Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Sɔhɛwo—Mina mia dzilawo nakpe ɖe mia ŋu miadzɔ miaƒe dzi ŋu!

Sɔhɛwo—Mina mia dzilawo nakpe ɖe mia ŋu miadzɔ miaƒe dzi ŋu!

Sɔhɛwo—Mina mia dzilawo nakpe ɖe mia ŋu miadzɔ miaƒe dzi ŋu!

NUKAE nèsusu be eyae nye ʋumefia ƒe kuxi sesẽtɔ kekeake? Mɔzɔzɔ to atsiaƒu gã gbanaa aɖe dzi dedie yea? Ao, menye emae nyea kuxia zi geɖe o. Meliwo ƒe nyɔnyrɔ dometɔ akpa gãtɔ dzɔna le afisiwo gogo melidzeƒe, ke menye ne wole atsiaƒua dzi o. Le nyateƒe me la, afɔku le meli tɔtɔ ɖe tsi ŋgɔ me wu yameʋu ƒe dzedze ɖe anyigba kura gɔ̃ hã. Nukatae?

Hafi ʋumefia aɖe nate ŋu atɔ eƒe meli dedie la, ele be wòaƒo asa na afɔku siwo katã melidzeƒea ate ŋu ahe vɛ. Ele be wòanya nu tso tsia ƒe sisime le afima ŋu ale be ne ele melia tɔm la, magado go kple meli bubuwo o. Ele be wòaƒo asa na ba, kpe, alo meli gbagbã siwo ɣla ɖe tsi gɔme hã. Eye esi gavɔ̃ɖi wue nye ne zi gbãtɔe ma wòyina melidzeƒea.

Be ʋumefia nyanu naɖu kuxi mawo dzi la, adi kpekpeɖeŋu tso ame aɖe si le ʋudzeƒea, si fiaa mɔ melikula siwo gbɔna dzedze ge, eye wònya nu tso nutoa me melidzeƒea ŋu nyuie la gbɔ. Kpekpeɖeŋunala sia atsi tre ɖe ʋumefia la xa eye wòana mɔfiafiae. Wo ame evea woade ŋugble tso afɔkuawo ŋu ɖekae eye woaku melia ato tsimɔ xaxɛ siwo le afima vaseɖe esime woaɖo melidzeƒea.

Amesi kpena ɖe melikulawo ŋu ƒe aɖaŋuɖoɖo xɔasiwo nye kpɔɖeŋu na kpekpeɖeŋu si li na Kristotɔ sɔhɛ siwo wòle na be woawɔ ɖoɖo ɖe agbe me nɔnɔme sesẽwo ŋu. Nukae nye kpekpeɖeŋu sia? Nukatae ƒewuiviwo hiãe?

Mina míayi kpɔɖeŋu si ku ɖe meli ƒe nya ŋu la dzi. Ne sɔhɛe nènye la, ekema le mɔ aɖe nu la èle abe ʋumefia ene elabena wò ŋutɔe gbɔna wò agbe me agbanɔamedziwo tsɔ ge mlɔeba. Eye dziwòlawo wɔƒe sɔ kple amesi naa kpekpeɖeŋu melikulawo tɔ nyuie esime wodzea agbagba be woana mɔfiafia siwo akpe ɖe ŋuwò le nɔnɔme sesẽtɔ kekeake siwo me to ge nàla le agbe me dometɔ aɖewo me. Le ƒewuimenɔɣiwo la, ɖewohĩ asesẽ na wò be nàxɔ dziwòlawo ƒe aɖaŋuɖoɖo. Nukatae wòle nenema?

Ame ƒe dzi gbɔe kuxia tsona zi geɖe. Wò kpɔɖeŋudzia ate ŋu aʋã wò be nusi ŋu wode se ɖo nadzro wò alo nàtsi tre ɖe nusianu si dze abe ɖe wòaxe mɔ na wò ablɔɖe ene la ŋuti. Biblia gblɔ be: “Ame ƒe dzimesusu enye vɔ̃ tso ɖevime ke.” (Mose I, 8:21) Yehowa na eme kɔ ƒã be gbetɔame ŋutɔŋutɔ aɖe le lalawòm. Exlɔ̃ nu be: “Ame ƒe dzi la, alakpatɔ wònye wu nuwo katã, eye afɔkunu si na wodzea aglãe wònye.” (Yeremya 17:9, Rotherham) Hekpe ɖe dzodzro vɔ̃wo tutuɖo ŋu la, sɔhɛ ƒe dzi ate ŋu ablee wòasusu be yenya nu wu ye dzilawo, evɔ wònye nuteƒekpɔkpɔ le wo si sasasã wui hafi. Ke hã susu nyuiwo li si tae wòle be nàdi dziwòlawo ƒe kpekpeɖeŋu esime nèle kpɔɖeŋutsiaƒu si nye ƒewuimenɔɣi ƒe ɣeyiɣi sesẽwo me tom.

Nukatae Nàɖo To Dziwòlawo?

Susu vevitɔe nye be Yehowa, amesi nye ƒomea Dzɔtsoƒee gblɔ na wò be nàɖo to dziwòlawo ƒe mɔfiafia. (Efesotɔwo 3:15) Esi Mawu tia dziwòlawo be woalé be na wò ta la, exlɔ̃ nu wò be: “Ðeviwo, nusi sɔ si wòle be miawɔe nye be miaɖo to mia dzilawo abe amesiwo Aƒetɔ la tsɔ ɖo mia nui ene.” (Efesotɔwo 6:1-3, Phillips; Psalmo 78:5) Togbɔ be ànya le wò ƒewuiwo me hã la, dziwòlawo ƒe agbanɔamedzie wògakpɔtɔ nye be woafia mɔ wò, eye agba le wò hã dziwò be nàɖo to wo. Esime apostolo Paulo ŋlɔe be ɖeviwo naɖo to wo dzilawo la, ezã Helagbe me nya aɖe si woate ŋu azã na vi ɖesiaɖe metsɔ le ƒe si wòxɔ me o. Le kpɔɖeŋu me, abe alesi woŋlɔe ɖe Mateo 23:37 ene la, togbɔ be Yerusalem nɔlawo dometɔ akpa gãtɔ nye ame tsitsiwo hã la, Yesu yɔ wo be ‘viawo.’

Ŋutsu nuteƒewɔla geɖe siwo nɔ anyi le blemaɣeyiɣiwo me yi edzi ɖo to wo dzilawo esi wova zu ame tsitsiwo vɔ megbe gɔ̃ hã. Togbɔ be Yakob va zu ame tsitsi hã la, ese egɔme be ele be yeaɖo to ye fofo ƒe sedede be yeagaɖe amesi menye Yehowa subɔla o. (Mose I, 28:1, 2) Ðikeke aɖeke mele eme o be Yakob de dzesii hã be esi ye nɔviŋutsu ɖe Kanaan nyɔnuwo la, ema va zu dzigbagbã na edzilawo.—Mose I, 27:46.

Hekpe ɖe dɔdasi si Mawu na dziwòla Kristotɔwo be woafia mɔ wò ŋu la, edze ƒã be woawoe nye amesiwo dze wu be woaɖo aɖaŋu na wò. Susu si koŋ tae nye be dziwòlawo nya wò nyuie eye ɖikeke aɖeke mele eme o be woɖe ɖokuitɔmadimadi ƒe lɔlɔ̃ fia wò ƒe geɖe enye esia. Abe amesi kpena ɖe melikula siwo gbɔna tɔtɔ ge ene ŋu la, nuteƒekpɔkpɔ geɖe le wo si. Woa ŋutɔwo hã woto “ɖekakpuinyenye ƒe nudzodzrowo” me kpɔ. Eye esi wonye Kristotɔ vavãwo ta la, wokpɔe be Biblia ƒe gɔmeɖosewo tsɔtsɔ wɔ dɔe ɖea vi.—Timoteo II, 2:22.

Esi nuteƒekpɔla bibi siawo tɔgbe le gbɔwò ta la, woakpe ɖe ŋuwò nàkpɔ kuxi sesẽtɔwo kekeake gɔ̃ hã gbɔ dzidzedzetɔe. Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble le hadede kple amesi ƒe vidzinu to vovo ŋu kpɔ. Aleke dziwòla Kristotɔwo ate ŋu afia mɔ wò le nya vevi sia ŋui?

Tete Ðe Amesi ƒe Vidzinu To Vovo Ŋu

Amesiwo fiaa mɔ melikulawo ɖoa aɖaŋu na ʋumefiawo be woagagogo ba siwo ɣlana ɖe tsi gɔme o. Togbɔ be tsi gɔme ba bɔbɔna hã la, eblea ame elabena metɔna ɖe teƒe ɖeka o. Nenema ke dziwòlawo adi be nàƒo asa na nɔnɔme siwo ate ŋu ade wò seselelãmewo afɔku me. Le kpɔɖeŋu me, dziwòlawo nya be ŋutsu kple nyɔnu ƒe seselelãme ɖe wo nɔewo ŋu ate ŋu asẽ ŋu ale gbegbe be gbɔgblɔ mele eŋu o. Gake ne dzodzro siawo ho ɖe mewò la, woate ŋu akplɔ wò ade nugbegblẽwɔwɔ me.

Dina ƒe kpɔɖeŋua ɖo kpe edzi be nunya mele eme be woate ɖe afɔku ŋu kplikplikpli o. Ðewohĩ ŋkukekeɖenume kple agbeɖuɖu ƒe dzodzroe ʋã Dina wòdze xɔlɔ̃ Kanaan nyɔnuviwo, amesiwo ɖikeke aɖeke mele eme o be woƒe agbenɔnɔ menyo o la. Eteƒe medidi o hadzedze si dze gbã abe ɖe naneke megblẽ le eŋu ene o la kplɔe de afɔku me—ɖekakpui si ‘wobuna ŋutɔ’ le dua me dɔ egbɔ sesẽe.—Mose I, 34:1, 2, 19.

Wotea gbe ɖe gbɔdɔdɔ dzi ale gbegbe be afɔku mawo tɔgbe va bɔ le míaƒe ɣeyiɣi sia me. (Hosea 5:4) Ðewohĩ sɔhɛ akpa gãtɔ agblɔ be zɔzɔ kplikplikpli kple amesi ƒe vidzinu to vovo na yewo tɔ doa dzidzɔ na yewo wu nusianu. Adzɔ dzi na wò be yeanɔ teƒe aɖe si sa ɖe aga kple ame aɖe si nèkpɔ be edze tugbe alo dze ɖeka ŋutɔ. Gake dziwòla lɔlɔ̃awo adze agbagba be yewoakpɔ tawò tso hadede kple sɔhɛ siwo medea bubu Mawu ƒe dzidzenuwo ŋu o me.

Laura lɔ̃ ɖe edzi be ŋkukekeɖenume ate ŋu agbã ŋku na ƒewuiviwo be womakpɔ afɔku adze sii o. “Esime nyɔnuvi siwo le nye sukuxɔ me gblɔ nam be yewoɖu ɣe kple ŋutsuvi dzeɖekɛ aɖewo vaseɖe zãtsiƒe la, wogblɔe wòdze abe enye nane si womaŋlɔ be akpɔ gbeɖe o ene. Mede dzesii be woɖea ami ɖe woƒe nyawo zi geɖe, gake mesenɛ le ɖokuinye me kokoko be ɖewohĩ nu vivi geɖe le ŋunye tom. Togbɔ be menya be esɔ be dzinyelawo meɖea mɔ nam meyia teƒe mawo tɔgbe o hã la, edzroam kokoko be mayi.”

Esi brek alo nusi na ʋu tɔna mele meli ŋu o ta la, exɔa ɣeyiɣi didia aɖe hafi tɔna. Dzilawo nya be nenema ke ame ƒe seselelãme dzodzrowo hã le. Lododo ƒe agbalẽa tsɔ ŋutsu si seselelãme ƒe dzodzrowo flu tagbɔ na la sɔ kple nyitsu aɖe si wokplɔ yina ewuƒe. (Lododowo 7:21-23) Wò ya màdi be yeaɖe mɔ nusiawo tɔgbe nadzɔ ɖe ye dzi, be nu nagblẽ le ye ŋu le seselelãme kple gbɔgbɔ me, o. Dziwòlawo ate ŋu anya ɣeyiɣi si wò dzi adi be yeakplɔ wò atrae le nuwɔna siawo ƒe ɖe me, eye woate ŋu axlɔ̃ nu wò alesi dze. Ðe dzi nyanu asu asiwò be nàɖo to wo aƒo asa na dzɔgbevɔ̃ea?—Lododowo 1:8; 27:12.

Èhiã dziwòlawo ƒe kpekpeɖeŋu hã ne èdo go hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu. Aleke woate ŋu akpe ɖe ŋuwòe?

Hatiwo ƒe Ŋusẽkpɔɖeamedzi

Ƒutsotsoe sesẽ alo tsi ƒe sisi si nu sẽ ate ŋu anyama meli wòaɖo ta teƒe bubu. Be esia nagadzɔ o la, ele be wòadze agbagba ana melia nagaɖo ta afisi tsiawo trɔe yinae o. Nenema ke sɔhɛ bubuwo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi ate ŋu ana nàtra mɔ le gbɔgbɔ me negbe ɖe nètsi tre ɖe eŋu sesĩe hafi.

Abe alesi Dina ƒe nuteƒekpɔkpɔa ɖee fia ene la, “ne ède ha kple bometsilawo la, àzu ame gbegblẽ.” (Lododowo 13:20) Ðo ŋku edzi be ne Biblia zã nya ‘bometsila’ la, efia amesi menya Yehowa o alo ɖoe be yemazɔ eƒe mɔwo dzi o.

Gake ɖewohĩ manɔ bɔbɔe na wò be nàgbe sukuhatiwo ƒe nukpɔsusu alo nuwɔnawo o. María José gblɔ be: “Medi be sɔhɛ bubuwo nalɔ̃ nye nya gbɔ. Esi nyemedi be woasusu be meto vovo o ta la, medze agbagba srɔ̃ wo alesi mate ŋui.” Hawòtiwo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe dziwò le manyamanya me—le hadzidzi, nudodo, alo alesi nèƒoa nui kura gɔ̃ hã me. Ðewohĩ wò dzi dzea eme ne mia kple hawòti sɔhɛ bubuwo mieli. Le dzɔdzɔme nu la, naneke megblẽ le eŋu o, gake hadede kpli wo ava kpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe dziwò godoo.—Lododowo 1:10-16.

Caroline ɖo ŋku kuxi aɖe si ɖe fu nɛ ƒe ʋɛ aɖewo nye si va yi dzi be: “Tso esime mexɔ ƒe 13 ke la, ahiãvi nɔ nyɔnuvi akpa gãtɔ siwo medea ha kplii la si, eye woƒo nya ɖe nunye ƒe geɖe be masrɔ̃ yewoƒe nuwɔna. Gake danye fia mɔm to ɣeyiɣi sesẽ sia me. Ezã gaƒoƒo geɖe ɖo tom, dzro nu me kplim, eye wòkpe ɖe ŋunye mekpɔ alesi wòle vevie be malala vaseɖe esime metsi hafi ade ha kple ŋutsu.”

Abe Caroline dada ene la, dziwòlawo ate ŋu ase le wo ɖokui me be enye yewoƒe agbanɔamedzi be yewoaxlɔ̃ nu wò tso hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu ŋu alo aɖo seɖoƒe na wò nuwɔnawo kple amesiwo nadze xɔ̃e kura gɔ̃ hã. Natan ɖo ŋku edzi be yehe nya kple ye dzilawo le nya siawo tɔgbe ŋu zi geɖe. Egblɔ be: “Xɔ̃nyewo kpeam enuenu be míado go, gake dzinyelawo meɖe mɔ nam be mía kple ɖevi bubuwo míanɔ tsatsam le gbɔdome ko alo ayi kplɔ̃ɖoƒe siwo mele ame aɖeke ƒe dzikpɔkpɔ te o la o. Ɣemaɣi la, nyemese nusitae dzila bubuwo ɖea mɔ na wo viwo gake tɔnyewo ya meɖea mɔ nam o la gɔme o.”

Gake emegbe la, Natan va se egɔme. Elɔ̃ ɖe edzi be: “Menya be le gonyeme la, ‘bometsitsie bla ɖe ŋutsuvi ƒe dzi ŋu.’ Bometsitsi sia doa mo ɖa bɔbɔe ne ŋutsuviwo le tsatsam le gbɔdome ko le ha me. Ne wo dometɔ ɖeka nya dze nu gbegblẽ aɖe wɔwɔ gɔme ko la, bubu gblẽnɛ ɖe edzi, eye etɔ̃lia ya naa wògblẽna ɖe edzi kura. Eteƒe medidina hafi wo katã wokpɔa gome le eme o. Mɔ̃ sia ate ŋu aɖe ɖevi siwo be yewole Yehowa subɔm kura gɔ̃ hã.”—Lododowo 22:15.

Natan kple María José siaa wɔ avu kple woƒe didiwo esime wo dzilawo meɖe mɔ na wo be woawɔ nusiwo ƒe aɖaŋu wo hatiwo ɖo na wo o. Ke hã woɖo to eye emegbe la, wokpɔ dzidzɔ be yewowɔe nenema. Lododoa gblɔ be: “Ƒu to anyi, eye nase nunyalawo ƒe nyawo, eye wò dzi netrɔ ɖe nye nufiafia ŋuti.”—Lododowo 22:17.

Wodze na Bubu

Ne meli aɖe viã la, asesẽ be woadzɔe eye ne eviã fũ akpa la, ate ŋu anyrɔ. Le míaƒe blibomademade ta la, ɖokuitɔdidi kple nusi ŋu womeɖe mɔ ɖo o wɔwɔ dzroa mí katã. Togbɔ be nɔnɔme sia le sɔhɛwo me hã la, woate ŋu aɖo melidzeƒea le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu godoo, nenye be wozɔ ɖe wo dzilawo ƒe mɔfiafia dzi nyuie ko.

Le kpɔɖeŋu me, dziwòlawo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàtsri nukpɔsusu si nye be yemele mɔ bii si kplɔa ame yina agbe me dzi o eye yemele mɔ gbadza si kplɔa ame yia tsɔtsrɔ̃ me hã dzi o. (Mateo 7:13, 14) Nenema ke nunya mele eme be nàsusu be yeate ŋu awɔ nu gbegblẽ vi aɖe evɔ yemada le Mawu ƒe sewo dzi o, abe ɖe nàte ŋu “aɖɔ nane akpɔ” evɔ nàgblɔ be eƒe tsia meɖo veme na ye o ene. Amesiwo nɔa agbe ma ƒomevi le ‘adzɔ evee ɖum’—wole Yehowa subɔm vaseɖe afi aɖe gake wogale xexe sia kple eme nuwo hã lɔ̃m—eye woate ŋu anyrɔ le gbɔgbɔ me bɔbɔe. (Fiawo I, 18:21; Yohanes I, 2:15) Nukatae nu ma dzɔna? Nuvɔ̃ ƒe dzodzro siwo le mía me tae.

Míaƒe blibomademade ƒe dzodzrowo ate ŋu asẽ ŋu ɖe edzi ne míena ta. Ne míeɖɔ nuvɔ̃ kpɔ la, míaƒe ‘dzi bleame’ la agblɔ na mí be míawɔ vi aɖe kpee hafi adzudzɔ. Adi be míagawɔ geɖe akpee. (Yeremya 17:9) Ne míedze egɔme le megbe yim vivivi le gbɔgbɔ me la, xexe sia anɔ ŋusẽ kpɔm ɖe mía dzi wu. (Hebritɔwo 2:1) Ðewohĩ màkpɔe adze sii be yele viaviãm le gbɔgbɔ me o, gake anɔ eme be dziwòla Kristotɔwo ya ade dzesi nenema. Nyateƒee, dziwòlawo mate ŋu asrɔ̃ nu tso kɔmpiuta zazã ŋu kaba le ɣeyiɣi kpui aɖe me abe wò ene o, gake wonya ɣeyiɣi si ame ƒe dzi tea aglãdzedze wu wò. Eye wodi be woakpe ɖe ŋuwò ‘wò dzi nato mɔ dzɔdzɔe’ si akplɔ wò ayi agbe me dzi.—Lododowo 23:19.

Gake mèganɔ mɔ kpɔm be dziwòlawo awɔ nyametsotso siwo de blibo le mɔfiafia wò ku ɖe nanewo abe hadzidzi, modzakaɖeɖe, kple dzadzraɖo ŋu ene me o. Ðewohĩ dziwòlawo manya nu abe Salomo ene alo agbɔ dzi ɖi abe Hiob ene o. Abe amesi fiaa mɔ ʋumefia ene la, woate ŋu awɔ vodada ɣeaɖewoɣi le esi wotsi dzi ɖe wò etsɔme ƒe nyonyo ŋu ta. Ke hã woƒe mɔfiafia akpe ɖe ŋuwò ŋutɔ ne èɖo to ‘fofowò ƒe amehehe, eye mègblẽ dawò ƒe nufiame ɖi o.’—Lododowo 1:8, 9.

Sɔhɛ bubuwo ate ŋu aƒo nu ada wo dzilawo ɖe anyi. Gake ne dziwòlawo le agbagba dzem be woazɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo ƒe mɔfiafia dzi la, ke woanɔ kpli wò ɣeawokatãɣi abe amesi fiaa mɔ ʋumefia ene le nɔnɔme kple xaxa ƒomevi ɖesiaɖe si me nàva to la me. Abe ʋumefia si hiã mɔfiala bibi aɖe si nya nu tso melidzeƒe si le nutoa me ŋu nyuie ƒe aɖaŋuɖoɖo ene la, wò hã èhiã dziwòlawo ƒe mɔfiafia be nàzɔ le nunya me. Yayra siwo ado tso eme mele gbɔgblɔ me o.

“Ekema nunya age ɖe wò dzi me, eye sidzedze avivi wò luʋɔ nu. Tamebubu akpɔ dziwò, eye gɔmesese adzɔ ŋuwò, ne wòaɖe wò tso mɔ vɔ̃ dzi, le amesiwo gblɔa godzenya la ŋu, amesiwo gblẽ mɔ dzɔdzɔe la ɖi, be woazɔ blukɔ ƒe mɔ dzi . . . Elabena nuteƒewɔlawo anɔ anyigba la dzi, eye ame maɖifɔwo asusɔ ɖe edzi.”—Lododowo 2:10-13, 21.

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

Sɔhɛ bubuwo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi ate ŋu ana natra mɔ le gbɔgbɔ me

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Ðo ŋku nusi dzɔ ɖe Dina dzi

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Abe alesi ʋumefia dia mɔfiala bibi aɖe si nya nu tso melidzeƒe si le nutoa me ŋu nyuie ƒe aɖaŋuɖoɖo ene la, ele be sɔhɛwo nadi wo dziwòlawo ƒe mɔfiafia

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 24]

Foto: www.comstock.com