Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋkuléle Ðe Chester Beatty ƒe Nunɔamesiwo Ŋu

Ŋkuléle Ðe Chester Beatty ƒe Nunɔamesiwo Ŋu

Ŋkuléle Ðe Chester Beatty ƒe Nunɔamesiwo Ŋu

“ŊKUƲUƲU geɖe siwo nu yi me nu xɔasi geɖe le afima, . . . nutata suesue dzeaniwo ɖo atsyɔ̃ nɛ ale gbegbe.” Nenemae J. Hayes, amesi nye Chester Beatty ƒe Agbalẽdzraɖoƒe si le Ireland-du si nye Dublin me dzikpɔla tsã gblɔ tso agbalẽdzraɖoƒea ŋu. Blemanu xɔasi geɖewo, aɖaŋunukpakpɛ nyakpɔwo, kpakple agbalẽ kple blema asinuŋɔŋlɔ siwo mebɔ o hexɔ asi ale gbegbe le afima. Ke amekae nye Chester Beatty? Eye nunɔamesi kawo nue wòƒo ƒu?

Wodzi Alfred Chester Beatty, le ƒe 1875 me le New York, U.S.A., eye eƒe ƒometɔwo tso Scotland, Ireland, kple England. Kaka wòaxɔ ƒe 32 la, eto tomenuwo ŋu nunyala kple aɖaŋuɖola nyenye dzi va zu kesinɔtɔ gã aɖe. Le eƒe agbe me katã la, ezã eƒe kesinɔnuawo ƒe akpa gã aɖe tsɔ ƒo nanewo siwo dze ani hexɔ asi la nu ƒu. Beatty ku le ƒe 1968 me esime wòxɔ ƒe 92, eye wògblẽ nusiwo katã nu wòƒo ƒu la ɖi na Irelandtɔwo.

Nukawo Nue Wòƒo Ƒu?

Nusiwo nu Beatty ƒo ƒu la sɔ gbɔ hele vovovo. Wo dometɔ 1 le alafa me koe woɖena fiana le blemanuwo ɖeɖefia ɖesiaɖe me. Eƒo nu xɔasi siwo mebɔ o, siwo nɔ anyi le ɣeyiɣi kple dukɔ vovovowo me le ƒe akpe siwo va yi me nu ƒu—tso Europa le Titinaɣeyiɣiwo kple Ðɔɖɔɖo Ɣeyiɣia me kpakple tso Asia kple Afrika dukɔ geɖewo me. Le kpɔɖeŋu me, wobua Japantɔwo ƒe atidzinutata dzeani aɖewo siwo nu wòƒo ƒu la be wole esiwo nya kpɔ wu le xexeame dome.

Nusi to vovo sã na nutata dzeaniawo enye Babilontɔwo kple Sumeriatɔwo ƒe anyikpe siwo wu alafa ɖeka siwo dzi wotsɔ asi ŋlɔ nu ɖo le blema siwo hã nu wòƒo ƒu. Amesiwo nɔ agbe le Mesopotamia le ƒe 4,000 kple edzivɔ siwo va yi me la ŋlɔa nu tsitotsito tso woƒe agbenɔnɔ ŋu ɖe anyikpewo dzi, eye womea wo le kpodzo me. Anyikpe mawo dometɔ geɖe li vaseɖe egbea, eye wona míenya alesi woŋlɔa nui le blema.

Agbalẽwo Dzɔ Dzi Nɛ

Edze abe ɖe aɖaŋu si wotsɔ wɔa agbalẽ nyuiwoe doa dzidzɔ na Chester Beatty ene. Eƒo xexemegbalẽ kple mawusubɔsubɔ ŋuti gbalẽ akpe geɖe nu ƒu, eye Koran la ƒe kɔpi aɖewo siwo wodo atsyã na nyuie la hã le wo dome. Agbalẽŋlɔla aɖe gblɔ be: “Arabgbe me akɔntabubu ŋuti gbalẽwo dzɔ dzi nɛ ale gbegbe, . . . eye esi nuwo ƒe amadedewo nya kpɔna nɛ ta la, alesi wotsɔ sika kple klosalo tsi kpakple tomenu dama bubuwo ŋlɔ nuwoe wonya kpɔe la dzɔ dzi nɛ ŋutɔ.”

Yaspis-kpe nya kpɔ na Chester Beatty ŋutɔ, abe alesi ko wònya kpɔ na China dziɖula aɖewo le ƒe alafa siwo do ŋgɔ me ene. Wobu yaspis-kpe be eyae nye tomenu si xɔ asi wu, eye be exɔ asi boo wu sika. Dziɖula siawo de dɔ asi na asinudɔwɔla bibiwo be woatrɔ asi le yaspis-kpe ŋu be wòazu agbalẽ bɔbɔe falɛfalɛwo. Azɔ aɖaŋuwɔla bibiwo tsɔ sikatsi ŋlɔ nu heta nuwo ɖe yaspis-gbalẽ siawo dzi kple atsyã, si wɔe be wowɔ agbalẽ siwo kpɔkpɔ wɔa nuku na amewo wu le xexeame la dometɔ aɖewo. Agbalẽ siawo siwo nu Beatty ƒo ƒu la xɔ ŋkɔ le xexeame godoo.

Biblia ƒe Asinuŋɔŋlɔ Xɔasiwo

Le amesiwo lɔ̃ Biblia gome la, Chester Beatty ƒe nunɔamesi gãtɔwo kekeakee nye blema kple Titinaɣeyiɣiwo me Biblia siwo woŋlɔ kple asi gbogbo siwo nu wòƒo ƒu. Asinuŋɔŋlɔ dadzo siwo wokpɔ la ɖee fia be agbalẽfiala siwo gbugbɔ ŋlɔ wo me nyawo la gbɔ dzi ɖi hezã aɖaŋu ŋutɔ. Agbalẽawo ɖe alesi blema agbalẽblalawo kple agbalẽtalawo dze aɖaŋu hebi ɖe woƒe dɔ mee fia. Le kpɔɖeŋu me, Anton Koberger, amesi nɔ agbe le Johannes Gutenberg ƒe ɣeyiɣia me lɔƒo, ta Biblia Latina le Nuremberg le ƒe 1479 me, eye wogblɔ tso eŋu be enye “blema agbalẽtala vevitɔwo kple esiwo wɔ dɔ wu dometɔ ɖeka.”

Chester Beatty ƒe Agbalẽdzraɖoƒea ƒe nu ɖeɖefia tɔxɛ aɖee nye ƒe alafa enelia me asinuŋɔŋlɔ aɖe si le lãgbalẽ zɔzrɔ̃e dzi si Ephraem, Siria agbalẽnyala aɖe ŋlɔ. Ephraem yɔ nya geɖe tso ƒe alafa evelia me agbalẽ aɖe si woyɔna be Diatessaron me. Agbalẽa ŋlɔla, si nye Tatian, ƒo Yesu Kristo ƒe agbemeŋutinya nuŋlɔɖi si le Nyanyuigbalẽ eneawo me la nu ƒu tsɔ wɔ ŋutinya ɖeka si me nyawo de nu wo nɔewo me nyuie. Agbalẽŋlɔla siwo va emegbe hã yɔ nya tso Diatessaron la me, gake eƒe tata aɖeke megali o. Agbalẽnyala siwo nɔ anyi le ƒe 1800 ƒeawo me dometɔ aɖewo ke ɖi agbalẽ sia ƒe anyinɔnɔ kura gɔ̃ hã. Gake le ƒe 1956 me la, Beatty fɔ numeɖegbalẽ si Ephraem ŋlɔ tso Tatian ƒe Diatessaron la ŋu—nufɔfɔ sia na kpeɖodzi ŋutɔŋutɔ li le Biblia me nyawo ƒe nu vavãnyenye kple nyateƒenyenye ŋu.

Papyrus dzi Asinuŋɔŋlɔ Xɔasiwo

Beatty ƒo papyrus dzi asinuŋɔŋlɔ gbogbo aɖewo siwo ku ɖe xexemenyawo kple mawusubɔsubɔnyawo ŋu hã nu ƒu. Woŋlɔ blemasinuŋɔŋlɔgbalẽ siwo le papyrus dzi la dometɔ siwo wu 50 do ŋgɔ na ƒe alafa enelia M.Ŋ. Papyrus asinuŋɔŋlɔ gbogbo aɖewo siwo woli kɔ ɖi—siwo nye agbalẽ siwo wotsɔ ƒu gbe—ɖe Egipte dzogbe, siwo ŋu ame aɖeke meke ɖo o hena ƒe alafa geɖe, mee woɖe blemagbalẽ siawo dometɔ aɖewo tsoe. Blema asinuŋɔŋlɔgbalẽ siawo dometɔ geɖe ma kakɛkakɛ hafi wodzra wo. Wo dzralawo tsɔa agbalẽgo siwo me blemagbalẽ siawo ƒe tatawo le la va dana ɖi. Charles Horton, amesi nye Chester Beatty ƒe Agbalẽdzraɖoƒea me Nu Siwo Tso Ɣetoɖoƒe dzikpɔla gblɔ be: “Amesiwo wòdzɔ dzi na be yewoaƒle wo la ƒoa asi ɖe goa me heɖea agbalẽ gãtɔ kekeake si dzi nuŋɔŋlɔ sɔ gbɔ le wu la donae.”

Horton gblɔ be Beatty ƒe “nusiwo ŋu wòke ɖo si ɖe dzesi wu” lae nye Biblia blemasinuŋɔŋlɔgbalẽ xɔasi siwo “dometɔ aɖewoe nye Kristotɔwo ƒe Nubabla Xoxoa kple Yeyea ƒe blema ŋɔŋlɔ gbãtɔwo ƒe ɖewo.” Amesiwo nya asixɔxɔ si le blemasinuŋɔŋlɔgbalẽ siawo ŋu la anya ma wo dzra na ame vovovowo. Gake Beatty te ŋu ƒle esiwo katã li la ƒe akpa gãtɔ. Evɔ asixɔxɔ kae le blemasinuŋɔŋlɔgbalẽ siawo ŋu? Aƒetɔ Frederic Kenyon ƒo nu tso nusiwo ŋu woke ɖo ŋu be le Tischendorf ƒe Codex Sinaiticus la fɔfɔ le ƒe 1844 megbe la, eyae nye “esi xɔ asi wu.”

Wogblɔ be ƒe alafa evelia kple enelia M.Ŋ. domedomee woŋlɔ blemasinuŋɔŋlɔgbalẽ siawo. Hebri Ŋɔŋlɔawo me gbalẽ siwo le Helagbe me Septuagint la me dometɔ aɖee nye Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ƒe tata eve. Kenyon gblɔ be asixɔxɔ tɔxɛ le wo ŋu “elabena Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔa ƒe akpa geɖe mele Vaticanus kple Sinaiticus” asinuŋɔŋlɔ siwo le lãgbalẽ zɔzrɔ̃e dzi siwo woŋlɔ le ƒe alafa enelia me “la me o.” Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me gbalẽ aɖewo dze le blemasinuŋɔŋlɔgbalẽ etɔ̃ dzi. Nyanyui eneawo ƒe akpa gãtɔ kple Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa ƒe teƒe geɖe le ɖeka dzi. Apostolo Paulo ƒe lɛtawo katã kloe, siwo dome lɛta si wòŋlɔ na Hebritɔwo le, la dze le blemasinuŋɔŋlɔgbalẽ evelia siwo ŋu wotsɔ axa aɖewo kpe ɖo siwo Beatty va ƒle emegbe la dzi. Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa ƒe akpa si ade ɖeka le etɔ̃ me dze le blemasinuŋɔŋlɔgbalẽ etɔ̃lia dzi. Kenyon gblɔ be blemagbalẽ siawo “gadoa ŋusẽ kpeɖodzi—si ŋu kakaɖedzi le xoxo—si tae míeka ɖe Nubabla Yeye la me ŋɔŋlɔ si va ka mía si dzi la ɖe edzi.”

Chester Beatty ƒe Biblia ŋuti asinuŋɔŋlɔ siwo le papyrus dzi la ɖee fia be Kristotɔwo dze blemasinuŋɔŋlɔgbalẽ zazã ɖe agbalẽxatsaxatsa si menya léna bɔbɔe o la teƒe ɣeyiɣi didi aɖe ke, ɖewohĩ do ŋgɔ na ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. ƒe nuwuwu. Blemagbalẽawo ɖee fia hã be le esi nusiwo dzi woaŋlɔ nu ɖo mebɔ le blema o ta la, nugbugbɔgaŋlɔlawo gbugbɔ zã papyrus siwo dzi woŋlɔ nu ɖo xoxo la. Le kpɔɖeŋu me, woŋlɔ Yohanes ƒe Nyanyuia me asinuŋɔŋlɔ aɖe si le Coptgbe me ɖe “nusi dze abe suku dɔdasi gbalẽ aɖe si dzi Helagbe me akɔntabubu aɖewo le ene” dzi.

Blemagbalẽ siawo medze ani ya o, gake asixɔxɔ le wo ŋu. Wonye kadodo sẽŋu siwo wokpɔna siwo le mía kple Kristotɔ gbãtɔ siwo nɔ anyi dome. Charles Horton gblɔ be: “Wò ŋutɔ àte ŋu akpɔ agbalẽ siwo Kristotɔ gbãtɔ aɖewo zã—agbalẽ siwo wobu nu vevii—kple ŋku.” (Lododowo 2:4, 5) Ne mɔnukpɔkpɔ su asiwò nelé ŋku ɖe nunɔamesi siwo le Chester Beatty ƒe Agbalẽdzraɖoƒea ŋu la, àde dzesii be nyateƒee woto na ye.

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Atidzinutata siwo le Japangbe me si Katsushika Hokusai ta

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

“Biblia Latina” nye Biblia gbãtɔ siwo wota la dometɔ ɖeka

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Numeɖegbalẽ si Ephraem ŋlɔ tso Tatian ƒe “Diatessaron” ŋu la na kakaɖedzi geɖe wu va le Biblia ƒe nyateƒenyenye ŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Nyanyuigbalẽ eneawo kple Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa siwo nu woƒo ƒu wɔ agbalẽ ɖekae la dze le Chester Beatty P45, si nye blemasinuŋɔŋlɔ xoxotɔ kekeake le xexeame, dzi

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Reproduced by kind permission of The Trustees of the Chester Beatty Library, Dublin

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Fotoawo katã: Reproduced by kind permission of The Trustees of the Chester Beatty Library, Dublin