Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Adrɔ̃ Ʋɔnu Ame Vɔ̃ɖiwo

Yehowa Adrɔ̃ Ʋɔnu Ame Vɔ̃ɖiwo

Yehowa Adrɔ̃ Ʋɔnu Ame Vɔ̃ɖiwo

“Dzra ɖo naɖakpe kple wò Mawu!”​—AMOS 4:12.

1, 2. Nukatae míate ŋu aka ɖe edzi be Mawu aɖe vɔ̃ɖinyenye ɖa?

ÐE YEHOWA ahe vɔ̃ɖinyenye kple fukpekpe ava nuwuwui le anyigba sia dzi gbaɖegbea? Nyabiabia sia sɔ ale gbegbe le ƒe alafa 21 lia sia ƒe gɔmedzedze wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe. Ewɔ abe afisiafi si míatrɔ ɖo ko la, míekpɔa amegbetɔ ƒe ŋutasesẽ le nɔvia amegbetɔ ŋu ene. Xexe si me ŋutasẽnuwɔwɔ, ŋɔdzinuwɔwɔ, kple nufitifitiwɔwɔ manɔ o dzroa mí vevie ŋutɔ!

2 Dzidzɔnya si li enye be kakaɖedzi blibo le mía si be Yehowa aɖe vɔ̃ɖinyenye ɖa keŋkeŋ. Mawu ƒe nɔnɔmewo na kakaɖedzi mí be atso ɖe ame vɔ̃ɖiwo ŋu. Nudzɔdzɔewɔlae Yehowa nye. Eƒe Nya la gblɔ na mí le Psalmo 33:5 be: “Elɔ̃a dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnudɔdrɔ̃” alo nya dzɔdzɔe. Psalmo bubu gblɔ be: “[Yehowa ƒe] luʋɔ léa fu ame vɔ̃ɖi kple amesi lɔ̃a ŋutasẽnuwɔwɔ.” (Psalmo 11:5) Kakaɖedzi le mía si be Yehowa si nye ŋusẽwo katã ƒe Mawu, amesi lɔ̃a nya dzɔdzɔe la maɖe mɔ ɖe nusi wòlé fui ŋu tegbetegbe o.

3. Nukae míakpɔ adze sii kɔte ne míedzro Amos ƒe nyagblɔɖia me yi ŋgɔe?

3 De ŋugble le susu bubu si tae míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa aɖe vɔ̃ɖinyenye ɖa ŋu kpɔ. Nusiwo wòwɔ le ɣeyiɣi siwo va yi me na kakaɖedzi mí le nya sia ŋu. Alesi Yehowa wɔa nui ɖe ame vɔ̃ɖiwo ŋu ɣesiaɣi la ƒe kpɔɖeŋu wɔdɔɖeamedziwo le Biblia-gbalẽ si nye Amos me. Amos ƒe nyagblɔɖia me dzodzro yi ŋgɔe afia nu etɔ̃ mí le Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋu. Gbã, amesiwo wòdrɔ̃a ʋɔnu la dzena nɛ ɣesiaɣi. Evelia, womate ŋu asi le enu o. Eye etɔ̃lia, mevaa amesiame ko dzi o, elabena Yehowa drɔ̃a ʋɔnu ame vɔ̃ɖiwo gake ekpɔa nublanui na amesiwo trɔ dzime eye wole nɔnɔme si sɔ me la.—Romatɔwo 9:17-26.

Mawu ƒe Ʋɔnudɔdrɔ̃ Nye Esi Wodzena Na Ɣesiaɣi

4. Afikae Yehowa dɔ Amos ɖo, eye ɖe susu ka ta?

4 Le Amos ŋɔli la, Israel-dukɔa ma ɖe fiaɖuƒe eve me xoxo. Ðekae nye Yuda ƒe to eve fiaɖuƒea si nɔ anyiehe. Eveliae nye Israel ƒe to ewo fiaɖuƒea si nɔ dziehe. Yehowa de dɔ asi na Amos be wòanye nyagblɔɖila esi wòdɔe tso wo de Yuda yi ɖe Israel. Mawu azã Amos be wòagblɔ yeƒe ʋɔnudrɔ̃gbedasiwo le afima.

5. Dukɔ kawo ŋue Amos gblɔ nya ɖi ɖo gbã, eye susu siwo ta wodze na Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ dometɔ ɖeka ɖe?

5 Menye Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ Israel ƒe dziehe fiaɖuƒe si tra mɔ lae Amos tsɔ dze eƒe gbeƒãɖeɖea gɔmee o. Edze egɔme boŋ kple Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ si tu aƒe si gbɔna ɖe dukɔ ade siwo te ɖe Israel ŋu. Dukɔ siawoe nye Siria, Filistia, Tiro, Edom, Amon, kple Moab. Gake ɖe dukɔ mawo dze na Mawu ƒe fɔbubu ʋɔnudɔdrɔ̃ nyateƒea? Wodze nɛ baa. Susu ɖeka si tae nye be wonye Yehowa ƒe amewo ƒe futɔ siwo lé fu wo kaɖikaɖi.

6. Nukatae Mawu ahe dzɔgbevɔ̃e ava Siria, Filistia kple Tiro dzi ɖo?

6 Le kpɔɖeŋu me, Yehowa bu fɔ Siriatɔwo ɖe ‘galuƒotasiaɖam mimli to Gilead dzi’ ta. (Amos 1:3) Siriatɔwo xɔ anyigba le Gilead—Israel ƒe nuto si le Yordan-tɔsisia ƒe ɣedzeƒekpa dzi—eye wogblẽ nu le Mawu ƒe amewo ŋu vevie le afima. Ke Filistia kple Tiro ya ɖe? Filistitɔwo ɖi fɔ le Israel-viwo kpɔkplɔ aboyomewoe alo wo léle kluviwoe, tsɔ dzra na Edomtɔwo ta, eye Tiro kluvisitsalawo wɔ Israel-vi aɖewo kluviwoe. (Amos 1:6, 9) Bu eŋu kpɔ—be woadzra Yehowa ƒe amewo kluviwoe! Eyata mewɔ nuku o be Yehowa le dzɔgbevɔ̃e he ge ava Siria, Filistia, kple Tiro dzi.

7. Ƒomedodo kae le Edom, Amon, Moab kple Israel dome, gake aleke wowɔ nu ɖe Israel-viwo ŋui?

7 Kadodo aɖe nɔ Edom, Amon, kple Moab dome na Israel kpakple na wo nɔewo. Dukɔ etɔ̃awo katã do ƒome kple Israel. Yakob nɔvi Esau ƒe dzidzimeviwoe Edomtɔwo nye eye le esia ta wodzɔ tso Abraham me. Eyata le gɔmesese aɖe nu la, nɔviwoe woa kple Israel-viwo nye. Abraham ƒe tɔgãyɔvi Lot ƒe dzidzimeviwoe Amontɔwo kple Moabtɔwo nye. Gake ɖe Edom, Amon, kple Moab tɔwo wɔ nu ɖe woƒe ƒometɔ Israel-viwo ŋu abe nɔviwo enea? Kpao! Edom tsɔ yi ti ‘eya ŋutɔ nɔvia’ yome nublanuimakpɔmakpɔtɔe eye Amontɔwo sẽ ŋuta le Israel-vi siwo wolé kluviwoe ŋu ale gbegbe. (Amos 1:11, 13) Togbɔ be Amos meyɔ nu gbegblẽ aɖeke si Moabtɔwo wɔ Mawu ƒe amewo o hã la, edze le ŋutinya me be Moabtɔwo tsi tre ɖe Israel-viwo ŋu ɣeyiɣi didi aɖe. Tohehe si ava dukɔ etɔ̃ mawo siwo dzɔ tso tɔgbui ɖeka me dzi la nu asẽ ŋutɔ. Yehowa atsrɔ̃ wo ƒiaƒiaƒia.

Womate Ŋu Asi le Mawu ƒe Ʋɔnudɔdrɔ̃ Nu O

8. Nukatae dukɔ ade siwo te ɖe Israel ŋu la mate ŋu asi le Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo nu o?

8 Ðikekemanɔmee la, dukɔ ade siwo ŋu woƒo nu tsoe do ŋgɔ le Amos ƒe nyagblɔɖia me la dze na Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃. Gawu la, mɔ aɖeke meli si dzi woato asi le enu o. Tso Amos ta 1 kpukpui 3, vaseɖe ta 2 kpukpui 1 la, Yehowa gblɔ zi gbɔ zi ade be: “Nyematsɔe akee o.” Abe alesi wògblɔe ene la, megbe ʋɔnudɔdrɔ̃ hehe va dukɔ mawo dzi o. Ŋutinya ɖo kpe edzi ŋutɔŋutɔ be dzɔgbevɔ̃e va wo dometɔ ɖesiaɖe dzi emegbe. Wo dometɔ ene ya teti—Filistia, Moab, Amon, kple Edom—nu yi mlɔeba keŋkeŋ!

9. Nukae Yuda nɔlawo dze na, eye nukatae?

9 Amos ƒe nyagblɔɖia ƒo nu tso dukɔ adrelia aɖe ŋu azɔ—eyae nye wo denyigba Yuda. Ðewohĩ anya wɔ nuku na Israel dziehe fiaɖuƒea me tɔ siwo nɔ Amos ƒe nyawo sem be woasee wòaɖe gbeƒã ʋɔnu si woadrɔ̃ Yuda fiaɖuƒea. Nukatae Yudatɔwo dze na ʋɔnudɔdrɔ̃ ɖo? Amos 2:4 gblɔ be: “elabena wogbe Yehowa ƒe se” la. Yehowa mebu alesi woɖoe koŋ gbe eƒe Sea la nu tsɛe o. Egblɔ ɖi le Amos 2:5 be: “Mada dzo ɖe Yuda, ne wòafiã Yerusalem ƒe fiasãwo!”

10. Nukatae Yuda mate ŋu asi le dzɔgbevɔ̃e nu o?

10 Yudatɔ mawɔnuteƒeawo mate ŋu asi le dzɔgbevɔ̃e si gbɔna la nu o. Yehowa gblɔ zi adrelia be: “Nyematsɔe akee o.” (Amos 2:4) Yuda xɔ tohehe si ƒe nya wogblɔ ɖi esime Babilontɔwo tsrɔ̃ woƒe dukɔa wòzu aƒedo le ƒe 607 D.M.Ŋ. me. Míegakpɔe ake be ame vɔ̃ɖiwo mate ŋu asi le Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ nu le mɔ aɖeke nu o.

11-13. Dukɔ ka ŋu koŋue Amos gblɔ nya ɖi ɖo, eye ameteteɖeanyi ka ƒomevie nɔ afima?

11 Ðeko nyagblɔɖila Amos gblɔ Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ si ava dukɔ adre dzi vɔ koe nye ma. Ne ewɔ na ame aɖe be Amos wu eƒe nyagbɔgblɔɖia nu azɔ la, ke eda ƒu. Amos meɖo afi aɖeke kura haɖe o! Israel ƒe dziehe to ewo fiaɖuƒea koŋ ye wode dɔ asi nɛ be wòagblɔ ʋɔnudrɔ̃nya sẽŋu aɖe na. Eye Israel dze na Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃a elabena nu gbegblẽ siwo wowɔna le dukɔa ƒe agbenɔnɔ kple subɔsubɔnyawo me dzi ŋɔ ale gbegbe.

12 Amos ƒe nyagblɔɖia ɖe ameteteɖeanyi si bɔ le Israel ƒe fiaɖuƒea me la fia. Míexlẽ nu tso nya sia ŋu le Amos 2:6, 7 be: “Ale Yehowa gblɔ esi: Le Israel ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ etɔ̃ kple eneawo ta, nyematsɔe akee o; elabena etsɔ ame dzɔdzɔe dzra ɖe ga nu kple hiãtɔ ɖe atokota dodo ɖeka nu. Wo amesiwo ƒe ve me le fiefiẽm ɖe kekui, si le ame dahe ƒe ta me la ŋu, woglɔ̃a mɔ na hiãtɔwo.”

13 Wonɔ ame dzɔdzɔewo dzram ‘ɖe ga ta,’ si fia be ɖewohĩ ʋɔnudrɔ̃lawo xɔa zãnu eye wobua fɔ ame maɖifɔawo. Amesiwo ŋu woɖu fe le nɔ ame dahewo dzram kluviwoe ɖe “atokota dodo ɖeka” ƒe ga nu, si fia be ɖewohĩ wodzraa wo ɖe fe sue aɖe ko nu. Nublanuimakpɔlawo ƒe ‘veme le fiefiem,’ alo wodi vevie be yewoaɖi gbɔ “ame dahe” ale gbegbe be ɖeko ame dahe siawo kua ke ƒona ɖe tame, si fia nuteɖeamedzi, nuxaxa, alo gbɔɖiɖi ame. Nufitifitiwɔwɔ bɔ ale gbegbe be “hiãtɔwo” mate ŋu akpɔ mɔ na nya dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ aɖeke o.

14. Amekawoe wonɔ tetem ɖe anyi le Israel to ewo fiaɖuƒea me?

14 De dzesi amesiwo tem wonɔ ɖe anyi. Ame dzɔdzɔewo, ame dahewo, hiãtɔwo kple ame fafa siwo nɔ anyigba la dzi ye. Yehowa ƒe Se ƒe nubabla si wòwɔ kple Israel bia be woakpɔ nublanui na wɔnamanɔŋutɔwo kple amesiwo hiã tu. Ðe ema teƒe la, ɖe nuwo gblẽ na ame mawo boŋ le Israel ƒe to ewo fiaɖuƒea me wu gbɔgblɔ.

“Dzra Ðo Naɖakpe Kple Wò Mawu”

15, 16. (a) Nukatae woxlɔ̃ nu Israel-viwo be: “Dzra ɖo naɖakpe kple wò Mawu”? (b) Aleke Amos 9:1, 2 ɖee fia be ame vɔ̃ɖiwo mate ŋu asi le Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ nu o? (d) Nukae dzɔ ɖe Israel to ewo fiaɖuƒea dzi le ƒe 740 D.M.Ŋ. me?

15 Esi wònye agbegbegblẽnɔnɔ kple nuvɔ̃ bubuwo bɔ le Israel ta la, esɔ ŋutɔ be nyagblɔɖila Amos xlɔ̃ nu dukɔ dzeaglã la be: “Dzra ɖo naɖakpe kple wò Mawu!” (Amos 4:12) Israel-vi mawɔnuteƒeawo mate ŋu asi le Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ si tu aƒe la nu o elabena Yehowa gblɔ zi gbɔ zi enyilia be: “Nyematsɔe akee o.” (Amos 2:6) Mawu gblɔ le nuvɔ̃wɔla siwo adze agbagba be yewoasi abe la ŋu be: “Wo dometɔ aɖeke masi o, eye ame aɖeke makpɔtɔ o. Ne woyi tsieƒe ke hã la, nye asi ahe wo tso afima, eye ne wolia dziƒo la, maɖiɖi wo ɖe anyi tso afima.”Amos 9:1, 2.

16 Ame vɔ̃ɖiwo mate ŋu asi le Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ nu ‘aku do ayi tsieƒe,’ si le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu fia be woadi be yewoabe ɖe anyigba tume o. Eye womate ŋu ‘alia ayi dziƒo,’ si fia be woadi sitsoƒe le to kɔkɔwo dzi hã o. Yehowa ƒe nuxlɔ̃amea me kɔ ƒã: Bebeƒe aɖeke meli si eƒe asi mate ŋu aɖo o. Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye bia be wòabia nu vɔ̃ɖi siwo Israel ƒe fiaɖuƒea wɔ la ƒe akɔnta tso wo si. Akɔntabiaɣi ma ɖo hã vavã. Le ƒe 740 D.M.Ŋ. me—si nye abe ƒe 60 ene le esi Amos ŋlɔ eƒe nyagblɔɖia vɔ megbe—la, Asiriatɔwo va ɖu Israel ƒe fiaɖuƒea dzi.

Mawu ƒe Ʋɔnudɔdrɔ̃ Mevaa Amesiame Ko dzi O

17, 18. Nukae Amos ta 9 ɖe fia tso Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ ŋu?

17 Amos ƒe nyagblɔɖia kpe ɖe mía ŋu míekpɔe be amesiwo Mawu drɔ̃a ʋɔnui la dzena nɛ ɣesiaɣi eye be womete ŋu sina le enu o. Gake Amos ƒe agbalẽa gafia mí hã be Yehowa medrɔ̃a ʋɔnu amesiame ko o. Mawu ate ŋu akpɔ ame vɔ̃ɖiwo ahadrɔ̃ ʋɔnu wo eɖanye afika ke wobe ɖo o. Ate ŋu akpɔ amesiwo trɔ dzime hewɔa nu dzɔdzɔe—amesiwo wòdi be yeakpɔ nublanui na—la hã. Nufiame sia dze nyuie le Amos ƒe ta mamlɛtɔa me.

18 Yehowa gblɔ le Amos ta 9 kpukpui 8 be: “Nyematsrɔ̃ Yakob ƒe aƒe la keŋkeŋ o.” Abe alesi wòdze le kpukpui 13 vaseɖe 15 ene la, Yehowa do ŋugbe be ‘yeagaɖo’ yeƒe dukɔa me tɔ siwo ‘woɖe aboyoe la te.’ Woakpɔ nublanui na wo, woanɔ dedie eye nu adze edzi na wo. Yehowa do ŋugbe be: “Woanɔ agbleŋɔŋlɔ dzi ahade asi na nuŋeɣi.” Bu nya ma ŋu kpɔ—be nuŋeŋe nasɔ gbɔ ale gbegbe be womate ŋu aŋe ɖewo avɔ hafi nuŋlɔɣi kple nuƒãɣi nagaɖo o!

19. Nukae dzɔ ɖe Israel kple Yuda ƒe ame susɔe aɖewo dzi?

19 Míate ŋu agblɔe be Yehowa medrɔ̃ ʋɔnu amesiame ko si nɔ Yuda kple Israel o elabena ekpɔ nublanui na dzimetrɔla kple nudzɔdzɔe wɔla siwo nɔ afima. Le gbugbɔgaɖoanyi nyagblɔɖi si le Amos ta 9 me vava me la, Israel kple Yudatɔ dzimetrɔlawo ƒe ame susɔe aɖewo gbɔ va tso kluvinyenye na Babilontɔwo me le ƒe 537 D.M.Ŋ. me. Esi wogbɔ va wo denyigba lɔlɔ̃a dzi la, wogbugbɔ tadedeagu dzadzɛa ɖo anyi. Wogatso woƒe aƒewo eye wode weingblewo hetso abɔwo le dedienɔnɔ me hã.

Yehowa ƒe Ʋɔnudɔdrɔ̃ Ava!

20. Kakaɖedzi kae wòle be Amos ƒe ʋɔnudrɔ̃gbedasi siwo me míedzro la nana mí?

20 Ele be Mawu ƒe ʋɔnudrɔ̃nya siawo siwo Amos ɖe gbeƒãe la me dzodzro nana kakaɖedzi mí be Yehowa ahe vɔ̃ɖinyenye ava nuwuwui le míaƒe ŋkekea me. Nukatae míate ŋu axɔ nya sia dzi ase? Gbã, nusi Yehowa wɔ ame vɔ̃ɖiwo le blema ƒe kpɔɖeŋu siawo ɖe alesi wòaɖe afɔ le míaƒe ŋkekea mee fia. Evelia, Mawu ƒe ʋɔnu dɔdrɔ̃ Israel ƒe to ewo fiaɖuƒe gbexɔse la na kakaɖedzi mí be Mawu adrɔ̃ ʋɔnu Kristodukɔa si nye “Babilon gã,” alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒea ƒe akpa si ɖi fɔ wu la.—Nyaɖeɖefia 18:2.

21. Nukatae Kristodukɔa dze na Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃?

21 Ðikeke aɖeke mele eŋu o be Kristodukɔa dze na Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃. Nu dziŋɔ siwo le dzɔdzɔm le eme le subɔsubɔ kple agbenɔnɔ nyawo gome la dze gaglã. Kristodukɔa—kple Satana ƒe xexeame ƒe akpa susɔea—dze na Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃. Womate ŋu asi le enu hã o elabena ne ɣeyiɣia de be woahe ʋɔnudɔdrɔ̃ sia vɛ la, nya siwo le Amos ta 9 kpukpui 1 ava eme, be: “Wo dometɔ aɖeke masi o, eye ame aɖeke makpɔtɔ o.” Ẽ, afika kee ame vɔ̃ɖiwo be ɖo o, Yehowa ƒe asi atu wo.

22. Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋuti nya vevi kawo mee woɖe nyuie le Tesalonikatɔwo II, 1:6-8?

22 Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ nye esi wodzena na ɣesiaɣi, womete ŋu sina le enu o, eye mevaa amesiame ko dzi o. Míate ŋu akpɔ esia kɔte le apostolo Paulo ƒe nyawo me, be: “Edzɔ le Mawu ƒe ŋku me bena, wòatsɔ xaxa aɖo teƒe na amesiwo na xaxa mi; eye mi amesiwo kpɔ xaxa la, ana gbɔɖeme mi kpakple mí katã siaa le Aƒetɔ Yesu Kristo kple eƒe ŋusẽ ƒe dɔlawo ƒe ɖeɖefia tso dziƒo la me le dzo ƒe aɖe me, esime wòabia hlɔ̃ amesiwo menya Mawu o kple amesiwo meɖoa to mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nyanyui la o.” (Tesalonikatɔwo II, 1:6-8) “Edzɔ le Mawu ƒe ŋku me” be wòaɖo eteƒe na amesiwo dze na ʋɔnudɔdrɔ̃ le esi wohe xaxa va eƒe amesiaminawo dzi ta la. Womate ŋu asi le ʋɔnudɔdrɔ̃ ma nu o, elabena ame vɔ̃ɖiwo matsi agbe le ‘Yesu kple eƒe dɔla sesẽwo ƒe ɖeɖefia le dzo ƒe aɖe me’ o. Gawu la, Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ mava amesiame ko dzi o elabena ‘amesiwo menya Mawu o kple amesiwo meɖoa to nyanyui la o’ lae Yesu abia hlɔ̃e. Eye Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ahe akɔfafa vɛ na mawuvɔ̃la siwo kpe fu le xaxawo me la.

Ame Dzɔdzɔewo ƒe Mɔkpɔkpɔ

23. Mɔkpɔkpɔ kple akɔfafa kae le Amos ƒe agbalẽa me na mí?

23 Mɔkpɔkpɔ kple akɔfafa gbedasi nyui aɖe le Amos ƒe nyagblɔɖia me na nu dzɔdzɔe wɔlawo. Abe alesi wogblɔe ɖi le Amos ƒe agbalẽa me ene la, Yehowa metsrɔ̃ eƒe dukɔ si nɔ anyi le blema la me tɔwo katã o. Mlɔeba la, eƒo Israel kple Yuda ƒe aboyomeawo nu ƒu hekplɔ wo gbɔe va wo denyigba dzi hetsɔ dzidzeme kple nudzedziname gbogbo aɖe yra woe. Nukae nusia fia na míaƒe ŋkekea? Ena míeka ɖe edzi be le ʋɔnudɔdrɔ̃ si Yehowa ahe vɛ me la, eƒe asi atu ame vɔ̃ɖiwo eɖanye afika kee wobe ɖo o eye wòadi amesiwo wòkpɔ be wodze na yeƒe nublanuikpɔkpɔ la, eɖanye anyigba sia ƒe teƒe ka kee woɖale o.

24. Mɔ ka nue Yehowa yra eƒe subɔla siwo li egbea le?

24 Esi míele ɣeyiɣi si Yehowa adrɔ̃ ʋɔnu ame vɔ̃ɖiwo lalam la, nuka teƒe kpɔmee mí esubɔla wɔnuteƒewo le? Vavãe, Yehowa na nu dze edzi na mí gbago le gbɔgbɔ me! Míele subɔsubɔ si me alakpa kple nufiafia totro siwo tso Kristodukɔa ƒe alakpanufiafiawo me mele o la me. Yehowa naa gbɔgbɔmenuɖuɖu gbogbo aɖe hã mí. Gake ɖo ŋku edzi be agbanɔamedzi gã aɖe kpe ɖe Yehowa ƒe yayra gbogbo siawo ŋu. Yehowa di be míana ame bubuwo hã nanya nu tso ʋɔnudɔdrɔ̃ sia si gbɔna ŋu. Míedi be míawɔ nusianu si míate ŋui adi ‘amesiwo ƒe nɔnɔme sɔ na agbe mavɔ kpɔkpɔ.’ (Dɔwɔwɔwo 13:48) Ẽ, míedi be míakpe ɖe ame alesinu míate ŋui ŋu be woakpɔ gome le gbɔgbɔmenudzedziname sia si me míele fifia la me. Eye míedi be woatsi agbe le Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo si tu aƒe la me. Gake be yayra siawo nasu mía si la, ele be dzi ƒe nɔnɔme nyuitɔ nanɔ mía si. Abe alesi míakpɔe le nyati si gbɔna me ene la, woƒo nu tso esia hã ŋu le Amos ƒe nyagblɔɖia me.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Aleke Amos ƒe nyagblɔɖia ɖee fia be Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo nye esiwo wodzena na ɣesiaɣi?

• Kpeɖodzi kae Amos na tsɔ ɖee fia be womate ŋu asi le Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ nu o?

• Aleke Amos ƒe agbalẽa ɖee fia be Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ mevaa amesiame ko dzi o?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 16, 17]

Israel fiaɖuƒea mesi le Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ nu o

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Le ƒe 537 D.M.Ŋ. me la, Israel kple Yuda ƒe ame susɔe aɖewo trɔ gbɔ tso Babilon ƒe aboyomenɔnɔ me