Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Na Gbɔgbɔmedzidzenuwo Yome Titi Naɖe Vi na Wò

Na Gbɔgbɔmedzidzenuwo Yome Titi Naɖe Vi na Wò

Na Gbɔgbɔmedzidzenuwo Yome Titi Naɖe Vi na Wò

“Amesi lɔ̃a ga la, ga maɖi ƒo nɛ o, eye amesi lɔ̃a kesinɔnu la, viɖe aɖeke matso eme nɛ o.”—Nyagblɔla 5:10.

DƆWƆWƆ wòagbɔ eme ate ŋu ana nuteɖeamedzi si hã ate ŋu ahe lãmesẽkuxi si wua ame ɣeaɖewoɣi vɛ. Le dukɔ geɖe me la, ƒomewo le kaklãm le srɔ̃gbegbe ta. Zi geɖe la, nunɔamesiwo didi fũ akpa ye hea afɔku mawo vanɛ. Le esi teƒe be dzi nadzɔ ame ɖe nusiwo le esi ŋu la, amesi ƒo eɖokui ɖe nunɔamesiwo didi vivivo me la dina ɣesiaɣi be nu geɖe wu nasu ye si, eye nusiwo ema didi agblẽ le eŋu ya mekaa afi aɖeke nɛ o. Kpekpe ɖe ame ɖokui ŋu gbalẽ aɖe gblɔ be: “Didi be woasɔ kple ame hati siwo si ga le nye nusi ŋu amewo tsia dzi ɖo le dukɔ geɖe me, eye ne amesi wodi be woasɔ kplii la nye dɔwɔla si megbɔna ɖe eme gbeɖe o, si awɔe be wòalé dzidɔ esime wòxɔ ƒe blaene vɔ etɔ̃ pɛ ko gɔ̃ hã.”

Nu geɖe wu didi ate ŋu azu ŋukeklẽ ɖe kesinɔnuwo kpɔkpɔ ŋu eye ate ŋu awɔe be dzi magadzɔ ame ɖe nu bubu aɖeke ŋu azɔ o. Wotsɔa ŋusẽkpɔɖeamedzinu sẽŋu aɖe—si nye boblododo—gblẽa nu le mía ŋu le esi míenye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo ta! Boblododo nuwo, si xɔ aƒe ɖe television kple radio dzi fũ lae ƒonɛ ɖe ame nu be wòaƒle nusiwo ɖewohĩ mehiã hafi o kple esiwo mate ŋu aƒle gɔ̃ hã o. Esia ate ŋu ahe ame ade afɔku me vevie.

Ne míeɖu mía ɖokui dzi o la agbeblibaɖuɖu ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi bɔbɔe evɔ míanya o eye wòagblẽ nu le míaƒe lãmesẽ kple agbenyuinɔnɔ ŋu vevie. Le kpɔɖeŋu me, Fia nyanu Salomo gblɔ be: “Dzi nyodɔme [alo dzi si metsia dzi o] enye agbe le lã me.” (Lododowo 14:30) To vovo na ema la, dzimaɖitsitsi siwo tsoa hloloetsotso, dzodzodzoetsitsi kple kɔlili kesinɔnuwo gbɔ ate ŋu agblẽ nu le míaƒe lãmesẽ kple dzidzɔkpɔkpɔ ŋu. Ne ŋutilãmenudidiwo kpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe agbe dzi la, mía kple amewo dome ƒomedodowo hã me gblẽna. Eye ne ame ƒe ƒomegbenɔnɔ kple hadomegbenɔnɔ dome gblẽ la, efia be eƒe agbe dome gblẽ keŋkeŋ enye ma.

Alesi Gbɔgbɔmedzidzenuwo Xɔ Asi Wui

Apostolo Paulo xlɔ̃ nu ƒe alafa geɖee nye esia, be: “Migana miaƒe anyinɔnɔ naɖi xexe sia me o.” (Romatɔwo 12:2) Xexeame lɔ̃a amesiwo wɔna ɖe eƒe dzidzenuwo dzi. (Yohanes 15:19) Xexeame dina be yeazã míaƒe sidzenu siwo nye nukpɔkpɔ, nutetekpɔ, nuɖɔɖɔkpɔ, nuʋeʋẽse, kple nusese—atsɔ akpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi be ŋutilãmenudidi vivivo naxɔ aƒe ɖe mía me. Nusi zãm wòle koŋ enye “ŋkuwo ƒe ŋubiabiã” ale be mia kple ame bubuwo miati kesinɔnuwo didi yome.—Yohanes I, 2:15-17.

Gake dzidzenuwo li siwo nyo wu ga, ŋkɔxɔxɔ, kple kesinɔnuwo. Ƒe alafa geɖee nye si va yi la, Fia Salomo ƒo kesinɔnu ƒomevi ɖesiaɖe si le xexeame la nu ƒu na eɖokui. Etso aƒewo, abɔwo, atikutsetsebɔwo, eye subɔlawo, lãhawo, ŋutsu kple nyɔnu hadzilawo, kpakple sika kple klosalo geɖe nɔ esi. Kesinɔnu geɖe nɔ Salomo si wu amesiwo katã nɔ agbe do ŋgɔ nɛ. Kesinɔnuwo nɔ esi wu gbɔgblɔ. Nusianu si ko ame adi la nɔ Salomo si. Ke hã, esi Salomo trɔ kpɔ nusiwo wòte ŋu wɔ la, egblɔ be: “Tofloko kple dagbadagba ɖe ya me wonye.”—Nyagblɔla 2:1-11.

Le nunya deŋgɔ si su Salomo si ta la, enya be gbɔgbɔmedzidzenuwo yome titi ye hea dzidzeme vanɛ na ame. Salomo ŋlɔ be: “Mina míase nyaawo katã ƒe taƒonya be: Vɔ̃ Mawu, eye nalé eƒe seawo me ɖe asi; elabena esia nye amegbetɔwo katã tɔ!”—Nyagblɔla 12:13.

Nusi woŋlɔ ɖe Mawu ƒe Nya, Biblia me xɔ asi sasasã wu sika alo klosalo. (Lododowo 16:16) Àte ŋu adi nyateƒeawo ake ɖe wo ŋu abe alesi wodia kesinɔnu si le to me ene. Àdi wo abe kesinɔnu siwo le tome enea? (Lododowo 2:1-6) Mía Wɔla, amesi gbɔ dzidzenu vavãwo tso la xlɔ̃ nu wò be nàwɔe nenema, eye ana kpekpeɖeŋu wò. Alekee nàdii?

Yehowa naa nyateƒe xɔasiwo mí to eƒe Nya, eƒe gbɔgbɔ, kple eƒe habɔbɔa dzi. (Psalmo 1:1-3; Yesaya 48:17, 18; Mateo 24:45-47; Korintotɔwo I, 2:10) Nyateƒe xɔasi siawo siwo mebɔ o eye wonyo wu nusianu me kuku ana mɔnukpɔkpɔ wò be nàtia agbemɔ nyuitɔ kekeake si me viɖe le wu la nunyatɔe. Eye nyametsotso ma wɔwɔ masesẽ o, elabena Yehowa, mía Wɔlaa nya nusiwo míehiã be dzi nadzɔ mí ŋutɔŋutɔ.

Dzidzenu Deŋgɔ Kekeakewoe Le Biblia Me

Aɖaŋuɖoɖo alo nuxlɔ̃me nyui siwo le Biblia me la wɔa dɔ gbɔ bubu ɖesiaɖe ŋu. Agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenu siwo ŋu nya wògblɔna la de ŋgɔ wu ɖesiaɖe. Viɖe le eƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi wɔwɔ ŋu ɣesiaɣi. Aɖaŋuɖoɖoawo nye nyateƒe eye wowɔ dɔ ɣeyiɣi didi aɖee nye sia. Aɖaŋuɖoɖo nyui siwo tso Biblia me ƒe kpɔɖeŋu aɖewoe nye veviedodo dɔ awɔ, anukwaretɔnyenye, gazazã nyuie, kuviamawɔmawɔ.—Lododowo 6:6-8; 20:23; 31:16.

Yesu ɖo aɖaŋu to mɔ ma ke nu esi wògblɔ be: “Migadzra nu nyuiwo ɖo na mia ɖokui le anyigba dzi, afisi agbagblaʋui kple nusiwo ɖua nu la, gblẽa nu le, eye fiafitɔwo dzea kpɔ va fia nu le la o; ke boŋ midzra nu nyuiwo ɖo na mia ɖokui le dziƒo, afisi agbagblaʋui kple nusiwo ɖua nu la, megblẽa nu le o, eye fiafitɔ medzea kpɔ va fia nu le o.”—Mateo 6:19, 20.

Aɖaŋuɖoɖo ma si sɔ ɖe ɣeyiɣia dzi wɔa dɔ egbea abe alesi ko wowɔ dɔ ƒe 2,000 siwo va yi me ene. Le esi teƒe be míanyrɔ mía ɖokui ɖe kesinɔnuwo didi me vĩ la, aɖe vi na mí fifia ŋutɔ ne míeti agbenɔnɔ si de ŋgɔ wu la yome boŋ. Nusi ana míakpɔ dzidzɔ vavãtɔ kple dzidzemee nye be míadzra gbɔgbɔmenu xɔasiwo ɖo na mía ɖokui. Alekee míawɔ esiae? To Mawu ƒe Nya, Biblia la xexlẽ, kple nusiwo wòfiana la ŋudɔwɔwɔ me.

Gbɔgbɔmedzidzenuwo Hea Teƒeɖoɖowo Vɛ

Ne míewɔ gbɔgbɔmedzidzenuwo ŋudɔ nyuie la, eɖea vi na mí le ŋutilã me, seselelãme gome, kple le gbɔgbɔ me. Abe alesi ko ya si xea mɔ na ɣe ƒe keklẽ wuamewo si le yamenutome ʋĩ kpɔa mía ta tso ɣe ƒe keklẽ wuamewo gbɔ ene la, nenema ke agbenɔnɔdzidzenu nyuiwo kpena ɖe mía ŋu míedzea si afɔku siwo le ŋutilãmenudidi vivivo me. Kristotɔ apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Amesiwo dina be, yewoazu kesinɔtɔwo la, gena ɖe tetekpɔwo kple mɔ̃tetrewo kpakple movidzɔdzɔ kple nuveviwɔame ƒe nudzodzro geɖe, siwo tsɔa amewo xlãna ɖe gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃ me la me. Elabena nuvɔ̃wo katã ƒe ke enye galɔlɔ̃, si yome mɔ ame aɖewo di, eye wotre mɔ tso xɔse la gbɔ, eye wotsɔ nuxaxa geɖe ŋɔ wo ɖokui flofloflo.”—Timoteo I, 6:9, 10.

Galɔlɔ̃e hea amewo wovuna ɖe kesinɔnu geɖe, nɔƒe gã, kple ŋusẽ didi ŋu. Zi geɖe la, wotoa mɔ fitifitiwo kple anukwaremaɖimaɖi dzi ɖoa woƒe taɖodzinuawo gbɔ. Ŋutilãmenuwo yome titi ate ŋu ana ame nagblẽ eƒe ɣeyiɣi, ŋusẽ, kple ŋutetewo dome yakatsyɔ. Ate ŋu ana ame natsi zãdomadɔalɔ̃e gɔ̃ hã. (Nyagblɔla 5:11) Le nyateƒe me la, ŋutilãmenudidi vivivo menaa woyia ŋgɔ le gbɔgbɔ me o. Yesu Kristo, ame vevitɔ kekeake si nɔ anyi kpɔ la fia agbenɔnɔmɔ si nyo wu la nyuie, be: “Woayra amesiwo da ahe le gbɔgbɔ me [alo amesiwo tsɔa ɖe le woƒe gbɔgbɔ me nuhiahiã me] la; elabena woawo tɔe nye dziƒofiaɖuƒe la.” (Mateo 5:3) Enya be gbɔgbɔ me kesinɔtɔnyenye hea viɖe mavɔwo vɛ eye wòle vevie ŋutɔ wu ŋutilãmekesinɔnu siwo nɔa anyi ɣeyiɣi kpui aɖe ko la.—Luka 12:13-31.

Ðe Gbɔgbɔmenuwo Yome Titi Ðea Vi Ŋutɔŋutɔa?

Greg ɖo ŋku edzi be: “Dzinyelawo dze agbagba vevie be yewoana maxɔe ase be viɖe mele gbɔgbɔmedzidzenuwo ŋu o. Ke hã gbɔgbɔmetaɖodzinu siwo meminya na nye susu dze akɔ anyi ŋutɔ elabena meƒo asa na nuteɖeamedzi siwo doa go tsoa ʋiʋli be woakpɔ ho me.”

Gbɔgbɔmedzidzenuwo nana wotua ƒomedodo nyui ɖo kple amewo hã. Xɔlɔ̃ vavãwo le asiwò le amesi ƒomevi nènye ta, ke menye le nusiwo le asiwò ta o. Biblia kafui be: ‘Zɔ kple nunyalawo be nàdze nunya.’ (Lododowo 13:20) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, nunya kple lɔlɔ̃e wotsɔ tua ƒome kpɔdzidzedze ɖoe, ke menye nunɔamesiwo o.—Efesotɔwo 5:22–6:4.

Womedzi mí kple agbenɔnɔdzidzenuwo o. Ele be míasrɔ̃ wo tso mía hatiwo gbɔ loo alo tso teƒe aɖe si de ŋgɔ wu. Esia tae nusɔsrɔ̃ si wotu ɖe Biblia dzi ate ŋu ana míatrɔ míaƒe nukpɔsusu ku ɖe ŋutilãmenuwo ŋu. Don, amesi wɔ dɔ le gadzraɖoƒe kpɔ gblɔ be: “Wokpe ɖe ŋunye megbugbɔ bu nye agbenɔnɔdzidzenuwo ŋu eye mesrɔ̃ alesi agbemenuhiahiãwo ƒe amesi susu nadze ŋunyee.”

Ti Gbɔgbɔmekesinɔnu Siwo Nɔa Anyi Ðaa Yome

Teƒeɖoɖo siwo nɔa anyi didina dzie gbɔgbɔmedzidzenuwo hea susu yinae, ke menye ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe dzidzɔdodo na ame ɖokui vivivo o. Paulo ŋlɔ be: “Nusiwo wokpɔna la, [ŋutilãmenuwo] mesẽna yina o; ke nusiwo womekpɔna o la, [gbɔgbɔmenuwo] nɔa anyi tegbetegbe.” (Korintotɔwo II, 4:18) Togbɔ be ŋutilãmenudidiwo ate ŋu aɖi kɔ na ame ƒe dzodzrowo ɣeyiɣi kpui aɖe hã la, ŋukeklẽ ɖe ŋutilãmenuwo ŋu maɖe vi na ame tegbee o. Gbɔgbɔmedzidzenuwo ya aɖe vi tegbee.—Lododowo 11:4; Korintotɔwo I, 6:9, 10.

Biblia xlɔ̃ nu tsi tre ɖe ŋutilãmenudidi vivivo si xɔ aƒe ɖe ɣeyiɣi sia me ŋu. Efia mí alesi míaɖu ɖokuitɔdidi ƒe dzodzrowo dzi anɔ agbe tsɛ, ahana míaƒe susu nanɔ gbɔgbɔmekesinɔnuwo dzi be woawoe le vevie wu. (Filipitɔwo 1:10) Ekloa nu le nusi ŋukeklẽ nye ŋutɔŋutɔ ŋu—be enye ame ɖokui subɔsubɔ. Míekpɔa dzidzɔ geɖe wu ne míetsɔ nusiwo míesrɔ̃ le Mawu ƒe Nya la me le dɔ wɔm. Míaƒe susuwo va nɔa nusiwo míawɔ na amewo ŋu tsɔ wu nusiwo asu mía si. Ameʋãnu sẽŋu ka gbegbee nye si be gbɔgbɔmedzidzenuwo naxɔ ɖe agbeblibaɖuɖu teƒe!

Enye nyateƒe be ga ate ŋu akpɔ ame ta va se afi aɖe ya. (Nyagblɔla 7:12) Gake Biblia gblɔ eme kɔ ƒã be: “Wò ga ate ŋu abu vĩ, abe ɖe wòto aʋala hedzo yi yame abe hɔ̃ ene.” (Lododowo 23:5, Today’s English Version) Amewo tsɔ woƒe lãmesẽ me nɔnɔ, ƒomea, dzitsinya nyui ƒe amesinɔnɔ kura gɔ̃ hã sa vɔe ɖe ŋutilãmenudidi vivivo ta—ke afɔku geɖee do tso eme. Ke hã gbɔgbɔmemenyenye nana nuhiahiã veviwo—lɔlɔ̃ ƒe vevienyenye, taɖodzinu ƒe amesinɔnɔ, didi be woasubɔ Mawu lɔlɔ̃a, Yehowa—sua mía si. Efiaa mí alesi míawɔ anɔ agbe mavɔ le paradisonyigba dzi le blibodede me hã—si nye mɔkpɔkpɔ si le Mawu si na mí.

Eteƒe madidi o ameƒomea me tɔwo ƒe didi be woanɔ agbe le dzidzedze me ava eme na wo le Mawu ƒe xexeme yeyea me. (Psalmo 145:16) Le ɣemaɣi la, ‘sidzedze Yehowa axɔ’ anyigba blibo la katã dzi. (Yesaya 11:9) Gbɔgbɔmedzidzenuwo axɔ aƒe. Ŋutilãmenudidi vivivo kple nusiwo wògblẽna nu ayi tegbee. (Petro II, 3:13) Ekema nusiwo nana asixɔxɔ nɔ agbe ŋu wu—siwo nye lãmesẽ deblibo me nɔnɔ, dɔ si me dzidzeme le, modzakaɖeɖe nyui, ƒomekadodo siwo me lɔlɔ̃ le, kple ƒomedodo si nɔa anyi ɖaa me nɔnɔ kple Mawu—ahe dzidzɔ vavãtɔ vɛ na ameƒomea yi ɖe mavɔmavɔ me.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 6]

Zã Wò Ga Nyuie!

Nya wò nuhiahiãwo. Yesu fia mí be míado gbe ɖa ale: “Na míaƒe abolo, si asu mía nu gbesiagbe la mí.” (Luka 11:3) Mègana wòadzro wò be ele be nusiwo nèdi la nasu ye si kokoko o. Ðo ŋku edzi be wò agbe menɔ te ɖe nusiwo le asiwò la dzi o.—Luka 12:16-21.

Wɔ ɖoɖo ɖe ga zazã ŋu. Mèganye amesi ƒlea nusianu si ŋu wòke ɖo ko o. Biblia gblɔ be: “Veviedola ƒe tameɖoɖo hea viɖe vɛ, ke amesi tsi klokloklo la, dea hiã aƒe. (Lododowo 21:5) Yesu ɖo aɖaŋu na eƒe nyaselawo be woabu nuwo ŋu kɔnta hafi adze dɔ aɖe si me woazã ga le gɔme.—Luka 14:28-30.

Ƒo asa na feɖuɖu si mehiã o. Ne anyo la, dzra ga ɖo vivivi nàtsɔ aƒle nuwoe tsɔ wu be nàƒle wo agbanae. Lododo aɖe gblɔe ale be: “Amesi doa nugbana la, dɔla wònye na agbanatɔ.” (Lododowo 22:7) Ne èɖua ɖokuiwò dzi ƒlea nusiwo ko nu wò ga dena la, àte ŋu adzra ga ɖo aƒle nu gã nu gãwo gɔ̃ hã bɔbɔe.

Ƒo asa na nuwo dome gbegblẽ. Lé be na nusi le asiwò xoxo la be wòanɔ anyi adidi, be nàtsɔ aɖe nu dome gbegblẽ dzi akpɔtɔ. Yesu lé be na nusiwo wòzã la nyuie.—Yohanes 6:10-13.

Na nu veviwo naxɔ nɔƒe gbãtɔ. Nunyala ‘aƒle ɣeyiɣi’ atsɔ awɔ nusiwo le vevie wu.—Efesotɔwo 5:15, 16.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 7]

Nusɔsrɔ̃mɔnu si Nyo Wu Nusɔsrɔ̃ tso Nuteƒekpɔkpɔ Me

Mía ŋutɔwo ƒe nuteƒekpɔkpɔwo—nyuiawo kple gbegblẽawo siaa—ate ŋu afia nu veviwo mí. Gake nyateƒee wònye be kpɔɖeŋue nye nyaɖeŋua? Ao, mɔfiame tsoƒe si de ŋgɔ wu la li. Hakpalaa de dzesi esia esime wògblɔ le gbedodoɖa me be: “Wò nya enye akaɖi na nye afɔ kple kekeli na nye toƒe.”—Psalmo 119:105.

Nukatae nusɔsrɔ̃ tso Mawu gbɔ nyo sasasã wu nusɔsrɔ̃ tso ame ŋutɔ ƒe nuteƒekpɔkpɔwo me? Susu ɖekae nye be nusɔsrɔ̃ tso nuteƒekpɔkpɔ me—si nye nuwɔkpɔ be anyo hã—ate ŋu agblẽ nu le ŋuwò eye wòahe vevesese hã vɛ. Evɔ mehiã nenema hafi o. Mawu gblɔ na blema Israel-viwo be: “Ðe wònye ɖe nèɖo to nye seawo la, anye ne wò ŋutifafa anɔ abe tɔsisi ene, eye wò dzɔdzɔenyenye anɔ abe ƒutsotsoewo ene.”—Yesaya 48:18.

Susu ɖeka si tae Mawu ƒe Nya nye mɔfiame tsoƒe deŋgɔ wue nye be amegbetɔ ƒe nuteƒekpɔkpɔ ŋuti nuŋlɔɖi xoxotɔ kekeake si nye nyateƒe tsitotsito la le eme. Àlɔ̃ ɖe edzi be enyo be woasrɔ̃ nu tso ame bubuwo ƒe dzidzedzekpɔkpɔwo kple kpododonuwo me tsɔ wu be woawɔ woƒe vodada mawo ke hafi asrɔ̃e. (Korintotɔwo I, 10:6-11) Vevietɔ wu la, Mawu na mí se kple gɔmeɖose adodoe siwo fiaa mɔ ame siwo ŋu kakaɖedzi le le Biblia me. “Yehowa ƒe se de blibo . . . Yehowa ƒe ɖaseɖiɖi le eteƒe, enana bometsilawo dzea nunya.” (Psalmo 19:8) Le nyateƒe me la, nusɔsrɔ̃ tso mía Wɔla lɔlɔ̃a ƒe nunya mee nye mɔ nyuitɔ kekeake.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 4]

Xexeame di be nàtrɔ ɖe eƒe ŋutilãmenudidi vivivo la ŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Nusi woate ŋu akpɔ le Biblia me la xɔ asi sasasã wu sika alo klosalo