Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nukatae Yehowa Ðasefowo gblɔna be xexlẽme 144,000 si ŋu woƒo nu tsoe le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me la nye xexlẽme ŋutɔŋutɔ ke menye kpɔɖeŋu ƒe xexlẽme o?

Apostolo Yohanes ŋlɔ bena: “Mese amesiwo nu wotre la ƒe xexlẽme-wotre ame akpe alafa ɖeka blane vɔ ene nu le Israel-viwo ƒe toawo katã me.” (Nyaɖeɖefia 7:4) Le Biblia me la, nyagbɔgblɔ si nye “amesiwo nu wotre” la kuna ɖe amewo ƒe ƒuƒoƒo aɖe si me tɔwo wotia tso ameƒomea dome be woaɖu fia kple Kristo le dziƒo ɖe Paradisonyigba si le vava ge la dzi ŋu. (Korintotɔwo II, 1:21, 22; Nyaɖeɖefia 5:9, 10; 20:6) Wobu woƒe xexlẽme, si nye 144,000 la, xexlẽme ŋutɔŋutɔe le susu geɖewo ta. Susu siawo dometɔ ɖeka dze le mawunyakpukpui siwo ƒo xlã Nyaɖeɖefia 7:4 la me.

Esi woƒo nu tso ame 144,000 ƒe ƒuƒoƒo sia ŋu na apostolo Yohanes le ŋutega me vɔ megbe la, woɖe ƒuƒoƒo bubu aɖe fiae. Yohanes ɖɔ ƒuƒoƒo evelia sia be ‘ameha gã, si ame aɖeke mete ŋu xlẽ o la, tso dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple du sia du kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me.’ Ameha gã siae nye amesiwo atsi agbe le “xaxa gã” si ahe fifi xexe vɔ̃ɖi sia ava nuwuwui la me.—Nyaɖeɖefia 7:9, 14.

Gake de dzesi vovototo si Yohanes de Nyaɖeɖefia ta 7 ƒe kpukpui 4 kple 9 dome. Egblɔ be wonya ƒuƒoƒo gbãtɔ, si nye “amesiwo nu wotre” la, ƒe xexlẽme. Gake womenya ƒuƒoƒo evelia, si nye “ameha gã” la, ya ƒe xexlẽme o. Ne nya sia le susu me na mí la, ke susu le eme be míabu xexlẽme 144,000 la be enye xexlẽme ŋutɔŋutɔ. Ne kpɔɖeŋu koe xexlẽme 144,000 la nye, eye wòtsi tre ɖi na ƒuƒoƒo aɖe si me tɔwo ƒe xexlẽme womenya o la, ke vovototo si dem wonɔ kpukpui eveawo dome la madze kura o. Eyata nya siwo me mawunyakpukpui mawo le ɖee fia be ele be woabu xexlẽme 144,000 la xexlẽme ŋutɔŋutɔe.

Biblia-nyala vovovowo, esiwo nɔ anyi va yi kple esiwo li fifia, lɔ̃ ɖe nyataƒoƒo ma ke dzi—be enye xexlẽme ŋutɔŋutɔ. Le kpɔɖeŋu me, esi nyagɔmeɖegbalẽŋlɔla Britaintɔ Ðk. Ethelbert W. Bullinger nɔ nu ƒom tso Nyaɖeɖefia 7:4, 9 ŋu la, egblɔ anye ƒe 100 aɖewoe nye si va yi be: “Nyateƒenya si wogblɔ eme kɔ nyuie wònye: enye xexlẽme si le nyanya si to vovo na esi wogblɔ si mele nyanya o le ta sia ke me.” (The Apocalypse or “The Day of the Lord,” axa 282) Eye nyitsɔ laa la, Robert L. Thomas, Jr., si nye Nubabla Yeyea ŋuti nufialagã le Mawunyaŋutinunya ƒe Hehexɔƒe Kɔkɔtɔ si le United States, ŋlɔ bena: “Xexlẽmea bubu be kpɔɖeŋu koe wònye nye numeɖeɖe si ŋu gɔmeɖokpe aɖeke mele o.” Egblɔ kpee be: “Enye xexlẽme si le nyanya [le 7:4] si to vovo na xexlẽme si mele nyanya o le 7:9. Ne wobu xexlẽme sia be enye kpɔɖeŋu la, ke xexlẽme aɖeke manɔ agbalẽa me si anye xexlẽme ŋutɔŋutɔ o.”—Revelation: An Exegetical Commentary, Babla I, axa 474.

Ame aɖewo hea nya be esi kpɔɖeŋunyagbɔgblɔwo bɔ ɖe Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me ta la, ele be xexlẽme ɖesiaɖe si le agbalẽa me, siwo dome xexlẽme 144,000 la hã le, nanye kpɔɖeŋu tɔwo. (Nyaɖeɖefia 1:1, 4; 2:10) Ke hã, edze ƒã be nyataƒoƒo ma mesɔ o. Ele eme baa be xexlẽme siwo nye kpɔɖeŋuwo sɔ gbɔ ɖe Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me ya, gake xexlẽme ŋutɔŋutɔwo hã le eme. Le kpɔɖeŋu me, Yohanes ƒo nu tso “Alẽvi la ƒe apostolo wuieveawo ƒe ŋkɔwo” ŋu. (Nyaɖeɖefia 21:14) Edze ƒã be xexlẽme 12 si woyɔ le kpukpui sia me nye xexlẽme ŋutɔŋutɔ, ke menye kpɔɖeŋu o. Azɔ hã, apostolo Yohanes ŋlɔ nu tso Kristo ƒe “ƒe akpe ɖeka” dziɖuɖua ŋu. Eye ele be míabu xexlẽme ma hã xexlẽme ŋutɔŋutɔe, abe alesi Biblia me dzodzro ŋuɖɔɖɔɖotɔe ɖee fiae ene. * (Nyaɖeɖefia 20:3, 5-7) Eyata ne woabu xexlẽme aɖe le Nyaɖeɖefia-gbalẽa me be enye xexlẽme ŋutɔŋutɔ loo alo be enye kpɔɖeŋu la nɔa te ɖe nudzɔdzɔ si ŋu wole nu ƒom tsoe kple nya siwo ƒo xlãe dzi.

Nyataƒoƒo si nye be xexlẽme 144,000 la nye xexlẽme ŋutɔŋutɔ eye wònye ame ʋɛ aɖewo ko ƒe xexlẽme, si ne wotsɔe sɔ kple “ameha gã” si hã ŋu woƒo nu tsoe la, ƒuƒoƒo sue aɖe ŋutɔe wònye la wɔ ɖeka kple Biblia ƒe akpa bubuwo nyuie. Le kpɔɖeŋu me, le ŋutega si woɖe fia apostolo Yohanes emegbe me la, woɖɔ ame 144,000 la be ‘woƒle wo tso amewo dome, be woanye ŋgɔgbetɔwo.’ (Nyaɖeɖefia 14:1, 4) Nya si nye “ŋgɔgbetɔwo” fia ame tiatia ʋɛ aɖewo ko. Azɔ hã, esime Yesu nɔ anyigba dzi la, eƒo nu tso amesiwo aɖu fia kplii le eƒe Dziƒofiaɖuƒe me ŋu eye wòyɔ wo be ‘ha sue.’ (Luka 12:32; 22:29) Nyateƒee, ne wotsɔ ameƒomea me tɔ siwo ava ɖu fia le dziƒo la sɔ kple ameƒomea me tɔ siwo ava nɔ Paradisonyigba si gbɔna dzi la, dziƒoyilaawo le ʋɛ.

Eyata nya siwo ƒo xlã Nyaɖeɖefia 7:4 kple nya siwo dze le Biblia ƒe akpa bubuwo siwo do ƒome kplii ɖo kpe edzi be ele be míabu xexlẽme 144,000 la xexlẽme ŋutɔŋutɔe. Eku ɖe amesiwo ava ɖu fia le dziƒo kpe ɖe Kristo ŋu ɖe paradisonyigba, si dzi ayɔ fũ kple Yehowa Mawu ƒe tadeagula gbogbo siwo ƒe xexlẽme mele nyanya o, la ŋu.—Psalmo 37:29.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 7 Hena nyatakaka geɖe le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ŋu la, kpɔ Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!, si Yehowa Ðasefowo ta, ƒe axa 289-90.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 31]

Amesiwo nye dziƒo domenyilawo ƒe xexlẽme koe nye 144,000

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Xexlẽme meli na “ameha gã” la o

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 31]

Ɣletiviwo: Courtesy of Anglo-Australian Observatory, photograph by David Malin