Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nɔnɔme aɖe si Le Amegbetɔwo Ko Si

Nɔnɔme aɖe si Le Amegbetɔwo Ko Si

Nɔnɔme aɖe si Le Amegbetɔwo Ko Si

Jodie ɖo dɔwɔƒe aɖe, si léa ŋku ɖe ame kukuwo ƒe nunɔamesiwo ŋu kpɔna be ho nenie woadzra woe hã. Enɔ kpekpem ɖe nyɔnu aɖe ŋu be wòanya ho si edaa, si ku, ƒe nunɔamesi siwo wògblẽ ɖi la axɔ. Esi wònɔ mlekpui xoxo aɖe ŋu kam la, eke ɖe aɖaka xoxo aɖewo ŋu. Esi wòkpɔ ɖeka me la, ɖeko eƒe lãme fa. Nubablɛ aɖe si me United States ƒe gagbalẽ, dɔlar 100 tɔ, babla gbogbo aɖewo nɔ—si ƒe homee nye dɔlar 82,000 sɔŋ—ŋue wòke ɖo le eme! Jodie ɖeka koe nɔ xɔa me. Nuka wɔgee wòala? Ðe wòaɣla aɖaka la dzaa loo alo ɖe wòagblɔ ga si wòfɔ la ŋu nya na nyɔnua?

JODIE ƒe tokotokoe me tsitsi sia ɖe nɔnɔme aɖe si na míeto vovo tso gbemelãwo gbɔ la fia. The World Book Encyclopedia gblɔ be: “Amegbetɔwo ƒe nɔnɔme tɔxɛwo dometɔ ɖekae nye be wòabia nya veviwo ku ɖe nusi wòle be míawɔ kple esi mele be míawɔ o ŋu.” Asesẽ ŋutɔ be avu dɔwuitɔ aɖe si kpɔ lã le kplɔ̃ aɖe si woɖo nyuie dzi nabu eŋu kpɔ be asɔ be yeatsɔ ɖe aɖu mahã. Gake ŋutete le Jodie ya si be wòada eƒe nyametsotsoa ƒe nyonyome akpɔ. Ne eɣla gaa la, ke efi fi, gake ɖewohĩ womalé o. Gaa menye etɔ o; eye amesi de dɔa asi nɛ hã menya nu tso gaa ŋu o. Gakpe ɖe eŋu la, ame akpa gãtɔ siwo le Jodie ƒe nutoa me abui bometsilae ne etsɔ gaa na amesi wònɔ dɔa wɔm na.

Nenye wòe ɖo Jodie ƒe nɔnɔme sia me la, nukae nàwɔ? Alesi nàɖo biabia sia ŋui la anɔ te ɖe agbenɔnɔ ŋuti se si nu nètia be yeanɔ agbe ɖo la dzi.

Nukae Agbenɔnɔ Ŋuti Sewo Nye?

Woɖe “agbenɔnɔ ŋuti sewo” gɔme be “ŋkuléle ɖe nya siwo wobiana tsoa nusi wobe enyo alo gblẽ le agbenɔnɔ gome ŋu.” (Collins Cobuild English Dictionary) Agbalẽŋlɔla Eric J. Easton gblɔ be: “Gɔmesese ɖeka koŋue le ‘agbenɔnɔ ŋuti sewo’ kple ‘agbenyuinɔnɔ’ ŋu. Hela kple Latin gbe me nyawo mee woɖe wo gɔme tsoe, eye nya evea siaa ku ɖe ŋusẽ si dekɔnu kple kɔnyinyi kpɔna ɖe alesi amewo nɔa agbee dzi ŋu.”

Ɣeyiɣi didi aɖe enye sia la, subɔsubɔhae ɖoa dzidzenu siwo nu amewo nɔa agbe ɖo la na wo. Mawu ƒe Nya, Biblia, kpɔ ŋusẽ ɖe amegbetɔƒomea me tɔ geɖe dzi. Gake, le xexeame godoo la, ame gbogbo aɖewo va le asi ɖem le subɔsubɔhawo ƒe dzidzenu vovovoawo ŋu be womewɔa dɔ o eye be Biblia ƒe agbenɔnɔ ŋuti sewo zu tsigãdzinu. Nukae va xɔ ɖe eteƒe? Agbalẽ si nye Ethics in Business Life gblɔ be “xexemenunya va . . . kpe alesi subɔsubɔha kpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzi va yi la dzi.” Ame geɖe dia mɔfiame tsoa agbenɔnɔ ŋuti senyalagãwo gbɔ tsɔ wu be woayi ɖe subɔsubɔhawo gbɔ. Agbenɔnɔ ŋuti sefialagã Paul McNeill gblɔ be: “Ewɔ nam be agbenɔnɔ ŋuti nunyalawoe nye nunɔlawo na xexemenunya. . . . Fifia la, amewo va le agbe nɔm ɖe xexemegɔɖosewo nu wu, ke menye ɖe mawusubɔsubɔ ƒe gɔmeɖosewo nu abe alesi wònɔ tsã ene o.”

Aleke nèwɔa nyui kple vɔ̃ ŋuti nyametsotso sesẽ siwo dzea ŋgɔ wòe? Mawu ƒe agbenɔnɔ ŋuti sewo nue nènɔa agbe ɖo loo alo wò ŋutɔ tɔwò woea?