Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Paradiso—Ànɔ Emea?

Paradiso—Ànɔ Emea?

Paradiso—Ànɔ Emea?

“Menya ame aɖe le Kristo me . . . bena wotsɔe dzoe yi ɖe Paradiso la me.”—KORINTOTƆWO II, 12:2-4.

1. Biblia ƒe ŋugbedodo kawoe doa dzidzɔ na ame geɖe?

PARADISO. Èɖo ŋku alesi nèse le ɖokuiwò me zi gbãtɔ si nèse nu tso Mawu ƒe ŋugbedodo be anyigba ava zu Paradiso ŋu dzia? Ðewohĩ àɖo ŋku ɣeyiɣi si nèsee be ‘ŋkuagbãtɔwo ƒe ŋku aʋu, tokunɔwo ƒe to aʋu, eye tsi adzi ɖe gbegbe’ wòazu teƒe dzeani dzi. Ke nyagblɔɖi si ƒo nu tso alesi amegãxi anɔ alẽvi gbɔ eye lãklẽ atsyɔ akɔ ɖe gbɔ̃vi gbɔ ya ɖe? Ðe medzɔ dzi na wò ŋutɔ esi nèxlẽe be woafɔ wò lɔlɔ̃tɔ siwo ku ɖe tsitre eye mɔkpɔkpɔ asu wo si be woava nɔ Paradiso ma me oa?—Yesaya 11:6; 35:5, 6; Yohanes 5:28, 29.

2, 3. (a) Nukatae míate ŋu agblɔ be kpeɖodzi le wò mɔkpɔkpɔ si nètu ɖe Biblia dzi la ŋu? (b) Kpeɖodzi bubu kae le mía si si ta míanɔ mɔ kpɔm ɖo?

2 Menye mɔkpɔkpɔ si ŋu kpeɖodzi aɖeke mele o ye le asiwò o. Susu geɖe li si ta nàte ŋu aka ɖe mɔkpɔkpɔ si Biblia na ku ɖe Paradiso ma ŋu la dzi. Le kpɔɖeŋu me, èka ɖe Yesu ƒe nya siwo wògblɔ na nuvɔ̃wɔla si woklã ɖe ati ŋu la dzi, be: ‘Ànɔ Paradiso la me kplim.’ (Luka 23:43) Èka ɖe ŋugbedodo sia dzi be: “Míele dziƒo yeye kple anyigba yeye, siwo me dzɔdzɔenyenye anɔ la, lalam le eƒe ŋugbedodo la nu.” Eye èka ɖe ŋugbedodo si nye be Mawu atutu aɖatsi ɖa le míaƒe ŋkuwo me; ku maganɔ anyi akpɔ o; konyifafa, ɣlidodo kple vevesese aɖeke maganɔ anyi o la dzi. Esia fia be woagaɖo paradiso ɖe anyigba dzi ake!—Petro II, 3:13; Nyaɖeɖefia 21:4.

3 Gake susu bubu si ta míakpɔ mɔ na Paradiso siae nye nane si teƒe kpɔm Kristotɔwo le le xexeame godoo fifi laa. Nukae nye nusia? Mawu wɔ gbɔgbɔmeparadiso aɖe eye wòkplɔa eƒe amewo va eme. Ðewohĩ awɔ na wò be nya “gbɔgbɔmeparadiso” nye nyagbɔgblɔ gbadzaa aɖe ko, si gɔme womate ŋu ase o, ke hã wogblɔ paradiso sia ŋu nya ɖi eye enye nusi li ŋutɔŋutɔ.

Paradiso Ŋuti Ŋutega Aɖe

4. Ŋutega ka ŋue Korintotɔwo II, 12:2-4 ƒo nu tsoe, eye amekae anya kpɔ ŋutega ma?

4 Ku ɖe nusia ŋu la, de dzesi nusi apostolo Paulo ŋlɔ: “Menya ame aɖe le Kristo me . . . , wotsɔ nenem me sia dzoe yi ɖe dziƒo etɔ̃lia me ke. Eye menya nenem me sia—eɖanɔ ŋutilã me o, meɖanɔ ŋutilã me o, nyemenyae o; Mawue nyae,—bena wotsɔe dzoe yi ɖe Paradiso la me, eye wòse nya, siwo mele ne wòagblɔ o, siwo womeɖe mɔ na ame, bene wòagblɔ o la.” (Korintotɔwo II, 12:2-4) Esi Paulo ʋli eƒe apostolo nyenye ta megbe teti koe wògblɔ nya siawo. Gawu la, Biblia meƒo nu tso ame bubu aɖeke si dzi nusia tɔgbe dzɔ ɖo ŋu o, eye Pauloe nye amesi gblɔe na mí. Eyata anye be Paulo ye kpɔ ŋutega sia. Le nuteƒekpɔkpɔ wɔnuku sia me la, “paradiso” ka mee wòyi?—Korintotɔwo II, 11:5, 23-31.

5. Nukae Paulo mekpɔ o, eye le esia ta “paradiso” ka tɔgbee?

5 Nya siwo ƒo xlã nya sia mefia be “dziƒo etɔ̃lia” la fia dziŋgɔli si ƒo xlã míaƒe anyigbaa loo, yamenutome loo, alo dziƒonutome bubuwo abe alesi ɣletiviŋutinunyalawo susui gblɔ ene o. Zi geɖe la, Biblia zãa xexlẽme etɔ̃ tsɔ fiana gbeteteɖenudzi, ŋusẽ, alo naa kpekpeme nɔa nane ŋu. (Nyagblɔla 4:12; Yesaya 6:3; Mateo 26:34, 75; Nyaɖeɖefia 4:8) Eyata nusi Paulo kpɔ le ŋutega me la nye nusi wodo ɖe dzi. Gbɔgbɔmenue.

6. Ŋutinya me nudzɔdzɔ kawoe na míese nusi Paulo kpɔ la gɔme?

6 Biblia me nyagblɔɖi aɖewo na numekɔkɔ mí tso esia ŋu do ŋgɔ. Esi Mawu ƒe blemadukɔa gbe nuteƒewɔwɔ nɛ la, eɖoe be yeaɖe mɔ Babilontɔwo nava ho aʋa ɖe Yuda kple Yerusalem ŋu. Biblia ƒe ɣeyiɣikɔntabubu ɖee fia be esia va eme mlɔeba le ƒe 607 D.M.Ŋ. me esime teƒe siawo zu aƒedo. Nyagblɔɖiwo gblɔe be dua azu aƒedo ƒe 70; eye emegbe Mawu aɖe mɔ Yudatɔ siwo trɔ dzime natrɔ agbɔ ava ɖo tadedeagu vavãtɔ anyi. Esia va eme tso ƒe 537 D.M.Ŋ. dzi. (Mose V, 28:15, 62-68; Fiawo II, 21:10-15; 24:12-16; 25:1-4; Yeremya 29:10-14) Ke anyigba la ŋutɔ ya ɖe? Le ƒe 70 mawo me la, ezu gbegbe si ƒu kplakplakpla, kple amegãxiwo nɔƒe. (Yeremya 4:26; 10:22) Ke hã, wodo ŋugbe sia: “Yehowa afa akɔ na Zion, afa akɔ na woƒe aƒedowo katã, awɔ woƒe gbegbe abe Eden ene kple woƒe tagba abe Yehowa ƒe abɔ [alo Paradiso, Septuagint] ene.”—Yesaya 51:3, NW ƒe etenuŋɔŋlɔ.

7. Nukae adzɔ le dua ƒe aƒedozuzu ƒe 70 megbe?

7 Ƒe 70-awo megbee esia dzɔ. Mawu ƒe yayra wɔe be nɔnɔmeawo va nyo wu. Wò ya bu nusia ŋu le susu me kpɔ: “Gbegbe kple gbedadaƒo akpɔ dzidzɔ, tagba atso aseye, eye wòaƒo se abe dzogbenya ene. Woaƒo se ake, eye woatsɔ dzidzɔkpɔkpɔ kple aseyetsotso ase vivii. . . . Xɔdrɔ̃wo ati kpo abe zi ene, eye aɖetututɔwo ƒe aɖe atso aseye; elabena tɔ ŋɔ tso gbegbe, eye tɔʋu tso tagba. Bleziblezi azu tá, eye kuɖiɖinyigba azu tsidzɔƒe; amegãxiwo nɔƒe, afisi wotsyɔa akɔ ɖo la, azu aƒla kple avàwo teƒe.”—Yesaya 35:1-7.

Dukɔ aɖe si Wogbugbɔ Ðo Anyi Hetrɔ

8. Aleke míewɔ nya be amewo ŋue Yesaya ta 35 ƒe nyawo ku ɖo?

8 Tɔtrɔ aɖee wònye vavã! Tso aƒedozuzu me yi paradiso me. Ke hã nyagblɔɖi sia kple bubu geɖe siwo dzi woate ŋu aka ɖo la ɖee fia be woatrɔ ameawo hã, abe alesi gbegbe ava zu anyigba wɔnu ene. Nukatae míate ŋu agblɔe alea? Nya lae nye be Yesaya nɔ susu hem yi “Yehowa ƒe amesiwo wòxɔ ƒle,” siwo atrɔ agbɔ ava woƒe anyigba dzi “kple aseyetsotso” eye “vivisese kple dzidzɔ” asu wo si la dzi. (Yesaya 35:10) Menye anyigbaa ŋutɔŋutɔ ŋue nya sia ku ɖo o, ke amewo boŋ ŋue. Gawu la, Yesaya gblɔ alesi woagbugbɔ amewo aɖo te le Zion ŋu nya ɖi le teƒe bubu be: “Woayɔ wo be ‘dzɔdzɔenyenye ƒe logotiwo,’ ‘Yehowa ƒe atibɔ’ . . . Elabena alesi anyigba nana nuwo miena . . . la, nenema Aƒetɔ Yehowa ana dzɔdzɔenyenye kple kafukafu namie le dukɔwo katã ŋku mee.” Yesaya gblɔ le Mawu ƒe amewo ŋu hã be: “Yehowa akplɔ wò ɖaa, . . . ade agbe wò ƒuwo me, eye ànɔ abe abɔ, si wode tsii . . . ene.” (Yesaya 58:11; 61:3, 11; Yeremya 31:10-12) Eyata abe alesi ko anyigbaa ŋutɔŋutɔ ƒe nɔnɔmewo anyo ɖe edzii ene la, nenema kee tɔtrɔwo ava Yudatɔ siwo wogbugbɔ ɖo te la ƒe agbenɔnɔ hã me.

9. “Paradiso” kae Paulo kpɔ, eye ɣekaɣie woɖoe anyi?

9 Ŋutinya me kpɔɖeŋu sia akpe ɖe mía ŋu míase nusi Paulo kpɔ le ŋutega me la gɔme. Aku ɖe Kristo-hamea, si wòyɔ be “Mawu ƒe agble” si wòle be wòatse ku la ŋu. (Korintotɔwo I, 3:9) Ɣekaɣie nusi wòkpɔ le ŋutega ma me la ava eme? Paulo yɔ nusi wòkpɔ la be ‘nyaɖeɖefia,’ si fia nane si adzɔ le etsɔme. Enyae be le yeƒe ku megbe la, xɔsegbegbe gã aɖe ava nɔ anyi. (Korintotɔwo II, 12:1; Dɔwɔwɔwo 20:29, 30; Tesalonikatɔwo II, 2:3, 7) Ne xɔsegbelawo va kpɔ ŋusẽ eye wòdze abe ɖe wovu tsyɔ Kristotɔ vavãwo dzi ene la, ekema womate ŋu atsɔ Kristotɔawo asɔ kple abɔ nyui aɖe o. Gake ɣeyiɣi aɖe ava esime woado tadedeagu vavãtɔ ɖe dzi ake. Woagbugbɔ Mawu ƒe amewo aɖo te ale be ‘ame dzɔdzɔeawo nate ŋu aklẽ abe ɣe ene le wo Fofo ƒe fiaɖuƒe la me.’ (Mateo 13:24-30, 36-43) Ƒe ʋɛ aɖewo le Mawu ƒe Fiaɖuƒea ɖoɖo anyi le dziƒo megbe la, nya sia va eme ŋutɔŋutɔ. Eye esi ƒeawo va nɔ yiyim la, eva dze ƒã be Mawu ƒe amewo le gbɔgbɔmeparadiso, si Paulo kpɔ do ŋgɔ le ŋutega ma me la me.

10, 11. Togbɔ be míede blibo o hã la, nukatae míate ŋu agblɔ be míele gbɔgbɔmeparadiso me?

10 Nyateƒee, míenya be mía dometɔ aɖeke mede blibo ya o, eyata mewɔa nuku na mí ne masɔmasɔwo do mo ɖa ɣeaɖewoɣi abe alesi wònɔ le ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo hã dome ene o. (Korintotɔwo I, 1:10-13; Filipitɔwo 4:2, 3; Tesalonikatɔwo II, 3:6-14) Gake bu gbɔgbɔmeparadiso si me míesea vivi le fifia ŋu kpɔ. Ne míetsɔe sɔ kple gbɔgbɔmedɔléle ƒe nɔnɔme si me míenɔ gbã la, eme kɔ ƒã be woyɔ dɔ mí le gbɔgbɔ me azɔ. Eye tsɔ gbɔgbɔmenuɖuɖu nyui si ɖum míele fifia sɔ kple gbɔgbɔmedɔ si wu mí va yi tsã la kpɔ. Le esi teƒe be míanɔ dagbadagbam le gbɔgbɔmenyigba aɖe si ƒu kplakplakpla dzi la, Mawu kpɔ ŋudzedze ɖe eƒe amewo ŋu hena yayra ƒe tsi gbogbo aɖe dza na wo. (Yesaya 35:1, 7) Le esi teƒe be míatsi ŋku le gbɔgbɔmeviviti si le abe tomegaxɔ aɖe ene me la, míekpɔa kekeli esi ablɔɖe su mía si eye Mawu hã kpɔa ŋudzedze ɖe mía ŋu ta. Ame geɖe siwo nɔ abe tokunɔwo ene le esi womese Biblia ƒe nyagblɔɖiwo ŋuti nya kpɔ o ta la va se nusi Ŋɔŋlɔawo gblɔ eye wosea wo gɔme hã. (Yesaya 35:5) Le kpɔɖeŋu me, Yehowa Ðasefo miliɔn geɖe siwo le xexeame la srɔ̃ nu tso Daniel ƒe nyagblɔɖia me kpukpui ɖesiaɖe ŋu. Emegbe wova dzro Biblia-gbalẽ si nye Yesaya ƒe ta ɖesiaɖe me tsitotsito. Ðe gbɔgbɔmenuɖuɖu dami siawo meɖee fia kɔte be míele gbɔgbɔmeparadiso me oa?

11 Bu tɔtrɔ siwo dzianukwaretɔ siwo le nɔnɔme vovovowo me wɔ le woƒe amenyenye ŋu esi wodze agbagba be yewoase Mawu ƒe Nya la gɔme ahatsɔe ade dɔwɔwɔ me hã ŋu kpɔ. Wodze agbagba vevie ɖe asi le lã ƒe nɔnɔme gbegblẽ aɖewo siwo nɔ wo si tsã ŋu. Ðewohĩ wò hã èwɔ esia hekpɔ dzidzedze le eme, eye alea kee wòle le wò gbɔgbɔ me nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu bubuawo hã gomee. (Kolosetɔwo 3:8-14) Eyata esi nèva le ha dem kple Yehowa Ðasefowo ƒe hame aɖe la, èva le amesiwo zu ŋutifafamewo wu siwo ƒe nu nyoa ame ŋu la dome. Womede blibo haɖe ya o, gake womate ŋu agblɔ le wo ŋu be wole abe dzata wɔadãwo alo gbemelã lénuwo ene o. (Yesaya 35:9) Nukae gbɔgbɔmehadede sia si me dziɖeɖi kple ŋutifafa le la fia? Edze ƒã be míele vivi sem le gbɔgbɔmenɔnɔme aɖe si míeyɔna wòsɔna be gbɔgbɔmeparadiso me. Eye gbɔgbɔmeparadiso si me míele fifia nye anyigba dzi paradiso si me míase vivi le, ne míeyi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa ko, la ƒe kpɔɖeŋu.

12, 13. Nukae wòle be míawɔ be míakpɔtɔ anɔ gbɔgbɔmeparadisoa me?

12 Ke hã, nane li si dzi mele be míaŋe aɖaba aƒu o. Mawu gblɔ na Israel-viwo be: “Miwɔ se, siwo katã mede na mi egbe la dzi, bena ŋusẽ nanɔ mia ŋu, eye miayi aɖaxɔ anyigba, si dzi yim miele, be miaxɔ la wòanye mia tɔ.” (Mose V, 11:8) Le Mose III, 20:22, 24 la, woƒo nu tso anyigba ma ke ŋu ale: “Milé ŋku ɖe nye ɖoɖoawo katã kple nye seawo katã ŋu, bena anyigba, si dzi mekplɔ mi yinae, be mianɔ edzi la, nagatu mi aƒu gbe o. Eye megblɔ na mi bena: Mixɔ woƒe anyigba la wòanye mia tɔ, eye matsɔ anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la, ana mi wòazu mia tɔ.” Ẽ, ele be ƒomedodo nyui nanɔ woa kple Yehowa Mawu dome hafi woate ŋu axɔ Ŋugbedodonyigba la. Esi wònye Israel-viwo meɖo to Mawu o tae wòɖe mɔ Babilontɔwo va ɖu wo dzi heɖe wo ɖa le teƒe si wonɔ la.

13 Nu geɖe anya do dzidzɔ na mí le míaƒe gbɔgbɔmeparadisoa ŋu. Nɔnɔme si me míele nya kpɔna, hefaa akɔ na ame. Ŋutifafa le mía kple Kristotɔ siwo dze agbagba ɖe asi le lã ƒe nɔnɔme gbegblẽwo ŋu la dome. Wodzea agbagba be yewoanyo dɔme ahakpe ɖe mía ŋu. Ke hã, míaƒe gbɔgbɔmeparadisoa me nɔnɔ bia nu geɖe tso mía si wu ƒomedodo nyui me nɔnɔ kple amesiawo ko. Ebia be ƒomedodo nyui nanɔ mía kple Yehowa dome eye míawɔ eƒe lɔlɔ̃nu. (Mixa 6:8) Mía ŋutɔwoe lɔ̃ faa va gbɔgbɔmeparadiso sia me, gake míate ŋu atra mɔ—alo woaɖe mí ɖa le eme—ne míedzea agbagba léa ƒomedodo si le mía kple Mawu dome la me ɖe asi o.

14. Nukae akpe ɖe mía ŋu be míayi edzi anɔ gbɔgbɔmeparadisoa me?

14 Nu vevi aɖe si akpe ɖe mía ŋu enye be Mawu ƒe Nya la yia edzi doa ŋusẽ mí. Se kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ si dze le Psalmo 1:1-3 ɖa: “Woayra amesi mezɔna ɖe ame vɔ̃ɖiwo ƒe aɖaŋuɖoɖo nu o . . . ke boŋ ekpɔa dzidzɔ le Yehowa ƒe se la ŋu, eye wòdea ŋugble le eƒe se la ŋu zã kple keli. Eyama ɖi ati, si wodo ɖe tɔʋuwo to, si tsena le etseɣi, eye eƒe aŋgbawo melũa xe o; eye nusianu, si wòwɔna la, ewɔnɛ wua nu nyuie!” Hekpe ɖe eŋu la, Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela ƒe ha la tana la naa gbɔgbɔmenuɖuɖu mí le gbɔgbɔmeparadisoa me.—Mateo 24:45-47.

Nana be Paradiso Nadze Nu Ŋutɔŋutɔ na Wò Wu

15. Nukatae Mose mete ŋu kplɔ Israel-viwo yi Ŋugbedodonyigbaa dzi o, gake nukae wòkpɔ?

15 Gabu Paradiso ƒe kpɔɖeŋu sue bubu aɖe ŋu kpɔ. Esi Israel-viwo tsa tsaglãla le gbeadzi ƒe 40 megbe la, Mose kplɔ wo yi Moab-tagba si le Yordan-tɔsisia ƒe ɣedzeƒe gome. Le vodada aɖe si Mose wɔ va yi ta la, Yehowa ɖoe be makplɔ Israel-viwo atso Yordan-tɔsisia o. (Mose IV, 20:7-12; 27:12, 13) Mose ɖe kuku na Mawu be: “Na mayi dzro, bena maɖakpɔ anyigba nyui la le Yordan godo.” Togbɔ be Mose maɖo afɔ Ŋugbedodonyigba la dzi o hã la, esime wòde Pisga-toa tame hetsa ŋku godoo kpɔ anyigba la ƒe teƒe vovovoawo la, eva kpɔe dze sii be “anyigba nyui” aɖee. Aleke nèbu be anyigba ma nɔ?—Mose V, 3:25-27.

16, 17. (a) Aleke Ŋugbedodonyigba la to vovo na alesi afima le fifia? (b) Nukatae míate ŋu aka ɖe edzi be Ŋugbedodonyigba la nɔ abe paradiso ene tsã?

16 Ne ètsɔ alesi nuto ma ƒe teƒe geɖe ƒe nɔnɔme le fifia bu eŋui la, ɖewohĩ àsusui be enye dzogbe kenyigba, kpenyigba, kple anyigba xɔdzo aɖe. Gake kpeɖodzi li si ta míaƒo nya ta be alesi nutome bliboa le fifia la to vovo kura na alesi wònɔ tsã le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me. Ðk. Walter C. Lowdermilk si nye tsi kple agblenyigbaŋunyala ɖe nu me le magazine si nye Scientific American me be “wogblẽ nu” le anyigba si le nuto ma me ŋu “le ƒe akpe ɖeka siwo va yi me.” Tsi kple agblenyigbaŋunyala sia ŋlɔ be: “Anyigba wɔnu ma si va zu ‘dzogbe’ la tso amegbetɔwo ƒe nuwɔnawo gbɔ, ke menye nenemae wònɔ le dzɔdzɔme nu o.” Le nyateƒe me la, nusiwo wòsrɔ̃ tso afima ŋu ɖee fia be “anyigba sia nye paradiso dama aɖe tsã.” Eyata amegbetɔwo ƒe nudomegbegblẽ gbɔe wòtso be nu gblẽ le anyigba si nye “paradiso dama aɖe” tsã la ŋu. *

17 Ŋugbledede le nusiwo nèxlẽna le Biblia me ŋu ana nàkpɔe be susu le nyataƒoƒo sia me. Ðo ŋku nusi dzi Yehowa ka ɖo na dukɔa to Mose dzi la dzi: “Towo kple gbadzaƒewo le anyigba, si dzi yim nèle, be naxɔe wòanye tɔwò la dzi, eye wònoa tsi, si dza tso dziƒo; anyigba, si Yehowa, wò Mawu, léa be na.”—Mose V, 11:8-12.

18. Aleke Yesaya 35:2 anya na Israel-vi aboyomeawo bu alesi Ŋugbedodonyigba la anɔ ŋui?

18 Ŋugbedodonyigba la ƒe amadede dze ani eye wòwɔa nu ale gbegbe be eƒe teƒe aɖewo ŋkɔ ɖeɖe dzaa yɔyɔ naa ame ƒe susu yia paradiso ƒe nɔnɔmewo dzi. Esia dze kɔte le nyagblɔɖi si le Yesaya ta 35 me, si va eme zi gbãtɔ esime Israel-viwo trɔ gbɔ tso Babilon. Yesaya gblɔe ɖi be: “Woaƒo se ake, eye woatsɔ dzidzɔkpɔkpɔ kple aseyetsotso ase vivii. Woatsɔ Libanon ƒe ŋutikɔkɔe, Karmel kple Saron ƒe atsyɔ̃ nɛ. Woakpɔ Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe kple mía Mawu ƒe atsyɔ̃.” (Yesaya 35:2) Teƒewo abe Libanon, Karmel, kple Saron ene yɔyɔ ana Israel-viwo ƒe susu nayi teƒe siwo naa ame ƒe dzi dzea eme eye wolɔ̃a nɔnɔ la dzi.

19, 20. (a) Ƒo nu tso afisi blema Saron nɔ ŋu. (b) Mɔ aɖe si dzi míato ado ŋusẽ míaƒe Paradiso mɔkpɔkpɔa enye ka?

19 Bu Saron, si nye ƒuta tagba aɖe si le Samaria ƒe togbɛwo kple Ƒu Gã La, alo Mediterranea-ƒua domedome ŋu kpɔ. (Kpɔ foto si le axa 10.) Wonyae nyuie le eƒe anyigba wɔnu si dzi gbe dama dzeaniwo le ta. Esi tsi dzana ɖe anyigba ma dzi nyuie ta la, eʋãa nuku nyuie, gake ave dodo siwo me odumti gãwo le la bɔ ɖe eƒe dziehekpa dzi. (Kronika I, 27:29; Hawo ƒe Ha 2:1; Yesaya 65:10) Eyata Yesaya 35:2 nɔ nya gblɔm ɖi ku ɖe gbugbɔgaɖoanyi kple anyigba si aƒo se le atsyɔ̃ɖoɖo me, si ana wòava nɔ abe paradiso ene ŋu. Nyagblɔɖi ma nɔ asi fiam gbɔgbɔmeparadiso aɖe si me vivisese anɔ hã, le nusi Paulo kpɔ le ŋutega me nu. Mlɔeba la, nyagblɔɖi sia kple bubu geɖewo doa ŋusẽ mɔkpɔkpɔ si le mía si be ameƒomea ava nɔ paradiso me le anyigba dzi.

20 Esi míele míaƒe gbɔgbɔmeparadisoa me la, míate ŋu adzi míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe eŋu ɖe edzi ahado ŋusẽ anyigba dzi Paradiso ƒe mɔkpɔkpɔ si le mía si. Aleke míawɔe? Eyae nye to nusiwo míexlẽna le Biblia me la gɔmesese ɖe edzi nyuie wu me. Zi geɖe la, Biblia me nyawo kple nyagblɔɖiwo yɔa teƒe aɖewo koŋ. Àdi be yeanya afisi tututu teƒe siawo nɔ nyuie wu kple ƒomedodo si le woa kple teƒe bubu siwo woyɔ domea? Le nyati si kplɔe ɖo me la, míadzro alesi nàte ŋu awɔ esia wòaɖe vi na wòe me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 16 Denis Baly gblɔ le The Geography of the Bible me be: “Anɔ eme be nu geɖe trɔ le alesi anyigbaa ƒe nɔnɔme le ŋu tso Biblia ƒe ɣeyiɣiawo me ke.” Nuka gbɔe tɔtrɔ siawo tso? “Amegbetɔ hiã ati be wòatsɔ ado dzoe eye wòatsɔ atu xɔ eye le esia ta . . . edze atiwo lalã gɔme eye alea wòdzɔe be yame ƒe nɔnɔme kpɔ ŋusẽ ɖe anyigbaa dzi. Nusi do tso nuwɔna siawo me na nuto sia enye be . . . yame ƒe nɔnɔme va zu nusi gblẽ nu le eŋu koŋ.”

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• “Paradiso” kae apostolo Paulo kpɔ le ŋutega me?

• Aleke Yesaya ta 35 va eme zi gbãtɔ, eye aleke wòdo ƒome kple nusi Paulo kpɔ le ŋutega mee?

• Aleke míawɔ akpɔ ŋudzedze geɖe wu ɖe míaƒe gbɔgbɔmeparadisoa ŋu ahado ŋusẽ anyigba dzi paradiso ƒe mɔkpɔkpɔ si le mía si lae?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Saron-tagba, si nye Ŋugbedodonyigba la dzi nuto wɔnu aɖe

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Pictorial Archive (Near Eastern History) Est.

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Mose kpɔe dze sii be “anyigba nyui” aɖee