Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ènya Dzidzɔ si Le Nunana Mea?

Ènya Dzidzɔ si Le Nunana Mea?

Ènya Dzidzɔ si Le Nunana Mea?

NƆVINYƆNU Kristotɔ nuteƒewɔla aɖe tsɔ ƒe si ade 50 wɔ Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔae. Togbɔ be tsitsi wɔe be ŋusẽ megale eŋu o hã la, eɖoe be yeayi Fiaɖuƒe Akpata si wotu yeyee la me. Nɔviŋutsu Kristotɔ aɖe de abɔ abɔme nɛ wòge ɖe akpataa me hezɔ blewuu ɖo ta nusi gbɔ wòɖoe be yeayi—si nye nudzɔɖakaa—la gbɔ. Etsɔ ga sue si wòdzra ɖo ɖi ɖe tameɖoɖo sia ta de eme. Togbɔ be mete ŋu yi ɖawɔ dɔ ŋutɔŋutɔ le akpataa tuɣi o hã la, edi be yeana kpekpeɖeŋu.

Ðewohĩ nyɔnu Kristotɔ sia ana nàɖo ŋku nyɔnu nuteƒewɔla bubu—si nye “ahosi dahe” si Yesu kpɔ wònɔ lepta eve dam ɖe gbedoxɔmenudzɔɖakaa me la—dzi. Womegblɔ kuxi siwo me tom wònɔ na mí o, gake srɔ̃ŋutsu ƒe kuku le ame gbɔ le ɣeyiɣi mawo me te ŋu naa nyɔnu ɖoa gakuxi sesẽwo me. Eyata eƒe nu wɔ dɔ ɖe Yesu dzi, elabena enya eƒe kuxia nyuie. Esi Yesu zã nyɔnua tsɔ nɔ kpɔɖeŋu wɔm na eƒe nusrɔ̃lawo la, egblɔ be nu sue si wòna la enye “nusiwo katã le esi na eƒe agbenɔnɔ.”—Marko 12:41-44.

Nukatae ahosi dahe sia si nu hiã la asa vɔ sia gbegbe ɖo? Edze ƒã be le esi wòtsɔ eɖokui ɖo anyi bliboe na Yehowa Mawu, si wodea ta agu na le gbedoxɔ si le Yerusalem me, tae. Togbɔ be mate ŋu awɔ nu boo aɖeke o hã la, edi be yeado subɔsubɔ kɔkɔe ɖe ŋgɔ. Eye anɔ eme be dzi anya dzɔe ŋutɔ ɖe nusianu si wòate ŋui la dzɔdzɔ ŋu.

Alɔdodo Yehowa ƒe Dɔ

Nunɔamesiwo kpakple ga dzɔdzɔ nye tadedeagu akuakua ƒe akpa vevi aɖe tso gbaɖegbe ke, eye wònyea nusi nana wokpɔa dzidzɔ gã aɖe ɣesiaɣi. (Kronika I, 29:9) Le blema Israel la, menye gbedoxɔa dzadzraɖo koe wozãa nudzɔdzɔwo na o, ke boŋ wotsɔnɛ léa tadedeagu si wotsɔna na Yehowa le eme la ƒe akpawo katã ɖe te gbesiagbe. Sea gblɔ tẽ be Israel-viawo nadzɔ woƒe agblemenuwo ƒe ewolia atsɔ ado alɔ Lewi-vi siwo wɔa gbedoxɔmedɔwo. Gake ele na Lewi-viawo hã be woadzɔ nusiwo wodzɔ na wo la ƒe ewolia na Yehowa.—Mose IV, 18:21-29.

Togbɔ be woɖe Kristotɔwo tso Se ƒe nubablaa me hã la, gɔmeɖose si li be Mawu subɔlawo nadzɔ nu atsɔ ado alɔ tadedeagu vavãtɔ ya metrɔ o. (Galatiatɔwo 5:1) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo bui dzidzɔe be yewoadzɔ nu ne woatsɔ akpɔ yewo nɔviwo ƒe nuhiahiãwo gbɔe. (Dɔwɔwɔwo 2:45, 46) Apostolo Paulo ɖo ŋku edzi na Kristotɔwo be abe alesi ko Mawu na nu nyuiwo wo dɔmenyotɔe ene la, nenema kee wòle be woanyo dɔme na amewoe. Eŋlɔ bena: “De se na xexe sia me kesinɔtɔwo bena, woagado wo ɖokui ɖe dzi glodzo o, eye womagatsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ aɖo kesinɔnuwo ƒe dediemanɔmanɔ dzi o; ke boŋ ɖe Mawu gbagbe, si tsɔ nuwo katã na mí fũ be, míawɔ wo ŋuti dɔ la dzi; bene woawɔ dɔmenyo, eye woanye kesinɔtɔwo le nu nyui wɔwɔ me, woalɔ̃ nunana ame, woalɔ̃ hadede, eye woaƒo kesinɔnuwo nu ƒu na wo ɖokui, si anye gɔmeɖoɖoanyi nyui hena ɣeyiɣi si gbɔna, bene woƒe asi nasu agbe vavã la dzi.” (Timoteo I, 6:17-19; Korintotɔwo II, 9:11) Ẽ, Paulo ŋutɔ ƒe agbe me nuteƒekpɔkpɔ na wòte ŋu ɖo kpe Yesu ƒe nya siawo dzi be: “Nana enye yayra wu xɔxɔ.”—Dɔwɔwɔwo 20:35.

Alesi Kristotɔ Naa Nui Egbea

Egbea, Yehowa subɔlawo gakpɔtɔ zãa woƒe ŋutilãmenunɔamesiwo tsɔ kpena ɖe wo nɔewo ŋu hetsɔna doa alɔ Mawu ƒe dɔa. Amesiwo si nu mele boo o gɔ̃ hã dzɔa esi woate ŋui. “Dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la sena le wo ɖokui me be agba le yewo dzi le Yehowa ŋkume be yewoazã nudzɔdzɔ siawo le mɔ nyuitɔ kekeake nu. (Mateo 24:45) Wozãa ga la tsɔ kpɔa alɔdzedɔwɔƒewo, Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo gɔmeɖeɖe kple wo tata gbɔ, tsɔ wɔa ɖoɖo ɖe Kristotɔwo ƒe kpekpe gãwo ŋu, tsɔ naa hehe dzikpɔla mɔzɔlawo kple dutanyanyuigblɔlawo heɖona wo ɖe dɔ gbe, tsɔ kpena ɖe amesiwo dzi afɔkuwo dzɔ ɖo ŋu, eye wotsɔnɛ kpɔa tameɖoɖo vevi bubu geɖewo gbɔe. Mina míatrɔ ɖe tameɖoɖo siawo dometɔ ɖeka ŋu—si nye kpekpeɖeŋunana be woatu tadeaguƒewo.

Yehowa Ðasefowo kpena le woƒe Fiaɖuƒe Akpata me zi geɖe le kwasiɖaa me bene yewoaxɔ gbɔgbɔmenufiamewo ahade ha nyuiwo. Gake le dukɔ geɖe me la, ganyawo wɔnɛ be Ðasefowo mete ŋu kpɔa ga tsɔ tua Fiaɖuƒe Akpatawo ne womena kpekpeɖeŋu aɖeke wo gbã o. Eyata le ƒe 1999 me la, Yehowa Ðasefowo wɔ ɖoɖo aɖe be woazã gadzɔdzɔ siwo tso dukɔ siwo me ga le me atsɔ atu Fiaɖuƒe Akpatawo le dukɔ dahewo me. Gakpe ɖe eŋu la, lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla akpe gbogbowo tsɔa woƒe ɣeyiɣi kple aɖaŋuwo nana ɖawɔa dɔ le saɖaga nutowo me zi geɖe le dukɔ siawo me. Ne wole xɔa tum la, Ðasefo siwo le nutoa me la srɔ̃a xɔtuɖaŋuwo kple alesi woalé be na xɔ si wotu la, eye Fiaɖuƒe Akpata Tuga nana wote ŋu ƒlea dɔwɔnuwo kple xɔtunuawo. Dzi dzɔa Ðasefo siwo zãa akpata yeye siawo la vevie be yewoƒe haxɔsetɔwo dzɔ ga hezã ɣeyiɣi ɖe dɔ sia ŋu. Ðasefo siwo le nutoa me hã dzɔa ga ɣleti sia ɣleti be woatsɔ alé be na Fiaɖuƒe Akpata yeyea eye be woatsɔ anɔ ga si wozã tsɔ tu xɔa la me kamee vivivi, eye wònyea kpekpeɖeŋunana be woatu Fiaɖuƒe Akpata bubuwo.

Wozãa nutoame xɔtuɖaŋuwo kple xɔtunuwo tsɔ tua Fiaɖuƒe Akpatawoe. Togbɔ be akpata siawo menɔa nyadri o hã la, wonya kpɔna, sɔna, henaa dzidzeme ame. Esime wodze xɔtuɖoɖoa gɔme le ƒe 1999 me la, dukɔ 40 aɖewo siwo dzi nu mede o koe wònɔ vi ɖem na. Tso ɣemaɣi la, wokeke xɔtuɖoɖoa ɖe enu wòyi ɖa lɔ dukɔ 116, si me Yehowa Ðasefowo ƒe hame siwo wu esi le xexeame katã ƒe afã le la, ɖe eme. Le ƒe atɔ̃ siwo va yi me la, woto ɖoɖo sia dzi tu Fiaɖuƒe Akpata 9,000 kple edzivɔwo, si fia be le mama dedie nu la, wotua akpata yeye 5 gbesiagbe! Ke hã, le dukɔ 116 sia me la, ehiã be woagatu Fiaɖuƒe Akpata 14,500 yeyewo akpee. Le Yehowa ƒe yayra kple Ðasefo siwo le xexeame godoo ƒe lɔlɔ̃nu faa kple dɔmenyonyo me la, míele mɔ kpɔm be míakpɔ ga atsɔ akpɔ hiahiã sia gbɔe.—Psalmo 127:1.

Fiaɖuƒe Akpatawo Hea Dzidziɖedzi Vɛ

Dɔ kae dɔ gã sia si wɔm wole kpɔ ɖe Ðasefo siwo le nuto mawo me kple Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa dzi? Le nuto geɖe me la, ne wonya tu Fiaɖuƒe Akpata yeye vɔ ko la, kpekpea valawo dzina ɖe edzi enumake. Eƒe kpɔɖeŋu aɖe dze le nyatakaka aɖe si tso Burundi me: “Ne wonya wu Fiaɖuƒe Akpata nu ko la, kpekpea valawo yɔnɛ. Le kpɔɖeŋu me, wotu Fiaɖuƒe Akpata aɖe na hame aɖe si ƒe kpekpeawo valawo anɔ ame 100 le mama dedie nu. Ame 150 ye ate ŋu anɔ woƒe Fiaɖuƒe Akpata yeyea me aɖe dzi ɖi. Esi wonya wu enu ko la, ame 250 ye dea kpekpeawo.”

Nukae hea dzidziɖedzi sia vɛ? Nu ɖekae nye be wobua nazã ɖe Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo ƒe ƒuƒoƒo siwo si kpekpeƒe adodoe aɖeke mele o gake wokpena le atiwo te alo le abɔwo me la ŋu ɣeaɖewoɣi. Le dukɔ aɖe me la, woyɔa gbevovovodolawo dome ʋunyaʋunyawɔwɔ tɔna ɖe subɔsubɔ ƒuƒoƒo suewo ŋu, eye sea bia be woawɔ subɔsubɔ ƒe kpekpewo katã le gbedoxɔ me.

Akpata siwo anɔ Yehowa Ðasefoawo ŋutɔ si hã wɔnɛ be nutoametɔwo kpɔnɛ dzea sii be menye osɔfo aɖe yomedzelawoe wonye o. Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Zimbabwe ŋlɔ bena: “Tsã la, nɔvi siwo le nuto sia me la kpena le amewo ƒe aƒewo me, eye nutoametɔwo tsɔa aƒea tɔ ŋkɔ yɔa hameae. Woyɔa nɔviawo be wonye Aƒetɔ Asiamasi ƒe sɔleha me tɔwo. Nɔnɔme siawo katã le tɔtrɔm azɔ le esi amewo kpɔa nuŋɔŋlɔwo le akpata ɖesiaɖe dzi nyuie be ‘Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata’ ta.”

Nunala Kpɔdzidzɔwo

Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Amesi na nu kple dzidzɔ la, eyae Mawu lɔ̃na.” (Korintotɔwo II, 9:7) Enye nyateƒe be nudzɔdzɔ gãwo nyea kpekpeɖeŋu gã aɖe. Gake ga siwo wodzɔna ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwo ŋu la ƒe akpa gãtɔ tsoa Fiaɖuƒe Akpata me nudzɔɖakawo me. Nudzɔdzɔwo katã hiã, woɖanye gãwo alo sueawo o, eye womebua ɖeke nu tsɛe o. Ðo ŋku edzi be Yesu nɔ afisi wòte ŋu kpɔ ahosi dahe la wòdzɔ eƒe lepta eve la. Mawudɔlawo kple Yehowa hã kpɔe. Míenya ahosia ƒe ŋkɔ gɔ̃ hã o, gake Yehowa kpɔ egbɔ be woŋlɔ eƒe nu si wòdzɔ tso dzime faa la ɖi ɖe Biblia me tegbee.

Tsɔ kpe ɖe Fiaɖuƒe Akpata tutu ŋu la, míaƒe nudzɔdzɔwo doa alɔ Fiaɖuƒea ƒe dɔ vevi bubuwo katã. Alɔdodo dɔa alea nana míekpɔa dzidzɔ eye ‘míe gbaa go le akpedada geɖe me hena Mawu hã.’ (Korintotɔwo II, 9:12) Mía nɔvi Kristotɔ siwo le Benin ka nya ta be: “Akpedagbedodoɖa geɖe yina na Yehowa gbesiagbe ɖe ga ƒe kpekpeɖeŋu si dukɔwo dome nɔviwo ƒe habɔbɔ na la ta.” Le ɣeyiɣi ma ke me la, mí amesiwo katã dzɔa ga tsɔ kpea asi ɖe Fiaɖuƒea ƒe dɔwo ŋu la kpɔa dzidzɔ si le Kristotɔwo ƒe nunana me!

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 22, 23]

Mɔ Siwo Dzi Ame Aɖewo Tona Dzɔa Nu

NUDZƆDZƆ HENA XEXEAME KATÃ ƑE DƆA

Ame geɖe ɖoa ga home aɖe koŋ ɖi si wodana ɖe nudzɔɖaka, siwo dzi woŋlɔ ɖo be “Nudzɔdzɔ Hena Xexeame Katã ƒe Dɔa—Mateo 24:14,” me.

Ɣleti sia ɣleti la, hamewo ɖoa ga siawo ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒe si kpɔa dɔa dzi le woƒe dukɔ me. Woate ŋu aɖo lɔlɔ̃nu faa gadzɔdzɔwo ɖa tẽ ɖe Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania, c/o Office of the Secretary and Treasurer, 25 Columbia Heights, Brooklyn, New York 11201-2483, alo ɖe alɔdzedɔwɔƒe si kpɔa dɔa dzi le miaƒe dukɔ me. Ele be woaŋlɔ ɖe gaxɔgbalẽwo dzi be woaxee na “Watch Tower.” Woate ŋu adzɔ sikanuwo alo kesinɔnu bubuwo hã. Ele be woaŋlɔ lɛta kpui aɖe akpe ɖe nudzɔdzɔ siawo ŋu si aɖe nu me be ɖe yewotsɔ nunana siawo ke keŋkeŋ.

NUDZƆDZƆ SIWO WOAGATE ŊU AXƆ ƑE ÐOÐO

Woate ŋu adzɔ ga le ɖoɖo tɔxɛ aɖe nu na Watch Tower wòanɔ zazãm. Gake ne wobia gaa la, woagatrɔe ana. Ne èdi numeɖeɖe bubuwo la, taflatse ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Secretary and Treasurer’s Office, nàzã adrɛs si le etame.

NUNANA SI ŊU WOWƆ ÐOÐO ÐO

Tsɔ kpe ɖe ga siwo woatsɔ ake kple gadzɔdzɔ siwo woagate ŋu axɔ ŋu la, nunana ƒe mɔnu bubuwo siwo dzi woato akpe asi ɖe xexeame godoo ƒe Fiaɖuƒe subɔsubɔdɔa ŋu la li. Esiawo ƒe ɖewoe nye:

Nugblẽfexexewo: Woate ŋu atia Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa be eyae woaxe yeƒe nugblẽfe na ne yeku alo axe yeƒe dzudzɔxɔledɔmega na.

Ga Siwo Le Gadzraɖoƒe: Woate ŋu ana Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa naxɔ ga si woda ɖe gadzraɖoƒe, ga la dada ɖi ƒe ɖaseɖigbalẽwo, alo ga si woaxe na ame ne woxɔ dzudzɔ le dɔme alo woana Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa naxɔ wo ne nunala la ku, le mia gbɔ gadzraɖoƒeɖoɖowo nu.

Ga si Wode Dɔ aɖe Me Kple Esi Wodo na Dɔwɔƒewo: Woate ŋu atsɔ ga si wode dɔ aɖe me kple esi wodo na dɔwɔƒe aɖe ƒe gome ana Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa wòanye nunana si wotsɔ ke keŋkeŋ.

Aƒewo Kple Anyigbawo: Woate ŋu atsɔ aƒe alo anyigba siwo woate ŋu adzra la ana wòanye nusi ŋu woɖe asi le keŋkeŋ alo, ne enye aƒe si me nunala la lee la, woagblẽ xɔawo dometɔ aɖe ɖi nɛ be wòanɔ eme le eƒe agbenɔɣi. Ele be woana alɔdzedɔwɔƒe si le miaƒe dukɔa me nanya hafi woawɔ agbalẽ ɖe aƒe alo anyigba siawo dzi.

Nunanaɖoɖo si me Woɖea Nane le Naa Nunalaa Ƒe sia Ƒe: Nunanaɖoɖo si me woɖea nane le naa nunalaa ƒe sia ƒe nye ɖoɖo si me wotsɔa ame ƒe ga alo nunɔamesi siwo ŋu nya aɖeke meku ɖo o naa Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa. Woxea ga home aɖe koŋ naa nunalaa, alo amesi dzi nunalaa tɔ asii ƒe sia ƒe le eƒe agbenɔɣi katã ɖe eteƒe. Woɖea adzɔxexe ƒe agba dzi kpɔtɔna na nunalaa le ƒe si me wòtsɔ nua na.

Domenyinumagbalẽwo Kple Nunɔamesi Siwo Woanɔ Zazãm Gbɔ: Woate ŋu ato domenyinumagbalẽ si wowɔ le setɔwo gbɔ dzi atsɔ nunɔamesi alo ga si anye domenyinu ana Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa, alo woate ŋu atia Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa wòanɔ amesiwo anɔ nunɔamesi aɖewo ƒe viɖe zãm gbɔ la dome. Womexɔa adzɔ aɖewo ɖe nusiwo wotsɔ na subɔsubɔha aɖe ta o.

Abe alesi nyagbe “nunana si ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo” fia ene la, ehiã be nunala la nawɔ ɖoɖo koŋ ɖe nunana siawo tɔgbe ŋu. Habɔbɔa ta agbalẽ gbadza si ƒe ŋkɔe nye Charitable Planning to Benefit Kingdom Service Worldwide ɖe Eŋlisi kple Spain gbewo me be wòakɔ nu me na amesiwo di be yewoakpe ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe dɔa ŋu to nunana siwo ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo ƒomevi aɖewo dzi. Wota agbalẽ gbadza sia be woatsɔ ana nyatakaka tso mɔnu vovovo siwo dzi woate ŋu ato ana nu fifia alo le ame ƒe ku megbe ŋu. Le agbalẽ gbadza la xexlẽ kple numedzodzro kple woa ŋutɔwo ƒe setɔwo alo adzɔxexe ŋu ɖaŋuɖolawo kple amesiwo le dɔ wɔm le Nunana si Ŋu Wowɔ Ðoɖo Ðo Dzikpɔƒea megbe la, ame geɖe te ŋu kpe asi ɖe dɔ si wɔm Yehowa Ðasefowo le ŋu le xexeame godoo heɖe vi geɖe le woƒe adzɔxexenyawo gome le esi wowɔe nenema ta. Woate ŋu abia agbalẽ gbadza sia ƒe ɖe tso Nunana si Ŋu Wowɔ Ðoɖo Ðo Dzikpɔƒea gbɔ tẽ.

Ne èdi nyatakaka geɖe wu la, àte ŋu abia Nunana si Ŋu Wowɔ Ðoɖo Ðo Dzikpɔƒea, to adrɛs si le ete la zazã me atsɔ aŋlɔ agbalẽ na wo alo aƒo ka na wo alo nàbia Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒe si kpɔa dɔa dzi le dukɔ si me nèle.

Charitable Planning Office

Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania

100 Watchtower Drive,

Patterson, New York 12563-9204

Telephone: (845) 306-0707

[Nɔnɔmetata siwo le axa 20, 21]

Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpeƒe xoxowo kple yeyewo

Zambia

Central African Republic