Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Mido Mawu Ƒe Aʋawɔnu Blibo La Katã”

“Mido Mawu Ƒe Aʋawɔnu Blibo La Katã”

“Mido Mawu Ƒe Aʋawɔnu Blibo La Katã”

“Mido Mawu ƒe aʋawɔnu blibo la katã, bene miate ŋu anɔ te ɖe Abosam ƒe aɖaŋu vɔ̃wo nu.”—EFESOTƆWO 6:11.

1, 2. Zã wò ŋutɔ wò nyawo nàtsɔ aƒo nu tso gbɔgbɔmeʋawɔnu si wòhiã be Kristotɔwo nado la ŋu.

ŊUSẼ va ɖo Roma-dziɖuɖua ŋu wu ɣeyiɣi bubu ɖesiaɖe le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me. Ŋusẽ si nɔ Roma-dukɔa ƒe asrafowo si wɔe be ekpɔ ŋusẽ ɖe xexeame ƒe akpa gãtɔ dzi ɣemaɣi. Ŋutinyaŋlɔla aɖe ƒo nu tso asrafo siawo ŋu be “woawoe nye asrafoha siwo kpɔ dzidzedze wu le ŋutinya katã me.” Togbɔ be asrafo sesẽ xɔhehewoe Roma-ʋakɔa ƒe asrafo bibiawo nye hã la, woƒe dzidzedzekpɔkpɔ abe aʋawɔla bibiwo ene ƒe akpa aɖe tso aʋawɔnu siwo le wo si hã gbɔ. Apostolo Paulo zã Roma-srafowo ƒe aʋawɔnu tsɔ wɔ gbɔgbɔmeʋawɔnu si Kristotɔwo hiã be woawɔ aʋa kple Abosam dzidzedzetɔe la ƒe kpɔɖeŋu.

2 Míekpɔ alesi woɖɔ gbɔgbɔmeʋawɔnu siae le Efesotɔwo 6:14-17. Paulo ŋlɔ be: “Mitsi tre . . . mitsɔ nyateƒe bla miaƒe aliwo dzi, eye mido dzɔdzɔenyenye ƒe akɔtakpoxɔnu, eye mitsɔ dzadzraɖoɖi na ŋutifafa nyanyui la bla miaƒe afɔ gɔme. Hekpe ɖe nusiawo katã ŋuti la milé xɔse ƒe akpoxɔnu, si miate ŋu atsɔ atsi vɔ̃ɖitɔ la ƒe atsurɔ bibiawo la me ɖe asi. Eye miɖɔ xɔxɔ ƒe gakuku la, eye mihe Gbɔgbɔ ƒe yi, si nye mawunya la, ɖe asi.” Le amegbetɔwo ƒe nukpɔsusu nu la, aʋawɔnu si ŋuti Paulo ƒo nu tsoe la kpɔa Roma-srafo ta ŋutɔ. Azɔ hã, ezãa yi tsɔ ʋlia eɖokui tae ne ele aʋa wɔm kple ame aɖe.

3. Nukatae wòle be míaɖo to Yesu Kristo ƒe nufiamewo ahasrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋu?

3 Hekpe ɖe aʋawɔnuwo kple hehexɔxɔ ŋu la, Roma-ʋakɔa ƒe dzidzedzekpɔkpɔ nɔ te ɖe asrafoawo ƒe toɖoɖo woƒe aʋafia dzi. Nenema ke wòle be Kristotɔwo hã naɖo to Yesu Kristo, amesi ŋu Biblia ƒo nu tsoe be enye “dukɔwo ƒe amegã.” (Yesaya 55:4) Eya kee nye ‘hamea ƒe ta’ hã. (Efesotɔwo 5:23) Yesu na mɔfiamewo ku ɖe míaƒe gbɔgbɔmeʋawɔwɔa ŋu eye wògblẽ alesi míado gbɔgbɔmeʋawɔnua ƒe kpɔɖeŋu deblibo aɖe ɖi na mí. (Petro I, 2:21) Esi ƒomedodo le Kristotɔwo ƒe amenyenye kple míaƒe gbɔgbɔmeʋawɔnua dome ta la, Ŋɔŋlɔawo ɖo aɖaŋu na mí be ‘míakpla’ tamesusu ƒe nɔnɔme si nɔ Kristo si. (Petro I, 4:1) Eyata esi míele gbɔgbɔmeʋawɔnua ƒe akpa ɖesiaɖe me dzrom la, míazã Yesu ƒe kpɔɖeŋua atsɔ afia vevienyenye kple viɖe si le eŋu.

Ali, Akɔta, Kple Afɔwo Takpɔkpɔ

4. Akpa kae alidziblanu wɔna le asrafo ƒe aʋawɔnuwo dome, eye nuka ƒe kpɔɖeŋue wònye?

4 Nyateƒea tsɔtsɔ bla ali dzii. Le ɣeyiɣi siwo me wonɔ Biblia ŋlɔm la, asrafowo zã alidziblanu si wotsɔ lãgbalẽ wɔ alo alidziblaka si ƒe kekeme nye sentimeta 5 vaseɖe sentimeta 15. Gbegɔmeɖela aɖewo gblɔ be ele be woaɖe kpukpui ma gɔme be, “nyateƒea nanɔ abe alidziblanu ene le miaƒe ali dzi sesĩe.” Asrafo ƒe alidziblanu kpɔa eƒe ali ta, eye wònyea nusi ŋu wòtsɔa yi tsina ɖo bɔbɔe. Ne asrafo bla ali dzi la, efia be ele dzadzram ɖo na aʋawɔwɔ. Paul zã asrafo ƒe alidziblanu tsɔ wɔ alesi gbegbe wòle be Ŋɔŋlɔawo me nyateƒea nakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe agbenɔnɔ dzii ƒe kpɔɖeŋu. Le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu la, ele be míatsɔe abla mía ɖokui sesĩe, bene míaƒe agbenɔnɔ nawɔ ɖeka kple nyateƒea eye be míate ŋu aʋli eta ɣesiaɣi. (Psalmo 43:3; Petro I, 3:15) Be míaɖo taɖodzinu sia gbɔ la, ele be míasrɔ̃ Biblia kutrikukutɔe ahade ŋugble le eme nyawo ŋu. Mawu ƒe sea nɔ Yesu ƒe ‘dzi me.’ (Psalmo 40:9) Esi tsitretsiɖeŋulawo bia nyawoe la, ete ŋu ɖo ŋku Ŋɔŋlɔawo dzi heyɔ wo me nyawo tsɔ na ŋuɖoɖo wo.—Mateo 19:3-6; 22:23-32.

5. Ðe alesi Ŋɔŋlɔa me aɖaŋuɖoɖowo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le xaxa alo tetekpɔ ɣeyiɣiwo mee la me.

5 Ne míeɖe mɔ Biblia ƒe nyateƒea fia mɔ mí la, ate ŋu akpɔ mía ta míaƒo asa na susu gbegblẽwo bubu eye ana míawɔ nyametsotso siwo me nunya le. Le tetekpɔ ɣeyiɣiwo me la, Biblia ƒe mɔfiamewo ado ŋusẽ míaƒe tameɖoɖo kplikpaa be míawɔ nu dzɔdzɔe. Le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu la, míakpɔ míaƒe Nufiala Gã, Yehowa eye míase nya le mía megbe bena: “Mɔ la enye si, mito edzi!”—Yesaya 30:20, 21.

6. Nukatae wòhiã be míakpɔ míaƒe kpɔɖeŋudzia ta, eye aleke dzɔdzɔenyenye ate ŋu akpɔ eta nyuie?

6 Dzɔdzɔenyenye ƒe akɔtakpoxɔnu. Asrafo ƒe akɔtakpoxɔnu kpɔ ŋutilã ƒe akpa vevi si nye dzi la ta. Míaƒe kpɔɖeŋudzi—si nye amesi ƒomevi míenye le ememe—hiã na takpɔkpɔ elabena nugbegblẽ wɔwɔ dzronɛ. (Mose I, 8:21) Eyata ele be míanya Yehowa ƒe dzidzenu dzɔdzɔewo ahalɔ̃ wo. (Psalmo 119:97, 105) Ne míelɔ̃ dzɔdzɔenyenye la, akpe ɖe mía ŋu míatsri xexeame ƒe nukpɔsusu si naa wogbea toɖoɖo Yehowa ƒe mɔfiame siwo me kɔ alo tɔa tsi wo. Gawu la, ne míelɔ̃ nusi nyo eye míetsri nu gbegblẽ la, míaƒo asa na nuwɔna si ate ŋu agblẽ nu le míaƒe agbe ŋu. (Psalmo 119:99-101; Amos 5:15) Yesu ɖo esia ƒe kpɔɖeŋu elabena Ŋɔŋlɔawo gblɔ le eŋu be: “Elɔ̃a dzɔdzɔenyenye, eye nèléa fu madzɔmadzɔnyenye.”—Hebritɔwo 1:9. *

7. Nukatae Roma-srafo hiã afɔkpa sesẽ, eye nukae wònye kpɔɖeŋu na?

7 Ŋutifafa nyanyui la tsɔtsɔ bla afɔ gɔmee. Esi Roma-srafowo kplana aʋawɔnu siwo ƒe kpekpeme ade kilogram 27 hezɔa afɔ kilometa 30 gbesiagbe le aʋagbedzi zi geɖe ta la, wohiã afɔkpa alo atokota sesẽwo. Eyata esɔ be Paulo tsɔ afɔkpa wɔ kpɔɖeŋu na dzadzraɖoɖi ɖe gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒegbedasia na amesiame si aɖo to ŋu. Esia le vevie elabena aleke amewo awɔ ava dze si Yehowa ne míele klalo helɔ̃ be míaɖe gbeƒã o?—Romatɔwo 10:13-15.

8. Aleke míate ŋu asrɔ̃ nyanyuigbeƒãɖela Yesu ƒe kpɔɖeŋui?

8 Nukae nye dɔ vevitɔ le Yesu ƒe agbenɔnɔ me? Egblɔ na Roma-mɔ̃mefia Pontio Pilato be: ‘Meva xexeame bena maɖi ɖase na nyateƒe la.’ Yesu ɖe gbeƒã ɣesiaɣi si ame aɖe lɔ̃ faa be yeaɖo toe, eye ekpɔ dzidzɔ ɖe subɔsubɔdɔa ŋu ale gbegbe be ebui nu vevi wu eƒe ŋutilã me nuhiahiãwo. (Yohanes 4:5-34; 18:37) Ne didia le mía me vevie be míaɖe gbeƒã nyanyuia abe alesi wònɔ Yesu mee ene la, mɔnukpɔkpɔ geɖe asu mía si be míaɖe gbeƒã na amewo. Gawu la, ne míeƒo mía ɖokui ɖe subɔsubɔdɔa me bliboe la, ana míasẽ ŋu le gbɔgbɔ me.—Dɔwɔwɔwo 18:5.

Akpoxɔnu, Gakuku, Kple Yi

9. Ametakpɔnu kae akpoxɔnu gã nye na Roma-srafo?

9 Xɔse ƒe akpoxɔnu gã la. Helagbe me nya si gɔme woɖe be “akpoxɔnu gã” la fia akpoxɔnu lolo si ate ŋu akpɔ ame bliboa ta. Ate ŋu akpɔ ame ta tso ‘atsurɔ bibi’ siwo ƒe nya wogblɔ le Efesotɔwo 6:16 nu. Le ɣeyiɣi siwo me wonɔ Biblia ŋlɔm la, asrafowo zã aŋutrɔ siwo wotsɔ ayeti wɔ siwo nu gayibɔgoe suesue siwo me aɖi le la nɔ. Agbalẽnyala aɖe ɖɔ aŋutrɔ siawo be wonye “aʋawɔnu siwo ŋu afɔku le wu le blemaʋawɔɣiwo dometɔ ɖeka.” Ne akpoxɔnu lolo aɖeke mele asrafo aɖe si wòatsɔ akpɔ eɖokui ta tso aŋutrɔ siawo nu o la, woate ŋu ade abi eŋu vevie alo awui kura gɔ̃ hã.

10, 11. (a) Satana ƒe “atsurɔ bibi” kawoe ate ŋu agblẽ nu le míaƒe xɔse ŋu? (b) Aleke Yesu ƒe kpɔɖeŋua ɖo kpe xɔse ƒe vevienyenye le dodokpɔ ɣeyiɣiwo me dzii?

10 “Atsurɔ bibi” kawoe Satana zãna tsɔ gblẽa míaƒe xɔse dome? Ate ŋu ahe yometiti alo tsitretsiɖeŋu va mía dzi le ƒomea me, le dɔwɔƒe, alo le suku. Didi be ŋutilãmenu geɖe wu nasu ye si kple agbegbegblẽnɔnɔ ƒe dzodzro hã na ame aɖewo dze afɔku le gbɔgbɔ me. ‘Hekpe ɖe nusiawo katã ŋuti la, ele be míalé xɔse ƒe akpoxɔnu gã la ɖe asi’ be míakpɔ mía ɖokui ta tso ŋɔdzidonu mawo tɔgbe me. Nusɔsrɔ̃ tso Yehowa ŋu, dzeɖoɖo kplii edziedzi le gbedodoɖa me, kple alesi wòkpɔa mía ta heyraa mí nyanya naa xɔse sua mía si.—Yosua 23:14; Luka 17:5; Romatɔwo 10:17.

11 Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, eɖe xɔse sẽŋu ƒe amesinɔnɔ le ɣeyiɣi sesẽwo me ƒe vevienyenye fia. Eka ɖe Fofoa ƒe nyametsotsowo dzi bliboe eye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ do dzidzɔ nɛ. (Mateo 26:42, 53, 54; Yohanes 6:38) Esime Yesu nɔ xaxa me tom le Getsemane-bɔa me kura gɔ̃ hã la, egblɔ na Fofoa be: “Menye alesi nye ŋutɔ medi o, negbe alesi wòa nèdi ko.” (Mateo 26:39) Yesu meŋlɔ nuteƒewɔwɔ ƒe vevienyenye kple nuwɔwɔ wòado dzidzɔ na Fofoa be kpɔ gbeɖe o. (Lododowo 27:11) Ne kakaɖedzi ma ƒomevi le mía si ɖe Yehowa ŋu la, ɖeklemiɖeɖe kple tsitretsiɖeŋu magbɔdzɔ míaƒe xɔse o. Ke boŋ míaƒe xɔse asẽ ŋu ne míeɖo ŋu ɖe Mawu ŋu, ɖe lɔlɔ̃ na eyama fia, eye míewɔ ɖe eƒe sededewo dzi. (Psalmo 19:8-12; Yohanes I, 5:3) Ŋutilãmenuwo ƒe viɖe alo ɣeyiɣi vi aɖe ƒe dzidzɔkpɔkpɔ aɖeke mede yayra siwo Yehowa dzra ɖo ɖi na amesiwo lɔ̃nɛ la nu o.—Lododowo 10:22.

12. Míaƒe ŋutilã ƒe akpa ka tae kpɔɖeŋugakukua kpɔna, eye nukatae ametakpɔnu sia hiã vevie?

12 Xɔxɔ ƒe gakuku la. Gakuku nye ametakpɔnu na asrafo ƒe ta kple eƒe ahɔhɔ̃ si nye nusi nana wòbua tame. Míaƒe Kristotɔwo ƒe mɔkpɔkpɔ sɔ kple gakuku elabena ekpɔa míaƒe susu ta. (Tesalonikatɔwo I, 5:8) Togbɔ be míewɔ míaƒe tamesusuwo yeye to Mawu ƒe Nyaa me sidzedze vavã dzi hã la, míegakpɔtɔ nye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo kple ame madeblibowo kokoko. Míaƒe susu ate ŋu agblẽ bɔbɔe. Nuɖoanyi sia ƒe taɖodzinuwo ate ŋu ahe míaƒe susu alo ava xɔ ɖe mɔkpɔkpɔ si Mawu na mí la teƒe kura gɔ̃ hã. (Romatɔwo 7:18; 12:2) Abosam dze agbagba dokpoe be yeabaɖa afɔ na Yesu esi wòɖe “xexeame fiaɖuƒewo katã kple woƒe ŋutikɔkɔe la fiae.” (Mateo 4:8) Gake Yesu gbe nunana la enumake, eye Paulo gblɔ tso eŋu be: ‘Yesu do dzi kpe fuwɔameti ƒe fu, eye mebu ŋukpe o le dzidzɔ, si woɖo ɖi nɛ la ta, eye wòbɔbɔ nɔ anyi le Mawu ƒe fiazikpui ƒe nuɖusi me.’—Hebritɔwo 12:2.

13. Aleke míawɔ alé mɔkpɔkpɔ si le mía ŋgɔ me ɖe asi?

13 Kakaɖedzi si ƒomevi nɔ Yesu si la mesu esi agbagba madzemadzee o. Ne míelé mɔkpɔkpɔ si le mía ŋgɔ me ɖe asi o, eye nuɖoanyi sia ƒe nukpɔsusuwo kple taɖodzinuwo xɔ míaƒe susu me la, míaƒe ŋuɖoɖo ɖe Mawu ƒe ŋugbedodowo ŋu anɔ gbɔdzɔgbɔdzɔm. Mlɔeba la, míate ŋu ava bu mɔkpɔkpɔ keŋkeŋ. Gake ne míedea ŋugble le Mawu ƒe ŋugbedodowo ŋu la, míayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm le mɔkpɔkpɔ si woɖo ɖi na mí la me.—Romatɔwo 12:12.

14, 15. (a) Nukae nye míaƒe kpɔɖeŋuyia, eye aleke míate ŋu azãe? (b) Wɔ alesi gbɔgbɔmeyi la ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖu tetekpɔ dzii ƒe kpɔɖeŋu.

14 Gbɔgbɔ ƒe yi la. Mawu ƒe nya, alo gbedasi, si woŋlɔ ɖe Biblia me le abe yi nuevee ene si ate ŋu ana woakpɔ alakpa subɔsubɔ adze sii eye wòakpe ɖe dzianukwaretɔwo ŋu woazu ablɔɖeviwo le gbɔgbɔ me. (Yohanes 8:32; Hebritɔwo 4:12) Gbɔgbɔmeyi sia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu hã ne míedo go tetekpɔwo alo ne xɔsegbelawo dze agbagba be yewoagblẽ míaƒe xɔse dome. (Korintotɔwo II, 10:4, 5) Míeda akpe be ‘Ŋɔŋlɔ sia ŋɔŋlɔ, si tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me la, dzra mí ɖo ɖi hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ’!—Timoteo II, 3:16, 17.

15 Esi Satana te Yesu kpɔ le gbeadzi la, Yesu zã gbɔgbɔmeyi sia nyuie tsɔ kpe akɔ kple eƒe aɖaŋu vɔ̃awo kple ayeme tetekpɔawo. Eɖo Satana ƒe gbetɔame ɖesiaɖe ŋu be: “Woŋlɔ ɖi bena.” (Mateo 4:1-11) Nenema ke David, amesi nye Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖeka le Spain de dzesii be Ŋɔŋlɔawo kpe ɖe ye ŋu yeɖu tetekpɔwo dzii. Esi wòxɔ ƒe 19 la, ɖetugbi dzetugbe aɖe si wo kpakplii wowɔa dɔ le dzadzɛnyenye dɔwɔƒea gblɔ nɛ be wòaɖe mɔ yewoava “ɖu agbe ɖekae” le teƒe aɖe. David gbe nyaƒoɖeamenu sia eye wòbia eƒe dɔdzikpɔla be wòana dɔ ye ɖe teƒe bubu ne nɔnɔme ma nagado mo ɖa azɔ o. David gblɔ be: “Meɖo ŋku Yosef ƒe kpɔɖeŋua dzi. Egbe agbegbegblẽnɔnɔ eye enumake wòsi dzo le teƒea. Nu ma kee nye hã mewɔ.”—Mose I, 39:10-12.

16. Ðe nusitae míehiã hehexɔxɔ be ‘míawɔ nyateƒenya la ŋudɔ pɛpɛpɛ’ me.

16 Yesu gazã gbɔgbɔmeyia tsɔ kpe ɖe amewo ŋu wosi tso Satana ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi te. Yesu gblɔ be: “Nye nufiafia la menye tɔnye o, ke boŋ amesi dɔm ɖa la tɔe.” (Yohanes 7:16) Míehiã hehexɔxɔ hafi míate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe nufiafia. Yudatɔ blemaŋutinyaŋlɔla Josephus ŋlɔ ku ɖe Roma-srafowo ŋu be: “Asrafo ɖesiaɖe xɔa hehe vevie gbesiagbe abe aʋawɔɣie wòle ene, si na wòte ŋu doa dzi le aʋawɔɣiwo bɔbɔe.” Ele be míazã Biblia le míaƒe gbɔgbɔmeʋaa me. Gawu la, ‘ele be míawɔ míaƒe ŋutete ɖesiaɖe be míatsɔ mía ɖokui afia Mawu abe amesiwo li ke kple dɔwɔla siwo mehiã be, ŋu nakpe wo le naneke ŋuti o, kpakple amesiwo wɔa nyateƒenya la ŋudɔ pɛpɛpɛ ene.’ (Timoteo II, 2:15) Eye aleke gbegbee míaƒe dzi dzea eme enye esi ne míezã Ŋɔŋlɔawo tsɔ ɖo ɖetsɔlemetɔ aɖe ƒe biabia siwo tso dzi blibo me ŋu nɛ!

Mido Gbe Ða Ɣeawokatãɣi

17, 18. (a) Akpa kae gbedodoɖa wɔna le kametete kple Satana me? (b) Gblɔ kpɔɖeŋu aɖe nàtsɔ afia gbedodoɖa ƒe vevienyenye.

17 Esi Paulo ƒo nu tso gbɔgbɔmeʋawɔnu bliboa katã ŋu vɔ la, eɖo aɖaŋu vevi aɖe hã. Le kametete kple Satana me la, ele be Kristotɔwo nanye amesiwo ‘doa gbe ɖa kple kukuɖeɖewo katã.’ Zi nenie woado gbe ɖa? Paulo ŋlɔe be: “[Mido] gbe ɖa le ɣeawokatãɣi me le gbɔgbɔ me.” (Efesotɔwo 6:18) Ne míedo go tetekpɔwo, dodokpɔwo, alo dziɖeleameƒo la, gbedodoɖa ate ŋu ado ŋusẽ mí geɖe. (Mateo 26:41) Yesu “tsɔ gbedodoɖawo kple kukuɖeɖewo le eƒe ŋutilã me nɔnɔ ƒe ŋkekewo me hekpe ɖe ɣlidodo sesĩ kple aɖatsiwo ŋu va amesi te ŋu xɔe tso ku me la gbɔ, eye wòɖo toe le esi wòvɔ̃a Mawu la ŋuti.”—Hebritɔwo 5:7.

18 Milagros, amesi kpɔ srɔ̃aŋutsu si lé dɔmavɔleameŋu dzi ƒe 15 kple edzivɔ la gblɔ be: “Ne dzi ɖe le ƒonye la, medoa gbe ɖa na Yehowa. Ame aɖeke mate ŋu akpe ɖe ŋunye wu eyama o. Nyateƒee, ɣeaɖewoɣi la, mesena le ɖokuinye me be nyemagate ŋu ayi edzi ado dzi o. Gake enuenu la, ne medo gbe ɖa na Yehowa vɔ la, mesenɛ le ɖokuinye me be ŋusẽ kple gbɔgbɔ yeye gaɖo ŋunye.”

19, 20. Nukae wòle be míawɔ be míaɖu dzi le míaƒe aʋawɔwɔ kple Satana me?

19 Esi Abosam nya be vovoɣi vi aɖe koe susɔ na ye ta la, ele agbagba dzem wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe be yeaɖu mía dzi. (Nyaɖeɖefia 12:12, 17) Ele be míatsi tre ɖe futɔ sesẽ sia ŋu ‘ahaʋli xɔse ƒe ʋiʋli nyui la.’ (Timoteo I, 6:12) Míehiã ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu hena esia wɔwɔ. (Korintotɔwo II, 4:7) Míehiã Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe kpekpeɖeŋu hã, eyata ele be míado gbe ɖa abiae. Yesu gblɔ be: “Mi, amesiwo nye ame vɔ̃ɖiwo, mienya alesi miana nunana nyui mia viwo, ʋuu keke Fofo, si le dziƒo la, mana gbɔgbɔ kɔkɔe amesiwo bianɛ la o mahã?”—Luka 11:13.

20 Eme kɔ ƒã be ele vevie be míado aʋawɔnu blibo la katã si Yehowa nana la. Gbɔgbɔmeʋawɔnu sia dodo bia be míatu mawumenɔnɔme siwo nye xɔse kple dzɔdzɔenyenye ɖo. Ebia be míalɔ̃ nyateƒea abe ɖe míetsɔe bla ali dzi ene, be míanɔ klalo be míaɖe gbeƒã nyanyuia ɣesiaɣi, eye be mɔkpɔkpɔ si le mía ŋgɔ la nanɔ susu me na mí vevie. Ele be míasrɔ̃ alesi míazã gbɔgbɔmeyi la nyuie. Ne míedo Mawu ƒe aʋawɔnu bliboa katã la, míate ŋu aɖu dzi le kametete kple gbɔgbɔmeŋusẽ vɔ̃ɖiwo me eye míate ŋu ahe ŋutikɔkɔe vɛ na Yehowa ƒe ŋkɔ kɔkɔe la.—Romatɔwo 8:37-39.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 6 Le Yesaya ƒe nyagblɔɖia me la, woɖɔ Yehowa be edo “dzɔdzɔenyenye abe gawu ene.” Eyata ebia tso hamemegãwo si be woadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe eye woawɔ nuteƒe.—Yesaya 59:14, 15, 17.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Amekae ɖo kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeake le gbɔgbɔmeʋawɔnu blibo la katã kpakpla me, eye nukatae wòle be míade ŋugble le eƒe kpɔɖeŋua ŋu nyuie?

• Aleke míawɔ akpɔ míaƒe susu kple kpɔɖeŋudzia tae?

• Aleke míawɔ abi le gbɔgbɔ ƒe yi la zazã me?

• Nukatae wòle be míado gbe ɖa ɣeawokatãɣi?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 17]

Biblia sɔsrɔ̃ moveviɖoɖotɔe ate ŋu aʋã mí míaɖe gbeƒã nyanyuia ɣeawokatãɣi

[Nɔnɔmetata siwo le axa 18]

Míaƒe mɔkpɔkpɔ si ŋu kakaɖedzi le kpena ɖe mía ŋu míenɔa te ɖe dodokpɔwo nu

[Nɔnɔmetata siwo le axa 19]

Èzãa “gbɔgbɔ ƒe yi” la le subɔsubɔdɔa mea?