Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nya Vevi Siwo Tso Yosua ƒe Agbalẽ Me

Nya Vevi Siwo Tso Yosua ƒe Agbalẽ Me

Yehowa ƒe Nya la Le Agbe

Nya Vevi Siwo Tso Yosua ƒe Agbalẽ Me

ESIME Israel-viwo ƒu asaɖa anyi ɖe Moab-tagba le ƒe 1473 D.M.Ŋ. me la, dzi anya dzɔ wo esime wose nya siawo be: “Midzra mɔ dzi nuɖuɖu ɖo, elabena ŋkeke etɔ̃ megbe la miele Yordan sia tso ge ayi aɖaxɔ anyigba, si Yehowa, mia Mawu be, yeatsɔ na mi wòanye mia tɔ la.” (Yosua 1:11) Woƒe ƒe 40 gbedzi mɔzɔzɔa awu enu kpuie.

Ƒe 20 aɖewo megbe la, ŋgɔnɔla Yosua tsi tre ɖe Kanaan-nyigbaa dzi hegblɔ na Israel ƒe ame tsitsiwo bena: “Kpɔ ɖa, mema dukɔ kpɔtɔe siawo ƒe anyigba na miaƒe toawo tso Yordan nu kple dukɔ, siwo katã metsrɔ̃ la gbɔ, vaseɖe ƒu gã la nu le ɣetoɖoƒe. Yehowa, mia Mawu la ŋutɔ ate wo ɖa le mia ŋgɔ, eye wòanyã wo ɖa le mia ŋgɔ, be miaxɔ woƒe anyigba, abe alesi Yehowa, mia Mawu la, do ŋugbe na mi ene.”—Yosua 23:4, 5.

Yosua ƒe agbalẽ si Yosua ŋlɔ le ƒe 1450 D.M.Ŋ. me la nye nusiwo dzɔ le ƒe 22 mawo me ŋuti nuŋlɔɖi lédzinamewo. Esi míeɖo xexe yeye si ƒe ŋugbe wodo la ƒe agbo nu la, míaƒe nɔnɔmea sɔ kple Israel-vi siwo nɔ klalo be yewoaxɔ Ŋugbedodonyigbaa wòazu wotɔ la tɔ. Le esia ta, mina míatsɔ didi vevie adzro Yosua ƒe agbalẽa me.—Hebritɔwo 4:12.

WOÐO TA “YERIXO TAGBA”

(Yosua 1:1–5:15)

Dɔ gã kae nye si Yosua xɔ esime Yehowa gblɔ nɛ be: “Nye dɔla Mose ku, eyata tsi tre, eye mia kple dukɔ blibo la miatso Yordan sia ayi anyigba, si mebe, mana Israel-viwo la dzi”! (Yosua 1:2) Yosua akplɔ dukɔ si me ame miliɔn geɖe le la ayi Ŋugbedodonyigbaa dzi. Be wòatsɔ dzra ɖo ɖe esia ŋu la, edɔ ŋkutsala eve ɖo ɖe Yerixo—si nye du si dzi wòle be woaɖu gbã. Du ma mee Raxab si nye gbolo, amesi se nu tso nukunu si Yehowa wɔ na eƒe amewo ŋu, la nɔ. Ekpɔ ŋkutsalawo ta hena kpekpeɖeŋu wo eye woawo hã do ŋugbe nɛ be atsi agbe.

Esi ŋkutsalawo trɔ gbɔ la, Yosua kple eƒe amewo dzra ɖo be yewoatso Yordan-tɔsisia. Togbɔ be tɔa ɖɔ gbagba hã la, tɔsisia medo kplamatse aɖeke wo kura o, elabena Yehowa na tsi si si tso dzigbe gome gbɔna la mli kɔ ɖe afi ɖeka abe ɖee woxee ene eye tsi si si yina anyigbe gome la si yi ɖe Ƒukukua me. Le Yordan-tɔsisia tsotso vɔ megbe la, Israel-viawo ƒu asaɖa anyi ɖe Gilgal, le Yerixo gbɔ. Ŋkeke ene megbe, le Abib ƒe ŋkeke 14 lia ƒe fiẽ me la, woɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le Yerixo-tagba. (Yosua 5:10) Le ŋufɔke la, wote anyigba ma dzi agblemenuwo ɖuɖu, elabena mana la dzudzɔ dzadza na wo. Ɣeyiɣi sia mee Yosua tso aʋa na ŋutsuvi siwo katã wodzi le gbeadzi la.

Ŋɔŋlɔawo me Biabiawo Ŋuɖoɖo:

2:4, 5—Nukatae Raxab ble fia la ƒe ame siwo le ŋkutsalawo dim? Raxab de eƒe agbe afɔku me tsɔ kpɔ ŋkutsalawo tae elabena eva xɔ Yehowa dzi se. Eyata, egbe be yemagblɔ afisi ŋkutsalawo le la na amesiwo le didim be yewoawɔ nu vevi Mawu ƒe amewo la o. (Mateo 7:6; 21:23-27; Yohanes 7:3-10) Le nyateƒe me la, ‘wotso dzɔdzɔenyenye ƒe afia’ na Raxab ɖe eƒe ‘dɔwɔwɔwo,’ si me fia la ƒe dɔgbedelawo beble hã le, ta.—Yakobo 2:24-26.

5:14, 15—Amekae nye “Yehowa ƒe aʋafia”? Aʋafia si va do ŋusẽ Yosua esime wote Ŋugbedodonyigba la dzi dzedze la mate ŋu anye ame bubu aɖeke wu “Nya la”—si nye Yesu Kristo do ŋgɔ na eƒe amegbetɔ zuzu—o. (Yohanes 1:1; Daniel 10:13) Aleke wòdoa ŋusẽ ame enye si be kakaɖedzi nanɔ ame si be Yesu Kristo si wotsɔ ŋutikɔkɔe na la li kple Mawu ƒe amewo egbea esi wole gbɔgbɔmeʋa wɔm!

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme na Mí:

1:7-9. Biblia xexlẽ gbesiagbe, ŋugbledede le nusi wògblɔ ŋu ɣesiaɣi, kple nusi míesrɔ̃ la tsɔtsɔ de dɔwɔna me le vevie hena dzidzedzekpɔkpɔ le gbɔgbɔmedɔwo wɔwɔ me.

1:11. Yosua gblɔ na dukɔa be woadzra mɔ dzi nuɖuɖu ɖo ke womaganɔ anyi ade asi ata me anɔ Mawu sinu kpɔm be wòana yewo o. Nenema ke aɖaŋu si Yesu ɖo be mía dzudzɔ dzimaɖitsitsi ɖe agbemenuhiahiãwo ŋu, tsɔ kpe ɖe ŋugbe si wòdo be “woatsɔ nusiawo katã akpe ɖe eŋuti na mi” la mefia be míagawɔ naneke atsɔ akpe ɖe mía ɖokui ŋu o.—Mateo 6:25, 33.

2:4-13. Esi Raxab se nu tso nu dzɔtsu siwo Yehowa wɔ ŋu hekpɔe be ɣeyiɣia nye vɔ̃ la, etso nya me be yeawɔ ɖeka kple esubɔlawo. Ne ɣeyiɣi aɖee nye esia si nèle Biblia srɔ̃m eye nèva kpɔe dze sii be míele “ŋkeke mamlɛawo” me la, ɖe mele be nàtso nya me be yeasubɔ Mawu oa?—Timoteo II, 3:1.

3:15. Esi nyatakaka si ŋkutsala siwo wodɔ ɖo ɖe Yerixo tsɔ gbɔe la de ame dzi ta la, Yosua wɔ nu enumake, eye melala be Yordan tɔsisia namie hafi o. Le nusiwo ku ɖe tadedeagu vavãtɔ ŋu me la, ele be míawɔ nu dzinɔameƒotɔe ke menye be míahe megbelele ɖaseɖe esime nɔnɔmeawo naka ɖe eme hafi o.

4:4-8, 20-24. Kpe 12 siwo wofɔ tso Yordan tɔsisia me la anye ŋkuɖodzikpewo na Israel. Nenema kee nusiwo Yehowa wɔ tsɔ ɖe eƒe amewo tso eƒe futɔwo si me le egbeŋkekeawo me hã nye nusi ɖoa ŋku edzi na wo be eli kpli wo.

ELE AƲADZIÐUÐU DZI

(Yosua 6:1–12:24)

“Wodo” Yerixo du la “ƒe agbowo . . . eye ame aɖeke mete ŋu do alo va me o.” (Yosua 6:1) Aleke woawɔ axɔ dua? Yehowa na aɖaŋu Yosua. Eteƒe medidi o gliawo mu eye dua tsrɔ̃. Raxab kple eƒe aƒea ko tae wokpɔ.

Du si dzi woɖu kplɔ Yerixo ɖoe nye Ai fiadu la. Ŋkutsala siwo wodɔ ɖo ɖe afima la va gblɔ be ame ʋɛ aɖewo koe le dua me, eyata mahiã be woatsɔ ame gbogbo aɖeke hafi aɖu edzi o. Ke hã, asrafo siwo ade 3,000 siwo tsɔ yi ɖadze dua dzi la si le Aitɔwo nu. Ðe susu ka ta? Yehowa menɔ kple Israel-viawo o. Axan si tso Yuda-toa me la wɔ nuvɔ̃ esime wodze Yerixo dzi. Esi wokpɔ nyaa gbɔ vɔ megbe la, Yosua ho ɖe Ai ŋu ake. Esi wònye be woɖu Israel-viawo dzi va yi ta la, Ai fia di vevie be yeakpe aʋa kpli wo ake. Gake Yosua zã aɖaŋu aɖe, si trɔ Aitɔwo ƒe kaka ɖe wo ɖokui dzi fũ akpa la to emee, eye Yosua xɔ dua.

Gibeon ‘du la lolo—elolo wu Ai, eye eme ŋutsuwo katã nye kalẽtɔwo.’ (Yosua 10:2) Gake esi Gibeontɔwo se be Israel ɖu Yerixo kple Ai dzi dzidzedzetɔe la, woble Yosua wòbla ŋutifafa ƒe nu kpli wo. Dukɔ siwo ƒo xlã wo la bu nuwɔna sia be ena yewomele dedie o. Woƒe fia atɔ̃ wɔ ɖeka dze Gibeon dzi. Israel xɔ na Gibeontɔwo heɖu wo dzi dzelawo dzi gbidii. Du bubu siwo dzi Israel ɖu le Yosua ƒe kpɔkplɔ te la dometɔ aɖewoe nye du siwo le anyiehe kple ɣetoɖoƒe, kpakple fiawo ƒe ƒuƒoƒo siwo le dziehe la. Fia siwo katã dzi woɖu le Yordan ƒe ɣetoɖoƒe kpa dzi la le 31.

Ŋɔŋlɔawo me Biabiawo Ŋuɖoɖo:

10:13—Aleke nu ɖe dzesi sia wɔ dzɔ? “Ðe nane sesẽ na Yehowa,” dziƒo kple anyigba wɔla la? (Mose I, 18:14) Ne Yehowa lɔ̃ la, ate ŋu atrɔ asi le anyigbaa ƒe zɔzɔme ŋu ale be wòadze na anyigba dzi tɔwo abe ɖee ɣea kple ɣletia megale zɔzɔm o ene. Alo ate ŋu ana anyigba kple ɣletia nayi edzi anɔ zɔzɔm gake wòatrɔ keklẽ si tso ɣea kple ɣletia gbɔ bene kekeli si tso nukeklẽ eve siawo gbɔ la nayi edzi aklẽ ɖe anyigba dzi. Aleke kee wòɖadzɔe o, “ŋkeke aɖeke medo ŋgɔ nɛ alo va le emegbe de esia nu” le amegbetɔwo ƒe ŋutinya me o.—Yosua 10:14.

10:13—Agbalẽ kae nye ame dzɔdzɔewo ƒe agbalẽ (alo Yasa NW)? Wogayɔ agbalẽ sia ŋkɔ ake le Samuel II, 1:18, wòku ɖe hakpanya aɖe si woyɔ be “aŋutrɔdaha la”—si nye konyifaha aɖe si wokpa na Israel-fia Saul kple via Yonatan—ŋu. Blemanudzɔdzɔwo ŋuti hawo kple hakpanyawoe anya nɔ agbalẽa me eye anɔ eme be Hebritɔwo nyae nyuie.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme na Mí:

6:26; 9:22, 23. Fiƒodenya si Yosua gblɔ le Yerixo tsrɔ̃ɣi la va eme le ƒe 500 megbe. (Fiawo I, 16:34) Fi si Noa ƒo de tɔgbuiyɔvia Kanaan la va eme esime Gibeontɔwo va zu kluviwo. (Mose I, 9:25, 26) Yehowa ƒe nyawo vaa eme godoo.

7:20-25. Ame aɖewo abu Axan ƒe fififia nu tsɛe, ɖewohĩ abui be magblẽ naneke le ame aɖeke ŋu o. Nenema ke woabu fi suesuewo fifi kple Biblia ƒe se siwo dze abe nu tsɛwo ene la dzi dadae. Gake ele be míawo ya míanɔ abe Yosua ene le alesi míaɖoe kplikpaa be míagbe nu le nugbegblẽ alo agbegbegblẽnɔnɔ ƒe nyaƒoɖeamenuwo gbɔ me.

9:15, 26, 27. Ele be míabu ɖoɖo siwo míewɔna la ŋkubiãnyawo eye míawɔ ɖe míaƒe nyawo dzi.

YOSUA DZE EƑE DƆ GÃ MAMLƐTƆA GƆME

(Yosua 13:1–24:33)

Yosua si tsi ŋutɔ—yina ƒe 90 xɔ ge—la dze anyigba la mama gɔme. Enye dɔ gã aɖe nyateƒe! Ruben kple Gad ƒe toawo kpakple Manase ƒe toa ƒe afã xɔ woƒe anyigbawo xoxo le Yordan ƒe ɣedzeƒe kpa dzi. Emegbe wodzidze nu ɖe anyigba dzi na to memlɛawo le ɣetoɖoƒe kpa dzi.

Wotu avɔgbadɔa ɖe Silo le Efrayim ƒe nutoa me. Kaleb xɔ Xebron du la, eye Yosua xɔ Timnat-Serax. Wona du 48 Lewi-viawo, si me sitsoƒedu 6 nɔ. Esime aʋawɔla siwo tso Ruben, Gad, kple Manase ƒe to afã me trɔ yina woƒe anyigbaa dzi le Yordan ƒe ɣedzeƒe gome la, woɖi vɔsamlekpui “gã nyui aɖe.” (Yosua 22:10) To siwo le Yordan ƒe ɣetoɖoƒe kpa dzi la bu nuwɔna sia be enye xɔsegbegbe ƒe nɔnɔme aɖe, eye towo dome ʋa aɖe de dzɔdzɔge kloe, gake esi wonɔ anyi ɖe eŋu gblɔe la, womegaxa kɔ ʋu ɖi o.

Esi Yosua nɔ Timnat-Serax hena ɣeyiɣi aɖe la, eyɔ ame tsitsiawo, ƒome ƒe tawo, ʋɔnudrɔ̃lawo, kple Israel-megãwo ƒo ƒui hexlɔ̃ nu wo be woalé dzi ɖe ƒo ahayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa. Emegbe Yosua ƒo Israel ƒe toawo katã nu ƒu ɖe Sixem. Le afima la, egbugbɔ ɖo ŋku alesi Yehowa wɔ nui tso Abraham ŋɔli ke la dzi na wo, eye wògaxlɔ̃ nu wo ake be ‘woavɔ̃ Yehowa, eye woasubɔe le nuteƒewɔwɔ kple nyateƒe me.’ Nya la ʋã ameawo si na woɖo eŋu be: “Yehowa, mía Mawu la, míasubɔ, eye eƒe gbe ko míase!” (Yosua 24:14, 15, 24) Le nusiawo megbe la, Yosua nɔ gbɔdzɔgbɔdzɔm vaseɖe esime wòku le ƒe 110 xɔxɔ me.

Ŋɔŋlɔawo me Biabiawo Ŋuɖoɖo:

13:1—Ðe esia metsi tre ɖe nusi wogblɔ ɖe Yosua 11:23 ŋu oa? Ao, elabena Ŋugbedodonyigbaa xɔxɔ nɔ go eve me: aʋa si dukɔa wɔ tsɔ ɖu Kanaan fia 31-awo dzi, si xɔ ŋusẽ le Kanaantɔwo si, kpakple aʋa siwo toawo dometɔ ɖesiaɖe wɔ tsɔ xɔ anyigbaa wòzu wotɔ keŋkeŋ. (Yosua 17:14-18; 18:3) Togbɔ be Israel-viwo mete ŋu nya Kanaantɔwo ɖa le anyigbaa dzi keŋkeŋ o hã la, amesiwo susɔ la menye ŋɔdzi na Israel o. (Yosua 16:10; 17:12) Yosua 21:44 gblɔ be: “Yehowa na wokpɔ gbɔdzɔe le afisiafi.”

24:2—Ðe Abraham fofo, Tarax, nye trɔ̃subɔlaa? Le gɔmedzedzea me la, Tarax menye Yehowa Mawu subɔla o. Anɔ eme be dzinumawu si ŋkɔe nye Sin—si nye mawunɔ xɔŋkɔ aɖe le Ur—lae wòsubɔna. Le Yudatɔwo ƒe xotutu nu la, Tarax anya nye legbawo lila gɔ̃ hã. Gake, esime Abraham wɔ ɖe Mawu ƒe se dzi ʋu tso Ur la, Tarax kplɔe ɖo yi Haran.—Mose I, 11:31.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme na Mí:

14:10-13. Togbɔ be Kaleb xɔ ƒe 85 hã la, ebia be yeaxɔ dɔ sesẽ si nye be yeanya amesiwo le Hebron nutoa me ɖa. Enakitɔwo—siwo dzɔatsu ŋutɔ—lae nɔ afima. Le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, aʋawɔla bibi sia ɖu dzi, eye Hebron va zu sitsoƒedu. (Yosua 15:13-19; 21:11-13) Kaleb ƒe kpɔɖeŋua de dzi ƒo na mí be míagasi le teokrasidɔ sesẽwo nu o.

22:9-12, 21-33. Ele be míakpɔ nyuie be míaƒo asa na susu manyomanyowo bubu ɖe amewo ƒe wɔnawo ŋu.

“Nya Ku Ðeka Hɔ̃ Hã Meto Le Eme O”

Esi Yosua ku amegãɖeɖi la, egblɔ na Israel-metsitsiwo bena: “Nya aɖeke meto le nya nyui, siwo katã Yehowa, mia Mawu la, gblɔ na mi la me o, wo katã va me na mi.” (Yosua 23:14) Aleke Yosua ƒe nuŋlɔɖia ɖe esia fia wòdze nyuie enye si!

Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Nusi ke woŋlɔ ɖi tsã la, woŋlɔe le míaƒe nufiafia ta, bene míatsɔ ŋɔŋlɔawo ƒe dzidodo kple akɔfafa akpɔ mɔkpɔkpɔ.” (Romatɔwo 15:4) Kakaɖedzi ate ŋu anɔ mía si bena mɔkpɔkpɔ si le mía si ɖe Mawu ƒe ŋugbedodowo ŋu la menye dzodzro o. Ŋugbedodoawo dometɔ aɖeke mado kpo eme vava o; wo katã ava eme.

[Anyigbatata si le axa 10]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Yosua xlɔ̃ nu Israel be ‘wòavɔ̃ Yehowa ahasubɔe’

BASAN

GILEAD

TAGBA

NEGEB

Yordan Tɔsisi

Dzeƒu

Yabok-tɔʋu

Arnon-tɔʋu

Dor

Xefer

Afek

Megido

Kedes

Tanax

Yokneam

Gezer

Eglon

Xazor

Madon

Saron

Tirza

Tapuax

Makeda

Yarmut

Libna

Laxis

Betel

Ai

Adulam

Gilgal

Yerixo

Yerusalem

Xebron

Debir

Arad

Simron

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Ènya nusitae wobu dzɔdzɔenyenye na Raxab gbolo la ɖoa?

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Nuto siwo dzi woɖu le Yosua ƒe kpɔkplɔ te

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Axan ƒe fififia menye nuvɔ̃ sue o—ehe afɔku gãwo vɛ

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

“Le xɔse me Yerixo ŋu gliwo mu dze anyi.”—Hebritɔwo 11:30