Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kplɔla Nyuitɔ Didi

Kplɔla Nyuitɔ Didi

Kplɔla Nyuitɔ Didi

“Mele gbɔgblɔm na wò be, ɖi le zia dzi, míegahiã wò o. Meɖe gbe na wò le Mawu ƒe ŋkɔ me be, dzo!”—Leopold Amery, si nye Britaintɔwo ƒe Sewɔtakpekpea me tɔ, ye yɔ Oliver Cromwell ƒe nya siawo gblɔ.

Xexemeʋa II nɔ edzi yim ɖo ɣleti enyilia me henɔ nu gblẽm vevie, eye aʋaa menɔ Britain kple dukɔ siwo wɔ ɖeka kplii la kpam o. Leopold Amery kple etɔ siwo le dziɖuɖua me bui be yewo hiã na kplɔla yeye. Eyata le May 7, 1940, dzi la, Aƒetɔ Amery yɔ nya siwo le etame la gblɔ na Dukɔa Kplɔla Neville Chamberlain, le Sewɔtakpekpea me. Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, Aƒetɔ Chamberlain ɖi le zia dzi, eye Winston Churchill xɔ ɖe eteƒe.

KPLƆLA si axɔ ŋgɔ nye nusi hiã na ameƒomea ale gbegbe, ke hã, menye kplɔla ɖesiaɖe koe asɔ o. Le ƒomea me gɔ̃ hã la, ele na vifofo be wòasu te akpɔ eƒe aƒe dzi nyuie hafi dzi adzɔ srɔ̃a kple viawo. Ekema bu agbanɔamedzi si gbegbe dze ŋgɔ dukɔ alo xexeame ƒe kplɔla ŋu kpɔ! Mewɔ nuku o be esesẽ be woake ɖe kplɔla nyuitɔwo ŋu.

Ale wɔ, fiaɖoɖowo, tɔtrɔ kpatawo, dziɖuɖuwo mumu ƒu anyi, amewo tiatia, akɔdadawo, dukplɔlawo wuwu, kple dziɖuɖuwo ɖɔliɖɔli gbogbo aɖe ŋutɔ yi edzi le ƒe akpe geɖe siwo va yi la me. Fiawo, dziɖuɖumegãwo, nutomedziɖulawo, dukplɔlawo, dukɔwo ƒe nya gbɔkpɔlagãwo, kple akpasesẽdziɖulawo vana zia dzi gadzona. Tɔtrɔ siwo vana le vome la ɖe dziɖula sẽŋuwo gɔ̃ hã ɖa le zi dzi. (Kpɔ aɖaka si nye “Ameɖeɖe le Zi Dzi Kpata,” le axa 5 lia) Le esiawo katã me hã, wodo kpo keke ɖe kplɔla adodoea si anɔ anyi eteƒe nadidi ŋu.

“Míaxɔe Nenema Ko”—Alo?

Eyata mewɔ nuku o be, mɔkpɔkpɔ bu ɖe ame geɖe le keke ɖe kplɔla nyuitɔ ŋu ƒe nya sia me. Le dukɔ aɖewo me la, dukɔmeviwo ƒe ɖekematsɔleme kple mɔkpɔkpɔbuɖeame va dzena ƒã le akɔdaɣiwo koŋ. Geoff Hill, si nye nyadzɔdzɔŋlɔla le Afrika, gblɔ be: “Ðekematsɔleme alo amewo ƒe gbegbe [be yewomada akɔ o] bɔna ne amewo se le wo ɖokui me be wɔna mele yewo ŋu yewoatrɔ nɔnɔme wɔnublanui siwo ɖe kpe na yewo la o. . . . Le Afrika la, amewo ƒe akɔmadamada mefia kokoko be nɔnɔme siwo me wole la sɔ na wo o. Zi geɖe la, enyea amesiwo se le wo ɖokui me be woŋe aɖaba ƒu yewo ƒe fukpekpewo dzi la ƒe kpekpeɖeŋu biabia.” Nenema kee nyadzɔdzɔŋlɔla aɖe si le United States ŋlɔ nu tso akɔ si woava da kpuie ŋu be: “Ame aɖee kpɔ be ame ɖɔʋu aɖee be woada akɔ na ye.” Egblɔ kpee be: “Ame ma tɔgbe aɖeke meli o. Ðeke menɔ anyi kpɔ o. Míaxɔe nenema ko.”

Ðe wònye nyateƒe be, naneke meli ameƒomea nawɔ tsɔ wu be ‘míaxɔ kplɔla madebliboawo nenema ko oa’? Ðe nyateƒe si wònye be amegbetɔ dziɖulawo do kpo wo teviwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ ɖo kpe edzi be míake ɖe kplɔla nyuitɔ ŋu gbeɖe oa? Kpao. Kplɔla nyuitɔ kekeake li. Nyati si kplɔe ɖo adzro amesi ameƒomea kplɔla nyuitɔ nye kple alesi eƒe amekpɔkplɔ aɖe vi na ame miliɔn geɖe siwo anye ameƒomevi vovovoawo katã—kple wò ŋutɔ hãe—la me.

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

Miame le etame: Neville Chamberlain

Ðusime le etame: Leopold Amery

Ete: Winston Churchill

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Chamberlain: Photo by Jimmy Sime/Central Press/Getty Images; Amery: Photo by Kurt Hutton/Picture Post/Getty Images; Churchill: The Trustees of the Imperial War Museum (MH 26392)