Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Dadavilɔlɔ̃ Nenɔ Mia Dome’

‘Dadavilɔlɔ̃ Nenɔ Mia Dome’

‘Dadavilɔlɔ̃ Nenɔ Mia Dome’

“Miaƒe lɔlɔ̃ na mia nɔewo nayɔ fũ kple dadavilɔlɔ̃.”—ROMATƆWO 12:10.

1, 2. Ƒomedodo kae nɔ egbeŋkekeawo me dutanyanyuigblɔla aɖe kple apostolo Paulo kpakple wo nɔviwo dome?

LE ƑE 43 siwo Don tsɔ wɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔ le keke Ɣedzeƒe Ʋĩ ke me la, wonyae nyuie ɖe alesi wòdoa vivi ɖe amesiwo wòsubɔna la ŋui ta. Esime wònɔ kudɔ ƒom le dɔ mamlɛ si lée me la, amesiwo wòsrɔ̃ Biblia kplii la dometɔ aɖewo zɔ mɔ kilometa akpe geɖe yi ɖasrãe kpɔ hegblɔ le Koreagbe me be, “Kamsahamnida, kamsahamnida!”—si gɔmee nye “Akpe na wò, akpe na wò!” Dadavilɔlɔ̃ si nɔ Don si na woe ʋã woƒe dzi.

2 Menye Don koe ɖo kpɔɖeŋu sia o. Le ƒe alafa gbãtɔ me la, apostolo Paulo melɔ̃ nu le amesiwo wo subɔ la gbɔ kura o. Etsɔ eɖokui ɖo anyi na wo. Togbɔ be kakaɖedzi sẽŋu nɔ esi hã la, efa tu eye wòléa be na ame hã, “abe alesi vidada kpɔa ye ŋutɔ viawo dzii ene.” Eŋlɔ ɖo ɖe hame si le Tesalonika bena: “Esi míelɔ̃a nu le mia gbɔ o ŋuti la, edze mía ŋu nyuie bena, menye Mawu ƒe nyanyuie la ɖeɖeko míetsɔ na mi o, ke mía ŋutɔwo míaƒe agbe hãe boŋ; elabena mietrɔ zu míaƒe lɔlɔ̃tɔwo.” (Tesalonikatɔwo I, 2:7, 8) Emegbe, esi Paulo gblɔ na nɔvia Efesotɔwo be womegale ye kpɔ ge o la, “wo katã wode asi avifafa me . . . eye wodze Paulo ƒe kɔ dzi, eye wogbugbɔ nu nɛ.” (Dɔwɔwɔwo 20:25, 37) Edze ƒã be ƒomedodo si nɔ Paulo kple nɔviawo dome la de to wu haxɔsetɔwo nyenye ko. Dadavilɔlɔ̃ nɔ wo dome.

Dadavilɔlɔ̃ Kple Lɔlɔ̃

3. Aleke Biblia ƒe nyagbe siwo gɔmesese do ka kple dadavilɔlɔ̃ la do ƒome kple lɔlɔ̃e?

3 Le Ŋɔŋlɔawo me la, dadavilɔlɔ̃, havilɔlɔ̃, kple nublanuikpɔkpɔname siaa do ka kplikplikpli kple Kristotɔwo ƒe nɔnɔme si ɖedzesi wu—si nye lɔlɔ̃. (Tesalonikatɔwo I, 2:8; Petro II, 1:7) Abe lotamekpe dzeani aɖe ƒe dzogoewo ene la, mawumenɔnɔme siawo katã da sɔ eye wode nu wo nɔewo me. Menye ɖeko wohea Kristotɔwo ɖe wo nɔewo ŋu ko o ke boŋ wohea wo hã ɖe wo Fofo si le dziƒo la ŋu. Eyata, apostolo Paulo xlɔ̃ nu haxɔsetɔwo bena: “[Miaƒe] lɔlɔ̃ la neganye alakpanu o! . . . Miaƒe lɔlɔ̃ na mia nɔewo nayɔ fũ kple dadavilɔlɔ̃.”—Romatɔwo 12:9, 10.

4. Nukae nya “dadavilɔlɔ̃” fia?

4 Go evee le Helagbe me nya si Paulo zã na “dadavilɔlɔ̃” si, ɖeka fia xɔlɔ̃wɔwɔ eye evelia fia ame ƒe nya lɔlɔ̃. Abe alesi Biblia ŋunyala aɖe ɖe emee ene la, esia fia be “ele be ɖokuitsɔtsɔna si dzena le ƒome si me lɔlɔ̃ le eye tsi metoa wo dome o, eye wokɔa dzime kpena ɖe wo nɔewo ŋu la nade dzesi” Kristotɔwo. Aleae nèsena le ɖokuiwò me ɖe nɔviwòŋutsu kple nɔviwònyɔnu Kristotɔwo ŋua? Ele be vividoɖeameŋu ƒe nɔnɔme—si nye esese le ame ɖokui me be yele ƒome aɖe me—naxɔ Kristo-hamea me. (Galatiatɔwo 6:10) Le esia ta, The New Testament in Modern English, si J. B. Phillips ŋlɔ, ɖe Romatɔwo 12:10 gɔme be: “Mina vividoɖeameŋu ƒe lɔlɔ̃ ŋutɔŋutɔ nanɔ mía dome abe alesi wònɔa dadaviwo domee ene.” Eye The Jerusalem Bible xlẽ be: “Milɔ̃ mia nɔewo abe alesi ko wòle be dadaviwo nalɔ̃ wo nɔewoe ene.” Ẽ, lɔlɔ̃ si nɔa Kristotɔwo dome la lɔ nu geɖe ɖe eme wu esi nunya le eme eye wòle be woawɔe ta ko. Ele be ‘nɔvilɔlɔ̃, si me alakpa mele o nana míalɔ̃ mia nɔewo vevie tso dzi dzadzɛ me.’—Petro I, 1:22.

‘Mawue Fia Mi be Mialɔ̃ Mia Nɔewo’

5, 6. (a) Aleke Yehowa zã dukɔwo dome takpekpewo tsɔ fiaa lɔlɔ̃ si wòle be wòanɔ Kristotɔwo si la eƒe amewoe? (b) Aleke ɖekawɔwɔ si le nɔviawo dome la wɔna va sẽna ɖe edzi le ɣeyiɣi aɖe megbe?

5 Togbɔ be “ame geɖewo ƒe lɔlɔ̃” nu le tsitsim le xexe sia me hã la, Yehowa le hehe nam eƒe ame siwo li egbea be ‘woalɔ̃ wo nɔewo.’ (Mateo 24:12; Tesalonikatɔwo I, 4:9) Yehowa Ðasefowo ƒe dukɔwo dome takpekpewo nye ɣeyiɣi vevi siwo woxɔa hehe sia. Le takpekpe siawo me la, Ðasefo siwo le dukɔa me la doa go nɔvi siwo tso adzɔge ʋĩ ke, eye wo dometɔ geɖe naa dutatsola siawo dzea woƒe aƒewo me. Le takpekpe siawo dometɔ ɖeka si wowɔ nyitsɔ laa me la, ame aɖewo tso dukɔ siwo me amewo meɖea woƒe seselelãmewo fiana le dutoƒo o me va. Kristotɔ aɖe si kpe asi ɖe dzeƒewo didi ŋu gblɔ be: “Esi takpekpevala siawo va ɖo la, wode vovo ge do kpoe eye woléa wo ɖokui kpoo. Gake esi, le ŋkeke ade pɛ ko megbe, woklã be yewole dzodzom la, woa kple amesiwo gbɔ wodze la kpla asi kɔ na wo nɔewo hefa avi. Wose vivi le Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ ƒomevi aɖe si womaŋlɔ be akpɔ o la me.” Amedzrowɔwɔ na mía nɔviwo, metsɔ le amesi ƒomevi wonye me o, ate ŋu aɖe nɔnɔme nyui si le amedzroa kple amesi xɔe la si afia.—Romatɔwo 12:13.

6 Togbɔ be takpekpe siawo ƒomevi me nuteƒekpɔkpɔwo nyea esi doa dzidzɔ na ame hã la, ne Kristotɔ siwo subɔa Yehowa la de ta agu ɖekae hena ɣeyiɣi aɖe la, ƒomedodo si gale kplikplikpli wu va nɔa wo dome. Ne míenya mía nɔviwo nyuie la, woƒe nɔnɔme lédzinamewo—woƒe nyateƒetoto, alesi míate ŋu aka ɖe wo dzii, woƒe nuteƒewɔwɔ, dɔmekɔkɔ, dɔmenyonyo, ameŋububu, kple ɖokuitɔmadimadi—ate ŋu anyo mía ŋu ɖe edzi. (Psalmo 15:3-5; Lododowo 19:22) Mark, amesi wɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔ le Ɣedzeƒe Afrika, gblɔ be, “Dɔwɔwɔ aduadu kple mía nɔviwo zua nublanu aɖe si mete ŋu tsona o.”

7. Be Kristotɔwo ƒe ɖekawɔwɔ nanɔ mía dome le hamea me la, nukae wòbia tso mía si?

7 Be ɖekawɔwɔ sia nate ŋu aɖo hamea me eye wòayi edzi anɔ anyi la, ele be hamea me tɔwo nate ɖe wo nɔewo ŋu kplikplikpli. To Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede edziedzi me la, alesi míekuna ɖe mía nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo ŋu la me gasẽna ɖe edzi. To dede kple gomekpɔkpɔ le wɔnaawo me hafi kpekpeawo nadze egɔme, ne ele edzi yim, kple ne míekpa me la, míedea dzi ƒo hedea dzo mía nɔewo me “le lɔlɔ̃ kple dɔ nyui wɔwɔ me.” (Hebritɔwo 10:24, 25) Hamemegã aɖe si le United States gblɔ be, “Meɖo ŋku edzi nyuie be esi menye ɖevi la, míaƒe ƒomea nyea ame mamlɛtɔ siwo dzona le Fiaɖuƒe Akpata me la dometɔ ɖeka henɔa xɔlɔ̃wɔwɔ ƒe dze tuameɖowo ɖom ɣeyiɣi didie alesi woate ŋui.”

Ðe Wòhiã be ‘Nàkeke Ðokuiwòa’?

8. (a) Nukae Paulo wɔnɛ esime wòxlɔ̃ nu Korintotɔwo be ‘woakeke wo ɖokui’? (b) Nukae míate ŋu awɔ atsɔ ado lɔlɔ̃ ɖe ŋgɔe le hamea me?

8 Be míate ŋu akpɔ gome le lɔlɔ̃ sia me bliboe la, ahiã be ‘míakeke mía ɖokui’ le dzime. Paulo ŋlɔ ɖo ɖe Korinto-hamea be: “Míaƒe dzi keke! Miexaxa le mía me o.” Paulo xlɔ̃ nu wo be woawo hã ‘woakeke wo ɖokui.’ (Korintotɔwo II, 6:11-13) Ðe wò hã nàte ŋu ‘akeke ɖokuiwò’ le wò lɔlɔ̃ɖeɖefia mea? Mehiã be nàlala be amewo nate ɖe ŋuwò o. Le Paulo ƒe lɛta si wòŋlɔ ɖo ɖe Romatɔwo me la, egblɔ alesi wòhiãe be dadavilɔlɔ̃ nanɔ wo si kpe ɖe aɖaŋuɖoɖo sia ŋu be: “Mitre mia nɔewo bubu!” (Romatɔwo 12:10) Be nàte ŋu ade bubu amewo ŋu la, te ɖe amewo ŋu le kpekpewo me nàdo gbe na wo. Àte ŋu akpe wo woayi gbeadzi kpli wò alo be míadzra ɖo ɖe kpekpe aɖe ŋu ɖekae. Esia wɔwɔ ʋua mɔ dadavilɔlɔ̃ tsina.

9. Afɔ kawoe ame aɖewo ɖe be yewoazu xɔlɔ̃ veviwo na hati Kristotɔwo? (De mia gbɔ kpɔɖeŋu aɖewo eme.)

9 Ƒomewo kple ame ɖekaɖeka siwo le hamea me ate ŋu ‘akeke wo ɖokui’ to wo nɔewo sasrãkpɔ eye ɖewohĩ woaɖu nu kpokploe aɖe ɖekae me, kple to gomekpɔkpɔ le wɔna tuameɖowo wɔwɔ me ɖekae me. (Luka 10:42; 14:12-14) Hakop wɔa nuɖaɖa aɖaɖu le modzakaɖeƒe aɖe ƒe ɖoɖo na ƒuƒoƒo suewo enuenu. Egblɔ be, “Ðeviwo kple ame tsitsiwo siaa, kpakple dzila ɖekɛwo, nɔa eme. Amesiame trɔna yia eƒeme kple dzidzɔ, eye wosena le wo ɖokui me be yewote ɖe yewo nɔewo ŋu wu.” Abe Kristotɔwo ene la, ele be míadze agbagba be míaganye haxɔsetɔwo ko o ke boŋ míanye xɔlɔ̃ vavãwo hã.—Yohanes III, 14.

10. Nukae míate ŋu awɔ ne wòsese be míanɔ ƒomedodo nyui me kple mía nɔewo?

10 Gake ɣeaɖewoɣi la, blibomademadewo ana xɔlɔ̃dzedze kple lɔlɔ̃ɖeɖefia nasesẽ. Nukae míate ŋu awɔ? Gbã la, míate ŋu ado gbe ɖa abia be ƒomedodo nyui nanɔ mía kple mía nɔviwo dome. Mawu ƒe lɔlɔ̃nue wònye be ye subɔlawo dome nanɔ nyuie, eye aɖo gbe mawo dodo ɖa tso dzi me ŋu. (Yohanes I, 4:20, 21; 5:14, 15) Ele be míaɖe afɔ ɖe míaƒe gbedodoɖawo hã nu. Ric, si nye dzikpɔlamɔzɔla le Ɣedzeƒe Afrika, ɖo ŋku nɔvi aɖe si akpasesẽnuwɔwɔ wɔe be ha menya dena kplii o la dzi. Ric ɖe eme be, “Le esi teƒe be maƒo asa na nɔvia la, meɖoe be madze sii nyuie wu boŋ. Meva kpɔe be nɔvia fofo nye amesi ƒe nyame sẽ ŋutɔ. Esi menya kpɔ agbagba si gbegbe wòhiã be nɔvia nadze hafi aɖu amesi ƒomevi wòtsi va zu dzi dze sii kple alesi gbegbe wòwɔ asitɔtrɔe ko la, eƒe nu nyo ŋunye. Míeva zu xɔlɔ̃ nyuiwo.”—Petro I, 4:8.

Gblɔ Wò Dzimenya!

11. (a) Be lɔlɔ̃ natsi le hamea me la, nukae hiã? (b) Nukatae seselelãmewo magblɔmagblɔ na amewo ate ŋu agblẽ nu le ame ŋu le gbɔgbɔ me?

11 Egbea, ame geɖe medzea xɔlɔ̃ vevi aɖeke le agbe me o. Nublanuinya kae nye si! Mehiã be—eye mele be—wòanɔ alea le Kristo-hamea me o. Nɔvilɔlɔ̃ akuakua menye dzeɖoɖo ameŋububutɔe kple nɔnɔme nyuiwo ɖeɖefia dzro ko o; eye menye vividodoɖeameŋu vevie ƒe nya ko hã o. Ke boŋ, ele be míalɔ̃ be míagblɔ míaƒe dzimenyawo, abe alesi Paulo wɔe na Korintotɔwo ene, ahaɖee afia míaƒe haxɔsetɔwo be míetsɔ ɖe le woƒe nyonyo me nyateƒe. Togbɔ be menye amesiamee lɔ̃a hadede alo nu nya ƒona na o hã la, ame nikpi nyenye akpa ate ŋu agblẽ nu. Biblia xlɔ̃ nu be: “Amesi ɖe eɖokui ɖe aga le eya ŋutɔ ƒe dzodzro yome dim la, etsia tre ɖe nunyanyawo katã ŋu.”—Lododowo 18:1.

12. Nukatae dzeɖoɖo nyui le vevie hena ƒomedodo nyui me nɔnɔ le hamea me?

12 Dzimedzewo ɖoɖo nye nu vevi aɖe le xɔlɔ̃ vavã nyenye me. (Yohanes 15:15) Mí katã míehiã na xɔlɔ̃ siwo míate ŋu agblɔ míaƒe dzimenyawo kple seselelãmewo na. Eyata, ne míenya mía nɔewo nyuie la, mía nɔewo ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ nɔa bɔbɔe wu. Ne míedi mía nɔewo ƒe nyonyo alea la, míetua dadavilɔlɔ̃ ɖo, eye míakpɔ Yesu ƒe nya siawo ƒe nyateƒenyenye teƒe be: “Nana enye yayra wu xɔxɔ.”—Dɔwɔwɔwo 20:35; Filipitɔwo 2:1-4.

13. Nukae míate ŋu awɔ atsɔ afia be míelɔ̃ mía nɔviwo nyateƒe?

13 Be míaƒe lɔlɔ̃ naɖe vi nyuitɔ la, ehiã be míaɖee afia. (Lododowo 27:5) Ne míaƒe lɔlɔ̃ nye adodoea la, míaƒe mo aɖee afia, eye ate ŋu aʋã dzi na ame bubuwo be woawo hã naɖee afia. Nunyala la ŋlɔ bena: “Mokɔkɔ doa dzidzɔ na dzi.” (Lododowo 15:30) Nu siwo ŋu wobuna nyuie hafi wɔna hã tua dadavilɔlɔ̃ ɖo. Togbɔ be ame aɖeke mate ŋu aƒle lɔlɔ̃ vavãtɔ o hã la, nusi woana tso dzi me ate ŋu aɖe vi gã aɖe. Fotogbalẽvi aɖe, lɛta, kple “nya, si wogblɔ ɖe egblɔɣi”—esiawo katã ate ŋu aɖe lɔlɔ̃ deto afia. (Lododowo 25:11; 27:9) Ne míenya dze xɔ̃ amewo ko la, ele be míatui ɖo to ɖokuitɔmadimadi ƒe lɔlɔ̃ ɖeɖe fia edziedzi me. Vevietɔ le hiãɣiwo la, míadi be míakpe ɖe mía xɔlɔ̃wo ŋu. Biblia gblɔ be: “Xɔlɔ̃ lɔ̃a ame ɣesiaɣi, eye wòtrɔna dzɔa ame nɔvi le hiã me.”—Lododowo 17:17.

14. Nukae míate ŋu awɔ ne edze abe ame aɖe mele ʋaʋam ɖe alesi míelɔ̃e ŋu o ene?

14 Le nyateƒe me la, míate ŋu akpɔ mɔ be mía kple hameametɔ ɖesiaɖe dome anɔ kplikplikpli o. Dzɔdzɔme wɔe be míate ɖe ame aɖewo ŋu kplikplikpli wu ame aɖewo. Eyata ne edze abe ame aɖe medoa vivi ɖe ŋuwò abe alesi nàdi ene o la, megaƒo nya ta enumake be nane gblẽ le ye alo amea ŋu o. Eye megadze agbagba be yeazi ƒomedodo kplikplikpli me nɔnɔ ɖe amea dzi hã o. Ne èdze xɔ̃ amea va ɖo afisi wòadi be nese ɖo ko la, wò ya ʋu mɔa ɖi be mia dome nate ŋu ava nɔ kplikplikpli gbaɖegbe.

“Wò Ŋu Mekpɔa Ŋudzedze Lena”

15. Ŋusẽ kae ame kafukafu, alo ame makafumakafu, kpɔna ɖe amewo dzi?

15 Aleke dzi adzɔ Yesu enye si le eƒe nyɔnyrɔxɔɣi esime wòse nya siawo tso dziƒo be: “Wò ŋu mekpɔa ŋudzedze lena”! (Marko 1:11) Ŋudzedzekpɔɖeameŋu ƒe nya sia ana kakaɖedzi si nɔ Yesu si be ye Fofoa lɔ̃ ye la nagade to ɖe edzi. (Yohanes 5:20) Nublanuitɔe la, ame aɖewo mesea kafukafunya siawo tɔgbe tso amesiwo wobuna helɔ̃na la nu o. Ann gblɔ be, “Hanyeti sɔhɛ geɖewo li siwo ƒe ƒometɔwo meda asi ɖe woƒe Kristotɔwo ƒe dzixɔsewo dzi o. Ðeklemiɖenyawoe míesena le aƒeme. Esia nana míeléa blanui.” Gake ne wova zu hamea me tɔwo la, gbɔgbɔmeƒome aɖe—fofowo kple dadawo kple nɔviŋutsuwo kple nyɔnuwo siwo nye haxɔsetɔwo—kpena ɖe wo ŋu heɖea vividoɖeameŋu kple ɖetsɔleme fiaa wo.—Marko 10:29, 30; Galatiatɔwo 6:10.

16. Nukatae vodadadidi le amewo ŋu ƒe nɔnɔme mekpena ɖe ameawo ŋu o?

16 Le dekɔnu aɖewo me la, ƒã hafi dzilawo, ame tsitsiwo, kple nufialawo ɖea ŋudzedzekpɔkpɔ si tso dzi me la fiana ɖe ɖeviwo ŋu, le susua nu be ɖewohĩ kafukafu ma ana woƒe ta nate alo ana woada. Tamebubu alea ate ŋu agblẽ nu le Kristotɔwo ƒe ƒomewo kple hamea ŋu. Ne ame tsitsiwo le nu ƒom tso dɔdasi aɖe alo agbagba aɖe si wodze ŋu la, woagblɔ be: “Enyo ŋutɔ, gake àgate ŋu awɔe wu!” Alo woaɖe woƒe ŋudzedzemakpɔmakpɔ ɖe ɖevi aɖe ŋu afia le mɔ bubu nu. Ame geɖe bunɛ be to esia wɔwɔ me la, yewole dzi dem ƒo na ɖeviwo be woabi ɖe edzi. Gake zi geɖe la, ŋusẽ gbegblẽ boŋue mɔnu sia va kpɔna, le esi ɖeviwo ahe ɖe megbe alo ase le wo ɖokui me be yewomate ŋu aɖo egbɔ o ta.

17. Nukatae wòle be míadi mɔnukpɔkpɔwo atsɔ akafu amewo?

17 Gake mele be woatsɔ kafukafu anɔ ŋgɔ ɖomee na aɖaŋuɖoɖo ko o. Kafukafu si tso dzi me la tua dadavilɔlɔ̃ ɖo le ƒomea kple hamea me, eye wòdea dzi ƒo na ɖeviwo be woabia aɖaŋuɖoɖo tso nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu tsitsiwo gbɔ. Eyata le esi teƒe be míana dekɔnuwo nafia mí alesi míawɔ nu ɖe amewo ŋui la, mina ‘miado ame yeye, si wowɔ le Mawu ƒe nɔnɔme nu la, le nyateƒe la ƒe dzɔdzɔenyenye kple kɔkɔenyenye la me.’ Kafu amewo abe alesi Yehowa wɔnɛ ene.—Efesotɔwo 4:24.

18. (a) Ðeviwo, aleke wòle be miabu ame tsitsiwo ƒe aɖaŋuɖoɖoe? (b) Nukatae ame tsitsiwo kpɔna nyuie le alesi woɖoa aɖaŋui ŋu?

18 Ke hã, ne ame tsitsiwo ɖɔ mi ɖeviwo ɖo alo ɖo aɖaŋu na mi la, migaƒo nya ta be efia be womelɔ̃ mi o. (Nyagblɔla 7:9) Menye nenemae kura o! Anye be woƒe ɖetsɔtsɔ le mia me kple lɔlɔ̃ deto na mi ye ʋã wo. Ne mele nenema o la, nukatae woadze agbagba be yewoaƒo nu le nya la ŋu kpli mi? Esi ame tsitsi—vevietɔ hamemegãwo—nya dɔ si nuƒo ate ŋu awɔ ɖe ame dzi ta la, zi geɖe la, wobua tame geɖe hedoa gbe ɖa hafi ɖoa aɖaŋu na ame, le esi wònye nyui koe wodi be yewoawɔ ta.—Petro I, 5:5.

‘Yehowa Lɔ̃a Ame Ŋutɔ’

19. Nukatae amesiwo mɔkpɔkpɔ bu ɖo la ate ŋu akpɔ Yehowa sinu be wòakpe ɖe yewo ŋu?

19 Lɔlɔ̃ɖeɖefia aɖe si zu haxɔnya na ame aɖewo awɔe be woase le wo ɖokui me be ɖeko dadavilɔlɔ̃ ɖeɖe fia ana nuwo nagagblẽ ɖe edzi boŋ. Ebia dzinɔameƒo kple xɔse sẽŋu be woagate ŋu agblɔ woƒe dzimenyawo na amewo ake. Gake mele be woaŋlɔ be gbeɖe o be Yehowa “mele adzɔge tso mía dome amesiame gbɔ hafi o.” Ele mía kpem be míate ɖe ye ŋu. (Dɔwɔwɔwo 17:27; Yakobo 4:8) Enya nusitae míele vɔvɔ̃m be míaƒe dzi agava gbã ake ɖo, eye edo ŋugbe be yeanɔ mía ŋu ahakpe ɖe mía ŋu. Hakpala Dawid ka ɖe edzi na mí be: “Yehowa tsɔ ɖe amesiwo ƒe dzi gbã gudugudu la gbɔ, eye wòxɔna na amesiwo ƒe gbɔgbɔ woƒo ƒu anyi.”—Psalmo 34:19.

20, 21. (a) Aleke míewɔ nya be míate ŋu ado ƒome kplikplikpli kple Yehowa? (b) Nukae wòbia bene ame nanɔ ƒomedodo kplikplikpli me kple Yehowa?

20 Xɔlɔ̃ dzedze Yehowa kplikplikplie nye ƒomedodo vevitɔ si me míate ŋu anɔ. Gake ɖe ƒome sia anya do tututua? Ẽ. Biblia ɖe alesi gbegbe ŋutsu kple nyɔnu nuteƒewɔlawo se le wo ɖokui me ku ɖe míaƒe Dziƒofofoa ŋu la fia. Wokpɔ nya tuameɖo siwo wogblɔ la ta be wòade dzi ƒo na mí be míawo hã míate ŋu ate ɖe Yehowa ŋu.—Psalmo 23, 34, 139; Yohanes 16:27; Romatɔwo 15:4.

21 Amesiame ate ŋu aɖo nusiwo Yehowa bia hafi woate ŋu ate ɖe eŋu kplikplikpli la gbɔ. Dawid bia be, “Yehowa, ameka adze wò agbadɔ me, eye ameka anɔ wò to kɔkɔe la dzi ma? Amesi fɔɖiɖi mele eƒe zɔzɔme ŋu o, ewɔa nu dzɔdzɔe, eye wòtoa nyateƒe le eƒe dzi me.” (Psalmo 15:1, 2; 25:14) Ne míele ekpɔm be Mawu subɔsubɔ tsea ku nyuiwo eye wòfiaa mɔ mí hekpɔa míata la, míava nyae be ‘Yehowa lɔ̃a ame ŋutɔ.’—Yakobo 5:11.

22. Ƒomedodo ka ƒomevie Yehowa di be wòanɔ yeƒe amewo dome?

22 Yayra kae nye si wònye na mí be Yehowa di be ye ŋutɔ yeanɔ ƒomedodo sia tɔgbe me kple amegbetɔ! Ekema ɖee mele be míaɖe dadavilɔlɔ̃ afia mía nɔewo oa? Le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, mía dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu akpɔ gome le dadavilɔlɔ̃ si dea dzesi míaƒe Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa me. Le Mawu ƒe Fiaɖuƒea me la, anyigba dzi nɔla ɖesiaɖe akpɔ gome le lɔlɔ̃ sia me tegbee.

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

• Nɔnɔme ka ƒomevi wòle be wòanɔ Kristo-hamea me?

• Aleke mía dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu ana dadavilɔlɔ̃ nanɔ hamea mee?

• Akeke kafukafu si tso dzime tua Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ ɖoe?

• Akeke Yehowa ƒe numalɔ̃malɔ̃leamegbɔ kpena ɖe mía ŋu heléa mí ɖe tee?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Lɔlɔ̃ si le Kristotɔwo dome la ɖea nusi de ŋgɔ wu nusi ko wòle be woawɔ la fiana

[Nɔnɔmetata siwo le axa 16, 17]

Ðe nàte ŋu ‘akeke ɖokuiwò’ le wò lɔlɔ̃ɖeɖefia mea?

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Ðe nèdia vodada le ame ŋu loo alo ɖe nèdea dzi ƒo na amea?