Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Geɖe Wu Didi

Nu Geɖe Wu Didi

Nu Geɖe Wu Didi

“Ne míedia nu geɖe ɣesiaɣi la, ekema nusiwo le mía si xoxoa masɔ gbɔ na mí akpɔ o.”—Ŋkuléle Ðe Xexeame Ŋu Habɔbɔ.

“NUKA dim míele? Nusianu. Ɣekaɣie míele wo dim? Fifi laa.” Boblodonya mawo bɔ ɖe kɔledzivi aɖewo nu le ƒe 1960-awo me. Ðewohĩ womagase nya siawo tututu egbea ya o, gake nukpɔsusua kpɔtɔ li. Le nyateƒe me la, edze abe nu geɖe wu didi nye míaƒe ɣeyiɣia me tɔwo ƒe nɔnɔme ɖedzesi aɖe ene.

Kesinɔnuwo kple nunɔamesiwo ƒe ame si susu va zu taɖodzinu vevitɔ na ame geɖe le agbe me. Jimmy Carter, si nye United States tɔwo ƒe dukplɔla tsã gblɔ kpɔ be: “Menye nusi ame aɖe wɔe wotsɔa dzea sii fifia o, ke boŋ eƒe nunɔamesiwoe.” Ðe nanewo li xɔ asi wu nunɔamesiwoa? Ne woli la, ke woawoe nye kawo, eye vi kawoe woaɖe na ame?