Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Domenyinu si Ŋu Nàte Ŋu Aɖo Ŋu Ðo

Domenyinu si Ŋu Nàte Ŋu Aɖo Ŋu Ðo

Domenyinu si Ŋu Nàte Ŋu Aɖo Ŋu Ðo

“NE ÈXƆ nyanyanagbalẽ aɖe si gblɔ be ame aɖe gblẽ domenyinu aɖe ɖi na wò la, kpɔ nyuie. Ate ŋu anye ameflunuwɔwɔ aɖe si dzi woato able wò.”

Emae nye nuxlɔ̃amenya si United States ƒe Posudɔwɔƒea de eƒe Internet nyatakakadzraɖoƒe be wòatsɔ axlɔ̃ nu amewo. Nukatae? Elabena ame akpe geɖewo xɔ nyanyanagbalẽwo si gblɔ be: ‘Wò ƒometɔ aɖe ku eye wògblẽ domenyinu aɖe ɖi na wò.’ Esia wɔe be ame geɖewo ɖo dɔlar 30 alo esi wu nenema ɖa be woaɖo domenyinua ŋuti nyatakakawo kple alesi yewoawɔ axɔe la ɖe yewo. Nublanuitɔe la, woble wo. Nyatakaka ɖeka tɔgbee woɖo ɖe ameawo katã—eye domenyinu si wonɔ mɔ kpɔm na la ƒe ɖeke kura mesu wo dometɔ aɖeke si o.

Ameflunuwɔwɔ mawo kpɔa ŋusẽ ɖe amewo ƒe dzɔdzɔmedidi si nye be yewoanyi nane ƒe dome la dzi. Gake Biblia ya ƒo nu nyui tso amesiwo naa domenyinuwo amewo le nyateƒe me la ŋu be: “Viwo ƒe viwo nyia dɔmenyotɔ ƒe dome.” (Lododowo 13:22) Le nyateƒe me la, Yesu Kristo ŋutɔŋutɔe gblɔ nya nyanyɛ sia si léa dzi na ame ŋutɔ la le eƒe Todzimawunya me be: “Woayra amesiwo nye ame fafawo la; elabena woawoe anyi anyigba la ƒe dome.”—Mateo 5:5.

Yesu ƒe nya siawo na míeɖo ŋku nya si gbɔgbɔ ʋã blema Israel Fia Dawid wòŋlɔ ƒe alafawo do ŋgɔ dzi be: “Ke ame ɖihiãwo [ame fafawo] anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.”—Psalmo 37:11.

‘Woanyi anyigba la ƒe dome’—mɔkpɔkpɔ dodzidzɔname kae nye esi! Gake ɖe míate ŋu aka ɖe edzi be esia ya menye ameflunya aɖe si hã ŋu wotrɔ asi le be woatsɔ able amewoe oa? Ẽ, míate ŋui. Esi wònye anyigba la nye Yehowa ƒe nuwɔwɔ wɔnukuawo ƒe akpa aɖe ta la, Etɔe anyigba la nye eye wònye Amesi Wɔe, eya si koe ŋusẽa le be wòatsɔe awɔ domenyinue na amesi wòlɔ̃. Yehowa to Fia Dawid dzi gblɔ nyagblɔɖi me ŋugbedodo sia na Via, Yesu Kristo, si gbɔ melɔ̃a nu le na o be: “Biam, eye matsɔ dukɔwo awɔ wò domenyinu kple anyigba ƒe mlɔenuwo awɔ tɔwòe!” (Psalmo 2:8) Le susu sia ta la, apostolo Paulo ɖɔ Yesu be enye “amesi [Mawu ɖo] nuwo katã ƒe domenyila.” (Hebritɔwo 1:2) Eyata míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be esi Yesu gblɔ be ame fafawo “anyi anyigba la ƒe dome” la, egblɔe kple kakaɖedzi blibo, eye ŋusẽ si sɔ le esi be wòana eƒe ŋugbedodowo nava eme.—Mateo 28:18.

Ke hã, nyabiase si le vevie ŋutɔe nye, Aleke ŋugbedodo ma ava emee? Míekpɔnɛ le afisiafi egbea be, edze abe akpasesẽnuwɔlawo kple nugãdilawo koe nu le edzi dzem na wu ene. Ke nukae asusɔ na ame fafawo? Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ɖiƒoƒo ƒe kuxi gãwoe yɔ anyigba la dzi, eye ŋuklẽlawo kple amesiwo mekpɔa nu dea ŋgɔ o la le edzinuwo ham. Ðe anyigba aɖe gɔ̃ hã li si anyo be woatsɔ anyi domeea? Míekpe wò be nàxlẽ nyati si kplɔe ɖo be nàkpɔ ŋuɖoɖo na nyabiase siawo kple bubu siwo hã le vevie.

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

Àxɔ domenyinu vavãtɔ la?