Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Esi Yesu fia eyomedzelawo be ‘woado nu eye womegakpɔ mɔ na naneke o’ la, ɖe wòfia be mele be woaxɔ gati si wodo na amea kura gɔ̃ hã oa?

Ne Mose ƒe Sea le susu me na mí la, ana míase Yesu ƒe nya siwo woŋlɔ ɖe Luka 6:35 gɔme nyuie. Mawu de se na Israel-viwo be ne wodo ga na wo havi Israel-vi siwo da ahe eye wohiã kpekpeɖeŋu la, mele be woaxɔ deme le wo si o. (Mose II, 22:25; Mose III, 25:35-37; Mateo 5:42) Menye asitsatsa tae wodoa ga mawo tɔgbe ɖo o. Ke boŋ be woakpe ɖe amesi da ahe la ŋu alo akpe ɖe eŋu le nɔnɔme sesẽ aɖe me tae womexɔa deme ɖe gadodo mawo tɔgbe dzi o. Ne èbu eŋu kpɔ la, àkpɔe be manye lɔlɔ̃ ɖeɖe fia amehavi be woato eƒe gakuxi dzi akpɔ viɖe o. Ke hã amesi do ga na ame la ate ŋu axɔ gatia, eye ɣeaɖewoɣi la, woxɔa awɔbanu le amewo si hafi doa ga na wo.—Mose V, 15:7, 8.

Hekpe ɖe Sea dzi wɔwɔ ŋu la, Yesu na gɔmeɖose si le eŋu me kɔ ɖe edzi wu esime wògblɔ be mele be amesi le kpekpem ɖe nɔvia ŋu ‘nakpɔ mɔ na naneke o.’ Abe Israel-viwo ene la, Kristotɔwo doa go gakuxiwo ɣeaɖewoɣi alo nɔnɔme bubu aɖewo si nana be wozua ame dahe kolikoliwo. Ne nɔvi Kristotɔ aɖe hiã gakpekpeɖeŋu vevie la, ɖe manye dɔmenyowɔwɔ be míakpe ɖe eŋu oa? Le nyateƒe me la, lɔlɔ̃ vavãtɔ aʋã hati Kristotɔ aɖe be wòakpe ɖe nɔvia si menye eya ŋutɔ ƒe vodadae na wòge ɖe gakuxi sesẽ aɖe me o la ŋu. (Lododowo 3:27) Ate ŋu anɔ bɔbɔe be woakpe ɖe Kristotɔ dahe sia ƒomevi ŋu kple ga nunana aɖe togbɔ be masɔ gbɔ be wòanye gadodo o hã.—Psalmo 37:21.

Le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me la, wode dɔ asi na apostolo Paulo kple Barnaba be woatsɔ nudzɔdzɔ siwo woxɔ tso Kristotɔ siwo le Asia Sue gbɔ ayi na nɔvi siwo nɔ Yudea le esi dɔ to le afima ta. (Dɔwɔwɔwo 11:28-30) Nenema ke egbea ne afɔku aɖe dzɔ la, Kristotɔ vavãwo ɖoa nunanawo ɖe wo nɔvi siwo hiã tu la. Wotoa esia wɔwɔ dzi ɖia ɖase nyui aɖe hã na ame bubuwo. (Mateo 5:16) Ke hã ele be míade ŋugble tso amesi le kpekpeɖeŋua dim ƒe nuwɔna kple nɔnɔmewo hã ŋu. Nukatae gaa le ehiãm? Ele be míade ŋugble tso Paulo ƒe nya siawo ŋu be: “Ne ame aɖe melɔ̃ be, yeawɔ dɔ o la, negaɖu nu hã o.”—Tesalonikatɔwo II, 3:10.

Ne menye hiãtɔ kolikolie nɔvi si le gadodoa dim nye o, ke boŋ gakpekpeɖeŋu ko dim wòle be yeatsɔ akpɔ ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe gakuxi gbɔe la, ekema ate ŋu asɔ be womaxɔ deme le esi o. Le nɔnɔme siawo tɔgbe me la, gadodo na ame kple susu be woaxɔ gatia le amesi wodoe na si emegbe manye tsitretsitsi ɖe Yesu ƒe nya siwo dze le Luka 6:35 ŋu o. Ele be woaŋlɔ gadodoa ŋuti nya ɖe agbalẽ me eye amesi wodo ga na la nadze agbagba ɖesiaɖe axe fea pɛpɛpɛ abe alesi wo ame evea lɔ̃ ɖe edzii ene. Le nyateƒe me la, ele be lɔlɔ̃ naʋã amesi wodo ga na la wòaxe fea abe alesi lɔlɔ̃ ʋã amesi do ga la nɛ hã ene.

Ahiã be amesi di be yeado ga na nɔvia hã nabu eya ŋutɔ ƒe ƒomea ƒe nuhiahiãwo ŋu nyuie gbã. Le kpɔɖeŋu me, ne edo ga na nɔvia la, ɖe ŋutete aganɔ esi be wòakpɔ eya ŋutɔ ƒe ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ abe alesi Ŋɔŋlɔawo bia tso esi ene ne ganya sesẽwo va do mo ɖa kpataa? (Korintotɔwo II, 8:12; Timoteo I, 5:8) Ke hã, Kristotɔwo dia mɔnukpɔkpɔwo be yewoato nuwɔna dzi aɖe lɔlɔ̃ deto afia wo nɔewo le mɔ siwo le ɖekawɔwɔ me kple Biblia ƒe gɔmeɖosewo nu.—Yakobo 1:27; Yohanes I, 3:18; 4:7-11.