Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Eƒo Nu tso Eƒe Dzixɔsewo ŋu na Eƒe Sukuxɔmehatiwo

Eƒo Nu tso Eƒe Dzixɔsewo ŋu na Eƒe Sukuxɔmehatiwo

Eƒo Nu tso Eƒe Dzixɔsewo ŋu na Eƒe Sukuxɔmehatiwo

ÀDI be yeakpe ɖe yeƒe sukuxɔmehatiwo ŋu be woase wò dzixɔse siwo nɔ te ɖe Biblia dzi la gɔme nyuie wua? Magdalena, si xɔ ƒe 18 eye wòle sekɛndrisuku dem le Poland, ƒoa nu na eƒe sukuxɔmehatiwo enuenu tso eƒe dzixɔsewo ŋu abe Yehowa Ðasefo ene. Eyata zi geɖe la, wobiana nya siawoe be, ‘Nukae Yehowa Ðasefo nyenye lɔ ɖe eme?’ eye ‘Ðe miexɔa Yesu Kristo dzi se oa?’ Alekee wòawɔ akpe ɖe eƒe sukuxɔmehatiwo ŋu? Magdalena do gbe ɖa bia Yehowa ƒe mɔfiafia heɖe afɔ siwo wɔ ɖeka kple eƒe gbedodoɖawo.—Yakobo 1:5.

Gbeɖeka Magdalena bia nufiala aɖe si dea bubu eƒe dzixɔsewo ŋu ne yeate ŋu aɖe video si nye Jehovah’s Witnesses—The Organization Behind the Name * la afia yeƒe sukuxɔmehatiwo. Nufialaa lɔ̃ ɖe edzi. Eye Magdalena gblɔ na eƒe sukuxɔmehatiawo be: “Mele ɖoɖo wɔm kple xɔ̃nye aɖe be míatrɔ asi le wɔna aɖe si axɔ miniti 90 la ŋu na mi. Anye video ɖeɖefia kple numedzodzro tso Yehowa Ðasefowo ŋu. Miadi be yewoakpɔ eteƒea?” Wo katã lɔ̃ ɖe edzi be ẽ. Magdalena kple Wojciech, amesi nye ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigblɔla kpɔnuteƒe aɖe, dze dzadzraɖo ɖe wɔnaa ŋu gɔme.

Woɖoe be yewoatsɔ miniti 20 ƒe nuƒo si anɔ te ɖe agbalẽ gbadza si nye Yehowa ÐasefowoAmekawoe Wonye? Nukae Nye Woƒe Dzixɔse?* dzi atsɔ adze wɔnaa gɔmee eye nyabiabia kple ŋuɖoɖo ƒe numedzodzro nakplɔe ɖo. Emegbe yewoaɖe video la na wo le sukua ƒe agbalẽdzraɖoƒe. Woana nunana aɖe—si nye agbalẽkotoku gã aɖe si me agbalẽ gbadza ʋɛ aɖewo, Questions Young People Ask—Answers That Work* ƒe agbalẽa, hekpe ɖe trakt kple magazine aɖewo ŋu le—sukuviawo dometɔ ɖesiaɖe.

Le ŋkeke si dzi míewɔ wɔna la, nyasela siwo nɔ eteƒee nye sukuxɔmehati 14, nufiala la, kple sukuvi 4 bubu siwo nɔ agbalẽdzraɖoƒea. Gbã la, Wojciech ɖe nu me be Polandtɔwo ƒe hakpanyaŋlɔla kple agbalẽŋlɔla aɖewo zã Mawu ƒe ŋkɔ, si nye Yehowa, le woƒe agbalẽwo me. Ehe woƒe susu yi Katolikotɔwo ƒe katekismogbalẽ xoxo aɖewo me nya siwo me Mawu ƒe ŋkɔa dze le la hã dzii. Esi wònɔ Yehowa Ðasefowo ƒe egbegbe dɔwɔnawo me ɖem la, etsɔ agbalẽ gbadza siwo me alɔdzedɔwɔƒe vovovowo ƒe nɔnɔmetatawo le kple Takpexɔ gbogbo aɖewo ƒe fotowo fia wo.

Numedzodzro dodzidzɔname aɖe kplɔe ɖo. Magdalena kple Wojciech zã Biblia tsɔ ɖo biabiaawo ŋui. Esia wɔ dɔ ɖe nyaselawo dzi ŋutɔ eye wòna wokpɔ kakaɖedzi kɔte be menye Yehowa Ðasefowo ŋutɔwo ƒe nukpɔsusuwoe woɖea gbeƒãe o. Nya siwo wobia dometɔ aɖewo ɖe, eye aleke woɖo wo ŋui?

Nyabiabia: Biblia la yɔ fũ kple nya siwo gɔmesese sesẽ kple kpɔɖeŋu nyagbɔgblɔwo, eye eƒe gɔmeɖeɖewo metoa mɔ ɖeka o. Aleke wòanya wɔe be woanɔ agbe ɖe Biblia ƒe nyawo nu?

Ŋuɖoɖo: Ame aɖewo gblɔna be Biblia la le abe kasaŋku si woate ŋu atsɔ aƒo hagbe ɖesiaɖe si ame di la ene. Gake bu eŋu kpɔ ko: Ne èdi be yease agbalẽŋlɔla aɖe ƒe nuŋlɔɖiwo gɔme la, ɖe nunya manɔ eme wu ne èbia eya ŋutɔ oa? To vovo na amegbetɔ agbalẽŋlɔla siwo kuna la, Biblia la Ŋlɔla, Yehowa Mawu, ya le agbe ɣesiaɣi. (Romatɔwo 1:20; Korintotɔwo I, 8:5, 6) Nya siwo ƒo xlã mawunyakpukpui aɖe ate ŋu ana míakpɔ gɔmeɖeɖe vavãtɔ nɛ. Azɔ hã, Biblia la ƒoa nu tsoa nyati ɖeka ma ke ŋu le eƒe akpa bubu geɖewo, eyata wo tsɔtsɔ sɔ kple wo nɔewo akpe ɖe mía ŋu. To esia me la, míate ŋu ana Mawu nafia mɔ míaƒe tamesusuwo, abe ɖe eya ŋutɔ le ŋɔŋlɔawo me ɖem na mí ene. Ne míewɔe alea la, míate ŋu anya eƒe lɔlɔ̃nu si le Biblia la me ahanɔ agbe ɖe enu, ɖe míate ŋui oa?

Nyabiabia: Vovototo kae le Kristotɔwo kple Yehowa Ðasefowo dome?

Ŋuɖoɖo: Kristotɔwoe míenye! Gake le esi teƒe be Yehowa Ðasefowo natɔ asi akɔ be yewonye Kristotɔwo ko la, wodzea agbagba be yewoanɔ agbe ɖe yewoƒe dzixɔsewo kple nusi Mawu fiaa wo hena woƒe nyonyo la nu boŋ. (Yesaya 48:17, 18) Esi wotu woƒe nufiafiawo katã ɖe Biblia dzi ta la, wonya be yewo sie nyateƒea le.—Mateo 7:13, 14, 21-23.

Nyabiabia: Nukatae mietena ɖe amesiwo mienya kura o ŋu heƒonɛ ɖe wo nu be yewoaɖo dze kpli wo? Ðe ema menye míaƒe dzixɔsewo zizi ɖe amewo dzi oa?

Ŋuɖoɖo: Ðe nèbu be nane gblẽ le eŋu ne ame aɖe ƒo nu kpli wò le ablɔ dzi tufafatɔe eye wòbia wò nukpɔsusu le nane ŋua? (Yeremya 5:1; Zefanya 2:2, 3) (Enumake Wojciech kple Magdalena wɔ wɔwɔfia le alesi wobia gbe amesiwo nɔ eme tsom va yina ne Mawu tsɔa ɖe le eme na amesiwo ŋu tsiɖɔɖɔ gblẽ nu le nyitsɔ laa le Poland lae.) Ne míese alesi amea bu tso nyaa ŋu ko la, míehea eƒe susu yia nusi Biblia gblɔ dzi. Ne ame aɖe medi be yeaɖo dze kpli mí o la, míedia ŋkekea ƒe nyonyo nɛ eye míeyia dɔa dzi. (Mateo 10:11-14) Ðe ema nye amewo dzi zizi be míaƒo nu na woa? Alo ɖe mele be amewo nagaɖo dze azɔ oa?

Nyabiabia: Nukatae míeɖua ŋkekenyuiwo o?

Ŋuɖoɖo: Míeɖua azã ɖeka si ko Biblia de se be woaɖu—Yesu Kristo ƒe Ku ƒe Ŋkuɖodzizã. (Korintotɔwo I, 11:23-26) Le ŋkekenyuiwo ɖuɖu gome la, àte ŋu akpɔ alesi wo ɖuɖu wɔ dze egɔmee to numekuku wɔwɔ le numekugbalẽwo kple agbalẽ bubu siwo ŋu kakaɖedzi le me. Ne èwɔ numekuku la, àva kpɔ nusitae míeɖua azã mawo o la adze sii bɔbɔe.—Korintotɔwo II, 6:14-18.

Nyaselaawo bia nya bubu geɖe eye woɖo wo ŋu na wo. Numedzodzroa xɔ ɣeyiɣi didi ale gbegbe be eva hiã be woada video la ɖeɖe ɖe ŋkeke bubu dzi.

Aleke sukuviawo wɔ nui? Mina Magdalena nagblɔe na mí: “Ewɔ nuku nam be sukuvi aɖewo siwo wɔa nu susumanɔmetɔe eye wokona ame la bia nya siwo me susu nɔ. Togbɔ be wobe yewonye mawudzimaxɔselawo hã la, woɖee fia le numedzodzroa wɔɣi be yewoxɔ Mawu dzi se!” Vavalawo xɔ nunanaawo—siwo katã ƒe ƒuƒoƒoe nye agbalẽ 35, agbalẽ gbadza 63, kple magazine 34 siwo wona wo la—kple dzidzɔ.

Suku numedzrowɔna me tsonu wɔnuku ka gbegbee nye si! Menye ɖeko wòkpe ɖe Magdalena ƒe sukuxɔmehatiwo ŋu wova nya Yehowa Ðasefowo nyui wu hese woƒe dzixɔse gɔme ko o, ke ede dzi ƒo na sɔhɛawo dometɔ geɖe be woade ŋugble le gɔmesese si le agbe ŋu hã ŋu. Nukatae màdze agbagba akpe ɖe wò sukuxɔmehatiwo ŋu be woanya nu geɖe wu tso wò dzixɔsewo ŋu o?

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 3 Yehowa Ðasefowoe wɔe.

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Magdalena kple Wojciech le dzadzram ɖo ɖe numedzodzroa ŋu