Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nukatae Yesu si wofɔ ɖe tsitre la lɔ̃ be Toma naka asi ye ŋu evɔ melɔ̃ be Maria Magdalatɔ ya naka asi ye ŋu do ŋgɔ o?

Biblia gɔmeɖeɖe xoxo aɖewo na wòdze abe ɖe Yesu gblɔ na Maria Magdalatɔ be wòagaka asi ye ŋu o ene. Le kpɔɖeŋu me, míaƒe Eʋegbe Biblia xlẽ be: “Megaka asi ŋunye o; elabena nyemekpɔ yi dziƒo, Fofo la gbɔ, haɖe o.” (Yohanes 20:17) Gake woɖea Helagbe me dɔwɔnya si nye ‘ka asi eŋu’ gɔme zi geɖe wòfiana be “woaku ɖe ame ŋu goŋgoŋ, woawɔ atuu na ame, woakpla ame, woava ame goŋgoŋ, woaƒo asi ame.” Edze ƒãa be menye ɖe Yesu gbe be Maria Magdalatɔ nagaka asi ye ŋu ko o, elabena eɖe mɔ na nyɔnu bubu siwo va ameɖibɔa me ‘wolé eƒe afɔwo.’—Mateo 28:9.

Egbegbe gɔmeɖeɖe aɖewo, abe New World Translation of the Holy Scriptures, The New Jerusalem Bible, kple The New English Bible ene, kpe ɖe mía ŋu be míase Yesu ƒe nyawo gɔme ŋutɔŋutɔ to afima gɔmeɖeɖe be “dzudzɔ kuku ɖe ŋunye” me. Nukatae Yesu agblɔ nya ma na Maria Magdalatɔ, si nye exɔlɔ̃ vevi la?—Luka 8:1-3.

Ðewohĩ Maria Magdalatɔ anya susui be Yesu adzo ayi dziƒo le gaƒoƒo ma me. Le alesi wòdi vevie be yeanɔ yeƒe Aƒetɔa ŋu ta la, enɔ kukum ɖe Yesu ŋu vevie eye medi kura be wòadzo o. Be Yesu naka ɖe edzi nɛ be yemadzo le gaƒoƒo ma me o la, Yesu gblɔ na Maria be wòadzudzɔ kuku ɖe ye ŋu ne wòayi aɖagblɔ yeƒe tsitretsitsia ŋu nya na yeƒe nusrɔ̃lawo boŋ.—Yohanes 20:17.

Dzeɖoɖo si yi edzi le Yesu kple Toma dome la to vovo. Toma menɔ anyi hafi Yesu do ɖe eƒe nusrɔ̃la aɖewo dzi o. Emegbe la, Toma ke ɖi le Yesu ƒe tsitretsitsia ŋu hegblɔ be yemaxɔe se o vaseɖe esime yeakpɔ gatagbadzɛ si woda Yesu la ƒe abiawo ahaƒo asi ɖe akplɔ si wotɔ axadame nɛ ƒe abidoa me hafi. Le ŋkeke enyi megbe la, Yesu gado ɖe eƒe nusrɔ̃lawo dzi ake. Fifia ya, Toma nɔ anyi, eye Yesu kpee be woava ƒo asi ɖe abidoawo me.—Yohanes 20:24-27.

Eyata le Maria Magdalatɔ gome la, Yesu nɔ Maria ƒe nukpɔsusu manyomanyo si nye be wòa sika ye ɖi bene yemagadzo o la ɖɔm ɖo; le Toma gome la, Yesu nɔ kpekpem ɖe eyama ŋu be woaɖɔ ɖikeke si ɖo eme la ɖo. Le goawo kple evea siaa me la, susu nyui aɖewo tae Yesu wɔ nu nenema ɖo.