Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyui Kple Vɔ̃​—Aleke Nàde Vovototo Wo Domee?

Nyui Kple Vɔ̃​—Aleke Nàde Vovototo Wo Domee?

Nyui Kple Vɔ̃​—Aleke Nàde Vovototo Wo Domee?

AMEKA sie ŋusẽ le be wòaɖo nyui kple vɔ̃ ŋuti dzidzenuwo? Biabia ma fɔ ɖe te le keke amegbetɔ ƒe ŋutinya ƒe gɔmedzeɣi ke. Biblia-gbalẽ si nye Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ gblɔ be Mawu tɔ asi ati aɖe koŋ dzi Eden-bɔa me be enye “sidzedze nyui kple vɔ̃ ƒe ati.” (Mose I, 2:9) Mawu gblɔ na ame eve gbãtɔ la bena woagaɖu ati sia ƒe tsetse o. Gake, Mawu ƒe futɔ, Satana Abosam, do susua ɖa be ne woɖu ati sia ƒe tsetse la, woƒe ŋkuwo “lãʋu” eye woanɔ “abe Mawu ene, anya nyui kple vɔ̃.”—Mose I, 2:16, 17; 3:1, 5; Nyaɖeɖefia 12:9.

Ele be Adam kple Xawa natso nya me—ɖe woawɔ ɖe nyui kple vɔ̃ ƒe dzidzenu siwo Mawu ɖo la dzi loo alo ɖe woawɔ ɖe woa ŋutɔwo tɔ dzia? (Mose I, 3:6) Wotiae be yewomaɖo to Mawu o eye woɖu atia ƒe tsetse. Nukae nuwɔna tsɛ ma ɖe fia? Esi wogbe wɔwɔ ɖe se si Mawu de na wo dzi ta la, woɖee fia be eme anyo na yewo kple yewoƒe dzidzimeviwo wu ne yewo ɖo nyui kple vɔ̃ ŋuti dzidzenuwo na yewo ɖokui. Dzidzedze kae ameƒomea kpɔ tso agbagbadzedze be yewoawɔ nu abe Mawu ene to woa ŋutɔwo ƒe dzidzenuwo ɖoɖo na wo ɖokui me?

Nukpɔsusu Vovovowo

Esi Encyclopædia Britannica dzro nusi xexemenunyala xɔŋkɔwo fia le ƒe alafa siwo va yi me me vɔ la, egblɔ be tso Hela xexemenunyala Socrates ŋɔli va ɖo ƒe alafa 20 lia me la, “woʋli nya” enuenu “le nusi tututu nyuiwɔwɔ kpakple nyui kple vɔ̃ ƒe dzidzenu anye la ŋu.”

Le kpɔɖeŋu me, Sophisttɔwo nye ƒuƒoƒo xɔŋkɔ aɖe nɔ Hela nufialawo dome le ƒe alafa atɔ̃lia D.M.Ŋ. me. Wofia nu be ame hahoowo ƒe nukpɔsusu dzie wonɔa te ɖo ɖoa nyui kple vɔ̃ ƒe dzidzenuwo. Nufiala siawo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Nusianu si ko du aɖe me tɔwo buna nu dzɔdzɔe eye be esɔ la nyea nusiwo dzɔ hesɔ na du ma, zi alesi wonya lɔ̃ ɖe edzi ko.” Le nya sia nu la, ele be Jodie, si ƒe nya míegblɔ le nyati si do ŋgɔ me la, naɣla gaa le esi eƒe nutoa, alo “du,” me tɔ akpa gãtɔ awɔe nenema ta.

Immanuel Kant, si nye ƒe alafa 18 lia me xexemenunyala xɔŋkɔ aɖe, ya gblɔ nya si to vovo. Magazine si nye Issues in Ethics gblɔ be: “Immanuel Kant kple ame bubu siwo le abe eyama ene . . . ƒo nu tso gome si le amea ŋutɔ si be wòawɔ eya ŋutɔ ƒe nyametsotso ŋu.” Le Kant ƒe susua nu la, ne Jodie menya xɔ ame aɖeke ƒe gomenɔamesi le esi o ko la, nusi woawɔ la nye eya ŋutɔ ƒe nya. Mele be wòaɖe mɔ ame hahooawo ƒe nukpɔsusu naɖo dzidzenuwo nɛ o.

Aleke Jodie kpɔ gbetɔame sia gbɔe? Etia nukpɔsusu etɔ̃lia. Ewɔ ɖe Yesu Kristo, amesi ƒe agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenuwo Kristotɔwo kple amesiwo menye Kristotɔwo o siaa kafu la, ƒe nufiafia dzi. Yesu fia nu be: “Eyaŋuti nusianu, si mielɔ̃na bena, amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwɔ nenema ke na wo.” (Mateo 7:12) Jodie tsɔ United States ƒe ga dɔlar 82,000 la na nyɔnu si na dɔae la, nyɔnua ƒe nu koe ku. Esi wobia Jodie be nukatae metsɔ gaa o la, eɖe eme be Yehowa Ðasefoe yenye eye wògblɔ be: “Gaa menye tɔnye o.” Jodie wɔ ɖe Yesu ƒe nya si woŋlɔ ɖe Biblia me le Mateo 19:18 be “megafi fi o” la dzi.

Ðe Ame Hahoowo ƒe Nukpɔsusu Nye Mɔfianu si Dzi Woaka Ðoa?

Ðewohĩ ame aɖewo agblɔ be Jodie tsi bome ŋutɔ be wòwɔ nuteƒe. Gake ame hahoowo ƒe nukpɔsusu menye mɔfianu si dzi woaka ɖo o. Le kpɔɖeŋu me, nenye amesiwo dometɔ akpa gãtɔ xɔe se be ɖeviwo tsɔtsɔ asa vɔe sɔ, abe alesi ame aɖewo bui va yi ene, domee nènɔ la, ɖe ema awɔe be nuwɔna ma na sɔa? (Fiawo II, 16:3) Ke ne amesiwo bua amelãɖuɖu be enye nusi sɔ domee wodzi wò ɖo ya ɖe? Ðe ema afia be amelãɖuɖu menye nugbegblẽ oa? Nuwɔna aɖe ƒe ŋkɔxɔxɔ mefiana be esɔ o. Blema kee Biblia xlɔ̃ nu le mɔ̃ ma ŋu, be: “Meganɔ ha yome le nu vlo wɔwɔ me o.”—Mose II, 23:2.

Yesu Kristo gblɔ susu bubu si tae wòle be míaɖɔ ŋu ɖo le tenɔnɔ ɖe ame hahoowo ƒe nukpɔsusu dzi le nyui kple vɔ̃ ŋuti nyametsotso wɔwɔ me ɖo. Eɖee fia be Satanae nye ‘xexeame ƒe fia.’ (Yohanes 14:30; Luka 4:6) Satana zãa eƒe ɖoƒea tsɔ blea ‘xexeame katãe.’ (Nyaɖeɖefia 12:9) Eyata ne nusi ame geɖe lɔ̃a wɔwɔ ko dzie nènɔa te ɖo tsoa nyame le nyui kple vɔ̃ ŋuti la, ɖewohĩ àva nɔ lɔlɔ̃m ɖe Satana ƒe dzidzenuwo dzi, eye ɖikeke mele eme o be afɔku anɔ eme godoo.

Ðe Nàte Ŋu Aka Ðe Wò Ŋutɔ Wò Nyametsotso Dzia?

Ekema ɖe wòle be ame ɖesiaɖe naɖo nusi nye nyui kple nusi nye vɔ̃ ŋuti dzidzenuwo na eɖokuia? Biblia gblɔ be: “Megaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o.” (Lododowo 3:5) Nukatae? Elabena amegbetɔwo katã nyi gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖe si ƒo ke ɖe to ɖe mía me, si ate ŋu agblẽ míaƒe nyametsotsowo wɔwɔ me la, ƒe dome. Esi Adam kple Xawa dze aglã ɖe Mawu ŋu la, wolɔ̃ ɖe ametrɔtomela ɖokuitɔdila Satana ƒe dzidzenuwo dzi eye wotiae be wòanye yewoƒe gbɔgbɔmefofo. Esia na wogblẽ domenyinu gbegblẽ aɖe—si nye dzi alakpatɔ si te ŋu dea dzesi nu nyui gake dina vevie be yeawɔ vɔ̃ la—ɖi na woƒe dzidzimeviwo.—Mose I, 6:5; Romatɔwo 5:12; 7:21-24.

Esi Encyclopædia Britannica nɔ agbenɔnɔ ŋuti sewo me dzrom la, egblɔ be: “Ne amewo nya nusi sɔ be woawɔ gake gbe ewɔwɔ hewɔ nusi nye woa ŋutɔwo ƒe didi dzi la menye nukunu boo aɖeke o. Alesi woawɔ ana ame mawo nanya nusitae wòle be woawɔ nusi sɔ ɖo la nye kuxi gã le Ɣetoɖoƒe agbenɔnɔ ŋuti sewo ƒe ŋusẽ kpɔkpɔ ɖe ame dzi me.” Biblia gblɔe wòsɔ ale: “Ame ƒe dzi la, alakpatɔ wònye wu nuwo katã, nu gbegblẽ wònye, ameka ahadze sii ma?” (Yeremya 17:9) Ðe nàka ɖe ame aɖe si wonya nyuie be enye alakpatɔ kple ame gbegblẽ la dzia?

Le nyateƒe me la, ŋutete le amesiwo mexɔ Mawu dzi se o gɔ̃ hã si be woawɔ nu dzeame ahatu agbenɔnɔ ŋuti se siwo wɔa dɔ eye bubu le wo ŋu hã ɖo. Gake zi geɖe la, woƒe agbenɔnɔ gɔmeɖose nyuiawo ɖea Biblia ƒe gɔmeɖosewo fiana. Togbɔ be amesiawo melɔ̃na ɖe edzi be Mawu li o hã la, woƒe nukpɔsusuwo ɖenɛ fiana be ŋutete le wo si le ememe be woaɖe Mawu ƒe nɔnɔme afia. Esia ɖo kpe edzi be, “Mawu ƒe nɔnɔme nue” wowɔ ameƒomea ɖo le gɔmedzedzea me abe alesi Biblia ɖee fia ene. (Mose I, 1:27; Dɔwɔwɔwo 17:26-28) Apostolo Paulo gblɔ be: “Amesiawo ɖee fia be woŋlɔ sea ɖe yewoƒe dziwo me.”—Romatɔwo 2:15, NW.

Ele eme baa be nusi nyo la nyanya to vovo kura tso agbenyuinɔnɔ ŋutete tsɔtsɔ awɔ nusi nyo lae gbɔ. Alekee agbenyuinɔnɔ ŋutete si hiã la wɔna va sua ame si? Esi wònye be dzi lae ʋãa ame hafi wòwɔa nu ta la, lɔlɔ̃ si le ame si tutuɖo na Biblia la Ŋlɔla, Yehowa Mawu, ate ŋu akpe ɖe amea ŋu be ŋusẽ ma nasu esi.—Psalmo 25:4, 5.

Ŋusẽ Kpɔkpɔ Atsɔ Awɔ Nyuie

Afɔ gbãtɔ si ame aɖe bene wòasrɔ̃ alesi wòalɔ̃ Mawue nye be wòakpɔ alesi gbegbe susu le eƒe sededewo me eye wowɔa dɔe la adze sii. Apostolo Yohanes gblɔ bena: “Lɔlɔ̃ na Mawu enye si bena, míalé eƒe seawo me ɖe asi, eye eƒe seawo mesesẽ o.” (Yohanes I, 5:3) Le kpɔɖeŋu me, aɖaŋuɖoɖo nyuiwo le Biblia me siwo ate ŋu akpe ɖe ɖeviwo ŋu be woanya nyui kple vɔ̃ ne wole nyametsotso wɔm le aha muamewo nono, atikevɔ̃ɖizazã, alo gbɔdɔdɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe ŋu. Biblia ate ŋu akpe ɖe srɔ̃tɔwo ŋu woanya alesi woakpɔ masɔmasɔwo gbɔe, eye ate ŋu ana mɔfiame dzilawo woatsɔ ahe wo viwoe. * Ne ɖeviwo kple ame tsitsiwo siaa tsɔ Biblia ƒe agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenuwo wɔ dɔe la, eɖea vi na wo sɔsɔe metsɔ le ɖoƒe si wole le hadome, woƒe agbalẽnyanya, alo dekɔnu me o.

Abe alesi ko nuɖuɖu si me nunyiame le doa ŋusẽ wò nèwɔa dɔe ene la, nenema kee Mawu ƒe Nya xexlẽ ado ŋusẽ wò nànɔ agbe ɖe eƒe dzidzenuwo nu. Yesu tsɔ Mawu ƒe nyawo sɔ kple nuɖuɖu si léa agbe ɖe te. (Mateo 4:4) Egblɔ be: “Nye nuɖuɖu enye bena, mawɔ amesi dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu.” (Yohanes 4:34) Mawu ƒe Nya sɔsrɔ̃ kpe ɖe Yesu ŋu wòte ŋu nɔ te ɖe tetekpɔwo nu hewɔ nyametsotso nyuiwo.—Luka 4:1-13.

Ðewohĩ Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ bene wòatsi susu me na wò kple lɔlɔ̃ ɖe eƒe dzidzenuwo dzi asesẽ na wò le gɔmedzedzea me. Gake ɖo ŋku edzi be esime nènye ɖevi la, ɖewohĩ nuɖuɖu aɖewo siwo nyo na wò la ɖuɖu mevivia nu wò o. Ke hã, be nàte ŋu atsi nyuie la, ehiã be nàsrɔ̃ alesi woɖua nuɖuɖu nyui mawoe. Nenema kee ɣeyiɣi aɖewo ava yi hafi Mawu ƒe dzidzenuwo nava nyo ŋuwò. Ne èyi edzi kpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu la, àtsi ava lɔ̃ wo eye nàva sẽŋu le gbɔgbɔ me. (Psalmo 34:9; Timoteo II, 3:15-17) Àsrɔ̃ alesi woaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋui eye wòaʋã wò be “nàwɔ nyui.”—Psalmo 37:3.

Ðewohĩ Jodie ƒe nɔnɔmea madze ŋgɔ wò gbeɖe o. Ke hã, èwɔa agbenɔnɔ ŋuti nyametsotsowo, sueawo kple gãwo siaa, gbesiagbe. Eyata Biblia le nu xlɔ̃m wò be: “Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, ke megaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o. Lé ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ata mɔ na wò.” (Lododowo 3:5, 6) Menye ɖeko ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu aɖe vi na wò fifia ko evɔ o, ke boŋ aʋu agbe mavɔ nɔnɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ hã ɖi na wò, elabena toɖoɖo Yehowa Mawu ƒe mɔ la kplɔa ame yia agbe mee.—Mateo 7:13, 14.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 18 Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo nyui siwo ku ɖe nya sia kple nya vevi bubuwo ŋu la le agbalẽ siwo nye Questions Young People Ask—Answers That Work kple Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona, siwo Yehowa Ðasefowo ta me.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 6]

Vivimeŋusẽwo ate ŋu anɔ megbe na ame hahoowo ƒe nukpɔsusuwo

[Nɔnɔmetata siwo le axa 5]

Ƒe gbogbo aɖewo enye sia si xexemenunyalawo le nya ʋlim le nyui kple vɔ̃ ŋu

SOCRATES

KANT

CONFUCIUS

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Kant: From the book The Historian’s History of the World; Socrates: From the book A General History for Colleges and High Schools; Confucius: Sung Kyun Kwan University, Seoul, Korea

[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]

Menye ɖeko Biblia kpena ɖe mía ŋu míekpɔa vovototo si le nyui kple vɔ̃ dome ko o ke boŋ ekpena ɖe mía ŋu be míawɔ nyui