Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Amekae Nye Kplɔla Nyuitɔ Egbea?

Amekae Nye Kplɔla Nyuitɔ Egbea?

Amekae Nye Kplɔla Nyuitɔ Egbea?

Le ƒe 1940 me la, kplɔlanyenye ƒe nyaʋiʋli aɖe yi edzi le Britaintɔwo ƒe Sewɔtakpekpea me. David Lloyd George si xɔ ƒe 70, amesi xɔ ŋgɔ na Britaintɔwo woɖu aʋa dzi le Xexemeʋa I me, eye ƒe gbogbo siwo wòzã le dunyahehe me wɔe be wòte ŋu lé ŋku ɖe dziɖuɖumegãwo ƒe dɔwɔnawo ŋu tsitotsito, la nɔ to ɖom glãkahehea. Egblɔ le eƒe nuƒo aɖe si wòƒo na Sewɔtakpekpea me tɔwo, le May 8 lia dzi, me be: “Dukɔa le klalo be yeawɔ nusianu si yeate ŋui ne ekpɔ kplɔla nyuitɔ, ne dziɖuɖua ƒe taɖodzinuwo me kɔ nyuie eye ne dukɔa ka ɖe edzi be amesiwo le yewo kplɔm la le wotɔ sinua wɔm ko.”

LLOYD GEORGE ƒe nyaawo na eme kɔ ƒã be amewo kpɔa mɔ be yewoƒe kplɔlawo nanye adodoea eye wòawɔ nusi wòate ŋui adze agbagba ana nuwo nanyo ɖe edzi. Akɔdada ƒe boblodola aɖe gblɔe ale: “Ne amewo da akɔ na dukplɔla la, enyea woƒe agbewo, woƒe etsɔme, kple wo viwo tsɔtsɔ de eyama si me.” Agbe siawo takpɔkpɔ nye dɔ nyadri aɖe. Nukatae?

Míaƒe xexeame yɔ fũ kple kuxi siwo gbɔ menya le kpɔkpɔm o. Le kpɔɖeŋu me, dziɖula ka ƒe tagbɔe ɖa eye ŋusẽ le eŋu ale gbegbe be wòate ŋu aɖe nuvlowɔwɔ kple aʋawɔwɔ ɖa? Egbegbe ƒe kplɔlawo dometɔ ka sie nuwo kple nublanuikpɔkpɔ le be wòana nuɖuɖu, tsi nyui, kple lãmesẽ amegbetɔ ɖesiaɖe? Ameka sie nutowo me takpɔkpɔ kple eléle ɖe te ŋuti sidzedze le eye wòɖo tame kplikpaa be yeazae? Amekae su te nyuie eye ŋusẽ le esi alesi dze be wòakpɔ egbɔ be ameƒomea katã nanɔ agbe didi le dzidzɔ me?

Amegbetɔwo Mate Ŋui O

Enye nyateƒe be kplɔla aɖewo kpɔ dzidzedze vaseɖe afi aɖe ya. Gake ne ede ƒã la, ƒe aɖewo koe woate ŋu awɔ woƒe dɔ—eye emegbe amekae axɔ ɖe wo teƒe? Kplɔla adodoe siwo nɔ anyi kpɔ dometɔ ɖeka, si nye blema Israel-fia Salomo, de ŋugble le biabia ma ŋu. Eƒo nya ta be: “Eye melé fu agbagba, siwo katã medze le ɣea te la, le esi mele wo gblẽ ge ɖi na yonyemedzelawo ta. Eye amekae nyae be, nunyala loo, alo bometsila nye ge wògbɔna? Hafi eyae le ŋusẽ kpɔ ge ɖe nye agbagba, siwo katã metsɔ kutrikuku kple nunya dze le ɣea te la dzi. Esia hã toflokoe!”—Nyagblɔla 2:18, 19.

Salomo menya ne amesi ava xɔ ɖe ye teƒe ayi yeƒe dɔ nyuia dzi loo alo agblẽ edome o. Le Salomo gome la, ɖoɖo si nye kplɔla yeyewo ɖoɖo ɖe xoxoawo teƒe nye ‘tofloko.’ Biblia gɔmeɖeɖe bubuwo yɔ ɖoɖo sia be “nudzodzro,” alo “yaka.” Gɔmeɖeɖe aɖe gblɔ be: “Susu mele eme o.”

Ɣeaɖewoɣi la, wozãna akpa sesẽ tsɔ ɖɔlia kplɔlawoe. Wowu kplɔla ɖɔʋuwo esime wonɔ woƒe dɔ wɔm. Abraham Lincoln, si nye United States ƒe dukplɔla aɖe si ŋu wodea bubui ŋutɔ, gblɔ na nyasela aɖewo kpɔ be: “Wotiam be manɔ nɔƒe vevi aɖe hena ɣeyiɣi ʋɛ aɖe ko, eye le mia ŋkume la, wotsɔ ŋusẽ si anɔ anyi ɣeyiɣi kpui aɖe la de asi nam.” Nyateƒee, ɣeyiɣi kpui aɖe koe wòwɔ eƒe dɔ. Le nusiwo katã wòwɔ kple didi si nɔ eme be yeagawɔ nu geɖe wu na eteviwo me hã la, ƒe ene koe Dukplɔla Lincoln kplɔ eƒe dukɔa. Esi wogada akɔ nɛ be wòaganye dukplɔla ake teti ko la, ame aɖe si di kplɔla yeye wui.

Kplɔla nyuitɔwo kekeake gɔ̃ hã mate ŋu akpɔ woa ŋutɔwo ƒe etsɔme ta o. Ke ɖe wòle be nàka ɖe wo dzi be woakpɔ ye tɔ taa? Biblia gblɔ be: “Migaɖo ŋu ɖe amegãwo, amegbetɔvi, siwo mate ŋu axɔ na ame o la ŋu o. Ne eƒe gbɔgbɔ nu tso la, egbugbɔna yia eƒe anyi gbɔ; gbemagbe eƒe tameɖoɖowo nu yina.” Byington ƒe gɔmeɖeɖea ɖe kpukpui 4 lia gɔme be: “Gbemagbe eƒe tameɖoɖo nyui nu yina gbidii.”—Psalmo 146:3, 4.

Anɔ eme be asesẽ be woalɔ̃ ɖe aɖaŋuɖoɖo si nye be woagaɖo ŋu ɖe kplɔla amegbetɔwo ŋu o dzi. Gake, Biblia megblɔ be ameƒomea ado kpo keke ɖe kplɔla nyui si ali ke la ŋu o. Yesaya 32:1 gblɔ be: “Kpɔ ɖa, fia aɖu fia ɖe dzɔdzɔenyenye nu.” Yehowa Mawu, si nye amegbetɔ Wɔla, wɔ ɖoɖo ɖe “fia,” Dziɖula aɖe, si akpɔ anyigba ƒe nyawo gbɔ bliboe, la ŋu. Amekae wònye? Biblia me nyagblɔɖiwo ɖee fia.

Kplɔla Nyuitɔ La

Ƒe akpe eve enye si va yi la, mawudɔla aɖe gblɔ na Yuda-ɖetugbi aɖe si ŋkɔe nye Maria be: “Èle fu fɔ ge, eye nadzi ŋutsuvi, eye nayɔ eƒe ŋkɔ be Yesu. Eya la anye gã, eye woayɔe be dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi, eye Aƒetɔ Mawu la atsɔ fofoa Dawid ƒe fiazikpui la anae; eye wòaɖu fia le Yakob ƒe aƒe dzi tegbetegbe, eye nuwuwu manɔe na eƒe fiaɖuƒe la o.” (Luka 1:31-33) Nyateƒee, Yesu Nazaretetɔ la ye nye Fia si ŋu Biblia me nyagblɔɖiwo ƒo nu tsoe.

Zi geɖe la, mawusubɔsubɔ me nutatawo ɖea Yesu fiana abe vidzĩ, si mekpɔa nu nyui ɖuna o, alo fuwɔameɖokuila aɖe si ɖea mɔ nusianu dzɔna ɖe edzi eɖokui ta maʋlimaʋlii, ene. Kpetata siawo menaa kakaɖedzi nɔa eŋu abe Dziɖula ene o. Gake Yesu Kristo ŋutɔŋutɔ si ŋu Biblia ƒo nu tsoe la nye amesi va tsi nyuie eye ŋusẽ nɔ eŋu eye wònye amesi me dzo nɔ wòtsona ɖe nuwɔwɔ ŋu bla. Eye nɔnɔme bubuwo le esi si na wòdze anye kplɔla. (Luka 2:52) Eƒe amenyenye ɖedzesia ƒe akpa ʋɛ aɖewoe nye si gbɔna.

Yesu wɔ nuteƒe bliboe. Eƒe agbenɔnɔ le anukwareɖiɖi kple dzɔdzɔenyenye me sɔ ale gbegbe be ete ŋu tɔ gbe eƒe futɔwo be woatɔ asi nane si me yeɖi fɔ le la dzi na ye. Womete ŋui o. (Yohanes 8:46) Eƒe nufiafia siwo me alakpa mele o ƒoe ɖe dzianukwaretɔ geɖe nu be wozu eyomedzelawo.—Yohanes 7:46; 8:28-30; 12:19.

Yesu tsɔ eɖokui na Mawu bliboe keŋkeŋ. Eɖoe kplikpaa be yeawu dɔ si Mawu de asi nɛ nu ale gbegbe be tsitretsiɖeŋula—amegbetɔ alo gbɔgbɔ vɔ̃—aɖeke mete ŋu xe mɔ nɛ o. Amedzidzedze ŋutasesẽtɔe aɖeke medo ŋɔdzi nɛ o. (Luka 4:28-30) Ðeɖiteameŋu kple dɔwuame meɖe dzi le eƒo o. (Yohanes 4:5-16, 31-34) Togbɔ be exɔlɔ̃wo gblẽe ɖi hã la, medo kpo eƒe taɖodzinua gbɔ ɖoɖo o.—Mateo 26:55, 56; Yohanes 18:3-9.

Etsɔ ɖe le eme na amewo vevie. Ena nuɖuɖu dɔwuitɔwo. (Yohanes 6:10, 11) Efa akɔ na blanuilélawo. (Luka 7:11-15) Eʋu ŋku na ŋkunɔwo, ʋu to na tokunɔwo, eye wòda dɔ na dɔnɔwo. (Mateo 12:22; Luka 8:43-48; Yohanes 9:1-6) Ede dzi ƒo na eƒe apostolo dovevienuwo. (Yohanes ta 13–17) Enye “alẽkplɔla nyui” si léa be na eƒe alẽwo.—Yohanes 10:11-14.

Yesu lɔ̃na faa wɔa dɔ. Eklɔ afɔ na eƒe apostoloawo tsɔ fia nu vevi aɖe woamawo. (Yohanes 13:4-15) Eƒe afɔwo ƒo ɖi esime wònɔ nyanyui gblɔm to Israel ƒe ablɔ siwo dzi ʋuʋudedi nɔ la dzi. (Luka 8:1) Esi wònɔ ɖoɖo wɔm be yeagbɔ ɖe eme le “gbedzi” gɔ̃ hã, eye amehawo dii heke ɖe eŋu henɔ didim be wòagafia nu geɖe yewo la, ewɔ ameawo ƒe didi dzi na wo. (Marko 6:30-34) Eto esia me ɖo veviedodonu ƒe kpɔɖeŋu ɖi na Kristotɔwo katã.—Yohanes I, 2:6.

Yesu wu eƒe dɔdasia nu eye wòdzo le anyigba dzi. Yehowa Mawu ɖoe fiae hetsɔ makumakunyenye nɛ le dziƒowo, tsɔ ɖo eƒe nuteƒewɔwɔ la teƒe nɛ. Biblia gblɔ le Yesu si wofɔ ɖe tsitre la ŋu be: “Kristo, si wofɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, megale kuku ge akpɔ o; ku megale edzi ɖu ge akpɔ o.” (Romatɔwo 6:9) Àte ŋu aka ɖe edzi be eyae nye ameƒomea ƒe Kplɔla nyuitɔ kekeake si woate ŋu akpɔ. Ne Kristo Yesu nya te dziɖuɖu ɖe anyigbaa dzi bliboe keŋkeŋ ko la, magahiã be woana ŋusẽ ame bubu aɖeke o, eye magahiã be woaɖɔ li kplɔla gbeɖe o. Ame aɖeke maɖee ɖa le zi dzi o, eye kplɔla maɖɔʋu aɖeke mava xɔ ɖe eteƒe agblẽ eƒe dɔwo me o. Gake nuka tututue wòava wɔ si aɖe vi na ameƒomea?

Nusi Kplɔla Yeye Sia Awɔ

Psalmo 72 lia na mí nyagblɔɖi me nya aɖewo ku ɖe alesi Fia deblibo sia si magaku akpɔ o aɖu dzii ŋu. Míexlẽ le kpukpui 7 kple 8 lia me be: “Ekema ame dzɔdzɔe la amie le eƒe ŋkekewo me, eye ŋutifafa axɔ aƒe, vaseɖe esime dzinu maganɔ anyi o. Aɖu fia tso atsiaƒu nu yi atsiaƒu nu, tso tɔsisi la nu ɖaseɖe anyigba ƒe mlɔenuwo ke.” Le eƒe dziɖuɖu ɖevinamea te la, anyigbadzinɔlawo anɔ dedienɔnɔ mavɔ si nu mayi o me. Atsrɔ̃ aʋawɔnu siwo katã li la ɖa eye wòaɖe aʋawɔwɔ ƒe didi gɔ̃ hã ɖa le amegbetɔ ƒe dzime. Amesiwo dzea wo nɔewo dzi abe dzata dɔwuiwo ene alo amesiwo wɔa nu ɖe wo nɔewo ŋu abe sisiblisi wɔadãwo ene egbea la ƒe nɔnɔme atrɔ keŋkeŋ. (Yesaya 11:1-9) Ŋutifafa axɔ aƒe ɖi.

Psalmo 72 lia gagblɔ le kpukpui 12 vaseɖe 14 be: “Aɖe ame dahe, si le ɣli dom, kple hiãtɔ, si xɔnametɔ aɖeke meli na o la. Ave hiãtɔwo kple ame dahewo nu, eye wòaɖe ame dahewo ƒe luʋɔ. Aɖe woƒe luʋɔ tso teteɖeanyi kple ŋutasesẽ me, eye woƒe ʋu axɔ asi le eŋku me.” Wɔnamanɔŋutɔwo, ame dahewo, kple fukpelawo ava nye amegbetɔƒome kpɔdzidzɔ ɖeka me tɔ, siwo awɔ ɖeka le Fia Yesu Kristo ƒe kpɔkplɔ te. Vivisese axɔ woƒe agbe me, ke menye vevesese kple mɔkpɔkpɔbuɖeame o.—Yesaya 35:10.

Kpukpui 16 lia do ŋugbe be: “Bli ado kpekpekpe le anyigba dzi kple towo tame.” Dɔwuame ɖe kpe na ame miliɔn geɖe le anyigba dzi egbea. Dunyahehe kple ŋukeklẽ wɔnɛ be zi geɖe la womemaa nuɖuɖu wòsua amesiame nu alesi dze o, si wɔe be ame gbogbo aɖewo, vevietɔ ɖeviwo, kuna le dɔwuame ta. Gake le Yesu Kristo ƒe dziɖuɖu te la, kuxi siawo katã nu ayi. Anyigbaa awɔ nu eye nuɖuɖu viviwo ado agbogbo ɖi. Woanyi ameƒomea katã nyuie.

Ðe nàdi be yeakpɔ gome le kplɔla nyui ƒe yayra mawo mea? Ne nenemae la, míede dzi ƒo na wò be nàsrɔ̃ nu tso Kplɔla, si eteƒe madidi o wòakpɔ anyigba bliboa katã dzi nyawo gbɔ bliboe, la ŋu. Yehowa Ðasefowo akpe ɖe ŋuwò dzidzɔtɔe be nàsrɔ̃ nu tso eŋu. Mave wò akpɔ o, elabena Yehowa Mawu ŋutɔ gblɔ le eya ŋutɔ Via ŋu be: “Ke nye la meɖo fianye le Zion, nye to kɔkɔe la dzi.”—Psalmo 2:6.

[Aɖaka si le axa 5]

AMEÐEÐE LE ZI DZI KPATA

Zi geɖe la, dziɖula ate ŋu aɖo ŋu ɖe eteviwo ƒe toɖoɖo kple alɔdodo ŋu ne ekpɔ egbɔ be wole ŋutifafa me eye nɔnɔme deamedziwo na wole dedie alesi wòanyawɔe. Gake, ne dzi ɖe le ameawo ƒo ɖe eyama ŋu le susu aɖewo ta la, eteƒe madidi o eƒe ɖoƒea age le esi eye ame bubu axɔ ɖe eteƒe. Kpɔɖeŋu siwo gbɔna nye nɔnɔme aɖewo siwo zi dziɖula sẽŋu aɖewo dzi be woƒe ɖoƒea bu ɖe wo.

Agbenɔnɔ Madeamedziwo. Kaka ƒe alafa 18 lia ƒe nuwuwu lɔƒo naɖo la, nɔnɔmeawo ƒe amedzimademade ƒoe ɖe Fransetɔ geɖe nu be woava nɔ adzɔ gbogbowo xem evɔ nuɖuɖu kpɔkpɔ zu dɔ. Nɔnɔme siawo hã nɔ nusiwo he Franseawo ƒe Tɔtrɔ Kpata vɛ la me, si wɔe be wotso ta le Fia Louis XVI nu le ƒe 1793 me.

Aʋawɔwɔ. Xexemeʋa I na fiagã sesẽtɔwo kekeake siwo nɔ anyi le ŋutinya me la ƒe dziɖuɖu va nuwuwu. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 1917 me la, aʋaa he nuɖuɖu ƒe veve va St. Petersburg, Russia, eye esia he February ƒe Tɔtrɔ Kpata la vɛ. Aglãdzedze siae ɖe Czar Nicholas II le zi dzi eye wòhe Kɔmiunist-dziɖuɖu vɛ. Le November 1918 me la, Germany di be yeawɔ ŋutifafa, gake eƒe futɔ siwo nye Dukɔ Wɔɖekawo kpɔtɔ yi aʋaa wɔwɔ dzi vaseɖe esime woɖo kplɔla yeye hafi. Esia ƒoe ɖe Germany Fiagã Wilhelm II nu be wòsi yi aboyome le Netherlands.

Dziɖuɖu Yeye Didi. Le ƒe 1989 me la, woɖe nusi woyɔ be Gakpɔtɔtɔ la ɖa. Dziɖuɖu siwo dze abe wo sesẽ abe agakpe ene la gbã le esi wo teviwo gbe nu le Kɔmiunist-dziɖuɖua gbɔ ta, eye woɖo ɖuɖu bubuwo anyi.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]

Yesu na nuɖuɖu dɔwuitɔwo, da dɔ na dɔnɔwo, eye wòɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi na Kristotɔwo katã

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 4]

Lloyd George: Photo by Kurt Hutton/Picture Post/Getty Images