Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa​—Nusi Wòfia na Wò

Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa​—Nusi Wòfia na Wò

Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa​—Nusi Wòfia na Wò

AƑETƆ ƒe gbedodoɖa, si Yesu Kristo fia le Todzimawunyaa me la dze le Biblia me le Mateo ta 6, kpukpui 9 vaseɖe 13 lia. Do ŋgɔ teti hafi Yesu nafia gbedodoɖa sia la, egblɔ be: “Ne miele gbe dom ɖa la, migagblɔ nyatsinyatsi [nya ɖeka ma tɔgbe ke edziedzi] abe trɔ̃subɔlawo ene o; elabena wobu xa bena, le yewoƒe nya geɖe gbɔgblɔ ŋuti la woaɖo to yewo.”—Mateo 6:7.

Eyata menye ɖe Yesu fia Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa la be woagbugbɔ eme nyawo anɔ gbɔgblɔm tso tame o. Enye nyateƒe be egbugbɔ gbedodoɖa sia fia eƒe nyasela bubuwo be wòaɖe vi na wo ya. (Luka 11:2-4) Gake nya siwo wògblɔ le gbedodoɖaa me le Mateo ƒe Nyanyuia me nuŋlɔɖia me to vovo na Luka ƒe Nyanyuia me tɔ. Gawu la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo mezã nya siwo tututu le kpɔɖeŋugbedodoɖaa me le gbe siwo woa ŋutɔwo wodo ɖa emegbe la me o.

Nukatae woŋlɔ Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa la ɖe Biblia me? Yesu to kpɔɖeŋu sia dzi fia alesi míawɔ míaƒe gbedodoɖawo nadze Mawu ŋu la mí. Míekpɔ agbe ŋuti nyabiabia vevi aɖewo ƒe ŋuɖoɖo hã le gbedodoɖa sia me. Eyata mina míadzro Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa la ƒe akpa ɖesiaɖe me akpɔ.

Mawu Ŋkɔ Ðe?

“Mía Fofo, si le dziƒowo! Wò ŋkɔ ŋuti nakɔ!” (Mateo 6:9) Nya gbãtɔ siawo siwo le kpɔɖeŋugbedodoɖaa me la kpena ɖe mía ŋu be míate ɖe Mawu ŋu ahayɔe be “mía Fofo.” Abe alesi ɖevi tena ɖe edzila si lɔ̃nɛ hesea nu gɔme nɛ ŋu godoo ene la, míate ŋu ate ɖe mía Fofo si le dziƒo la ŋu ahaka ɖe edzi be edina be yeaɖo to mí. Fia Dawid dzi ha be: “Èɖoa to gbedodoɖa, gbɔwòe ŋutilãwo katã woayi.”—Psalmo 65:3.

Yesu fia mí be míado gbe ɖa be Mawu ƒe ŋkɔ ŋuti nakɔ, alo wòanye nu kɔkɔe aɖe si woɖe ɖe vovo. Evɔ Mawu ƒe ŋkɔ ɖe? Biblia ɖo eŋu ale: “Ŋkɔwòe nye Yehowa, eye wò ɖeɖe koe ɖo kpo ɖe anyigba blibo la dzi!” (Psalmo 83:19) Èkpɔ Mawu ƒe ŋkɔ le Biblia me kpɔa?

Le nyateƒe me la, Mawu ƒe ŋkɔ Yehowa dze zi 7,000 kloe le Biblia-gbalẽ gbãtɔ siwo woŋlɔ kple asi la me. Gake gbegɔmeɖela aɖewo te kpɔ ɖe ŋkɔ sia ɖa le Biblia siwo gɔme woɖe me. Eyata esɔ be míedoa gbe ɖa na mía Wɔla la be wòakɔ eƒe ŋkɔa ŋu, alo awɔe kɔkɔe. (Xezekiel 36:23) Mɔ aɖe si dzi míaɖee afia le be míewɔna ɖe gbedodoɖa sia dzi enye be míazã ŋkɔ Yehowa ne míele gbe dom ɖa na Mawu.

Katolikotɔe wohe nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Patricia wònye, eye enya Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa la nyuie. Aleke wòwɔ nui esi Yehowa Ðasefo aɖe tsɔ Mawu ƒe ŋkɔ fiae le Biblia me? Egblɔ be: “Nyemexɔe se o! Eyata metsɔ nye ŋutɔ nye Biblia be madii le eme, eye mekpɔe hã. Emegbe Ðasefoa xlẽ Mateo 6:9, 10 heɖe eme nam be woƒo nu tso Mawu ƒe ŋkɔ ŋu le Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa la me. Dzi dzɔm ale gbegbe eye mebiae be wòasrɔ̃ Biblia kplim.”

Woawɔ Mawu ƒe Lɔlɔ̃nu le Anyigba Dzi

“Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene!” (Mateo 6:10) Aleke Yesu ƒe kpɔɖeŋugbedodoɖa ƒe akpa sia awɔ ava eme? Ame akpa gãtɔ bua dziƒo be enye teƒe aɖe si ŋutifafa kple dziɖeɖi le. Ŋɔŋlɔawo yɔ dziƒo be Yehowa ƒe “nɔƒe kɔkɔe nyo la.” (Yesaya 63:15) Eyata mewɔ nuku o be míedoa gbe ɖa be woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi “sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene!” Gake ɖe esia ava eme gbaɖegbea?

Yehowa ƒe nyagblɔɖila Daniel gblɔ ɖi be: “Dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi, si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o, eye eƒe fiaɖuƒe mayi ɖe dukɔ bubu aɖeke si me o; agbã [anyigba dzi] fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.” (Daniel 2:44) Eteƒe madidi o, Dziƒofiaɖuƒea alo dziɖuɖu sia ato dziɖuɖu dzɔdzɔe aɖe dzi ahe ŋutifafa ava xexeame katã.—Petro II, 3:13.

Gbedodoɖa be Mawu ƒe Fiaɖuƒea nava eye woawɔ eƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi nye xɔse si ŋu kakaɖedzi le ɖeɖefia eye ava eme godoo. Yohanes ŋlɔ be: “Mese gbe gã aɖe tso fiazikpui la gbɔ le gbɔgblɔm bena: Kpɔ ɖa, Mawu ƒe agbadɔ la le amewo gbɔ, eye wòanɔ anyi kpli wo, eye woawo hã woanye eƒe dukɔ, eye Mawu ŋutɔ anɔ anyi kpli wo, eye wòanye woƒe Mawu. Eye Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.” Azɔ Yohanes gblɔ kpee be: “Eye amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi la, gblɔ bena: . . . Ŋlɔe, elabena nya siawo nye nya vavãwo kple nyateƒenyawo.”—Nyaɖeɖefia 21:3-5.

Gbedodoɖa Siwo Ku Ðe Míaƒe Ŋutilã me Nuhiahiãwo Ŋu

Nya siwo Yesu gblɔ le kpɔɖeŋugbedodoɖa la me fia be nu vevitɔ siwo ŋu wòle be míatsi dzi ɖo ne míele gbe dom ɖae nye nusiwo ku ɖe Mawu ƒe ŋkɔ kple eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ŋu. Ke hã, eyi kpɔɖeŋugbedodoɖaa dzi kple mía ŋutɔwo ƒe nu siwo sɔ la biabia Yehowa.

Nusiawo ƒe gbãtɔ enye: “Na míaƒe nuɖuɖu, si asu mía nu egbe la mí!” (Mateo 6:11) Menye biabia be woazu kesinɔtɔ ƒe nyae esia nye o. Yesu de dzi ƒo na mí be míado gbe ɖa abia “míaƒe abolo, si asu mía nu gbesiagbe.” (Luka 11:3) Míate ŋu awɔ nu wòasɔ ɖe Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa la nu ado gbe ɖa na Mawu le xɔse me be akpɔ míaƒe gbesiagbe nuhiahiãwo gbɔ na mí ne míelɔ̃e heɖoa toe.

Dzimaɖitsitsi fũ akpa ɖe ganyawo ŋu ate ŋu ana míaŋlɔ míaƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo be eye esia awɔe be míado kpo nusi Mawu di tso mía si la wɔwɔ. Gake ne tadedeagu na Mawu nye nu vevitɔ na mí le agbe me la, ekema míate ŋu aka ɖe edzi be aɖo to gbe siwo míedona ɖa biaa ŋutilã me nuhiahiãwo abe nuɖuɖu kple awudodo ene. Yesu gblɔ be: “Midi mawufiaɖuƒe la kple [Mawu] ƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã, eye woatsɔ nusiawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.” (Mateo 6:26-33) Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye didi mele bɔbɔe o, elabena mí katã míenye nuvɔ̃mewo eye míehiã tsɔtsɔke. (Romatɔwo 5:12) Nya ma hã dze le Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖaa me.

Gbedodoɖa Siwo Ku Ðe Tsɔtsɔke Ŋu

“Natsɔ míaƒe vodadawo ake mí, sigbe alesi míawo hã míetsɔna kea amesiwo daa vo ɖe mía ŋuti la ene!” (Mateo 6:12; Luka 11:4) Ðe Yehowa Mawu atsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ake mí vavã?

Togbɔ be Fia Dawid si nɔ blema Israel wɔ nuvɔ̃ gãwo hã la, etrɔ dzime hedo gbe ɖa kple kakaɖeddzi be: “Aƒetɔ, wò dɔme nyo, eye nèlɔ̃a tsɔtsɔke; amenuveve bɔ ɖe asiwò na amesiwo katã yɔa wò la.” (Psalmo 86:5) Nya sia fa akɔ na ame loo! Mía Fofo si le dziƒo la ‘nɔa klalo be yeatsɔ’ amesiwo trɔ dzime heyɔe la ƒe nuvɔ̃wo ‘ake’ wo. Yehowa Mawu ate ŋu atsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ake mí keŋkeŋ abe alesi wotsɔa fe kea fetɔ aɖe ene.

Ke hã, Yesu gblɔ be nane hiã: Be Mawu natsɔ ake mí la, ele be míatsɔ ake amewo. (Mateo 6:14, 15) Togbɔ be ame dzɔdzɔe Hiob ƒe zɔhɛ etɔ̃awo mewɔ nu ɖe eŋu nyuie o hã, etsɔ ke wo hedo gbe ɖa ɖe wo ta kura gɔ̃ hã. (Hiob 42:10) Ne míetsɔ nuvɔ̃ siwo amewo wɔ ɖe mía ŋuti ke wo la, ekema míaƒe nu adze Mawu ŋu eye akpɔ nublanui na mí.

Ele be alesi Mawu le klalo be yeaɖo to míaƒe nubiabiawo la naʋã mí míadi be míawɔ nusiwo ana míadze eŋu. Eye míate ŋu awɔ esia togbɔ be míede blibo o hã. (Mateo 26:41) Le go sia me hã la, Yehowa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu, abe alesi ko Yesu ɖee fia le kpɔɖeŋugbedodoɖaa ƒe nuwuwu ene.

Kpekpeɖeŋu Biabia be Míanɔ Nu Dzɔdzɔe Wɔwɔ Dzi

“Megakplɔ mí yi ɖe tetekpɔ me o; ke ɖe mí tso vɔ̃ɖitɔ la si me!” (Mateo 6:13) Yehowa megblẽa mí ɖi ne míele tetekpɔ me tom alo naa míewɔa nuvɔ̃ o. Eƒe Nya la gblɔ be: “Womate ŋu ate Mawu akpɔ kple nuvɔ̃ o, ke eya ŋutɔ la metea ame aɖeke kpɔna o.” (Yakobo 1:13) Mawu ɖea mɔ wotea mí kpɔna, gake ate ŋu aɖe mí tso Tela Gãtɔ—si nye “vɔ̃ɖitɔ la” si woyɔna be Satana Abosam si me.

Apostolo Petro xlɔ̃ nu hati Kristotɔwo be: “Minɔ mo xexi, minɔ ŋudzɔ; elabena miaƒe adikãtɔ, Abosam, le tsatsam abe dzata, si le gbe ɖem hele ame dim, be yeavuvu ami ene.” (Petro I, 5:8) Le nyateƒe me la, Satana te ame deblibo Yesu Kristo kura gɔ̃ hã kpɔ! Susu kae nɔ Abosam si? Eyae nye be yeana Yesu nadzudzɔ subɔsubɔ kɔkɔe tsɔtsɔ na Yehowa Mawu. (Mateo 4:1-11) Ne èdi be yeasubɔ Mawu la, ekema Satana ƒe taɖodzinu enye be yeavuvu wò hã!

Abosam ate ŋu azã xexe sia si le eƒe ŋusẽ te ate mí akpɔ be míawɔ nusiwo medzea Mawu ŋu o. (Yohanes I, 5:19) Eyata ele vevie be míado gbe ɖa na Mawu abia eƒe kpekpeɖeŋu, vevietɔ ne míele tetekpɔ aɖe me tom edziedzi. Eye ne míedea ta agu na Yehowa le alesi wòdii le eƒe Nya Biblia si tso gbɔgbɔ me nu la, aɖe mí to alesi wòakpe ɖe mía ŋu míatsi tre ɖe Abosam ŋu me. Biblia gblɔ na mí be: “Nuteƒewɔla enye Mawu, amesi mana mɔ bena, woate mi akpɔ awu alesi miate ŋui la o.”—Korintotɔwo I, 10:13.

Mawu Dzixɔxɔse Le Vevie

Aleke gbegbe wòdoa dzidzɔ na míi enye esi be míanyae be mía Fofo si le dziƒo la tsɔa ɖe le eme na mía dometɔ ɖesiaɖe! Ena Via Yesu Kristo fia mí alesi míado gbe ɖae gɔ̃ hã. Kakaɖedzitɔe la, esia na míedina be míadze Yehowa Mawu ŋu. Aleke míawɔ esiae?

Biblia gblɔ be: “Ne xɔse mele mí

a si o la, míate ŋu adze Mawu ŋu o; elabena ele be, amesi ke tena va Mawu gbɔ la, naxɔ ase be, Mawu li, eye wònye teƒeɖola na amesiwo dinɛ vevie.” (Hebritɔwo 11:6) Aleke míawɔ xɔse sia tɔgbe nasu mía si? Biblia gblɔ be: ‘Xɔse la tsoa nusi wose la me.’ (Romatɔwo 10:17) Edzɔa dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoaƒo nu tso Ŋɔŋlɔawo me nyawo ŋu na amesiame si di be yeatsɔ xɔse vavã asubɔ Mawui.

Míexɔe se be Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa sia si me míedzro la na nèva se egɔme ɖe edzi. Ne èyi edzi xɔ Yehowa kple teƒeɖoɖo siwo wòdzra ɖo ɖi na “amesiwo dinɛ vevie” ŋuti sidzedze geɖe wu la, wò Mawu dzixɔse me asẽ ɖe edzi wu. Neva eme be nàsrɔ̃ nu bubu geɖe tso eyama kple eƒe tameɖoɖowo ŋu ale be ƒomedodo kplikplikpli nanɔ mia kple Fofowò si le dziƒo la dome tegbee.—Yohanes 17:3.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 5]

“Mía Fofo, si le dziƒowo! Wò ŋkɔ ŋuti nakɔ! Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene! Na míaƒe nuɖuɖu, si asu mía nu egbe la mí! Eye natsɔ míaƒe vodadawo ake mí, sigbe alesi míawo hã míetsɔna kea amesiwo daa vo ɖe mía ŋuti la ene! Eye megakplɔ mí yi ɖe tetekpɔ me o; ke ɖe mí tso vɔ̃ɖitɔ la si me!”—Mateo 6:9-13

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Yehowa kpɔa amesiwo lɔ̃nɛ la ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Mawu kpena ɖe mía ŋu míetsia tre ɖe Abosam ŋu hã

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Ne míetsɔa nuvɔ̃ siwo amewo wɔna ɖe mía ŋu kea wo abe Hiob ene la, ekema Mawu akpɔ nublanui na mí