Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Miyi Edzi Mianɔ Ŋusẽ Xɔm Le Aƒetɔ La Me’

‘Miyi Edzi Mianɔ Ŋusẽ Xɔm Le Aƒetɔ La Me’

Miyi Edzi Mianɔ Ŋusẽ Xɔm Le Aƒetɔ La Me’

‘Miyi edzi mianɔ ŋusẽ xɔm le Aƒetɔ la kple eƒe ŋusẽ ƒe ŋutete la me.’—Efesotɔwo 6:10.

1. (a) Aʋa madzɔkpɔ kae wowɔ anye ƒe 3,000 enye si va yi? (b) Nukatae Dawid ɖu aʋaa dzi?

ANƆ ƒe 3,000 enye si va yi la, asrafo eve aɖewo, siwo tso aʋakɔ eve siwo kpe aʋa dome, la dze ŋgɔ wo nɔewo. Asrafo ɖevitɔ lae nye alẽkplɔvi aɖe si ŋkɔe nye Dawid. Goliat, ŋutsu sesẽ dzɔtsu aɖee wòdze ŋgɔe. Eƒe gawu ƒe kpekpeme anɔ abe kilogram 57 ene, eye wòlé akplɔ kpekpe kple yi gã aɖe ɖe asi. Dawid ya mekpla aʋawɔnu aɖeke o, eye akafo ɖeɖekoe nye lãnu le esi. Goliat Filistitɔ dzɔtsu la susu be enye gbɔɖiɖi ye be Israel-vi ɖevi aɖee va tsi tre be yeawɔ aʋa kpli ye. (Samuel I, 17:42-44) Amesiwo nɔa nua teƒe kpɔm la anya bu nusi emetsonua ava nye xoxo le susu me. Gake aʋadziɖuɖu mele kalẽtɔnyenye me ɣesiaɣi o. (Nyagblɔla 9:11) Dawid ɖu aʋaa dzi elabena ewɔe le Yehowa ƒe ŋusẽ me. Egblɔ be: “Aʋa enye Yehowa tɔ.” Biblia me nuŋlɔɖia gblɔ be “David tsɔ akafo kple kpe la kpɔ ŋusẽ ɖe Filistitɔ la dzi.”—Samuel I, 17:47, 50.

2. Aʋa ka ƒomevie Kristotɔwo wɔna?

2 Kristotɔwo mewɔa ŋutilãmeʋa o. Togbɔ be wonɔa anyi kple amewo katã le ŋutifafa me hã la, wowɔa gbɔgbɔmeʋa aɖe kple futɔ sesẽ aɖewo. (Romatɔwo 12:18) Le lɛta si Paulo ŋlɔ na Efeso-hamea ƒe ta mamlɛtɔ me la, eƒo nu tso aʋa aɖe si ka Kristotɔ ɖesiaɖe ŋu. Eŋlɔ be: “Míele kame tem kple ʋu kpakple ŋutilã o, ke boŋ mía kple dziɖulanyenye kple ŋusẽ kple xexe sia me fia, siwo le fifi viviti sia me kpakple vɔ̃ɖinyenye ƒe gbɔgbɔ, siwo le dziƒonutowo me lae le kame tem.”—Efesotɔwo 6:12.

3. Le Efesotɔwo 6:10 ƒe nya nu la, nukae míehiã hafi ate ŋu aka ɖe edzi be míakpɔ dzidzedze?

3 Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃woe nye “vɔ̃ɖinyenye ƒe gbɔgbɔ” mawo, siwo ƒe didi enye be yewoagblẽ mía kple Yehowa Mawu dome ƒomedodo me. Esi wosesẽ wu mí sasasã ta la, míaƒe nɔnɔmea sɔ kple Dawid tɔ, eye míate ŋu aɖu dzi o negbe ɖeko míexɔ ŋusẽ tso Mawu gbɔ hafi. Le nyateƒe me la, Paulo xlɔ̃ nu mí be ‘míayi edzi anɔ ŋusẽ xɔm le Aƒetɔ kple eƒe ŋusẽ ƒe ŋutete la me.’ (Efesotɔwo 6:10) Esi apostoloa ɖo aɖaŋu ma vɔ la, eƒo nu tso gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu kple Kristotɔwo ƒe nɔnɔme siwo kpena ɖe mía ŋu be míeɖua aʋaa dzi la ŋu.—Efesotɔwo 6:11-17.

4. Nu vevi eve kawo mee míadzro le nyati sia me?

4 Azɔ mina míadzro nusi Ŋɔŋlɔawo gblɔ tso míaƒe futɔa ƒe ŋusẽ kple eƒe ayemɔwo ŋu me. Emegbe míadzro ametakpɔnu siwo wòle be míazã atsɔ akpɔ mía ɖokui tae me. Ne míewɔ Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi la, míate ŋu aka ɖe edzi be míaƒe futɔwo maɖu mía dzi o.

Kametete Kple Gbɔgbɔmeŋusẽ Vɔ̃ɖiwo

5. Aleke nya ‘kametete’ si wozã le Efesotɔwo 6:12 kpe ɖe mía ŋu be míanya Satana ƒe ayemɔwoe?

5 Paulo gblɔ be míele “kame tem . . . kple vɔ̃ɖinyenye ƒe gbɔgbɔ, siwo le dziƒonutowo me.” Le nyateƒe me la, gbɔgbɔ vɔ̃ gãtɔ kekeakee nye Satana Abosam, “gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia” la. (Mateo 12:24-26) Biblia tsɔ míaƒe aʋawɔwɔa sɔ kple ‘kametete,’ alo avuwɔwɔ ŋkume kple ŋkume. Le blema Helatɔwo ƒe kametehoʋiʋliwo me la, kametelawo dometɔ ɖesiaɖe dzea agbagba be yeaɖe ke le ye nɔvi te ne wòadze anyi. Nenema ke Abosam hã dina be yeaɖe ke le mía te le gbɔgbɔ me ne míadze anyi. Aleke wòate ŋu ana esia nadzɔ ɖe mía dzii?

6. Zã Ŋɔŋlɔawo natsɔ afia alesi Abosam ate ŋu azã mɔnu vovovowo be yeagblẽ míaƒe xɔse mee.

6 Abosam ate ŋu awɔ nu abe da, dzata si le gbe ɖem, alo kekeli ƒe dɔla kura gɔ̃ hã, ene. (Korintotɔwo II, 11:3, 14; Petro I, 5:8) Ate ŋu azã amegbetɔwo woati mía yome alo aɖe dzi le mía ƒo. (Nyaɖeɖefia 2:10) Esi xexeame katã le Satana ƒe ŋusẽ te ta la, ate ŋu azã eme nudzodzrowo kple susuhenuwo atre mɔ̃ na mí. (Timoteo II, 2:26; Yohanes I, 2:16; 5:19) Ate ŋu azã xexeame alo xɔsegbelawo ƒe nukpɔsusuwo akplɔ mí atrae, abe alesi ko wòble Xawae ene.—Timoteo I, 2:14.

7. Nukae gbɔgbɔ vɔ̃wo mate ŋu awɔ mí o, eye kpekpeɖeŋu kae li na mí?

7 Togbɔ be Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe aʋawɔnuwo adze abe ɖe woakpe mía dzi godoo ene hã la, seɖoƒe li na woƒe ŋutete. Gbɔgbɔ vɔ̃ siawo mate ŋu azi mía dzi be míawɔ nu vɔ̃ɖi siwo medzea mía Fofo si le dziƒo la ŋu o. Wona tiatiawɔblɔɖe mí, eye ŋutete le mía si be míabu nuwo ŋu nyuie hafi awɔ wo. Gawu la, menye míawo ɖeɖee le aʋa la wɔm o. Míaƒe ŋkekeawo le abe alesi Elisa ƒe ŋkekeawo nɔ ene: “Amesiwo le mía dzi la, sɔ gbɔ wu amesiwo le wo dzi.” (Fiawo II, 6:16) Biblia ka ɖe edzi na mí be ne míebɔbɔ mía ɖokui ɖe Mawu te eye míetsi tre ɖe Abosam ŋu la, asi le mía gbɔ.—Yakobo 4:7.

Satana ƒe Ayemɔwo Le Nyanya Na

8, 9. Tetekpɔ kawoe Satana he va Hiob dzi be yeagblẽ eƒe nuteƒewɔwɔ me, eye gbɔgbɔmefɔku kawoe míedze ŋgɔe egbea?

8 Satana ƒe ayemɔwo mele ɣaɣla ɖe mí o elabena Ŋɔŋlɔawo ɖe eƒe mɔnu vevi siwo wòzãna la fia mí. (Korintotɔwo II, 2:11) Abosam he gakuxi sesẽwo, ame veviwo ƒe ku, ƒometɔwo ƒe tsitretsiɖeŋu, ŋutilã me vevesese, kpakple alakpa xɔlɔ̃wo ƒe ɖeklemiɖeɖe siwo ŋu kpeɖodzi aɖeke mele o va ame dzɔdzɔe Hiob dzii. Hiob lé blanui eye wòsusu be Mawu gblẽ ye ɖi. (Hiob 10:1, 2) Togbɔ be Satana mahe kuxi siawo vɛ tẽ egbea o hã la, fukpekpe siawo vaa Kristotɔ geɖewo dzi, eye Abosam ate ŋu azã wo awɔ eƒe tameɖoɖo dzi.

9 Gbɔgbɔmefɔkuwo le dzidzim ɖe edzi ŋutɔ le nuwuɣi sia me. Míele xexe aɖe si me wodea asixɔxɔ ŋutilãmenuwo ŋu wu gbɔgbɔ me taɖodzinuwo me. Wotoa nyadzɔdzɔgblɔmɔnuwo dzi ɖenɛ fiana be agbegbegblẽnɔnɔ naa wokpɔa dzidzɔ, evɔ dzigbagbã boŋue wòhena vanɛ. Eye ame akpa gãtɔ va zu ‘agbeɖuɖu lɔ̃lawo wu Mawu lɔ̃lawo.’ (Timoteo II, 3:1-5) Ne ‘míeʋli xɔse la ta sesĩe’ o la, nukpɔsusu sia ate ŋu ade míaƒe gbɔgbɔmekelili afɔku me.—Yuda 3.

10-12. (a) Nuxlɔ̃me kae Yesu na le kpɔɖeŋu si wòwɔ ku ɖe nukuwulaa ŋu me? (b) Wɔ alesi woate ŋu axe mɔ ɖe gbɔgbɔmenuwo nui ƒe kpɔɖeŋu.

10 Satana ƒe ayemɔ siwo dzea edzi wu dometɔ ɖeka enye be yeahe mí ade xexe sia kple eƒe ŋutilãmenuwo yometiti vivivo me. Le kpɔɖeŋu si Yesu wɔ ku ɖe nukuwulaa ŋu me la, exlɔ̃ nu be le go aɖewo me la, “xexeame ƒe agbagbadzedze kple kesinɔnuwo ƒe beble vu tsyɔ [Fiaɖuƒe ŋuti] nya la dzi.” (Mateo 13:18, 22) Helagbe me nya si gɔme woɖe le afisia be “vu tsyɔ” la fia be “woatro kɔ le nane nu keŋkeŋ.”

11 Le ave siwo le anyigba xɔdzowo dzi me la, woate ŋu akpɔ gboti si vuna tsyɔ ati bubuwo dzi. Enɔa tsitsim vivivi henɔa xatsaxatsam ɖe ati si te ɖe eŋu la ŋu. Vivivi la, gbotia nɔa eƒe ke siwo nɔa lolom ɖe edzi la xatsam ɖe ati si te ɖe eŋu la ŋu. Mlɔeba la, gbotia ƒe ke gbogboawo xɔa nunyiame akpa gãtɔ siwo le tome na atia eye eƒe aŋgbawo vuna tsyɔa edzi ale be kekeli megate ŋu ɖoa atia gbɔ o. Mlɔeba la, ati si xa wòmie ɖo la kuna.

12 Nenema ke dzimaɖitsitsi ɖe nuɖoanyi sia me nuwo ŋu kple kesinɔnuwo kpakple agbe si me dzidzeme le nɔnɔ yome titi vivivo ate ŋu axɔ ɣeyiɣi kple ŋusẽ geɖe le mía si vivivi. Ne míaƒe susu va trɔ ɖe xexeamenuwo ŋu la, anɔ bɔbɔe be míaŋe aɖaba aƒu ɖokuisi Biblia sɔsrɔ̃ dzi eye wòava zu numame na mí be míanɔ Kristotɔwo ƒe kpekpewo dam ƒu, si awɔe be míaganɔ gbɔgbɔmenunyiame xɔm o. Ŋutilã me taɖodzinuwo ava xɔ ɖe gbɔgbɔmedɔwo teƒe, eye mlɔeba la, Satana ƒe asi asu mía dzi bɔbɔe.

Ehiã be Míanɔ Te Sesĩe

13, 14. Ne Satana tsi tre ɖe mía ŋu la, nukae wòle be míawɔ?

13 Paulo xlɔ̃ nu haxɔsetɔwo be ‘woanɔ te sesĩe ɖe Abosam ƒe aɖaŋu vɔ̃wo nu.’ (Efesotɔwo 6:11) Enye nyateƒe be míate ŋu atsrɔ̃ Abosam kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ya o. Yesu Kristoe Mawu de dɔ ma asi na. (Nyaɖeɖefia 20:1, 2) Gake vaseɖe esime woaɖe Satana ɖa la, ele be ‘míanɔ te sesĩe’ bene míagana ta le eƒe amedzidzedzeawo te o.

14 Apostolo Petro hã te gbe ɖe alesi wòle vevie be míanɔ te sesĩe ɖe Satana ŋu la dzi. Petro ŋlɔ be: “Minɔ mo xexi, minɔ ŋudzɔ; elabena miaƒe adikãtɔ, Abosam, le tsatsam abe dzata, si le gbe ɖem hele ame dim, be yeavuvu ami ene; minɔ tsitre sesĩe ɖe eyama ŋuti le xɔse me, esi mienyae bena, fukpekpe mawo ke va mia nɔvi, siwo le xexeame la dzi.” (Petro I, 5:8, 9) Le nyateƒe me la, mía nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo ƒe kpekpeɖeŋu hiã vevie be míanɔ te sesĩe ne Abosam dze mía dzi abe dzata si le gbe ɖem ene.

15, 16. Gblɔ Ŋɔŋlɔa me kpɔɖeŋu aɖe nàtsɔ afia alesi haxɔsetɔwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋui be míanɔ te sesĩe.

15 Ne dzata aɖe ɖe gbe le Afrika dzogbe ƒe teƒe aɖe la, avugbɔ̃e siwo te ɖe afima ŋu ƒua du sesĩe vaseɖe esime wosi le afɔkua nu. Gake atiglinyiwo ya ɖoa kpekpe ɖe ame nɔewo ŋu ƒe kpɔɖeŋu aɖe. Agbalẽ si nye Elephants—Gentle Giants of Africa and Asia [Atiglinyiwo—Afrika kple Asia Lã Klitsu Fatuwo] ɖe nu me be: “Nusi atiglinyi hatsotsowo wɔna tsɔ kpɔa wo ɖokui tae nye be woɖona ɖe fli kotoo me, tsitsitɔwo trɔa ŋkume ɖe gota ɖona ɖe ŋɔdzinua eye sueawo tsia fli kotoa titina henɔa dedie.” Le ŋusẽ kple kpekpe ɖe ame nɔewo ŋu ƒe nuwɔna sia ta la, ƒã hafi dzatawo te ŋu léa atiglinyiviwo gɔ̃ hã.

16 Nenema ke ne Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo do ŋɔdzi na mí la, ele be míawo hã míawɔ ɖeka, awɔ nu aduadu kple mía nɔvi siwo le tsitre sesĩe le xɔse me. Paulo lɔ̃ ɖe edzi be hati Kristotɔ aɖewo zu “akɔfafa” na ye le yeƒe gaxɔmenɔɣi le Roma. (Kolosetɔwo 4:10, 11) Zi ɖeka pɛ koe Helagbe me nya si gɔme woɖe be “akɔfafa” la dze le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me. Vine ƒe Expository Dictionary of New Testament Words gblɔ be “dɔwɔnya si do tso nya ma me fia vevesesenutsitikewo.” Yehowa subɔla siwo tsi le gbɔgbɔ me ate ŋu ana seselelãme alo ŋutilã me vevesese nu nafa na mí abe alesi ami sisi ɖe nane dzi naa nua bɔbɔnae ene.

17. Nukae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míawɔ nuteƒe na Mawu?

17 Hati Kristotɔwo ƒe dzidede ƒo na ame ate ŋu ado ŋusẽ míaƒe tameɖoɖo kplikpaa be míasubɔ Mawu nuteƒewɔwɔtɔe egbea. Enye Kristotɔ hamemegãwo koŋ ƒe didi vevie be yewoana gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu. (Yakobo 5:13-15) Nusiwo akpe ɖe mía ŋu míawɔ nuteƒe dometɔ aɖewoe nye Biblia sɔsrɔ̃ edziedzi kple Kristotɔwo ƒe kpekpewo kpakple takpekpewo dede. Ƒomedodo kplikplikpli si le mía ŋutɔwo kple Mawu dome kpena ɖe mía ŋu míewɔa nuteƒe nɛ. Le nyateƒe me la, míeɖale nu ɖum, le nu nom, alo le nu bubu aɖe wɔm o, ele be míadi be míawɔ ye katã hena Mawu ƒe kafukafu. (Korintotɔwo I, 10:31) Eme kɔ ƒã be ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu kple gbedodoɖa le vevie bene míate ŋu ayi edzi awɔ nusi adze eyama ŋu.—Psalmo 37:5.

18. Ne nɔnɔme sesẽwo na be míegbɔdzɔ kura gɔ̃ hã la, nukatae mele be míana ta o?

18 Ɣeaɖewoɣi la, ne míese le mía ɖokui me be míegbɔdzɔ le gbɔgbɔ me ye Satana dzea mía dzi. Lã si ŋu ŋusẽ mele o dzie dzata dzena. Ƒomekuxiwo, ganyawo ƒe sesẽ, alo dɔléle ate ŋu ana ŋusẽ navɔ le mía ŋu le gbɔgbɔ me. Gake migana ɖeɖi nate mía ŋu le nusi dze Mawu ŋu la wɔwɔ me o, elabena Paulo gblɔ be: “Ne megbɔdzɔ la, ekema mesẽa ŋu.” (Korintotɔwo II, 12:10; Galatiatɔwo 6:9; Tesalonikatɔwo II, 3:13) Nukae wòwɔnɛ? Efia be ne le míaƒe amegbetɔnyenye ta míegbɔdzɔ hã la, Yehowa ate ŋu ado ŋusẽ mí ne míetrɔ ɖe eŋu hebia kpekpeɖeŋu. Dawid ƒe Goliat dzi ɖuɖu fia be Mawu ate ŋu ado ŋusẽ eƒe amewo eye be edonɛ wo hã. Yehowa Ðasefo siwo li egbea ate ŋu aɖi ɖase be le xaxa ƒe ɣeyiɣi sesẽwo me la, Mawu do ŋusẽ yewo.—Daniel 10:19.

19. Gblɔ kpɔɖeŋu aɖe nàtsɔ afia alesi Yehowa ate ŋu ado ŋusẽ eƒe subɔlawoe.

19 Ku ɖe kpekpeɖeŋu si Mawu naa wo ŋu la, atsu kple asi aɖe ŋlɔ bena: “Le ƒe geɖe siwo va yi me la, míesubɔ Yehowa abe srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu ene, míexɔ yayra geɖe, eye míeva dze si ame nyui geɖewo. Yehowa na hehe mí eye wòdo ŋusẽ hã mí be míete ŋu do dzi to xaxawo me dzidzedzetɔe. Abe Hiob ene la, míese nusitae nanewo dzɔ la gɔme ɣesiaɣi o, gake míenyae be Yehowa le klalo ɣesiaɣi be yeakpe ɖe mía ŋu.”

20. Ŋɔŋlɔ me kpeɖodzi kae li si fia be Yehowa kpena ɖe eƒe amewo ŋu?

20 Yehowa ƒe alɔ meto ɖe eme be maxɔ na ame ahado ŋusẽ amesiwo wɔa nuteƒe nɛ o. (Yesaya 59:1) Hakpala Dawid dzi ha be: “Yehowa tso amesiwo katã dze anyi la xɔ, eye wòfɔ amesiwo katã wobɔbɔ ɖe anyi la, ɖe tsitrenu.” (Psalmo 145:14) Le nyateƒe me la, mía Fofo si le dziƒo ‘tsɔa míaƒe agbawo gbeawotsyogbe’ eye wònaa mí nusiwo hiã mí ŋutɔŋutɔ.—Psalmo 68:20.

Míehiã “Mawu ƒe Aʋawɔnu Blibo la Katã”

21. Aleke Paulo te gbe ɖe gbɔgbɔmeʋawɔnu ƒe vevienyenye dzii?

21 Míedzro Satana ƒe mɔnu aɖewo me eye míekpɔe be ehiã be míanɔ te sesĩe ɖe eƒe amedzidzedzewo nu. Azɔ ele be míade ŋugble tso kpekpeɖeŋu bubu si ana míaʋli míaƒe xɔse ta dzidzedzetɔe ŋu. Apostolo Paulo ƒo nu tso nu vevi aɖe si ana míanɔ te sesĩe ɖe Satana ƒe aɖaŋu vɔ̃wo nu ahate kame kple gbɔgbɔmeŋusẽ vɔ̃ɖiwo dzidzedzetɔe ŋu le eƒe lɛta si wòŋlɔ na Efeso-hamea me zi eve sɔŋ. Paulo ŋlɔ be: “Mido Mawu ƒe aʋawɔnu blibo la katã, bene miate ŋu anɔ te ɖe Abosam ƒe aɖaŋu vɔ̃wo nu . . . Mikpla Mawu ƒe aʋawɔnu blibo la katã, bene miate ŋu anɔ te le ŋkeke vɔ̃ la dzi, eye ne miewu wo katã nu vɔ la, miakpɔ tsitrenɔnɔ.”—Efesotɔwo 6:11, 13.

22, 23. (a) Nukae míaƒe gbɔgbɔmeʋawɔnua lɔ ɖe eme? (b) Nuka me míadzro le nyati si kplɔ esia ɖo me?

22 Ẽ, ele be míado “Mawu ƒe aʋawɔnu blibo la katã.” Esime Paulo nɔ eƒe lɛta sia ŋlɔm na Efesotɔwo la, Roma-srafo aɖe si ɖewohĩ doa aʋawɔnu bliboa katã ɣeaɖewoɣi ye nɔ eŋu dzɔm. Gake Mawu ƒe gbɔgbɔe ʋã apostoloa wòdzro gbɔgbɔmeʋawɔnu si Yehowa subɔla ɖesiaɖe hiã vevie la me.

23 Mawu ƒe aʋawɔnu sia lɔ nɔnɔme aɖewo ƒe amesinɔnɔ kple gbɔgbɔmeɖoɖo siwo tso Yehowa gbɔ siwo wòle be woanɔ Kristotɔ ɖesiaɖe si ŋudɔwɔwɔ ɖe eme. Le nyati si kplɔ esia ɖo me la, míadzro gbɔgbɔmeʋawɔnu sia ƒe akpa ɖesiaɖe me. Numedzodzro sia ana míanya alesi míedzra ɖoe ɖe gbɔgbɔmeʋawɔwɔa ŋu. Le ɣeyiɣi ma ke me la, míakpɔ alesi Yesu Kristo ƒe kpɔɖeŋu nyui la kpena ɖe mía ŋu míekpɔa dzidzedze le tsitretsitsi ɖe Satana Abosam ŋu me.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Aʋa ka wɔmee Kristotɔwo katã le?

• Ƒo nu tso Satana ƒe ayemɔ aɖewo ŋu.

• Aleke haxɔsetɔwo ƒe kpekpeɖeŋu ate ŋu ado ŋusẽ míi?

• Ameka ƒe ŋusẽ ŋue wòle be míaɖo ŋu ɖo, eye nukatae?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 11]

Kristotɔwo le ‘kame tem kple gbɔgbɔmeŋusẽ vɔ̃ɖiwo’

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Dzimaɖitsitsi ɖe nuɖoanyi sia ƒe nuwo ŋu ate ŋu avu atsyɔ Fiaɖuƒenya la dzi

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Hati Kristotɔwo ate ŋu anye “akɔfafa” na mí

[Nɔnɔmetata si le axa 14]

Ðe nèdoa gbe ɖa biaa ŋusẽ tso Mawu gbɔa?