Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Hehe Aɖe Si Mexɔ Le Nye Agbenɔɣi Katã

Hehe Aɖe Si Mexɔ Le Nye Agbenɔɣi Katã

Agbemeŋutinya

Hehe Aɖe Si Mexɔ Le Nye Agbenɔɣi Katã

ABE ALESI HAROLD GLUYAS GBLƆE ENE

Nutata aɖe si mekpɔ le nye ɖevimenɔɣi tsi susu me nam ƒe 70 kple edzivɔe nye sia. Mebɔbɔ nɔ anyi ɖe Danye ƒe dzodoƒe, nɔ nutata aɖe si tame woŋlɔ ɖo be “Ceylon Tea” la kpɔm. Nyɔnu aɖewo, siwo nɔ tiigbe kem le agble siwo me aŋgbawo dama le nyuie le Ceylon (si zu Sri Lanka fifia) la, hã ƒe nɔnɔmetata nɔ nutataa dzi. Nuto si ƒe nɔnɔme wota, si gbɔ didi tso míaƒe aƒe ƒe anyigba mawɔnu si le Anyiehe Australia gbɔ sasasã, la wɔ dɔ ɖe nye susu dzi ŋutɔ. Aleke gbegbe Ceylon dukɔ sia adze ani eye woado dzidzɔ na amee nye si! Nyemenya kura ɣemaɣi be mava zã ƒe 45 sɔŋ le nye agbe me anye dutanyanyuigblɔla anɔ ƒukpo lédziname ma dzi o.

WODZIM ɖe xexe aɖe si to vovo sasasã tso egbexexea gbɔ la me le April 1922 me. Míaƒe ƒomea de nukugble le nuto tsoabo aɖe si gogo Kimba, si nye kɔƒedu saɖaga aɖe, si le Australia nyigbagã keke la ƒe titina eye wòle Dukɔa ƒe dzogbe gã la ƒe anyieheliƒo dzi, la me. Enye agbenɔnɔ si me afɔkuwo bɔ ɖo, si me akɔkpekpe kple kuɖiɖi, nudzodzoewo ƒe nugbegblẽ, kple dzoxɔxɔ si nu sẽ, ɖea fu na mí atraɖii le. Danye do vevie nu wɔ dɔ tsɔ kpɔ Fofonye kple mí ɖevi adeawo dzi le agblekɔƒe si nye zinglixɔ sue aɖe me.

Gake le gonye me la, nutoa nye ablɔɖe kple dzidzɔ teƒe. Meɖo ŋku alesi wòwɔ mo yaa namee esi menye sɔhɛ henɔ nyitsu triakɔwo ƒe hatsotsowo kpɔm wonɔ gbe totoawo ŋlɔm alo alesi ya ʋuduʋudu sesẽwo ƒona henana ʋuʋu blana nutoa katãe la dzi. Ale wɔ nye agbemehehexɔxɔ dze egɔme do ŋgɔ xoxoxo hafi meva dze suku sue aɖe, si me nufiala ɖeka ko nɔ, si nye kilometa 5 ƒe azɔlizɔzɔ tso míaƒe aƒe gbɔ la, dede gɔme.

Mawusubɔsubɔ doa dzidzɔ na dzinyelawo, togbɔ be womedea sɔleme o hã—le esi míaƒe agblea dzi didi tso du si me sɔlemea le gbɔ sasasã ta. Ke hã, le ƒe 1930-awo ƒe gɔmedzedze me la, Danye te toɖoɖo Biblia me nuƒo siwo Ʋɔnudrɔ̃la Rutherford ƒona, kwasiɖa sia kwasiɖa le radio dzi, tso radiodɔwɔƒe aɖe si le Adelaide. Mebui be Ʋɔnudrɔ̃la Rutherford nye mawunyafiala aɖe le Adelaide, eye nyemetsi dzi ɖe eŋu boo o. Gake Danye tsɔa didi vevie nɔa mɔ kpɔm na Rutherford ƒe nuƒowo kwasiɖa sia kwasiɖa, eye wòɖoa to vevie ne Rutherford ƒe gbe, si me mekɔ tutu le míaƒe radio xoxoe la me o, le ɖiɖim.

Gbeɖeka ɣetrɔ esime xexeme xɔ dzo eye ʋuʋu xɔ yame la, agbatsɔʋu aɖe va tɔ ɖe míaƒe aƒea ƒe ŋgɔ, eye ŋutsu eve siwo do awu nyuie ɖi tso ʋua me. Wonye Yehowa Ðasefowo. Danye ɖo to woƒe gbedasia eye wòxɔ agbalẽ geɖe hedzɔ nu ɖe wo ta, eye wòte wo xexlẽ enumake. Agbalẽ siawo wɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe be wòbia tso Fofonye si be woaku ye yi nutoame tɔwo gbɔe be yeaƒo nu tso nusi srɔ̃m yenɔ la ŋu na wo.

Ŋusẽkpɔɖeamedzi Nyuiwo me Tsonu

Eteƒe medidi o nuto madeamedzi sia ƒoe ɖe mía nu be míeʋu yi dugã si nye Adelaide, si gbɔ didi kilometa 500 tso mía gbɔ la, me. Míaƒe ƒomea te hadede kple Yehowa Ðasefowo ƒe Adelaide-hamea eye míenɔ ŋgɔyiyi wɔm le gbɔgbɔ me. Míaƒe ʋuʋua na be nye suku dede hã tsi akpo dzi. Mewu suku nu esime mexɔ ƒe 13 ko, le esime mewu xɔ adrelia nu. Menye amesi metsia dzi ɖe nu ŋu o, si ate ŋu ana be nyemaɖo gbɔgbɔmetaɖodzinuwo na ɖokuinye o ne menye nɔvi ŋusẽdoamelawo—mɔɖelawo, alo ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla—siwo tsɔ ɖe le menye vevie lae kpe ɖe ŋunye o.

Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, nɔvi veviedonula siawo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi va nyɔ gbɔgbɔmemenyenye ƒe didi vevi aɖe ɖe menye. Hadede kpli wo doa dzidzɔ nam eye woƒe veviedodonu wɔa dɔ ɖe dzinye vevie. Eyata esi wowɔ gbeƒãɖeɖe le takpekpe gã aɖe si wowɔ le Adelaide le ƒe 1940 me tsɔ de mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ƒe dzi ƒo na mí la, metsɔ nye ŋkɔ na nukutɔe. Nyemekpɔ xɔ nyɔnyrɔ gɔ̃ hã ɣemaɣi o eye gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ ƒe nuteƒekpɔkpɔ boo aɖeke mesu asinye o. Ke hã, le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, wokpem be mawɔ ɖeka kple mɔɖelawo ƒe ƒuƒoƒo sue aɖe le Warrnambool, si nye du si gbɔ didi tso Adelaide gbɔ kilometa geɖe, le Victoria dugã si le nutoa me la me.

Togbɔ be ɖeko medze egɔme ɖowoɖewoe hã la, eteƒe medidi o melɔ̃ gbeadzisubɔsubɔdɔa, eye enye lɔlɔ̃ si magblɔ kple dzidzɔ be enu metsi esi ƒeawo va nɔ yiyim o. Le nyateƒe me la, esia he tɔtrɔ gã aɖe va nye agbenɔnɔ me, eye meva te gbɔgbɔmeŋgɔyiyi ŋutɔŋutɔ wɔwɔ. Meva nya asixɔxɔ si le hadede kple amesiwo lɔ̃a fɔléle ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu la me. Meva kpɔ alesi woƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi nyui ate ŋu ana míawɔ míaƒe ŋutete ŋudɔ bliboe, metsɔ le míaƒe agbalẽnyanya me o, kple alesi nusiwo míasrɔ̃ to hadede kpli wo me ate ŋu aɖe vi na mí le míaƒe agbenɔɣi katãe la dze sii.

Tetekpɔwo Do Ŋusẽm

Ɣeyiɣi kpui aɖe le nye gege ɖe mɔɖeɖedɔa me megbe la, woɖo asi Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa dzi le Australia. Esi nyemenya nusi mawɔ o ta la, mebia mɔfiame tso nɔviawo gbɔ, eye wogblɔ nam be womexe mɔ ɖe nuƒoƒo na amewo tso Biblia ŋu nu o. Eyata mía kple mɔɖela bubuawo míete dɔ wɔwɔ tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu henɔ Biblia me gbedasi bɔbɔe aɖe gblɔm. Esia do ŋusẽm hedzram ɖo ɖe dodokpɔ siwo adze ŋgɔ mí kpuie la ŋu.

Le ɣleti ene megbe la, mexɔ ƒe 18 eye wobia tso asinye be matsɔ ɖokuinye ana hena asrafodɔ wɔwɔ. Esia na mɔnukpɔkpɔm be maʋli nye xɔse ta le asrafomegã geɖewo kple ʋɔnudrɔ̃la aɖe ŋkume. Le ɣemaɣi la, nɔvi 20 aɖewo nɔ gaxɔ me le Adelaide le woƒe akpaɖekedzimademade ta, eye eteƒe medidi o wotsɔm va kpe ɖe wo ŋu. Wona míewɔa dɔ sesẽwo, míegbãa kpe eye míedzraa ʋumɔwo ɖo. Esia kpe ɖe ŋunye metu nɔnɔme vevi siwo nye dzidodo kple tameɖoɖo kplikpaa ɖo. Mlɔeba la, míaƒe nɔnɔme nyui kple tamanamana wɔe be gaxɔdzikpɔla geɖewo dea bubu mía ŋu.

Esi wova ɖe asi le ŋunye le ɣleti geɖe megbe la, mese vivi na nuɖuɖu si me nunyiame le eye megate mɔɖeɖedɔa wɔwɔ. Gake mɔɖela siwo mawɔ dɔ kplii kpɔkpɔ sesẽ, eyata wobiam nenye be nye ɖeka mayi aɖawɔ dɔ le agbledenuto saɖeaga aɖe, si le Anyiehe Australia, me. Melɔ̃ eye meɖo meli dze mɔ yi Yorke-ƒukpo afã la dzi, eye nusiwo mahiã le ɖaseɖiɖidɔa me kple gasɔ ɖeka koe metsɔ ɖe asi. Esi meva ɖo teƒea la, ƒome aɖe si me tɔwo tsɔa ɖe le nyanyuia me la kplɔm yi amedzrodzeƒe sue aɖee eye nyɔnu dɔmenyotɔ aɖe lé be nam abe via ene. Le ŋkeke me la, medoa gasɔ toa mɔ siwo dzi ʋuʋu le, henɔa gbeƒã ɖem le du sue siwo kaka ɖe ƒukpo afã la dzi katã me. Be mate ŋu aɖo nuto siwo gbɔ didi me la, enuenu metsia amedzrodzeƒe suewo dɔna. To mɔ sia nu la, mete ŋu doa gasɔ kilometa geɖe hekpɔa nu dodzidzɔname geɖewo teƒe. Nyemetsi dzi ɖe nye ɖeka ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ ŋu ale o, eye esi Yehowa léa be nam ta la, meva te ɖe eŋu kplikplikpli wu.

Tenɔnɔ Ðe Esese le Ðokuinye me be Nyemedze O Nu

Le ƒe 1946 me la, mexɔ lɛta aɖe si me wobia tso asinye le be mava wɔ mɔzɔzɔdɔa anye nɔviawo subɔla (si woyɔna fifia be nutome sue dzikpɔla). Esia lɔ hame xexlẽme aɖe sasrãkpɔ le nuto aɖe me ɖe eme. Magblɔe le nyateƒe me be dɔdasi sia ƒe agbanɔamedziwo nye nu sesẽ nam. Mese nɔvi aɖe gblɔ gbeɖeka be, “Harold mebi le nuƒoƒo le kplɔ̃ta me ale o, gake ebi le gbeadzisubɔsubɔdɔa me.” Nya sia de dzi ƒo nam ŋutɔ. Menyae be nyemebi ɖe nuƒoƒo kple ɖoɖowɔwɔ ɖe nu ŋu me ale o, ke hã, mexɔe se be gbeƒãɖeɖedɔae nye Kristotɔwo ƒe dɔ vevitɔ.

Le ƒe 1947 me la, Nɔviŋutsu Nathan Knorr kple Nɔviŋutsu Milton Henschel, siwo tso Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒegã si le Brooklyn, ƒe sasrãkpɔ na míekpɔ dzidzɔ ale gbegbe. Esiae nye sasrãkpɔ gbãtɔ tso esime Nɔviŋutsu Rutherford va le ƒe 1938 me megbe. Míewɔ takpekpe gã aɖe le Sydney ɖe sasrãkpɔ sia ta. Abe alesi wòle le sɔhɛ mɔɖela bubu geɖewo gomee ene la, medi vevie be makpɔ gome le dutanyanyuigbɔgblɔdɔ ƒe hehenana si nɔ edzi yim le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku si nu woʋu nyitsɔ laa le South Lansing, New York, U.S.A. la me. Mí vavalawo dometɔ geɖe di be míanya ne ele be ame nade suku ayi ŋgɔ hafi adze na hehe sia xɔxɔ. Gake Nɔviŋutsu Knorr ɖe nu me be ne míate ŋu axlẽ Gbetakpɔxɔ magazine la me nyati aɖe eye míaɖo ŋku nya veviawo dzi la, anɔ eme be míakpɔ dzidzedze le Gilead.

Mebui be nye suku mademade yi ŋgɔe awɔe be nyemadze o. Ewɔ nuku nam be le ɣleti geɖewo megbe la, wobia tso asinye be makpe agbalẽvi ɖo hena Gilead ƒe hehexɔxɔ. Emegbe woda asi ɖe edzi be manye sukuvi, eye mede klass 16 lia, le ƒe 1950 me. Esia nye nuteƒekpɔkpɔ wɔdɔɖeamedzi aɖe si na dzideƒo geɖe wu su asinye. Ena mekpɔ kpeɖodzi be menye sukukɔkɔ dedee nye nu vevitɔ si ana woakpɔ dzidzedze o. Ke boŋ, veviedodo kple toɖoɖoe nye nudidi vevitɔwo. Míaƒe nufialawo de dzi ƒo na mí be míadze agbagba alesi míate ŋui. Esi mewɔ ɖe woƒe aɖaŋuɖoɖo dzi ta la, mewɔ ŋgɔyiyi ʋɛʋɛʋɛ eye mete ŋu se nusiwo fiam wonɔ mí la gɔme nyuie.

Tso Kuɖiɖinyigbagã dzi Yi Ƒukpo Dzeani Dzi

Esi míewu sukua nu la, wode dɔ asi na mía kple nɔviŋutsu eve siwo tso Australia be míayi Ceylon (si zu Sri Lanka fifia). Míeva ɖo Colombo-dugã me le September 1951 me. Ŋdɔ nɔ ʋuʋum eye xexeme xɔ dzo, eye nukpɔkpɔwo, gbeɖiɖiwo, kple ʋeʋẽ lililĩ, siwo to vovo kura, siwo tsaka la do dzidzɔ na mí. Esi míeɖi le melia me la, dutanyanyuigblɔla siwo le dukɔ ma me xoxo la dometɔ ɖeka do ɖoaƒe nam hetsɔ amekpegbalẽvi aɖe, si wotsɔ nɔ boblo dom dutoƒonuƒo si woaƒo le Kwasiɖagbe si akplɔe ɖo le dua ƒe takpeƒe la, nam. Ewɔ nuku nam be, nye ŋkɔ nɔ amekpegbalẽvia dzi—be nyee aƒo nuƒoa! Àte ŋu akpɔ alesi mevɔ̃e la ɖa le susu me. Ke hã, ƒe siwo metsɔ wɔ mɔɖeɖedɔae le Australia na mesrɔ̃e be maxɔ dɔ ɖesiaɖe si woade asi nam la. Eyata to Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, meƒo dutoƒonuƒoa dzidzedzetɔe. Mí ame etɔ̃a, hekpeɖe nɔviŋutsu ene siwo nɔ Colombo dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒea me ɣemaɣi do ŋgɔ na mí ŋu, míete Sinhalagbe sesẽ la sɔsrɔ̃ vevie hedze gomekpɔkpɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa me gɔme. Míawo ɖeɖe míenɔ dɔa dzi le ɣeyiɣi akpa gãtɔ me, eye dzi dzɔ mí be afimatɔwo dea bubu ame ŋu hewɔa amedzro. Eteƒe medidi o amesiwo vaa kpekpeawo te dzidzi ɖe edzi.

Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, mete tame bubu le Sybil, si nye nɔvinyɔnu mɔɖela dzetugbee aɖe, ŋu vevie, amesi medo goe esime meɖo meli nɔ mɔ zɔm yina hehe xɔ ge le Gilead Suku. Eya hã nɔ mɔ zɔm yina dukɔwo dome takpekpe le New York. Emegbe eva de Gilead ƒe klass 21 lia eye woɖoe ɖe Hong Kong le ƒe 1953 me. Metso nya me be manɔ agbalẽ ŋlɔm nɛ, eye kadodo nɔ mía dome vaseɖe ƒe 1955 me esime Sybil va wɔ ɖeka kplim le Ceylon, afisi míeɖe mía nɔewo le.

Mía kplii ƒe dɔdasi gbãtɔ abe srɔ̃tɔ dutanyanyuigblɔlawo ene enye mía ɖoɖo ɖe Jaffna, si nye du si le Sri Lanka ƒe dziehe gome ɖaa. Le ƒe 1950-awo ƒe domedome la, dunyahehe me masɔmasɔwo he fuléle si te mama dede Sinhala kple Tamil nutowo me vɛ, si wɔe be wova nɔ aʋa wɔm emegbe le ƒe blanane siwo va kplɔe ɖo me. Dzidzɔ ka gbegbee nye si be nàkpɔ Sinhala kple Tamil Ðasefowo woakpɔ wo nɔewo ta hena ɣleti geɖewo le ƒemadeamedzi mawo ƒe ɣeyiɣi aɖe me! Tetekpɔ mawo tu nɔviawo ɖo hedo ŋusẽ woƒe xɔse.

Gbeƒãɖeɖe Kple Nufiafia le Sri Lanka

Be woanɔ Hindutɔwo kple Moslemtɔwo ƒe nutowo me bia dzigbɔɖi kple dzidodo. Togbɔ be ele nenema hã la, míeva te ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe woƒe dekɔnuwo kple woƒe nɔnɔme lédzinamewo ŋu. Esi wònye mebɔ be woakpɔ amedzrowo woaɖo woƒe nutoa me ʋuwo azɔ mɔe o ta la, zi geɖe míaƒe wo dome nɔnɔ naa wofɔa ŋku ɖe mía dzi dzoɣlii. Sybil va ɖoe be yeanɔ alɔgbɔnu kom na wo. Aleke gbegbe wòdoa dzidzɔ na amee nye si be nàkpɔ be wò alɔgbɔnukokoa nawɔe be woawo hã naɖo nukomo ŋɔnyɔe enye si!

Gbeɖeka wotɔ te mí le mɔtsoƒe aɖe. Esi dzɔla si nɔ afima bia afisi míetso kple afisi míeyina vɔ la, ebia nya siwo eya ŋutɔ di be yeanya tso mía ŋu la mí.

“Amekae nye nyɔnu sia?”

Meɖo eŋu be, “srɔ̃nyee.”

“Ɣeyiɣi didi kae nye si mieɖe mia nɔewo?”

“Ƒe enyi.”

“Ðevi aɖewo le mia sia?”

“Ao.”

“Nuka! Ke miede kɔdzia?”

Eya ŋutɔ ƒe nyabiabia faa tso mía ŋu alea wɔ nuku na mí, gake míeva kpɔe be enye ɖetsɔlemename si tso dzime ƒe nɔnɔme si le nutoa me tɔwo si na amewo. Le nyateƒe me la, enye woƒe nɔnɔme lédzinameawo dometɔ ɖeka. Ðeko wòahiã be ame natɔ ɖe gbadzaƒe aɖe hena ɣeyiɣi ʋɛ aɖe ko ekema ame aɖe ate ɖe eŋu ahabiae dɔmenyotɔe ne yeate ŋu ana kpekpeɖeŋu aɖee.

Tɔtrɔwo Kple Ŋugbledede le Nye Agbe Ŋu

Le ƒeawo me la, míexɔ dɔdasi vovovowo tsɔ kpe ɖe míaƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔ wɔwɔ le Sri Lanka ŋu. Wode nutome sue kple nutome gã subɔsubɔdɔ asi nam eye mesubɔ abe Alɔdzekɔmiti me tɔ ene. Kaka ƒe 1996 na ɖo la, menɔ nye ƒe 70-awo me. Enyea dzidzɔ nam ne meɖo ŋku ƒe 45 kple edzivɔ siwo metsɔ wɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔ le Sri Lanka dzi. Esi mede kpekpe zi gbãtɔ le Colombo la, vavalawo nɔ ame 20 lɔƒo. Xexlẽme ma dzi ɖe edzi va ɖo amesiwo wu 3,500 sɔŋ! Mía kple Sybil míebua ame malɔ̃nugbɔ siawo dometɔ geɖe be wonye míaƒe gbɔgbɔ me viwo kple tɔgbuiyɔviwo. Ke hã, dɔ geɖe ŋutɔ gakpɔtɔ li be woawɔ le dukɔa katã me—dɔ siwo bia amesiwo míetsi wu ƒe ŋusẽ kple ŋutetewo. Esi esia le susu me na mí ta la, míelɔ ɖe amekpekpe si tso Dziɖuha gbɔ be míatrɔ ayi Australia la dzi. Esia na mɔnukpɔkpɔ srɔ̃tɔ bibi siwo míetsi wu la be woyi Sri Lanka ɖaxɔ ɖe mía teƒe abe dutanyanyuigblɔlawo ene.

Fifia mele nye ƒe 83 lia me, eye mía kple Sybil siaa míekpɔ dzidzɔ be míekpɔtɔ le lãmesẽ me heyi edzi le míaƒe mɔɖela vevi dɔa wɔm le Adelaide afisi menɔ tsi. Míaƒe subɔsubɔdɔa na míaƒe susu le te eye míete ŋu trɔna ɖe nɔnɔmewo ŋu bɔbɔe. Ekpe ɖe mía ŋu hã be míetrɔ ɖe alesi agbenɔnɔ to vovo kura le dukɔ sia mee ŋu.

Yehowa yi edzi le míaƒe ŋutilãmenuhiahiãwo katã gbɔ kpɔm na mí, eye nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo le míaƒe hamea me ɖea lɔlɔ̃ fiaa mí hedoa alɔ mí ale gbegbe. Mexɔ dɔdasi yeye aɖe nyitsɔ laa. Eyae nye be masubɔ abe agbalẽŋlɔla ene le míaƒe hamea me. Eyata mekpɔe be esi medze agbagba be masubɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe la, nye hehexɔxɔa kpɔtɔ le edzi yim. Ne meɖo ŋku ƒe siwo va yi dzi la, ewɔa nuku nam be ŋutsuvi tsɛ, si metsia dzi ɖe nu ŋu o si tso kɔƒe me la, naxɔ hehe wɔnuku sia gbegbe—si le vi ɖem nam le nye agbenɔɣi katã.

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Le míaƒe srɔ̃kpegbe, ƒe 1955

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Mía kple Rajan Kadirgamar, si nye nɔviŋutsu si tso nutoa me, míele gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔm le ƒe 1957 me

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Mía kple Sybil egbea