Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Afikae gbɔgbɔ vɔ̃wo anɔ le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me?

Biblia meɖo nya sia ŋu tẽ o. Ke hã míate ŋu aƒo nya ta wòasɔ le afisi gbɔgbɔ vɔ̃wo anɔ le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me ŋu.

Esime apostolo Yohanes nɔ nu ƒom do ŋgɔ tso nusi adzɔ le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe gɔmedzedze kple le eƒe nuwuwu ŋu la, egblɔ be: “Mekpɔ mawudɔla aɖe le ɖiɖim tso dziƒo, eye aʋli me safui kple kɔsɔkɔsɔ gã aɖe le esi. Eye wòlé ʋɔ driba, da xoxo, si nye Abosam kple Satana la, eye wòblae ƒe akpe ɖeka. Eye wòtsɔe ƒu gbe ɖe aʋli me, eye wòtu nu ɖe enu, eye wòtre enu, bena ne wòagable dukɔwo o, halase esime ƒe akpe ɖeka la nu nava yi; esia megbe la ele be, woagatui ɣeyiɣi vi aɖe.” (Nyaɖeɖefia 20:1-3) Mawunyakpukpui siawo ƒo nu tso Satana dede aʋli me kple eɖeɖe mlɔeba hena ɣeyiɣi vi aɖe ko ŋu. Togbɔ be womeƒo nu tso gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋuti o hã la, gɔmesese ate ŋu anɔ eme be ne mawudɔla si lé aʋli me safuia ɖe asi—Yesu Kristo si ŋuti wokɔ—lé Abosam hedee aʋli me la, awɔ gbɔgbɔ vɔ̃wo hã nenema ke.—Nyaɖeɖefia 9:11.

Esime Yesu Kristo zu Fia le dziƒo le ƒe 1914 me teti ko la, eɖe afɔ aɖe si kpɔ ŋusẽ ɖe Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo dzi ale gbegbe. Nyaɖeɖefia 12:7-9 gblɔ be: “Aʋa dzɔ le dziƒo: Mixael kple eƒe dɔlawo yi aʋa wɔ ge kple ʋɔ driba la. Eye ʋɔ driba la kple eƒe dɔlawo [gbɔgbɔ vɔ̃wo] wɔ aʋa la, eye womeɖu dzi o, eye womegakpɔ woƒe teƒe hã le dziƒo o. Eye wotsɔ ʋɔ driba gã, si nye da xoxo la, esi woyɔna be: Abosam kple Satana, amesi nye xexeame katã blela la, ƒu gbe, eye wotsɔe ƒu gbe ɖe anyigba, eye wotsɔ eƒe dɔlawo hã ƒu gbe ɖe anyi hekpe ɖe eŋuti.” Eyata tso ɣemaɣi la, wozi Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo dzi wotsi anyigba dzi nutowo me. Míate ŋu axɔ edzi ase wòasɔ be ne Yesu Kristo gava ɖo asi Satana ƒe dɔwɔnawo dzi be wòaɖe anyigbaa tso Satana ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi vɔ̃ɖia me la, aɖo asi gbɔgbɔ vɔ̃wo hã dzi nenema ke.

De ŋugble tso Biblia me nyagblɔɖi gbãtɔ hã ŋu kpɔ. Exlẽ be: “[Nye Mawu made] adikã [wò Satana] kple nyɔnu [Yehowa ƒe dziƒo habɔbɔ] la dome, wò [Satana ƒe] dzidzime kple nyɔnu la ƒe dzidzime [Yesu Kristo] dome, eya la agbã ta na wò, eye wò la, àɖu afɔkpodzi nɛ.” (Mose I, 3:15) Satana dede aʋli me le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me kpe ɖe ta gbagbã na da la ŋuti. Nyagblɔɖia yi edzi gblɔ be adikã le Amesi agbã ta na da la kple Satana ƒe dzidzimevia dome. Mawudɔla vɔ̃ɖiawo alo gbɔgbɔ vɔ̃awo nye Satana ƒe dzidzimevia alo habɔbɔa si womekpɔna o la ƒe akpa aɖe. Eyata míate ŋu aƒo nya ta be ne Yesu de Satana aʋli me la, abla gbɔgbɔ vɔ̃awo hã ade aʋli me. Nyateƒe si wònye be gbɔgbɔ vɔ̃wo vɔ̃na na aʋli me yiyi fia be wonya be nusia ava dzɔ ɖe yewo dzi.—Luka 8:31.

Gake ɖe wòanye be Nyaɖeɖefia 20:1-3 meƒo nu tso gbɔgbɔ vɔ̃awo ŋu o le esi wotsrɔ̃ wo le Harmagedon me kpe ɖe Satana ƒe dzidzimevia ƒe akpa si wokpɔna ŋu ta? Biblia fia be manye nenema o. Egblɔ nusi adzɔ ɖe Satana dzi mlɔeba ale: “Wotsɔ Abosam, si ble wo la, ƒu gbe ɖe dzo kple dzokpeta la me, afisi hã lã la kple aʋatsonyagblɔɖila la le, eye woawɔ fu wo zã kple keli tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.” (Nyaɖeɖefia 20:10) Lã la kple aʋatsonyagblɔɖila la nye dunyahedziɖuɖuwo eye wonye Satana ƒe habɔbɔ si wokpɔna la ƒe akpa aɖe. (Nyaɖeɖefia 13:1, 2, 11-14; 16:13, 14) Woatsrɔ̃ wo le Harmagedon me esime Mawu ƒe Fiaɖuƒea agbã xexeame fiaɖuƒewo katã gudugudu ahahe wo ava nuwuwui. (Daniel 2:44) Biblia ƒo nu tso “dzo mavɔ, si wodzra ɖo ɖi na Abosam kple eƒe dɔlawo la ŋu.” (Mateo 25:41) Woatsɔ Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo aƒu gbe ɖe “dzo kple dzokpeta” ma ke si me lã la kple aʋatsonyagblɔɖila la le la me, si fia be woatsrɔ̃ woawo hã tegbee. Ne ɖe wotsrɔ̃ Satana ƒe dzidzimevia ƒe akpa si nye gbɔgbɔmeme sẽŋu siwo womekpɔna o le Harmagedon me la, anye ne woagblɔ tso gbɔgbɔ vɔ̃awo ŋu godoo be wole kpɔɖeŋu dzota la me xoxo kpe ɖe lã la kple aʋatsonyagblɔɖila ŋu. Gbɔgbɔ vɔ̃awo ŋu nya si medze le Nyaɖeɖefia 20:10 o la fia be wometsrɔ̃ wo le Harmagedon me o.

Esi wònye be womeƒo nu tso gbɔgbɔ vɔ̃awo ŋu tẽ be wode wo aʋli me o ta la, nenema ke womegblɔe wòdze kɔte be woɖe wo le aʋli me hã o. Ke hã la, nusi adzɔ ɖe wo dzi la le abe esi adzɔ ɖe Abosam dzi ke ene. Ne woɖe Abosam kple gbɔgbɔ vɔ̃ siawo siwo awɔ nu aduadu kplii le ameƒomea ƒe dodokpɔ mamlɛa me le ƒe akpe ɖekaa ƒe nuwuwu megbe la, woatsɔ gbɔgbɔ vɔ̃awo hã aƒu gbe ɖe dzota la me eye woatsrɔ̃ woawo hã tegbee.—Nyaɖeɖefia 20:7-9.

Eyata togbɔ be Satana si wolé tsɔ ƒu gbe ɖe aʋli si me dɔwɔna aɖeke mayi edzi le o ŋu nya koe Nyaɖeɖefia 20:1-3 gblɔ hã la, míate ŋu aƒo nya ta wòasɔ be woabla eƒe dɔlawo hã ade aʋli me. Le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me la, womaɖe mɔ na Satana alo eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo be woaxe mɔ na Mawu ƒe tameɖoɖo be wòatrɔ anyigba wòazu paradiso eye wòaɖɔ ameƒomea ɖo woade blibo la me vava o.