Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzi Dzɔa Wo Evɔ Wotiaa Wo Yome

Dzi Dzɔa Wo Evɔ Wotiaa Wo Yome

Dzi Dzɔa Wo Evɔ Wotiaa Wo Yome

“Dzidzɔtɔwoe mianye, ne woadzu mi, eye woati mia yome, eye woaka aʋatso agblɔ nya vɔ̃ bubu ƒomeviwo katã ɖe mia ŋuti le tanye.”—MATEO 5:11, NW.

1. Kakaɖedzi kae Yesu na eyomedzelawo ku ɖe dzidzɔkpɔkpɔ kple yometiti ŋu?

ESI Yesu dɔ eƒe apostoloawo be woaɖa ɖe gbeƒã la, ena wonya be woati wo yome. Egblɔ na wo bena: “Eye wo katã woalé mi ɖe ke me le nye ŋkɔ la ŋuti.” (Mateo 10:5-18, 22) Gake do ŋgɔ na esia la, esi wònɔ Todzimawunyaa gblɔm la, eka ɖe edzi na eƒe apostoloawo kple na ame bubuwo be tsitretsiɖeŋu mawo magblẽ woƒe dzidzɔkpɔkpɔ detoa me kokoko o. Le nyateƒe me la, Yesu tsɔ dzidzɔkpɔkpɔ do ƒome kple yometiti si ava wo dzi ɖe woƒe Kristotɔnyenye ta gɔ̃ hã! Aleke yometiti ate ŋu ahe dzidzɔkpɔkpɔ vɛ?

Fukpekpe ɖe Dzɔdzɔenyenye Ta

2. Le Yesu kple apostolo Petro ƒe nyawo nu la, fukpekpe kae nana wokpɔa dzidzɔ?

2 Dzidzɔkpɔkpɔ enyilia si Yesu yɔe nye: ‘Dzidzɔtɔwoe nye amesiwo yome wotina le dzɔdzɔenyenye ŋuti la; elabena woawo tɔe nye dziƒofiaɖuƒe la.’ (Mateo 5:10) Fukpekpe dzro ko mevivina o. Apostolo Petro ŋlɔ bena: “Ne woƒo mi le nuvɔ̃wɔwɔ ŋuti, eye miedo dzi kpee la, adegbeƒoƒo ka wònye ma? Ke ne miekpe fu le nu nyui wɔwɔ ŋuti, eye miedo dzi kpee la, eya enye amenuveve le Mawu ŋku me.” Egblɔ kpe ɖe eŋu be: “Ke mia dome ame aɖeke nagakpe fu abe hlɔ̃dola alo fiafitɔ alo vɔ̃wɔla alo abe amesi doa gaglãsu ɖe ame bubuwo ƒe nya me la ene o; ke ne ame aɖe kpe fu abe Kristotɔ ene la, megakpe ŋu nɛ o, ke nekafu Mawu le nya sia me boŋ.” (Petro I, 2:20; 4:15, 16) Le Yesu ƒe nya nu la, fukpekpe hea dzidzɔkpɔkpɔ vɛ ne dzɔdzɔenyenye tae wole ekpem ɖo.

3. (a) Nukae wòfia be woati ame yome le dzɔdzɔenyenye ta? (b) Ŋusẽ kae yometiti kpɔ ɖe Kristotɔ gbãtɔwo dzi?

3 Dzɔdzɔenyenye vavãtɔ tsoa wɔwɔ ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu kple eƒe sededewo dzi me. Eyata be ame nakpe fu ɖe dzɔdzɔenyenye ta fia be woawɔ funyafunyae ɖe esi wògbe wɔwɔ ɖe nyaƒoɖeamenuwo be wòada le Mawu ƒe dzidzenu alo nudidiwo dzi ta. Yudatɔwo ƒe kplɔlawo ti apostoloawo yome le esi wogbe be yewomadzudzɔ gbeƒãɖeɖe le Yesu ƒe ŋkɔ me o ta. (Dɔwɔwɔwo 4:18-20; 5:27-29, 40) Ðe esia gblẽ woƒe dzidzɔkpɔkpɔ me alo na be wotɔ te woƒe gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔa? Kura o! “Wodzo le ʋɔnudrɔ̃lawo ŋku me kple dzidzɔ be, wobu wo be, wodze bena woado ŋukpe wo le eƒe ŋkɔ la ta. Eye gbesiagbe womedzudzɔ nufiafia kple nyanyuigbɔgblɔ fia le Yesu Kristo ŋuti le mawuxɔ me kple aƒe me o.” (Dɔwɔwɔwo 5:41, 42) Yometiti na wokpɔ dzidzɔ eye wòna be ŋusẽ yeye ɖo wo ŋu hena gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ. Emegbe la, Romatɔwo ti Kristotɔ gbãtɔwo yome le esi wogbe be yewomakpɔ gome le fiagãsubɔsubɔ me o ta.

4. Susu siwo tae wotiaa Kristotɔwo yome la dometɔ aɖewo ɖe?

4 Le egbeŋkekeawo me la, wotia Yehowa Ðasefowo yome elabena wogbe be yewomadzudzɔ gbeƒãɖeɖe tso “fiaɖuƒeŋutinya nyui sia” ŋuti o. (Mateo 24:14) Ne woxe mɔ ɖe woƒe Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede nu la, wolɔ̃na faa be yewoakpe fu tsɔ wu be yewoadzudzɔ ƒuƒoƒo ɖekae abe alesi Biblia de see ene. (Hebritɔwo 10:24, 25) Woti wo yome ɖe woƒe Kristotɔwo ƒe akpaɖekedzimademade alo gbegbe be yewomazã ʋu ɖe mɔ gbegblẽ nu o ta. (Yohanes 17:14; Dɔwɔwɔwo 15:28, 29) Ke hã, alesi Mawu ƒe amewo tiaa dzɔdzɔenyenye yomee na wole ŋutifafa akuakua me hekpɔa dzidzɔ ememetɔ.—Petro I, 3:14.

Vlodoame ɖe Kristo Ta

5. Susu vevitɔ si tae wotiaa Yehowa ƒe amewo yome egbea ɖo ɖe?

5 Dzidzɔkpɔkpɔ asiekelia si ŋu Yesu ƒo nu tsoe le eƒe Todzimawunya la me hã do ƒome kple yometiti. Egblɔ be: ‘Dzidzɔtɔwoe mianye, ne woadzu mi, eye woati mia yome, eye woaka aʋatso agblɔ nya vɔ̃ bubu ƒomeviwo katã ɖe mia ŋuti le tanye.’ (Mateo 5:11) Susu vevitɔ si tae wotiaa Yehowa ƒe amewo yome ɖoe nye be womenye nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe akpa aɖeke o. Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: “Ðe mietso xexeame la, ne xexeame alɔ̃ ye ŋutɔ tɔ; ke esi mietso xexeame o, hafi boŋ nye la metia mi tso xexeame la, eyaŋuti xexeame le fu lém mi ɖo.” (Yohanes 15:19) Apostolo Petro hã gblɔe nenema ke bena: “Esia wɔ yaa na wo bena, mieƒu du kpli wo yi ɖe nu vlo wɔwɔ ma ke ƒe ba me o, eye wole busunyawo gblɔm le mia ŋuti.”—Petro I, 4:4.

6. (a) Nukatae wodoa vlo amesiamina susɔeawo kple woƒe zɔhɛwo eye wotiaa wo yome? (b) Ðe vlodoame mawo ɖe míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ dzi kpɔtɔa?

6 Míede dzesi do ŋgɔ be woti Kristotɔ gbãtɔwo yome elabena wogbe be yewomadzudzɔ gbeƒãɖeɖe le Yesu ƒe ŋkɔ me o. Kristo de dɔ sia asi na wo be: “Mianye nye ɖaseɖilawo . . . vaseɖe anyigba ƒe seƒe ke.” (Dɔwɔwɔwo 1:8) Kristo nɔvi amesiamina wɔnuteƒe susɔeawo, siwo ŋu woƒe zɔhɛ “ameha gã” la le kpekpem ɖo la, le dɔ sia wɔm dzonɔamemetɔe. (Nyaɖeɖefia 7:9) Eyata Satana le aʋa wɔm kple “nyɔnua [Mawu ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le dziƒo] ƒe ƒome siwo susɔ, amesiwo léa Mawu ƒe seawo me ɖe asi, eye Yesu ƒe ɖaseɖiɖi le wo si la.” (Nyaɖeɖefia 12:9, 17) Esi míenye Yehowa Ðasefowo ta la, míeɖia ɖase tso Yesu ŋu, amesi nye Fiaɖuƒe dziɖuɖua ƒe Fia si le dzi ɖum, eye eƒe dziɖuɖua atsrɔ̃ ameƒomea ƒe dziɖuɖu siwo tso mɔ na Mawu ƒe xexe yeye si me dzɔdzɔenyenye anɔ la. (Daniel 2:44; Petro II, 3:13) Esia tae wodoa vlo mí hetiaa mía yome ɖo, gake míebua mía ɖokui dzidzɔtɔwoe be míakpe fu ɖe Kristo ƒe ŋkɔ la ta.—Petro I, 4:14.

7, 8. Nukawoe tsitretsiɖeŋulawo tsɔ tso Kristotɔ gbãtɔwo nu alakpatɔe?

7 Yesu gblɔ na eyomedzelawo be woabu wo ɖokui dzidzɔtɔwoe ne ‘woagblɔ nya vɔ̃ bubu ƒomeviwo katã’ gɔ̃ hã ɖe wo ŋuti le ye ta. (Mateo 5:11) Alea tututue wònɔ le Kristotɔ gbãtɔwo ŋɔli. Esi wode apostolo Paulo gaxɔ me le Roma le ƒe 59-61 M.Ŋ. me lɔƒo la, Yudatɔwo ƒe kplɔlawo gblɔ tso Kristotɔwo ŋu be: “Ke míele didim bena, míase nusi susum nèle la, atso nuwò; elabena míese bena, wogblɔ nya ɖe kɔmamã sia ŋuti le afisiafi.” (Dɔwɔwɔwo 28:22) Wotso Paulo kple Sila nu be wonye “amesiwo de zi xexeame,” eye wole dadam le “kaisaro ƒe seawo dzi.”—Dɔwɔwɔwo 17:6, 7.

8 Esi blemaŋutinyaŋlɔla K. S. Latourette nɔ nu ƒom tso Kristotɔ siwo nɔ anyi le Roma Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɣi ŋu la, egblɔ be: “Nutsotso vovovowoe wotsɔ ɖe wo ŋu. Esi Kristotɔwo gbe be yewomakpɔ gome le trɔ̃subɔlawo ƒe azãwo ɖuɖu me o ta la, wotso wo nu be wonye mawudzimaxɔselawo. Esi womeƒo wo ɖokuiwo ɖe nutoa me wɔnawo—trɔ̃subɔsubɔ zãwo ɖuɖu, dutoƒo dzidzɔdonamewɔnawo . . .—me o ta la, wotso wo nu alakpatɔe be wonye ameƒomea ƒe futɔwo. . . . Wotso Kristotɔ ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa nu be wokpena le zã me . . . henɔa agbegbegblẽ. . . . Esi wònye xɔsetɔwo koe kpena hewɔa [Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia] ta la, wotso Kristotɔwo nu be wotsɔa vidzĩ saa vɔ edziedzi heɖua eƒe lã eye wonoa ʋua hã.” Tsɔ kpe ɖe eŋu la, esi wònye Kristotɔ gbãtɔwo gbe fiagãsubɔsubɔ me nuwɔnawo ta la, wotso wo nu be wonye Dukɔa ƒe futɔwo.

9. Aleke ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo wɔ nu ɖe aʋatsonutsotso siwo wogblɔ ɖe wo ŋu lae ŋui, eye aleke nɔnɔmea le egbea hãe?

9 Aʋatso nutsotso mawo mewɔe be Kristotɔ gbãtɔwo dzudzɔ gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒeŋutinya nyui si ƒe dɔ wode asi na wo la wɔwɔ o. Le ƒe 60-6 M. Ŋ. me la, Paulo te ŋu ƒo nu tso “nyanyui” si nɔ ‘ku geɖe tsem le xexeame katã’ si woɖe ‘gbeƒãe na nuwɔwɔwo katã le [dziƒoa] te,’ la ŋu. (Kolosetɔwo 1:5, 6, 23) Nenema kee wòle dzɔdzɔm egbea hã. Wotsoa Yehowa Ðasefowo nu egbea alakpatɔe, abe alesi wotso ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo gɔ̃ hã nue ene. Gake egbea la, gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒegbedasia le dzidzedze geɖe kpɔm, eye wòna be amesiwo le gbeƒã ɖemee la le dzidzɔ geɖe kpɔm.

Dzi Dzɔa Mí be Wotiaa Mía Yome Abe Nyagblɔɖilaawo Ene

10, 11. (a) Aleke Yesu wu eƒe dzidzɔkpɔkpɔ asieke lia nue? (b) Nukatae woti nyagblɔɖilawo yome? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋuwo.

10 Yesu wu eƒe dzidzɔkpɔkpɔ asieke lia nu be: “Dzi nadzɔ mi, . . . elabena nenema ke woti nyagblɔɖila, siwo dze mia ŋgɔ la yomee.” (Mateo 5:12) Israel-vi mawɔnuteƒeawo mexɔ nyagblɔɖila siwo Yehowa dɔ ɖa be woaxlɔ̃ nu wo la nyuie kura o, woti wo yome zi geɖe. (Yeremya 7:25, 26) Apostolo Paulo ɖo kpe nya sia dzi bena: “Nuka magagblɔ mahã? Elabena ɣeyiɣi la made nam be, magblɔ nya le . . . nyagblɔɖila bubuwo ŋuti o; amesiwo . . . to xɔse me, . . . woto fewuɖuɖu kple ƒoƒo ƒe dodokpɔ me, ke gawu la bablawo kple gaxɔ me nɔnɔ me.”—Hebritɔwo 11:32-38.

11 Le Fia vɔ̃ɖi Axab, kple srɔ̃a Izebel si hã vɔ̃ɖi, ƒe dziɖuɣi la, wowu Yehowa ƒe nyagblɔɖila geɖewo kple yi. (Fiawo I, 18:4, 13; 19:10) Wobɔ pã nyagblɔɖila Yeremya eye emegbe wodae do ɖe vudo aɖe si me ba nɔ me. Woda nyagblɔɖila Daniel ɖo ɖe dzatawo ƒe do me. (Daniel 6:17, 18 ) Woti nyagblɔɖila siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Kristotɔwo ƒe ɣeyiɣia yome elabena woʋli Yehowa ƒe tadedeagu vavãtɔ ta. Yuda-subɔsubɔhakplɔlawo ti nyagblɔɖila geɖewo yome. Yesu yɔ agbalẽfialawo kple Farisitɔwo be “amesiwo wu nyagblɔɖilawo la ƒe viwo.”—Mateo 23:31.

12. Nukatae mí Yehowa Ðasefowo míebunɛ be enye mɔnukpɔkpɔ be woati mía yome abe alesi woti nyagblɔɖila siwo nɔ anyi va yi la yomee ene?

12 Egbea, wotiaa mí Yehowa Ðasefowo yome zi geɖe elabena míeɖia ɖase tso Fiaɖuƒeŋutinya nyuia ŋu dzonɔamemetɔe. Míaƒe futɔwo tsoa mía nu be “míetrɔa dzime na amewo akpasesẽtɔe,” gake míenyae be nenema kee wotso Yehowa subɔla wɔnuteƒe siwo do ŋgɔ na mí hã nui. (Yeremya 11:21; 20:8, 11) Bubue wònye na mí be míakpe fu ɖe susu si tae wowɔ fu nyagblɔɖila siwo do ŋgɔ na mí ɖo la ta. Nusrɔ̃la Yakobo ŋlɔ bena: “Nɔvinyewo, mitsɔ nyagblɔɖila, siwo ƒoa nu le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa me la, ƒe fukpekpewo kple woƒe dzigbɔgbɔ blewu wɔ miaƒe kpɔɖeŋu. Kpɔ ɖa, míeyɔa amesiwo doa dzi keŋ la be [dzidzɔtɔwo].”—Yakobo 5:10, 11.

Susu Nyui Siwo Tae Wòhiã be Míakpɔ Dzidzɔ Ðo

13. (a) Nukatae dzi meɖena le míaƒo o ne wole mía yome tim? (b) Nukae kpena ɖe mía ŋu míenɔa te sesĩe, eye nuka ƒe kpeɖodzie esia nye?

13 Le esi teƒe be míana be yometitiwo naɖe dzi le míaƒo la, efaa akɔ na mí boŋ be míele nyagblɔɖilawo, Kristotɔ gbãtɔwo, kple Kristo Yesu ŋutɔ ƒe afɔɖoƒewo yome dzem. (Petro I, 2:21) Ŋɔŋlɔawo me nyawo abe apostolo Petro ƒe nya siawo ene naa míaƒe dzi dzea eme ŋutɔ be: “Lɔlɔ̃tɔwo, migana fiafiã ƒe tetekpɔ, si va mia dzi hena mia dodokpɔ la, nawɔ yaa ɖe mi, abe nya aɖe ƒomevie va dzɔ ɖe mia dzi ene o. Ne wodzu mi le Kristo ƒe ŋkɔ ta la, woayra mi; elabena ŋutikɔkɔe kple Mawu ƒe gbɔgbɔ la va dzudzɔ ɖe mia dzi.” (Petro I, 4:12, 14) Nudzɔdzɔ siwo me míetona nana míenya be Yehowa ƒe gbɔgbɔ koe doa ŋusẽ mí be míete ŋu nɔa te sesĩe le yometitiwo me. Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe kpekpeɖeŋu nye kpeɖodzi be Yehowa ƒe yayra le mía dzi, eye esia wɔnɛ be míekpɔa dzidzɔ gã aɖe.—Psalmo 5:13; Filipitɔwo 1:27-29.

14. Susu kawo tae dzi dzɔa mí ɖo be wotiaa mía yome ɖe dzɔdzɔenyenye ta?

14 Susu bubu si ta dzi dzɔa mí ne wotsi tre ɖe mía ŋu heti mía yome le dzɔdzɔenyenye tae nye be eɖoa kpe edzi be míetsɔ mawusosroɖa le agbe nɔm abe Kristotɔ vavãwo ene. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Amesiwo katã dina be, yewoanɔ agbe ɖe mawusosroɖa nu le Kristo Yesu me la, woati woawo hã yome tsã.” (Timoteo II, 3:12) Dzi dzɔa mí vevie elabena míenyae nyuie bena míaƒe nuteƒewɔwɔ me lelé ɖe asi le tetekpɔwo me ganyea nyaŋuɖoɖo na Satana be eƒe gbetɔame be Yehowa ƒe nuwɔwɔwo katã subɔnɛ ɖe woa ŋutɔwo ƒe ɖokuitɔdidi ta menye nyateƒe o. (Hiob 1:9-11; 2:3, 4) Dzi dzɔa mí be míekpɔa gome le Yehowa ƒe dziɖulanyenye dzɔdzɔea taʋiʋli me, ne eɖanye akpa sue aɖe ko wɔmee míele hã.—Lododowo 27:11.

Dzi Nedzɔ Mi ɖe Teƒeɖoɖoa Ta

15, 16. (a) Susu si ta wòle be ‘dzi nadzɔ mí, eye míatso aseye’ kae Yesu gblɔ? (b) Fetu kae wodzra ɖo ɖi na Kristotɔ amesiaminawo le dziƒo, eye aleke woaɖo eteƒe na woƒe zɔhɛ ‘alẽ bubuawo’ hãe?

15 Yesu gblɔ susu bubu si tae dzi dzɔa mí be wotiaa mía yome abe blema nyagblɔɖilawo ene. Egblɔ nya siawo tsɔ ƒo dzidzɔkpɔkpɔ asiekelia tae ale: “Dzi nadzɔ mi, eye mitso aseye; elabena miaƒe fetu sɔ gbɔ le dziƒo.” (Mateo 5:12) Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Nuvɔ̃ la ƒe fetue nye ku; ke Mawu ƒe amenuvevenunana la enye agbe mavɔ le Kristo Yesu, mía Aƒetɔ me.” (Romatɔwo 6:23) Ẽ, ‘fetu gã’ lae nye agbe, eye enye fetu si míedze na hafi o. Nunana faa aɖee wònye. Yesu gblɔ be fetu la le “dziƒo” elabena etso Yehowa gbɔ.

16 Amesiaminawo axɔ “agbefiakuku,” si fia be le wo gome la, anye makumakugbenɔnɔ kple Kristo le dziƒo. (Yakobo 1:12, 17) Amesiwo si anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le, siwo nye ‘alẽ bubuawo,’ la le mɔ kpɔm na agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba dzi paradiso me. (Yohanes 10:16; Nyaɖeɖefia 21:3-5) Le hatsotso eveawo katã gome la, womedze na “fetu” la hafi o. Amesiamina kple ‘alẽ bubuawo’ siaa xɔ woƒe teƒeɖoɖoa le Yehowa ƒe “amenuveve, si sɔ gbɔ ŋutɔ” la ta, amenuveve siae ʋã apostolo Paulo wògblɔ be: “Woada akpe na Mawu le eƒe nunana manyagblɔ la ŋuti!”—Korintotɔwo II, 9:14, 15.

17. Nukatae dzi ate ŋu adzɔ mí, eye le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu la, ‘míetsoa aseyee’ ne woti mía yome?

17 Apostolo Paulo ŋlɔ na Kristotɔ, siwo dometɔ aɖewo wòkpɔtɔ vie ne Fiagã Nero nàti wo yome ŋutasesẽtɔe la, bena: “Ke menye esia ɖeɖekoe o, hafi míeƒoa adegbe le xaxawo me hã, esi míenyae bena, xaxa dzia dzidodo; ke dzidodo dzia kelili, ke kelili dzia mɔkpɔkpɔ; ke mɔkpɔkpɔ menana ŋu kpea ame o.” Egblɔ hã be: “Dzi nedzɔ mi le mɔkpɔkpɔ me, mido dzi le xaxa me.” (Romatɔwo 5:3-5; 12:12) Eɖanye dziƒo alo anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔe le mía si o, teƒeɖoɖo si míaxɔ ne míewɔ nuteƒe le tetekpɔ me la lolo sasasã wu nusianu si míedze na. Seɖoƒe mele dzi si dzɔa mí ɖe mɔkpɔkpɔ si le mía si be míava nɔ agbe tegbee ahakafu mía Fofo lɔlɔ̃tɔ, Yehowa, le míaƒe Fia Yesu Kristo ƒe kpɔkplɔ te la ŋu o. Le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ me la, ‘míetsoa aseye.’

18. Nukae míakpɔ mɔ be dukɔwo nawɔ esi nuwuwu la le aƒe tum, eye nukae Yehowa awɔ?

18 Le dukɔ aɖewo me la, woti Yehowa Ðasefowo yome tso gbaɖegbe ke eye wogale wo yome tim kokoko. Le Yesu ƒe nya si wògblɔ ɖi ku ɖe nuɖoanyia ƒe nuwuɣi ŋu me la, ena Kristotɔ vavãwo nya be: ‘Dukɔwo katã woalé fu mi le nye ŋkɔ ŋuti.’ (Mateo 24:9) Esi nuwuɣia ɖo vɔ ta la, Satana ana be dukɔwo nalé fu Yehowa ƒe amewo. (Xezekiel 38:10-12, 14-16) Esia anye ɣeyiɣi si me Yehowa awɔ nu le. “Mado gã ɖokuinye, makɔ ɖokuinye ŋu, eye maɖe ɖokuinye afia le dukɔ geɖewo ŋku me, ne woadze sii be, nyee nye Yehowa.” (Xezekiel 38:23) Eyata Yehowa akɔ eƒe ŋkɔ gã la ŋu eye wòaɖe eƒe amewo tso yometiti me. Eyata, ‘dzidzɔtɔe nye ŋutsu, si doa dzi le tetekpɔ me la.’—Yakobo 1:12.

19. Esi míele ‘Yehowa ƒe ŋkeke’ gã la lalam la, nukae wòle be míanɔ wɔwɔm?

19 Esi “[Yehowa] ƒe ŋkeke” gã la tu aƒe keŋkeŋ vɔ la, mina be dzi nadzɔ mí elabena ‘wobu mí be, míedze bena woado ŋukpe mí’ le Yesu ƒe ŋkɔ la ta. (Petro II, 3:10-13; Dɔwɔwɔwo 5:41) Abe Kristotɔ gbãtɔwo ene la, neva eme be míayi “nufiafia kple nyanyuigbɔgblɔ fia le Yesu Kristo” kple Fiaɖuƒe dziɖuɖua ŋuti dzi esi míele míaƒe teƒeɖoɖo le Yehowa ƒe xexe yeye si me dzɔdzɔenyenye anɔ la lalam.—Dɔwɔwɔwo 5:42; Yakobo 5:11.

Numetoto

• Nukae wòfia be woakpe fu le dzɔdzɔenyenye ta?

• Ŋusẽ kae yometiti kpɔ ɖe Kristotɔ gbãtɔwo dzi?

• Nukatae woate ŋu agblɔe be wotiaa Yehowa Ðasefowo yome abe blema nyagblɔɖilawo ene?

• Nukatae míate ŋu ana be ‘dzi nadzɔ mí, eye míatso aseye’ ɖe míaƒe yometitiwo ta?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 16]

‘Dzidzɔtɔwoe mianye, ne woadzu mi, eye woati mia yome’

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Ƒuƒoƒo si le gaxɔ me: Chicago Herald-American