Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nya Vevi Siwo Tso Mose ƒe Agbalẽ Atɔ̃lia Me

Nya Vevi Siwo Tso Mose ƒe Agbalẽ Atɔ̃lia Me

Yehowa ƒe Nya la Le Agbe

Nya Vevi Siwo Tso Mose ƒe Agbalẽ Atɔ̃lia Me

ƑE 1473 D.M.Ŋ. mee. Ƒe 40 va yi xoxo tso esime Yehowa ɖe Israel-viwo tso kluvinyenye me le Egipte. Israel-viwo ganye dukɔ si si anyigba aɖeke mele o le gbeadzi nɔnɔ le ƒe siawo me megbe. Gake mlɔeba la, wote tu Ŋugbedodonyigbaa azɔ. Nukae adzɔ ɖe wo dzi ne woxɔe wòzu wo tɔ? Kuxi kawoe woado goe eye aleke wòle be woakpɔ wo gbɔe?

Hafi Israel-viwo natso Yordan-tɔsisia aɖo Kanaan-nyigba dzi la, Mose dzra wo ɖo ɖe dɔ nyadri si le wo lalam ŋu. Alekee? Eyae nye be eƒo nuƒo vovovo siwo de dzi ƒo na wo, xlɔ̃ nu wo, ka mo na wo hena nyanya wo tso nusiwo le ŋgɔ ŋu. Eɖo ŋku edzi na Israel-viawo be Yehowa Mawu dze na ɖokuitsɔtsɔna blibo eye be mele be woasrɔ̃ dukɔ siwo ƒo xlã wo la ƒe nuwɔnawo o. Nuƒo siawoe nye nya siwo le Biblia-gbalẽ si nye Mose ƒe Agbalẽ Atɔ̃lia me la ƒe akpa gãtɔ. Eye nuxlɔ̃ame si wona le wo me la tututue míehiã egbea, elabena míawo hã míele xexe aɖe si me ame ɖokui tsɔtsɔ na Yehowa bliboe nye nu sesẽ le me.—Hebritɔwo 4:12.

Mose ye ŋlɔ Mose ƒe Agbalẽ Atɔ̃lia negbe ta mamlɛtɔa koe mele eme o, eye ɣleti eve kple nu via aɖe ƒe nudzɔdzɔwo ŋue wòƒo nu tsoe. * (Mose V, 1:3; Yosua 4:19) Mina míakpɔ alesi aɖaŋuɖoɖo siwo le afima ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míalɔ̃ Yehowa Mawu kple míaƒe dzi blibo ahasubɔe nuteƒewɔwɔtɔe ɖa.

‘MÈGAŊLƆ NUSIWO NÈKPƆ KPLE WÒ ŊKU LA BE O’

(Mose V, 1:1–4:49)

Le Mose ƒe nuƒo gbãtɔa me la, eƒo nu tso nusiwo dzɔ le gbeadzi la dometɔ aɖewo ŋu—vevietɔ esiwo akpe ɖe Israel-viwo ŋu esi wole dzadzram ɖo be yewoaxɔ Ŋugbedodonyigba la. Nuŋlɔɖi si ku ɖe alesi woɖo ʋɔnudrɔ̃lawoe ŋu la anya ɖo ŋku edzi na wo be Yehowa wɔa ɖoɖo ɖe eƒe amewo ŋu lɔlɔ̃tɔe. Mose gblɔ na wo hã be nyatakaka gbegblẽ si ŋkutsala ewoawo va na lae wɔe be dzidzime si do ŋgɔ na wo la meɖo ŋugbedodonyigbaa dzi o. Bu alesi kpɔɖeŋu nuxlɔ̃ame sia awɔ dɔ ɖe amesiwo nɔ Mose ƒe nyawo sem dzii esi anyigba ma le woa ŋutɔwo ŋkume pɛɛ wole kpɔkpɔm la ɖa.

Ŋkuɖoɖo aʋadziɖuɖu siwo Yehowa na Israel-viwo kpɔ do ŋgɔ na woƒe Yordan tsotso la anya na dzi ɖo wo ƒo esi wole klalo be yewoadze anyigba siwo le tɔsisia ƒe go kemɛ la xɔxɔ gɔme. Trɔ̃subɔsubɔ xɔ aƒe ɖe anyigba si xɔ ge wole la dzi. Eyata esɔ nyuie ŋutɔ be Mose xlɔ̃ nu wo moveviɖoɖotɔe tso legbasubɔsubɔ ŋu!

Ŋɔŋlɔawo me Biabiawo Ŋuɖoɖo:

2: 4-6, 9, 19, 24, 31-35; 3:1-6—Nukatae Israel-viwo tsrɔ̃ amesiwo nɔ Yordan-tɔsisia ƒe ɣedzeƒekpa dzi dometɔ aɖewo evɔ wogblẽ ame bubuwo ya ɖi? Yehowa de se na Israel-viwo be woagawɔ aʋa kple Esau-viwo o. Nukatae? Elabena wonye Yakob nɔvi ƒe dzidzimeviwo. Wogblɔ na Israel-viwo be woagasẽ ŋuta le Moabitɔwo kple Amonitɔwo ŋu loo alo awɔ aʋa kple wo o, elabena wonye Abraham tɔgãyɔvi Lot ƒe dzidzimeviwo. Gake ƒomedodo aɖeke mele Amoritɔwo ƒe Fia Sixon kple Og kpakpli wo dome o, eyata anyigba si dzi wole la menye wo tɔ o. Eyata esi Sixon gbe be yemaɖe mɔ Israel-viwo nato yeƒe anyigba dzi o eye Og va be yeawɔ aʋa kpli wo la, Yehowa de se na Israel-viwo be woatsrɔ̃ woƒe duwo, eye womegana ame aɖeke natsi agbe o.

4:15-20, 23, 24—Ðe se si wode be woagawɔ nɔnɔmetata aɖeke o la fia be menyo be woawɔ nuwo ƒe nɔnɔmetata le atsyɔ̃ɖoɖo ta oa? Ao. Se si wode le afisia la ku ɖe nɔnɔmetatawo wɔwɔ ade ta agu na wo ŋu—seawo tsi tre ɖe ‘tadede agu na legbawo kple wo subɔsubɔ ŋu.’ Ŋɔŋlɔawo metsi tre ɖe atinuwo kpakpa alo nuwo tata le atsyɔ̃ɖoɖo ta ŋu o.—Fiawo I, 7:18, 25.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme na Mí:

1:2, 19. Israel-viwo tsa tsaglãla le gbeadzi anɔ ƒe 38 sɔŋ, togbɔ be “ŋkeke wuiɖekɛ ƒe azɔli tso Xoreb [tonuto si ƒo xlã Sinai-to si gbɔ wotsɔ Se Ewoawo na le] ɖo ta Seir-towo gbɔ” koe woazɔ aɖo Kades-Barnea hafi. Fe gã ka gbegbee nye esi woxe ɖe tomaɖomaɖo Yehowa Mawu ta!—Mose IV, 14:26-34.

1:16, 17. Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ dzidzenuwo metrɔ egbea o. Mele be amesiwo dzi agba le be woanɔ ʋɔnudrɔ̃kɔmiti me la naɖe mɔ ameŋkumekpɔkpɔ alo amegbetɔvɔvɔ̃ nana woatro gbo ʋɔnudɔdrɔ̃a o.

4:9. Hafi nu nadze edzi na Israel-viwo la, ‘mele be woaŋlɔ nusiwo wokpɔ kple woƒe ŋku la be o.’ Esi xexe yeyea gogo ta la, ele vevie be míawo hã míato eƒe Nya la sɔsrɔ̃ vevie dzi ana míaƒe susu nanɔ nu wɔnuku siwo Yehowa wɔ dzi.

LƆ̃ YEHOWA, EYE NÀWƆ EƑE SEWO DZI

(Mose V, 5:1–26:19)

Le nuƒo evelia si Mose ƒo me la, eɖo ŋku Se si wotsɔ na wo le Sinai-toa dzi la dzi hegbugbɔ gblɔ Se Ewoawo. Eyɔ dukɔ adre aɖewo koŋ be ele be woatsrɔ̃ wo ɖa gbidigbidi. Eɖo ŋku nu vevi aɖe si Israel-viwo srɔ̃ le gbeadzi la dzi na wo: “Amegbetɔ mele abolo ƒe agbe ko o, ke boŋ amegbetɔ le agbe le nya, siwo katã do tso Yehowa nu la ta.” Le nɔnɔme yeye si me woava nɔ me la, ele be ‘woawɔ se siwo katã wòde na wo la dzi.’—Mose V, 8:3; 11:8.

Menye se siwo ku ɖe tadedeagu ŋu koe Israel-viwo ahiã ne wova ɖo ŋugbedodonyigbaa dzi o, ke woahiã esiwo ku ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃, dziɖuɖu, aʋawɔwɔ, kple gbesiagbe hadomegbenɔnɔ kpakple ame ŋutɔ ƒe gbesiagbegbenɔnɔ hã ŋu. Mose gbugbɔ dzro se siawo me hete gbe ɖe alesi wòhiã be woalɔ̃ Yehowa ahaɖo to eƒe sewo la dzi.

Ŋɔŋlɔawo me Biabiawo Ŋuɖoɖo

8:3, 4—Mɔ ka nue Israel-viwo ƒe awuwo mevuvu o eye woƒe afɔwo mete o le gbeadzi mɔzɔzɔa katã me le? Esia nye nukunu, abe alesi ko mana si wonaa wo gbesiagbe la nɔ ene. Israel-viwo zã awu kple afɔkpa ɖeka mawo ke siwo wotsɔ dze mɔzɔzɔa gɔme, eye anɔ eme be esi ɖeviwo nɔ tsitsim eye ame tsitsi aɖewo nɔ kukum la, wotsɔ wo na ame bubuwo. Esi wònye amexexlẽ eve siwo wowɔ le gbeadzi mɔzɔzɔa ƒe gɔmedzedze kple nuwuwu ɖee fia be Israel-viwo ƒe xexlẽme medzi ɖe edzi o ta la, nusiawo siwo nɔ wo si le gɔmedzedzea me la asu.—Mose IV, 2:32; 26:51.

14:21—Nukatae Israel-viwo ate ŋu atsɔ lã tsiʋume si mele be woawo ŋutɔ naɖu o la ana amedzro aɖe alo adzrae na du bubu me tɔ aɖe? Le Biblia me la, nya “amedzro” ate ŋu afia ame aɖe si menye Israel-vi o si nye trɔ̃subɔla zu Yudatɔ alo ame aɖe si wɔa se vevi siwo le dukɔa me dzi evɔ mezu Yehowa subɔla o. Du bubu me tɔ alo amedzro siwo menye trɔ̃subɔla zu Yudatɔwo o la mele Sea te o eye le esia ta woate ŋu azã lã siwo wometso ʋui o le mɔ vovovowo nu. Woɖe mɔ na Israel-viwo be woatsɔ lã siawo ana wo alo adzrae na wo. Gake Se ƒe nubablaa ku ɖe amesi nye trɔ̃subɔla zu Yudatɔ ya ŋu. Abe alesi Mose III, 17:10 ɖee fia ene la, wode se na amesia tɔgbe be mekpɔ mɔ aɖu lã ƒe ʋu o.

24:6—Nukatae wotsɔ ‘té kple tévi xɔxɔ awɔbae’ sɔ kple ‘agbe’ xɔxɔ le ame si? Té kple tévi tsi tre ɖi na ame ƒe ‘agbe’ alo nusiwo nu wònɔa agbe ɖo. Nusiawo dometɔ aɖe xɔxɔ le ame si ana ƒome bliboa magakpɔ nusi wòaɖu gbesiagbe o.

25:9—Nukae afɔkpa ɖeɖe le afɔ na amesi gbe be yemaxɔ ye nɔviŋutsu srɔ̃ aɖe o kple taɖeɖe ɖe mo nɛ fia? “Tsã la, ne wole nane xɔ ge le Israel . . . la, ekema ame ɖeka ɖea afɔkpa tsɔna na nɔvia.” (Rut 4:7) Eyata afɔkpa ɖeɖe le afɔ na amesiwo gbe be yemaxɔ ye nɔviŋutsu srɔ̃ aɖe o la ɖo kpe edzi be egbe ɖoƒe kple gome si le esi be wòadzi vi si anyi nɔviaŋutsu si megale agbe o la ƒe nuwo dome la ŋudɔwɔwɔ. Nusia nye ŋukpenanuwɔwɔ. (Mose V, 25:10) Taɖeɖe ɖe mo na amea nye gbɔɖiɖii.—Mose IV, 12:14.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme na Mí:

6:6-9. Abe alesi ko wode se na Israel-viwo be woawɔ ɖe Sea dzi ene la, ele be míawo hã míanya Mawu ƒe seawo nyuie, aɖo ŋku wo dzi ɣesiaɣi, ahaku wo ɖe tome na mía viwo. Ele be ‘míabla wo ɖe míaƒe asi ŋu abe dzesi ene’ le mɔ sia nu be ele be míaƒe nuwɔnawo—siwo míaƒe asiwo nye kpɔɖeŋu na—naɖee afia be míeɖoa to Yehowa. Eye abe ‘nusi wobla ɖe ŋudome’ ene la, ele be amesiame nakpɔe adze sii be míenye toɖolawo.

6:16. Migana míate Yehowa akpɔ abe alesi Israel-vi xɔsemanɔsitɔawo wɔe le Masa, afisi woli liʋiliʋi le tsimanɔanyi ta, ene gbeɖe o.—Mose II, 17:1-7.

8:11-18. Ŋutilãmenudidi ate ŋu ana míaŋlɔ Yehowa be.

9:4-6. Ele be míakpɔ nyuie le ɖokuiŋudzedze ŋu.

13:6. Mele be míaɖe mɔ ame aɖeke nahe mí ɖa tso Yehowa subɔsubɔ gbɔ o.

14:1. Ame ɖokui sisi nye bubumademade amegbetɔ ƒe ŋutilã ŋu, ate ŋu anye alakpasubɔsubɔ nuwɔna, eye ele be míaƒo asa na nusia wɔwɔ. (Fiawo I, 18:25-28) Esi tsitretsitsi mɔkpɔkpɔ le mía si ta la, ame kukuwo fafa wòagbɔ eme alea mesɔ o.

20:5-7; 24:5. Ele be woabu amesiwo le nɔnɔme tɔxɛwo me ŋu, togbɔ be dɔ si wɔm woanɔ ahiã kpata hã.

22:23-27. Mɔ vevi siwo dzi nyɔnu si gbɔ ame aɖe di be yeadɔ sesẽe ato akpɔ eɖokui ta le dometɔ ɖekae nye be wòado ɣli.

“MITIA AGBE”

(Mose V, 27:1–34:12)

Le Mose ƒe nuƒo etɔ̃lia me la, egblɔ be ne Israel-viwo tso Yordan-tɔsisia vɔ la, ele be woaŋlɔ Sea ɖe kpe gã aɖewo dzi eye wògblɔ fiƒodenyawo ku ɖe amesi agbe toɖoɖo kple yayranyawo ku ɖe amesi aɖo to ŋu. Nuƒo enelia dze egɔme kple nubabla si le Yehowa kple Israel dome la gbugbɔgagblɔ. Mose gaxlɔ̃ nu ameawo ku ɖe tomaɖomaɖo ŋu ake hede dzi ƒo na wo be ‘woatia agbe.’—Mose V, 30:19.

Hekpe ɖe nuƒo eneawo ƒoƒo ŋu la, Mose gblɔ alesi woaɖo kplɔla yeye na Israel-viwo hefia wo ha vivi aɖe si kafu Yehowa hexlɔ̃ nu tso dzɔgbevɔ̃e siwo ado tso nuteƒemawɔmawɔ me ŋu. Mose ku esi wòyra toawo vɔ megbe, eye ɣemaɣi la, exɔ ƒe 120 eye woɖii. Wofa nɛ ŋkeke 30, si nye nudzɔdzɔ siwo ŋu Mose ƒe Agbalẽ Atɔ̃lia ƒo nu tsoe la ƒe didime ƒe afã kloe.

Ŋɔŋlɔawo me Biabiawo Ŋuɖoɖo:

32:13, 14—Esi wònye wode se na Israel-viwo be woagaɖu lã aɖeke ƒe ami o ɖe, ekema nukae ‘alẽviwo ƒe ami’ si woɖu la fia? Kpɔɖeŋumɔnue wozã nya ami le le afisia eye efia lã nyuitɔwo kekeake. Le New World Translation gɔmeɖeɖea me la, kpukpui ma ke ƒo nu tso “lu ƒe ayiku ƒe ami” kple “weintsetse ƒe ʋu” ŋu, eye esia ɖo kpe edzi be kpɔɖeŋu nyagbɔgblɔe nya sia nye.

33:1-29—Nukatae womeyɔ Simeon ŋkɔ tẽ le yayra siwo Mose na Israel-viwo me o? Esi Simeon kple Lewi wɔ nu ‘tagbɔsesẽtɔe,’ eye woƒe dziku nu “sẽ” tae. (Mose I, 34:13-31; 49:5-7) Woƒe domenyinu mede to bubuawo tɔ nu o. Lewi xɔ du 48, eye eƒe akpa si Simeon xɔ la nɔ Yuda ƒe anyigbamama me. (Yosua 19:9; 21:41, 42) Eyata Mose meyra Simeon etɔxɛ o. Gake Simeon ƒe yayra nɔ yayra si wona Israel-viwo katã dome.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme na Mí:

31:12. Ele be ɖeviwo nanɔ anyi ɖe ame tsitsiwo gbɔ le hamea ƒe kpekpewo me ahadze agbagba be yewoaɖo to ahasrɔ̃ nu.

32:4. Yehowa ƒe dɔwɔwɔwo katã de blibo le mɔ sia nu be woɖea eƒe nɔnɔme siwo nye dzɔdzɔenyenye, nunya, lɔlɔ̃, kple ŋusẽ fiana wòdana sɔna bliboe.

Viɖe Gã aɖe Le Eŋu na Mí

Mose ƒe Agbalẽ Atɔ̃lia gblɔ tso Yehowa ŋu be “Yehowa ɖeka koe!” (Mose V, 6:4) Enye agbalẽ si ƒo nu tso dukɔ aɖe si me tɔwo le ƒomedodo tɔxɛ aɖe me kple Mawu ŋu. Mose ƒe Agbalẽ Atɔ̃lia xlɔ̃ nu hã tso trɔ̃subɔsubɔ ŋu hete gbe ɖe alesi wòhiã be míatsɔ mía ɖokui ana Mawu bliboe dzi.

Viɖe gã aɖe le Mose ƒe Agbalẽ Atɔ̃lia ŋu na mí vavã! Togbɔ be míele Sea te o hã la, míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso eme si akpe ɖe mía ŋu ‘míalɔ̃ Yehowa mía Mawu kple míaƒe dzi blibo, míaƒe luʋɔ blibo, kple míaƒe ŋusẽ blibo.’—Mose V, 6:5.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 3 Anye Yosua alo Nunɔlagã Eleazar ye ŋlɔ ta mamlɛtɔ si ƒo nu tso Mose ƒe ku ŋu la kpee.

[Anyigbatata si le axa 24]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Nuƒo siwo Mose ƒo lae nye nya siwo le Mose ƒe Agbalẽ Atɔ̃lia me la ƒe akpa gãtɔ

Kades-Barnea

SEIR

Sinai-to (Xoreb)

Ƒudzĩa

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Based on maps copyrighted by Pictorial Archive (Near Eastern History) Est. and Survey of Israel

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Nuƒo siwo Mose ƒo lae nye nya siwo le Mose ƒe Agbalẽ Atɔ̃lia me la ƒe akpa gãtɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Nusɔsrɔ̃ kae le mana si Yehowa na la me?

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Té alo tévi xɔxɔ awɔbae le abe “agbe” xɔxɔ ene