Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Ame Fafawo Anyi Anyigba la ƒe Dome”—Alekee?

“Ame Fafawo Anyi Anyigba la ƒe Dome”—Alekee?

“Ame Fafawo Anyi Anyigba la ƒe Dome”—Alekee?

“ANƆ eme be ènya Yesu ƒe nya dodzidzɔname siawo nyuie be ‘ame fafawo anyi anyigba la ƒe dome.’ Gake le nusiwo gbegbe amewo le wɔwɔm tsɔ le nu gblẽm le wo nɔewo kple anyigba ŋu nu la, nukae nèsusu be akpɔtɔ na ame fafawo woatsɔ anyi domee?”—Mateo 5:5; Psalmo 37:11.

Nyabiase siae Myriam, si nye Yehowa Ðasefo, zã tsɔ dze Biblia me numedzodzro aɖe gɔmee. Ŋutsu si wòbia nya lae ɖo eŋu be ne Yesu do ŋugbe sia la, ke ele be anyigba la nanɔ nɔnɔme aɖe si asɔ be woatsɔe anyi domee me, ke menye be wòanye nusi dome wogblẽ alo anye teƒe si ame mate ŋu anɔ o.

Ðikeke mele eme o be ŋuɖoɖo ma ɖe kakaɖedzinɔamesi fia. Gake ɖe susu aɖe li si tae wòle be nukpɔsusu nyui ma nanɔ mía si ɖoa? Ẽ, eli, elabena Biblia na susu vevi siwo tae míaka ɖe edzi be ŋugbedodo ma ava eme ɖo la mí. Le nyateƒe me la, kadodo vevi aɖe le ŋugbedodo ma ƒe emevava kple Mawu ƒe tameɖoɖo na ameƒomea kpakple na anyigba la dome. Eye míeka ɖe edzi be tame siwo Mawu ɖo la ava eme godoo. (Yesaya 55:11) Ekema tame kae Mawu ɖo ɖe ameƒomea ŋu le gɔmedzedzea, eye aleke wòava va emee?

Mawu ƒe Tameɖoɖo Mavɔ na Anyigba La

Tameɖoɖo vevi aɖe tae Yehowa Mawu wɔ anyigbaa ɖo. “Ale Yehowa, dziƒowɔla, eya amesi nye Mawu, eya amesi mè anyigba, eye wòwɔe; eya amesi ɖoe anyi, menye ɖe wòwɔe, be wòatsi ƒuƒlu o, ke boŋ ɖe wòmèe, be woanɔ edzi la, gblɔ esi: Nyee nye Mawu, ɖeke mekpe ɖe ŋunye o.” (Yesaya 45:18) Eyata ɖe wowɔ anyigba koŋ be amegbetɔwo nanɔ edzi. Gakpe ɖe eŋu la, Mawu ƒe tameɖoɖoe wònye be anyigbaa nanye amegbetɔƒomea ƒe aƒe tegbee. “Eɖo anyigba gɔme anyi ɖe eƒe anyinɔwo dzi, ne magaʋã gbeɖe akpɔ o.”—Psalmo 104:5; 119:90.

Mawu ƒe tameɖoɖo na anyigba hã dze le dɔ si wòde asi na ame eve gbãtɔ me. Yehowa gblɔ na Adam kple Xawa bena: “Midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ anyigba la dzi, eye mianye agbo ɖe edzi, miaɖu ƒumelãwo kple dziƒoxe dzodzoewo kple lã, siwo katã zɔna le anyigba dzi la dzi!” (Mose I, 1:28) Ðe Mawu ɖoe be anyigba si yetsɔ na Adam kple Xawa la nanye woa kple woƒe dzidzimeviwo ƒe aƒe tegbee hafi. Le ƒe alafa geɖewo megbe la, hakpala la gblɔ be: “Dziƒo enye dziƒo na Yehowa, ke etsɔ anyigba na amegbetɔviwo.”—Psalmo 115:16.

Be mɔkpɔkpɔ wɔnuku ma nava eme na wo la, ele be Adam kple Xawa kpakple woƒe dzidzimevi ɖesiaɖe nalɔ̃ ɖe edzi be Yehowa Mawu, Wɔla kple Agbenala la, ye nye yewoƒe Dziɖulagã ahalɔ̃ faa aɖo toe. Yehowa de se sia be yeatsɔ ana nya sia me nakɔ nyuie na ŋutsua: “Ðu abɔmetiawo katã ƒe tsetse faa; ke ati, si na wodzea si nyui kple vɔ̃ la, megaɖu eya ƒe tsetse aɖeke o; gbesigbe naɖu eƒe ɖe, ku ke naku.” (Mose I, 2:16, 17) Be Adam kple Xawa nayi edzi anɔ agbe le Eden-bɔa me la, ke ele na wo be woaɖo to sedede bɔbɔe sia si me kɔ la. Ewɔwɔ nenema aɖe woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nusiwo katã Dziƒofofoa wɔ na wo ŋu afia.

Esi Adam kple Xawa ɖoe koŋ gbe toɖoɖo Mawu to se si wòde na wo dzi dada me la, woɖee fia kɔte be yewogbe amesi na nusiwo katã nɔ yewo si la kuraa. (Mose I, 3:6) Esia wɔe be wobu woƒe Paradiso-ƒe dzeani la na woa kple woƒe dzidzimeviwo katã. (Romatɔwo 5:12) Ðe ame eve gbãtɔawo ƒe tomaɖomaɖo gblẽ tameɖoɖo si tae Mawu wɔ anyigbaa ɖo mea?

Mawu si Metrɔ O

Mawu to eƒe nyagblɔɖila Maleaxi dzi gblɔ be: “Nye Yehowa nyemetrɔ o.” (Maleaxi 3:6) Esi Franse Biblia ŋunyala L. Fillion nɔ nu ƒom tso nya sia ŋu la, egblɔ be ƒomedodo kplikplikpli aɖe le kpukpui sia kple Mawu ƒe ŋugbedodowo me vava me. Fillion ŋlɔ bena: “Yehowa ate ŋu atsrɔ̃ esubɔla dzeaglãwo ɖa hafi, gake esi metrɔna le eƒe ŋugbedodowo me o ta la, awɔ eƒe ŋugbe siwo wòdo va yi la dzi godoo, eɖanye nuka kee dzɔ o.” Eɖanye ame aɖe, dukɔ aɖe, alo ameƒomea katãe Mawu ado ŋugbe na o, maŋlɔe be akpɔ o, ke ana woava eme le eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣiɖoɖi dzi. “Aɖo ŋu eƒe nubabla, nya, si wòɖo hena dzidzime akpewo la tegbee.”—Psalmo 105:8.

Ke aleke míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa metrɔ eƒe gɔmedzetameɖoɖo na anyigbaa o? Míate ŋu aka ɖe nya sia dzi elabena wogblɔ Mawu ƒe tame si wòɖo be yeatsɔ anyigbaa ana ameƒomea me tɔ toɖolawo ŋu nya le Mawu ƒe Nya, Biblia, si tso gbɔgbɔ me la me zi geɖe. (Psalmo 25:13; 37:9, 22, 29, 34) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Ŋɔŋlɔawo ɖɔ amesiwo Yehowa yra la be wole dedienɔnɔ me, amesiame “abɔbɔ nɔ anyi ɖe eƒe weinka kple eƒe gboti te bɔkɔɔ,” eye “ame aɖeke mado voɖi na wo o.” (Mixa 4:4; Xezekiel 34:28) Amesiwo Yehowa tia la, “woatu xɔ anɔ eme, eye woade weingble aɖu eme kutsetse.” Woanɔ ŋutifafa me kple lã wɔadawo gɔ̃ hã.—Yesaya 11:6-9; 65:21, 25.

Biblia gblɔ Mawu ƒe ŋugbedodoa ƒe kpɔɖeŋu aɖe le mɔ bubu nu. Le Fia Salomo ƒe dziɖuɣi la, Israel-dukɔa se vivi le ŋutifafa kple nudzedziname me. Le eƒe dziɖuɣi la, “Yuda kple Israel dome amesiame nɔ eƒe weinka kple eƒe gboti te bɔkɔɔ tso Dan vaseɖe Beer-Seba le Salomo ƒe agbe me ŋkekewo me.” (Fiawo I, 5:5) Biblia gblɔ be Yesu “wu Salomo,” eye esi hakpala la nɔ nu ƒom tso eƒe dziɖuɖua ŋu la, egblɔ le nyagblɔɖi me be: “Ame dzɔdzɔe la amie le eƒe ŋkekewo me, eye ŋutifafa axɔ aƒe, vaseɖe esime dzinu maganɔ anyi o.” Ɣemaɣi la, “bli ado kpekpekpe le anyigba dzi kple towo tame.”—Luka 11:31; Psalmo 72:7, 16.

Yehowa Mawu awɔ ɖe eƒe nya dzi pɛpɛpɛ, akpɔ egbɔ be menye ɖeko domenyinu ƒe ŋugbe si yedo la ava eme o, ke boŋ anɔ atsyɔ̃ɖoɖo tɔxɛ aɖe hã me. Mawu ƒe Nya gblɔ na mí le Nyaɖeɖefia 21:4 be, le xexeme yeye si ŋugbe wodo me la, Mawu “latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le [amewo ƒe] ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o.” Ŋugbe si wodo la anye Paradiso ŋutɔŋutɔ.—Luka 23:43.

Alesi Woawɔ Anyi Nusi Ŋugbe Wodo la Dome

Anyigbaa tɔtrɔ wòazu paradiso ayi edzi le dziɖuɖu si ɖua dzi tso dziƒo, si nye Fiaɖuƒe si ƒe Fiae nye Yesu Kristo, ƒe mɔfiafia te. (Mateo 6:9, 10) Gbã la, Fiaɖuƒe ma “[atsrɔ̃] amesiwo gblẽa anyigba la.” (Nyaɖeɖefia 11:18; Daniel 2:44) Emegbe la, “Ŋutifafafia,” Yesu Kristo, ana nyagblɔɖinya siawo nava eme be: ‘Ŋutifafafia ƒe dziɖuɖua akeke ta, eye seɖoƒe manɔe nɛ o.’ (Yesaya 9:5, 6) Le Fiaɖuƒe ma me la, mɔnukpɔkpɔ asu ame miliɔn geɖewo, siwo dome amesiwo wofɔ ɖe tsitre anɔ la, si be woanyi anyigbaa ƒe dome.—Yohanes 5:28, 29; Dɔwɔwɔwo 24:15.

Amekawoe adze anyi domenyinu wɔnuku sia dome? Bu Yesu ƒe nya siawo ŋu kpɔ ko: “Woayra amesiwo nye ame fafawo la; elabena woawoe anyi anyigba la ƒe dome.” (Mateo 5:5) Nukae wòfia be woanye ame fatu, alo ame fafa? Nyagɔmeɖegbalẽwo ɖea nya “fafa,” alo “fatu,” gɔme be tufafa, dadasɔ, ɖokuibɔbɔ, anyinɔnɔ kpoo, kple amesi vɔ̃na gɔ̃ hã. Gake, gɔmesese si nɔ Helagbe me nya si wozã ŋu la de ŋgɔ wu esiawo. William Barclay ƒe New Testament Wordbook gblɔ le nya ma ƒe gɔmesese ŋu be: “Dɔmefafa geɖe dze le eme ŋutɔ, gake ŋusẽ si le abe gayibɔ tɔ enee le megbe na dɔmefafa la.” Efia tamesusu ƒe nɔnɔme si nana ame doa dzi le fukpekpe me dzikumadomadoe alo wɔɖenumawɔmawɔe, bene ƒomedodo nyui aɖe nava nɔ woa kple Mawu dome, eye ƒomedodo ma va zua ŋusẽtsoƒe gã aɖe nɛ.—Yesaya 12:2; Filipitɔwo 4:13.

Ame fatu lɔ̃na wɔna ɖe Mawu ƒe dzidzenuwo dzi le eƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa ɖokuibɔbɔtɔe; metea tɔ ɖe eya ŋutɔ ƒe nukpɔsusuwo alo ame bubuwo tɔ dzi o. Enye amesi xɔa nufiame, elɔ̃na faa be Yehowa nafia nu ye. Hakpala Dawid ŋlɔ bena: “Enaa ame fafawo zɔna le dzɔdzɔenyenye me, eye wòfiaa eƒe mɔ ame fafawo.”—Psalmo 25:9, NW; Lododowo 3:5, 6.

Ànɔ ‘ame fafa’ siwo anyi anyigbaa dome la domea? Ne èva nya Yehowa nyuie to eƒe Nya la sɔsrɔ̃ kutrikukutɔe kple nusiwo nèsrɔ̃ la tsɔtsɔ de dɔwɔna me me la, wò hã àte ŋu akpɔ mɔ be yeava nyi anyigba dzi paradisoa dome ahanɔ agbe tegbee le eme.—Yohanes 17:3.

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Mawu ƒe tameɖoɖo na anyigba la dze ƒãa le dɔ si wòde asi na Adam kple Xawa be woawɔ me

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Ŋutifafa kple dedienɔnɔ si nɔ anyi le Salomo ƒe dziɖuɣia nye kpɔɖeŋu na domenyinu si ƒe ŋugbe wodo

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Alẽwo kple megbetogbɛa: Pictorial Archive (Near Eastern History) Est.; Arabia-klatsawo: Hai-Bar, Yotvata, Israel; agbledela si le anyigba dzobom: Garo Nalbandian

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Xexe yeye aɖe si me dzɔdzɔenyenye anɔ la le ŋgɔ na mí—ànɔ emea?