Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Di Yehowa, Dziwo Me Dzrola La

Di Yehowa, Dziwo Me Dzrola La

Di Yehowa, Dziwo Me Dzrola La

“Midim, ne mianɔ agbe.”​—AMOS 5:4.

1, 2. Ne Ŋɔŋlɔawo gblɔ be “Yehowa kpɔa keke dzi me ke” la, nukae wòfia?

YEHOWA MAWU gblɔ na nyagblɔɖila Samuel be: “Amegbetɔ kpɔa ŋku nu, ke Yehowa kpɔa keke dzi me ke.” (Samuel I, 16:7, 8) Aleke Yehowa wɔna “kpɔa keke dzi me ke”?

2 Le Ŋɔŋlɔawo me la, wozãa dzi tsɔ wɔa kpɔɖeŋu na nusi ame nye le ememe—amea ƒe didiwo, eƒe tamesusuwo, nusiwo ʋãnɛ kple nusiwo wòlɔ̃na. Eyata ne Biblia gblɔ be Mawu kpɔa dzi me la, efia be menye ame ƒe gotagome dzedzeme ŋu koe wòléa ŋku ɖo o ke boŋ amesi ƒomevi tututu amea nye koŋ ŋue wòléa ŋku ɖo.

Mawu Lé Ŋku Ðe Israel Ŋu

3, 4. Le Amos 6:4-6 ƒe nya nu la, nɔnɔme kawoe nɔ anyi le Israel-to ewo fiaɖuƒea me?

3 Esi dziwo me Dzrola la lé ŋku ɖe Israel ƒe to ewo fiaɖuƒea ŋu le Amos ƒe ŋkekea me la, nukae wòkpɔ? Amos 6:4-6 gblɔ be amewo ‘mlɔ nyiɖubatiwo dzi, eye wodra ɖe woƒe mlɔƒewo.’ Wonɔ ‘alẽviwo ɖum le lãhawo dome kple nyiviwo le lãkpɔ me.’ Amesiawo “nɔa saŋku ƒom kɔ kple avu” eye wonɔa ‘wein nom le vɔsatrewo me.’

4 Ate ŋu awɔ na wò gbã be nukpɔkpɔ dodzidzɔname aɖee nusia anye. Kesinɔtɔwo ɖua agbe le woƒe aƒe dzeaniwo me, woɖua nu damiwo noa aha nyuitɔwo hetsɔa haƒonu siwo le tsia dzi ɖea modzakae na wo ɖokui. “Nyiɖubatiwo” hã nɔ wo si. Tomenukulawo kpɔ nyiɖu gbogbo aɖewo siwo wotsɔ aɖaŋu blibo kpae le Samaria si nye Israel-fiaɖuƒea ƒe fiadu me. (Fiawo I, 10:22) Ðewohĩ wofa wo dometɔ geɖe ɖe xɔmenuwo kple ati siwo wotsɔ ɖo atsyɔ̃ na gli hã ŋu.

5. Nukatae Mawu mekpɔ ŋudzedze ɖe Israel-vi siwo nɔ anyi le Amos ƒe ŋkekea me ŋu o?

5 Ðe Israel-viwo ƒe agbeɖuɖu, woƒe nu viviwo ɖuɖu, woƒe aha nyui nono, kple ha vivi sese ve Yehowaa? Kura o! Ne èbu eŋu kpɔ la, eyae na nuwo katã fũ hena amegbetɔ ƒe zazã. (Timoteo I, 6:17) Dzodzro vɔ̃ siwo ŋu ameawo nɔ bubum, dzi ƒe nɔnɔme gbegblẽ si nɔ wo me, mawumavɔ̃mavɔ̃ ƒe nɔnɔme si nɔ wo si ku ɖe Mawu ŋu kple wo havi Israel-viwo malɔ̃malɔ̃ ye ɖe fu na Yehowa.

6. Gbɔgbɔ me nɔnɔme ka mee Israel nɔ le Amos ƒe ɣeyiɣia me?

6 Nu wɔmoya aɖe le amesiwo ‘dra ɖe woƒe mlɔƒewo, le alẽviwo ɖum le lãhawo dome, le wein nom, eye wole saŋku ƒom’ la lalam. Wobia amesiawo be: ‘Ðe mieŋlɔ dzɔgbevɔ̃e ŋkeke si gbɔna la bea?’ Ðe wòle be woaxa nu vevie le nɔnɔme siwo le Israel ta hafi, gake “Yosef ƒe abixɔxɔ metsɔa fu lã me na [wo] o.” (Amos 6:3-6) Togbɔ be ganyawo dze edzi na dukɔa hã la, Yehowa kpɔ be le gbɔgbɔ me gome la, Yosef—alo Israel—nɔ nɔnɔme dziŋɔ aɖe me. Gake ɖeko amewo nɔ woƒe gbesiagbe nuwɔnawo dzi ɖekematsɔlemetɔe. Ame geɖe ɖea nɔnɔme sia tɔgbe ke fiana egbea. Woalɔ̃ ɖe edzi be míele ɣeyiɣi sesẽwo me ya, gake zi alesi menye woawo ŋutɔ dzie naneke dzɔ ɖo tẽ o ko la, wometsɔa ɖeke le ame bubuwo ƒe fukpekpe me o eye womebua gbɔgbɔmenuwo hã ŋu o.

Israel—Dukɔ si Ŋu Nu Gblẽ Le

7. Nukae adzɔ ne Israel-dukɔa mewɔ Mawu ƒe nuxlɔ̃amewo dzi o?

7 Amos ƒe agbalẽa ƒo nu tso alesi nuwo gblẽ le dukɔa mee ŋu, togbɔ be le gotagome la, adze abe ɖe naneke mele dzɔdzɔm o ene hã. Esi womewɔ Mawu ƒe nuxlɔ̃ame dzi hetrɔ susu o ta la, Yehowa magakpɔ wo ta tso woƒe futɔwo si me azɔ o. Asiriatɔwo ava ahe wo adzoe le woƒe nyiɖubati dzeaniawo dzi akplɔ wo ayi kluvinyenye me akpasesẽtɔe. Woƒe agbeɖuɖua ase ɖe afima!

8. Aleke Israel wɔ va ge ɖe gbɔgbɔ me nɔnɔme gbegblẽ aɖe me?

8 Aleke wòdzɔe be Israel-dukɔa va ɖo nɔnɔme sia me? Nya bliboa katã dze egɔme ƒe 997 D.M.Ŋ. me esime Salomo ku eye via Rexabeam va xɔ ɖe eteƒe eye Israel ƒe to ewo ma ɖa tso Yuda kple Benyamin toawo ŋu. Israel-to ewo fiaɖuƒea ƒe fia gbãtɔe nye Yerobeam I, si nye “Nebat vi.” (Fiawo I, 11:26) Fia Yerobeam ble amesiwo nɔ eƒe dziɖuɖu te woxɔe se be mɔzɔzɔ ayi Yerusalem ava subɔ Yehowa nye nu sesẽ na yewo akpa. Gake menye ameawo ƒe nyonyo ŋue wòtsi dzi ɖo ŋutɔŋutɔ o. Eya ŋutɔ ƒe nyonyo ŋue wònɔ agbagba dzem le. (Fiawo I, 12:26) Yerobeam nɔ vɔvɔ̃m be ne Israel-viwo yi edzi le Yerusalem gbedoxɔa me dem na ƒe sia ƒe ŋkekenyuiwo hena Yehowa kafukafu la, woƒe dzi ava trɔ ɖe Yuda-fiaɖuƒea ŋu mlɔeba. Eyata be Yerobeam naxe mɔ ɖe nusia nu la, ewɔ sikanyivi eve eye wòda ɖeka ɖe Dan, evelia ɖe Betel. Ale wɔ nyivisubɔsubɔ va zu Dukɔa ƒe tadedeagu le Israel-fiaɖuƒea me.—Kronika II, 11:13-15.

9, 10. (a) Mawusubɔsubɔ me ŋkekenyui kawo ŋue Fia Yerobeam I wɔ ɖoɖo ɖo? (b) Aleke Mawu bu ŋkeke nyui siwo woɖu le Israel le Fia Yerobeam II ƒe ŋkekeawo me lae?

9 Yerobeam dze agbagba be yeana subɔsubɔha yeye sia nadze nu akuakuae. Ewɔ ɖoɖo ɖe azãɖuɖu siwo ɖi ŋkekenyui siwo woɖuna le Yerusalem ŋu. Míexlẽ le Fiawo I, 12:32 be: “Yerobeam ɖo ŋkekenyui anyi ɖe dzinu enyilia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia dzi, abe alesi woɖua ŋkekenyui le Yuda ene, eye wòsa vɔ le vɔsamlekpui la dzi. Alea wòwɔ le Betel hã.”

10 Yehowa mekpɔ ŋudzedze ɖe alakpasubɔsubɔ me ŋkekenyui siawo ɖuɖu ŋu gbeɖe o. Ena esia me kɔ nyuie to Amos dzi le ƒe alafa ɖeka kple edzivɔ megbe le Yerobeam II si va zu Israel-to ewo fiaɖuƒea ƒe fia le ƒe 844 D.M.Ŋ. lɔƒo ƒe dziɖuɣi. (Amos 1:1) Mawu gblɔ le Amos 5:21-24 be: “Melé fu miaƒe ŋkekenyuiwo, eye metsri wo, eye nyemaʋẽ miaƒe takpegbewo ase o. Elabena ne miesa numevɔ kple nuɖuvɔ nam hã la, womadze ŋunye o, eye nyemanyẽ kɔ akpɔ miaƒe nyivi damiwo ƒe akpedavɔsawo o. Te wò hawo ƒe ɖiɖi ɖe megbe tso gbɔnye, wò saŋkuƒoƒowo le to me vem nam! Nya dzɔdzɔe nesi abe tsi ene, eye dzɔdzɔenyenye abe tɔʋu, si memiena o la ene boŋ!”

Nusiwo Ði Ema Egbea

11, 12. Nusiwo sɔ kple wo nɔewo kawoe le blema Israel ƒe tadedeagu kple Kristodukɔa tɔ dome?

11 Edze ƒã be Yehowa dzro amesiwo nɔ Israel ƒe ŋkekenyuiwo ɖum la ƒe dzi me kpɔ, eye egbe woƒe ŋkekenyuiwo kple woƒe numemewo. Nenema kee egbea hã Mawu gbe Kristodukɔa ƒe trɔ̃subɔsubɔ ŋkekenyuiwo, abe Kristmas kple Easter ene. Yehowa subɔlawo nyae be ƒomedodo aɖeke mate ŋu anɔ dzɔdzɔenyenye kple sedzimawɔmawɔ dome o, eye ɖekawɔwɔ aɖeke mate ŋu anɔ kekeli kple viviti dome o.—Korintotɔwo II, 6:14-16.

12 Míate ŋu ade dzesi nu bubu siwo ɖi wo nɔewo le Israel-viwo ƒe nyivisubɔsubɔ kple Kristodukɔa ƒe tadedeagu dome. Togbɔ be amesiwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye dometɔ aɖewo xɔ Mawu ƒe Nya la ƒe nyateƒea dzi se hã la, menye lɔlɔ̃ vavã na Mawue ʋãa Kristodukɔa le eƒe tadedeagu me o. Ne eyae wònye la, anye ne ate tɔ ɖe edzi be woade ta agu na Yehowa “le gbɔgbɔ kple nyateƒe me” elabena tadedeagu ma tɔgbee dzea eŋu. (Yohanes 4:24) Hekpe ɖe eŋu la, Kristodukɔa mena “nya dzɔdzɔe [si] abe tsi ene, eye dzɔdzɔenyenye abe tɔʋu, si memiena o la ene” o. Ðe wòtɔa tsi Mawu ƒe agbenyuinɔnɔ nudidiwo ɣesiaɣi boŋ. Eɖea mɔ ɖe ahasiwɔwɔ kple nuvɔ̃ tɔŋku bubuwo ŋu eye wòte kpɔ yraa ŋutsu kple ŋutsu kpakple nyɔnu kple nyɔnu ƒe srɔ̃ɖeɖewo kura gɔ̃ hã!

“Milɔ̃ Nyui”

13. Nukatae wòhiã be míawɔ ɖe nya siwo le Amos 5:15 dzi?

13 Yehowa gblɔ na amesiwo katã di be yewoasubɔ eyama wòadze eŋu be: “Milé fu vɔ̃, milɔ̃ nyui.” (Amos 5:15) Lɔlɔ̃ kple fuléle nye seselelãme sẽŋu siwo tsoa kpɔɖeŋudzia me. Esi alakpatɔe ame ƒe dzi nye ta la, ele be míawɔ nusianu si míate ŋui atsɔ akpɔ etae. (Lododowo 4:23; Yeremya 17:9) Ne míeɖe mɔ na míaƒe dzi wònɔa didi vɔ̃wo ŋu bum la, míava nɔ nu gbegblẽwo lɔ̃m eye míanɔ fu lém nu nyui. Eye ne míewɔ ɖe didi mawo dzi ale be míeva le nuvɔ̃ wɔm la, dzonɔameme ka gbegbe míetsɔ le subɔsubɔmee o, mana míaƒe nu nadze Mawu ŋu gbeɖe o. Eyata mina míado gbe ɖa na Mawu be wòakpe ɖe mía ŋu ‘míalé fu nu vɔ̃ɖi ahalɔ̃ nu nyui.’

14, 15. (a) Amesiwo nɔ nu nyui wɔm le Israel dometɔ aɖewo ɖe, gake aleke wowɔ nu ɖe wo dometɔ aɖewo ŋui? (b) Aleke míate ŋu ade dzi ƒo na amesiwo le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm egbeae?

14 Menye Israel-viwo katãe nɔ nusi nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume wɔm o. Le kpɔɖeŋu me, Hosea kple Amos ‘lɔ̃ nu nyui’ eye wowɔ woƒe nyagblɔɖidɔa na Mawu nuteƒewɔwɔtɔe. Ame bubuwo ɖe adzɔgbe be yewoanye Nasiretɔwo. Le woƒe Nasiretɔa nyeɣi la, wotsria nusianu si tso weintsetse me, vevietɔ wein la ŋutɔ. (Mose IV, 6:1-4) Aleke Israel-vi bubuawo bu nu nyui siwo wɔm amesiawo nɔ lae? Biabia sia ƒe ŋuɖoɖo dovoɖiname la ɖe alesi gbegbe nu gblẽ le dukɔa ŋu le gbɔgbɔ mee fia. Amos 2:12 gblɔ be: “Miena wein Mawu ƒe kluwo [Nasiretɔwo] wono, eye miede se na nyagblɔɖilawo gblɔ be: Migagblɔ nya ɖi o!”

15 Esi Israel-vi mawo kpɔ Nasiretɔwo kple nyagblɔɖilawo ƒe nuteƒewɔwɔ kpɔɖeŋua la, ɖe wòle be wòana ŋu nakpe wo, wòate ɖe wo dzi ne woatrɔ woƒe agbenɔnɔ hafi. Gake ɖe woƒe amemalɔ̃malɔ̃a na wodi boŋ be yewoaɖe dzi le nuteƒewɔlawo ƒo ne womagatsɔ ŋutikɔkɔe na Mawu o. Mele be míagblɔ na mɔɖelawo, dutanyanyuigblɔlawo, dzikpɔla mɔzɔlawo, alo Betel-ƒomea me tɔwo, be woaɖe asi le woƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ŋu ava nɔ agbe si wogblɔna be eyae nye alesi amesiame nɔa agbee la gbeɖe o. Ke boŋ mina míade dzi ƒo na wo be woayi woƒe dɔ nyuia wɔwɔ dzi!

16. Nukatae nu dze edzi na Israel-viwo le Mose ƒe ŋkekea me wu alesi wònɔ na wo le Amos ƒe ɣeyiɣia me?

16 Togbɔ be nu dze edzi na Israel-vi geɖe le ŋutilã me le Amos ƒe ŋkekea me hã la, ‘womenye kesinɔtɔwo le Mawu gbɔ o.’ (Luka 12:13-21) Mana koe nye nu wo tɔgbuiwo kpɔ ɖu le gbeadzi ƒe 40 sɔŋ. Womeɖu nyi damiwo alo dra ɖe nyiɖubati dzi kuviatɔe o. Gake Mose gblɔ na wo wòsɔ nyuie be: “Yehowa, wò Mawu, yra wò asinudɔwɔwɔwo katã, . . . eye Yehowa, wò Mawu, li kpli wò ƒe blane sɔŋ, ale be naneke mehiã wò o.” (Mose V, 2:7) Nyateƒee, nusiwo hiã Israel-viwo ŋutɔŋutɔ le gbeadzi la nɔ wo si ɣeawokatãɣi. Ƒo wo katã ta la, Yehowa lɔ̃ wo, kpɔ wo ta, heyra wo!

17. Nukatae Yehowa kplɔ Israel-vi gbãtɔwo va Ŋugbedodonyigbaa dzi ɖo?

17 Yehowa ɖo ŋku edzi na Amos ŋɔlimetɔwo be yekplɔ wo tɔgbuiwo va Ŋugbedodonyigbaa dzi eye yekpe ɖe wo ŋu wonya woƒe futɔwo katã ɖa. (Amos 2:9, 10) Gake nukatae Mawu kplɔ Israel-viwo dzo le Egipte va anyigba si ŋugbe wòdo na wo dzi? Be woava ɖu agbe blibaa kaka agbe wo Wɔla taea? Kpao! Ke boŋ ewɔ esia be woanye ablɔɖedukɔ si le dzadzɛ le gbɔgbɔ me ale be woade ta agu na ye. Gake Israel ƒe to ewo fiaɖuƒea me nɔlawo melé fu nu vɔ̃ɖi helɔ̃ nu nyui o. Ðe wova le ŋutikɔkɔe tsɔm na legbawo boŋ, menye na Mawu o. Ŋukpenya ka gbegbee nye si!

Yehowa Bia Akɔnta

18. Nukatae Mawu na ablɔɖe mí le gbɔgbɔ me?

18 Mawu maŋe aɖaba aƒu ŋukpenanu siwo wɔm Israel-viwo nɔ dzi o. Ena nya sia me kɔ kɔte esi wògblɔ be: “Mahe to na mi le miaƒe vodadawo katã ta.” (Amos 3:2) Ele be nya mawo nana míabu tame tso mía ŋutɔwo míaƒe ɖeɖe tso kluvinyenye na egbegbe Egipte, si nye fifi nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia me ŋu. Yehowa mewɔ mí ablɔɖeviwoe ale be míati ɖokuitɔdidi ƒe taɖodzinuwo yome o. Be míanye ablɔɖevi siwo atsɔ ŋutikɔkɔe si tso tadedeagu dzadzɛ me anae tae wòwɔ esia ɖo. Eye mía dometɔ ɖesiaɖe abu akɔnta le alesi míezãa ablɔɖe si Mawu na míi ŋu.—Romatɔwo 14:12.

19. Le Amos 4:4, 5 ƒe nya nu la, nukae Israel-vi akpa gãtɔ va lɔ̃?

19 Nublanuitɔe la, Israel-vi akpa gãtɔ metsɔ ɖeke le Amos ƒe gbedasi sẽŋua me o. Nyagblɔɖilaa klo nu le alesi dukɔa dze gbɔgbɔmedzidɔe dzi, esi wògblɔ nya siawo siwo le Amos 4:4, 5, be: “Miyi Betel, ne miaɖawɔ nu tovo; miyi Gilgal, ne miaɖawɔ nu tovo ɖe edzi! . . . elabena alea vivia mi Israel-viwo nu.” Israel-viwo mena didi nyuiwo nɔ woamawo me o. Womekpɔ woƒe dzi ta o. Ena wo dome ame akpa gãtɔ va lɔ̃ vɔ̃ eye wolé fu nyui. Nyivisubɔla dzimesesẽtɔ mawo gbe dzimetɔtrɔ. Yehowa abia akɔnta tso wo si eye woaku kple woƒe nuvɔ̃awo!

20. Aleke ame awɔ nu wòasɔ ɖe nya si le Amos 5:4 nui?

20 Manɔ bɔbɔe na amesiwo nɔ Israel ɣemaɣi be woayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa o. Menye nu bɔbɔe wònye be woatsi tre ɖe nusi dzi amesiame lɔ̃ ɖo ŋu o, abe alesi Kristotɔ siwo li egbea, sɔhɛwo kple tsitsiawo siaa, nyae nyuie ene. Ke hã, lɔlɔ̃ na Mawu kple didi be yewoadze eŋu ʋã Israel-vi aɖewo woyi tadedeagu vavãtɔ dzi. Yehowa gblɔ amekpekpe dodzidzɔname si le Amos 5:4 na wo be: “Midim, ne mianɔ agbe!” Nenema kee egbea hã Mawu kpɔa nublanui na amesiwo trɔ dzime hedi eyama to eƒe Nya la me sidzedze vavãtɔ xɔxɔ kple eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me lae. Mele bɔbɔe be woawɔ nusia ya o, gake ewɔwɔ ana woakpɔ agbe mavɔ.—Yohanes 17:3.

Nudzedziname Togbɔ Be Gbɔgbɔmedɔwuame Li Hã

21. Dɔ kae le amesiwo mele tadedeagu vavãtɔ me o la wum?

21 Nukae le amesiwo mele tadedeagu vavãtɔ ƒe akpa dzi o lalam? Dɔwuame si nu sẽ wu ɖesiaɖe ye—si nye gbɔgbɔmedɔwuame! “Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, ŋkekewo li gbɔna, eye maɖo dɔwuame ɖe anyigba dzi, ke menye abolodɔ alo tsikɔwuame ɖe tsi ŋu o, ke boŋ ɖe Yehowa ƒe nyawo sese ŋu.” (Amos 8:11) Gbɔgbɔmedɔ ma le Kristodukɔa wum vevie. Gake dzinyuitɔ siwo le eme la te ŋu kpɔa Mawu ƒe amewo ƒe gbɔgbɔ me nudzedziname eye wovaa Yehowa ƒe habɔbɔa me bibibi. Vovototo si le nɔnɔme si me Kristodukɔa le kple esi bɔ ɖe Kristotɔ vavãwo dome la dze ƒã le Yehowa ƒe nya siawo me be: “Kpɔ ɖa, nye dɔlawo aɖu nu, ke miawo la, dɔ awu mi; kpɔ ɖa, nye dɔlawo ano nu, ke miawo la, tsikɔ awu mi; kpɔ ɖa, nye dɔlawo akpɔ dzidzɔ, ke miawo la, ŋu akpe mi.”—Yesaya 65:13.

22. Nukatae susu le eme be míakpɔ dzidzɔ?

22 Abe Yehowa subɔlawo ene la, ɖe míekpɔa ŋudzedze ɖe nusiwo le mía si siwo nye gbɔgbɔmenunanawo kple eƒe yayrawo ŋu ŋutɔŋutɔa? Ne míesrɔ̃ Biblia kple Kristotɔwo ƒe agbalẽwo, eye míeyi míaƒe kpekpewo kple takpekpewo la, ɖeko wòwɔna na mí be míanɔ ɣli dom dzidzɔtɔe ŋutɔŋutɔ le míaƒe dzi ƒe dzidzɔkpɔkpɔ ta. Míekpɔa dzidzɔ ɖe Mawu ƒe Nya la ƒe gɔmesese si me kɔ si su mía si ta, esi me Amos ƒe nyagblɔɖi si tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me hã le.

23. Nuka mee amesiwo tsɔa ŋutikɔkɔe naa Mawu la sea vivi le?

23 Mɔkpɔkpɔ gbedasi aɖe le Amos ƒe nyagblɔɖia me na amesiwo katã lɔ̃ Mawu eye wodi be yewoatsɔ ŋutikɔkɔe nɛ. Aleke míaƒe ganyawo ɖale fifia alo tetekpɔ kawo me tomee míele le xexe tɔzi sia me o, Mawu yraa mí amesiwo lɔ̃ eyama, eye le gbɔgbɔ me gome la, míawoe ɖua nu nyuitɔ kekeake. (Lododowo 10:22; Mateo 24:45-47) Eyata ŋutikɔkɔe la katã neyi na Mawu, amesi naa nuwo katã mí fũ hena míaƒe viɖe. Eyata mina míaɖoe kplikpaa be míatsɔ míaƒe kafukafu si tso dzi me anɔ enam tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. Mɔnukpɔkpɔ dodzidzɔname siae asu mía si ne míedi Yehowa, dziwo me Dzrola la.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nɔnɔme kawoe nɔ Israel le Amos ƒe ŋkekeawo me?

• Nukae alesi nuwo nɔ le Israel-to ewo fiaɖuƒea me la sɔ kpli egbea?

• Dɔwuame si ŋu nya wogblɔ ɖi kae li egbea, gake amekawoe dɔa mele wuwum o?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 21]

Israel-vi geɖe ɖu agbe gake nu medze edzi na wo le gbɔgbɔ me o

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

De dzi ƒo na ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo be woayi woƒe dɔ nyuia wɔwɔ dzi

[Nɔnɔmetata siwo le axa 24, 25]

Dɔ mele Yehowa ƒe ame kpɔdzidzɔawo dometɔ aɖeke wum le gbɔgbɔ me o