Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nukatae woɖe mɔ na Israel ŋutsuwo be woaɖe nyɔnu aboyome siwo nye amedzrowo evɔ Mose ƒe Sea gblɔ be mele be woaɖe amedzro aɖewo o?Mose V, 7:1-3; 21:10, 11.

Susu si ta woɖe mɔ ɖe esia ŋu la ku ɖe nɔnɔme tɔxɛ aɖewo ŋu. Yehowa de se na Israel-viwo be woatsrɔ̃ dukɔ adre aɖewo siwo le Kanaan-nyigba dzi la ƒe duwo ahawu wo me nɔlawo katã. (Mose V, 20:15-18) Le dukɔ bubuwo gome la, ame tsitsi siwo ko ate ŋu atsi agbee nye ɖetugbi leaƒe aboyomewo. (Mose IV, 31:17, 18; Mose V, 20:14) Israel-ŋutsu ate ŋu aɖe nyɔnu sia tɔgbe, gake ele be nyɔnua nawɔ nanewo hafi.

Biblia gblɔ tso afɔ siwo wòle be nyɔnu sia naɖe ŋu be: “Wòako ta, akpa eƒe fetsuwo. Eyome wòaɖe avɔ, si le eŋu, hafi woɖe aboyoe la ɖi, eye wòatsi aƒewò me; wòafa fofoa kple dada ɣleti ɖeka sɔŋ, emegbe nayi egbɔ aɖee wòazu srɔ̃wò.”—Mose V, 21:12, 13.

Ele be ɖetugbi leaƒe aboyome si Israel-vi aɖe di be yeaɖe la nalũ ta. Talulũ nye konyifafa alo nuxaxa ɖeɖefia. (Yesaya 3:24) Le kpɔɖeŋu me, esime blemafofo Hiob ƒe viwo ku eye eƒe nunɔamesiwo katã bu la, elũ ta. (Hiob 1:20) Ele be dutanyɔnua ‘nakpa eƒe fetsuwo’ hã ale be ne eɖo atsyɔ̃ na eƒe fetsuwo hã la, eƒe asiwo manya kpɔ o. (Mose V, 21:12) Nukae nye aboyome nyɔnua ƒe “avɔ, si le eŋu, hafi woɖe aboyoe” si wòle be wòaɖe la? Enye nusi trɔ̃subɔlawo ƒe du siwo xɔ ge woala me nyɔnuwo lɔ̃a wɔwɔ be woadzra ɖo ahanya akpɔ le mɔ nyuitɔ kekeake nu. Wowɔa esia be woatsɔ ana woƒe nu nalé dzi na amesiwo aɖe aboyo wo. Ele be nyɔnu si woɖe aboyoe si le konyi fam la naɖe nudodo siawo.

Ele be nyɔnu aboyome si ava zu Israel-ŋutsu aɖe srɔ̃ la nafa eƒe ame veviwo ɣleti ɖeka. Woatsrɔ̃ du siwo dzi woaɖu la keŋkeŋ ale gbegbe be eƒe ƒometɔ alo ame nyanyɛ aɖeke maganɔ agbe o. Esi wònye Israel-srafowo atsrɔ̃ nyɔnu sia ƒe mawuwo ƒe nɔnɔmewɔwɔwo ta la, nusiwo wòdea ta agu na dometɔ aɖeke maganɔ anyi o. Ɣleti si me aboyome nyɔnua afa konyi la ana wòakɔ eɖokui ŋu hã tso nusiwo katã do ƒome kple eƒe tsã subɔsubɔ la me.

Gake menye nenemae wòle le dutanyɔnu ɖesiaɖe gome o. Yehowa de se tso esia ŋu be: “Megado ƒome kpli wo, ne natsɔ viwònyɔnu na wo viŋutsu alo aɖe wo vinyɔnu na viwòŋutsu o.” (Mose V, 7:3) Nukatae wode se sia? Mose V, 7:4 gblɔ be: “Elabena woana viwòŋutsu natrɔ le yonyeme, eye wòasubɔ mawu bubuwo.” Eyata taɖodzinu si ta wode sea enye be wòakpɔ Israel-viwo ta be woƒe subɔsubɔ nagaƒo ɖi o. Gake ŋɔdzi sia tɔgbe mele dutanyɔnu si le nɔnɔme si me ŋu woƒo nu tsoe le Mose V, 21:10-13 ya ŋu o. Eƒe ƒometɔwo katã ku, eye wotsrɔ̃ mawu siwo wòsubɔna tsã ƒe nɔnɔmewɔwɔwo katã. Ƒomedodo aɖeke mele eya kple alakpa tadeagulawo dome o. Woɖe mɔ na Israel-viwo be woaɖe dutanyɔnu siwo le nɔnɔme sia tɔgbe me.