Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Atsiaƒuwo me Kesinɔnu Gbogboawo’

‘Atsiaƒuwo me Kesinɔnu Gbogboawo’

Yehowa Ƒe Nuwɔwɔwo Ƒe Atsyɔ̃

‘Atsiaƒuwo me Kesinɔnu Gbogboawo’

YA ƑONA miɔɔ le ƒu dzi ne ɣe ɖo to eye ƒutsotsoewo sina blewu va kɔna ɖe ƒuta. Ƒutsotsoewo ƒe hoowɔwɔ fadziname la naa ame gbogbo aɖewo lɔna yia ƒuta hena ɖiɖiɖeme kple tomefafa. *

Ƒuta siwo ƒe didime nye kilometa akpe geɖe lae le ƒuwo ta le xexeame godoo. Ƒuta siawo siwo ma kenyigba kple tsi dome lae nye afisi atsiaƒu ƒe ŋusẽ se ɖo. Nenemae Wɔla la ɖoe be wòanɔ. Mawu ƒo nu tso eya ŋutɔ ɖokui ŋu gblɔ be “[yetsɔ] ke do liƒo na atsiaƒu.” Egblɔ kpee be: “Ne edze agbo hã, mate ŋui o, eye ne eƒe tsotsoewo le gbe ɖem hã, magbɔ edzi ayi o.”—Yeremya 5:22; Hiob 38:8; Psalmo 33:7.

Tsi mexɔ ɣletinyigba bubu aɖeke dzi alea gbegbe abe alesi wòxɔ mía tɔa dzi ene o. Anyigbaa ƒe teƒe 70 le alafa me nye tsi. Esi Yehowa nɔ anyigbaa dzram ɖo be amegbetɔwo nanɔ edzi la, ede se be: “Tsi, si le dziƒoa te la, neƒo ƒu ɖe teƒe ɖeka, bena ƒuƒuiƒe nadze. Eye wòva eme nenema.” Nuŋlɔɖia gblɔ kpee be: “Mawu yɔ ƒuƒuiƒe la be anyigba, ke tsi ƒoƒua la eyɔe be atsiaƒu. Eye Mawu kpɔ bena enyo.” (Mose I, 1:9, 10) Nukae atsiaƒuwo ƒe anyinɔnɔ na míete ŋu wɔna?

Wowɔ atsiaƒu me tsi le mɔ wɔnuku aɖewo nu be wòalé agbe ɖe te. Le kpɔɖeŋu me, tsi te ŋu léa dzoxɔxɔ dana ɖi. Eyata ɖeko atsiaƒuwo le abe dzoxɔxɔ léɖiƒe gã aɖewo ene, eye woléa vuvɔŋɔli me ya siwo fana miamiamia la nu.

Tsi agate ŋu alé agbe ɖe te le mɔ bubu nu. To vovo na tsinu bubu ɖesiaɖe la, ate ŋu ana nuwo nalólo bɔbɔe. Esi wònye nuwo ƒe tɔtrɔ azu nu bubuwoe na agbemenuwo le anyi ta la, tsi ƒe anyinɔnɔ hiã ale be wòate ŋu alólo nusiwo atrɔ la ale be woatrɔ nuwo ƒe akpa vevitɔ kekeakewo woazu nu bubu siwo míate ŋu azã. Tsi le nugbagbewo ƒe lãmekawo me ŋutinu geɖewo me. Agbalẽ si nye Sea (Atsiaƒu) gblɔ be: “Nugbagbe ɖesiaɖe hiã tsi—eye atsiaƒu me koŋue wòate ŋu atso, na numiemie kple lã siwo le kenyigba dzi gɔ̃ hã.”

Atsiaƒu siwo le anyigba dzi la wɔa akpa vevi aɖe le nana be yame nanɔ dzadzɛ me. Nu gbagbe suesuesue siwo le atsiaƒuwo me la noa ya aɖe si woyɔna be carbon dioxide (dioxyde de carbone) heɖea ya si léa agbe ɖe te si nye oxygen (oxygène) doa goe. Numekula aɖe gblɔ be “oxygen si va kpena ɖe esi le ya me ŋu ƒe sia ƒe la ƒe agbɔsɔsɔ 70 le alafa me tsoa nugbagbe suesuesue siwo le atsiaƒu me la gbɔ.”

Woate ŋu akpɔ atike siwo woatsɔ ada dɔlélewoe hã le atsiaƒu me. Ƒe alafa geɖe enye esia la, wole nanewo siwo woɖena le tɔmelãwo me la zãm abe atike ene. Cod-liver oil (huile de foie de morue) li ɣeyiɣi didi aɖee nye esia. Nyitsɔ laa la, wova le atikemenu aɖewo siwo woɖe le tɔmelã kple nu bubu siwo le atsiaƒu me me la zãm tsɔ le gbɔxi kple dɔlékuiwo kpakple kansadɔ dam.

Wole agbagba dzem be woakpɔe ɖa be viɖe agbɔsɔsɔme ka gbegbee míekpɔna tsoa atsiaƒuwo gbɔ hã. Togbɔ be womekpɔ nyataƒonya aɖeke si sɔ haɖe o hã, numekulawo susui be viɖe siwo dona tsoa nugbagbewo kple nɔƒe siwo wole me la ƒe akpa eve kloe le etɔ̃ ɖesiaɖe me tso atsiaƒuwo me. Esia ɖo kpe nyateƒenya sia dzi be tameɖoɖo aɖe tae wowɔ atsiaƒuwo ɖo—be woana agbe nanya anɔ ahalée ɖe te. Aleke gbegbe esia sɔ ɖe nusi Biblia yɔ be ‘atsiaƒuwo me kesinɔnu gbogboawo’ nu enye esi!—Mose V, 33:19.

Yehowae woakafu be eyae nye kesinɔnu sia ƒe Aɖaŋudela kple Wɔla. Esia ʋã Nexemya wotsɔ nya siwo gbɔna kafui, be: “Wò ɖeka koe nye Yehowa, wòe wɔ dziƒowo . . . kpakple atsiaƒuwo kple nusiwo katã le wo me la; wòe na agbe wo katã.”—Nexemya 9:6.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 3 Kpɔ 2004 Calendar of Jehovah’s Witnesses, (Calendrier des Témoins de Jéhovah 2004) September/October.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 9]

Tsi, Ya, Kple Ƒutsotsoewo

Tsi kple ya wɔe be ƒutsotsoe gã siwo ƒe sisi ɖina hoo la va kɔna ɖe agakpewo tame, abe esiawo siwo le California, le United States ene. Ƒutsotsoewo nye atsiaƒuwo ƒe akpa vevi aɖe si wɔa nuku na ame, heɖea atsiaƒu ƒe ŋusẽ fiana. Wogana míeɖoa ŋku Wɔla la ƒe ŋusẽ gã wɔnuku la dzi. Yehowae nye amesi ‘zɔa ƒutsotsoe gãwo dzi.’ “Eƒe ŋusẽ nana ƒu dzea agbo, eye wògbãa ƒu me lãtsu gudugudu le eƒe nunya nu.” (Hiob 9:8; 26:12) Nyateƒee, “Yehowa kako le dziƒo wu tɔ gãwo ƒe howɔwɔ kple atsiaƒu ƒe agbodzedze sesẽ.”—Psalmo 93:4.

Ke Siwo Le abe Nutatawo Ene

Ɣeaɖewoɣi la, ke siwo ƒe nɔnɔme ɖi nutatawo la nɔa ƒuta, abe kekpo siwo kpɔm nèle le afisia siwo le Namibia, si le anyiehe Afrika, ƒe ƒuta ene. Ya ƒe ƒoƒoe lɔna kewo wodzena nutatawo. Togbɔ be ɖeko kekpo aɖewo anɔ sue hã la, bubuwo ya ƒe kɔkɔme dena meta 400. Ke gbogbo siawo kpena ɖe mía ŋu míesena Biblia me nya si nye “ƒutake” gɔme. Wozãnae tsɔ fiana nusi womate ŋu axlẽ o, nusi womate ŋu adzidze o. (Mose I, 22:17) Dzidzi ƒoa mí ne míede ŋugble tso Wɔla la ŋuti, amesi wɔ aɖaŋu wɔnuku sia gbegbe, be wòtsɔ ke ɖo seɖoƒe na atsiaƒu dzeagbo la.

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Biafra Ƒukɔme si le Cameroon ƒe ƒuta si dzi ɣe ɖo to ɖo