Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ɣeyiɣi Didi Kae Ame Ate Ŋu Anɔ Agbe?

Ɣeyiɣi Didi Kae Ame Ate Ŋu Anɔ Agbe?

Ɣeyiɣi Didi Kae Ame Ate Ŋu Anɔ Agbe?

LE March 3, 1513 dzi la, Spaintɔ anyigbayeyedila Juan Ponce de León, zɔ mɔ ɖedzesi aɖe. Eɖo tɔdziʋu tso Puerto Rico henɔ mɔ kpɔm be yeava ke ɖe Bimini ƒukpo ŋu. Wotu xo be enɔ tsidzidzi wɔnuku aɖe—Vudo si Nye Sɔhɛmenɔnɔ Dzɔtsoƒe—dim. Ke hã, du si woyɔna fifia be Florida, si le U.S.A. mee wòva do ɖo. Le nyateƒe me la, meke ɖe tsidzidzi alo vudo la ŋu o, elabena tsi ma ƒomevi aɖeke meli o.

Ameƒomea me tɔ akpa gãtɔ menɔa agbe wòdidina fũ wu ƒe 70 alo 80 egbea o. Togbɔ be Biblia ƒo nu tso amesiwo nɔ agbe wòdidi ŋutɔ ŋu hã la, agbalẽ si nye 2002 Guinness Book of World Records gblɔ be ame tsitsitɔ kekeake si nɔ agbe kpɔ le míaƒe ɣeyiɣia me xɔ ƒe 122 kple ŋkeke 164 hafi ku. (Mose I, 5:3-32) Ke hã, nugbagbeŋutinunyala John Harris gblɔ be: “Numekuku yeyewo ɖee fia be ate ŋu adzɔ be míaɖe tsitsi—kple ku kura gɔ̃ hã—ɖa le xexeame.” Ƒe 2000 ƒeawo me numekulawo le nu ƒom le nya siwo nye “makumakunyenye ŋutɔŋutɔ,” “kaka ƒe 2099 naɖo la, seɖoƒe maganɔ amegbetɔwo ƒe agbe ŋu o,” “alesi wòate ŋu adzɔ be lãmenugbagbeviwo nanɔ dzidzim ɖe edzi tegbee,” kple nya siawo tɔgbe ŋu.

Mark Benecke gblɔ le agbalẽ si nye The Dream of Eternal Life (Agbe Mavɔ Drɔ̃e) me be: “Le ame ƒe agbenɔɣi la, lãmenugbagbevi siwo katã kloe le ametia me la ɖɔa li wo nɔewo yeyee zi geɖe. . . . Le ƒe adre ɖesiaɖe lɔƒo la, míaƒe ŋutilã trɔna zua yeye ŋutɔŋutɔ.” Ke hã liɖɔɖɔ sia meyia edzi ɖaa o elabena lãmenugbagbeviwo dzudzɔna dzidzi ɖe edzi ne wonya dzi ɖe edzi ɖo afi aɖe ko megbe. Benecke gblɔ be ne ɖe lãmenugbagbeviwo medzudzɔna dzidziɖedzi o la, “anye ne amegbetɔ ƒe ŋutilã ate ŋu anɔ eɖokui ɖɔlim wòadidi ŋutɔ—yi mavɔmavɔ me kura gɔ̃ hã—hafi.”

De ŋugble le ŋutete wɔmoya si le amegbetɔ ƒe ahɔhɔ̃, si ƒe akpa sue aɖe koe míezãna le esi míaƒe agbenɔƒewo le kpuie ta, la hã ŋu kpɔ. Encyclopædia Britannica gblɔ be amegbetɔ ƒe ahɔhɔ̃ “ate ŋu awɔ nu geɖe wu esiwo míezãnɛ tsɔ wɔna le míaƒe agbenɔɣi.” (1976 ƒe Tata, Babla 12, axa 998) David A. Sousa gblɔ le eƒe agbalẽ si nye How the Brain Learns (Alesi Ahɔhɔ̃ la Srɔ̃a Nui) me be: “Ŋutete le ahɔhɔ̃ la ŋu be wòadzra nyatakaka agbɔsɔsɔme ɖesiaɖe ɖo ku ɖe nusianu ŋu.”—Axa 78, Tata Evelia, copyright 2001.

Nukatae numekulawo mekpɔ naneke le ametia me si ta míekuna ɖo o? Eye nukatae ŋutete ma gbegbe le amegbetɔ ƒe ahɔhɔ̃ ŋu? Alo ɖe wòanye be ɖe wowɔ mí be míate ŋu ayi edzi anɔ nu srɔ̃m tegbeea? Nukatae míebua agbe mavɔ nɔnɔ ŋu ya?

Biblia gblɔ be: “[Mawu de] mavɔmavɔnyenye dzi me na wo, negbe ɖeko amegbetɔ menya mɔnu le nusiwo Mawu wɔ la ƒe agɔmegbɔ kple tagbɔ ŋu o.” (Nyagblɔla 3:11) Nya mawo fia be Mawu de didi mía me be míanɔ agbe tegbee. Le nyateƒe me la, seɖoƒe meli na nusiwo míasrɔ̃ tso Mawu kple eƒe dɔwɔnawo ŋu o. Ne míenɔ agbe ƒe biliɔn geɖe siwo mele xexlẽ me o hã—ẽ, ne míenɔ agbe tegbee kura gɔ̃ hã la—míate ŋu ayi edzi asrɔ̃ nu tso Mawu ƒe dɔwɔna wɔnukuwo ŋu ɣesiaɣi.

Yesu Kristo ƒe nyawo hã fia be amegbetɔwo ate ŋu anɔ agbe tegbee. Egblɔ be: “Esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.” (Yohanes 17:3) Ke wò ya ɖe? Èdi be yeanɔ agbe tegbeea?

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

Juan Ponce de León di tsidzidzi si naa wonɔa sɔhɛ me ɖaa

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

Ponce de León: Harper’s Encyclopædia of United States History