Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Té Siwo Naa Míekpɔa Nu Ðuna

Té Siwo Naa Míekpɔa Nu Ðuna

Té Siwo Naa Míekpɔa Nu Ðuna

WOYƆNƐ be nuɖuɖu si li tso blemablema ke. Ame aɖewo gblɔna be ne yewomeɖui hafi zã do o la, ke yewomeɖu naneke le ŋkekea me o. Wogblɔna tso eŋu hã be eyae li míeli. Nyateƒee, akplẽ nye míaƒe nuɖuɖu vevitɔ tso blema ke. Le nyateƒe me la, nusiwo hiã amegbetɔ vevie wu dometɔ ɖekae nye alesi wòawɔ akpɔ nu aɖu gbesiagbe.

Nu vevitɔ si wozãna tsɔ ɖana akplẽe nye wɔ, si wokpɔna ne wotu bli. Ema fia be blema kee wɔtutu li. Ne menye ɖe mɔ̃wo va li egbea o la, kpɔ alesi gbegbe bli tɔtrɔ wòazu wɔe asesẽe ɖa! Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, tétutu ƒe ɖiɖi fiana be nɔnɔmeawo nyo eye ŋutifafa li, eye eƒe anyimanɔmanɔ fiana be teƒea zu aƒedo.—Yeremya 25:10, 11.

Aleke wowɔ tu wɔ le amegbetɔ ƒe ŋutinya katã me? Mɔnu kple aɖaŋu kawoe wozã be woawɔ esia? Eye té ka tɔgbe dzie wotua wɔ le hafi nèkpɔa akplẽ ɖuna egbea?

Nukatae Téwo Hiã?

Yehowa gblɔ na atsu kple asi gbãtɔ, Adam kple Xawa be: “Kpɔ ɖa, metsɔ nu miemie tseku, siwo katã le anyigba blibo la dzi, kple ati, siwo katã tsena, siwo me ku le la, na mi, bena woanye nuɖuɖu na mi.” (Mose I, 1:29) Nuɖuɖu siwo Yehowa Mawu tsɔ na ameƒomea dometɔ aɖewo nye nukuwo. Nuɖuɖu sia ƒomevi hiã hafi ame nanɔ agbe elabena gomanuwo le nukuwo katã—eɖanye lu, ƒo ƒomevi vovovowo, mɔli kple bli o—me si ŋutilã la ate ŋu atrɔ wòazu ŋusẽ vevitɔ si nye ʋumesukli nɛ.

Evɔ womewɔ ame be eƒe ŋutilã nate ŋu atu nukuwo ne eɖui ematumatui o. Ne wotu wo wozu wɔ eye woɖa wo la, ekema anɔ bɔbɔe wu na amegbetɔwo be woaɖui. Mɔ bɔbɔetɔ kekeake si dzi woate ŋu ato atrɔ nuku gbogbo aɖe wòazu wɔe nye be woatoe le to me, woatui le kpe dzi, alo woatoe vie hafi ava tui azɔ.

Té Siwo Amewo Zã Woƒe Ŋusẽ Tu

Nɔnɔmetata aɖewo siwo ŋu woke ɖo le blema Egipte yɔdowo me la ɖe té ƒomevi aɖe si wozã le blema fia, si nye sɔkpaté. Esi té sia ƒe nɔnɔme le abe sɔkpa ene tae woyɔe nenema ɖo. Kpe evee ƒo ƒu wɔ té sia—kpe aɖe si ŋkume dze ʋe vie la nɔa gɔmea, eye kpe aɖe si le sue wu ema nɔa edzi. Dɔwɔlaa—si nyea nyɔnu zi geɖe—dzea klo ɖe egbɔ hetsɔa eƒe asi eveawo léa kpe suea. Azɔ ezãa ŋusẽ si katã le eŋu tsɔa kpe suetɔa tua nukua le gãtɔa dzi. Mɔnu bɔbɔe aɖee nye esia gake ewɔa dɔ ŋutɔ!

Gake klodzedze gaƒoƒo geɖe gblẽ nu le ametia ŋu. Kpe suea tsɔtsɔ tu nui nana nu tea dzime, abɔ, ata, klo kple afɔbidɛwo ŋu na dɔwɔlaa. Amekukuƒu aɖewo siwo ŋu nu gblẽ le, siwo ŋu blemanuwo ŋuti numekulawo ke ɖo le blema Siria na woƒo nya ta be té siawo zazã edziedzi gblẽ nu geɖe le ɖetugbiwo ŋu—klotevi siwo medzɔ o, dzimeƒu siwo ŋu nu gblẽ le, kple degblefetsukpeƒe siwo ɖua ame vevie. Le blema Egipte la, ewɔ abe kosiviwo koŋ ye tua téwo ene. (Mose II, 11:5) * Agbalẽnyala aɖewo xɔe se be esi Israel-viwo dzo le Egipte la, wotsɔ sɔkpaté ɖe asi dzoe.

Asitɔtrɔ siwo wova wɔ le wɔtutéwo ŋu enye be woɖe do ɖe kpe eveawo me be woate ŋu awɔ dɔ wu. Woɖe do aɖe si ƒe nɔnɔme le abe fuɖe ene ɖe etame kpea me eye amesi le wɔa tum la kɔa nukua ɖe doa me, eye egena ɖe kpe eveawo dome. Le ƒe alafa enelia alo atɔ̃lia D.M.Ŋ. me la, woto wɔtuté bɔbɔe aɖe vɛ le Hela. Wowɔ asiléƒe aɖe ɖe kpe etametɔa ŋu. Azɔ wonɔa etrom yi axa si kple axa kemɛ si wɔnɛ be kpe si me woɖe doa ɖo la nɔa esi le gɔmea ŋu lilim.

Kuxi vevi aɖe nɔ té siwo katã ŋu míeƒo nu tsoe do ŋgɔ la ŋu. Ehiã be woanɔ wo tutum yi ŋgɔ kple megbee, si womate ŋu ana hehe lã aɖeke be wòawɔ o. Eyata amewo koe ate ŋu atu té siawo. Azɔ wova to mɔnu yeye aɖe vɛ—kpe siwo nɔa totrom le wo nɔewo ŋu. Woate ŋu azã lãwo azɔ.

Kpe Siwo Trona le Wo Nɔewo Ŋu Na Dɔa Wɔwɔ Va Le Bɔbɔe Wu

Anɔ eme kokoko be Mediterranea nutoa mee woto wɔtuté siwo trona le wo nɔewo ŋu vɛ le le ƒe alafa evelia D.M.Ŋ. me lɔƒo. Kaka ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. naɖo la, Yudatɔ siwo nɔ Palestina la nya nu tso té sia ŋu nyuie, elabena Yesu ƒo nu tso “té si tedzi trona ŋu.” (Marko 9:42, NW)

Wozã té siwo lãwo tuna le Roma kple le Roma Fiaɖuƒea ƒe nuto geɖe me. Té mawo dometɔ geɖe gale Pompeii egbea kokoko. Kpe gã aɖe si le abe tapoli si wotsɔ tua atadi ene le etame si me wokɔa nukua ɖo, eye kpe kotoe aɖe nɔa gɔmea. Ne etame kpea le totrom le gɔmetɔa dzi la, nukuawo gena ɖe kpe eveawo dome hezua wɔ. Etamekpe siawo tɔgbe siwo gali egbea la ƒe lolome le vovovo eye woƒe kekeme anɔ tso sentimeta 45 vaseɖe 90. Té siawo te ŋu kɔkɔna abe sentimeta 180 ene.

Míenya ne té siwo lãwo tuna gbɔe té siwo nye kpe siwo trona le wo nɔewo ŋu dzɔ tso loo alo gbãtɔa ye dzɔ tso evelia me o. Aleke kee wòɖale o, nusi nyo le té siwo nye kpe siwo trona le wo nɔewo ŋu enye be woate ŋu atsɔe ɖe asi adzoe eye ezazã le bɔbɔe. Enye kpe eve aɖewo siwo le nogoo siwo ɖewohĩ wokeke tso sentimeta 30 vaseɖe 40. Kpe si le gɔmea ƒe tame fɔ kpo vie eye esi le tamea ƒe gɔme dze ʋe vie ale be woasɔ ɖe wo nɔewo nu. Woɖea do ɖe etamekpea me hetsɔa nane si ŋu kpea anɔ totrom le la dea eme hetsɔa ati wɔa asiléƒe aɖe ɖe eŋu. Nyɔnu eve nɔa anyi dzea ŋgɔ wo nɔewo, eye wo dometɔ ɖesiaɖe tsɔa eƒe asi ɖeka léa asiléƒea tsɔ nɔa etamekpea trom. (Luka 17:35) Nyɔnuawo dometɔ ɖeka kɔa nukua ɖe do si le etamekpea me vivivi, eye nyɔnu evelia xɔa wɔ si le dodom tso téa me la ɖe agba me alo ɖe avɔ aɖe si woɖo ɖe egɔme la dzi. Té siae asrafowo, ƒudzidɔwɔlawo, alo ame ʋɛ aɖewo siwo le teƒe siwo didi tso wɔtuƒewo ŋu la hiã.

Té Siwo ƒe Ŋusẽ Tso Tsi alo Ya Gbɔ

Le ƒe 27 D.M.Ŋ. me lɔƒo la, Romatɔ mɔ̃ɖaŋudɔwɔla Vitruvius ƒo nu tso té aɖe si wozãa tsi ƒe ŋusẽ tuna le eƒe ɣeyiɣia me ŋu. Tsi sisi nɔa kɔkɔm ɖe kekefɔti si woti ɖe nu ŋu la ƒe akpawo ŋu, si wɔnɛ be afɔtia nɔa totrom. Afɔtia ƒe totro zua ŋusẽtsoƒe na té gã aɖe si le etame.

Aleke té si ƒe ŋusẽ tso tsi gbɔ la ƒe dɔwɔwɔ le ne wotsɔe sɔ kple té bubuwo? Wogblɔ be té siwo ŋudɔ wowɔna kple asi la mate ŋu atu nuku kilogram 10 le gaƒoƒo ɖeka me o, eye kilogram 50 koe té nyuitɔ kekeake si ŋudɔ wozã lãwo wɔna la ate ŋu atu. Gake Vitruvius ƒe té si ƒe ŋusẽ tso tsi gbɔ la ate ŋu atu nuku kilogram 150 vaseɖe 200 le gaƒoƒo ɖeka me. Togbɔ be wowɔ asitɔtrɔ aɖewo hewɔ ŋgɔyiyiwo hã la, té wɔla bibiwo zã gɔmeɖose vevi siwo Vitruvius gblɔ la le ƒe alafa geɖe megbe.

Menye tsi si le sisim koe nye dzɔdzɔmeŋusẽ siwo wotsɔ tu téwoe o. Woate ŋu aɖo taɖodzinu ma ke gbɔ ne wotsɔ té si ŋu abala le si ƒe ŋusẽ tso ya gbɔ la ɖɔ li esi ƒe ŋusẽ nye kekefɔti siwo ŋu tsi sina kɔna ɖo. Ðewohĩ wodze té siwo ƒe ŋusẽ tso ya gbɔ la zazã gɔme le Europa le ƒe alafa 12 lia M.Ŋ. me eye wozãe tsɔ tu wɔ le Belgium, Germany, Holland kple le teƒe bubuwo. Wonɔ wo zãm vaseɖe esime té siwo ƒe ŋusẽ tsoa dzoya kple nu bubuwo gbɔ la va na ŋusẽtsoƒe bubu siawo katã va zu tsigãdzinu.

“Nuɖuɖu, si Asu Mía Nu Egbe”

Togbɔ be wowɔ ŋgɔyiyiwo hã la, wogatua wɔ le anyigbaa ƒe akpa aɖewo kokoko egbea abe alesi wotui le blema ene. Wogazãna to kple tati kokoko le Afrika kple Oceania ƒe akpa aɖewo. Le Mexico kple Titina Amerika la, wozãa sɔkpaté tua bli tsɔ wɔa aboloe. Eye wogazãa té siwo ƒe ŋusẽ tsoa tsi kple ya gbɔ la le teƒe vovovowo kokoko.

Gake egbea la, wɔ si wozãna le dukɔ deŋgɔwo me la tsoa gaté siwo wɔa dɔ le wo ɖokui si la gbɔ. Nukua toa gayibɔ sesẽ ƒe aɖu eve aɖewo siwo ƒe totro ƒe tsɔtsɔme le vovovo eye do le woƒe teƒe aɖewo la me, eye esia wɔnɛ be etrɔna nɔa wɔ zum vivivi. Mɔnu sia na wòle bɔbɔe be woatu wɔ si ƒe meme le vovovo la esi maxɔ asi boo aɖeke o.

Ðikekemanɔmee la, wɔ kpɔkpɔ atsɔ aɖa akplẽ meganye dɔ sesẽ abe alesi wònɔ tsã ene o. Ke hã, míate ŋu ada akpe na mía Wɔla la be ena nuku kple mɔ si dzi míato atrɔe wòazu “nuɖuɖu, si asu mía nu egbe” la mí.—Mateo 6:11.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 10 Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, wotsɔa wɔtutudɔ dea asi na futɔ siwo woɖe aboyoe, abe Simson kple Israel-vi bubuwo ene. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 16:21; Konyifahawo 5:13) Nyɔnu ablɔɖemewo tua wɔ na woƒe aƒemetɔwo ɖeɖe.—Hiob 31:10.

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Egiptetɔwo ƒe sɔkpaté

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Soprintendenza Archeologica per la Toscana, Firenze

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Wofiãa amititsetsewo le té si wozãa lãwo tuna dzi tsɔ ɖea wo me mi

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 22]

From the Self-Pronouncing Edition of the Holy Bible, containing the King and the Revised versions