Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Èdi be Yeanɔ Agbe Tegbeea?

Èdi be Yeanɔ Agbe Tegbeea?

Èdi be Yeanɔ Agbe Tegbeea?

NYƆNU tsitsi aɖe si le Japan gblɔ be: “Nyemele ku vɔ̃m o. Gake alesi madzo le seƒoƒo siawo gbɔ koe le fu ɖem nam.” Nyɔnu Kristotɔ aɖe si yi egbɔ la se eƒe nyawo gɔme elabena abɔ dzeani aɖe nɔ nyɔnu tsitsia si. Ame geɖe siwo gblɔna be yewomevɔ̃a ku o la kpɔa ŋudzedze deto ɖe alesi nuwɔwɔwo wɔ nukui ŋu eye woadi ŋutɔŋutɔ be yewoanɔ agbe tegbee hafi.

Be woanɔ agbe tegbeea? Ame geɖewo madi be woaƒo nu tso eŋu yewoase o. Ame aɖewo agblɔ kura gɔ hã be yewomedi be yewoanɔ agbe tegbee o. Nukatae ame ase le eɖokui me nenema?

Agbe Mavɔ—Ati Amea?

Ame aɖewo gblɔna be agbe mavɔ ati ame. Woate ŋu afia asi nu ɖeka wɔwɔ ɣesiaɣi ƒe agbe si ame tsitsi siwo xɔ dzudzɔ le dɔ me nɔna le esi womegale dɔ wɔm o eye television koe wonɔa kpɔkpɔm ɣesiaɣi ta. Ne nenemae nèsusuna la, ekema de ŋugble le ɣletiviŋutinunyala Robert Jastrow ƒe nya siwo wògblɔ esime wobiae be ɖe agbe mavɔ anye nunana loo alo fiƒode hã ŋu kpɔ. Jastrow ɖo eŋu be: “Anye yayra na amesiwo dina be yewoaku nu me ɣesiaɣi ahasrɔ̃ nu la. Nyanya be yewoate ŋu anɔ agbe tegbee ahasrɔ̃ nu geɖe la ado dzidzɔ na wo ŋutɔ. Gake le amesiwo susuna be yewonya nusiwo katã li vɔ kple amesiwo ƒe susu mebua nu ŋu yia ŋgɔ o gome la, anye fiƒode sẽŋu aɖe na wo. Womanya nusi woazã ɣeyiɣia atsɔ awɔe o.”

Esia fia be be agbe mavɔ ati wò loo alo mati wò o la nɔ te ɖe nɔnɔme si le asiwò dzi. Ne ‘amesi dina be yeaku nu me ahasrɔ̃ nu ɣesiaɣie’ nènye la, ke de ŋugble tso nusi nàte ŋu asrɔ̃ tso aɖaŋudɔ, hadzidzi, xɔtuɖaŋu, agbledede alo nu bubu ɖesiaɖe ƒomevi si ado dzidzɔ na wò la ŋu kpɔ. Agbe mavɔ le anyigba dzi aʋu mɔnukpɔkpɔ wɔnukuwo ɖi na wò hena nu vovovo siwo doa dzidzɔ na wò la sɔsrɔ̃.

Lɔlɔ̃ si anɔ asiwò na amewo kple alesi woalɔ̃ wò ŋutɔe la awɔe be agbe mavɔ anye nusi me dzidzeme anɔ na wò vavã. Wowɔ mí kple ŋutete be míalɔ̃ ame eye ne woɖe lɔlɔ̃ fia mía ŋutɔwo la, edoa dzidzɔ na mí. Lɔlɔ̃ vavãtɔ hea dzidzeme deto si nu meyina gbeɖe o la vanɛ. Agbe mavɔ aʋu mɔnukpɔkpɔ mavɔ ɖi na mí be míalɔ̃ mía havi kple vevietɔ Mawu. Apostolo Paulo gblɔ be: “Ne ame aɖe lɔ̃ Mawu la, ekema Mawu dze si eyama.” (Korintotɔwo I, 8:3) Mɔkpɔkpɔ wɔnuku ka gbegbee nye si—be woanya xexeame katã ƒe Dziɖulagã la eye eya hã nanya ame! Gawu la, seɖoƒe manɔe na nusɔsrɔ̃ tso mía Wɔla lɔlɔ̃a ŋu o. Nenye alea la, ekema ɖe agbe mavɔ ati ame eye mahe dzidzeme aɖeke vɛ oa?

Agbe—Enu Mesẽna Yina O eye Wòxɔ Asi

Ame aɖewo gblɔna be esi agbe le kpuie tae wònye nu xɔasi ɖo. Wotsɔa agbe sɔna kple sika le esi mebɔ o ta. Wogblɔna be ne ɖe sika bɔ ɖe afisiafi la, anye ne maxɔ asi nenema gbegbe o. Ke hã, sika agakpɔtɔ anye nu dzeani kokoko. Ðikeke aɖeke meli o be nenema ke agbe hã le.

Míate ŋu atsɔ agbe mavɔ nɔnɔ asɔ kple ya si míegbɔna ƒe agbɔsɔsɔ gbogbo aɖe. Ƒugɔmeʋawɔʋu aɖe si gblẽ kulawo ade asixɔxɔ ya si míegbɔna ŋu vevie ŋutɔ. Ne woɖe wo tso tɔa me vɔ la, èsusu be woato nyatoƒoe be nukatae ya si míegbɔna sɔ gbɔ fũ alea hã? Gbeɖe!

Abe ƒudzidela mawo ene la, woate ŋu aɖe mí eye agbe mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔ si de ŋgɔ wu wo tɔe asu míawo ya mía si. Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Nuvɔ̃ la ƒe fetue nye ku; ke Mawu ƒe amenuvevenunana la enye agbe mavɔ le Kristo Yesu, mía Aƒetɔ me.” (Romatɔwo 6:23) Mawu ato Yesu ƒe tafevɔsa dzi aɖe amegbetɔ ƒe blibomademade kple ku ɖa eye wòana agbe mavɔ ameƒomea me tɔ toɖolawo. Aleke gbegbe wòle be míada akpe ɖe lɔlɔ̃ ƒe ɖoɖo sia tae nye si!

Ke Wò Ame Veviwo Ya Ðe?

Ame aɖewo agblɔ be: ‘Ke nye ame veviwo ya ɖe? Agbe mavɔ le anyigba dzi maɖi naneke nam ne nye ame veviwo mele gbɔnye o.’ Ðewohĩ Biblia ƒe sidzedze su asiwò eye nènya be yeate ŋu ava nɔ agbe tegbee le paradiso me le anyigba dzi. (Luka 23:43; Yohanes 3:16; 17:3) Edze ƒã be èdi be wò ƒometɔ kplikplikpliwo, wò ame vevi bubuwo, kple xɔlɔ̃ veviwo hã nanɔ afima, ahakpɔ dzidzɔ le xexe yeye si me dzɔdzɔenyenye anɔ si ŋugbe Mawu do la me kpli wò.—Petro II, 3:13.

Gake ne xɔwòwo kple wò ame veviwo mele ɖetsɔleme aɖeke ɖem fia ɖe agbe mavɔ nɔnɔ le paradiso me le anyigbaa dzi ŋu o ɖe? Mègana ema naɖe dzi le ƒowò o. Yi edzi Ŋɔŋlɔawo me sidzedze vavãtɔ nasu asiwò eye nàtsɔ nusiwo srɔ̃m nèle la ade dɔwɔwɔ me. Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Ame aɖe menya nu o, wò nyɔnu, ɖewohĩ wòe ava xɔ srɔ̃wò ɖe agbe. Nenema ke wò srɔ̃ŋutsu, ɖewohĩ wòe ava xɔ srɔ̃wò ɖe agbe.” (Korintotɔwo I, 7:16, Nubabla Yeye La) Amegbetɔ trɔna. Le kpɔɖeŋu me, ŋutsu aɖe si tsi tre ɖe Kristotɔnyenye ŋu tsã la trɔ emegbe va zu hamemegã le Kristo-hame aɖe me. Egblɔ be: “Meda akpe be le ɣeyiɣi siwo katã me metsi tre ɖe nyateƒea ŋu la, nye ƒomea lé ɖe Biblia me gɔmeɖose siwo wosrɔ̃ la ŋu vevie.”

Mia kple wò ame veviwo ƒe agbe le vevie na Mawu. Le nyateƒe me la, ‘Yehowa melɔ̃ bena, ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ bena amewo katã natrɔ va dzimetɔtrɔ gbɔ.’ (Petro II, 3:9) Yehowa Mawu di be mia kple wò ame veviwo mianɔ agbe tegbee. Eƒe lɔlɔ̃ ƒo amegbetɔ madeblibowo katã ƒe lɔlɔ̃ ta. (Yesaya 49:15) Eyata nukatae màna ƒomedodo nyui nanɔ mia kple Mawu dome oa? Ema ko hafi nàte ŋu akpe ɖe wò ame veviwo ŋu be woawo hã nawɔe nenema. Ne agbe mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔ mele wo si fifia kura gɔ̃ hã o la, woƒe nɔnɔme ate ŋu atrɔ ne wokpɔe be wò nuwɔnawo le ɖekawɔwɔ me kple Biblia me sidzedze vavãtɔ.

Ke wò ame vevi siwo ɖewohĩ ku ya ɖe? Biblia na tsitretsitsi ƒe mɔkpɔkpɔ dodzidzɔnamea ame miliɔn geɖe siwo ku—be woafɔ tso ku me ava nɔ agbe le Paradiso me le anyigba dzi. Yesu Kristo do ŋugbe be: ‘Gaƒoƒo gbɔna esime amesiwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo me lado go.’ (Yohanes 5:28, 29) Amesiwo ku evɔ womenya Mawu o kura gɔ̃ hã atrɔ gbɔ va agbe me, elabena Biblia gblɔ be: “Tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.” (Dɔwɔwɔwo 24:15) Dzidzɔ ka gbegbee nye si wòanye na wò be nàdo dzaa na amesiawo ne wofɔ wo ɖe tsitre!

Agbe MavɔMɔkpɔkpɔ Dodzidzɔname Aɖee

Ne àte ŋu akpɔ dzidzɔ kple dzidzeme fifia togbɔ be xexeame ƒe kuxiwo li hã la, ekema kakaɖedzi li be àte ŋu akpɔ dzidzɔ ne èle agbe tegbee le paradiso me le anyigba dzi. Esime Yehowa Ðasefo aɖe ƒo nu tso yayra siwo agbe mavɔ ahe vɛ ŋu na nyɔnu aɖe la, egblɔ be: “Nyemedi be manɔ agbe mavɔ o. Ƒe 70 alo 80 ƒe agbe sia sɔ gbɔ nam.” Kristotɔ hamemegã aɖe si nɔ afima bia nyɔnua be: “Èbu alesi viwòwo ase le wo ɖokui me ne èku ŋu kpɔa?” Esi wòbu nyaa ŋu vie hekpɔ nuxaxa si eƒe ku anye na viawo la, aɖatsi ge le mo nɛ. Egblɔ be: “Zi gbãtɔe nye ema mekpɔe be ɖokuinye ŋu ko bumee menɔ eye mekpɔe dze sii be menye ɖokuitɔdidi ƒe mɔkpɔkpɔe agbe mavɔ nye o, ke boŋ eku ɖe mía kple ame bubuwo dome ƒomedodo ŋu.”

Ame aɖewo agblɔ be ne yewoɖale agbe alo ku o, meka ame aɖeke o. Ke hã eka míaƒe Agbenala, amesi gblɔ be: “Metà ɖokuinye ƒe agbe be: Ame vɔ̃ɖi ƒe ku mevivia nunye o, negbe be, ame vɔ̃ɖi naɖe asi le eƒe zɔzɔme ŋu, ne wòanɔ agbe boŋ ye.” (Xezekiel 33:11) Ne Mawu di be ame vɔ̃ɖiwo kura gɔ̃ hã natrɔ nɔnɔme be woanɔ agbe la, ke etsɔa ɖe le eme vevie na amesiwo lɔ̃nɛ la godoo.

Blema Israel fia Dawid ka ɖe edzi be Yehowa léa be na ame. Dawid gblɔ kpɔ be: ‘Ne nye ŋutɔ fofonye kple nye ŋutɔ danye agblẽm ɖi la, Yehowa ŋutɔ axɔ nam.’ (Psalmo 27:10) Dawid anya ka ɖe edzi be ye dzilawo lɔ̃ ye. Gake nenye be edzilawo—eƒe ƒometɔ kplikplikpliwo—agblẽe ɖi hã la, enya be Mawu ya magblẽ ye ɖi o. Esi Yehowa lɔ̃ mí hetsɔ ɖe le eme na mí tae wòdo agbe mavɔ kple ƒomedodo kple eyama ƒe ŋugbe na mí. (Yakobo 2:23) Ðe mele be míatsɔ akpedada axɔ nunana nyui siawo gbegbe oa?

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Lɔlɔ̃ na Mawu kple na ame havi awɔe be agbe mavɔ avivi