Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Gɔmeɖeɖe aɖe si “Nyo Ale Gbegbe”

Gɔmeɖeɖe aɖe si “Nyo Ale Gbegbe”

Gɔmeɖeɖe aɖe si “Nyo Ale Gbegbe”

LE NUMEKUKU aɖe si wowɔ nu la, Eŋlisigbe me Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ƒe gɔmeɖeɖe yeye 55 sɔŋ ye wota tso ƒe 1952 vaseɖe ƒe 1990 me. Ne wotsɔ gɔmeɖeɖe vovovo siawo sɔ kple wo nɔewo la, edze ƒã be gbegɔmeɖelawo meɖe nyawo gɔme wosɔ ɖe wo nɔewo tɔ nu pɛpɛpɛ o. Be woanya ne kakaɖedzi le dɔ si gbegɔmeɖelawo wɔ ŋu la, Jason BeDuhn, si nye mawusubɔsubɔ ŋuti nufialagã aɖe le Northern Arizona University, le Flagstaff, Arizona, U.S.A., lé ŋku ɖe gɔmeɖeɖe nyanyɛ enyi aɖewo, si me New World Translation of the Holy Scriptures, si Yehowa Ðasefowo ta, hã le ŋu nyuie hetsɔ wo me nyawo ƒe nyateƒenyenye sɔ kple wo nɔewo. Nukae wòde dzesii?

Togbɔ be alesi woɖe New World Translation ƒe akpa aɖewo gɔme medze BeDuhn ŋu o hã la, eyɔe be gɔmeɖeɖe aɖe si “nyo ale gbegbe,” “enyo sasasã” eye “emenyawo de pɛpɛpɛ” wu esiwo ŋu wòlé ŋku ɖo la dometɔ geɖe. BeDuhn ƒo eƒe numekukua ta be New World Translation “nye Eŋlisigbe me Nubabla Yeye ƒe gɔmeɖeɖe adodoetɔ kekeake siwo li egbea la dometɔ ɖeka” kple “esi ƒe nyawo sɔ pɛpɛpɛ wu esiwo metsɔe sɔ kplii la.”—Truth in Translation: Accuracy and Bias in English Translations of the New Testament.

BeDuhn gblɔ hã be enye dzizizi na gbegɔmeɖela geɖewo be “woatrɔ nya si Biblia gblɔ la agblɔ alo aɖe wo me wòasɔ ɖe nusi nuxlẽla siwo li egbea la di hekpɔ be eyae wòle be wòagblɔ la nu.” Ke hã, BeDuhn de dzesii be New World Translation ya to vovo elabena “NW ya gblɔ nyawo wòsɔ tututu eye woɖɔ ŋu ɖo be gɔmeɖeɖea sɔ ɖe gbe gbãtɔ si me woŋlɔ Nubabla Yeyea ɖo la nu.”

Abe alesi New World Translation Biblia Gɔmeɖekɔmitia gblɔe le woƒe ŋgɔdonya me ene la, “agbanɔamedzi gã aɖee wònye” be woaɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo gɔme tso gbe gbãtɔ siwo me woŋlɔ wo ɖo me ayi gbe siwo wodona egbea me. Kɔmitia yi edzi gblɔ be: “Biblia sia gɔmeɖelawo, siwo vɔ̃a Mawu si nye Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo Ŋlɔla eye wolɔ̃e la, de dzesii be dɔ tɔxɛ aɖee wònye be woaɖe eƒe tamesusuwo kple sededewo agblɔ woade pɛpɛpɛ alesi wòanya wɔe.”

Tso esime wota New World Translation of the Holy Scriptures gbãtɔ le ƒe 1961 me la, wotae ɖe gbegbɔgblɔ 32, hekpe ɖe ŋkunɔwo tɔ eve ŋu, me fifia. Wota New World Translation ƒe Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo, alo ‘Nubabla Yeyea,’ ɖe gbegbɔgblɔ 18 bubuwo kple ŋkunɔwo tɔ ɖeka me. Míele dzi dem ƒo na wò be nàxlẽ Mawu ƒe Nya, le gɔmeɖeɖe sia si “nyo ale gbegbe” la me le gbe siwo míedona egbea, ɖewohĩ le wò ŋutɔ wò degbe, me.