Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Agbalẽ Si Woaxlẽ​—Salomo ƒe Nuxlɔ̃ame Nyui La

Agbalẽ Si Woaxlẽ​—Salomo ƒe Nuxlɔ̃ame Nyui La

Agbalẽ Si Woaxlẽ​—Salomo ƒe Nuxlɔ̃ame Nyui La

“AGBALẼ geɖe wɔwɔ mekpɔa seƒeɖo o, eye nusɔsrɔ̃ geɖe ɖe wòtea ɖeɖi ŋutilã ŋu.” (Nyagblɔla 12:12) Esi Israel-fia, Nunyala Salomo, nɔ nya siawo ŋlɔm anɔ abe ƒe 3,000 ene enye sia la, menye nuxexlẽ ƒe dzi ɖemee wònɔ le amewo ƒo o. Ke boŋ alesi woawɔ tiatia le nusi woaxlẽ ŋu ƒe dzi demee wonɔ ƒo. Esi wole agbalẽ biliɔn geɖewo tam ƒe sia ƒe le xexeame egbea ta la, aleke gbegbee ŋkuɖodzinya ma sɔ ɖe ɣeyiɣia dzi enye esi!

Eme kɔ ƒã be ‘agbalẽ geɖe’ siwo ŋu Salomo ƒo nu tsoe la metu amewo ɖo alo na amewo ƒe dzi dze eme o. Eyata ena eme kɔ ƒã be ne wole wo xexlẽ dzi atraɖii la, le esi teƒe be woakpɔ ŋusẽ nyuie ɖe ame dzi ahahe viɖe mavɔwo vɛ la, ɖe ‘wotea ɖeɖi ŋutilã ŋu’ boŋ.

Gake ɖe Salomo nɔ gbɔgblɔm be agbalẽ siwo naa mɔfiame adodoea, siwo ate ŋu aɖe vi na exlẽla la dometɔ aɖeke meli oa? Ao, elabena eŋlɔ hã be: “Nunyalawo ƒe nyawo le abe ŋu kple gatagbadzɛ, si woƒo ɖe nu ene. Kplɔla ɖekae ɖo amewo woƒo wo nu ƒu.” (Nyagblɔla 12:11) Nyateƒee agbalẽ aɖewo li siwo me nyawo le “abe ŋu ene,” siwo ate ŋu akpɔ ŋusẽ nyui ɖe ame dzi. Woate ŋu aʋã ame be wòawɔ nu le mɔ nyuitɔ nu. Gakpe ɖe eŋu la, “abe . . . gatagbadzɛ si woƒo ɖe nu ene” la, woate ŋu akpe ɖe ame ŋu wòaɖo tame kplikpaa si awɔe be wòanɔ te sesĩe.

Afikae míate ŋu akpɔ nya nyuie mawo le? Le Salomo ƒe nya nu la, esi de ŋgɔ wu wo katãe nye esi tso Yehowa, alẽkplɔla la ŋutɔ, gbɔ. (Psalmo 23:1) Eyata agbalẽ vevitɔ si ame atia be yeaxlẽ hena nyanyui mawɔ kpɔkpɔe nye esi tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me—Biblia la. Nya siawo siwo tso gbɔgbɔ me la xexlẽ edziedzi ate ŋu akpe ɖe ame ŋu be “wòanɔ dzadzraɖoɖi hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.”—Timoteo II, 3:16, 17.