Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Amekae Nye “Mawu Vavã La Kple Agbe Mavɔ La”?

Amekae Nye “Mawu Vavã La Kple Agbe Mavɔ La”?

Amekae Nye “Mawu Vavã La Kple Agbe Mavɔ La”?

MÍA Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, Yehowa, ye nye Mawu vavã la. Eyae nye Wɔla la, amesi ana agbe mavɔ amesiwo lɔ̃nɛ. Nenemae ame geɖe siwo xlẽa Biblia hexɔ edzi se la aɖo nyabiabia si dze le tanya si le etame me ŋui. Le nyateƒe me la, Yesu ŋutɔ gblɔ be: “Esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.”—Yohanes 17:3.

Ke hã sɔlemedela geɖe se nya mawo gɔme bubui. Woɖe tanya la me nyawo tso Yohanes I, 5:20, si ƒe akpa aɖe gblɔ be: “Míele nyateƒetɔ la me, le Via Yesu Kristo me. Esiae nye Mawu vavã la kple agbe mavɔ la.”

Amesiwo xɔ Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafia dzi se la gblɔna be ŋkɔnyateƒenɔnya “esia” (houʹtos) si wozã la fia amesi woyɔ do ŋgɔ teti, Yesu Kristo. Wogblɔna be Yesue nye “Mawu vavã la kple agbe mavɔ la.” Ke hã gɔmesese sia mewɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa susɔeawo o. Eye agbalẽnyalagã geɖe hã meda asi ɖe Mawuɖekaetɔ̃ dzixɔselawo ƒe nukpɔsusu sia dzi o. Cambridge Yunivɛsiti gbalẽnyala B. F. Westcott ŋlɔ be: “Nusi [ŋkɔnyateƒenɔnya houʹtos] fia eye susu le eme wue nye amesi nɔ susu me na apostoloa hafi wònɔ nu ƒom ke menye amesi ŋkɔ wòyɔ teti do ŋgɔ o.” Eyata Yesu Fofo ye nɔ susu me na apostolo Yohanes. Germanytɔ mawunyaŋununyala Erich Haupt ŋlɔ be: “Ele be woanya ne [houʹtos] si le nyafɔkpe si kplɔe ɖo me la tsi tre ɖi na amesi woyɔ do ŋgɔ teti loo . . . alo esi woyɔ va yi xoxo si nye Mawu. . . . Edze ƒã be ne míede ŋugble le nuxlɔ̃ame mamlɛtɔ si wona ku ɖe legbawo ŋu la, ke míase egɔme be ɖe wole ɖase ɖim be Mawu vavã ɖeka koe li, ke menye Kristo ƒe mawunyenye dzie wonɔ kpe ɖomee o.”

A Grammatical Analysis of the Greek New Testament (Helagbe me Nubabla Yeyea ƒe Gbeŋutise me Dzodzro) si Roma Papawo ƒe Biblia Habɔbɔa ŋlɔ kura gɔ̃ hã gblɔ be: “[Houʹtos]: kakaɖedzitɔe la, nya sia si wozã tsɔ ƒo [kpuikpui] 18-20 tae la tsi tre ɖi na Mawu vavã la ŋutɔŋutɔ, si tsi tre ɖe trɔ̃subɔsubɔ ŋu (kpukpui 21).”

Togbɔ be woɖea houʹtos gɔme zi geɖe be “esia” hã la, mekuna ɖe nusi woyɔ teti do ŋgɔ ŋu o. Mawunyakpukpui bubuwo na nya sia me kɔ nyuie. Apostolo si ŋlɔ Yohanes ƒe agbalẽ gbãtɔ la kee ŋlɔ ɖe Yohanes II, 7, be: “Ameblela geɖe, siwo meʋua me bena, Yesu Kristo va le ŋutilã me o la, do go yi ɖe xexeame. Esiae [houʹtosʹ] nye ameblela kple Kristo ƒe futɔ la.” Le afisia la, ŋkɔnyateƒenɔnya la mate ŋu atsi tre ɖi na amesi woyɔ do ŋgɔ teti—Yesu—o. Edze ƒã be “esia” si wozã la fia amesiwo gbe nu le Yesu gbɔ. Woawoe ƒo ƒu nye “ameblela kple Kristo ƒe futɔ la.”

Apostolo Yohanes ŋlɔ ɖe eƒe Nyanyuia me be: “Eye ame eveawo dometɔ ɖeka, si se Yohanes ƒe nuƒoƒo, eye wòdze Yesu yome la, enye Andrea, Simon Petro nɔvi. Eya [houʹtos] kpɔ ye ŋutɔ nɔvia Simon gbã.” (Yohanes 1:40, 41) Eme kɔ ƒã be ŋkɔnyateƒenɔnya “eya” mefia ame mamlɛtɔ si woyɔ o, ke boŋ Andrea ŋue wòku ɖo. Apostolo la zã ŋkɔnyateƒenɔnya sia ke le mɔ ma tɔgbe nu le Yohanes I, 2:22.

Luka hã zã ŋkɔnyateƒenɔnya ma ke le mɔ sia tɔgbe nu abe alesi wòdze le Dɔwɔwɔwo 4:10, 11 ene be: “Le Yesu Kristo, Nazaretetɔ, ƒe ŋkɔ dzie, amesi miawo mieklã ɖe ati ŋuti, amesi Mawu fɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, le eya me amesia le tsitre ɖe miaƒe ŋku me, eye eƒe lãme sẽ. Esia [houʹtosʹ] nye kpe, si mi xɔtulawo miegbe la, eya trɔ zu dzogoekpe.” Togbɔ be amesi woda dɔ na ŋue woƒo nu tso do ŋgɔ teti na ŋkɔnyateƒenɔnya houʹtos hã la, edze ƒã be menye eyae “esia” le asi fiamee o. Le nyateƒe me la, “esia” si dze le kpuikpui 11 me fia Yesu Kristo Nazaretetɔ si nye “dzogoekpe” si dzi wotu Kristo-hamea ɖo la.—Efesotɔwo 2:20; Petro I, 2:4-8.

Dɔwɔwɔwo 7:18, 19, hã na nya sia me kɔ: “Fia bubu tsi tre le Egipte, amesi menya Yosef o. Amesia [houʹtos] ɖo aye ɖe míaƒe ƒome la ŋu.” Menye Yosef ye nye “amesia” si sẽ ŋuta le Yudatɔwo ŋu o, ke boŋ Egipte-fia Faraoe.

Nya mawo ɖo kpe Helatɔ agbalẽnyala Daniel Wallace ƒe numekukua dzi esime wògblɔ be le Helatɔwo ƒe ŋkɔnyateƒenɔnya gome la, “menye nyati si kplɔe ɖo tẽ kokoko ŋue nuŋlɔla ƒe susu nɔna o.”

“Nyateƒetɔ La

Abe alesi Yohanes ŋlɔe ene la, Yesu Kristo Fofo, Yehowa, ye nye “nyateƒetɔ la.” Eyae nye Wɔla, Mawu vavã ɖeka kolia la. Apostolo Paulo lɔ̃ ɖe edzi be: ‘Mawu ɖeka, si nye Fofo, amesi me nuwo katã tso lae li na mi.’ (Korintotɔwo I, 8:6; Yesaya 42:8) Susu bubu si tae míagblɔ be Yehowa ye nye “nyateƒetɔ la” si dze le Yohanes I, 5:20 ye nye be eyae nye nyateƒe Dzɔtsoƒe. Hakpala la yɔ Yehowa be ‘Mawu nyateƒetɔ’ elabena Enye nuteƒewɔla le nuwo katã me eye Mate ŋu aka aʋatso o. (Psalmo 31:6; Mose II, 34:6; Tito 1:2) Esi Vi la nɔ nu ƒom tso Fofoa si le dziƒo ŋu la, egblɔ be: “Wò nya la enye nyateƒe.” Eye Yesu gblɔ tso eya ŋutɔ ƒe nufiafia ŋu be: “Nye nufiafia la menye tɔnye o, ke boŋ amesi dɔm ɖa la tɔe.”—Yohanes 7:16; 17:17.

Yehowa ye nye “agbe mavɔ la” hã. Eyae nye agbe Dzɔtsoƒe, Amesi anae abe amenuveve nunana ene to Kristo dzi. (Psalmo 36:10; Romatɔwo 6:23) Ele vevie be míade dzesii be apostolo Paulo gblɔ be Mawu nye “teƒeɖola na amesiwo dinɛ vevie.” (Hebritɔwo 11:6) Mawu ɖo eteƒe na Via to eyama fɔfɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome dzi, eye Fofo la atsɔ agbe mavɔ aɖo eteƒe na amesiwo le Esubɔm kple woƒe dzi blibo.—Dɔwɔwɔwo 26:23; Korintotɔwo II, 1:9.

Eyata aleke míaƒo nya tae? Eyae nye be Yehowa ye nye “Mawu vavã la kple agbe mavɔ la,” ke menye ame bubu aɖekee o. Eya ɖeka koe dze be amesiwo wòwɔ la natsɔ subɔsubɔ ana.—Nyaɖeɖefia 4:11.