Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Nèlalanae?

Aleke Nèlalanae?

Aleke Nèlalanae?

LE EGBE ƒe xexeame la, ame ʋɛ aɖewo koe te ŋu lalana ame alo nane. Lala doa woƒe dzigbɔɖi kpɔna. Gake Ŋɔŋlɔawo de dzi ƒo na Mawu ƒe amewo be woasrɔ̃ alesi ‘woalalae.’ Togbɔ be nyagblɔɖila Mixa ŋɔlimetɔwo menya alesi woalalae o hã la, Mixa ya gblɔ be: “Makpɔ Mawu, nye xɔnametɔ sinu.”—Mixa 7:7; Konyifahawo 3:26.

Gake nukae wòfia be woakpɔ Yehowa sinu alo alalae? Aleke wòle be Kristotɔ nalala Mawue? Ðe mɔ nyui kple mɔ manyomanyo aɖewo li siwo nu míate ŋu awɔ esia lea? Nusi dzɔ ɖe nyagblɔɖila Yona dzi le ƒe alafa asieke D.M.Ŋ. me fia nu nyui si wòle be míawɔ la mí.

Lala Manyomanyo Aɖe

Yehowa Mawu gblɔ na Yona be wòayi aɖaɖe gbeƒã na amesiwo le Niniwe, si nye Asiria Fiaɖuƒea ƒe fiadu. Wonya Niniwe be enye “hlɔ̃dodu” le eƒe nublanuimakpɔmakpɔ kple ŋutasesẽ si ƒe nyateƒenyenye dzi blemaŋutinyaŋlɔla kple blematomenukulawo ɖo kpee la ta. (Naxum 3:1) Le gɔmedzedzea me la, Yona dze agbagba be yeasi le dɔdasi sia nu, gake Yehowa kpɔ egbɔ be nyagblɔɖila la yi Niniwe mlɔeba.—Yona 1:3–3:2.

“Yona zɔ ŋkeke ɖeka ƒe mɔ le dua me heɖe gbeƒã gblɔ bena: Esusɔ ŋkeke blane, ne Niniwe natsrɔ̃!” (Yona 3:4) Yona ƒe agbagbadzedzea ɖe vi: “Niniwetɔwo xɔ Mawu dzi se; wodo kpo, be woatsi nu adɔ, eye woata akpanya, tso tsitsiawo dzi vaseɖe ɖeviawo dzi.” (Yona 3:5) Le esia ta la, Yehowa, Mawu si “melɔ̃ bena, ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ bena amewo katã natrɔ va dzimetɔtrɔ gbɔ” la, kpɔ nublanui na dua.—Petro II, 3:9.

Aleke Yona wɔ nu ɖe nusia ŋui? Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Ke esia medze Yona ŋu o, eye dzi kui vevie.” (Yona 4:1) Nukatae? Ðewohĩ Yona se le eɖokui me be alesi wometsrɔ̃ dua le ŋkeke si yegblɔ dzi o la wɔe be yeɖu ŋukpe abe nyagblɔɖila ene. Edze ƒã be etsɔ ɖe le eya ŋutɔ ƒe bubu me wu nublanui si woakpɔ na ame bubuwo ahaxɔ wo ɖe agbe.

Nyateƒee be Yona mebi dzi kakaka ɖe asi le eƒe nyagblɔɖidɔa ŋu ya o. Ke hã, elala be “yeakpɔ nusi le dzɔdzɔ ge ɖe dua dzi.” Ẽ, nuwɔwɔ ɖe kple ɖee, alo zikpi nàkpɔ nu, ƒe nɔnɔme aɖe ƒomevi va su esi. Esi wòkpɔe be nuwo medzɔ abe alesi yesusui ene o la, etu agbadɔ henɔ anyi ɖe vɔvɔlia gbe, eye wònɔ lalam kple dziku be yeakpɔ nusi adzɔ ɖa. Gake Yehowa mekpɔ ŋudzedze ɖe Yona ƒe nɔnɔmea ŋu o, eyata eɖɔ eƒe nyagblɔɖila la ƒe nukpɔsusu gbegblẽa ɖo lɔlɔ̃tɔe.—Yona 4:5, 9-11.

Nusitae Yehowa Gbɔa Dzi Ði

Togbɔ be Niniwe trɔ dzi me eye wokpɔ nublanui nɛ hã la, emegbe egatrɔ ɖe nu vɔ̃ɖiwo ŋu ake. Yehowa to nyagblɔɖila Naxum kple Zefanya dzi gblɔ eƒe tsɔtsrɔ̃ ŋu nya ɖi. Esi Yehowa nɔ nu ƒom tso ‘hlɔ̃dodua’ ŋu la, egblɔ be yeatsrɔ̃ Asiria eye be yeana Niniwe nazu gbegbe. (Naxum 3:1; Zefanya 2:13) Le 632 D.M.Ŋ. la, wotsrɔ̃ Niniwe eye womagatsoe akpɔ gbeɖe o.

Nenema kee, egbe ƒe xexea hã kɔ ʋu geɖe ŋutɔ ɖi ŋutasesẽtɔe wu esi blema Niniwe kɔ ɖi sasasã. Le susu sia kple bubuwo ta la, Yehowa ɖoe be nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ava nuwuwu le “xaxa gã” aɖe si tɔgbe medzɔ kpɔ o me.—Mateo 24:21, 22.

Ke hã, Yehowa ɖo asi tsɔtsrɔ̃ si ŋugbe wòdo la dzi kple susua be dzianukwaretɔ siwo li agbea nate ŋu atrɔ dzi me be woagatsrɔ̃ o, abe amesiwo trɔ dzi me le Niniwe ene. Apostolo Petro ƒo nu tso Mawu ƒe dzigbɔɖi sia ŋu ale: “Menye ɖe [Yehowa] le wɔwɔm blewu le eƒe ŋugbedodowo dziwɔwɔ me, abe alesi ame aɖewo bunɛ blewuwɔwɔ la ene o; hafi egbɔ dzi ɖi blewu na mi, esi melɔ̃ bena, ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ bena amewo katã natrɔ va dzimetɔtrɔ gbɔ la ŋuti.”—Petro II, 3:9, 10, 13.

Lala le Mɔ Nyuitɔ Nu

Petro yi edzi be: “Azɔ esi woalólo nusiawo katã la, ameka ƒomeviwo wòle na mi be, mianye le anyinɔnɔ kɔkɔe kple mawusosroɖa me, eye mialala, eye miadi Mawu ƒe ŋkeke la ƒe vava vevie.” (Petro II, 3:11, 12) De dzesii be esi míele Yehowa ƒe ŋkekea lalam la, ele be ‘míanɔ agbe dzadzɛ nɔm ahanɔ mawusosroɖadɔwo wɔm’—ehiã be míawɔ dɔ, ke menye be míanɔ anyi ade asi ata me o.

Ẽ, lala le mɔ nyuitɔ nu naa kakaɖedzi nɔa mía si be Yehowa ƒe ŋkekea ava le ɣeyiɣi si tututu Yehowa ɖo la dzi. Xɔse ma tɔgbe na wowɔa dɔ kɔkɔewo henɔa mawusosroɖagbe, si ƒe vevietɔe nye gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia. Yesu ɖo gbeƒãɖeɖe ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na mí, eye wòxlɔ̃ nu eyomedzela amesiaminawo be: “Mina miaƒe aliwo dzi nanɔ babla, eye miaƒe akaɖiwo nanɔ bibim; eye miawo la miɖi amesiwo le mɔ kpɔm na woƒe aƒetɔ bena, ne adzo le srɔ̃ɖeƒe, eye wòava aƒo ʋɔa la, ne woaʋui nɛ enumake. Woayra dɔla ma, siwo, ne aƒetɔ la va la, akpɔ wo le ŋudzɔ.”—Luka 12:35-37.

Ƒe alafa gbãtɔ me kluviwo ‘blaa woƒe aliwo dzi’ to woƒe awu ʋlayawo léle ado kamegbi dzi ale be woate ŋu awɔ dɔ sesẽ si bia ŋusẽ. Eyata, ele na Kristotɔ be wòasẽ ŋu ahatsɔ dzonɔameme awɔ dɔ nyuiwoe. Ele be wòaɖe ‘kuviawɔwɔ’ le gbɔgbɔmedɔwo wɔwɔ me, si ɖewohĩ anye ame ɖokui ƒoƒo ɖe agbeblibaɖuɖu kple ŋutilãmenuwo yometiti atraɖii me, ɖi. Ke boŋ ele be ‘wòawɔ geɖe le Aƒetɔa ƒe dɔa me’ esime wòle Yehowa ƒe ŋkeke gã dziŋɔ la lalam.—Romatɔwo 12:11; Korintotɔwo I, 15:58.

Nɔ Dɔwɔwɔ Dzi Esime Nèle Lalam

Yehowa Ðasefowo le dɔ dzi kple ŋkubiã esime wole Yehowa ƒe ŋkekea lalam. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 2003 ƒe subɔsubɔƒea me la, wozã gaƒoƒo 3,383,000 gbesiagbe le mama dedie nu tsɔ ɖe gbeƒã Yehowa ƒe nya lae. Bu eŋu kpɔ ko, ame ɖeka azã ƒe 386 atsɔ aɖe gbeƒã matɔmatɔe hafi ate ŋu awɔ dɔ si wowɔ le ŋkeke ɖeka dzi la!

Gake, anyo be míabia mía ɖokuiwo be, ‘Aleke nye ŋutɔ melalanae?’ Yesu do lo aɖe si ɖɔ alesi wodi tso Kristotɔ amesiamina wɔnuteƒewo si be woawɔ dɔ kple kutrikukui la. Eƒo nu tso kluvi etɔ̃ aɖewo ŋu be: “Eye [aƒetɔ la na] talento atɔ̃ ame ɖeka, eye eve ame ɖeka, ke ɖeka ame ɖeka, wo dome amesiame le eƒe ŋutete nu, eye wòyi nugbe. Enumake amesi xɔ talento atɔ̃ la, yi ɖatrɔ le wo dzi, eye wòɖe vi talento atɔ̃ ɖe wo dzi. Nenema ke amesi xɔ eve la, ɖe vi eve ɖe wo dzi. Ke amesi xɔ ɖeka la, dzo yi ɖaɖe do, eye wòɣla eƒe aƒetɔ ƒe klosalo la ɖe eme. Le ŋkeke geɖe megbe la dɔla mawo ƒe aƒetɔ la va, eye wòbu akɔnta kple wo.”—Mateo 25:15-19.

Kluvi etɔawo katã lala woƒe aƒetɔ la ƒe tɔtrɔgbɔ. Aƒetɔa gblɔ na kluvi eve siwo nɔ dɔ wɔm kutrikukutɔe tsɔ nɔ eƒe tɔtrɔgbɔ lalam la be: “Ehẽ, dɔla nyui kple nuteƒewɔla!” Gake ewɔ nusi to vovo la na kluvi si nɔ lalam dɔ aɖeke mawɔmawɔe. Aƒetɔa gblɔ nɛ bena: “Dɔla, si menyo na naneke o la, mitsɔe ƒu gbe ɖe viviti tsiɖitsiɖi la me.”—Mateo 25:20-30.

Togbɔ be lododo sia ku ɖe Kristotɔ amesiaminawo ŋu hã la, nusɔsrɔ̃ aɖe le eme na mí katã eɖanye mɔkpɔkpɔ ka kee le mía si o. Aƒetɔ, Yesu Kristo, di tso mía dometɔ ɖesiaɖe si be, esi míele Yehowa ƒe ŋkeke gã la lalam la, míatsɔ kutrikuku awɔ yeƒe subɔsubɔdɔae. Ne mía dometɔ ɖesiaɖe wɔ dɔa “le eƒe ŋutete nu” kple le alesi eƒe nɔnɔmewo ɖe mɔ nɛ nu la, ke ekpɔa ŋudzedze ɖe mía ŋu. Aleke gbegbe dzi adzɔ mí enye si be Aƒetɔ la nado ‘dɔnɔ dɔnɔ’ na mí ne lala la wu enu!

Míaƒe Aƒetɔa ƒe Dzigbɔɖia Na Wokpɔa Xɔxɔ

Ke ne nuɖoanyi sia gbɔ le didim ɖe edzi wu alesi míebui hekpɔ mɔe ya ɖe? Susu aɖe tae wòawɔ abe ɖe wòdidi wu alesi míebui ene. Apostolo Petro ŋlɔ bena: “Mibu mía Aƒetɔ ƒe dzigbɔgbɔ blewu la bena, enye mia xɔxɔ.” (Petro II, 3:15) Mawu ƒe tameɖoɖowo nyanya nyuie kple dzesidede amesi ƒomevie míenye ɖokuibɔbɔtɔe, be míeɖi naneke o, akpe ɖe mía ŋu be míagbɔ dzi ɖi vaseɖe ɣeyiɣi si Yehowa ŋutɔ kpɔe be esɔ be yeagbɔ dzi ɖi na nuɖoanyi xoxo sia ase ɖo.

Biblia-ŋlɔla Yakobo wɔ kpɔɖeŋu aɖe be yeatsɔ ade dzi ƒo na Kristotɔwo be woagbɔ dzi ɖi. Eŋlɔ be: “Kpɔ ɖa, agbledela lalaa anyigba dzi nuʋaʋã xɔasiwo, eye wògbɔa dzi blewu, halase esime ada kple kele dzana nɛ. Miawo hã migbɔ dzi blewu, mido ŋusẽ miaƒe dziwo; elabena Aƒetɔ ƒe vavaɣi ɖo vɔ.”—Yakobo 5:7, 8.

Yehowa Mawu medi be ɖeɖi nate mía ŋu alo míagbɔdzɔ esi míele lalam o. Dɔ le esi na mí be míawɔ eye edzɔa dzi nɛ ne míezã ɣeyiɣi si míetsɔ le lalamee la tsɔ le dɔ ma wɔm kutrikukutɔe. Edi be míanɔ amesiwo apostolo Paulo ɖɔ le eƒe lɛta si wòŋlɔ na Hebritɔwo la dome be: “Míele didim vevie bena, mia dome amesiame naɖe veviedodo ma ke afia le mɔkpɔkpɔ ƒe kakaɖedzi blibo vaseɖe nuwuwu la ŋuti, bene miagazu kuviatɔwo o; ke boŋ mizu amesiwo toa xɔse kple dzigbɔgbɔ blewu me nyia ŋugbedodowo ƒe dome la, srɔ̃lawo.”—Hebritɔwo 6:11, 12.

Eyata migana ɖeɖi nate mía ŋu o. Neva eme boŋ be mía ŋutɔwo ƒe ƒomedodo si me míele kple Yehowa Mawu, míaƒe Yesu ƒe tafevɔsaa dzixɔxɔse, kple míaƒe mɔkpɔkpɔ na nuɖoanyi yeye si me dzidzɔ anɔ la me nɔnɔ nanye ŋusẽtsoƒewo na mí le míaƒe agbe me. Abe subɔla ‘nyui kple nuteƒewɔla’ siwo Yesu yɔ le eƒe lododoa me ene la, neva eme be míawɔ dɔ si adze na kafukafu kple teƒeɖoɖo to alesi míayi edzi anɔ mía Mawu kafum kutrikukutɔe abe alesi hakpala wɔe ene, amesi gblɔ be: “Nyea manɔ mɔkpɔkpɔ dzi ɖaa, eye madzi wò kafukafu ɖe dzi.”—Psalmo 71:14.

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Esi nuwo medzɔ abe alesi Yona susui ene o ta la, elala be yeakpɔ nusi ava dzɔ ɖe Niniwe dzi

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

Mina míaɖe mawusosroɖa afia esi míele Yehowa ƒe ŋkekea lalam