Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Amekawoe Le Ŋutikɔkɔe Tsɔm Na Mawu Egbea?

Amekawoe Le Ŋutikɔkɔe Tsɔm Na Mawu Egbea?

Amekawoe Le Ŋutikɔkɔe Tsɔm Na Mawu Egbea?

“Mía Aƒetɔ kple mía Mawu, wòe dze be, naxɔ ŋutikɔkɔe kple bubu kple ŋusẽ.”—NYAÐEÐEFIA 4:11.

1, 2. (a) Kpɔɖeŋu kawoe ɖe nusi woyɔna be dzɔdzɔmenuwo sɔsrɔ̃ me? (b) Nyabiabia kae fɔ ɖe te, eye ŋuɖoɖoa ɖe?

LE ƑE 1940-awo ƒe ŋkeke aɖe dzi la, Switzerlandtɔwo ƒe mɔ̃ɖaŋudɔwɔla George de Mestral kplɔ eƒe avu ɖe asi yi tsaɖige. Esi wotrɔ gbɔ va aƒeme la, ekpɔe be gbekuiwo lé ɖe yeƒe awu kple avua ƒe fu ŋu. Esi wòdi be yeanya nusi tututu ye na gbekuia te ŋu léna ɖe nu ŋu ta la, etsɔ nusuekpɔmɔ̃ lé ŋku ɖe gbekuiawo ŋu eye ŋu suesuesue siwo kua nusianu si me do le, siwo wòkpɔ le gbekuiawo ŋu la wɔ nuku nɛ. Mlɔeba eto etɔgbe aɖe si woyɔna be Velcro—si nye nylon kedzɛkedzɛ ƒomevi aɖe si te ŋu léna ɖe wo nɔewo ŋu—vɛ. Menye De Mestral koe kpɔ dzɔdzɔmenuwo dzi wɔ o. Le United States la, Wright-ɖekakpuiawo to yameʋu vɛ le nusɔsrɔ̃ tso alesi xevi gãwo wɔna te ŋu nɔa yame ŋu vɔ megbe. Franse mɔ̃ɖaŋudɔwɔla Alexandre-Gustave Eiffel kpɔ alesi wowɔ amegbetɔ ƒe atagbae ale be wòate ŋu alé ameti bliboa ɖe te la dzi tu Paris-mɔ̃ si ŋu woyɔa eƒe ŋkɔ ɖo la.

2 Kpɔɖeŋu siawo ɖe nusi woyɔna be dzɔdzɔmenuwo sɔsrɔ̃, si nye dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe akpa si me wokpɔa dzɔdzɔmenuwɔwɔwo dzi wɔa nuwo le la, me nyuie. * Ke hã, esia fɔ nyabiabia aɖe si sɔ la ɖe te be: Zi nenie amesiwo toa nuwo vɛ la kafua Amesi wɔ gbekuiawo, xevi gãwo, amegbetɔ ƒe atagba, kple dzɔdzɔmenu gbogbo siwo katã dzi amegbetɔ nutovelaawo tua woƒe dɔwɔwɔwo ɖo? Nublanuinya lae nye be, le egbe ƒe xexeame la, wometsɔa kafukafu alo ŋutikɔkɔe si Mawu dze na la nanɛ o.

3, 4. Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be “ŋutikɔkɔe” la gɔme ɖe, eye nuka ŋue wòle be wòku ɖo ne wozãe na Yehowa?

3 Ame aɖewo abia be: ‘Nukata wòle be woatsɔ ŋutikɔkɔe na Mawu? Ðee Mawu mele kɔkɔe xoxo oa?’ Nyateƒee, Yehowae nye Amesi ŋuti kɔ wu le xexeame katã, gake ema mefia be amesiame bunɛ be enye ŋutikɔkɔeme o. Le Biblia me la, Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be “ŋutikɔkɔe” fia “kpekpe” koŋ. Efia nusianu si naa kpekpe ɖoa ame ŋu alo naa ame nɔa vevie na amewo. Ne wozãe na Mawu la, ekuna ɖe nusi naa Mawu ƒe nu nyoa ame ŋu ŋutɔ la ŋu.

4 Ame ʋɛ aɖewo koe li egbea siwo kpɔa nusiwo naa Mawu ƒe nu nyoa ame ŋu. (Psalmo 10:4; 14:1) Le nyateƒe me la, hadomemeŋkutawo, ne woɖaxɔ Mawu dzi se gɔ̃ hã la, na amewo wɔ nu ɖe xexeame katã Wɔla kɔkɔea ŋu bubumadeameŋutɔe. Mɔ kawo nue wowɔe le?

‘Taflatsedodo Aɖeke Mele Wo Si O’

5. Aleke dzɔdzɔmeŋutinunyala geɖe ɖea Mawu ƒe nuwɔwɔ wɔnukuwo me sagae?

5 Dzɔdzɔmeŋutinunyala geɖe tea tɔ ɖe edzi be Mawu aɖeke meli o. Ekema aleke woɖea nuwɔwɔ wɔnukuwo, si me amegbetɔƒomea hã le, ƒe wɔwɔme mee? Wogblɔna be nɔnɔmetɔtrɔ, si nye ŋusẽ trama aɖe si dzi wobe nuwo to dzɔ le vome, mee nuwɔnuku siawo do tso. Le kpɔɖeŋu me, nɔnɔmetɔtrɔfiala Stephen Jay Gould ŋlɔ bena: “Adza, si tɔmelãwo tsɔ ƒua tsii, tɔxɛ aɖe si le tɔmelã sagaa aɖewo ƒe ƒuƒoƒo aɖe si, si ate ŋu atrɔ azu anyigba dzi nugbagbewo ƒe afɔ, mee míedzɔ tso va le afisia . . . Míadi be míakpɔ numeɖeɖe si ‘de ŋgɔ wu’—gake ɖeke meli o.” Nenema kee Richard E. Leakey kple Roger Lewin hã ŋlɔ bena: “Ðewohĩ afɔku gã aɖe si dzɔ ɖe nugbagbewo dzi mee amegbetɔ vovovoawo do tso.” Dzɔdzɔmeŋutinunyala siwo kafua alesi dzɔdzɔme wɔ nuwo wònya kpɔ kple alesi wowɔ woe la gɔ̃ hã mekafua Mawu o.

6. Nukae tsia kafukafu si wòdze be woatsɔ na Mawu abe Wɔla ene la ɖe ame geɖe nu?

6 Ne agbalẽnyalawo te tɔ ɖe edzi be nɔnɔmetɔtrɔ nye nyateƒe la, nusi fiam wole enye be ɖekememaselawo koe mexɔa edzi sena o. Aleke ame geɖe wɔa nu ɖe nya sia ŋui? Ƒe aɖewo enye si va yi la, ŋutsu aɖe si bi ɖe nɔnɔmetɔtrɔ ƒe nufiafia me la bia gbe amesiwo lɔ̃ ɖe nufiafiaa dzi. Egblɔ be: “Meva kpɔe dze sii be nɔnɔmetɔtrɔ dzixɔsela akpa gãtɔ xɔe se le esi wogblɔna na wo be amesiwo katã nunya le tagbɔ na la xɔa edzi sena ta.” Ẽ, ne agbalẽnyalawo ɖe woƒe mawudzimaxɔse nukpɔsusuwo gblɔ la, etsia kafukafu si dze be amewo natsɔ na Mawu abe Wɔla ene la nu.—Lododowo 14:15, 18.

7. Le Romatɔwo 1:20 ƒe nya nu la, nukae woate ŋu akpɔ kɔte to nuwɔwɔ siwo wokpɔna dzi, eye nukatae?

7 Ðe kpeɖodzinya vavãwo li si tae dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ƒo woƒe nyawo ta nenemaa? Gbeɖegbeɖe! Nusiwo ɖo kpe edzi be Wɔla aɖe li domee míele. Apostolo Paulo ŋlɔ tso eyama ŋu bena: “Tso xexemewɔwɔ [ameƒomea wɔwɔ] dzi la, ne wobua tame le eŋuti la, wokpɔa eƒe numanyakpɔ, si nye eƒe ŋusẽ mavɔmavɔ kple mawunyenye la kɔte le eƒe dɔwɔwɔwo me, bena taflatsedodo aɖeke naganɔ wo [dzimaxɔsetɔwo] si o.” (Romatɔwo 1:20) Wɔla la ƒe asinu dze le eƒe asinudɔwɔwɔwo ŋu. Eyata Paulo nɔ gbɔgblɔm be tso ameƒomea dzɔɣi ke la, amegbetɔwo te ŋu ‘kpɔa’ Mawu ƒe anyinɔnɔ dzeasi to nuwɔwɔ siwo wokpɔna dzi. Nukae ɖo kpe esia dzi?

8. (a) Aleke dziƒo si wowɔ la ɖia ɖase le Mawu ƒe ŋusẽ kple nunya ŋui? (b) Nukae fia be Nusi To xexeame Vɛ la nanɔ anyi?

8 Míekpɔa Mawu ƒe anyinɔnɔ le dziƒoɣletiviwo me. Psalmo 19:2 gblɔ be: “Dziƒowo le Mawu ƒe bubu xlẽm fia.” “Dziƒowo”—ɣe, ɣleti, kple ɣletiviwo—ɖia ɖase le Mawu ƒe ŋusẽ kple nunya ŋu. Ɣletiviwo ƒe xexlẽme ɖeɖe dzaa naa ŋɔdzi léa mí. Eye dziƒonu siawo katã zɔna le yame, menye tramatrama o, ke boŋ ɖe nuwɔwɔ ƒe sewo nu pɛpɛpɛ. * (Yesaya 40:26) Ðee susu le eme be woagblɔ be nudogoɖenunu trama aɖe mee nuwɔwɔ ɖe ɖoɖonu sia do tsoa? Nukutɔea la, dzɔdzɔmeŋutinunyala geɖewo gblɔ be ɖeko xexeame dzɔ zi ɖeka kpoyi. Esime nufialagã aɖe nɔ nusi esia fia me ɖem la, eŋlɔ bena: “Xexe si gɔmedzedze meli na o dzixɔxɔse sɔ na amesiwo mexɔ Mawu alo eƒe anyinɔnɔ dzi se o. Nenema kee wòsɔ be ne gɔmedzedze li na xexeme la abia be nusi na wòdzɔ hã nanɔ anyi; elabena amekae abu be nusia gbegbe ava nɔ anyi ne nusi toe vɛ la meli o?”

9. Aleke Yehowa ƒe nunya dze le lãwo wɔwɔ mee?

9 Míekpɔa Mawu ƒe anyinɔnɔ ŋuti kpeɖodzi hã le anyigba dzi. Hakpala la do ɣli be: “Yehowa, wò dɔwɔwɔwo sɔ gbɔ loo! Èwɔ wo katã le nunya me; anyigba yɔ fũ kple wò nuwɔwɔwo.” (Psalmo 104:24) Yehowa ƒe “nuwɔwɔwo,” siwo me lãwo hã le, ɖea eƒe nunya fiana. Abe alesi míede dzesii le gɔmedzedzea ene la, wotrɔ asi le nu gbagbewo ŋu ale gbegbe be dzɔdzɔmeŋutinunyalawo dina be yewoakpɔ edzi awɔ nuwo. Bu kpɔɖeŋu ʋɛ bubuwo ŋu kpɔ. Numekulawo le nu srɔ̃m tso lãdzowo ŋu, kple susu be yewoate ŋu awɔ kuku siwo sẽ wu; wole ŋku lém ɖe nudzodzoe siwo ƒe to ɖana ŋutɔ la ƒe hatsotso aɖe ŋu bene yewoate ŋu ana nusemɔ̃wo naganyo ɖe edzi wu; eye wole nume kum le favieʋuto ƒe aʋalawo ŋu kple susu be yameʋu siwo yamenutomekpɔmɔ̃wo mete ŋu kpɔna o naganyo ɖe edzi wu. Gake aleke kee woɖa dze agbagbae o, amegbetɔ mate ŋu awɔ nu wòade dzɔdzɔmetɔ deblibowo la nu pɛpɛpɛ o. Agbalẽ si nye Biomimicry—Innovation Inspired by Nature gblɔ be: “Nugbagbewo wɔ nusiwo katã míedi be míawɔ la tomemi gbogbo aɖeke mazãmazãe, ɖimaƒomaƒo anyigbae, alo woƒe etsɔme magblẽmagblẽe.” Nunya de ŋgɔ aɖee nye esia nyateƒe!

10. Nukatae susu mele eme o be woagbe be Wɔla Gã aɖe li o? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

10 Ne èkpɔ dziƒo loo alo nuwɔwɔ siwo le anyigba dzi afisia o, kpeɖodzi siwo fia be Wɔla aɖee wɔ wo la dze ƒã. (Yeremya 10:12) Ele be míatsɔ dzidzɔ awɔ ɖeka kple dziƒonuwɔwɔ siwo le gbɔgblɔm be: “Mía Aƒetɔ kple mía Mawu, wòe dze be, naxɔ ŋutikɔkɔe kple bubu kple ŋusẽ; elabena wòe wɔ nuwo katã.” (Nyaɖeɖefia 4:11) Gake kpeɖodzi siawo meɖoa dzi gbɔ na dzɔdzɔmeŋutinunyala geɖe o, togbɔ be nusiwo wokpɔna la awɔ nuku na wo hã. (Efesotɔwo 1:18) Míate ŋu awɔ eƒe kpɔɖeŋu ale: Be alesi dzɔdzɔme ɖo atsyɔ na nuwo hetrɔ asi le wo ŋui nanyo ame ŋu gake woagbe be menye Wɔla Gã aɖekee wɔe o la sɔ kple dzidzɔkpɔkpɔ ɖe nutata dzeani aɖe ŋu gake woagbe be menye nutala aɖekee tae ɖe nu ƒuƒlu aɖe dzi hafi wòzu nukpɔkpɔ o. Eyata mewɔ nuku o be wogblɔ le amesiwo gbe be yewomaxɔ Mawu dzi ase o la ŋu be ‘taflatsedodo aɖeke mele wo si o’!

“Mɔfiala Ŋkuagbãtɔwo” Kplɔ Ame Geɖe Trae

11, 12. Nususugblɔ ka dzie wotu dzɔgbese ƒe nufiafiaa ɖo, eye nukae fia be nufiafia sia mekɔa Mawu ŋu o?

11 Amesiwo doa vevie mawusubɔsubɔ la dometɔ geɖe xɔe se vevie be yewoƒe tadedeagu tsɔa ŋutikɔkɔe na Mawu. (Romatɔwo 10:2, 3) Ke hã, subɔsubɔhawo nye amegbetɔƒomea ƒe nu bubu si xea mɔ na ame miliɔn geɖe koŋ be woagatsɔ ŋutikɔkɔe na Mawu o. Le mɔ ka nu? Mina míabu mɔ eve ŋu.

12 Gbã la, subɔsubɔhawo kloa bubu le Mawu ŋu to alakpanufiafiawo dzi. Le kpɔɖeŋu me, bu dzɔgbese ƒe nufiafiaa ŋu kpɔ. Wotu nufiafiaa ɖe nususugblɔ sia dzi be esi wònye be Mawu ate ŋu anya etsɔme ta la, anya nya alesi nusianu ava yii. Eyata dzɔgbese fia be Mawu ɖo etsɔme ɖi na amesiame xoxo—eɖanye nyui alo vɔ̃ o. Nukpɔsusu sia fia be ele be woabu fɔ Mawu ɖe fukpekpe kple nuvɔ̃ɖiwɔwɔ siwo katã le edzi yim le egbe ƒe xexeame la ta. Menyea ŋutikɔkɔe aɖeke na Mawu nenye be wotsɔ fɔbubu si wòdze be woatsɔ na Adikãtɔ, Satana, amesi Biblia yɔ be “xexeamefia” la, da ɖe eyama dzi o!—Yohanes 14:30; Yohanes I, 5:19.

13. Nukatae wònye nusi me susu mele o be woabu be Mawu mate ŋu aɖo asi ŋutete si le esi be wòanya etsɔme la dzi o. Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

13 Dzɔgbese nye nufiafia si mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o eye wògblẽa Mawu ŋu. Etɔtɔa nusi wòate ŋu awɔ kpakple nusi tututu wòwɔna la. Wogblɔ nyateƒe si wònye be Mawu ate ŋu anya nuwo do ŋgɔ la ɖe Biblia me eme kɔ nyuie. (Yesaya 46:9, 10) Ke hã, susu mele eme be woabu be mate ŋu aɖo asi ŋutete si le esi be wòanya etsɔme la dzi o alo be eyae nana nusianu dzɔna o. Le kpɔɖeŋu me: Tsɔe be ŋusẽ le ŋuwò ale gbegbe. Ðe wòana nàse le ɖokuiwò me be yeakɔ nukpekpe ɖesiaɖe si nèkpɔa? Kura o! Nenema kee ŋutete si le Mawu si be wòate ŋu anya etsɔme meƒonɛ ɖe enu be wòanya alo aɖo nusianu ɖi o. Etiana alo dzea aɖaŋu le alesi wòazã eƒe nunyanya do ŋgɔe me. * Eme kɔ ƒã be, alakpanufiafiawo, si me dzɔgbese hã le, metsɔa ŋutikɔkɔe na Mawu o.

14. Mɔ kawo nue subɔsubɔhawo klo bubu le Mawu ŋu le?

14 Mɔ evelia si nu subɔsubɔhawo klo bubu le Mawu ŋu le enye to woƒe hameviwo ƒe agbenɔnɔ dzi. Wobia tso Kristotɔwo si be woadze Yesu ƒe nufiafiawo yome. Tsɔ kpe ɖe nu bubuwo ŋu la, Yesu fia eyomedzelawo be ‘woalɔ̃ wo nɔewo’ eye be ‘woaganye xexeame ƒe akpa aɖeke o.’ (Yohanes 15:12; 17:14-16) Alekee wòle le Kristodukɔa ƒe hakplɔlawo gome? Ðe wowɔ ɖe nufiafia mawo dzi nyateƒea?

15. (a) Nukawo gbegbee subɔsubɔhakplɔlawo wɔ le dukɔwo dome aʋawɔnyawo me? (b) Ŋusẽ kae subɔsubɔhakplɔlawo ƒe nuwɔnawo kpɔ ɖe ame miliɔn geɖe dzi?

15 Bu nusiwo gbegbe subɔsubɔhakplɔlawo wɔ le aʋawɔnyawo me ŋu kpɔ. Woda megbe na dukɔwo dome ʋa geɖewo heda asi ɖe wo dzi eye wokpɔ gome le wo me gɔ̃ hã. Woyra asrafohawo hegblɔ be neneke megblẽ le amewo wuwu ŋu o. Ðeko míabia be, ‘Ðe meva susu me na subɔsubɔhakplɔla siawo kpɔ be yewo hati siwo le akpa kemɛ dzi hã le nusiawo ke wɔm oa?’ (Kpɔ aɖaka si nye “Amekawo Dzi Demee Mawu Le?”) Subɔsubɔhakplɔlawo metsɔa ŋutikɔkɔe na Mawu ne wogblɔ be ele megbe na yewo le aʋa siwo me wokɔa ʋu ɖi le la me o; nenema kee wometsɔa ŋutikɔkɔe nɛ ne wogblɔ be Biblia ƒe dzidzenuwo zu tsigãdzinu eye wòda asi ɖe gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ ƒomevi ɖesiaɖe dzi o. Aleke wona míeɖo ŋku subɔsubɔhakplɔla siwo Yesu yɔ be “nu madzɔmadzɔ wɔlawo” kple “mɔfiala ŋkuagbãtɔwo” la dzi enye si! (Mateo 7:15-23; 15:14) Subɔsubɔhakplɔlawo ƒe nuwɔnawo na ame miliɔn geɖe ƒe lɔlɔ̃ na Mawu nu tsi.—Mateo 24:12.

Amekawoe Le Ŋutikɔkɔe Tsɔm na Mawu Nyateƒe?

16. Be míaɖo amesiwo le ŋutikɔkɔe tsɔm na Mawu nyateƒe ƒe biabiaa ŋu la, nukatae wòle be míatrɔ ɖe Biblia ŋu?

16 Ne ame xɔŋkɔ kple ame ŋkuta siwo le xexeame la do kpo ŋutikɔkɔe tsɔtsɔ na Mawu le goawo katã me la, ekema amekawoe le ewɔm nyateƒe? Be míaɖo nya sia ŋu la, ele be míatrɔ ɖe Biblia ŋu. Ne èbu eŋu kpɔ la, gome le Mawu si be wòafia alesi wòle be woakɔ ye ŋui, eye eɖo eƒe dzidzenuawo ɖi le eƒe Nya, Biblia, me. (Yesaya 42:8) Mina míabu mɔ etɔ̃ siwo dzi wotona tsɔa ŋutikɔkɔe na Mawu la ŋu eye le wo dometɔ ɖesiaɖe me la, míadi ŋuɖoɖo na amesiwo le esia wɔm nyateƒe egbea.

17. Aleke Yehowa ŋutɔ ɖee fia be yeƒe ŋkɔ ŋutikɔkɔ nye yeƒe lɔlɔ̃nu ƒe akpa vevi aɖe, eye amekawoe le Mawu ƒe ŋkɔ kafum le anyigba bliboa dzi egbea?

17 Gbã la, míate ŋu atsɔ ŋutikɔkɔe na Mawu to eƒe ŋkɔa kafukafu me. Nusi fia be esia nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ƒe kpa vevi aɖe la dze le nusi Yehowa gblɔ na Yesu me. Ŋkeke ʋɛ aɖewo do ŋgɔ na Yesu ƒe ku la, edo gbe ɖa be: “Fofo, kɔ wò ŋkɔ ŋuti.” Tete gbe aɖe ɖo eŋu be: “Mekɔ eŋuti xoxo, eye magakɔ eŋuti.” (Yohanes 12:28) Ðikeke mele eme o be Yehowa ŋutɔe ƒo nua. Eƒe ŋuɖoɖoa na wòdze ƒã be eƒe ŋkɔa ŋutikɔkɔ le vevie nɛ. Ekema amekawoe le ŋutikɔkɔe tsɔm na Yehowa to gbeƒãɖeɖe eƒe ŋkɔ kple ekafukafu le anyigba bliboa dzi me? Yehowa Ðasefowoe, eye wole esia wɔm le dukɔ 235 me!—Psalmo 86:11, 12.

18. Aleke míawɔ akpɔ amesiwo le ta dem agu na Mawu le “nyateƒe me” adze sii, eye ƒuƒoƒo kae le Biblia me nyateƒea fiam ƒe alafa ɖeka kple edzivɔwo enye sia?

18 Evelia, míate ŋu atsɔ ŋutikɔkɔe na Mawu to eŋuti nyateƒea fiafia me. Yesu gblɔ be tadeagula vavãwo ‘ade ta agu na Mawu le nyateƒe me.’ (Yohanes 4:24) Aleke míawɔ akpɔ amesiwo le ta dem na agu na Mawu le “nyateƒe me” la adze sii? Ele be woagbe nufiafia siwo wometu ɖe Biblia dzi o kple esiwo megblɔa Mawu kple eƒe lɔlɔ̃nu ŋuti nyateƒea o. Ðe eteƒe la, ele be woafia Mawu ƒe Nya me nyateƒe akuakua si ƒe ɖewo enye be: Yehowa enye Mawu Dziƒoʋĩtɔ la, eye eya ɖeka koe dze axɔ ŋutikɔkɔe si eƒe ɖoƒea na wòdzena la (Psalmo 83:19); Yesu enye Mawu ƒe Vi kple Mawu ƒe Mesia Fiaɖuƒea Dziɖula si wotia (Korintotɔwo I, 15:27, 28); Mawu ƒe Fiaɖuƒea akɔ Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu eye wòana tame si wòɖo na anyigba sia kple na amegbetɔ siwo le edzi la nava eme (Mateo 6:9, 10); ele be woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nyanyui sia le anyigba bliboa dzi. (Mateo 24:14) Ƒe alafa ɖeka kple edzivɔwo enye sia la, ƒuƒoƒo ɖeka pɛ koe le nyateƒe vevi siawo fiam nuteƒewɔwɔtɔe—Yehowa Ðasefowoe!

19, 20. (a) Nukatae Kristotɔ aɖe ƒe agbenyuinɔnɔ ate ŋu ahe ŋutikɔkɔe vɛ na Mawu ɖo? (b) Biabia kawoe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanya amesiwo le ŋutikɔkɔe tsɔm na Mawu egbea to agbenyuinɔnɔ me?

19 Etɔ̃lia, míate ŋu atsɔ ŋutikɔkɔe na Mawu to agbenɔnɔ ɖe eƒe dzidzenuwo nu me. Apostolo Petro ŋlɔ bena: “Miaƒe anyinɔnɔ le trɔ̃subɔlawo dome nanɔ nyuie, bene nusi ta wogblɔ nya ɖe mia ŋuti ɖo abe vɔ̃wɔlawo ene la, le miaƒe dɔ nyui wɔwɔ, siwo wodze si azɔ ŋuti la, woakafu Mawu le kpɔkpɔɖaŋkeke la dzi.” (Petro I, 2:12) Kristotɔ ƒe agbenɔnɔ ɖea eƒe dzixɔse fiana. Ne nukpɔlawo kpɔ esia dzesii—ne wokpɔ be Kristotɔ aɖe ƒe dzixɔsee na be wònɔa agbe nyui—la, ehea ŋutikɔkɔe vɛ na Mawu.

20 Amekawoe le Mawu ŋuti kɔm to agbenyuinɔnɔ me egbea? Subɔsubɔha kae dziɖuɖu geɖewo kafu be wonye ŋutifafamewo, dukɔmevi sedziwɔla siwo xea woƒe adzɔwo? (Romatɔwo 13:1, 3, 6, 7) Amekawo wonya le xexeame godoo ɖe woƒe ɖekawɔwɔ kple haxɔsetɔwo—si nye ɖekawɔwɔ si me ameƒomevi, dukɔmevi, kple gbegbɔgblɔ aɖe me tɔ nyenye mete ŋu gblẽna o la—ta? (Psalmo 133:1; Dɔwɔwɔwo 10:34, 35) Ƒuƒoƒo kae wonya le xexeame katã ɖe woƒe Biblia fiafiadɔ, si dea dzi ƒo be woade bubu se, ƒomegbenɔnɔ, kple Biblia ƒe agbenyuinɔnɔ ŋu, ta? Ƒuƒoƒo ɖeka koe li si ƒe agbenyuinɔnɔ le go sia kple bubuwo me ɖia ɖase le eɖokui ŋu—Yehowa Ðasefowoe!

Ðe Nèle Ŋutikɔkɔe Tsɔm na Mawua?

21. Nukatae wòle be mía ŋutɔwo míakpɔe ɖa be míele ŋutikɔkɔe tsɔm na Yehowa hã?

21 Anyo be mía dometɔ ɖesiaɖe nabia be, ‘Ðe nye ŋutɔ mele ŋutikɔkɔe tsɔm na Yehowa?’ Psalmo 148 ɖee fia be nuwɔwɔ akpa gãtɔ tsɔa ŋutikɔkɔe na Mawu. Mawudɔlawo, dziƒo si míekpɔna, anyigba kple edzi lãwo—wo katã kafua Yehowa. (Kpukpui 1-10) Nublanuinya kae nye si wònye be amegbetɔ akpa gãtɔ mewɔnɛ o! Ne ènɔa agbe ɖe mɔ si tsɔa ŋutikɔkɔe naa Mawu nu la, èwɔ ɖeka kple nuwɔwɔ mamlɛ siwo le Yehowa kafum la. (kpukpui 11-13) Mɔ bubu aɖeke megali si nu nànɔ agbe ɖo wu esia o.

22. To ŋutikɔkɔe tsɔtsɔ na Yehowa me la, viɖe kawoe nàkpɔ, eye tame kae wòle be nàɖo?

22 To ŋutikɔkɔe tsɔtsɔ na Yehowa me la, àkpɔ viɖe le mɔ geɖe nu. Ne èxɔ Kristo ƒe tafevɔsa dzi se la, àva nɔ Mawu ŋu eye ànɔ ƒomedodo aɖe si me ŋutifafa le eye viɖe le eŋu la me kple Fofowò si le dziƒo la. (Romatɔwo 5:10) Ne èyi edzi le mɔ geɖe siwo nu nàto atsɔ ŋutikɔkɔ na Mawu dim la, taɖodzinu nyuiwo anɔ asiwò eye nuwo adze ŋuwò. (Yeremya 31:12) Ekema àte ŋu akpe ɖe amewo ŋu be woanɔ agbe si me dzidzɔ kple dzidzeme le, eye wòana dzi nadzɔ wò ŋutɔ hã ɖe dzi. (Dɔwɔwɔwo 20:35) Neva eme be nànɔ amesiwo ɖoe kplikpaa be yewoatsɔ ŋutikɔkɔe na Mawu—tso fifia yi ɖe mavɔmavɔ me—la dome!

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 2 Woɖe nya “dzɔdzɔmenuwo” sɔsrɔ̃ tso Helagbe me nya biʹos, si gɔmee nye “agbe,” kple miʹme·sis, si gɔmee nye “sɔsrɔ̃” me.

^ mm. 8 Ne èdi numeɖeɖe bubuwo ku ɖe alesi dziƒo si wowɔ ɖe Mawu ƒe nunya kple ŋusẽ fia ŋu la, kpɔ agbalẽ si nye Te Ðe Yehowa Ŋu, si Yehowa Ðasefowo ta la, ƒe ta 5 kple 17.

^ mm. 13 Kpɔ Insight on the Scriptures, si Yehowa Ðasefowo ta la, ƒe Babla 1, axa 853.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nukatae míate ŋu agblɔ be dzɔdzɔmeŋutinunyalawo mekpe ɖe amewo ŋu be woakɔ Mawu ŋuti o?

• Mɔ eve kawo nue subɔsubɔhawo xe mɔ ɖe amewo nu le be woagatsɔ ŋutikɔkɔe na Mawu o?

• Mɔ kawo nue míate ŋu akɔ Mawu ŋuti le?

• Nukatae wòle be wò ŋutɔ nàkpɔe ɖa be yele ŋutikɔkɔe tsɔm na Yehowa hã?

[Biabiawo]

[Aɖaka si le axa 12]

“Amekawo Dzi Demee Mawu Le?”

Ŋutsu aɖe si nɔ Germanytɔwo ƒe Yamesrafowo dome le Xexemeʋa II me si va zu Yehowa Ðasefo emegbe la gblɔ be:

“Nusi ɖe fu nam le aʋaŋɔli mawo . . . enye subɔsubɔhawo katã kloe—Katolikoha, Luther-ha, Episcopal-ha, kple bubuawo—ƒe ŋgɔnɔlawo kpɔkpɔ woanɔ yameʋuawo kple wo kulawo yram hafi woadzo ayi aɖada bɔmb siwo wotsɔ la. Mebiaa ɖokuinye edziedzi be, ‘Amekawo dzi demee Mawu le?’

“Germany srafowo bla alidziblanu siwo dzi woŋlɔ ɖo be Gott mit uns (Mawu li kpli mí). Gake mebiana ɖokuinye be, ‘Nukatae Mawu manɔ asrafo siwo le akpa kemɛ siwo le subɔsubɔha mawo ke me eye wole gbe dom ɖa na Mawu ma ke ya dzi o?’”

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Le anyigba bliboa dzi la, Yehowa Ðasefowo le ŋutikɔkɔe tsɔm na Mawu nyateƒe