Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Nuteƒewɔlawo Ƒe Agbadɔ Ade Ama”

“Nuteƒewɔlawo Ƒe Agbadɔ Ade Ama”

“Nuteƒewɔlawo Ƒe Agbadɔ Ade Ama”

NE Harmagedon-ʋaa dzɔ eye wòhe Satana ƒe nuɖoanyi vɔ̃ɖia va nuwuwui la, “ame vɔ̃ɖiwo ƒe aƒe agblẽ.” Ke “nuteƒewɔlawo ƒe agbadɔ” ya ɖe? Ènyaa, le Mawu ƒe nuɖoanyi yeyea me la, “ade ama.”—Lododowo 14:11.

Gake hafi ‘woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba dzi, ahaho ame maɖianukwarewo ɖa le edzi’ la, ele be nuteƒewɔlawo nanɔ ame vɔ̃ɖiwo dome. (Lododowo 2:21, 22) Ðe eme anyo na nuteƒewɔlawo le nɔnɔme siawo mea? Biblia-gbalẽ si nye Lododowo ta 14 ƒe kpukpui 1-11 ɖee fia be ne míena nunya fia mɔ mí le míaƒe nuƒoƒo kple nuwɔnawo me la, míate ŋu akpɔ dzidzedze ahali ke le agbe me vaseɖe afi aɖe fifia gɔ̃ hã.

Esime Nunya Naa Wotua Aƒe

Esime blema Israel-fia Salomo nɔ nu ƒom tso srɔ̃nyɔnu ƒe wɔƒe le ƒomea ƒe nyonyo me ŋu la, egblɔ be: “Nyɔnuwo ƒe nunya tua woƒe xɔ; ke bometsitsi tsɔa eya ŋutɔ ƒe asi gbãnɛ ƒua anyi.” (Lododowo 14:1) Aleke nyɔnu nunyala tua eƒe xɔe? Nyɔnu nunyala dea bubu tanyenye ƒe ɖoɖo si Mawu wɔ la ŋu. (Korintotɔwo I, 11:3) Meɖea mɔ ɖokuisinɔnɔ ƒe gbɔgbɔ si xɔ aƒe ɖe Satana ƒe xexea me la kpɔa ŋusẽ ɖe edzi o. (Efesotɔwo 2:2) Ebɔbɔa eɖokui ɖe srɔ̃a te eye wòƒoa nu nyui tsoa eŋu na ame bubuwo, si wɔnɛ be wodea bubu srɔ̃a ŋu geɖe wu. Nyɔnu nyanu wɔa akpa vevi aɖe le nufiafia viawo tso mawusubɔsubɔ kple nu veviwo ŋu me. Ewɔa dɔ kutrikukutɔe hena eƒe aƒemetɔwo ƒe nyonyo, eye wònana aƒea me nyea afisi modzeanyi kple akɔfafa nɔna na ƒomea. Ekpɔa nuwo gbɔ le aƒea me ŋuɖɔɖotɔe eye wòléa be na ga. Nyɔnu nyanu wɔa akpa vevi aɖe le eƒe aƒemetɔwo ƒe dzidzedzekpɔkpɔ kple kelili me vavã.

Nyɔnu tsibome medea bubu Mawu ƒe tanyenye ƒe ɖoɖo si wòwɔ la ŋu o. Nya manyomanyowo gbɔgblɔ tso srɔ̃a ŋu meɖea fu nɛ o. Esi wònye meléa be na nu o ta la, egblẽa eƒe ƒomea ƒe nunɔamesi siwo wokpe fu kpɔ la dome yakatsyɔ. Ewɔa kuvia hã. Eyata aƒea me menɔa dzadzɛ eye nuwo nɔa ɖoɖo nu o, eye ɖeviawo kpea fu le ŋutilã kple gbɔgbɔ me. Ẽ, bometsila gbãa eƒe aƒe nyateƒe.

Ke nukae fiana be ame aɖe nye nunyala alo bometsila? Lododowo 14:2 gblɔ be: “Amesi vɔ̃a Yehowa la, toa mɔ dzɔdzɔe dzi; ke amesi toa mɔ gɔglɔ̃ dzi la, doa vloe.” Nuteƒewɔla vɔ̃a Mawu vavã la, eye “Yehowa vɔvɔ̃ enye nunya ƒe gɔmetoto.” (Psalmo 111:10) Amesi nyaa nu nyateƒe la nya be enye yeƒe agbanɔamedzi be ‘yeavɔ̃ Mawu, ahalé eƒe seawo me ɖe asi.’ (Nyagblɔla 12:13) Ke bometsila ya wɔa nusi to vovo na ema hewɔa nusiwo mewɔ ɖeka kple Mawu ƒe dzidzenu dzɔdzɔewo o. Eƒe mɔwo glɔ̃. Amesia ƒomevi doa vlo Mawu hegblɔna le eƒe dzi me be: “Mawu aɖeke meli o.”—Psalmo 14:1.

Ne Nunya Fia Mɔ Nuyiwo

Nukae woate ŋu agblɔ tso amesi vɔ̃a Yehowa ƒe nuƒo kple amesi doa vloe tɔ ŋu? “Bometsila ƒe nu enye ameƒoti hena eƒe dàda; ke nunyalawo ƒe nuyi kpɔa wo dzi.” (Lododowo 14:3) Esi nunya si tso dziƒo mele bometsila si o ta la, menyea ame fafa alo nugɔmesela o. Nunya si wòtsɔ kplɔa eɖokui la nye anyigba dzi, lãwo, kple gbɔgbɔ vɔ̃wo tɔ. Nya siwo dona le eƒe nu me hea dzre vɛ eye dada dzena le wo me. Nya siwo wògblɔna dadatɔe hea kuxiwo vaa woa kple ame bubuwo dome.—Yakobo 3:13-18.

Nunyala ƒe nuyiwo dzɔa eŋu alo kpɔa eta eye wòhea dzidzeme kple dzidzɔ vanɛ nɛ. Aleke esia dzɔnae? Ŋɔŋlɔawo gblɔ be: “Ame aɖewo ƒe nuƒoƒo le abe yitɔame ene; ke nunyalawo ƒe aɖe daa gbe le ame ŋu.” (Lododowo 12:18) Nunyala bua nyawo ŋu hafi gblɔna eye eƒe nyawo metɔa ame o. Ebua nyawo ŋu hafi ɖoa wo ŋu. (Lododowo 15:28) Eƒe nya siwo ŋu wòbuna nyuie la daa gbe le ame ŋu—wodea dzi ƒo na blanuilélawo eye wofaa akɔ na amesiwo wote ɖe anyi. Le esi eƒe numenya nado dziku na amewo teƒe la, ɖe wòhea ŋutifafa kple gbɔdzɔe vanɛ boŋ.

Esime Nunya Fiaa Mɔ Amewo le Woƒe Agbagbadzedzewo Me

Salomo do lo dodzidzɔname aɖe si fia alesi wòle be woada viɖe kple kuxi siwo le dɔ aɖe wɔwɔ me kpɔ hafi adze egɔme la kplɔ esia ɖo. Egblɔ be: “Ne nyiwo meli o la, lãto me ɖia ƒuƒlu (alo nɔa dzadzɛ); ke nyitsu ƒe ŋusẽ wotsɔna kpɔa agblemenu geɖe.”Lododowo 14:4.

Esime numekugbalẽ aɖe nɔ nu ƒom tso nusi lododo sia fia ŋu la, egblɔ be: “Lãto si me ɖi ƒuƒlu fia be nyiwo meli woana nuɖuɖui o, eyata ame vo tso lãwo gbɔ dzadzraɖo kple beléle na wo me, eye gazazãwo aɖiɖi. Gake ‘viɖe’ sia me gblẽ le kpukpui 4b: si fia be ne womezã nyitsu o la, womakpɔ agblemenu sɔ gbɔ o.” Ele na agbledela la be wòawɔ tiatia nunyatɔe.

Ðe manyo be míazã lododo sia me gɔmeɖosea ne míedi be míadzudzɔ dɔ awɔ bubu, ne míele aƒe ƒomevi aɖe tiam, ne míedi be míaƒle ʋu, aƒemelã aɖe nanɔ mía si, kple le nusiawo tɔgbe wɔwɔ me oa? Nunyala ada dɔ aɖe wɔwɔ me viɖewo kple kuxiwo akpɔ ɖa be ewɔwɔ hiã vavã hã.

Ɣeyiɣi si me Ðasefo Nyea Nunyala

Salomo yi edzi be: “Ðasefo nyateƒetɔ mekaa aʋatso o; ke aʋatsoɖasefo daa alakpa.” (Lododowo 14:5) Le nyateƒe me la, ɖasefo aɖe ƒe alakpadada ate ŋu agblẽ nu ŋutɔ. Woƒu kpe Nabot Yezreeltɔ la wòku elabena ŋutsu yakame eve ɖi ɖase gbegblẽ le eŋu. (Fiawo I, 21:7-13) Eye ɖe menye alakpa ɖase si amewo va ɖi le Yesu ŋue na wowui oa? (Mateo 26:59-61) Amewo va ɖi ɖase alakpatɔe le Stefano—Yesu ƒe nusrɔ̃la gbãtɔ si wowu le eƒe xɔse ta—hã ŋu.—Dɔwɔwɔwo 6:10, 11.

Ate ŋu adzɔ be ame aɖe ƒe alakpadada madze o hena ɣeyiɣia aɖe ya, gake bu eƒe etsɔme ŋu kpɔ. Biblia gblɔ be Yehowa lé fu “amesi ɖua aʋatsoɖasefo hedaa alakpa.” (Lododowo 6:16-19) Amesia kple nu gbegblẽ wɔla siwo nye amewulawo, matrewɔlawo, kple trɔ̃subɔlawo, la woakpɔ wo tɔ gome le ta si le bibim kple dzo kpakple dzokpeta me—si nye ku evelia.—Nyaɖeɖefia 21:8.

Ðasefo nyateƒetɔ mekaa atam aʋatsotɔe o. Mekaa aʋatso le eƒe ɖaseɖiɖi me o. Gake esia mefia be ele nɛ godoo be wòaʋu go nya veviwo na amesiwo ate ŋu agblẽ nu le Yehowa ƒe amewo ŋu le mɔ aɖewo nu o. Blemafofo Abraham kple Isak ɣla nya vevi aɖewo ɖe amesiwo mesubɔa Yehowa o. (Mose I, 12:10-19; 20:1-18; 26:1-10) Raxab si tso Yerixo ble fia ƒe amedɔdɔwo. (Yosua 2:1-7) Yesu Kristo ŋutɔ hã meʋu go nya veviwo katã o le ɣeyiɣi si me wònya be esia wɔwɔ ate ŋu agblẽ nu yakatsyɔ. (Yohanes 7:1-10) Yesu gblɔ be: “Migatsɔ nu kɔkɔe la na avũwo o.” Nukatae? Be ne ‘woagagbugbɔ ava vuvu mi o.’—Mateo 7:6.

Esime “Sidzedze Le Bɔbɔe”

Amesiame sie nunya lea? Lododowo 14:6 gblɔ be: “Fewuɖula le nunya dim ʋuu do kpoe; ke sidzedze le bɔbɔe na nugɔmesela.” Fewuɖula ate ŋu adi nunya gake nunya vavã masu esi o. Esi wònye fewuɖula ɖua fewu le Mawu ƒe nuwo ŋuti dadatɔe ta la, nudidi vevi si wòhiã hafi nunya nasu esi—si nye Mawu ŋuti sidzedze vavãtɔ—la mesua esi o. Dada kple ɖokuidodoɖedzi meɖea mɔ nɛ wòasrɔ̃ nu tso Mawu ŋu ne nunya nasu esi o. (Lododowo 11:2) Ke nukata wòaɖe fu na eɖokui be yeadi nunya? Lododoa megblɔ nusitae ya o, gake ɖewohĩ ewɔnɛ kple susua be amewo nabu ye nunyalae.

“Sidzedze le bɔbɔe” na nugɔmesela. Woɖe nugɔmesese gɔme be “nane gɔmesese le susu me: nane gɔmesese bliboe,” “enye ŋutete si nana wosena alesi nya vevi siwo ku ɖe nane ŋu do ƒome kple wo nɔewoe la gɔme.” Enye ŋutete si wote ŋu zãna tsɔ dana nusianu si ku ɖe nane ŋu le susu me kpɔna nyuie be woanya nusi nu bliboa nye, ke menye eŋuti nu ʋɛ aɖewo ko nyanya o. Lododoa le gbɔgblɔm be sidzedze sua amesi si ŋutete sia le la si bɔbɔe.

Le go sia me la, de ŋugble le wò ŋutɔ wò nuteƒekpɔkpɔ le Ŋɔŋlɔawo me sidzedze si va su asiwò la ŋu kpɔ. Ðewohĩ esime nèdze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme la, nufiafia vevi siwo ku ɖe Mawu, eƒe ŋugbedodowo, kple Via ŋu la nye nyateƒe gbãtɔ siwo nèsrɔ̃ dometɔ aɖewo. Gake le gɔmedzedzea me la, mèse alesi wode nu wo nɔewo me gɔme o. Gake esi nèyi nua sɔsrɔ̃ dzi la, èva te alesi wode nu wo nɔewo mee la gɔme sese eye ète ŋu kpɔ alesi nya vovovoawo ku ɖe tameɖoɖo blibo si le Yehowa si na amegbetɔwo kple anyigba la ŋu la dze sii. Susu le Biblia me nyateƒeawo me eye wode nu wo nɔewo me. Nu yeyewo sɔsrɔ̃ ahaɖo ŋku wo dzi ɣemaɣi nɔ bɔbɔe elabena àte ŋu anya nusiwo ŋu woku ɖo.

Fia nyanua xlɔ̃ nu ku ɖe afisi womate ŋu akpɔ sidzedze vavã le o ŋu. Egblɔ be: “Te ɖa le bometsila gbɔ, elabena medzea si gɔmesese ƒe nuyiwo o.” (Lododowo 14:7) Nunya vavã mele bometsila si o. Gɔmesese ƒe nuyiwo mele esi o. Nuxlɔ̃amenya lae nye be woate ɖe aga le amesia ƒomevi ŋu, eye enye nunyanu be woate ɖe aga le eŋu. Amesiame si ‘ade ha kple bometsilawo la, azu ame gbegblẽ.’—Lododowo 13:20.

Salomo yi edzi be: “Nunyalawo ƒe ayedzedze enye be, woalé ŋku ɖe woƒe zɔzɔme ŋu; ke bometsilawo ƒe bometsitsi enye alakpa.” (Lododowo 14:8) Nunyala léa ŋku ɖe eƒe afɔɖeɖewo ŋu. Edea ŋugble le mɔnukpɔkpɔ siwo ʋu ɖi nɛ la ŋu, hedaa nusiwo ate ŋu ado tso wo me ɖekaɖeka la kpɔna. Ewɔa tiatia nunyatɔe. Ke bometsila ya ɖe? Eɖea afɔ si me nunya mele o, hexɔna sena be yenya nusi wɔm yele eye be tiatia nyuitɔ kekeakee ma wɔm yele. Eƒe bometsitsi blenɛ.

Ne Nunya Fiaa Mɔ Ƒomedodowo

Ƒomedodo nyui nɔa amesi nunya fiaa mɔe kple ame bubuwo dome. Israel-fia la de dzesii be: “Avulévɔsa le alɔme ɖem le bometsilawo ŋu; ke ŋudzedze kpɔkpɔ le nuteƒewɔlawo dome.” (Lododowo 14:9) Be woabu fɔ ame ɖokui, alo ase veve ɖe nane si womewɔ nyuie o ta nye nu ɖikokoe na bometsila. Egblẽ woa kple eƒemetɔwo kpakple ame bubuwo dome ƒomedodowo me elabena “edana ale gbegbe be mate ŋu aɖe kuku ɖe nusi mewɔ nyuie o ta” ahana tomefafa nanɔ anyi o. (The New English Bible) Nuteƒewɔla ɖea mɔ ɖe ame bubuwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋuti. Enɔa klalo na kukuɖeɖe heɖɔa nuwo ɖo ne eya ŋutɔ wɔ vodada. Esi wònye edia ŋutifafa ta la, ƒomedodo nyui nɔa woa kple ame bubuwo dome ɣesiaɣi.—Hebritɔwo 12:14.

Salomo gafia nu bubu aɖe si nye seɖoƒe si le amewo dome ƒomedodo ŋu. Egblɔ be: “Dzi nya eya ŋutɔ ƒe nuxaxa, eye ame tutɔ mate ŋu akpɔ dzidzɔ ɖee ti o.” (Lododowo 14:10) Ðe míate ŋu aɖe míaƒe ememe seselelãmewo—nuxaxa alo dzidzɔ—kple nusiwo me tom míele la tututu agblɔ na ame bubuwo ɣesiaɣia? Eye ɖe ame aɖe ate ŋu ase alesi ame bubu aɖe le sesem le eɖokui me la gɔme bliboe ɣesiaɣia? Nyabiabia evea siaa ƒe ŋuɖoɖoe nye ao.

Le kpɔɖeŋu me, bu ame ɖokui wuwu ƒe seselelãmewo ŋu kpɔ. Amesi sena le eɖokui me alea la mate ŋu agblɔe na eƒe ƒometɔ aɖe alo exɔlɔ̃ aɖe eme nakɔ nɛ nyuie o. Eye amewo mete ŋu dea dzesi ame ɖokui wuwu ƒe dzesiwo le woƒe zɔhɛwo ŋu o. Mele be míabu fɔ mía ɖokui ne míete ŋu kpɔ dzesiawo heɖe afɔ tsɔ na kpekpeɖeŋui o. Lododo sia fia hã be togbɔ be efaa akɔ na ame be woatrɔ ɖe xɔlɔ̃ si sea veve ɖe ame nu ŋu be wòana kpekpeɖeŋu ame le seselelãme gome hã la, seɖoƒe le akɔfafa si amegbetɔwo ate ŋu ana ŋu. Yehowa ɖeɖeko ŋue míate ŋu aɖo ŋu ɖo be míado dzi le kuxi aɖewo me.

“Nu Geɖe Kple Kesinɔnu Le Eƒe Me”

Israel-fia la gblɔ be: “Ame vɔ̃ɖiwo ƒe aƒe agblẽ, ke nuteƒewɔlawo ƒe agbadɔ ade ama.” (Lododowo 14:11) Nu ate ŋu adze edzi na ame vɔ̃ɖi le xexe sia me eye wòate ŋu anɔ aƒe nyui aɖe me, gake vi kae ema aɖe nɛ ne eya ŋutɔ megava li o? (Psalmo 37:10) Aƒe tsɛ aɖe mee nuteƒewɔla ya le. Gake Psalmo 112:3 gblɔ be: “Nu geɖe kple kesinɔnu le eƒe me.” Nukawoe nusiawo nye?

Ne nunya fia mɔ mí le míaƒe nuƒo kple nuwɔnawo me la, “kesinɔnu kple bubu,” si tsoa nuwɔwɔ nunyatɔe gbɔ la sua mía si. (Lododowo 8:18) Míanɔ ŋutifafa me kple Mawu kpakple mía haviwo, míanɔ lãmesẽ me eye míali ke. Ẽ, “nuteƒewɔlawo ƒe agbadɔ,” alo aƒe ade ama fifia gɔ̃ hã.

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Nyɔnu nyanu tua eƒe aƒe

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

“Nunyalawo ƒe aɖe daa gbe le ame ŋu”