Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Míeɖoe Kplikpaa Be Míade Mawu Ƒe Dziɖulanyenye Dzi

Míeɖoe Kplikpaa Be Míade Mawu Ƒe Dziɖulanyenye Dzi

Agbemeŋutinya

Míeɖoe Kplikpaa Be Míade Mawu Ƒe Dziɖulanyenye Dzi

ABE ALESI MICHAL ŽOBRÁK GBLƆE ENE

Le ameɖekɛgaxɔ me nɔnɔ ɣleti ɖeka vɔ megbe la, wokplɔm yi na gbebiala aɖe. Kasia, edo dɔmedzoe heblu be: “Mi ŋkutsalawo! Amerikatɔwo ƒe ŋkutsalawo!” Nukae na wòdo dɔmedzoe nenema gbegbe? Ðeko wòbia subɔsubɔha si me tɔ menye lam enye ma, eye meɖo eŋu be: “Yehowa Ðasefoe menye.”

ƑE BLAATƆ̃ kple edzivɔwo enye esia esi nusia dzɔ. Ɣemaɣi la, Kɔmunisttɔwoe nɔ dukɔ si me menɔ la dzi ɖum. Gake do ŋgɔ na esia la, wotsi tre ɖe míaƒe Kristotɔwo ƒe nufiafiadɔa ŋu vevie xoxo.

Aʋawɔwɔ Me Tsonu Ðe Fu na Mí Vevie

Mexɔ ƒe enyi esime Xexemeʋa I dzɔ le ƒe 1914 me. Ɣemaɣi la, kɔƒe si me menɔ, si ŋkɔe nye Zálužice, la nɔ Austria kple Hungary Fiaɖuƒea ƒe fiahawo ƒe dziɖuɖua te. Menye xexeame ƒe nɔnɔme koe aʋaa trɔ o ke boŋ ezi dzinye hã be mate ame tsitsiwo ƒe agbanɔamedziwo tsɔtsɔ enumake. Fofonye, si nye asrafo la, ku le aʋaa ƒe ƒe gbãtɔ ko me. Esia na ahedada wɔ fu mía kple danye kpakple nɔvinyenyɔnu sue eve la vevie. Abe ŋutsuvi tsitsitɔ si le aƒea me ene la, agble sue si le mía si dzikpɔkpɔ kple aƒea me ƒe agbanɔamedzi geɖe va kpɔ ŋkunyeme. Metsɔ ɖe le mawusubɔsubɔ me tso ɖevi me ke. Míaƒe Sɔlemeha si Woɖɔ Ðo (Kalvin-ha) la nunɔla bia tso asinye gɔ̃ hã be, ne yemeli o la, maxɔ ɖe ye teƒe afia nu nye sukuhatiwo.

Le ƒe 1918 me la, Aʋa Gã la ke, eye míekpɔ gbɔdzɔe. Woɖe Austria kple Hungary Fiaɖuƒea ɖa, eye míeva zu Republic of Czechoslovakia te viwo. Eteƒe medidi o, míaƒe nutoametɔ geɖe siwo ʋu yi United States la gbɔ va aƒe. Michal Petrík, amesi va míaƒe kɔƒea me le ƒe 1922 me, hã nɔ wo dome gbɔ. Esi wòva srã ƒome aɖe kpɔ le míaƒe tokɔa me la, wokpe mía kple dada hã be míava.

Mawu ƒe Dziɖulanyenye Zu Nu Ŋutɔŋutɔ na Mí

Michal nye Biblia Nusrɔ̃vi, si nye alesi woyɔa Yehowa Ðasefowo ɣemaɣi, eye wòƒo nu tso Biblia me nya vevi siwo do dzidzɔ nam ŋu. Esi dzɔ dzi nam wue nye Yehowa ƒe Fiaɖuƒea ƒe vava. (Daniel 2:44) Esi wògblɔ be woawɔ Kristotɔwo ƒe kpekpe aɖe le kɔƒe si nye Záhor me le Kwasiɖa si gbɔna gbe la, meɖoe kplikpaa be mayi. Mefɔ fɔŋli ga ene hezɔ kilometa enyi yi nɔvinye aɖe gbɔ ɖaɣe eƒe gasɔ. Esi mede ya gasɔa ƒe afɔtiwo me vɔ megbe la, medoe kilometa 24 yi Záhor. Nyemenya afisi woawɔ kpekpea le o, eyata menɔ gasɔa dom ɖɔɖɔɖɔ le ablɔawo dometɔ ɖeka dzi. Emegbe mese be wonɔ Fiaɖuƒeha dzim le aƒeawo dometɔ ɖeka me. Dzi dzɔm. Mege ɖe aƒea me hegblɔ susu si tae meva ɖo la na wo. Wokpem be mawɔ ɖeka kple ƒomea aɖu ŋdinu, eye wokplɔm yi kpekpeae. Togbɔ be kilometa 32 ƒe gasɔdodo kple azɔlizɔzɔ le ŋgɔnye hafi magbɔ va aƒeme hã la, ɖeɖi mete ŋunye kura o.—Yesaya 40:31.

Yehowa Ðasefoawo ƒe numeɖeɖe siwo wotu ɖe Biblia dzi wome kɔ la dzɔ dzi nam ale gbegbe. Agbe si me dzidzeme blibo le la nɔnɔ le Mawu ƒe dziɖuɖua te ƒe mɔkpɔkpɔa lé dzi nam ŋutɔ. (Psalmo 104:28) Mía kple danye míetso nya me be míaŋlɔ agbalẽ na míaƒe sɔlehaa be míedo le eme. Esia he kuxi va miaƒe kɔƒea me. Ame aɖewo megaƒoa nu na mí o hena ɣeyiɣi aɖe, ke hã hadede nyui aɖe nɔ mía kple Ðasefo geɖe siwo nɔ míaƒe nutoa me la dome. (Mateo 5:11, 12) Eteƒe medidi o mexɔ nyɔnyrɔ ɖe Uh-tɔsisia me.

Subɔsubɔdɔa Va Zu Míaƒe Agbenɔnɔ ƒe Akpa Aɖe

Míezã mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe tsɔ ɖe gbe ƒã tso Yehowa ƒe Fiaɖuƒea ŋu. (Mateo 24:14) Míedo vevie hahoo gbeƒãɖeɖedɔ si wowɔna koŋ le Kwasiɖagbewo la. Amewo fɔna kaba ɣemaɣi, eyata míete ŋu dzea gbeƒãɖeɖe gɔme kaba. Emegbe míewɔa dutoƒo kpekpewo le ŋkekea me. Zi geɖe la, Biblia-fialawo ƒoa nuƒoawo agbalẽ aɖeke dzi makpɔmakpɔe. Ðetsɔlemetɔwo ƒe agbɔsɔsɔ, subɔsubɔha si me tɔwo wonye, kple nya siwo ka ameawo nɔa susu me na wo esi wole nuƒoawo ƒom.

Biblia ƒe nyateƒe siwo míeɖe gbeƒãe la ʋu ŋku na dzianukwaretɔ geɖewo. Esi mexɔ nyɔnyrɔ megbe kpuie la, meyi ɖaɖe gbeƒã le kɔƒe si nye Trhovište me. Le aƒe aɖe me la, meƒo nu na nyɔnu dɔmenyola xɔlɔ̃wɔla aɖe si ŋkɔe nye Aƒenɔ Zuzana Moskal. Woa kple eƒe ƒomea nye Kalvintɔwo, abe alesi nye hã menyee va yi ene. Togbɔ be enya nu tso Biblia ŋu hã la, Biblia me nyabiabia geɖe nɔ esi si mekpɔ ŋuɖoɖo na o. Míedzro nu me gaƒoƒo ɖeka, eye metsɔ agbalẽ si nye The Harp of God nɛ. *

Moskal ƒomea tsɔ Harp-gbalẽa xexlẽ kpe ɖe woƒe Biblia xexlẽ edziedzi ƒe ɖoɖo ŋu enumake. Ƒome akpa gãtɔ si nɔ kɔƒe ma me ɖe ɖetsɔleme fia hete míaƒe kpekpewo dede. Kalvintɔwo ƒe nunɔla de se sesẽ aɖe ɖe mía kple míaƒe agbalẽwo ŋu. Ðetsɔlemetɔ aɖewo do susua ɖa be nunɔla la nava míaƒe kpekpea ava ɖo kpe edzi le gaglãgbe be míaƒe nufiafia nye aʋatso.

Nunɔla la va, gake mete ŋu gblɔ nya aɖeke tso Biblia me tsɔ ɖo kpe eƒe nufiafiawo dzi o. Le eɖokui taʋiʋli me la, egblɔ be: “Míate ŋu axɔ nusianu si Biblia gblɔ dzi ase o. Amewoe ŋlɔe, eye woate ŋu aɖe subɔsubɔ me nyabiabiawo gɔme le mɔ vovovowo nu.” Esia na ame geɖe wɔ tɔtrɔ ɖedzesiwo. Ame aɖewo gblɔ na nunɔla la be ne mexɔ Biblia dzi se o la, yewo magava se eƒe mawunyawo azɔ o. Esia wɔe be wodo le Kalvin-haa me, eye ame 30 aɖewo tsɔ Biblia ƒe nyateƒea vevie le kɔƒe ma me.

Gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒeŋutinya nyuia va zu míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa aɖe, eyata menɔ kpeɖeŋutɔ dim tso ƒome aɖe si sẽŋu le gbɔgbɔ me me. Amesiwo mewɔa dɔ kpli le subɔsubɔdɔa me la dometɔ ɖekae nye Ján Petruška, amesi xɔ nyateƒea le United States. Alesi vianyɔnuvi Mária nɔa klalo be yeaɖi ɖase na amesiame, abe alesi ko fofoa le ene la, wɔe be eƒe nu lé dzi nam. Míeɖe srɔ̃ le ƒe 1936 me, eye Mária va zu nye kpeɖeŋutɔ wɔnuteƒe ƒe 50 sɔŋ, vaseɖe esime wòku le ƒe 1986 me. Le ƒe 1938 me la, míedzi mía viŋutsu Eduard. Gake ɣemaɣi la, aʋa aɖe nɔ didim be yeadzɔ le Europa. Aleke wòakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe dɔa dzii?

Wodo Míaƒe Akpaɖekedzimademade Kpɔ

Esime Xexemeʋa II dze egɔme la, Slovakia, si va zu dukɔ nɔ eɖokui si la, nɔ Nazitɔwo ƒe ŋusẽ te. Ke ha, dziɖuɖua metsɔ nya aɖeke ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe habɔbɔa ŋu tẽ o. Ele eme baa be ehiã be míawɔ dɔ le adzame, eye woɖo asi míaƒe agbalẽwo mama dzi. Ke hã, míeyi miaƒe dɔwɔnawo dzi aɖaŋudzedzetɔe.—Mateo 10:16.

Esi aʋaa va nɔ sesẽm ɖe edzi la, wokplɔm yi ɖade asrafowo dome akpa sesẽe, togbɔ be mexɔ ƒe 35 kple edzivɔwo hã. Le nye Kristotɔwo ƒe akpaɖekedzimademade ta la, megbe be nyemayi aʋa o. (Yesaya 2:2-4) Dzidzɔtɔe la, hafi dziɖuɖumegãwo nabu nusi woawɔ kplim ŋu la, woɖe asi le mí ame tsitsiwo ŋu.

Míede dzesii be nuwo sesẽ na mía nɔvi siwo le dugãwo me wu mí amesiwo le kɔƒeduwo me. Míedi be míama nusiwo le mía si kpli wo. (Korintotɔwo II, 8:14) Eyata míetsɔa nuɖuɖu gbogbo aɖewo alesi míate ŋui hezɔa mɔ kilometa 500 kple edzivɔwo yia keke Bratislava, le dukɔa ƒe akpa kemɛ, ke. Kristotɔwo ƒe xɔlɔ̃wɔwɔ kple lɔlɔ̃ si nɔ mía dome le aʋawɔɣiawo la lé mí ɖe te le ƒe sesẽ siwo nɔ ŋgɔ la me.

Dzideƒoname si Hiã la Kpɔkpɔ

Le Xexemeʋa II megbe la, Slovakia gava zu Czechoslovakia ƒe akpa aɖe. Tso ƒe 1946 va ɖo 1948 me la, Yehowa Ðasefo siwo le dukɔa me la wɔa takpekpewo le Brno loo alo le Prague. Mí amesiwo tso Slovakia ƒe ɣedzeƒe gome ɖoa keteke siwo woda koŋ na takpekpea yilawo. Miate ŋu ayɔ ketekeawo be hadzidzi ketekewo, elabena míedzia ha le mɔzɔzɔ bliboa me.—Dɔwɔwɔwo 16:25.

Meɖo ŋku ƒe 1947 me takpekpe si wowɔ le Brno, si me dzikpɔla Kristotɔ etɔ̃, siwo dometɔ ɖekae nye Nɔviŋutsu Nathan H. Knorr, tso Ðasefowo ƒe dɔwɔƒegã va, dzi nyuie. Be amewo nanya dutoƒonuƒo si ƒo ge woala la, mía dometɔ geɖe míeŋlɔ nuƒoa ƒe tanya ɖe agbalẽ dzi kpla ɖe akɔta kple dzime. Medzɔ dzi na mía viŋutsuvi, Eduard, si xɔ ƒe asieke pɛ ko, be yemekpɔ agbalẽa ɖe kpla o. Eyata nɔviawo wɔ ɖewo, menye na eya ɖeka o, ke boŋ na ɖevi bubu geɖewo. Ðevi siawo wɔ dɔ nyui aɖe le boblododo dutoƒonuƒoa me!

Le February 1948 me la, Kɔmunisttɔwo gava zia dzi. Míenyae be dziɖuɖua agaɖe afɔwo atsɔ atsi míaƒe subɔsubɔdɔa nui godoo. Míewɔ takpekpe aɖe le Prague le September 1948 me, eye le ƒe etɔ̃ pɛ ko ƒe takpekpe le ablɔɖe me megbe la, míenyae godoo be woagaxe mɔ ɖe míaƒe takpekpe le dutoƒo nu ake. Gake hafi míakaka adzo le takpekpea me la, míeɖo tame kplikpaa aɖe si ƒe akpa aɖe gblɔ be: “Mí, Yehowa Ðasefowo, siwo kpe ta ɖekae la . . . , ɖoe kplikpaa be míayi edzi adzi dzidzɔdɔ sia ɖe edzi geɖe, eye, le Aƒetɔa ƒe amenuveve me la, míaku kutri le ɣeyiɣi nyuiwo kple xaxaɣiwo, eye be míatsɔ dzonɔameme aɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒeŋutinya nyuiae.”

“Dziɖuɖua ƒe Futɔwo”

Ɣleti eve pɛ ko le Prague takpekpea megbe la, adzamekpovitɔwo dze Betel-ƒe si le Prague la dzi. Woxɔ aƒea, ɖo asi agbalẽ ɖesiaɖe si wokpɔ dzi, helé Betel-dɔwɔlawo katã kple nɔvi bubu aɖewo. Gake mese ɖe afima o.

Le February 3-4, 1952, ƒe zã me la, kpovitɔwo tsa le dukɔ bliboa me helé Ðasefo 100 kple edzivɔwo. Wolé nye hã. Anɔ abe fɔŋli ga etɔ̃ ene eye kpovitɔwo va nyɔ nye ƒome bliboa. Nya aɖeke me maɖemaɖee la, wogblɔ nam be madze yewo yome. Wode kunyowum hetsyɔ nu mo nam tsɔ kpe ɖe ame bubu geɖe ŋu, de agbatsɔʋu aɖe. Ameɖɛkegaxɔ mee meyi ɖakpɔ ɖokuinye le.

Ɣleti blibo va yi eye ame aɖeke meƒo nu kplim o. Amesi ko mekpɔna enye dzɔla si tsɔa nuɖuɖu sue aɖe toa do aɖe si le ʋɔa me nam la. Emegbe wokplɔm yi ɖe gbebiala aɖe si ƒe nya megblɔ do ŋgɔ la gbɔe. Esi wòyɔm be ŋkutsala vɔ megbe la, eyi edzi be: “Ðekememasemasee mawusubɔsubɔ nye. Mawu aɖeke meli o! Míate ŋu aɖe mɔ na mi be miable mía tɔ dɔwɔlawo o. Míade ka ve na wò atsi ɖe ati ŋu loo alo aku anyunyɔ ɖe gaxɔa me. Eye ne wò Mawu aɖi va hã la, míawu eya hã!”

Esi wònye be dziɖuɖumegãwo nyae be se aɖeke koŋ meli si te fli ɖe míaƒe Kristotɔwo ƒe dɔwɔnawo me o ta la, wodi be yewoatsɔ ŋkɔ bubu na míaƒe dɔwɔnawo ne woasɔ ɖe se si li la nu to gbɔgblɔ le mía ŋu be míenye “Dziɖuɖua ƒe futɔwo” kple dutaŋkutsalawo me. Be woate ŋu awɔ esia la, ehiã be woagblẽ míaƒe tameɖoɖo kplikpaa la me ahana “míalɔ̃ ɖe” aʋatsonutsotsowo dzi. Le gbe biabiam le zã ma me megbe la, womena medɔ alɔ̃ o. Le gaƒoƒo ʋɛ aɖewo megbe la, wogabia gbem. Fifia ya, gbebiala la di be made asi agbalẽ aɖe te, si xlẽ be “Nye, amesi nye People’s Democratic Czechoslovakia ƒe futɔ la, nyemeyi va wɔ dɔ le [gaxɔmenɔlawo ƒe agble] dzi o elabena menɔ Amerikatɔwo lalam.” Esi megbe be nyemade asi alakpanya sia te o ta la, wokplɔm yi tohenamegaxɔ me.

Wotsri alɔ̃dɔdɔ, anyimɔmlɔ, alo anyinɔnɔ gɔ̃ hã nam. Tsitre koe mate ŋu anɔ loo alo anɔ tsatsam. Esi nu ti kɔ nam la, memlɔ anyi ɖe anyigba. Emegbe dzɔlaa gakplɔm yi ɖe gbebialaa gbɔe. Gbebialaa bia be: “Àde asi ete azɔa?” Esi megagbe la, eƒo tome nam. Ʋu te dodo le ŋunye. Ete gbe gblɔ na dzɔla la bena: “Edi be yeawu ye ɖokui. Ŋku nenɔ eŋu be woagawu eɖokui o!” Wogakplɔm gbɔe va ameɖekɛgaxɔa me. Gbebiabiame ƒe wɔna sia yi edzi zi geɖe ɣleti ade sɔŋ. Nya siwo woƒo ɖe nunye kple agbagba siwo wodze be malɔ̃ ɖe edzi be menye Dziɖuɖua ƒe futɔ la meɖe tame si meɖo kplikpaa be mawɔ nuteƒe na Yehowa dzi kpɔtɔ o.

Esi wòsusɔ ɣleti ɖeka woakplɔm ayi ʋɔnui la, amenutsola aɖe tso Prague va te mí nɔviŋutsu 12-awo dometɔ ɖesiaɖe ƒe nume se. Ebiam be: “Nukae nàwɔ ne Ɣetoɖoƒedukɔwo dze míaƒe dukɔa dzi?” “Nusi mewɔ esime dukɔ sia kpe ɖe Hitler ŋu wodze USSR dzi lae mawɔ. Nyemewɔ aʋa ɣemaɣi o, eye nyemawɔ aʋa fifia hã o elabena Kristotɔe menye eye nyemedea akpa aɖeke dzi o.” Eyome la, egblɔ nam be: “Míate ŋu aɖe mɔ na Yehowa Ðasefowo o. Ne Ɣetoɖoƒedukɔwo dze mía dzi la, míahiã na asrafowo, eye míehiã na asrafo siwo aɖana ablɔɖe mía tɔ dɔwɔlawo le Ɣetoɖoƒe.”

Le July 24, 1953, dzi la, wokplɔ mí yi ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒea. Woyɔ mí ame 12-awo katã va ʋɔnudrɔ̃lawo ŋgɔ ɖekaɖeka. Míezã mɔnukpɔkpɔa tsɔ ɖi ɖase le míaƒe dzixɔsewo ŋu. Le alakpanya siwo wotsɔ ɖe mía ŋu la nu ɖeɖe vɔ megbe la, senyala aɖe tsi tre hegblɔ be: “Menɔ ʋɔnudrɔ̃ƒe sia zi geɖe. Zi geɖe la, amewo ʋua nuvɔ̃ me, trɔa dzime, eye wofaa avi gɔ̃ hã. Gake ne amesiawo dzo la, ŋusẽ agaɖo wo ŋu wu esime wova.” Emegbe la, wotso afia na mí ame 12 la katã be míeɖo nugbe ɖe Dziɖuɖua ŋu. Wodem mɔ̃ ƒe etɔ̃ eye Dziɖuɖua xɔ nye nunɔamesiwo katã.

Tsitsi Mexe Mɔ Nam O

Esi megbɔ va aƒeme megbe la, adzamekpovitɔwo gakpɔtɔ nɔ nye ɖiam. Togbɔ be ele alea hã la, medze nye teokrasidɔwo gɔme ake eye wotsɔ míaƒe hamea ƒe dzikpɔkpɔ de asi nam. Togbɔ be wona míenɔ míaƒe aƒe si zu dziɖuɖua tɔ me hã la, esi Kɔmunist dziɖuɖua mu le ƒe 40 aɖewo megbe ko hafie wotrɔe na mí le se nu.

Menye nye koe nye amesi de gaxɔme kpɔ le ƒomea me o. Ƒe etɔ̃ le nye gbɔgbɔ va aƒeme megbe koe wova lé Eduard akpa sesẽe be wòanye asrafo. Le eƒe dzitsinya si wotsɔ Biblia na hehee ta la, egbe eye wodee gaxɔ me. Ƒe aɖewo megbe la, tɔgbuinyeyɔvi, Peter, gɔ̃ hã to nɔnɔme sia ke me, togbɔ be enye dɔnɔ hã.

Le ƒe 1989 me la, Kɔmunist dziɖuɖu si nɔ Czechoslovakia la mu. Aleke dzi dzɔm enye si esime le ƒe 40 ƒe mɔxeɖenu megbe la, magate ŋu aɖe gbeƒã tso aƒeme yi aƒeme faa! (Dɔwɔwɔwo 20:20) Ne nye lãme nya ɖe mɔ ko la, mekpɔa gome le dɔ sia wɔwɔ me. Fifia, mexɔ ƒe 98, eye lãmesẽ megale ŋunye abe tsã ene o, gake enye dzidzɔ nam be megate ŋu ɖia ɖase na amewo tso ŋugbe dodzidzɔname siwo Yehowa do le etsɔme ŋu la ŋu.

Mate ŋu ayɔ dukɔ vovovo atɔ̃ siwo ɖu míade dukɔa dzi la ƒe kplɔla 12. Akpasesẽdziɖulawo, dukplɔlawo, kple fia aɖe hã nɔ wo me. Wo dometɔ aɖeke mekpɔ nɔnɔme madeamedzi siwo nɔ fu ɖem na wo teviwo la gbɔ keŋkeŋ o. (Psalmo 146:3, 4) Meda akpe na Yehowa be wòna medze si eyama tso nye ɖevime. Esia wɔe be mete ŋu kpɔ Mesia Fiaɖuƒe si dzi wòato akpɔ kuxiwo gbɔ la dze sii heƒo asa na agbemanyatalenu si me womewɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu o la nɔnɔ. Metsɔ ƒe 75 sɔŋ ɖe gbeƒã nya nyuitɔ kekeake si li la dzonɔamemetɔe, eye ena menɔ agbe si ŋu tameɖoɖo le, si me dzidzeme le, eye wòna agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔ nyui aɖe su asinye. Ðe nu bubu aɖe li magate ŋu abia? *

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 14 Yehowa Ðasefowoe tae, gake womegale etam fifia o.

^ mm. 38 Nublanuitɔe la, wɔna va vɔ le Nɔviŋutsu Michal Žobrák ŋu mlɔeba. Eku nuteƒewɔwɔtɔe esime wonɔ asi trɔm le nyati sia ŋu be woata, eye kakaɖedzi nɔ esi ɖe tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa ŋu.

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Le míaƒe srɔ̃kpekpe megbe teti

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Mía kple Eduard le ƒe 1940-awo ƒe gɔmedzedze

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Boblododo Brno takpekpea, ƒe 1947