Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aha Muame Ŋuti Nukpɔsusu Si Da Sɔ Nenɔ Asiwò

Aha Muame Ŋuti Nukpɔsusu Si Da Sɔ Nenɔ Asiwò

Aha Muame Ŋuti Nukpɔsusu Si Da Sɔ Nenɔ Asiwò

“Fewuɖula enye wein, eye zidola enye aha muame, amesi wòmu la, madze nunya o.”​—LODODOWO 20:1.

1. Aleke hakpala la ɖe eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ fia ɖe nunana nyui siwo tso Yehowa gbɔ la dometɔ aɖewo ŋui?

NUSRƆ̃LA Yakobo ŋlɔ bena: “Nunana nyuiwo katã kple nunana blibowo katã la dziƒo wotso, tso kekeliwo ƒe Fofo la gbɔ.” (Yakobo 1:17) Ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Mawu ƒe nunana nyui gbogboawo ŋu ʋã hakpala la wòdzi ha be: “Enana gbe miena na lãwo kple agblemenuwo na amegbetɔwo ƒe ŋudɔwɔwɔ, ne woaɖe nuɖuɖu atso anyigba me. Wein doa dzidzɔ na amegbetɔ ƒe dzi, eye wònana eƒe mo zrɔ̃na lãlãlã wu ami; ke abolo doa ŋusẽ amegbetɔ ƒe dzi.” (Psalmo 104:14, 15) Wein kple aha muame ƒomevi bubuawo katã hã nye nunanawo tso Mawu gbɔ abe amagbewo, abolo, kple ami ke ene. Aleke wòle be míazã woe?

2. Biabia kawo mee míadzro ku ɖe aha muame zazã ŋu?

2 Ne wozã nunana lédziname aɖe ɖe mɔ nyuitɔ nu ko hafi wòɖea vi na ame. Le kpɔɖeŋu me, anyitsi ‘nyo,’ ke hã, “anyitsi geɖe nono menyo o.” (Lododowo 24:13; 25:27) Togbɔ be “wein vi aɖe” nono ate ŋu ade ame dzi hã la, ahamumu nye ŋkubiãnya gã aɖe. (Timoteo I, 5:23) Biblia xlɔ̃ nu be: “Fewuɖula enye wein, eye zidola enye aha muame, amesi wòmu la, madze nunya o.” (Lododowo 20:1) Gake nuka tututue nye ahamumu? * Agbɔsɔsɔ kae nye esi gbɔ eme? Nukae nye eŋuti nukpɔsusu si da sɔ?

‘Ahamumu’​—Alekee?

3, 4. (a) Nukae fia be Biblia meda asi ɖe ahamumu dzi o? (b) Nukawoe nye ahamumu ƒe afɔkuwo dometɔ aɖewo?

3 Le blema Israel la, ele be woaƒu kpe ɖevi si nye nutsuɖula kple ahamula matrɔdzime wòaku. (Mose V, 21:18-21) Apostolo Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔwo be: “Miagade ha kple ame aɖe, si ne woyɔnɛ be nɔvi, wònye ahasiwɔla alo ŋubiãla alo trɔ̃subɔla alo busubɔla alo ahamula alo adzodala la o; migaɖu nu kple nenem me sia hã o.” Edze ƒã be, Ŋɔŋlɔawo meda asi ɖe ahamumu dzi o.—Korintotɔwo I, 5:11; 6:9, 10.

4 Esi Biblia nɔ nu ƒom tso ahamumu ƒe afɔkuwo ŋu la, egblɔ be: “Megaɖe ŋku ɖe wein, alesi wòbiã kple alesi wòle dzo sim le kplu me kpakple alesi wominɛ wɔli la o. Ke emegbe la eɖua ame abe da ene, eye wònyɔa aɖi abe ƒli ene. Wò ŋkuwo akpɔ nu tutɔwo, eye wò dzi anɔ nya baɖawo gblɔm.” (Lododowo 23:31-33) Ahatsunono ɖua ame abe da vɔ̃ ene, henana wodzea dɔ, etɔtɔa susu na ame, eye wònaa ame buna ɖe eɖokui gɔ̃ hã. Ahamula ate ŋu akpɔ “nu tutɔwo” le go sia me be ate ŋu anɔ nusiwo meli ŋutɔŋutɔ o kpɔm le susu me alo anɔ dzidzɔ manyatalenu kpɔm. Eye magate ŋu aɖu eɖokui dzi le yakanyawo gbɔgblɔ kple dzodzro siwo dzi wòate ŋu aɖu hafi la nu léle me o.

5. Mɔ ka nue aha muame nono atraɖii gblẽa nu le ame ŋu le?

5 Ke ne ame aɖe nona aha muame wòdea emu ge gake meɖea hae o ya ɖe? Medzena le ame aɖewo ŋu be womu aha o, togbɔ be wono gbogbo aɖe ŋutɔ hã. Gake ebubu be nɔnɔme sia magblẽ nu le ame ŋu o la nye ame ɖokui beble. (Yeremya 17:9) Ʋɛʋɛʋɛ la, aha muame nono edziedzi ava na wòazu numame na ame eye woava zu ‘aha geɖe nola.’ (Tito 2:3) Agbalẽŋlɔla Caroline Knapp, gblɔ le mɔ si dzi wotona va zua ahanoxe ŋu be: “Enyea nusi gɔme wodzena sue, ʋɛʋɛʋɛ, eye kaka nàva nya la èzu ahanoxe.” Mɔ̃ vɔ̃ɖi ka gbegbee nye esi ahanono atraɖii nye!

6. Nukatae wòle be ame natsri aha geɖe nono kple nutsuɖuɖu?

6 De ŋugble le Yesu ƒe nuxlɔ̃ame sia hã ŋu kpɔ: “Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, bena nutsuɖuɖu kple ahamumu kple dzimaɖitsitsi ɖe nuɖuɖu ŋu nagate miaƒe dzi ɖe to o, eye ŋkeke ma nagalili mi abe mɔ̃ ene o; elabena adze amesiwo katã nɔ anyigba blibo la ƒe ŋku me la dzi.” (Luka 21:34, 35) Menye ɖe wonoa aha kakaka muna hafi wònana ame ƒe lãme wɔa dɔ̃ eye kuvia ɖoa ame—le ŋutilã kple gbɔgbɔ me siaa—o. Ke alekee wòanɔ ne Yehowa ƒe ŋkekea va lili ame ma le nɔnɔme sia me?

Nusi Ate Ŋu Ado tso Ahatsunono Me

7. Nukatae ahatsunono mewɔ ɖeka kple mɔfiame si wona le Korintotɔwo II, 7:1 la o?

7 Ahatsunono dea ame afɔku geɖe me—le ŋutilã kple gbɔgbɔ me siaa. Dɔléle siwo ahatsunono hena vɛ dometɔ aɖewoe nye aklãlialiadɔ, ahanoxewo ƒe hepatitis, kple lãmekawo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ dɔléle siwo naa ame ƒe lãme nɔa ƒoƒom. Ahatsunono ɣeyiɣi didi ate ŋu ahe kansa, suklidɔ, kple dzidɔ kpakple dɔmedɔ aɖewo hã vɛ. Edze ƒã be ahatsunono mewɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo me mɔfiame sia o be: “Mina míakɔ mía ɖokui ŋuti tso ŋutilã kple gbɔgbɔ ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me, bena míawu kɔkɔenyenye nu le mawuvɔvɔ̃ me.”—Korintotɔwo II, 7:1.

8. Le Lododowo 23:20, 21 ƒe nyawo nu la, nukae ate ŋu ado tso ahatsunono me?

8 Ahatsunono gblẽa ga na ame, ate ŋu ana dɔ nage le ame si gɔ̃ hã. Blema Israel-fia Salomo xlɔ̃ nu be: “Meganɔ weintsunolawo kple lãtsuɖulawo dome o.” Nukatae? Eɖe eme be: “Elabena ahatsunola kple nutsuɖula ɖe wodaa ahe, eye alɔ̃tsudɔla ɖe wònɔa ɖovu me.”—Lododowo 23:20, 21.

9. Nukatae nunya le eme be ame natsri aha muame nono ne ele ʋu ku ge?

9 Esi The Encyclopedia of Alcoholism nɔ susu hem yi afɔku bubu si le ahatsunono me dzi la, egblɔ be: “Numekukuwo ɖee fia be aha muame gblẽa nu le ʋukukuɖaŋuwo, abe tɔtrɔ ɖe nɔnɔmewo ŋu le ɣeyiɣi si sɔ me, mɔa zãla bubuwo ŋu bubu, ŋuɖɔɖɔɖo, susu ƒe ŋutenɔnɔ kple nyametsotso wɔwɔ ene, ŋu.” Ahanono atsɔ aku ʋui me tsonuwo gblẽa nu ale gbegbe. Le United States ɖeɖe dzaa la, ame akpe nanewo kuna eye akpe alafa nanewo xɔa abi ƒe sia ƒe le ʋufɔku siwo tso ahamumu gbɔ me. Sɔhɛwo koŋ, amesiwo mebi ɖe ʋukuku me o eye womenya ahanono o, ŋue afɔku sia gblẽa nu le bɔbɔe. Ðe amesi no aha muame agbɔsɔsɔme gbogbo aɖe tsɔ le ʋu kumee ate ŋu agblɔ le ɣeyiɣi ma ke me be yedea bubu agbe ŋu be enye nunana si tso Yehowa Mawu gbɔa? (Psalmo 36:10) Le esi agbe nye nu kɔkɔe ta la, nu nyuitɔe nye be mele be ame nano aha muame kura hafi aku ʋu o.

10. Aleke aha muame ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe susu dzii, eye nukatae ema nye afɔku?

10 Menye ame ƒe ŋutilã ŋu koe ahatsunono gblẽa nu le o ke boŋ egblẽa nu le ame ŋu le gbɔgbɔ me hã. Biblia gblɔ be: “Wein kple aha yeye ɖe wòdoa lã ame.” (Hosea 4:11) Aha muame gblẽa nu le ame ƒe susu ŋu. United States Dukɔa ƒe Atikezazã ɖe Mɔ Gbegblẽ nu Ŋuti Numekuƒe ƒe agbalẽ aɖe gblɔ be: “Ne ame no aha la, aha muame la yina ɖatoa eƒe dɔmenuwo me hegena ɖe ʋukawo me eye wòyina ɖagena ɖe ahɔhɔ̃a me enumake. Edzena egɔme ɖea ahɔhɔ̃a ƒe akpa siwo naa wobua tame hesea nu le lãme ƒe ŋutete dzi kpɔtɔna. Amea megate ŋu léa eɖokui nyuie o, eye wòwɔa nusianu faa.” Le nɔnɔme ma me la, anɔ bɔbɔe be míawɔ nu ‘nunyamanɔmetɔe,’ awɔ nu madzemadzee, eye míate ŋu adze tetekpɔ geɖewo me bɔbɔe.—Lododowo 20:1.

11, 12. Gbɔgbɔmefɔku kae ahatsunono ate ŋu ado me?

11 Gawu la, Biblia de se be: “Ne miele nu ɖum alo miele nu nom alo miele dɔ aɖe wɔm la, miwɔ ye katã na Mawu ƒe kafukafu.” (Korintotɔwo I, 10:31) Ðe ahatsunono he ŋutikɔkɔe vɛ na Mawu kpɔa? Kristotɔ aƒo asa na ŋkɔxɔxɔ le ahatsunono me godoo. Ŋkɔxɔxɔ le ahanono me ahe vlodoame ava Yehowa ƒe ŋkɔ dzi, ke menye ŋutikɔkɔe o.

12 Ke ne Kristotɔ aɖe ƒe eɖokui dzi maɖumaɖu le ahanono me ɖia haxɔsetɔ aɖe, ɖewohĩ nusrɔ̃la yeye aɖe, nu ya ɖe? (Romatɔwo 14:21) Yesu xlɔ̃ nu be: “Amesi ke laɖia nenem ɖevi sue, siwo xɔa dzinye sena, dometɔ ɖeka nu la, enyo nɛ bena, woatsɔ té atsi ɖe kɔ nɛ, eye woatsɔe ada ɖe ƒu ƒe gogloƒe, be wòano tsi aku.” (Mateo 18:6) Ahatsunono ate ŋu ana hã be woaxɔ subɔsubɔmɔnukpɔkpɔwo le ame si le hamea me. (Timoteo I, 3:1-3, 8) Nu bubu si dzi mele be míaŋe aɖaba aƒui o enye nusi ahatsunono ate ŋu agblẽ le ƒomea me.

Ƒo Asa na Afɔkuawo—Alekee?

13. Nukae nye nu vevi aɖe si akpe ɖe ame ŋu le asaƒoƒo na ahatsunono me?

13 Nu vevi aɖe si akpe ɖe ame ŋu le asaƒoƒo na afɔku siwo ahatsunono hena vɛ mee nye vovototo dede aha muame agbɔsɔsɔ sinu nyo na ame nono kple enono atraɖii dome, ke menye vovototo dede enono atraɖii kple emumu dome o. Amekae atso nya me le aha muame agbɔsɔsɔ sinu mamu wò o kple esi amu wò ŋu? Esi wònye esia lɔ nu geɖe ɖe eme ta la, womate ŋu ade se kpaɖi aɖeke le aha agbɔsɔsɔme si asɔ gbɔ na amewo akpa la ŋu o. Ele be amesiame nanya esinu wòano mamui o, eye wòagagbɔ edzi o. Nukae akpe ɖe ŋuwò le agbɔsɔsɔ sinu asɔ gbɔ na wò akpa ŋuti nyametsotso wɔwɔ me? Ðe gɔmeɖose aɖe li si afia mɔ mía?

14. Gɔmeɖose vevi kae afia mɔ wò le vovototo dede aha muame agbɔsɔsɔ sinu nyo na wò kple esinu asɔ gbɔ na wò akpa dome?

14 Biblia gblɔ be: “Lé nya vavã kple tamebubu me ɖe asi sesĩe; ekema woanye agbe na wò kple atsyɔ̃ɖonu na wò kɔ.” (Lododowo 3:21, 22) Eyata gɔmeɖose si afia mɔ amee nye: Aha muame agbɔsɔsɔ ɖesiaɖe si ado kplamatse wò nyametsotso wɔwɔ eye wòaɖe wò tamebubu ŋutete dzi akpɔtɔ ko la sɔ gbɔ na wò akpa. Gake ele be nàɖi anukware na ɖokuiwò le esinu nàno mamu wò o la nyanya me!

15. Ɣekaɣie aha muame sue aɖe teti nono gɔ̃ hã made ame dzi o?

15 Le nɔnɔme aɖewo me la, aha muame sue aɖe teti nono gɔ̃ hã made ame dzi o. Nyɔnu funɔ ate ŋu atiae be yemano ɖeke kura o le esi enono gblẽa nu le fugboe ŋu ta. Eye ɖe manye dɔmenyonyo be womano aha muame kura o ne ame aɖe si nye ahanoxe tsã le teƒea alo ne ame aɖe si ƒe dzitsinya meɖea mɔ nɛ be wòano aha kura o le teƒea oa? Yehowa de se na nunɔla siwo wɔa dɔ le avɔgbadɔa me be: “Ne . . . miele Mawu ƒe agbadɔ la me yi ge la, migano wein alo aha muame aɖeke o, bena miagaku o.” (Mose III, 10:8, 9) Eyata tsri aha muame nono do ŋgɔ na Kristotɔwo ƒe kpekpewo yiyi, ne èle gbeadzi, kple ne èle teokrasidɔ bubuwo gbɔ kpɔm. Gawu la, le dukɔ siwo me wode se ɖe aha muame nono ŋu alo be woɖe mɔ ɖe enono ŋu na amesiwo xɔ tso ƒe aɖe dzi yina ko me la, ele be míawɔ ɖe dukɔa ƒe sewo dzi.—Romatɔwo 13:1.

16. Aleke wòle be nàtso nya me le nusi nàwɔ ne ame aɖe na aha muame wò la ŋui?

16 Ne ame aɖe na aha muame wò la, nya si wòle be nàbia ɖokuiwò gbãe nye be: ‘Ðe wòle kokoko be manoea?’ Ne èɖo be yeanoe la, tso nya me le agbɔsɔsɔ si tututu nàno si mamu wò o ŋu, eye mègano wu ema o. Mègana amedzrowɔla ƒe dɔmenyonyo nable wò o. Eye ɖɔ ŋu ɖo le kplɔ̃ɖoƒe siwo aha bɔ ɖo, abe srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoƒewo ene, ŋu. Le teƒe geɖe la, se ɖe mɔ be ɖeviwo nano aha muame. Enye dzilawo ƒe agbanɔamedzi be woafia nu wo viwo le aha muame zazã ŋu eye woƒe ŋku nanɔ wo ŋu le go sia me.—Lododowo 22:6.

Àte Ŋu Akpɔ Kuxia Gbɔ

17. Nukae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nànya ne ahatsunono nye kuxi na wò?

17 Ðe wein kple ahasesẽ nono fũ akpa nye kuxi na wòa? Mègable ɖokuiwò o, ne ahatsunono va le nuvɔ̃ si nèwɔna le adzame zum na wò la, ava gblẽ nu le ŋuwò godoo mlɔeba. Eyata dzro ɖokuiwò me nyuie anukwaretɔe. Tsɔ nyabiabia siawo dzro ɖokuiwò mee: ‘Ðe menoa aha edziedzi fifia wu tsã? Ðe aha siwo menona sẽ wua? Ðe menoa aha be matsɔ aŋlɔ dzimaɖitsitsi, xaxa, alo kuxiwo bea? Ðe nye ƒomea me tɔ aɖe alo xɔ̃nye aɖe gbe nya nam kpɔ le nye ahanono ŋua? Ðe nye ahanono he kuxiwo va nye ƒomea mea? Ðe wòsesẽna nam be manɔ anyi aha manomanoe kwasiɖa ɖeka, ɣleti ɖeka, alo ɣleti aɖewoa? Ðe meɣlaa wein alo ahasesẽ agbɔsɔsɔ sinu menona ɖe amewoa?’ Ke ne nyabiase siawo dometɔ aɖewo ƒe ŋuɖoɖo nye ẽ le gowòme ɖe? Mèganɔ abe ame aɖe si ‘kpɔ eƒe dzɔdzɔmemo le ahũhɔ̃e me, eye enumake wòŋlɔ alesi wòle la be’ la ene o. (Yakobo 1:22-24) Wɔ nu nàtsɔ akpɔ kuxia gbɔe. Nukae nàte ŋu awɔ?

18, 19. Nuka wɔwɔe ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàtsri ahatsunono?

18 Apostolo Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔwo be: “Eye migamu aha, esi me nu baɖabaɖa wɔwɔ le la o; ke boŋ [gbɔgbɔ] la nayɔ mi fũ.” (Efesotɔwo 5:18) Nya agbɔsɔsɔ si tututu asɔ gbɔ na wò akpa, eye nàɖo agbɔsɔsɔ sinu nàno mamu wò o la ɖi. Ðoe kplikpaa be màno wu nenema o; ɖu ɖokuiwò dzi. (Galatiatɔwo 5:22, 23) Ðe hatiwò aɖewo ƒonɛ ɖe nuwò be nànɔ enom atraɖii wòasɔ gbɔ wu esi asɔ na wòa? Kpɔ nyuie. Biblia gblɔ be: “Ne èzɔ kple nunyalawo la, àdze nunya; ke ne ède ha kple bometsilawo la, àzu ame gbegblẽ.”—Lododowo 13:20.

19 Ne ènoa aha muame be yeatsɔ aɖe susu ɖa le kuxi aɖe dzii la, ke kpɔ kuxia gbɔ tẽ boŋ. Woate ŋu akpɔ ta na kuxiwo to wɔwɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo siwo le Mawu ƒe Nya me dzi me. (Psalmo 119:105) Mègahe ɖe megbe le kpekpeɖeŋu biabia tso Kristotɔ hamemegã aɖe si dzi woate ŋu aka ɖo la gbɔ me o. Zã Yehowa ƒe nunana siwo katã li nàtsɔ tu wò gbɔgbɔmemenyenye ɖoe. Na mia kple Yehowa dome ƒomedodoa me nasẽ ɖe edzi. Do gbe ɖa nɛ edziedzi—vevietɔ le wò gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu. Ƒo koko na Mawu be ‘wòalólo wò ayikuwo kple wò dzi’ ahadzro mewò akpɔ. (Psalmo 26:2) Abe alesi wogblɔe le nyati si do ŋgɔ mee ene la, do vevie nàzɔ le fɔmaɖimaɖi me.

20. Afɔ kawoe wòanyo be nàɖe be nàte ŋu akpɔ ta na wò ahanono atraɖii si dzi mete ŋu le ɖuɖum o la?

20 Ke ne wò agbagbadzedzewo be yeaɖu ahanono atraɖii dzi la le kpo dom nu ɖe? Ekema ele be nàwɔ ɖe Yesu ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi be: “Ne wò asi ɖia nu wò la, lãe ɖa; enyo na wò bena, nayi ɖe agbe la me kple asikpo, wu esi asi eve nanɔe na wò, eye nayi ɖe [Gehena, NW].” (Marko 9:43) Egbɔkpɔnu la koe nye be: Nàtsri enono kura. Nusiae nyɔnu aɖe si míayɔ be Irene ɖo kplikpaa hewɔ. Egblɔ be: “Le ƒe eve kple afã siwo me mezi ɖokuinye dzi ahamanomanoe me la, meva te eŋu bubu be ɖewohĩ sue aɖe ko nono ade dzinye, ne matsɔ akpɔ alesi manɔ te ɖe enui ɖa ko. Gake enumake esi susu sia va tame nam ko la, medo gbe ɖa na Yehowa le nya sia ŋu. Meɖoe kplikpaa be nyemagano aha muame ake o vaseɖe nuɖoanyi yeyea me—eye ɖewohĩ ɣemaɣi gɔ̃ hã nyemanoe o.” Etsitsri kura, be nàdze ate ŋu anɔ agbe le Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye ƒe xexe yeyea me magblẽ nu boo aɖeke le ŋuwò o.—Petro II, 3:13.

“Mike Dudime Nenema, ne Miaƒe Asi Nasu Edzi!”

21, 22. Nukae ate ŋu ado kplamatse mí be míaɖo agbedu la ƒe katsoƒea o, eye aleke míawɔ aƒo asa na kplamatsedonu mae?

21 Esi apostolo Paulo tsɔ Kristotɔ ƒe agbenɔnɔ nɔ sɔsɔm kple dudimekeke alo hoʋiʋli la, egblɔ be: “Alo mienyae bena, amesiwo le dudime kem le dusiƒe la, wo katãe kenɛ hafi, gake ame ɖeka koe xɔa dziɖuɖufetu la o mahã? Mike dudime nenema, ne miaƒe asi nasu edzi! Ke amesiame, si le kame tem la, eɖɔa ŋu ɖo le nusianu me; ame mawo wɔa nenema, bene woƒe asi nasu dziɖuɖukuku, si gblẽna la dzi; ke míawo la, esi megblẽna o la dzi. Eyaŋuti azɔ nye la mele dudime kem ale, bena nyemele ɖikeke me o, eye mele kɔ dam ale, bena nyemedaa dadagbo o; hafi meƒoa nye ŋutilã wòdoa ʋusrã, eye mewɔnɛ kluvi boŋ, bene esi menye gbeƒãɖela na ame bubuwo la, nye ŋutɔ la nyemagazu ame madzemadze o.”—Korintotɔwo I, 9:24-27.

22 Amesiwo wu dudimekekea nu dzidzedzetɔe la koe wotsɔa dziɖuɖufetu la nana. Le agbedua ƒuƒu me la, ahatsunono ate ŋu awɔe be míaɖo katsoƒea o. Ele be míaɖu mía ɖokui dzi. Dua ƒuƒu kakaɖedzinɔamesitɔe bia be míagaƒo mía ɖokui ɖe “ahatsunonowo” me o. (Petro I, 4:3) Ke boŋ, ehiã be míaɖu mía ɖokui dzi le nuwo katã me. Le aha muame nono gome la, anyo be “míagbe mawumavɔ̃mavɔ̃ kple xexeame nudzodzrowo, eye míanɔ anyi le ɖokuidziɖuɖu kple nu dzɔdzɔe wɔwɔ kpakple mawusosroɖa me.”—Tito 2:12.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 2 “Aha muame” si ŋu woƒo nu tsoe le nyati sia me ku ɖe biya, wein, kple ahasesẽ bubuwo ŋu.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nukae nye ahatsunono?

• Afɔku kawoe ahatsunono hena vɛ?

• Aleke nàte ŋu aƒo asa na ahatsunono ƒe afɔkuwoe?

• Aleke ame awɔ aɖu ahatsunono ƒe kuxia dzi?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Wein “doa dzidzɔ na amegbetɔ ƒe dzi”

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Ele be míanya agbɔsɔsɔ sinu míano mamu mí o, eye míagano wu ema o

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Tso nya me le agbɔsɔsɔ si tututu nàno si mamu wò o ŋu do ŋgɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

Do gbe ɖa na Yehowa edziedzi le wò gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Agba le dzilawo dzi be wòafia mɔ wo viwo le aha muame zazã me