Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Aleke Kristo-hamea bua nutsuɖuɖui?

Mawu ƒe nya tsi tre ɖe ahamumu kple nutsuɖuɖu siaa ŋu be wonye nɔnɔme siwo medze Mawu subɔlawo o. Eyata Kristo-hamea bua amesi nutsuɖuɖu zu numame na la abe alesi tututu wòbua amesi zu ahanoxe ene. Ahamula loo alo nutsuɖula mate ŋu anye Kristo-hamea me tɔ o.

Lododowo 23:20, 21 gblɔ be: “Meganɔ weintsunolawo kple lãtsuɖulawo dome o. Elabena ahatsunola kple nutsuɖula ɖe wodaa ahe, eye alɔ̃tsudɔla ɖe wònɔa ɖovu me.” Míexlẽ nu tso ame “dzeaglã kple tosẽla” aɖe, si dze na ku le Mose ƒe Sea nu, la ŋu le Mose V, 21:20. Nɔnɔme eve aɖewo si mawunyakpukpui sia ɖe fia le tosẽla sia si gbe dzimetɔtrɔ ŋue nye be enye “ame baɖa [nutsuɖula] kple ahamula.” Eme kɔ ƒã be le blema Israel la, wobua nutsuɖuɖu be enye nuwɔna si medze Mawu subɔla o.

Gake nukae nye nutsuɖuɖu, eye nukae Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo gblɔ tso eŋu? Nutsuɖula gɔmee nye “amesi klẽa ŋu hevuna ɖe nuɖuɖu kple nunono ŋu numametɔe.” Eyata edze kɔte be nutsuɖuɖu nye ŋukeklẽ ƒomevi aɖe, eye Mawu ƒe Nya gblɔ na mí be ŋuklẽlawo alo “ŋubiãlawo” manyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o. (Korintotɔwo I, 6:9, 10; Filipitɔwo 3:18, 19; Petro I, 4:3) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, esime apostolo Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔwo ku ɖe “ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo” ŋu la, eyɔ “ahamumuwo, aglotutuwo, kple esia tɔgbewo” hã. (Galatiatɔwo 5:19-21) Zi geɖe la, nutsuɖuɖu kple ahamumu hekpe ɖe aglotutuwo ŋu ye zɔna ɖekae. Gawu la, edze ƒã be nutsuɖuɖu hã le Paulo ƒe nya siwo nye “kple esia tɔgbewo” la me. Abe alesi wònɔna le ‘ŋutilã ƒe dɔwɔwɔ’ bubuawo gomee ene la, ele be woaɖe Kristotɔ si wova nya nyuie be enye nutsuɖula si sẽ dzime gbe dzimetɔtrɔ tso eƒe ŋukeklẽgbenɔnɔa me la ɖa le hamea me.—Korintotɔwo I, 5:11, 13. *

Togbɔ be Mawu ƒe Nya da ahamula kple nutsuɖula ɖe ka ɖeka dzi hã la, ahamumu ɖea dzesi le ame ŋu kaba wu nutsuɖuɖu. Ahamumu ɖea ha ame wokpɔna bɔbɔe. Gake afisi wòaɖo hafi woava nya ame aɖe be ezu nutsuɖula koŋ ya menyakpɔna dzea sii bɔbɔe o, le esi womate ŋu anɔ te ɖe gotagome ƒe dzedze me dzro ko dzi adze sii o ta. Eyata ebia be hamemegãwo natsɔ ŋuɖɔɖɔɖo blibo kple nugɔmesese deto akpɔ nya siawo tɔgbe gbɔe.

Le kpɔɖeŋu me, lolo akpa ate ŋu anye nutsuɖuɖu ƒe dzesi, gake menɔa nenema ɣesiaɣi o. Ame aɖe ƒe lolo akpa ate ŋu atso dɔléle aɖe gbɔ. Woate ŋu anyi lolo akpa ƒe dome hã. Ele be wòanɔ susu me na mí hã be gotagomenue lolo akpa nye, le esi nutsuɖuɖu ya nye tamesusu ƒe nɔnɔme. Woɖɔ lolo akpa be enye “amidede ɖe lãme akpa,” gake nutsuɖuɖu ya nye “ŋukeklẽ alo vuvu ɖe nu ŋu aɖu wòavivi ame nu ƒe agbenɔnɔ.” Eyata menye ame ƒe lolomee wotsɔ dzidzena nutsuɖuɖui o, ke boŋ eƒe nɔnɔme ɖe nuɖuɖu ŋue. Ame ƒe lolome ate ŋu asɔ alo wòanɔ tsralɛ gɔ̃ hã, gake wòahanye nutsuɖula. Gakpe ɖe eŋu la, lolome si woagblɔ be eyae sɔ la tona vovo tso dukɔ me yi dukɔ me.

Nukae nye nutsuɖuɖu ƒe dzesiwo? Ðokuidzimaɖumaɖu nye nɔnɔme si koŋ nɔa nutsuɖula si, eɖua nu eƒe ƒo hena diŋdiŋdiŋ, dea vovo ge doa kpoe alo toa eme dzea dɔ gɔ̃ hã. Eɖokuidzimaɖumaɖu ɖenɛ fiana be metsɔa ɖeke le vlodoame si wòahe va Yehowa kple ŋkɔ nyui si le Eƒe amewo ŋu dzi me o. (Korintotɔwo I, 10:31) Gake womabu ame aɖe si ɖua nu wògbɔa eme ɣeaɖewoɣi ko la be enye nutsuɖula alo “ŋuklẽla” o. (Efesotɔwo 5:5) Ke hã, le Galatiatɔwo 6:1 ƒe nya nu la, ahiã be woakpe ɖe Kristotɔ sia ŋu. Paulo gblɔ be: “Nɔviwo, ne vodada aɖe ɖi ɖe ame aɖe hã la, mi amesiwo nye gbɔgbɔmemewo la, miɖɔ nenem me sia ɖo le dɔmefafa ƒe gbɔgbɔ la me.”

Nukatae Biblia ƒe nuxlɔ̃ame be woatsri nutsuɖuɖu le vevie egbea wu? Elabena Yesu xlɔ̃ nu, le míaƒe ɣeyiɣi sia koŋ ŋu, be: “Ke mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, bena nutsuɖuɖu kple ahamumu kple dzimaɖitsitsi ɖe nuɖuɖu ŋu nagate miaƒe dzi ɖe to o, eye ŋkeke ma nagalili mi abe mɔ̃ ene o.” (Luka 21:34) Asaƒoƒo na nutsuɖuɖu nye mɔ siwo nu míato atsri agbenɔnɔ si doa afɔku ame le gbɔgbɔ me la dometɔ ɖeka.

Be ame nada asɔ nye Kristotɔwo ƒe nɔnɔme vevi aɖe. (Timoteo I, 3:2, 11) Eyata Yehowa akpe ɖe amesiwo doa vevie nu le wɔwɔ ɖe Biblia ƒe nuxlɔ̃ame le nuɖuɖu kple nunono le dadasɔ me dzi la ŋu godoo.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 5 Kpɔ “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ” le May 1, 1986, ƒe Gbetakpɔxɔ ƒe tata me.