɔ̃ame kae Paulo na be woatsɔ akpɔ haxɔsetɔwo ƒe nukpɔsusu vovovowo ƒe masɔmasɔwo gbɔe?

MENYE nyametsotso ɖeka alo nya ɖeka dzie Kristotɔwo katã lɔ̃na ɖo o. Ke hã, ele be Kristotɔwo katã nazɔ agbemɔa dzi aduadu le ɖekawɔwɔ me. Ðe ema anya wɔa? Ẽ, anya wɔ ne míena masɔmasɔ suewo zu nya gãwo o. Emae nye nuxlɔ̃ame si apostolo Paulo na haxɔsetɔwo le ƒe alafa gbãtɔ me. Aleke wòɖe nya vevi sia mee? Eye aleke míate ŋu azã eƒe nuxlɔ̃ame si tso gbɔgbɔ me la egbeae?

Kristotɔwo ƒe Ðekawɔwɔ ƒe Vevienyenye

2. Aleke Paulo te gbe ɖe alesi ɖekawɔwɔ hiãe dzi?

2 Paulo nyae be ɖekawɔwɔ si anɔ Kristotɔwo dome la le vevie, eye wòna nuxlɔ̃ame nyuie aɖe Kristotɔwo bene wòakpe ɖe wo ŋu woahe adodo kple wo nɔewo le lɔlɔ̃ me. (Efesotɔwo 4:1-3; Kolosetɔwo 3:12-14) Ke hã, le ƒe 20 kple edzivɔ si Paulo tsɔ ɖo hame geɖewo hesrã amewo kpɔ megbe la, enyae be ate ŋu asesẽ be ɖekawɔwɔ nanɔ wo dome. (Korintotɔwo I, 1:11-13; Galatiatɔwo 2:11-14) Eyata exlɔ̃ nu haxɔsetɔ siwo nɔ Roma la be: “Ke dzidodo kple akɔfafa ƒe Mawu la awɔ mi bena, . . . miatsɔ tame ɖeka kple [nu sɔsɔe] akafu Mawu, mía Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo la.” (Romatɔwo 15:5, 6) Egbea, nenema kee wòle be míawo hã míakafu Yehowa Mawu ‘kple nu sɔsɔe’ abe eƒe amewo ƒe ƒuƒoƒo ɖeka ene. Aleke míele esia wɔmee?

3, 4. (a) Ameƒomevi vovovo kawoe Kristotɔ siwo nɔ Roma la nye? (b) Aleke Kristotɔ siwo nɔ Roma ate ŋu asubɔ Yehowa ‘kple nu sɔsɔe’ togbɔ be masɔmasɔ aɖewo ado mo ɖa hã?

3 Paulo ŋutɔ ƒe xɔlɔ̃woe Kristotɔ geɖe siwo nɔ Roma la nye. (Romatɔwo 16:3-16) Togbɔ be teƒe vovovowoe wotso hã la, Paulo xɔ haxɔsetɔwo katã abe “Mawu ƒe lɔlɔ̃tɔwo” ene. Eŋlɔ bena: “Mele akpe dam na Mawunye to Yesu Kristo dzi le mi katã ta bena, wogblɔa miaƒe xɔsenya fiana le xexeme blibo la katã.” Edze ƒã be Romatɔawo nye kpɔɖeŋu nyui ɖolawo le go geɖe me. (Romatɔwo 1:7, 8; 15:14) Gake le ɣeyiɣi ma ke mea, nukpɔsusu bubuwo nɔ ame aɖewo si le nya aɖewo ŋu le hamea me. Egbea, esi wònye teƒe vovovowoe Kristotɔwo tso eye woƒe dekɔnuwo hã to vovo ta la, Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo, si tso gbɔgbɔ me, si ku ɖe alesi míakpɔ masɔmasɔwo gbɔe ŋu la sɔsrɔ̃ ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míaƒo nu kple ‘nu sɔsɔe.’

4 Xɔsetɔ siwo nye Yudatɔwo kple Trɔ̃subɔdukɔmetɔwo siaae nɔ Roma. (Romatɔwo 4:1; 11:13) Anɔ eme be Yudatɔ Kristotɔ aɖewo mete ŋu dzudzɔ kɔnu aɖewo siwo me wolé ɖe asi le Mose ƒe Sea me la dzi wɔwɔ o, togbɔ be ɖe wòle be woade dzesii be kɔnu mawo wɔwɔ mehiã hafi ame nakpɔ xɔxɔ o hã. Ke hã, Kristotɔ Yudatɔ aɖewo ya va lɔ̃ ɖe edzi be Kristo ƒe vɔsa la ɖe yewo tso se si te yewonɔ tsã la dometɔ aɖewo me. Le susu sia ta la, woɖe asi le nuwɔna kple kɔnu aɖewo siwo wɔwɔ ma wo la ŋuti. (Galatiatɔwo 4:8-11) Ke hã, abe alesi Paulo gblɔe ene la, wo katã wonye “Mawu ƒe lɔlɔ̃tɔwo.” Wo katã woate ŋu akafu Mawu ‘kple nu sɔsɔe’ ne wote ŋu wɔ nu ɖe wo nɔewo ŋu le mɔ si sɔ nu. Egbea, ate ŋu adzɔ be nukpɔsusu vovovowo nanɔ míawo hã si ɖe nya aɖewo ŋu, eyata ele be míade ŋugblẽ nyuie le alesi Paulo ɖe gɔmeɖose vevi ma mee ŋu.—Romatɔwo 15:4.

“Mixɔ Mia Nɔewo”

5, 6. Nukae na be nukpɔsusu vovovowo nɔ amewo si le Roma hamea me?

5 Le Paulo ƒe lɛta si wòŋlɔ na Romatɔwo me la, eƒo nu tso nukpɔsusu vovovo siwo nɔ amewo si ɖe nɔnɔme aɖe ŋu ŋuti. Eŋlɔ bena: “Ame ɖeka xɔna sena bena, yeate ŋu aɖu nusianu, ke amesi gbɔdzɔ la, ama ko wòɖuna.” Nukae na wògblɔ nya sia? Wotsri halã ɖuɖu le Mose ƒe Sea me. (Romatɔwo 14:2; Mose III, 11:7) Gake Se sia megahiã le Yesu ƒe ku megbe o. (Efesotɔwo 2:15) Emegbe, le ƒe etɔ̃ kple afã le Yesu ƒe ku megbe la, mawudɔla aɖe gblɔ na apostolo Petro be, Mawu medi be woabu nuɖuɖu aɖeke nu makɔmakɔe o. (Dɔwɔwɔwo 11:7-12) Esi nya siawo nɔ susu me na Yudatɔ Kristotɔwo ta la, wo dometɔ aɖewo anya bui be yewoate ŋu aɖu halã—alo aɖu nu bubu aɖe si ŋu Mose ƒe Sea meɖe mɔ ɖo o la—faa.

6 Gake anɔ eme be nuɖuɖu siwo ŋu mekɔ tsã o ɖuɖu ŋu bubu ɖeɖe dza nye ŋunyɔ na Yudatɔ Kristotɔ bubuwo. Ate ɖe ame mawo, siwo ƒe dzitsinya meɖea mɔ na wo be woaɖu nane si ŋu se meɖe mɔ ɖo tsã o, dzi vevie be yewoakpɔ yewotɔ Yudatɔ haxɔsetɔwo be wole nu mawo tɔgbe ɖum. Gawu la, ɖewohĩ awɔ nuku na Trɔ̃subɔdukɔ me Kristotɔ siwo ƒe subɔsubɔha siwo me wonɔ tsã manya tsri nuɖuɖu aɖeke na wo o be woase be ame aɖe abu fɔ nɔvia ɖe nuɖuɖu ta. Ele eme baa be, menye nu gbegblẽ wònye be ame aɖe natsri nanewo ɖuɖu o, ne menya te tɔ ɖe edzi be nuɖuɖu mawo tsitsri hiã hafi woakpɔ xɔxɔ o ko. Ke hã, nukpɔsusu vovovo siawo ate ŋu ade masɔmasɔ hamea me bɔbɔe. Ele na Kristotɔ siwo nɔ Roma la be woakpɔ nyuie be masɔmasɔ mawo mexe mɔ na yewoƒe Mawu kafukafu ‘kple nu sɔsɔe’ o.

7. Nukpɔsusu vovovo kawoe nɔ anyi ku ɖe ŋkeke tɔxɛ aɖe ɖoɖo ɖi koŋ le kwasiɖa ɖesiaɖe me hena subɔsubɔwɔnawo ŋu?

7 Paulo gblɔ kpɔɖeŋu evelia: “Ame ɖeka bua ŋkeke ɖeka wua ŋkeke bubu, ke ame bubu bua ŋkeke sia ŋkeke sɔsɔe.” (Romatɔwo 14:5a) Mose ƒe Sea bia be woagawɔ dɔ aɖeke le Sabat dzi o. Womeɖe mɔ kura ɖe mɔzɔzɔ gɔ̃ hã ŋu le ŋkeke ma dzi o. (Mose II, 20:8-10; Mateo 24:20; Dɔwɔwɔwo 1:12) Gake esi Sea nu va yi ko la, nusiwo wotsri tsã ŋuti sededeawo megava hiã o. Ke hã, dɔ aɖe ƒomevi wɔwɔ alo mɔ zɔzɔ ayi teƒe didi aɖe le ŋkeke si wobuna tsã be ele kɔkɔe dzi, anya te ɖe Yudatɔ Kristotɔ aɖewo dzi. Le Kristotɔwo zuzu vɔ megbe gɔ̃ hã la, woanya ɖo ŋkeke adrelia da ɖi koŋ hena gbɔgbɔmedɔwo wɔwɔ togbɔ be Mawu ya bui be Sabat megahiã o hã. Ðe woda ƒua? Ao, ne womenya te tɔ ɖe edzi be Sabat sea nye Mawu ƒe nudidi si dzi wòle be woawɔ ɖo o ko. Esia wɔe be, le Paulo nɔvi Kristotɔwo ƒe dzitsinya ta la, eŋlɔ bena: “Amesiame nakpɔ kakaɖedzi le ye ŋutɔ ƒe tamesusu me.”—Romatɔwo 14:5b.

8. Togbɔ be woate ŋu abu ame bubuwo ƒe dzitsinyawo ŋu le nuwɔnawo me hã la, nukae wobia tso Kristotɔ siwo nɔ Roma la si be mele be woawɔ o?

8 Ke hã, esi Paulo nɔ dzi dem ƒo na nɔviawo lɔlɔ̃tɔe be woagbɔ dzi ɖi na amesiwo ƒe dzitsinyawo le avu wɔm kpli wo la, eka ŋkume na wo dometɔ siwo nɔ agbagba dzem be yewoazii ɖe haxɔsetɔ bubuwo dzi be ele be woawɔ ɖe Mose ƒe Sea dzi hafi akpɔ xɔxɔ la vevie. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 61 M.Ŋ. lɔƒo la, Paulo ŋlɔ Hebritɔwo ƒe agbalẽa, si nye lɛta sẽŋu aɖe si wòŋlɔ na Yudatɔ Kristotɔwo, heɖe nu me tsitotsito be viɖe megale Mose ƒe Sea dzi wɔwɔ ŋu o elabena mɔkpɔkpɔ si de ŋgɔ wu ema si nɔ te ɖe Yesu ƒe tafevɔsaa dzi lae le Kristotɔwo si.—Galatiatɔwo 5:1-12; Tito 1:10, 11; Hebritɔwo 10:1-17.

9, 10. Nukae mele be Kristotɔwo nawɔ o? Ðe eme.

9 Abe alesi míekpɔe ene la, Paulo ɖe nu me be mele be tiatia vovovowo wɔwɔ nagblẽ míaƒe ɖekawɔwɔa me o, ne tiatiaa manye dada le Kristotɔwo ƒe gɔmeɖosewo dzi o ko. Eyata Paulo bia Kristotɔ siwo ƒe dzitsinya meɖea mɔ na wo be woawɔ nusiwo sea tsri tsã o la be: “Nukaŋuti nèdrɔ̃a ʋɔnu nɔviwò mahã?” Eye wòbia amesiwo ƒe dzitsinya ɖea mɔ na wo be woawɔ nusiwo sea tsri tsã (ɖewohĩ amesiwo ƒe dzitsinya ɖea mɔ na wo be woaɖu nuɖuɖu aɖewo siwo ŋu Sea meɖe mɔ ɖo tsã o alo amesiwo wɔa dɔ le Sabat dzi) bena: “Nukaŋuti nèdo vlo nɔviwò mahã?” (Romatɔwo 14:10) Le Paulo ƒe nya nu la, ele be Kristotɔ siwo ƒe dzitsinya meɖea mɔ na wo o nadzudzɔ fɔbubu wo nɔvi siwo bua nuwo ŋu yia ŋgɔe wu. Nenema kee mele be Kristotɔ siwo ƒe dzitsinya ɖea mɔ na wo la nado vlo wo nɔvi siwo wòɖea fu na le go aɖewo me la o. Ele be nukpɔsusu si da sɔ nanɔ amesiame si ɖe nɔvia ŋu eye mele be ame aɖeke “[nadi] nu gã wu nusi dze ame be, wòadi o.”—Romatɔwo 12:3, 18.

10 Paulo ɖe nukpɔsusu si da sɔ la me ale: “Amesi ɖua nu la, nagado vlo amesi meɖua nu o la o; eye amesi meɖua nu o la, nagadrɔ̃ ʋɔnu amesi ɖunɛ la o, elabena Mawu [xɔ ame ma].” Egblɔ kpee be: ‘Kristo hã xɔ mi hena Mawu ƒe kafukafu.’ Esi Mawu kple Kristo lɔ̃a amesiwo ƒe dzitsinya ɖea mɔ na wo kple amesiwo tɔ meɖea mɔ na wo le nanewo wɔwɔ me o siaa ta la, ele be míawo hã míase nu gɔme na mía nɔewo nenema ke eye ‘míaxɔ mía nɔewo.’ (Romatɔwo 14:3; 15:7) Amekae ate ŋu ahe nya le nya sia ŋu wòasɔ?

Nɔvilɔlɔ̃ Hea Ðekawɔwɔ Vɛ Egbea

11. Nɔnɔme tɔxɛ kae nɔ anyi le Paulo ƒe ŋkekea me?

11 Le Paulo ƒe lɛta si wòŋlɔ na Romatɔwo me la, eƒo nu tso nɔnɔme tɔxɛ aɖe ŋu. Ðeko Yehowa ɖe nubabla aɖe ɖa heɖo yeye aɖe anyi enye ema. Esesẽ na ame aɖewo be woawɔ asitɔtrɔ. Nɔnɔme ma tɔgbe tututu meli egbea ya o, gake nɔnɔme si sɔ kple ema ate ŋu ado mo ɖa ɣeaɖewoɣi.

12, 13. Nɔnɔme siwo me Kristotɔwo wɔa nu tsɔ dea bubu wo nɔviwo ƒe dzitsinya ŋu dometɔ aɖewo ɖe?

12 Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu adzɔ be nyɔnu Kristotɔ aɖe nɔ subɔsubɔha aɖe, si tea gbe ɖe awu siwo womedo atsyã na boo o dodo dzi vevie, me tsã. Esi wòxɔ nyateƒea la, ɖewohĩ asesẽ nɛ be wòalɔ̃ ɖe nukpɔsusu si nye be naneke megblẽ le awu si da sɔ, si wodo atsyã na la dodo le wɔna aɖewo tɔgbe wɔɣi alo be woazã atsyɔ̃ɖonuwo le nɔnɔme si sɔ me o. Esi wònye be nya sia meku ɖe Biblia ƒe gɔmeɖose aɖeke ŋu o ta la, masɔ be ame aɖe naƒo nya ɖe nyɔnu Kristotɔ sia nu be wòawɔ nusi eƒe dzitsinya maɖe mɔ nɛ be wòawɔ o. Ele be nyɔnu Kristotɔ sia hã nade dzesii nenema ke be mele be yeabu fɔ nyɔnu Kristotɔ siwo ƒe dzitsinya ɖe mɔ na wo be woazã atsyɔ̃ɖonu siawo la o.

13 Bu kpɔɖeŋu sia hã ŋu kpɔ. Ðewohĩ nuto aɖe, si me tɔwo bua ahamuame nono nugbegblẽe, mee ŋutsu Kristotɔ aɖe nɔ tsi. Esi nyateƒea ƒe sidzedze su esi la, eva de dzesi Biblia ƒe nukpɔsusu ku ɖe wein zazã ŋu be enye nunana tso Mawu gbɔ eye woate ŋu azãe le ŋuɖɔɖo me. (Psalmo 104:15) Elɔ̃ ɖe nukpɔsusu sia dzi. Gake le teƒe si wòtso ta la, etiae be yemano ahamuame aɖeke kura o, gake mebua fɔ amesiwo nonɛ le ŋuɖɔɖo me la o. Ne ewɔe alea la, ke ele wɔwɔm ɖe Paulo ƒe nya siawo dzi be: “Minɛ míanɔ nusiwo nye ŋutifafatɔ kple nusiwo woatsɔ atu ame nɔewo la yome.”—Romatɔwo 14:19.

14. Nɔnɔme kawo mee Kristotɔwo ate ŋu awɔ ɖe Paulo ƒe aɖaŋu si wòɖo na Romatɔwo dzi le?

14 Nɔnɔme bubu siwo ado mo ɖa, siwo me wòahiã be woawɔ ɖe Paulo ƒe aɖaŋu si wòɖo na Romatɔwo dzi le hã li. Ame ɖekaɖeka siwo ƒe nudidiwo to vovo tso wo nɔewo tɔ gbɔ ye ƒoƒu wɔ Kristo-hamea. Eyata, tiatia siwo woawɔ—le kpɔɖeŋu me, le awudodo kple dzadzraɖo me—ate ŋu ato vovo tso wo nɔewo tɔ gbɔ. Ele eme baa be, Biblia na mí gɔmeɖose aɖewo, siwo le tẽ, siwo dzi wòle be Kristotɔ vavãwo nawɔ ɖo. Mele be mía dometɔ aɖeke nado awu alo awɔ ɖa si tɔ ŋku, alo esiwo mesɔ o, alo esiwo aɖee fia be míelɔ̃ ɖe xexeame ƒe numakɔmakɔ dzi o. (Yohanes I, 2:15-17) Enɔa susu me na Kristotɔwo ɣeawokatãɣi be, ne yewole ɖiɖim ɖe eme gɔ̃ hã la, yewonye subɔla siwo le Xexeame Katã Dziɖulagã teƒe. (Yesaya 43:10; Yohanes 17:16; Timoteo I, 2:9, 10) Gake Kristotɔwo wɔa tiatia siwo ŋu se metsi tre ɖo o la le go geɖe me. *

Mègaɖia Amewo Nu O

15. Go kawo mee Kristotɔ aɖe ate ŋu agbe wɔwɔ ɖe eƒe gome si le esi be woawɔ nane dzi le nɔviawo ƒe dzitsinya ta?

15 Gɔmeɖose vevi mlɔetɔ aɖe li si dzi Paulo he míaƒe susu yii, le aɖaŋu si wòɖo na Kristotɔ siwo nɔ Roma me. Ɣeaɖewoɣi la, Kristotɔ aɖe si na hehe eƒe dzitsinya nyuie ate ŋu atso nya me be yemawɔ nane si ŋu se metsi tre ɖo o. Nukatae? Elabena enyae be ɖewohĩ nane si yeawɔ la aɖe fu na ame bubuwo ƒe dzitsinya. Le go ma me la, nukae wòle be míawɔ? Paulo gblɔ be: “Enyo bena, màɖu lã o, eye mano aha hã o, alo màwɔ nane, si nɔviwò klina alo wòɖia enu alo wògbɔdzɔna le eŋuti la o.” (Romatɔwo 14:14, 20, 21) Eyata, “ele na mí, amesiwo ŋu ŋusẽ le la bena, míatsɔ amesiwo ŋu ŋusẽ mele o la ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo, eye míagadze mía ɖokui ŋu o. Mía dome amesiame nadze ehavi ŋu hena eƒe nyonyo, bene woatsɔe atu.” (Romatɔwo 15:1, 2) Ne nane si míawɔ aɖe fu na hati Kristotɔ aɖe ƒe dzitsinya la, nɔvilɔlɔ̃ aʋã mí be míawɔ nu ameŋububutɔe agbe míaƒe didiwo dzi wɔwɔ. Esia ƒe kpɔɖeŋu ate ŋu anye ahamuamewo nono. Ne Kristotɔ aɖe no wein le ŋuɖɔɖɔɖo me la, megblẽ naneke o. Gake ne enono aɖia eƒe zɔhɛ nu la, madi kokoko be yeawɔ yeƒe didia dzi o.

16. Aleke míate ŋu aɖe ameŋububu afia míaƒe anyigbamama me tɔwoe?

16 Míate ŋu awɔ gɔmeɖose siawo ŋudɔ hã le nuwɔwɔ kple amesiwo mele Kristo-hamea me o me. Le kpɔɖeŋu me, míanɔ nuto aɖe si me subɔsubɔha si xɔ ŋkɔ le afima la fiaa eƒe hametɔwo be woabu ŋkeke aɖe le kwasiɖaa me be enye dzudzɔgbe. Le susu sia ta la, be míagaɖia míaƒe aƒelikawo nu o eye be wòagawɔe be woakpɔ kpɔtsɔtsɔ le gbeƒãɖeɖedɔa ŋu o la, míadze agbagba ɖesiaɖe alesi míate ŋui be míagawɔ naneke le ŋkeke ma dzi si aɖia míaƒe aƒelikawo nu o. Le go bubu me la, ate ŋu adzɔ be Kristotɔ kesinɔtɔ aɖe aʋu ayi be yeva subɔ le teƒe si hiahiã lolo le wu le amesiwo nye hiãtɔwo dome. Ate ŋu atiae be yeaɖe ameŋububu afia yeƒe aƒelika yeyeawo to awu maxɔasiwo dodo alo be wòanɔ agbe kpokploe togbɔ be ga geɖe anɔ esi wòazã atsɔ awɔ nu gãwoe hã.

17. Nukatae susu le eme be míabu ame bubuwo ŋu le míaƒe tiatiawo wɔwɔ me?

17 Ðe wònye nusi me susu le be woakpɔ mɔ be “amesiwo ŋu ŋusẽ le” la nawɔ asi tɔtrɔ mawoa? Wò ya bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ ko: Esi míele ʋu kum le ʋumɔgã aɖe dzi la, míekpɔ ɖevi aɖewo le zɔzɔm le ʋu mɔa to ŋumaɖɔɖotɔe. Ðe míayi edzi aku ʋua sesĩe esi se ɖe mɔ na mí be míakui nenema taa? Ao, míekunɛ blewu ale be ne edzɔ be ɖeviawo atso mɔ me ŋuɖeɖitɔe hã la, míaƒo wo kple ʋua o. Ɣeaɖewoɣi la, nenema kee wòle be míaɖe nanewo wɔwɔ dzi akpɔtɔ le nuwɔwɔ kple míaƒe haxɔsetɔwo kple ame bubuwo me. Míate ŋu anɔ nane si ŋuti se aɖeke metsi tre ɖo o la wɔm. Menye dada le Biblia me gɔmeɖose aɖeke dzi o. Ke hã, ne míaƒe nuwɔna aɖe aɖia ame aɖewo nu alo wòagblẽ nu le amesiwo ƒe dzitsinya maɖe mɔ na wo be woawɔ nenem nu ma o ŋu la, Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ aʋã mí be míawɔ nu le nunya me. (Romatɔwo 14:13, 15) Ðekawɔwɔ me léle ɖe asi kple Fiaɖuƒea ƒe nuwo dodo ɖe ŋgɔ le vevie wu gome siwo le mía si la dzi wɔwɔ.

18, 19. (a) Aleke míesrɔ̃a Yesu ƒe kpɔɖeŋu le ame bubuwo ŋu bubu mee? (b) Nuka mee mí katã míewɔa ɖeka le bliboe, eye nuka mee míava dzro le nyati si kplɔe ɖo me?

18 Ne míewɔ nu le mɔ sia nu la, ke kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeakee nye ma srɔ̃m míele. Paulo gblɔ be: “Kristo hã medze eɖokui ŋu o, hafi abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: ‘Amesiwo dzu wò la ƒe dzudzu va dze dzinye.’” Yesu lɔ̃ faa tsɔ eƒe agbe na ɖe mía ta. Míeka ɖe edzi be míalɔ̃ aɖe asi le míaƒe gomenɔamesi aɖewo ŋu ne ema koe awɔe be “amesiwo ŋu ŋusẽ mele o” nakafu Mawu le ɖekawɔwɔ me kpli mí. Nyateƒee wònye be ne míeɖe ameŋububu fia Kristotɔ siwo ƒe dzitsinya meɖea mɔ na wo le nanewo wɔwɔ me o—alo míelɔ̃ faa ɖe asi le míaƒe tiatia aɖewo ŋu hetsri tɔtete ɖe míaƒe gomenɔamesiwo dzi—la, eɖea ‘tamesusu si sɔ kple esi nɔ Kristo Yesu si’ la fiana.—Romatɔwo 15:1-5.

19 Togbɔ be míaƒe nukpɔsusuwo le gɔmeɖose siwo ŋu Ŋɔŋlɔawo mede se ɖo kaŋ o ŋu ato vovo tso wo nɔewo gbɔ hã la, míewɔa ɖeka bliboe le míaƒe subɔsubɔ me wɔnawo me. (Korintotɔwo I, 1:10) Le kpɔɖeŋu me, ɖekawɔwɔ ma dzena ƒãa le alesi míewɔa nu ɖe amesiwo tsi tre ɖe tadedeagu vavãtɔ ŋu ŋui me. Mawu ƒe Nya yɔ wo be tsitretsiɖeŋula tutɔwo eye wòxlɔ̃ nu mí be míakpɔ nyuie le “ame tutɔwo ƒe gbe” ŋu. (Yohanes 10:5) Aleke míate ŋu ade dzesi ame tutɔ siawoe? Aleke míawɔ nu ɖe wo ŋui? Woaɖo nyabiabia siawo ŋu le nyati si kplɔe ɖo me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 14 Dzilawoe tsoa nya me le awu si ƒomevi wo vi siwo metsi o ado la ŋu.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nukatae nukpɔsusu vovovowo ƒe amesi nɔnɔ le ame ŋutɔ ƒe nyawo me magblẽ ɖekawɔwɔ dome o?

• Nukatae wòle be mí Kristotɔwo míaɖe ameŋububu afia mía nɔewo lɔlɔ̃tɔe?

• Mɔ siwo nu míate ŋu azã aɖaŋu si Paulo ɖo be ɖekawɔwɔ nanɔ mía dome egbea la dometɔ aɖewo ɖe, eye nukae aʋa mí be míawɔe nenema?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Ðekawɔwɔ ƒe nuxlɔ̃ame si Paulo na la ɖe vi na hamea ŋutɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Ðekawɔwɔ le Kristotɔwo dome togbɔ be teƒe vovovowoe wotso hã

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Nukae wòle be ʋukula sia nawɔ azɔ?