Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Ði Tsa Le Anyigba La Dzi’

‘Ði Tsa Le Anyigba La Dzi’

‘Ði Tsa Le Anyigba La Dzi’

“[Ði tsa], eye nakpɔ anyigba la ƒe didime kple eƒe kekeme.”—Mose i, 13:17.

1. Mɔfiame dodzidzɔname kae Mawu na Abraham?

TSAÐIÐI ayi kɔƒenutowo me kple ʋu, ɖewohĩ le kwasiɖanuwuwu dzɔa dzi na wòa? Ame bubuwo dina be yewoado gasɔ ale be yewoate kame vie ahakpɔ nuwo nyuie wu. Ame bubu aɖewo hã li siwo dina be yewoazɔ dzigbɔɖitɔe ale be yewoakpɔ nuwo tsitotsito wòasu yewo. Zi geɖe la, ɣeyiɣi ʋɛ aɖewo koe tsaɖiɖi siawo xɔna. Gake bu alesi Abraham anya se le eɖokui me esime Mawu gblɔ nya siwo gbɔna nɛ ŋu kpɔ: “Tsi tre natsa, eye nakpɔ anyigba la ƒe didime kple eƒe kekeme, elabena wòe matsɔe ana!”—Mose I, 13:17.

2. Esi Abraham dzo le Egipte la, afikae wòyi?

2 Bu nɔnɔme si me wogblɔ nya mawo le ŋu kpɔ. Abraham kple srɔ̃a kpakple ame bubuwo nɔ Egipte. Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ƒe ta 13 lia gblɔ na mí be wodzo le Egipte eye wokplɔ woƒe lãhawo ɖo ta “Negeb.” Emegbe Abraham ‘zɔ tso Negeb gome vaseɖe Betel.’ Esi masɔmasɔ aɖe do mo ɖa le eƒe lãnyilawo kple tɔgãyɔvia Lot tɔwo dome eye wòdze ƒã be ele be wo ame evea woatia teƒe vovovowo na woƒe lãhawo la, Abraham gblɔ na Lot dɔmenyotɔe be wòawɔ tiatia gbã. Lot tia “Yordan-nutowo me” si nye bali dama aɖe si le “abe Yehowa ƒe abɔ me ene,” eye le ɣeyiɣi aɖe megbe la, eva nɔ Sodom. Mawu gblɔ na Abraham bena: “Tsa ŋku tso afisi nèle, eye nakpɔ anyiehe, dziehe, ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe ɖa.” Ðewohĩ esi Abraham nɔ Betel si le to dzi ta la, ete ŋu kpɔ anyigba la ƒe teƒe bubuawo hã. Ke hã nu geɖe gali wòle kpɔkpɔ ge. Mawu kpee be ‘wòaɖi tsa le anyigba la dzi’ ne wòanya nu tso eƒe nɔnɔme kple eƒe nutowo ŋu.

3. Nukatae wòate ŋu asesẽ be nàkpɔ teƒe siwo Abraham to la le susu me?

3 Eɖanye anyigbaa ƒe afika kee Abraham ɖi tsa yi hafi va ɖo Xebron o, kakaɖedzitɔe la, enya nu tso Ŋugbedodonyigba la ŋu wu mía dometɔ akpa gãtɔ. De ŋugble le teƒe siwo woyɔ le nuŋlɔɖi sia me ŋu kpɔ—Negeb, Betel, Yordan-nuto, Sodom, kple Xebron. Èdzea agbagba be yeakpɔ afisi teƒe siawo nɔ le susu me gake mète ŋui o, alo? Esia nye nu sesẽ na ame geɖe elabena Yehowa ƒe amewo dometɔ ʋɛ aɖewo koe yi teƒe siwo ŋu woxlẽ nu tsoe le Biblia me, heɖi tsa kpɔ anyigbaa ƒe didime kple kekeme ɖa kpɔ. Ke hã, susu li si ta míedi vevie be míanya teƒe siwo ŋkɔ Biblia yɔ. Nukatae?

4, 5. (a) Aleke Lododowo 18:15 ku ɖe Biblia ƒe teƒewo nyanya kple wo gɔmesese ŋui? (b) Nukae Zefanya ta 2 ɖe fia?

4 Mawu ƒe Nya la gblɔ be: “Nugɔmesela ƒe dzi kpɔa sidzedze, eye nunyala ƒe to dia sidzedze yome.” (Lododowo 18:15) Nu geɖe li si wòle be ame nanya, ke hã sidzedze vavã si ku ɖe Yehowa Mawu kple alesi wòwɔa nui ŋu ya le vevie koŋ. Le nyateƒe me la, nusiwo míexlẽna le Biblia me la le vevie hena esia wɔwɔ. (Timoteo II, 3:16) Gake de dzesii be nugɔmesese hã le nyaa me. Esiae nye ŋutete si le ame si be wòalé ŋku ɖe nu ŋu, akpɔ kadodo si le nu bliboa kple eƒe akpa vovovoawo dome. Esia le alea le teƒe siwo woyɔ le Biblia me ŋu. Le kpɔɖeŋu me, mía dometɔ akpa gãtɔ nya afisi Egipte le, gake ɖe míese nya si wogblɔ be Abraham ʋu le Egipte ‘yi Negeb,’ emegbe wòyi Betel kple Xebron la gɔme ŋutɔŋutɔa? Ènya kadodo si le teƒe siawo domea?

5 Alo ɖewohĩ exlẽ Zefanya ta 2 le wò Biblia xexlẽ ƒe ɖoɖowɔɖi me. Èxlẽ nu tso dugãwo, amewo, kple anyigba ƒe teƒewo ŋu. Woyɔ du siwo katã nye Gaza, Askalon, Asdod, Ekron, Sodom, kple Niniwe kpakple Kanaan, Moab, Amon, kple Asur le ta ɖeka ma me. Ðe wònya wɔ na wò bɔbɔe be nàkpɔ teƒe siawo siwo amewo nɔ ŋutɔŋutɔ, amesiwo dzi Mawu ƒe nyagblɔɖiwo va eme ɖo la le susu mea?

6. Nukatae Kristotɔ aɖewo kpɔ anyigbatatawo ƒe vevienyenye dze sii? (Kpɔ aɖaka la.)

6 Mawu ƒe Nya la srɔ̃la geɖe kpɔ viɖe tso anyigbatata siwo dzi teƒe siwo Biblia yɔ dze le me. Menye esi anyigbatatawo kpɔkpɔ dzɔa dzi na wo tae wowɔa esia ɖo o, ke le esi wonyae be ne yewozã anyigbatatawo la, ana yewoagase Mawu ƒe Nya la gɔme ɖe edzi nyuie wu tae. Anyigbatatawo ate ŋu akpe ɖe wo ŋu hã be woadzi woƒe nugɔmesese ɖe edzi, elabena enaa wokpɔa alesi nusiwo wonya xoxo la do ƒome kple nya bubuwo. Esi míele kpɔɖeŋu aɖewo me dzrom la, ɖewohĩ wò hã wò ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ŋu adzi ɖe edzi eye àse nuŋlɔɖi siwo le eƒe Nya la me gɔme nyuie wu.—Kpɔ aɖaka si le axa 14.

Didimea Nyanya Adzi Wò Nugɔmesese Ðe Edzi

7, 8. (a) Nu wɔnuku kae Simson wɔ si ku ɖe Gaza ŋu? (b) Nukae ana gɔmesese geɖe wu nanɔ nusi Simson wɔ ŋu? (d) Aleke nuŋlɔɖi sia si ku ɖe Simson ŋu ŋuti sidzedze kple egɔmesese ate ŋu akpe ɖe mía ŋui?

7 Àte ŋu axlẽ nu tso Ʋɔnudrɔ̃la Simson si nɔ Gaza ŋu le Ʋɔnudrɔ̃lawo 16:2. Egbea míesea nyadzɔdzɔ siwo kuna ɖe Gaza ŋu, eyata ɖewohĩ ànya nu sue aɖe tso afisi Simson nɔ ŋu, le Filistitɔwo ƒe nuto aɖe si te ɖe Mediterranea-ƒuta me. [11] Azɔ de dzesi Ʋɔnudrɔ̃lawo 16:3 me nyawo: “Simson mlɔ anyi vaseɖe zã titina; le zãtiƒe la efɔ, eye wòho du la ƒe agbo kple agboti eveawo hekpe ɖe gameti la ŋu, eye wòlée ɖe abɔ tsɔ va da ɖe to, si le Xebron kasa la tame.”

8 Ðikekemanɔmee la, du sesẽ abe Gaza ene ƒe agbo gã kple eƒe agbotiawo alolo ahanɔ kpekpem ŋutɔ. Tsɔe be yele agbagba dzem be yealé wo ɖe abɔ! Simson kɔ wo, gake afikae wòtsɔ wo yi, eye mɔ didi ka gbegbee wòhiã be wòazɔ? Enyo, Gaza nye du si le ƒuta si de sɔsɔ ge kple atsiaƒu ƒe sɔsɔme. [gl 15] Gake Xebron ya le ɣedzeƒe gome le afisi kɔkɔ meta 900 wu atsiaƒua—elialia asesẽ ŋutɔ! Míenya “to, si le Xebron kasa” ƒe akpa si tututu wowɔnɛ o, gake dugã la kple Gaza dome didi abe kilometa 60 ene—evɔ wòhele to dzi! Didimea nyanya wɔe be nusi gbegbe Simson wɔ dze nyuie wògaɖe dzesi wu, alo? Eye ɖo ŋku nusita Simson te ŋu wɔ nu gã sia gbegbe—“Yehowa ƒe gbɔgbɔ dze edzi.” (Ʋɔnudrɔ̃lawo 14:6, 19; 15:14) Mí Kristotɔ siwo li egbea míekpɔa mɔ be Mawu ƒe gbɔgbɔa nana ŋutilãmeŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu mí o. Ke hã, gbɔgbɔ sẽŋu ma ke ate ŋu ana míase gbɔgbɔmenu detowo gɔme ɖe edzi eye wòado ŋusẽ mí le ememe. (Korintotɔwo I, 2:10-16; 13:8; Efesotɔwo 3:16; Kolosetɔwo 1:9, 10) Ẽ, Simson ƒe ŋutinyaa gɔmesese na míeka ɖe edzi be Mawu ƒe gbɔgbɔa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu.

9, 10. (a) Nukawoe Gideon wɔ hafi ɖu Midiantɔwo dzi? (b) Aleke teƒe siwo ŋu nuŋlɔɖi sia ku ɖo nyanya ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míase egɔme nyuie wu?

9 Gideon ƒe Midiantɔwo dzi ɖuɖu hã nye nuŋlɔɖi aɖe si ku ɖe teƒe siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe dome didime ŋu. Biblia xlẽla akpa gãtɔ nya be Ʋɔnudrɔ̃la Gideon kple eƒe aʋakɔ si me ame 300 nɔ la ɖu asrafowo ƒe ƒuƒoƒo aɖe si me ame 135,000 nɔ dzi—wonye Midiantɔwo, Amalekitɔwo, kple ame bubu siwo ƒu asaɖa anyi ɖe Yezreel-bali me, le More-togbɛa xa. [gl 18] Gideon ƒe amewo ku kpẽwo, gbã zewo ale be woƒe akakatiawo nadze, eye wodo ɣli be: “Yehowa kple Gideon tɔe nye yi la!” Nusia wɔwɔ na futɔawo tɔtɔ eye dzika tso wo ƒo, si wɔe be woda yi wo nɔewo. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 6:33; 7:1-22) Nudzɔdzɔa katã koe nye ema, si dzɔ kpata eye enu va yi le zã me ko evɔa? Xlẽe yi edzi le Ʋɔnudrɔ̃lawo ta 7 kple 8. Àkpɔe be Gideon ti futɔawo yome. Míate ŋu anya afisi teƒe geɖe siwo woyɔ la dometɔ aɖewo nɔ egbea o, eyata ɖewohĩ womadze le Biblia ƒe anyigbatatawo dzi o. Ke hã wode dzesi teƒeawo dometɔ geɖe si wɔe be míate ŋu akpɔe ɖa be nukawoe Gideon wɔ hã.

10 Gideon ti futɔ siwo wɔ ɖeka la ƒe ame mamlɛawo yome to Bet-Sita va to anyiehekpa dzi le Abel-Mexola si te ɖe Yordan-tɔsisia ŋu. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 7:22-25) Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Gideon va Yordan nu eye eya kple ame alafa etɔ̃, siwo le eŋu, tsoe, eye ɖeɖi te wo ŋu belibeli le wo yometiti me.” Esi wotso tɔa vɔ la, Israel-viwo ti woƒe futɔawo yome le anyiehe gome ɖo ta Sukot kple Penuel, si gogo Yabok, emegbe wolia togbɛwo yi Yogbeha (si te ɖe egbegbe Amman, Yordan ŋu). Ema nye kilometa 80 ƒe futɔwo yometiti kple aʋawɔwɔ. Gideon lé Midian-fia eve hewu wo; emegbe egbugbɔ yi eƒe du, Ofra si gogo afisi aʋaa dze egɔme le la me. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 8:4-12, 21-27) Eme kɔ ƒã be nusi Gideon wɔ la yi ŋgɔ wu miniti ʋɛ aɖewo ƒe kpẽkuku, akakatiwo sisi, kple ɣlidodo ko. Eye bu alesi nusia wɔ akpa aɖe le nya si wogblɔ le xɔsetɔwo ŋu me kpɔ, be: ‘Ɣeyiɣi la made nam be, magblɔ nya le Gideon kple ame bubu siwo ŋu ŋusẽ gaɖo togbɔ be wogbɔdzɔ tsã, wosẽ ŋu le aʋawɔwɔ me la ŋu o.’ (Hebritɔwo 11:32-34) Nu ate ŋu ati kɔ na Kristotɔwo hã le ŋutilã me, gake ɖe mele vevie be míayi edzi anɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm oa?—Korintotɔwo II, 4:1, 16; Galatiatɔwo 6:9.

Aleke Amewo Bua Tame Hewɔa Nui?

11. Mɔ kae Israel-viwo zɔ do ŋgɔ na woƒe Kades ɖoɖo kple le afima ɖoɖo megbe?

11 Ame aɖewo adi Biblia ƒe anyigbatatawo ale be woakpɔ teƒe siwo woyɔ, gake èsusu be anyigbatata mawo ate ŋu ana míase alesi amewo bua tamee gɔmea? Le kpɔɖeŋu me, bu Israel-vi siwo dzo le Sinai-toa gbɔ heɖo ta Ŋugbedodonyigba la dzi ŋu kpɔ. Esi wotɔ ɖe teƒe geɖe le mɔa dzi megbe la, wova ɖo Kades (alo Kades-Barnea) mlɔeba. [gl 9] Mose V, 1:2 ɖee fia be esia nye ŋkeke 11 ƒe azɔli, si ƒe didime anɔ abe kilometa 270 ene. Afimae Mose dɔ ŋkutsala 12 ɖo ɖe Ŋugbedodonyigba la dzi le. (Mose IV, 10:12, 33; 11:34, 35; 12:16; 13:1-3, 25, 26) Ŋkutsalaawo zɔ to dziehe to Negeb, eye ɖewohĩ woto Beer-Seba, emegbe Xebron, heva ɖo Ŋugbedodonyigbaa ƒe dzieheliƒowo dzi. (Mose IV, 13:21-24) Esi Israel-viwo xɔ nyatakaka gbegblẽ si ŋkutsala ewo gblɔ dzi se ta la, wotsa tsaglãla le gbeadzi ƒe 40 sɔŋ. (Mose IV, 14:1-34) Nukae esia fia le woƒe xɔse kple lɔlɔ̃ faa be yewoaka ɖe Yehowa dzi ŋu?—Mose V, 1:19-33; Psalmo 78:22, 32-43; Yuda 5.

12. Nya ta kae míate ŋu aƒo le Israel-viwo ƒe xɔse ŋu, eye nukatae ema nye nane si ŋu míabu tame le?

12 Azɔ bu teƒe siwo woto ŋu kpɔ. Ne ɖe Israel-viwo ɖe xɔse fia eye woɖo to Yosua kple Kaleb ƒe aɖaŋuɖoɖo la, ɖe wòava hiã be woazɔ ɣeyiɣi didi nenema gbegbe hafi aɖo Ŋugbedodonyigbaa dzia? Kades didi abe kilometa 16 ko ene tso Beer-lahai-roi, afisi Isak kple Rebeka nɔ kpɔ la gbɔ. [gl 7] Medidi tso Beer-Seba, si woyɔ be ele Ŋugbedodonyigbaa ƒe anyiehe liƒo, gbɔ wòde kilometa 95 o. (Mose I, 24:62; 25:11; Samuel II, 3:10) Esi wozɔ mɔ tso Egipte va Sinai-toa gbɔ eye emegbe wogazɔ kilometa 270 va ɖo Kades la, ɖeko wònɔ abe Ŋugbedodonyigbaa ƒe mɔnue wonɔ ene. Míawo ya míele anyigba dzi Paradiso si ŋugbe wodo la ƒe agbo nu. Nukae míasrɔ̃ tso eme? Apostolo Paulo tsɔ Israel-viwo ƒe nɔnɔmea ku ɖe aɖaŋuɖoɖo sia ŋu, be: “Azɔ minɛ míado vevie, bene míayi ɖe dzudzɔ ma me, bene ame aɖeke nagadze tosesẽ ma ke tɔgbe aɖeke me o.”—Hebritɔwo 3:16–4:11.

13, 14. (a) Nɔnɔme ka mee Gibeontɔwo wɔ afɔɖeɖe vevi aɖe le? (b) Nukae ɖe nɔnɔme si nɔ Gibeontɔwo si fia, eye nukae wòle be míasrɔ̃ tso esia me?

13 Nɔnɔme bubu—si nye kaka ɖe Mawu dzi be awɔ eƒe lɔlɔ̃nu—dze ƒã le Biblia me nudzɔdzɔ si ku ɖe Gibeontɔwo ŋu me. Esi Yosua kplɔ Israel-viwo tso Yordan-tɔsisia heɖo anyigba si ŋugbe Mawu do na Abraham ƒe ƒomea dzi vɔ megbe la, ɣeyiɣia de be woanya Kanaantɔwo ɖa le anyigbaa dzi. (Mose V, 7:1-3) Gibeontɔwo hã nɔ ame mawo dome. Israel-viwo tsrɔ̃ Yerixo kple Ai eye woƒu asaɖa anyi ɖe teƒe aɖe si gogo Gilgal. Gibeontɔwo medi be yewoaku abe Kanaantɔ siwo woƒo fi de ene o, eyata wodɔ ame ɖo Yosua le Gilgal. Woble wo be Kanaan nutoa godo kee yewotso ale be Hebritɔwo nawɔ xɔlɔ̃wɔwɔ nubabla kpli yewo.

14 Ame dɔdɔawo gblɔ be: “Wò dɔlawo tso anyigba didi boo aɖe dzi va le Yehowa, wò Mawu ƒe ŋkɔ la ta.” (Yosua 9:3-9) Ðeko wòwɔ abe woƒe awuwo kple nuɖuɖu ɖo kpe edzi be didiƒee wotso ene, gake le nyateƒe me la, Gibeon kple Gilgal dome le abe kilometa 30 ko ene. [gl 19] Esi Yosua kple eƒe amegãwo ka ɖe edzi ta la, wowɔ xɔlɔ̃wɔwɔ nubabla kple Gibeon kple du siwo gogo Gibeon siwo le ƒomedodo me kplii. Ðe Gibeontɔwo ƒe ayemenuwɔnaa nye nusi ana womatsrɔ̃ wo o koa? Kpao, ke boŋ eɖe didi si le wo me be Israel ƒe Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe yewo ŋu la fia. Yehowa lɔ̃ be Gibeontɔwo nazu “nakefɔlawo kple tɔmedelawo na ameha la kple Yehowa ƒe vɔsamlekpui la,” si wɔe be wofɔa nake vanɛ hena vɔsasa le vɔsamlekpuia dzi. (Yosua 9:11-27) Gibeontɔwo yi edzi ɖee fia be yewolɔ̃ faa be yewoawɔ dɔ tsɛwo le Yehowa subɔsubɔ me. Anɔ eme be wo dometɔ aɖewo nɔ Netinim siwo trɔ gbɔ tso Babilon heva subɔ le gbedoxɔ si wogbugbɔ tu me. (Ezra 2:1, 2, 43-54; 8:20) Míate ŋu asrɔ̃ woƒe nɔnɔme to agbagba dzedze be ŋutifafa nanɔ mía kple Mawu dome eye míalɔ̃ faa awɔ dɔdasi tsɛ ɖesiaɖe le eƒe subɔsubɔdɔa me.

Mía Ðokui Tsɔtsɔ Sa Vɔe

15. Nukatae míatsɔ ɖe le teƒe siwo ŋu Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ƒo nu tsoe me?

15 Nuŋlɔɖi siwo le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me, abe Yesu kple Paulo ƒe mɔzɔzɔwo kpakple subɔsubɔdɔa ene, hã le teƒe siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe dome. (Marko 1:38; 7:24, 31; 10:1; Luka 8:1; 13:22; Korintotɔwo II, 11:25, 26) Le nuŋlɔɖi siwo gbɔna me la, dze agbagba nàkpɔ mɔzɔzɔawo ɖa le susu me.

16. Aleke Kristotɔ siwo nɔ Beroia ɖe lɔlɔ̃ kple ŋudzedzekpɔkpɔ fia Paulo?

16 Le Paulo ƒe dutanyanyuigbɔgblɔ ƒe mɔzɔzɔ evelia (si wotsɔ fli blɔ de dzesii le anyigbatataa dzi) me la, eva ɖo Filipi, si le Greece fifia. [gl 33] Eɖi ɖase le afima, wodee gaxɔ me eye emegbe woɖe asi le eŋu, eye wòdzo yi Tesalonika. (Dɔwɔwɔwo 16:6–17:1) Esi Yudatɔwo de zitɔtɔ ameawo me la, nɔvi siwo le Tesalonika xlɔ̃ nu Paulo be wòadzo ayi Beroia, si didi tso afima gbɔ abe kilometa 65 ene. Paulo ƒe subɔsubɔdɔa kpɔ dzidzedze le Beroia, gake Yudatɔwo va hede zitɔtɔ amehaa me. Eyata “nɔviawo dɔ Paulo ɖe ƒu gome enumake,” eye “amesiwo ɖo Paulo ɖa la, wokplɔe vaseɖe Atene.” (Dɔwɔwɔwo 17:5-15) Edze ƒã be ame yeye siwo trɔ dzime la dometɔ aɖewo lɔ̃ faa zɔ afɔ kilometa 40 va ɖo Aegea Ƒua gbɔ, xe fe ɖo meli nɔ ƒu dzi abe kilometa 500 ene. Afɔku ate ŋu anɔ mɔzɔzɔ sia me, gake nɔviawo lɔ̃ de woƒe agbe afɔku me eye wozã ɣeyiɣi geɖe ɖe Mawu teƒenɔla mɔzɔla sia ŋu.

17. Nuka gɔmee míate ŋu ase nyuie wu ne míenya alesi gbegbe Mileto kple Efeso dome didii?

17 Le Paulo ƒe mɔzɔzɔ etɔ̃lia (fli gbemu si le anyigbatataa dzi) me la, eva ɖo melidzeƒe si le Mileto. Edɔ ame woyɔ hame si le Efeso, si gbɔ didi abe kilometa 50 ene tso afima, ƒe hamemegãwo vɛ nɛ. Bu eŋu kpɔ ko be hamemegã mawo ɖe asi le dɔ bubuwo ŋu be yewoava Paulo gbɔ. Anɔ eme be esi wonɔ mɔa zɔm la, wotsɔ dzidzɔ nɔ nu ƒom tso kpekpe si wɔ ge woyina ŋu. Esi Paulo wɔ kpekpea kpli wo vɔ eye wòdo gbe ɖa kpli wo vɔ la, “wo katã wode asi avifafa me vevie ŋutɔ, eye wodze Paulo ƒe kɔ dzi, eye wogbugbɔ nu nɛ.” Azɔ “woɖoe ɖa vaseɖe ʋua me” be wòayi Yerusalem. (Dɔwɔwɔwo 20:14-38) Woanya bu tame heƒo nu le nu geɖe ŋu esi wotrɔ dzo yina Efeso. Ðe lɔlɔ̃ kple ŋudzedzekpɔkpɔ si woɖe fia be wozɔ afɔ legbee ma be yewoava kpɔ subɔla mɔzɔla si ate ŋu agblɔ nya geɖe na wo ahade dzi ƒo na wo la mewɔ dɔ ɖe dziwò oa? Ðe nèkpɔ nane le nusia me si ŋudɔ nàte ŋu awɔ le wò agbenɔnɔ kple tamebubu mea?

Srɔ̃ Nu tso Anyigba ma Kple Nusi Le Ŋgɔ Ŋu

18. Nukae míate ŋu aɖo kplikpaa be míawɔ le teƒe siwo Biblia yɔ ŋu?

18 Kpɔɖeŋu siwo me míedzo ɖee fia be anyigba si Mawu tsɔ na Israel-viwo nyanya nyuie ɖea vi eye be Biblia me nuŋlɔɖi geɖe ƒo nu tso anyigba sia ŋu. (Eye míagate ŋu akpɔ nu yi ŋgɔ le susu me wu ahasrɔ̃ nu tso anyigba bubu siwo gogo afima siwo ŋu Biblia ƒe nuŋlɔɖiwo ƒo nu tsoe la ŋu.) Ne míaƒe Ŋugbedodonyigba la ŋuti sidzedze kple nugɔmesese le dzidzim ɖe edzi la, míate ŋu aɖo ŋku nu vevi aɖe si wobia tso Israel-viwo si hafi woayi anyigba si dzi “notsi kple anyitsi bɔ ɖo” eye woase vivi le afima la dzi. Nudidi mae nye be woavɔ̃ Yehowa ahawɔ eƒe sewo dzi.—Mose V, 6:1, 2; 27:3.

19. Paradiso eve kawo ŋue wòle be míanɔ bubum ɖaa?

19 Nenema ke egbea la, ehiã be míawɔ míaƒe akpa dzi, míavɔ̃ Yehowa ahaku ɖe eƒe mɔwo ŋu. Ne míewɔ esia la, míate ŋu awɔ akpa aɖe le gbɔgbɔmeparadiso si li fifia le Kristotɔwo ƒe xexeame katã ƒe hamea me la ƒe dzidziɖedzi kple nyonyo me. Míava nya nu geɖe wu tso nusiwo ku ɖe eŋu kple eƒe yayrawo ŋu. Eye míenya be yayra geɖe wu gale ŋgɔ gbɔna. Yosua kplɔ Israel-viwo wotso Yordan-tɔsisia hege ɖe anyigba wɔnu si dzi nɔnɔ naa dzidzeme ame la dzi. Susu nyuiwo le mía si fifia siwo ta wòle be míatsɔ kakaɖedzi anɔ mɔ kpɔm vevie na Paradiso ŋutɔŋutɔ, anyigba nyui la, si le ŋgɔ gbɔna na mí.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nukatae wòle be míadi be míadzi míaƒe sidzedze kple nugɔmesese ku ɖe anyigba siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe la ɖe edzi?

• Teƒe siwo ŋu woƒo nu tsoe siwo me míedzro le nyati sia me dometɔ kae ɖe vi na wò wu?

• Nusɔsrɔ̃ kae dze na wò ƒã esi nèsrɔ̃ nu geɖe wu tso teƒe siwo nanewo dzɔ le ŋu?

[Biabiawo]

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 14]

‘Kpɔ Anyigba Nyui la Ða’

Yehowa Ðasefowo xɔ agbalẽ gbadza si nye ‘Kpɔ Anyigba Nyui la Ða’ le nutome gã takpekpe siwo wowɔ le ƒe 2003 kple 2004 me. Anyigbatata siwo le amadede vovovowo me kple dzesifianu siwo ɖe teƒe vovovo siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe fia, vevietɔ alesi Ŋugbedodonyigba la nɔ le ɣeyiɣi vovovowo me, la dze le agbalẽ yeye sia si le gbegbɔgblɔ siwo ade 80 me la me.

Nyati si me aɖaka sia le la zã xexlẽdzesi siwo woŋlɔ kple nuŋlɔtsi si tò abe [gl 15] ene tsɔ fia anyigbatata aɖewo koŋ. Ne agbalẽ yeye sia le asiwò la, ekema di ɣeyiɣi nànya eme nu vevi siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàdzi Mawu ƒe Nya la ŋuti sidzedze kple nugɔmesese ɖe edzi.

(1) Woŋlɔ nya aɖewo ɖe anyigbatata geɖe te alo aɖaka aɖe le wo gbɔ siwo ɖe nusi dzesi siwo le anyigbatataa dzi fia la me [gl 18]. (2) Dzidzenu aɖe si wowɔ ɖe mile kple kilometa nu la le anyigbatata akpa gãtɔ ŋu si akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ teƒe siwo woyɔ la ƒe lolome alo didime [gl 26]. (3) Zi geɖe la, wowɔa dzesifianu aɖe si le abe aŋutrɔ ene si trɔ ɖo ɖe dziehe, ale be nànya afisi mɔwo ɖo tae [gl 19]. (4) Zi geɖe la, amadedewo le anyigbatatawo ŋu siwo fia teƒeawo ƒe kɔkɔme [gl 12]. (5) Le anyigbatata aɖe to la, àte ŋu akpɔ ŋɔŋlɔdzesiwo/xexlẽdzesiwo ale be ne èle duwo alo ŋkɔwo dim la, àte ŋu atsɔ afisi ŋɔŋlɔdzesiawo kple xexlẽdzesiawo do go le atsɔ adi woe [gl 23]. (6) Le teƒewo diƒe si dze le axa eve dzi [gl 34-5] la, xexlẽdzesi si woŋlɔ kple nuŋlɔtsi si tò la fia axaa, eye zi geɖe la, ŋɔŋlɔdzesi kple xexlẽdzesi siwo ana nàke ɖe teƒea ŋu la kplɔnɛ ɖo, abe E2 ene. Ne ezã mɔfiame siawo tsɔ di teƒewo ɣeyiɣi ʋɛ aɖe la, ɖewohĩ awɔ nuku na wò be nàkpɔe be woakpe ɖe ye ŋu yeadzi yeƒe sidzedze ɖe edzi eye yeƒe Biblia gɔmesese ade to ɖe edzi.

[Nyaɖoɖo/Anyigbatata si le axa 16, 17]

NUTOAWO ƑE NƆNƆME ƑE DZESIFIANUWO

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

A. Ƒu Gã La ƒe Ƒuta

B. Tagba Siwo Le Yordan ƒe Ɣetoɖoƒe

1. Aser-tagba

2. Dor Ƒutanyigba Legbe

3. Saron Lãnyiƒewo

4. Filisti-tagba

5. Bali si Le Titina Ɣedzeƒe Kple Ɣetoɖoƒe

a. Megido-tagba

b. Yezreel-tagba

D. To Siwo Le Yordan ƒe Ɣetoɖoƒe

1. Galilea Togbɛwo

2. Karmel Togbɛwo

3. Samaria Togbɛwo

4. Shephelah (togbɛ suewo)

5. Yuda Tonyigba

6. Yuda-gbedzi

7. Negeb

8. Paran-gbedzi

Ð. Tagba (Bali Gã)

1. Hula-bali

2. Galilea-ƒua ƒe nuto

3. Yordan-bali

4. Dzeƒu (Ƒukuku)

5. Tagba (Dzeƒua ƒe anyiehe)

E. Towo/Tonyigba Siwo Le Yordan ƒe Ɣedzeƒe

1. Basan

2. Gilead

3. Amon kple Moab

4. Edom ƒe Kponyigba

Ɛ. Libanon-towo

[Anyigbatata]

Xermon-to

More

Abel-Mexola

Sukot

Yogbeha

Betel

Gilgal

Gibeon

Yerusalem

Xebron

Gaza

Beer-Seba

Sodom?

Kades

[Map/Picture on page 15]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

KANAAN

Megido

GILEAD

Dotan

Sixem

Betel (Luz)

Ai

Yerusalem (Salem)

Betlexem (Efrat)

Mamre

Xebron (Maxpela)

Gerar

Beer-Seba

Sodom?

NEGEB

Rehobot?

[Mountains]

Moria

[Bodies of water]

Dzeƒu

[Rivers]

Yordan

[Nɔnɔmetata]

Abraham ɖi tsa le anyigba la dzi

[Anyigbatata si le axa 18]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Troa

SAMOTRAKE

Neapoli

Filipi

Amfipoli

Tesalonika

Beroia

Atene

Korinto

Efeso

Mileto

RODO